Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ƒe Dɔla La—“Wode Abi Eŋu Le Míaƒe Dzidadawo Ta”

Yehowa Ƒe Dɔla La—“Wode Abi Eŋu Le Míaƒe Dzidadawo Ta”

Yehowa Ƒe Dɔla La—“Wode Abi Eŋu Le Míaƒe Dzidadawo Ta”

“Wode abi eŋu le míaƒe dzidadawo ta, eye wogbãe gudugudu le míaƒe vodadawo ta. . . . Eƒe kabiwo wotsɔ yɔ dɔ mí.”—YES. 53:5.

1. Nu kawoe wòle be woanɔ susu me na mí le Ŋkuɖodzia wɔɣi, eye nyagblɔɖi kae akpe ɖe mía ŋu le go sia me?

MÍEWƆA Ŋkuɖodzia be míaɖo ŋku Kristo ƒe kua kple viɖe siwo katã dona tso eƒe ku kple tsitretsitsia me la dzi. Ŋkuɖodzia nana míeɖoa ŋku Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli, eƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ, kple eƒe tameɖoɖowo, si lɔ ameƒomea ɖeɖe hã ɖe eme la, dzi. Ðewohĩ nyagblɔɖi bubu aɖeke meƒo nu tso Kristo ƒe vɔsa kple viɖe siwo dona tso eme ŋu nyuie wu esi woŋlɔ ɖe Yesaya 53:3-12 o. Yesaya gblɔ Dɔla la ƒe fukpekpe ŋuti nya ɖi, eye wògblɔ nya vevi aɖewo ku ɖe Kristo la ƒe ku kple yayra siwo eƒe kua ahe vae na nɔvia amesiaminawo kple eƒe “alẽ bubuwo” la ŋu tẽe.—Yoh. 10:16.

2. Nu ka dzie Yesaya ƒe nyagblɔɖia ɖo kpe, eye ŋusẽ kae emedzodzro akpɔ ɖe mía dzi?

2 Ƒe 700 do ŋgɔ na Yesu dzidzi le anyigba dzi la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Yesaya wògblɔ ɖi be yeƒe Dɔla tiatia la awɔ nuteƒe le dodokpɔ sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã me. Nyateƒenya sia ɖo kpe ale si Yehowa ka ɖe Via ƒe nuteƒewɔwɔ dzi bliboe la dzi. Nyagblɔɖi sia me dzodzro ade dzi gbɔ na mí ahado ŋusẽ míaƒe xɔse geɖe ŋutɔ.

“Wodo Vloe” Eye ‘Womebui Ðe Naneke Me O’

3. Nu ka tae wòle be Yudatɔwo naxɔ Yesu kple dzidzɔ hafi, gake alekee wowɔ nu ɖe eŋu?

3 Mixlẽ Yesaya 53:3. Wò ya bu nu siwo gbegbe wòbia, be Mawu ƒe Tenuvi la nagblẽ dzidzɔ si gbegbe wòkpɔna le subɔsubɔ le Fofoa gbɔ la ɖi ahava anyigba dzi be yeatsɔ yeƒe agbe asa vɔ atsɔ aɖe ameƒomea tso nu vɔ̃ kple ku me la ŋu kpɔ! (Fp. 2:5-8) Woato eƒe vɔsa la dzi atsɔ nu vɔ̃wo ake keŋkeŋ, si nye nu si lãwo tsɔtsɔ sa vɔ le Mose ƒe Sea te nye vɔvɔli na. (Heb. 10:1-4) Ðe mele be Yudatɔ siwo nɔ mɔ kpɔm na Mesia si ŋugbe wodo la ya teti naxɔ Yesu atuu ahade bubu eŋu oa? (Yoh. 6:14) Gake ɖe Yudatɔwo “do vloe” boŋ, eye ‘womebui ɖe naneke me o,’ abe ale si Yesaya gblɔe ɖi ene. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Eva ye ŋutɔ tɔwo gbɔ, gake ye ŋutɔ tɔwo mexɔe o.” (Yoh. 1:11) Apostolo Petro gblɔ na Yudatɔwo be: “Mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la, do eƒe Dɔla Yesu ɖe dzi, ame si miawo miede asi hegbe nu le egbɔ le Pilato ŋkume, esime wòɖoe be yeaɖe asi le eŋu hafi. Ɛ̃, miegbe nu le kɔkɔetɔ kple dzɔdzɔetɔ ma gbɔ.”—Dɔw. 3:13, 14.

4. Aleke dɔlélewo nɔ Yesu dzii?

4 Yesaya gblɔe ɖi hã be ele na Yesu be wòanye ‘ame si dzi dɔléle le.’ Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la, ɖeɖi nya tea eŋu ɣeaɖewoɣi, gake naneke meɖee fia be edze dɔ kpɔ o. (Yoh. 4:6) Ke hã, ame siwo wònɔ gbeƒã ɖem na la ƒe dɔlélewo nɔ eyama dzi. Eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu, eye wòyɔ dɔ wo dometɔ geɖe. (Mar. 1:32-34) Yesu to esia dzi na nyagblɔɖi sia va eme be: “Eyae tsɔ míaƒe dɔlélewo, eye wòde ta míaƒe vevesesewo te.”—Yes. 53:4a; Mat. 8:16, 17.

Enɔ Abe ‘Ame Si Mawu Ƒo’ Ene

5. Aleke Yudatɔ geɖewo bu Yesu ƒe kuae, eye nu ka tae esia na wògaxa nu vevie?

5 Mixlẽ Yesaya 53:4b. Yesu ŋɔlimetɔ geɖewo mese nu si tae wòkpe fu heva ku la gɔme o. Wobui be ɖe Mawu nɔ to hem nɛ, abe ɖe wòtsɔ dɔléle nyɔŋu aɖe nɔ fu wɔmee ene. (Mat. 27:38-44) Yudatɔwo tsɔ nya ɖe Yesu ŋu be enɔ busunya gblɔm. (Mar. 14:61-64; Yoh. 10:33) Ke hã, menye nu vɔ̃ wɔla loo alo busunyagblɔlae Yesu nye o. Gake esi wònye Yehowa ƒe Dɔlae wònye ta la, ale si gbegbe wòlɔ̃ Fofoae la na be nyateƒe si wònye be enɔ nɛ be wòaku abe ame si wobu busunyagblɔlae ene la ŋu bubu anya na wòagaxa nu vevie. Ke hã, elɔ̃ faa wɔ nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.—Mat. 26:39.

6, 7. Gɔmesese ka nue Yehowa ‘gbã’ eƒe Dɔla wɔnuteƒe la “gudugudu” le, eye nu ka tae esia na Mawu “kpɔ dzidzɔ”?

6 Nya si Yesaya ƒe nyagblɔɖia gblɔ be amewo abu Kristo la be enye ‘ame si Mawu ƒo’ la mewɔ nuku na mí akpa o, gake gbɔgblɔ ɖi be “Yehowa kpɔ dzidzɔ le egbagbã gudugudu me” ya gawɔ nuku ŋutɔ. (Yes. 53:10, NW) Esi wònye be Yehowa ŋutɔ gblɔ be, “Kpɔ ɖa, nye dɔla enye si, . . . nye ame tiatia, si ƒe nu nyo ŋunye” ɖe, aleke wòadzɔe be Yehowa nagate ŋu “[akpɔ] dzidzɔ le egbagbã gudugudu me”? (Yes. 42:1) Gɔmesese ka nue woate ŋu agblɔ be Yehowa kpɔ dzidzɔ le go sia me le?

7 Be míase nyagblɔɖia ƒe akpa sia gɔme la, ele be míaɖo ŋku edzi be, esi Satana tɔ gbe Yehowa ƒe dziɖulanyenye la, ena ɖikeke va le mawusubɔla siwo le dziƒo kple anyigba dzi la katã ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu. (Hiob 1:9-11; 2:3-5) Yesu to eƒe nuteƒewɔwɔ yi ɖase ɖe ku me dzi ɖo Satana ƒe gbetɔamea ŋu le mɔ deblibo nu. Eya ta togbɔ be Yehowa ɖe mɔ eƒe futɔwo wu Kristo hã la, ɖikeke mele eme o be Yehowa se veve esime wòkpɔe wonɔ eƒe Dɔla tiatia la wum. Ke hã, Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe Via ƒe nuteƒewɔwɔ bliboe alea ŋu ŋutɔ. (Lod. 27:11) Gakpe ɖe eŋu la, viɖe siwo Via ƒe ku ahe vae na amegbetɔ siwo atrɔ dzi me la nyanya hã na Yehowa kpɔ dzidzɔ ŋutɔ.—Luka 15:7.

“Wode Abi Eŋu Le Míaƒe Dzidadawo Ta”

8, 9. (a) Alekee “wode abi [Yesu] ŋu le míaƒe dzidadawo ta”? (b) Alekee Petro ɖo kpe esia dzi?

8 Mixlẽ Yesaya 53:6. Amegbetɔ nu vɔ̃ mewo katã tra mɔ abe alẽwo ene hele ɖeɖekpɔkpɔ dim tso dɔléle kple ku si ƒe dome wonyi tso Adam gbɔ la me. (1 Pet. 2:25) Esi wònye be Adam ƒe dzidzimeviwo katã nye ame madeblibowo ta la, wo dometɔ aɖeke mate ŋu ana woagbugbɔ nu si Adam bu la aɖo eteƒe o. (Ps. 49:8) Gake le lɔlɔ̃ gã si le Yehowa si na mí ta la, “[ena] míaƒe vodadawo katã va eyama [si nye Via si gbɔ melɔ̃a nu le o kple eƒe Dɔla tiatia la] dzi.” Esi Kristo lɔ̃ faa “wode abi eŋu le míaƒe dzidadawo ta” eye “wogbãe gudugudu le míaƒe vodadawo ta” la, eto esia me tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo yi ɖe fuwɔameti la ŋu heku ɖe mía ta.

9 Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Agbenɔnɔmɔ sia tae woyɔ mi ɖo, elabena Kristo ŋutɔ kura gɔ̃ hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze yeƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ. Eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖo eƒe ŋutilã dzi le ati la ŋu, bene míadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye míanɔ agbe le dzɔdzɔenyenye me.” Emegbe Petro yɔ nya tso Yesaya ƒe nyagblɔɖia me tsɔ yi edzi be: “Eye ‘wotsɔ eƒe abiwo yɔ dɔ mi.’” (1 Pet. 2:21, 24; Yes. 53:5) Esia ʋu mɔ na nu vɔ̃ wɔlawo be woava nɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu, abe ale si Petro gagblɔe ene be: “Kristo ŋutɔ gɔ̃ hã ku zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu ɖe nu vɔ̃wo ta, ame dzɔdzɔe ɖe ame madzɔmadzɔwo teƒe, bene wòakplɔ mi ayi Mawu gbɔ.”—1 Pet. 3:18.

‘Abe Alẽvi Si Wokplɔ Yina Wuwu Ge Ene’

10. (a) Alekee Yohanes Amenyrɔɖetsimela yɔ Yesu? (b) Nu ka tae Yohanes ƒe nyawo sɔ nyuie?

10 Mixlẽ Yesaya 53:7, 8. Esi Yohanes Amenyrɔɖetsimela kpɔ Yesu wògbɔna egbɔ la, edo ɣli be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi si le xexea ƒe nu vɔ̃ ɖem ɖa lae nye esi!” (Yoh. 1:29) Esi Yohanes yɔ Yesu be Alẽvi la, anɔ eme be Yesaya ƒe nya siawoe nɔ susu me nɛ be: ‘Wokplɔe abe alẽvi si wokplɔ yina wuwu ge ene.’ (Yes. 53:7) Yesaya gblɔe ɖi be: “Etsɔ eƒe agbe de ku me.” (Yes. 53:12) Eɖe dzesi ŋutɔ be le zã si Yesu ɖo eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia anyi me la, etsɔ kplu aɖe si me wain nɔ la na eƒe apostolo wɔnuteƒe 11-awo hegblɔ be: “Esia tsi tsitre ɖi na nye ‘nubabla ƒe ʋu,’ si woakɔ ɖe anyi le ame geɖewo ta hena nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke.”—Mat. 26:28.

11, 12. (a) Nu kae Isak ƒe lɔlɔ̃ faa be woatsɔ ye asa vɔe nye kpɔɖeŋu na le Kristo ƒe vɔsa la gome? (b) Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe Abraham Gãtɔ, Yehowa, ŋu ne míele gome kpɔm le Ŋkuɖodzia ƒe wɔnawo me?

11 Abe ale si wònɔ le Isak si nɔ anyi le blema gome ene la, Yesu lɔ̃ faa be woatsɔ ye asa vɔ le Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ƒe vɔsamlekpui dzi. (1 Mose 22:1, 2, 9-13; Heb. 10:5-10) Togbɔ be Isak lɔ̃ faa be woatsɔ ye asa vɔ hã la, Abraham ye ɖoe be yeawɔ vɔsa la. (Heb. 11:17) Nenema kee Yesu hã lɔ̃ faa be yeaku, gake Yehowae nye Ame si wɔ ɖoɖo ɖe tafea ŋu. Mawu ƒe Vi la tsɔtsɔ sa vɔe nye lɔlɔ̃ deto si le Mawu si na ameƒomea la ɖeɖe fia.

12 Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yoh. 3:16) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ na mí fia le esia me be, esime míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.” (Rom. 5:8) Eya ta ne míele bubu dem Kristo ŋu to eƒe kua ƒe ŋkuɖodziwɔnawo dzi la, mele be míaŋlɔ be gbeɖe be Abraham Gãtɔ, Yehowa, ye wɔ ɖoɖo ɖe vɔsaa ŋu o. Míewɔa Ŋkuɖodzia hena eƒe kafukafu.

Dɔla La “Ana Tenɔnɔ Dzɔdzɔe Nasu Ame Geɖewo Si”

13, 14. Alekee Yehowa ƒe Dɔla la ‘na tenɔnɔ dzɔdzɔe su ame geɖewo si’?

13 Mixlẽ Yesaya 53:11, 12. * Yehowa gblɔ tso eƒe Dɔla tiatia la ŋu be: “Nye dɔla dzɔdzɔe la . . . ana tenɔnɔ dzɔdzɔe nasu ame geɖewo si.” Le mɔ ka nu? Nya siwo le kpukpui 12 lia ƒe nuwuwu na numekɔkɔ mí be: “Eye [Dɔla la de] nu nya me ɖe dzidalawo nu.” Wodzi Adam ƒe dzidzimeviwo katã ɖe nu vɔ̃ me, wonye “vodalawo,” eya ta woxɔ “fetu si nu vɔ̃ xena,” si nye ku. (Rom. 5:12; 6:23) Ehiã be woadzra Yehowa kple amegbetɔ nu vɔ̃ mewo dome ɖo. Yesaya ƒe nyagblɔɖia ƒe ta 53 lia ɖɔ ale si Yesu ‘de nu nya me’ ɖe ameƒome wɔ nu vɔ̃a nu wònya se nyuie be: “Míaƒe ŋutifafa ƒe tohehe le edzi, eye eƒe kabiwo wotsɔ yɔ dɔ mí.”—Yes. 53:5.

14 Esi Kristo tsɔ míaƒe vodadawo ɖo eɖokui dzi heku ɖe mía ta ta la, ‘ena tenɔnɔ dzɔdzɔe va su ame geɖewo si.’ Paulo ŋlɔ bena: “Mawu kpɔe be enyo be agbɔsɔsɔ blibo la katã nanɔ eyama [Kristo] me, eye be yeato edzi adzra ye kple nu bubuwo katã dome ɖo ake, esi wòto ʋu si wòkɔ ɖi le fuwɔameti la ŋuti me wɔ ŋutifafa, woɖanye nu siwo le anyigba dzi alo nu siwo le dziƒowo o.”—Kol. 1:19, 20.

15. (a) Ame kawoe nye “nu siwo le dziƒowo” siwo ŋu Paulo ƒo nu tso? (b) Ame kawo koe dze aɖu Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo, eye nu ka tae?

15 “Nu siwo le dziƒowo,” siwo va le ƒomedodo nyui me kple Yehowa to Kristo ƒe ʋu si wokɔ ɖi dzi lae nye Kristotɔ amesiaminawo, ame siwo woyɔ be woava ɖu fia kple Kristo le dziƒo. Wobu Kristotɔ siwo nye “dziƒoyɔyɔ gome kpɔlawo” be “wole dzɔdzɔe hena agbekpɔkpɔ.” (Heb. 3:1; Rom. 5:1, 18) Eya ta Yehowa xɔ wo wonye eƒe gbɔgbɔmeviwo. Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖia ɖase na wo be wonye “Kristo ƒe hati domenyilawo,” ame siwo woyɔ be woava zu fiawo kple nunɔlawo le eƒe Dziƒofiaɖuƒea me. (Rom. 8:15-17; Nyaɖ. 5:9, 10) Wova zu gbɔgbɔ me Israel alo “Mawu ƒe Israel la” me tɔwo, eye woxɔ wo ɖe ‘nubabla yeye’ la me. (Yer. 31:31-34; Gal. 6:16) Esi wonye nubabla yeyea me tɔwo ta la, wodze aɖu Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo, si ƒe ɖee nye wain dzĩ si ŋu Yesu gblɔ le be: “Kplu sia tsi tsitre ɖi na nubabla yeye si wowɔ to nye ʋu, si woakɔ ɖe anyi ɖe mia ta dzi la.”—Luka 22:20.

16. Ame kawoe nye “nu siwo le anyigba dzi” la, eye mɔ ka nue wona tenɔnɔ dzɔdzɔe su wo si le Yehowa ŋkume le?

16 “Nu siwo le anyigba dzi” lae nye Kristo ƒe alẽ bubu siwo si agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le. Yehowa ƒe Dɔla tiatia la na tenɔnɔ dzɔdzɔe su ame siawo hã si le Yehowa ŋkume. Esi woxɔ Kristo ƒe tafevɔsaa dzi se eye “wonya woƒe awu ʋlayawo, eye wowɔ wo ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu la me” ta la, Yehowa bu wo ame dzɔdzɔewoe, menye abe eƒe gbɔgbɔmeviwo ene o, ke boŋ abe exɔlɔ̃wo ene, eye wòna mɔnukpɔkpɔ wɔnuku wo be woatsi agbe le “xaxa gã la” me. (Nyaɖ. 7:9, 10, 14; Yak. 2:23) Esi wònye be womele nubabla yeyea me o, eye agbenɔnɔ le dziƒo ƒe mɔkpɔkpɔ mele wo si o ta la, alẽ bubu siawo meɖua Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo o, gake wonyea nuteƒekpɔla siwo dea bubu wɔnaa ŋu.

Akpedadawo Katã Nayi Na Yehowa Kple Eƒe Dɔla Si Ŋu Wòkpɔ Ŋudzedze Ðo La!

17. Alekee Yesaya ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe Dɔla la ŋu me dzodzro kpe ɖe mía ŋu be míadzra míaƒe susuwo ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ƒe wɔnawo ŋu?

17 Yesaya ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe Dɔla la ŋu me dzodzro dzra míaƒe susuwo ɖo ɖe Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ƒe wɔnawo ŋu nyuie ale gbegbe. Ekpe ɖe mía ŋu be ‘míaƒe ŋku nanɔ míaƒe xɔse ƒe Kplɔla Vevitɔ kple Ame si nana wòdea blibo la ŋu tututu.’ (Heb. 12:2) Míesrɔ̃e be Mawu ƒe Vi la mesẽ to o. To vovo na Satana la, ekpɔ dzidzɔ be Yehowa nye yeƒe nufiala, eye wòlɔ̃ ɖe edzi be eyae nye yeƒe Aƒetɔ Dziɖulagã. Míekpɔe be le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi la, ekpɔ nublanui na ame siwo wòɖe gbeƒã na heda dɔ na wo dometɔ geɖe le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa. Eto esia me ɖe nu si wòava wɔ abe Mesia Fia ene le nuɖoanyi yeyea me, esime “wòaɖo ɖoɖo la [alo dzɔdzɔenyenye] anyigba dzi,” la fia. (Yes. 42:4) Ele be ale si wòdo vevie nu le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me abe “kekeli na anyigba dzi dukɔwo” ene la naʋã eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã nya nyuia veviedodotɔe le anyigba la katã dzi.—Yes. 42:6.

18. Nu ka tae Yesaya ƒe nyagblɔɖia na míaƒe dziwo yɔ fũu kple akpedada na Yehowa kple eƒe Dɔla wɔnuteƒe la?

18 Yesaya ƒe nyagblɔɖia gana gɔmesese deto va le vɔsa deŋgɔ si Yehowa wɔ to Via si gbɔ melɔ̃a nu le o dɔdɔ ɖe anyigba dzi be wòakpe fu ahaku ɖe mía ta dzi la ŋu na mí. Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ bliboe ɖase ɖe ku me ŋu ŋutɔ, gake mekpɔ dzidzɔ esime wòkpɔ Via wònɔ fu kpem o. Ele be míakpɔ dzidzɔ abe Yehowa ene, le nu siwo katã Yesu wɔ tsɔ ɖo kpe edzi be Satana nye aʋatsokala hekɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti, eye wòto esia me ʋli Fofoa ƒe dziɖulagãnyenye ƒe dzedze ta la ta. Azɔ hã, Kristo tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖo eɖokui dzi heku ɖe mía ta. Eye esia na wònya wɔ be tenɔnɔ dzɔdzɔe va su nɔvia amesiaminawo ƒe alẽha sue la kple alẽ bubuawo si le Yehowa ŋkume. Esi míele dzadzram ɖo be míaƒo ƒu ɖekae hena Ŋkuɖodzia ƒe wɔnawo wɔwɔ la, mina míaƒe dziwo nayɔ fũu kple akpedada na Yehowa kple eƒe Dɔla wɔnuteƒe la.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 13 Yesaya 53:11, 12 (NW) xlẽ be: “Le eƒe luʋɔ ƒe fukpekpe ta la, akpɔ nu, aɖi ƒo. Ame dzɔdzɔe la, nye dɔla la, ato eƒe sidzedze dzi ana tenɔnɔ dzɔdzɔe nasu ame geɖewo si; eye eya ŋutɔ atsɔ woƒe vodadawo. Esia ta mana gomee ɖe ame geɖewo dome, eye ŋusẽtɔwoe wòama aboyonu kplii, le esi wòtrɔ eƒe luʋɔ kɔ ɖi va se ɖe ku me, eye wobui de dzidalawo dome ta; eya ŋutɔ tsɔ ame geɖewo ƒe nu vɔ̃, eye wòde nu nya me ɖe dzidalawo nu.”

Numetoto

• Gɔmesese ka nue Yehowa “kpɔ dzidzɔ” le Via ‘gbagbã gudugudu’ me le?

• Alekee ‘wode abi Yesu ŋu le míaƒe dzidadawo ta’?

• Alekee Dɔla la ‘na tenɔnɔ dzɔdzɔe su ame geɖewo si’?

• Alekee Yesaya ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe Dɔla la ŋu me dzodzro dzra wò susu kple dzi ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ƒe wɔnawo ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

‘Wodo vloe, eye míebui ɖe naneke me o’

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

“Etsɔ eƒe agbe de ku me”

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

‘Alẽ bubuawo’ dea Ŋkuɖodzia abe nuteƒekpɔla siwo dea bubu wɔnaa ŋu ene