Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Va Dze Yonyeme”

“Va Dze Yonyeme”

“Va Dze Yonyeme”

“Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe fuwɔameti la gbe sia gbe, eye wòadze yonyeme.”—LUKA 9:23.

1, 2. (a) Amekpekpe kae Yesu tsɔ ɖo amewo katã ŋkume dɔmenyotɔe? (b) Aleke nèwɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpea dzii?

LE Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ƒe nuwuwu lɔƒo la, enɔ ɖase ɖim le Perea, si nye nuto aɖe si le Yordan godo, le Yudea ƒe dzieheɣedzeƒekpa dzi. Ðekakpui aɖe te ɖe eŋu hebiae be nu kae wòle be yeawɔ hafi anyi agbe mavɔ dome hã. Esi Yesu kpɔ kakaɖedzi be ɖekakpuia wɔna ɖe Mose ƒe Sea dzi nuteƒewɔwɔtɔe vɔ megbe la, edo amekpekpe tɔxɛ aɖe ɖe egbɔ. Egblɔ nɛ be: “Heyi, dzra nu siwo le asiwò, eye nàtsɔ wo ana ame dahewo, eye nu xɔasiwo anɔ asiwò le dziƒo, eye va dze yonyeme.” (Mar. 10:21) Wò ya bu eŋu kpɔ ko—Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ ƒe Tenuvi lae kpe ɖekakpuia be wòadze ye yome!

2 Ðekakpui ma mewɔ ɖe amekpekpea dzi o, gake ame bubuwo ya lɔ̃ wɔ ɖe edzi. Do ŋgɔ la, Yesu gblɔ na Filipo be: “Dze yonyeme.” (Yoh. 1:43) Filipo lɔ̃ eye wòva zu apostolo emegbe. Nya ma kee Yesu gblɔ na Mateo, eye eya hã lɔ̃. (Mat. 9:9; 10:2-4) Le nyateƒe me la, Yesu do amekpekpe ma ke ɖe ame siwo katã lɔ̃a dzɔdzɔenyenye la gbɔ esime wògbɔ be: “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe fuwɔameti la gbe sia gbe, eye wòadze yonyeme ɖaa.” (Luka 9:23) Eya ta ame sia ame ate ŋu anye Yesu yomedzela ne eya ŋutɔ dii ko. Ðe didi ma le mewòa? Mía dometɔ akpa gãtɔ míelɔ̃ xɔ Yesu ƒe amekpekpe dɔmenyotɔe la kple dzidzɔ, eye míawo hã míetsɔa amekpekpe ma yina na ame bubuwo le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me.

3. Alekee míakpɔ egbɔ be míagatra mɔ le Yesu yome dzedze me o?

3 Nublanuitɔe la, ame aɖewo siwo tsɔ ɖe le Biblia me nyateƒea me la meyi edzi wɔ ŋgɔyiyi o. Ke boŋ, woƒe dzonɔameme dzi va ɖe kpɔtɔ, eye vivivi la, ‘wova tra mɔ’ le Yesu yome dzedze me. (Heb. 2:1) Alekee míakpɔ egbɔ be míagadze mɔ̃ ma me o? Anyo be míabia mía ɖokui be: ‘Nu ka tae metiae be madze Yesu yome ɖo? Nu kae eyomedzedze fia?’ Ne nya siawo ƒe ŋuɖoɖo le susu me na mí la, akpe ɖe mía ŋu míagaɖoe kplikpaa wu tsã be míakpɔtɔ anɔ mɔ nyuitɔ si míetia la dzi. Akpe ɖe mía ŋu hã míanya ale si míade dzi ƒo na ame bubuwo be woadze Yesu yome.

Nu Ka Tae Míadze Yesu Yome?

4, 5. Nu ka tae Yesu dze anye Kplɔla?

4 Nyagblɔɖila Yeremiya gblɔ be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yer. 10:23) Nu siwo dzɔ le ŋutinya me ɖo kpe Yeremiya ƒe nya siawo ƒe nyateƒenyenye dzi. Eva le dzedzem ƒãa be amegbetɔ madeblibowo mate ŋu aɖu wo ɖokuiwo dzi dzidzedzetɔe o. Esi míeva nya be Yesu dze anye mía Kplɔla le mɔ si amegbetɔ aɖeke mate ŋui o nu tae míelɔ̃ dze eyome ɖo. Na míadzro susu siwo ta Yesu nye Kplɔla si dze la dometɔ aɖewo me kpɔ.

5 Susu gbãtɔe nye be Yehowa ŋutɔe tia Yesu be wòanye Mesia, Kplɔla la. Ðe ame aɖe anya Kplɔla si ƒomevi míehiã la nyuie wu mía Wɔla la? Susu eveliae nye be, nɔnɔme nyoameŋu siwo míate ŋu asrɔ̃ la le Yesu si. (Mixlẽ Yesaya 11:2, 3.) Enye kpɔɖeŋu deblibo na mí. (1 Pet. 2:21) Susu etɔ̃liae nye be, Yesu tsɔa ɖe le eme na ame siwo dzea eyome la vevie, abe ale si wòɖee fia to eƒe agbe tsɔtsɔ sa vɔ ɖe wo ta mee ene. (Mixlẽ Yohanes 10:14, 15.) Eye eɖee fia be yenye alẽkplɔla nyui lɔ̃ame le esi wòfiaa mɔ mí míenɔa agbe si me dzidzɔ le fifia, si akplɔ mí ayi etsɔme nyui mavɔ me la ta. (Yoh. 10:10, 11; Nyaɖ. 7:16, 17) Le susu siawo kple bubu geɖewo ta la, míekpɔe be nyametsotso nyui aɖee wònye míewɔ esi míelɔ̃ ɖe Yesu ƒe amekpekpe be míadze ye yome la dzi. Gake nu kae nyametsotso sia lɔ ɖe eme?

6. Nu kae Yesu yome dzedze lɔ ɖe eme?

6 Be míanye Kristo yomedzela bia nu geɖe wu gbɔgblɔ be míenye Kristotɔwo ko. Ame abe biliɔn eve sɔŋ ene yɔa wo ɖokuiwo egbea be Kristotɔwo, gake woƒe nuwɔnawo ɖee fia be “sedzimawɔlawo” boŋ wonye. (Mixlẽ Mateo 7:21-23.) Ne amewo ɖe ɖetsɔleme fia ɖe amekpekpe si nye be woadze Yesu yome ŋu la, míeɖenɛ fiaa wo be Kristotɔ vavãwo nana woƒe agbenɔnɔ bliboa sɔna ɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋu kple nufiafiawo nu, eye be wowɔa esia gbe sia gbe. Be míase nu si esia fia gɔme la, mina míadzro nu siwo míenya tso Yesu ŋu la dometɔ aɖewo me kpɔ.

Srɔ̃ Kpɔɖeŋu Si Yesu Ðo Le Nunya Gome

7, 8. (a) Nu kae nye nunya, eye nu ka tae nunya le Yesu si nenema gbegbe ɖo? (b) Alekee Yesu wɔ nunya ŋu dɔe, eye alekee míate ŋu asrɔ̃ eyama?

7 Yesu ɖe nɔnɔme ɖedzesi geɖe fia, gake míaƒo nu tso wo dometɔ ene ŋu: eƒe nunya, eƒe ɖokuibɔbɔ, eƒe veviedodonu, kple eƒe lɔlɔ̃. Gbã la, bu nunya si le esi, si nye ŋutete si nana wòwɔa sidzedze kple nugɔmesese ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu, la ŋu kpɔ. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Eya [Yesu] mee woɣla nunya kple sidzedze ƒe nu xɔasiwo katã ɖo nyuie.” (Kol. 2:3) Afi kae Yesu kpɔ nunya ma tso? Eya ŋutɔ gblɔ be: “Ale si Fofo la fiam la, nya siawo megblɔna.” (Yoh. 8:28) Esi wònye Yehowa gbɔe Yesu ƒe nunyaa dzɔ tso ta la, mewɔ nuku na mí be ebua nuwo ŋu nyuie le eƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me o.

8 Le kpɔɖeŋu me, Yesu bu nuwo ŋu nyuie le agbe si ƒomevi wòanɔ la tiatia me. Etiae be yeanɔ agbe tsɛ, si na eƒe susu nɔ nu ɖeka ko ŋu, si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. Ezã eƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ nunyatɔe ɖe Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ ŋu. Míedzea Yesu ƒe kpɔɖeŋua yome to agbagbadzedze be míanɔ agbe tsɛ ahaƒo asa na nu siwo mehiã hafi o, evɔ woxɔa ame ƒe susu kple ŋusẽ katã la, tsɔtsɔ do agba na mía ɖokui me. (Mat. 6:22) Kristotɔ geɖewo dzea agbagba nɔa agbe tsɛ ale be woate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe wu ɖe subɔsubɔdɔa ŋu. Wo dometɔ aɖewo te ŋu ƒo wo ɖokuiwo ɖe mɔɖeɖedɔa me. Ne mɔɖelae wò hã nènye la, ekema èdze na kafukafu ŋutɔ. Ne ame ‘le fiaɖuƒea dim gbãgbiagbã’ la, ekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme gã aɖe.—Mat. 6:33.

Bɔbɔ Ðokuiwò Abe Yesu Ene

9, 10. Alekee Yesu ɖe ɖokuibɔbɔ fia?

9 Yesu ƒe amenyenye ƒe akpa evelia si me míadzroe nye eƒe ɖokuibɔbɔ. Zi geɖe ne ŋusẽ alo ɖoƒe aɖe su amegbetɔ madeblibowo si la, wobua wo ɖokuiwo gã wu ame bubuwo. Gake Yesu ya to vovo kura! Togbɔ be ɖoƒe vevi aɖee Yesu le le Yehowa ƒe tameɖoɖo me vava me hã la, ɖokuidodoɖedzi vi aɖe teti kura gɔ̃ hã medze le eyama ŋu o. Eye wode dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu ma. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Tamesusu ƒe nɔnɔme sia si nɔ Kristo Yesu me la nenɔ miawo hã mia me, ame si, togbɔ be enɔ Mawu ƒe nɔnɔme me hã la, susu aɖeke meva tame nɛ be yeaʋli ɖoƒe, si nye be ye kple Mawu yewoasɔ o. Ao, ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui, eye wòtsɔ kluvi ƒe nɔnɔme, eye wòva nɔ abe amegbetɔwo ene.” (Fp. 2:5-7) Nu kae esia lɔ ɖe eme?

10 Togbɔ be ŋutikɔkɔe ƒe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ su Yesu si be wònɔ Fofoa ŋutɔ ŋkume le dziƒo hã la, elɔ̃ faa ‘ɖi gbɔlo eɖokui.’ Wotrɔ eƒe agbe de Yuda ɖetugbui nɔaƒe aɖe ƒe vidzidɔ me, afi si wònɔ ɣleti asieke va se ɖe esime wòdzii wònye vidzĩe wɔnamanɔŋutɔ le Yosef, atikpala tsɛ aɖe ƒe aƒe me. Le afi ma la, Yesu va srɔ̃ azɔlizɔzɔ, tsi va zu ɖevi sue, eye emegbe wòɖo eƒe ƒewuiwo me. Nu vɔ̃ menɔ eŋu o. Ke hã, ebɔbɔ ɖe dzila madeblibo siwo nye nu vɔ̃ mewo te le eƒe sɔhɛmenɔɣia katã. (Luka 2:51, 52) Ðokuibɔbɔ sia wɔ nuku loo!

11. Mɔ kawo nue míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ le?

11 Míesrɔ̃a Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ ne míelɔ̃na faa xɔa dɔdeasi siwo dzena dɔ tsɛwoe. Le kpɔɖeŋu me, bu gbeƒãɖeɖe nya nyuia ƒe dɔ si wode mía si ŋu kpɔ. Dɔ sia ate ŋu adze dɔ tsɛe, vevietɔ ne amewo metsɔa ɖeke le eme o, woɖua fewu, alo tsia tsitre ɖe mía ŋu. Gake ne míekua kutri le gbeƒãɖeɖedɔa me la, ekema míele kpekpem ɖe amewo ŋu be woalɔ̃ ɖe Yesu ƒe amekpekpe be woava dze ye yome la dzi. To esia dzi la, míekpena ɖe amewo ŋu be woakpɔ agbe. (Mixlẽ 2 Timoteo 4:1-5.) Kpɔɖeŋu bubue nye míaƒe Fiaɖuƒe Akpataa me dzadzraɖo. Esia abia be míawɔ dɔ siwo woabu dɔ tsɛwoe, abe gbeɖuɖɔwo tsɔtsɔ aƒu gbe, anyigbakpɔkplɔ kple etutu, kpakple nugododeƒewo kɔklɔ ene. Ke hã, míenyae be beléle na Fiaɖuƒe Akpataa—si nye tadedeagu dzadzɛa ƒe akpata le nutoa me—nye míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea ƒe akpa aɖe. Ne míelɔ̃na faa wɔa dɔ siwo dzena dɔ tsɛwoe la, ekema míele ɖokuibɔbɔ ɖem le fiafiam, eye míele Kristo ƒe afɔtoƒewo yome dzem.

Do Vevie Nu Abe Yesu Ene

12, 13. (a) Aleke Yesu ɖe veviedodonu fiae, eye nu kawoe ʋãe? (b) Nu kawoe aʋã mí be míawɔ subɔsubɔdɔa veviedodotɔe?

12 Bu ale si Yesu do vevie nu le subɔsubɔdɔa me ŋu kpɔ. Yesu wɔ dɔ geɖe esime wònɔ anyigba dzi. Le eƒe sɔhɛmenɔɣi la, ewɔ atikpakpadɔ le Yosef, ame si xɔe nyi la gbɔ. Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la, ewɔ nukunuwo, siwo dometɔ aɖewoe nye dɔdada kple ame kukuwo fɔfɔ ɖe tsitre. Ke hã, dɔ vevitɔ si wòwɔe nye gbeƒãɖeɖe nya nyuia kple nufiafia ame siwo lɔ̃ faa be yewoaɖo toe. (Mat. 4:23) Esi míenye eyomedzelawo ta la, dɔ sia kee wòle be míawɔ. Alekee míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua? Mɔ siwo nu míawɔ esia le dometɔ ɖekae nye nana be nu siwo ʋã Yesu wòɖe gbeƒã la naʋã míawo hã.

13 Lɔlɔ̃ na Mawu koŋ ye ʋã Yesu wòɖe gbeƒã hefia nu amewo. Gake Yesu lɔ̃ nyateƒenya siwo fiam wònɔ la hã. Yesu bu nyateƒenya siwo gblɔm wònɔ la be woxɔ asi ale gbegbe, eye le esia ta edi vevie be yeagblɔ wo na amewo. Esi míawo hã míenye “nufialawo” ta la, míesena le mía ɖokui me nenema ke. Wò ya de ŋugble tso nyateƒenya xɔasi siwo míesrɔ̃ le Mawu ƒe Nya la me dometɔ aɖewo ŋu kpɔ! Míenya xexea me katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya si fɔ ɖe te kple ale si woakpɔ egbɔe. Míese nu si Ŋɔŋlɔawo fia tso nɔnɔme si me ame kukuwo le kple yayra siwo ava le Mawu ƒe xexe yeyea me ŋu la gɔme nyuie. Nyitsɔ laa koe míeɖasrɔ̃ nyateƒenya siawo alo míesrɔ̃ wo eteƒe didi o, woƒe asixɔxɔ dzi meɖena kpɔtɔ gbeɖe o. Míeɖanya nyateƒenya siawo xoxoxo alo wonye nu yeye na mí o, asixɔxɔ gã aɖe le wo ŋu na mí ale gbegbe. (Mixlẽ Mateo 13:52.) Ne míetsɔa veviedodonu ɖea gbeƒã tso dzi me la, enana amewo kpɔnɛ be míelɔ̃ nu siwo Yehowa fia mí la ŋutɔ.

14. Aleke míate ŋu asrɔ̃ ale si Yesu fia nui?

14 Bu ale si Yesu fia nui hã ŋu kpɔ. Ehea eƒe nyaselawo ƒe susu yia Ŋɔŋlɔawo dzi ɣesiaɣi. Ne edi be yeahe susu ayi nya vevi aɖe dzi la, egblɔna zi geɖe be: “Woŋlɔ ɖi be.” (Mat. 4:4; 21:13) Nuŋlɔɖiwo ɖee fia be eyɔ nyawo tẽe tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me gbalẽawo ƒe afã me, alo ƒo nu tso wo ŋu. Abe Yesu ene la, míeɖoa ŋu ɖe Biblia ŋu vevie le míaƒe subɔsubɔdɔa me, eye míedzea agbagba xlẽa Ŋɔŋlɔawo na amewo ɣesiaɣi si wòanya awɔ. Míetoa esia dzi ɖenɛ fiana dzi dzɔdzɔe tɔwo be Mawu ƒe nyawo fiam míele, ke menye mía ŋutɔ tɔwoe o. Edoa dzidzɔ na mí ŋutɔ ne ame aɖe ɖe mɔ na mí míexlẽ nya aɖe tso Biblia me nɛ hedzro asixɔxɔ kple gɔmesese si le Mawu ƒe Nya la ŋu me kplii. Eye ne ame siawo lɔ̃ ɖe Yesu ƒe amekpekpe be woadze ye yome dzi la, dzi dzɔa mí wu gbɔgblɔ!

Yesu Yome Dzedze Bia Be Míalɔ̃ Amewo

15. Nu kae nye Yesu ƒe nɔnɔme veviwo dometɔ ɖeka, eye ŋusẽ kae ŋugbledede tso eŋu ate ŋu akpɔ ɖe mía dzi?

15 Yesu ƒe amenyenye ƒe akpa mamlɛtɔ si me míadzroe nye esi wɔa dɔ ɖe ame dzi wu—si nye lɔlɔ̃ si le esi na amegbetɔwo. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃ si le Kristo la si ƒonɛ ɖe mía nu.” (2 Kor. 5:14) Ne míede ŋugble tso lɔlɔ̃ si le Yesu si na amegbetɔwo kple na mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu la, ewɔa dɔ ɖe mía dzi, eye wòʋãa mí be míadze eƒe kpɔɖeŋua yome.

16, 17. Mɔ kawo nue Yesu ɖe lɔlɔ̃ fia amewo le?

16 Alekee Yesu ɖe lɔlɔ̃ fia amewo? Ale si wòlɔ̃ faa tsɔ eƒe luʋɔ ɖo anyi ɖe ameƒomea ta ye nye mɔ gãtɔ kekeake si nu wòɖe lɔlɔ̃ fia le. (Yoh. 15:13) Gake Yesu gaɖe lɔlɔ̃ fia le mɔ bubuwo hã nu le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi. Le kpɔɖeŋu me, ese veve ɖe ame siwo nɔ fu kpem nu. Esi wòkpɔ Maria kple ame siwo nɔ eŋu, siwo nɔ avi fam le Lazaro ƒe ku ta la, woƒe nuxaxaa te ɖe edzi ale gbegbe. Togbɔ be Yesu nya be yeafɔ Lazaro ɖe tsitre kpuie hã la, nudzɔdzɔa te ɖe edzi ale gbegbe ‘wòfa avi.’—Yoh. 11:32-35.

17 Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, kpodɔléla aɖe te ɖe eŋu gblɔ nɛ be: “Ne èlɔ̃ ko la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ.” Aleke Yesu wɔ nu ɖe eŋui? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Eƒe nu wɔ nublanui” nɛ. Azɔ ewɔ nu ɖedzesi aɖe. “[Edo] eƒe asi ɖa heka asi eŋu hegblɔ nɛ be: ‘Melɔ̃. Ŋutiwò nekɔ.’ Eye enumake kpodɔ la vɔ nɛ, eye eŋuti kɔ.” Le Mose ƒe Sea nu la, kpodɔlélawo ŋuti mekɔ o, eye Yesu ate ŋu ada dɔ na kpodɔléla sia esi mahiã be wòaka asi eŋu hafi o. Ke hã, Yesu na mɔnukpɔkpɔ kpodɔlélaa wòte ŋu gase ale si ame bubu ƒe asikaka ame ŋu nɔna la le eɖokui me ake zi gbãtɔ, ɖewohĩ le ƒe gbogbo aɖewo megbe. Veveseseɖeamenu nuwɔna lédziname ka gbegbee nye esi!—Mar. 1:40-42.

18. Alekee míate ŋu ‘ase veve ɖe ame nu’?

18 Wobia tso mí Kristo yomedzelawo hã si be ‘míase veve ɖe amewo nu.’ (1 Pet. 3:8) Ðewohĩ manɔ bɔbɔe be míanya ale si mía nɔvi haxɔsetɔ aɖe si le fu kpem le dɔmavɔleameŋu, alo blanuiléledɔ me la sena le eɖokui me o—vevietɔ ne mía ŋutɔwo míeto nɔnɔme ma me kpɔ o. Ke hã, togbɔ be Yesu ŋutɔ medze dɔ kpɔ o hã la, ese veve ɖe dɔnɔwo nu. Aleke míate ŋu atu veveseɖeamenu ƒe nɔnɔme sia tɔgbi ɖo? Eyae nye be míagbɔ dzi ɖi aɖo to nyuie ne dɔnɔwo le woƒe dzimenyawo kple ale si wosena le wo ɖokui me gblɔm na mí. Míate ŋu abia mía ɖokuiwo hã be: ‘Ne nyee ɖe, aleke manɔ sesem le ɖokuinye me?’ Ne míesrɔ̃ ale si míase veve ɖe ame nu geɖe wu la, ekema míate ŋu ‘aƒo nu na luʋɔ siwo lé blanui la akɔfafatɔe’ geɖe wu. (1 Tes. 5:14) Ne míewɔnɛ alea la, ekema míele Yesu yome dzem.

19. Ŋusẽ kawoe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo akpɔ ɖe mía dzi?

19 Nu nyui dodzidzɔname kawo gbegbee nye esi míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu Kristo ƒe nyawo kple nuwɔnawo me! Zi ale si míeyi edzi le nu srɔ̃m tso eyama ŋu la, zi nenemae míadi be míawɔ nu abe eyama ene—eye zi nenema kee míadi be míakpe ɖe amewo ŋu woawo hã woasrɔ̃ eyama. Ekema, mina míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be Mesia Fia la yome dzedze nanɔ dzidzɔ dom na mí fifia yi ɖe mavɔmavɔ me!

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Alekee míate ŋu aɖe nunya afia abe ale si Yesu wɔe ene?

• Mɔ kawo nue míate ŋu aɖe ɖokuibɔbɔ afia le?

• Alekee míate ŋu awɔ ado vevie nu le subɔsubɔdɔa me?

• Mɔ kawo nue míate ŋu asrɔ̃ Yesu le lɔlɔ̃ɖeɖefia amewo me le?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 5]

AGBALẼ AÐE SI AKPE ÐE MÍA ŊU MÍASRƆ̃ KRISTO

Woɖe axa 192-gbalẽ aɖe ɖe go le yevugbe me le ƒe 2007 ƒe nutome gã takpekpewo me, si ƒe tanyae nye “Come Be My Follower” (“Viens, suis-moi” [“Va Dze Yonyeme”]). Wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe Kristotɔwo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yesu ŋu, vevietɔ ku ɖe eƒe nuwɔnawo kple nɔnɔme nyuiwo ŋu. Le ta eve gbãtɔawo megbe la, agbalẽa ƒe akpa gbãtɔ dzro Yesu ƒe nɔnɔme ɖedzesi siwo nye ɖokuibɔbɔ, dzinɔameƒo, nunya, toɖoɖo, kple dzidodo me.

Emegbe eƒe akpa bubuwo ƒo nu tso dɔ siwo Yesu wɔ abe nufiala kple nya nyui gbeƒãɖela, kpakple mɔ siwo nu wòɖe eƒe lɔlɔ̃ gã la fia le dometɔ aɖewo ene ŋu. Le agbalẽ bliboa katã me la, wona numeɖeɖe siwo akpe ɖe Kristotɔ ŋu be wòasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu.

Míeka ɖe edzi be agbalẽ sia aʋã mí katã ahana míabia mía ɖokuiwo ɖokuimedzodzrotɔe be: ‘Ðe mèle Yesu yome dzem ŋutɔŋutɔa? Aleke mate ŋu adze eƒe afɔɖoƒewo yome nyuie wu?’ Agbalẽa akpe ɖe “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ la” hã ŋu be woava dze Yesu yome.—Dɔw. 13:48.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Yesu lɔ̃ faa be yeava anyigba dzi woadzi ye abe amegbetɔ vidzĩe ene. Nɔnɔme ka ɖeɖe fiae esia bia?

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Nu kae aʋã mí míado vevie nu le subɔsubɔdɔa me?