Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mɔ La Enye Si, Mito Edzi!”

“Mɔ La Enye Si, Mito Edzi!”

“Mɔ La Enye Si, Mito Edzi!”

Emilia Pederson Ƒe Ŋutinya

Abe ale si Ruth E. Pappas gblɔe ene

WODZI danye, Emilia Pederson, le ƒe 1878 me. Togbɔ be enye sukunufiala hã la, eƒe didi ŋutɔŋutɔe nye be yeazã yeƒe agbe atsɔ akpe ɖe amewo ŋu be woate ɖe Mawu ŋu. Nu si ɖo kpe Dada ƒe didi vevi sia dzie nye aɖaka gã aɖe si nɔ mía ƒe me le Jasper, si nye du sue aɖe si le Minnesota, U.S.A. Ðe wòƒlee be yeatsɔ alɔ yeƒe agbawo ayi China, afi si wòdi be yeayi aɖasubɔ le abe mawunyadɔgbedela ene. Gake esi nɔa va ku ta la, enɔ nɛ be wòatrɔ susu ahatsi aƒe hena beléle na nɔvia suewo. Le ƒe 1907 me la, eɖe Theodore Holien. Wodzim le December 2, 1925, dzi, eye nyee nye woƒe vi adreawo ƒe dɔmlɔe.

Biblia me nyawo ŋuti biabia geɖewo nɔ Dada si, siwo wònɔ ŋuɖoɖo dim na vevie. Eƒe bibiawo dometɔ ɖeka ku ɖe nufiafia si nye be hell nye dzo mavɔ, afi si wowɔa fu ame vɔ̃ɖiwo le la ŋu. Ebia nya sia Luther Sɔlemeha ƒe ŋgɔxɔla aɖe si va srãa wo kpɔ la be yeakpɔ Biblia me kpeɖodzi na nufiafia ma. Eɖo eŋu nɛ be nya ka kee Biblia ɖagblɔ o, ehiã be woafia nu tso dzo mavɔ ŋu.

Eɖi Kɔ Na Didi Si Nɔ Eme Be Yeanya Nyateƒea

Le ƒe 1900 ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, Dada nɔvinyɔnu, Emma, yi Northfield, Minnesota, be yeaɖasrɔ̃ haƒoƒo. Enɔ eƒe hafiala Milius Christianson, si srɔ̃ nye Biblia Nusrɔ̃vi, si nye ale si woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi la, ƒe aƒe me. Emma na wònya be ye nɔvinyɔnu aɖe doa vevie Biblia xexlẽ ŋutɔ. Eteƒe medidi o, Aƒenɔ Christianson ŋlɔ lɛta aɖe si me wòɖo Biblia me biabia siwo nɔ Dada si ŋu le la ɖo ɖee.

Gbe ɖeka la, Biblia Nusrɔ̃vi aɖe si ŋkɔe nye Lora Oathout ɖo keteke tso Sioux Falls, South Dakota, va ɖe gbeƒã le Jasper. Dada srɔ̃ Biblia srɔ̃gbalẽ si woxɔ la, eye le ƒe 1915 me la, ete Biblia me nyateƒeawo kaka na ame bubuwo, to Biblia srɔ̃gbalẽ siwo wòxɔ tso Lora gbɔ la mama me.

Le ƒe 1916 me la, Dada se be Charles Taze Russell ava takpekpe gã si woawɔ le Sioux City, Iowa. Edi vevie be yeade. Vi atɔ̃e nɔ Dada si ɣemaɣi, eye ɣleti atɔ̃ koe nɔ Marvin si nye suetɔ si. Ke hã, ekplɔ ɖeviawo katã ɖe asi heɖo keteke zɔ mɔ kilometa 160 yi Sioux City ɖakpɔ gome le takpekpea me. Ese Nɔviŋutsu Russell ƒe nuƒowo hekpɔ “Xexeamewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia” la, eye wòxɔ nyɔnyrɔ. Esi wòtrɔ gbɔ va aƒe la, eŋlɔ nu tso takpekpea ŋu, eye wota nu si wòŋlɔ la ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Jasper Journal me.

Le ƒe 1922 me la, Dada nɔ ame 18,000 siwo de takpekpe gã si wowɔ le Cedar Point, Ohio, la dome. Le takpekpe ma dede vɔ megbe la, medzudzɔ gbeƒãɖeɖe tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu kpɔ o. Eye edea dzi ƒo na mí enuenu be míawɔ ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Mɔ la enye si, mito edzi!”—Yes. 30:21.

Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa Ƒe Kutsetsewo

Le ƒe 1920 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, dzinyelawo ʋu dzo le Jasper. Dɔwɔɖui nyui aɖe nɔ Papa si, eye ƒome si dzi kpɔm wònɔ hã keke ta. Medo vevie Biblia sɔsrɔ̃ abe Dada ene o, gake ewɔ nu geɖewo tsɔ kpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu tso dzi blibo me, eye wòɖea mɔ dzikpɔla mɔzɔlawo va dzea míaƒe aƒe me. Zi geɖe ne dzikpɔla mɔzɔla siawo ƒo dutoƒonuƒo le míaƒe aƒea me la, ame siwo ade alafa ɖeka lɔƒo vana—woyɔa míaƒe akpata, nuɖuxɔ, kple xɔdɔme katã.

Esi mexɔ ƒe adre lɔƒo la, nɔɖinye Lettie ƒo ka na mí hegblɔ be yeƒe aƒelika Ed Larson kple srɔ̃a hã di be yewoasrɔ̃ Biblia. Woxɔ Biblia me nyateƒea enumake, eye wokpe aƒelika bubu si nye Martha Van Daalen, si nye vidada si si vi enyi nɔ, be wòava kpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me. Martha kple eƒe ƒomea katã hã va zu Biblia Nusrɔ̃viwo. *

Le ɣeyiɣi mawo me la, Gordon Kammerud, si nye ɖekakpui aɖe si nɔ afi si medidi tso mía gbɔ fũu o la, va te dɔwɔwɔ kple Papa. Woxlɔ̃ nu Gordon be: “Kpɔ nyuie le wò aƒetɔ ƒe vinyɔnuviawo ŋu. Subɔsubɔha manyatalenu aɖe mee wole.” Ke hã, Gordon te Biblia sɔsrɔ̃ eye eteƒe medidi hafi wòka ɖe edzi be yeke ɖe nyateƒea ŋu o. Le ɣleti etɔ̃ megbe la, exɔ nyɔnyrɔ. Edzilawo hã va xɔ nyateƒea, eye míaƒe Holien ƒomea kple Kammerud ƒomea kpakple Van Daalen ƒomea míeva zu xɔlɔ̃ veviwo.

Takpekpewo Do Ŋusẽ Mí

Cedar Point takpekpea do ŋusẽ Dada ale gbegbe be medi be takpekpe bubu aɖeke nato ye ŋu o. Eya ta nu siwo dzi meɖoa ŋkui wu le nye ɖevimenɔɣiwo ŋue nye mɔ legbewo zɔzɔ hena takpekpe siawo dede. Takpekpe si míede le Columbus, Ohio, le ƒe 1931 me la ɖe dzesi ŋutɔ, elabena ɣemaɣie Biblia Nusrɔ̃viwo va tsɔ ŋkɔ si nye Yehowa Ðasefowo. (Yes. 43:10-12) Meɖoa ŋku takpekpe si míede le Washington, D.C., le ƒe 1935 me la hã dzi ŋutɔ, elabena ɣemaɣie nuƒo ʋãme aɖe ɖe ame siwo tututu “ameha gã” si ŋu woƒo nu tso le Nyaɖeɖefia gbalẽa me nye la fia. (Nyaɖ. 7:9) Nɔvinyenyɔnu Lilian kple Eunice nɔ ame siwo wu 800 siwo xɔ nyɔnyrɔ le takpekpe ma me la dome.

Míaƒe ƒomea zɔ mɔ yi takpekpe bubuwo: le Columbus, Ohio, le ƒe 1937 me; le Seattle, Washington, le ƒe 1938 me; kple le New York City, le ƒe 1939 me. Van Daalen kple Kammerud ƒomeawo kpakple ame bubuwo hã yi kpli mí, eye míetsia teƒeteƒewo dɔna le mɔa dzi. Eunice va ɖe Leo Van Daalen le ƒe 1940 me, eye wozu mɔɖelawo. Le ƒe ma ke me la, Lilian ɖe Gordon Kammerud, eye woawo hã wozu mɔɖelawo.

Takpekpe si wowɔ le St. Louis, Missouri, le ƒe 1941 me la nɔ etɔxɛ. Afi mae ɖevi akpeakpewo xɔ agbalẽ si nye Children la le. Takpekpe ma he tɔtrɔwo va nye agbe me. Le takpekpe ma megbe kpuie, le September 1, 1941, dzi la, mía kple nɔvinyeŋutsu Marvin kple srɔ̃a, Joyce, míezu mɔɖelawo. Mexɔ ƒe 15 ɣemaɣi.

Le míaƒe agbledenutoa me la, esesẽna be nɔviawo katã nade takpekpeawo, le esi wowɔa wo le nuŋeɣiwo zi geɖe ta. Eya ta le takpekpeawo dede vɔ megbe la, wova wɔa takpekpea ŋuti numedzodzrowo le míaƒe aƒea megbe be wòaɖe vi na ame siwo mete ŋu de wo o. Numedzodzro siawo wɔɣi nyea dzidzɔɣiwo.

Gilead Dede Kple Subɔsubɔ Le Duta

Woɖo Gilead Sukua le February 1943 me be woatsɔ ana hehe mɔɖelawo hena dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ. Van Daalen ƒomea me tɔ ade—Emil, kple nɔviaŋutsu siwo nye Arthur, Homer, kple Leo; wo tɔɖi ƒe viŋutsu Donald; kple Leo srɔ̃, si nye nɔvinyenyɔnu Eunice—hã nɔ ame siwo de klass gbãtɔa dome. Dzidzɔ kple nuteɖeamedzi ye míetsɔ do hedenyuie na wo, le esi míenya ɣesiɣi míagakpɔ wo ake o ta. Le sukua nuwuwu vɔ megbe la, woɖo wo ame adeawo katã ɖe Puerto Rico, afi si Ðasefo siwo mede 12 gɔ̃ hã o nɔ ɣemaɣi.

Le ƒe ɖeka megbe la, Lilian kple Gordon kpakple Marvin kple Joyce wode Gilead ƒe klass etɔ̃lia. Woɖo woawo hã ɖe Puerto Rico. Eye le September 1944 me la, nye hã mede Gilead ƒe klass enelia esime mexɔ ƒe 18. Le sukua nuwuwu le February 1945 me la, woɖo nye hã ɖe nɔvinyewo gbɔ le Puerto Rico. Nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname ƒe mɔnukpɔkpɔ nyui kae nye esi su asinye! Togbɔ be Spaingbesɔsrɔ̃ menɔ bɔbɔe na mí o hã la, eteƒe medidi hafi Biblia nusrɔ̃vi 20 kple edzivɔ su mía dometɔ aɖewo si o. Yehowa yra ɖe dɔa dzi ŋutɔ. Ðasefo 25,000 lɔƒo sɔŋ ye le Puerto Rico egbea!

Dzigbãnyawo Dzɔ Ðe Míaƒe Ƒomea Dzi

Leo kple Eunice kpɔtɔ nɔ Puerto Rico le wo viŋutsu, Mark, dzidzi le ƒe 1950 me megbe. Le ƒe 1952 me la, wowɔ ɖoɖo be yewoaxɔ mɔkeke ayi aɖasrã ƒometɔwo kpɔ le aƒe. Le April 11 dzi la, woɖo yameʋu hedze mɔ. Nublanuitɔe la, yameʋua ge dze atsiaƒu me le eƒe hoho megbe teti. Leo kple Eunice ku. Wova ke ɖe Mark si xɔ ƒe eve la ŋu le tsia dzi. Agbetsila aɖe tutui de aŋetɔdziʋu sue aɖe me, eye woƒlɔ ya ɖe ko me nɛ wòtsi agbe. *

Le ƒe atɔ̃ megbe, le March 7, 1957, dzi la, Dada kple Papa nɔ ʋu me yina Fiaɖuƒe Akpata me, eye ya ɖe le woƒe ʋua ƒe taya me. Esi wonɔ tayaa ɖɔlim le mɔa to la, ʋu aɖe va ƒo Papa eye wòku enumake. Ame siwo ade 600 ye va se kunuƒoa, eye wònye ɖaseɖiɖi nyuie aɖe na nutoa me tɔ siwo dea bubu Papa ŋu ŋutɔ la.

Dɔdeasi Yeyewo

Do ŋgɔ teti na Papa ƒe ku la, woɖom ɖe Argentina be maɖasubɔ le afi ma. Meva ɖo Mendoza dugã si le Andes Towo gɔme togbɛwo dzi la me le August 1957 me. Le ƒe 1958 me la, woɖo George Pappas, si de Gilead ƒe klass 30 lia la hã ɖe Argentina. Mía kple George míezu xɔlɔ̃ veviwo, eye míeva ɖe mía nɔewo le April 1960 me. Le ƒe 1961 me la, Dada ku esime wòxɔ ƒe 83. Ezɔ tadedeagu vavãtɔ la ƒe mɔa dzi nuteƒewɔwɔtɔe, eye wòkpe ɖe ame gbogbo aɖewo ŋutɔ hã ŋu wowɔ nenema.

Mía kple George míesubɔ kple dutanyanyuigblɔla bubuwo le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe vovovowo me hena ƒe ewo sɔŋ. Emegbe míewɔ nutome sue dzi kpɔkpɔ dɔa hena ƒe adre. Míetrɔ gbɔ va United States le ƒe 1975 me bene míate ŋu akpe ɖe míaƒe ƒomea me tɔ siwo nɔ dɔ lém la ŋu. Le ƒe 1980 me la, womia asi srɔ̃nye be wòava nye Spaingbedolawo ƒe hamewo ƒe nutome sue dzikpɔla. Spaingbedolawo ƒe hame 600 ye nɔ United States ɣemaɣi. Míesrã wo dometɔ geɖe kpɔ hena ƒe 26 sɔŋ, eye míekpɔ ale si hameawo dzi ɖe edzi va ɖo 3,000 kple edzivɔwo la teƒe.

Woto “Mɔ La” Dzi

Edo dzidzɔ na Dada be wòkpɔe eƒe ƒomea me tɔ bubuwo va ƒo wo ɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyenyɔnu tsitsitɔ Ester ƒe vinyɔnu Carol, te mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le ƒe 1953 me. Eva ɖe Dennis Trumbore eye woyi edzi wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Ester ƒe vinyɔnu bubu si ŋkɔe nye Lois, hã ɖe Wendell Jensen. Wode Gilead ƒe klass 41 lia, eye wosubɔ le Nigeria abe dutanyanyuigblɔlawo ene hena ƒe 15 sɔŋ. Leo nɔvinyɔnu Ruth La Londe, kple srɔ̃a Curtiss woxɔ Mark, si dzilawo dze afɔku le yameʋua me heku la nyi. Mark kple srɔ̃a Lavonne, wowɔ mɔɖeɖedɔa hena ƒe geɖe, eye wokpe ɖe wo vi eneawo ŋu woto “mɔ la” dzi.—Yes. 30:21.

Orlen, si nye nɔvinye si ko gakpɔtɔ le agbe la, le eƒe ƒe 90-awo me. Ekpɔtɔ le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Mía kple George míeyi edzi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm dzidzɔtɔe.

Nu Si Dada Gblẽ Ði

Nu vevi aɖe si gbɔ Dada melɔ̃a nu le o la va zu tɔnye—esiae nye eƒe kplɔ̃. Enye nunana si fofonye tsɔ nae le woƒe srɔ̃kpegbe. Agbalẽ gã aɖe, si me wòdzra lɛtawo kple nyadzɔdzɔgbalẽmenyati siwo wòŋlɔ tsɔ ɖi ɖase nyuie tso Fiaɖuƒea ŋu ɖo la, le kplɔ̃a ŋu ɖakawo dometɔ ɖeka me. Woŋlɔ wo dometɔ aɖewo le keke ƒe 1900-awo ƒe gɔmedzedze lɔƒo ke. Lɛta vevi siwo Dada xɔ tso via siwo nye dutanyanyuigblɔlawo gbɔ la hã le kplɔ̃ŋuɖakaa me. Wo xexlẽ edziedzi doa dzidzɔ nam ale gbegbe! Eye eƒe lɛta siwo wòŋlɔ na mí, siwo yɔ fũu kple nya tuameɖowo la, hã dea dzi ƒo nam ŋutɔ. Dada mete ŋu ɖo eƒe taɖodzinu si nye be yeava zu dutanyanyuigblɔla la gbɔ o. Gake dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe dzo si nɔ eme la ʋã ame geɖewo le dzidzime geɖe siwo va kplɔ eyama ɖo la me. Aleke gbegbee mele mɔ kpɔm na ɖekawɔwɔ kple Dada kple Papa kpakple ƒome gã ma le paradisonyigba dzie nye esi!—Nyaɖ. 21:3, 4.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 13 Kpɔ Emil H. Van Daalen ƒe agbemeŋutinya le Eŋlisigbe me June 15, 1983 ƒe Gbetakpɔxɔ [Fransegbe me tɔ October 15], axa 27-30 me.

^ mm. 24 Kpɔ June 22, 1952, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! axa 3-4.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Emilia Pederson

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Le ƒe 1916 me: Dada, Papa (Marvin ye nye ema wòlé ɖe asi); le ete, tso mia me yi ɖusi me: Orlen, Ester, Lilian, Mildred

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Leo kple Eunice, do ŋgɔ teti na woƒe ku

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Le ƒe 1950 me: Tso mia me yi ɖusi me, le dzi: Ester, Mildred, Lilian, Eunice, Ruth; ete: Orlen, Dada, Papa, kple Marvin

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

George kple Ruth Pappas le mɔzɔzɔdɔa me, le ƒe 2001 me