Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa Me—Akpa I

Nya Vevi Siwo Tso Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa Me—Akpa I

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa Me—Akpa I

WOÐE ŋutega 16 siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu la fia amegã ɖeɖi apostolo Yohanes esime wònɔ gaxɔ me le Patmo ƒukpoa dzi. Ekpɔ nu siwo Yehowa Mawu kple Yesu Kristo wɔ le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me—si dze egɔme tso Mawu Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi le ƒe 1914 me eye wòayi edzi va se ɖe Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu—la le ŋutega mawo me. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa, si Yohanes ŋlɔ le ƒe 96 M.Ŋ. me lɔƒo la, nye ŋutega siawo ŋuti nuŋlɔɖi dodzidzɔname aɖe.

Azɔ mina míadzro Nyaɖeɖefia 1:1–12:17, si ku ɖe ŋutega adre gbãtɔ siwo woɖe fia Yohanes ŋu la me nya veviwo me. Ŋutega siawo le vevie na mí, elabena woku ɖe nu siwo le dzɔdzɔm le míaƒe xexea me fifia la ŋu, eye woɖe ale si Yehowa awɔ nu le etsɔ si gbɔna kpuie me la fia. Le nyateƒe me la, ame siwo xlẽa ŋutega sia ŋuti nuŋlɔɖiwo le xɔse me la kpɔa akɔfafa kple dzideƒo geɖe.—Heb. 4:12.

“ALẼVI LA” ÐE NUTRENU ADREAWO DOMETƆ ADE ÐA

(Nyaɖ. 1:1–7:17)

Gbã la, Yohanes kpɔ Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na, eye Yohanes xɔ gbedeasi siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu, siwo wòle be ‘wòaŋlɔ ɖe agbalẽ xatsaxatsa aɖe me ahaɖo ɖe hame adreawo.’ (Nyaɖ. 1:10, 11) Emegbe ekpɔ fiazikpui aɖe si nɔ enɔƒe le dziƒo ƒe ŋutega. Agbalẽ xatsaxatsa aɖe si nu wotsɔ nutrenu adre tre la le Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi la ƒe nuɖusi me. Ame si “dze aʋu agbalẽ xatsaxatsa la” menye ame bubu aɖeke tsɔ wu “Dzata si tso Yuda toa me,” alo ‘alẽvi si dzo adre kple ŋku adre li na’ la o.—Nyaɖ. 4:2; 5:1, 2, 5, 6.

Ŋutega etɔ̃lia ɖe nu si dzɔ esime “Alẽvi la” ɖe nutrenu ade gbãtɔawo ɖa ɖekaɖeka la fia. Le nutrenu adelia ɖeɖeɖa megbe la, anyigbaʋuʋu gã aɖe dzɔ eye dzikuŋkeke gã la ɖo. (Nyaɖ. 6:1, 12, 17) Gake le ŋutega si kplɔe ɖo me la, ekpɔ ‘mawudɔla ene wolé anyigba ƒe ya eneawo ɖe asi goŋgoŋ’ va se ɖe esime woawu ame 144,000 la nutetre nu. Ekpɔ “ameha gã aɖe” siwo nu wometre o la “le tsitre ɖe fiazikpui la ŋkume kple Alẽvi la ŋkume.”—Nyaɖ. 7:1, 9.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

1:4; 3:1; 4:5; 5:6—Nu kae nyagbɔgblɔ ‘gbɔgbɔ adreawo’ fia? Xexlẽme adre fiaa nu ƒe blibonyenye le Mawu ŋkume. Eya ta gbedeasi si woɖo ɖe “hame adreawo” la yi na Mawu ƒe subɔla siwo le hame 100,000 kple edzivɔ siwo le anyigba katã dzi me la. (Nyaɖ. 1:11, 20) Esi wònye be ɖe Yehowa naa gbɔgbɔ kɔkɔea le nu si gbɔ wòdi be yeakpɔ nu ta la, nyagbɔgblɔ si nye ‘gbɔgbɔ adreawo’ fia eƒe dɔwɔwɔ bliboe le yayra kple nugɔmesese nana ame siwo dzroa nyagblɔɖia me la me. Edze ƒãa be wozãa xexlẽme adre le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me zi geɖe. Xexlẽme adre si wozã le afi sia la fia blibonyenye, eye le nyateƒe me la, agbalẽa ƒo nu tso “Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe” la ‘nuwuwu’ bliboe ŋu.—Nyaɖ. 10:7.

1:8, 17—Ame ka ŋue dzesideŋkɔ siwo nye “Alfa kple Omega” kpakple “Gbãtɔ la kple Mlɔetɔ la” ku ɖo? Yehowae wozãa dzesideŋkɔ si nye “Alfa kple Omega” la na tsɔ ɖenɛ fiana kɔtɛ be Mawu ŋusẽkatãtɔ aɖeke medo ŋgɔ nɛ o eye bubu aɖeke hã mado megbe nɛ o. Eyae nye “gɔmedzedze kple nuwuwu.” (Nyaɖ. 21:6; 22:13) Togbɔ be Yehowae wozã nya “gbãtɔ kple mlɔetɔ” na le Nyaɖeɖefia 22:13 le gɔmesesea nu be Mawu aɖeke medo ŋgɔ nɛ o eye bubu aɖeke hã mado megbe nɛ o hã la, nya siwo dze le Nyaɖeɖefia ƒe ta gbãtɔa me ɖee fia be “Gbãtɔ la kple Mlɔetɔ la” si wozã le afi ma ya ku ɖe Yesu Kristo ŋu. Eyae nye amegbetɔ gbãtɔ si wofɔ ɖe tsitre wòzu gbɔgbɔmenuwɔwɔ makumaku kple ame mamlɛtɔ si Yehowa ŋutɔ fɔ ɖe tsitre tẽe nenema.—Kol. 1:18.

2:7—Nu kae nye “Mawu ƒe paradisoa”? Esi wònye be Kristotɔ amesiaminawo ŋue wogblɔ nya mawo le ta la, ele be paradiso si ŋu woƒo nu tso le afi sia naku ɖe dziƒonutome paradiso—si nye afi si Mawu ŋutɔ le—la ŋu. Amesiamina wɔnuteƒewo axɔ teƒeɖoɖo si nye “agbeti” la ɖuɖu. Si fia be makumakunyenye asu wo si.—1 Kor. 15:53.

3:7—Ɣekaɣie Yesu xɔ “David ƒe safui la,” eye alekee wòle safui ma ŋu dɔ wɔm? Yesu va zu Fia si wotia tso David ƒe ƒomea me esime woxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 29 M.Ŋ. me. Gake ƒe 33 M.Ŋ. me hafi Yesu va xɔ David ƒe safui la esime wodoe ɖe dzi wòyi ɖanɔ Mawu ƒe nuɖusi me le dziƒo. Afi mae wòxɔ David ƒe Fiaɖuƒea domenyila ƒe gomenɔamesiwo katã le. Tso ɣemaɣi la, Yesu yi edzi le safuia zãm tsɔ le mɔnukpɔkpɔ kple amenuveve siwo do ƒome kple Fiaɖuƒea la ʋum ɖi na amewo. Le ƒe 1919 me la, Yesu tsɔ ‘David ƒe aƒe la ƒe safui’ la ɖo abɔta na “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la, to kluvi ƒe ha la tsɔtsɔ “[ɖo] eƒe nuwo katã nu” me.—Yes. 22:22; Mat. 24:45, 47.

3:12—Nu kae nye Yesu ƒe “ŋkɔ yeye” la? Ŋkɔ sia ku ɖe Yesu ƒe ɖoƒe kple mɔnukpɔkpɔ yeyewo ŋu. (Fp. 2:9-11) Togbɔ be ame bubu aɖeke menya ŋkɔ sia abe ale si Yesu ŋutɔ nyae ene o hã la, eŋlɔe ɖe nɔvia nuteƒewɔla siwo le dziƒo la ŋu hena wova le ƒomedodo kplikplikpli me kplii. (Nyaɖ. 19:12) Enaa woawo hã kpɔa gome le mɔnukpɔkpɔ siwo su esi la ŋu dɔ wɔwɔ me gɔ̃ hã.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:3. Esi “ɣeyiɣi ɖoɖi [hena Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ hehe va Satana ƒe xexea dzi] la tu aƒe” ta la, Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me gbedeasia gɔmesese kple agbenɔnɔ ɖe enu hiã kpata fifia ŋutɔ.

3:17, 18. Be míanye kesinɔtɔwo le gbɔgbɔ me la, ehiã be míaƒle “sika si wotsɔ dzo klɔ nyuie” la le Yesu gbɔ. Si fia be míadze agbagba anye kesinɔtɔwo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me. (1 Tim. 6:17-19) Ele hã be míado “awudziwui ɣiwo,” si nana wodea dzesi mí be míenye Kristo yome dzelawo, eye ele be míazã “ŋkutike,” abe aɖaŋuɖoɖo siwo wotana ɖe míaƒe Gbetakpɔxɔ magazinewo me ene, bene gbɔgbɔmenugɔmesese nasu mía si.—Nyaɖ. 19:8.

7:13, 14. Ametsitsi 24-awo le tsitre ɖi na ame 144,000-awo le woƒe dziƒoŋutikɔkɔe me, afi si wosubɔna le abe fiawo kple nunɔlawo siaa ene. Ame siawoe nunɔla siwo nɔ blema Israel, siwo Fia David ma ɖe hatsotso 24 me la nye vɔvɔli na. Ametsitsi siawo dometɔ ɖekae ɖe ame siwo ameha gã la nye fia Yohanes. Eya ta ele be Kristotɔ amesiaminawo fɔfɔ ɖe tsitre nadze egɔme do ŋgɔ na ƒe 1935. Nu ka tae? Elabena ƒe ma mee woɖe ame siwo tututu ameha gã la nye la fia Mawu subɔla amesiaminawo le anyigba dzi.—Luka 22:28-30; Nyaɖ. 4:4; 7:9.

NUTRENU ADRELIA ÐEÐEÐA NA WOKU KPẼ ADRE

(Nyaɖ. 8:1–12:17)

Alẽvi la ɖe nutrenu adrelia ɖa. Wotsɔ kpẽ adre na mawudɔla adre. Mawudɔla ade ku woƒe kpẽawo tsɔ ɖe gbeƒã ʋɔnudɔdrɔ̃ si ava ameƒomea ƒe “akpa ɖeka le etɔ̃ me,” si nye Kristodukɔa, dzi la ŋuti gbedeasiwo. (Nyaɖ. 8:1, 2, 7-12; 9:15, 18) Nu siawoe Yohanes kpɔ le ŋutega atɔ̃lia me. Yohanes wɔ akpa aɖe le ŋutega si kplɔe ɖo la me; eɖu agbalẽ xatsaxatsa sue aɖe, eye wòdzidze gbedoxɔa ƒe kɔkɔeƒe la. Le kpẽ adrelia kuku megbe la, gbe sesẽ aɖewo ɖi heɖe gbeƒã be: “Xexea me fiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo ƒe fiaɖuƒe.”—Nyaɖ. 10:10; 11:1, 15.

Ŋutega adrelia gana numekɔkɔ geɖe ku ɖe Nyaɖeɖefia 11:15, 17 me nyawo ŋu. Wokpɔ dzesi gã aɖe le dziƒo. Dziƒonyɔnu aɖe dzi vi, si nye ŋutsuvi. Wonyã Abosam ɖa le dziƒo. Esi dzi kui ɖe dziƒonyɔnua ŋu vevie la, edzo yi “be yeawɔ aʋa kple nyɔnu la ƒe dzidzime la ƒe ame susɔeawo.”—Nyaɖ. 12:1, 5, 9, 17.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

8:1-5—Nu ka tae ɖoɖoe zi le dziƒo, eye nu kae wotsɔ ƒu gbe ɖe anyigba dzi emegbe teti? Ðoɖoe zi le dziƒo, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, bene woase “ame [kɔkɔe siwo le anyigba dzi] ƒe gbedodoɖawo.” Esia dzɔ le xexemeʋa gbãtɔa ƒe nuwuwu. Kristotɔ amesiaminawo medzo yi dziƒo le Dukɔwo ƒe Azã la ƒe nuwuwu abe ale si ame geɖe kpɔ mɔe ene o. Woto nɔnɔme sesẽwo me le aʋawɔɣia. Eya tae wodo gbe ɖa vevie hena mɔfiame emegbe ɖo. Le woƒe gbedodoɖawo ŋu ɖoɖo me la, mawudɔla la tsɔ kpɔɖeŋudzo aɖe ƒu gbe ɖe anyigba dzi, si de dzo yeye Kristotɔ amesiaminawo me le gbɔgbɔ me. Togbɔ be woƒe xexlẽme nɔ ʋɛ hã la, wodze xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ aɖe gɔme, si va na Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nya va zu nyati vevi aɖe si wɔ fu Kristodukɔa abe dzo ene. Woɖe gbeƒã Biblia me nuxlɔ̃ame gbedeasi sesẽ siwo le abe dziɖegbewo ene, eye woɖe gbeƒã Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe siwo le abe dzikedzowo ene, si ʋuʋu alakpasubɔsubɔhawo de woƒe agunu ke, abe ale si anyigbaʋuʋu ʋuʋua xɔwo ene.

8:6-12; 9:1, 13; 11:15—Ɣekaɣie mawudɔla adreawo dzra ɖo hena woƒe kpẽ adreawo kuku, ɣekaɣie kpẽawo ɖi, eye alekee woɖi? Dzadzraɖo ɖe kpẽ adreawo kuku ŋu lɔ mɔfiamewo nana Yohanes habɔbɔa me tɔ siwo me wogade dzoe le anyigba dzi tso ƒe 1919 va ɖo ƒe 1922 me la ɖe eme. Amesiamina mawo ƒe ŋku va biã ɖe ɖoɖowɔwɔ ake ɖe dutoƒosubɔsubɔdɔa kple agbalẽwo tata ŋu. (Nyaɖ. 12:13, 14) Kpẽawo kuku le tsitre ɖi na Mawu ƒe amewo ƒe gbeƒãɖeɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si ava Satana ƒe xexea dzi la vɔvɔ̃manɔmee le ɖekawɔwɔ me kple mawudɔlaawo. Eɖe dzesi be esia dze egɔme tso takpekpe si wowɔ le Cedar Point, Ohio, le ƒe 1922 me dzi, eye wòayi edzi va se ɖe xaxa gã la me.

8:13; 9:12; 11:14—Gɔmesese ka nue kpẽ etɔ̃ mamlɛawo kuku nye ‘fuwɔamewo’ le? Togbɔ be kpẽkuku ene gbãtɔawo nye gbeƒãɖeɖe siwo klo nu le ale si Kristodukɔa ku le gbɔgbɔ mee ŋu hã la, kpẽkuku etɔ̃ mamlɛawo ya nye fuwɔame le gɔmesesea nu be woku ɖe nudzɔdzɔ aɖewo koŋ ŋu. Kpẽ atɔ̃lia kuku ku ɖe Mawu ƒe amewo ɖeɖe tso dɔmawɔmawɔ ƒe “aʋli me” le ƒe 1919 me kpakple woƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ atraɖii, si va le ko abe fuwɔame na Kristodukɔa ene la ŋu. (Nyaɖ. 9:1) Kpẽ adelia kuku ku ɖe sɔdolawo ƒe aʋahoho gãtɔ kekeake le ŋutinya me kple xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ si dze egɔme tso ƒe 1922 me la ŋu. Kpẽ mamlɛa kuku ku ɖe Mesia Fiaɖuƒea dzidzi ŋu.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

9:10, 19. Aɖi wɔfuamewo hã le Biblia me nya siwo ŋu kakaɖedzi le, siwo dzena le “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” ƒe agbalẽwo me la me. (Mat. 24:45) Gbedeasi siawoe wotsɔ sɔ kple ʋetsuviwo ƒe asike siwo nu ‘ti le abe dziɖegbewo tɔ ene,’ kple sɔdolawo ƒe sɔ, siwo ‘ƒe asikewo le abe dawo ene.’ Nu ka tae? Elabena agbalẽ siawo xlɔ̃a nu tso Yehowa ƒe “hlɔ̃biaŋkeke” la ŋu. (Yes. 61:2) Mina míetsɔ dzinɔameƒo kple dzonɔameme ama agbalẽ siawo.

9:20, 21. Ame fafa siwo le dukɔ siwo womebuna Kristotɔwoe o me la dometɔ geɖe xɔ gbedeasi si míeɖea gbeƒãe la nyuie. Ke hã, míele mɔ kpɔm be ame siwo menye Kristodukɔa me tɔwo o, siwo woyɔ be ‘ame susɔeawo,’ la dometɔ gbogbowo nava xɔ nyateƒea o. Gake míeyia edzi doa vevie nu le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me.

12:15, 16. “Anyigba la”—si nye Satana ƒe nuɖoanyia ƒe akpa aɖe, alo dziɖuŋusẽ siwo le dukɔ vovovoawo me—da asi ɖe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe dzi. Tso ƒe 1940-awo me la, dziɖuŋusẽ mawo ‘ke nu, eye womi yometiti ƒe tɔsisi si ʋɔ driba la tu tso eƒe nu me la.’ Nyateƒee, ne edze Yehowa ŋu la, ate ŋu aʋã dziɖuɖumegãwo woana eƒe lɔlɔ̃nu nava eme. Eya ta esɔ nyuie be Lododowo 21:1 gblɔ be: ‘Fia ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Yehowa si me; afi si wòlɔ̃ la, eya wòkplɔnɛ yinae.’ Ele be esia nana míaƒe Mawu dzi xɔxɔ se me nasẽ ɖe edzi.