Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Nàte Tɔ Ðe Wò Didiwo Dzia?

Ðe Wòle Be Nàte Tɔ Ðe Wò Didiwo Dzia?

Ðe Wòle Be Nàte Tɔ Ðe Wò Didiwo Dzia?

ÐEVI sue evee nye ema le fefem ɖekae. Kaka nàkpɔa, wo dometɔ ɖeka gbo eƒe fefenu si gbɔ melɔ̃a nu le o la le evelia si hedo ɣli be, “Tɔnyee!” Tso keke ɖevime ke la, amegbetɔ madeblibowo ɖea ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔme aɖe si nu fiana. (1 Mose 8:21; Rom. 3:23) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, xexea doa tɔnye-nenyo-gbã ƒe nukpɔsusu ɖe ŋgɔ. Hafi míate ŋu aƒo asa na gbɔgbɔ sia ɖeɖe fia la, ele be míawɔ avu kple ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔme siwo le mía me la vevie. Ne menye nenema o la, míava zu nukikli na ame bubuwo eye ƒomedodo kplikplikpli magava nɔ mía kple Yehowa dome o.—Rom. 7:21-23.

Esi apostolo Paulo nɔ dzi dem ƒo na mí be míabu ale si míaƒe nuwɔnawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi ŋu la, eŋlɔ be: “Woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame; gake menye nuwo katãe dea ame dzi o. Woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame; gake menye nuwo katãe tua ame ɖo o.” Paulo gblɔ hã be: ‘Migazu nukikli na amewo o.’ (1 Kor. 10:23, 32) Eya ta le nya siwo lɔ mía ŋutɔ míaƒe didiwo ɖe eme gome la, nunya anɔ eme be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe melɔ̃ be maɖe asi le nye ŋutɔ nye didi aɖewo ŋu ne tɔtete ɖe wo dzi ana hamea ƒe ŋutifafa naɖo afɔku mea? Ðe mele klalo be manɔ agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu ne esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe nam o gɔ̃ hã?’

Le Dɔwɔɖui Tiatia Me

Ame aɖewo susunɛ be dɔwɔɖui si ƒomevi yewoatia nye yewo ŋutɔ yewoƒe nyametsotso si makpɔ ŋusẽ boo—alo aɖeke kuraa—ɖe ame bubuwo dzi o. Gake bu nu si me ŋutsu asitsala aɖe si le Anyiehe Amerika ƒe du sue aɖe me to la ŋu kpɔ. Enye tsatsadala kple ahanoxe. Gake esi Yehowa Ðasefowo va srɔ̃ Biblia kplii la, ewɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi hetrɔ eƒe agbenɔnɔ keŋkeŋ. (2 Kor. 7:1) Esi wòɖe eƒe didi be yeakpɔ gome le dutoƒogbeƒãɖeɖedɔa me gblɔ la, hamemetsitsi aɖe de dzi ƒo nɛ ŋuɖɔɖotɔe be wòade ŋugble tso dɔwɔɖui si ƒomevi le esi la ŋu. Ɣeyiɣi didi aɖee nye ema la, ŋutsu siae nye ame si koŋ dzraa foŋfoŋha sesẽ aɖe le dua me—wozãa aha sia le mɔ vovovowo nu, evɔ le nuto ma me la, ale si wozãnɛ zi geɖee nye be wotsɔnɛ tsakaa aha viviwo bene yewoate ŋu amu ko ta.

Ŋutsua se egɔme be ne yete gbeƒãɖeɖe le dutoƒo, evɔ yegakpɔtɔ le aha sesẽ ma dzram la, esia ahe ŋkɔ gbegblẽ va hamea dzi eye wòagblẽ ye kple Mawu dome ƒomedodoa me. Togbɔ be ƒome gã aɖe ŋutɔ dzi kpɔm wònɔ hã la, edzudzɔ aha muamea dzadzra. Ŋutsu sia va te nu bubuwo dzadzra tsɔ le eƒe ƒomea dzi kpɔm. Ŋutsu sia kple srɔ̃a kpakple via atɔ̃awo dometɔ eve xɔ nyɔnyrɔ fifia. Wotsɔa dzitsinya nyui ɖea gbeƒã nya nyuia dzonɔamemetɔe.

Le Ame Siwo Míade Ha Kple Tiatia Me

Ðe hadede kple ame siwo menye haxɔsetɔwo o nye mía ŋutɔ míaƒe nyametsotsoa, alo ɖe wòlɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo ɖe eme? Nɔvinyɔnu aɖe di be yeakplɔ ɖekakpui aɖe si menye Kristotɔ vavã o ɖo yewoayi kplɔ̃ɖoƒe aɖe. Togbɔ be woxlɔ̃ nui tso afɔku siwo le eme ŋu hã la, ese le eɖokui me be ye ŋutɔ yeƒe nyametsotsoe wònye, eya ta eyi kplɔ̃ɖoƒe la. Le teƒea ɖoɖo megbe kpuie la, wotsɔ aha aɖe si me wode atike muamee la nɛ wòno. Esi wòva fɔ le gaƒoƒo geɖe megbe la, ekpɔe be ɖekakpui si yebuna ye xɔlɔ̃e la dɔ ye gbɔ.—Tsɔe sɔ kple 1 Mose 34:2.

Togbɔ be hadede kple dzimaxɔsetɔwo mahe dzigbãnya siawo gbegbe avae godoo o hã la, Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lod. 13:20) Ðikeke aɖeke mele nya sia ŋu o be, ha gbegblẽwo dede ana míaɖo afɔku me! Lododowo 22:3 gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.” Ha siwo ƒomevi míedena ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía ŋutɔwo kple mía kple Mawu dome ƒomedodo dzi.—1 Kor. 15:33; Yak. 4:4.

Le Awudodo Kple Dzadzraɖo Gome

Awudodo kple dzadzraɖo ƒe atsyãwo nɔa tɔtrɔm tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi. Gake Biblia ƒe gɔmeɖosewo ya metrɔna o. Paulo xlɔ̃ nu be nyɔnu Kristotɔwo “nado awu le nɔnɔme nyui me atsɔ aɖo atsyɔ̃ na wo ɖokuiwo, le ameŋububu kple ŋuɖɔɖo me”—gɔmeɖose sia yi na ŋutsuwo hã. (1 Tim. 2:9) Menye ɖe Paulo nɔ gbɔgblɔm be Kristotɔwo nanɔ awu tsɛwo ko dom alo be wo katã woƒe awudodo ƒe atsyãwo nasɔ o. Ke nu kae awudodo le ameŋububu me fia? Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe ameŋububu gɔme be enye “nɔnɔme si me ɖokuidodoɖedzi alo yakanuwɔwɔ aɖeke mele o . . . awudodo, nuƒoƒo, alo agbenɔnɔ le mɔ ɖɔʋu nu.”

Ele be míabia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe mate ŋu agblɔ anukwaretɔe be mele ameŋububu ɖem le fiafiam ne mete tɔ ɖe edzi be mado awu le mɔ si ahe susu va dzinye madzemadzee nua? Ðe ale si medzrana ɖo la nana amewo kea ɖi le ame si ƒomevi menye alo agbe nyui nɔnɔ gɔmeɖose siwo nu menɔa agbe ɖo la ŋua?’ Le go sia me la, míawɔ “naneke si azu nukikli le mɔ aɖeke nu o,” ne míena ‘míaƒe ŋku mele mía ŋutɔwo ƒe nuwo ƒe nyonyo ɖeɖe ko ŋu o, ke le ame bubuwo tɔ hã ƒe nyonyo ŋu.’—2 Kor. 6:3; Fp. 2:4.

Le Ganyawo Gome

Esi kuxi sesẽ aɖe do mo ɖa le Korinto hamea me ku ɖe ame baba alo nu fitifiti wɔwɔ ŋu la, Paulo ŋlɔ bena: “Nu ka ta miena wowɔ vɔ̃ ɖe mia ŋu boŋ o? Nu ka ta miena woba mi boŋ o?” Paulo xlɔ̃ nu be Kristotɔwo nalɔ̃ faa be yewoaɖe asi le yewoƒe gomenɔamesiwo ŋu tsɔ wu be woakplɔ wo nɔviwo ayi ʋɔnu. (1 Kor. 6:1-7) Nɔviŋutsu aɖe si le United States la tsɔ aɖaŋuɖoɖo sia de dɔwɔwɔ me. Woa kple eƒe dɔtɔ si hã nye Kristotɔ la ƒe nukpɔsusu to vovo ku ɖe fe aɖe si wòle be dɔtɔa naxe nɛ ŋu. Le wɔwɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi me la, nɔviŋutsu eveawo do go zi geɖe be yewoakpɔ nyaa gbɔ gake gbeɖegbeɖea koe. Mlɔeba la, wotsɔ nyaa yi na Kristotɔ hamemetsitsiwo, siwo le “hamea” teƒe.—Mat. 18:15-17.

Nublanuitɔe la, esia hã mete ŋu kpɔ nyaa gbɔ o. Le gbedodoɖa vevie megbe la, dɔwɔvia tso nya me be yeaɖe asi le ga si yekpɔ be ele be dɔtɔa naxe na ye la ƒe akpa gãtɔ ŋu. Nu ka tae? Egblɔ emegbe be, “Masɔmasɔ sia na nyemegale dzidzɔ kpɔm o, eye wòna mele ɣeyiɣi xɔasi siwo mate ŋu azã ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu la dome gblẽm.” Le nyametsotso ma wɔwɔ vɔ megbe la, nɔviŋutsua kpɔe be yegate dzidzɔkpɔkpɔ ake eye wòde dzesii hã be Yehowa le yayram ɖe yeƒe subɔsubɔdɔa dzi.

Le Nu Suewo Gɔ̃ Hã Me

Tɔmatemate ɖe míaƒe didiwo dzi le nu suesuesuewo hã me hea yayrawo vɛ. Le nutome gã takpekpe aɖe ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, atsu kple asi aɖe siwo nye mɔɖelawo la va kaba hetia nɔƒe si tututu wodi be yewoanɔ. Esi takpekpea dze egɔme la, ƒome gã aɖe si me ɖevi gbogbo aɖewo le la nɔ kplakplakpla dzi va ɖo ameha gbogbo siwo ɖi anyi ɖi la dome. Esi atsu kple asi mɔɖelaawo kpɔe be ƒomea le nɔƒe dim la, wolɔ̃ faa tso le wo nɔƒea. Esia wɔe be ƒomea kpɔ nɔƒe si su na wo katã wote ŋu nɔ anyi ɖekae. Ŋkeke ʋɛ aɖewo le takpekpea megbe la, mɔɖelaawo xɔ akpedalɛta aɖe tso ƒome sia gbɔ. Lɛtaa ƒo nu tso ale si dzi ɖe le wo ƒo esi wotsi megbe va takpekpea la ŋu. Dziɖeleameƒo ma trɔ zu dzidzɔ kple ŋudzedzekpɔkpɔ enumake, le srɔ̃tɔ mɔɖela mawo ƒe dɔmenyonuwɔna la ta.

Ne mɔnukpɔkpɔa su mía si la, mina míalɔ̃ faa aɖe asi le míaƒe didiwo ŋu le ame bubuwo ƒe nyonyo ta. To lɔlɔ̃ si “media ye ŋutɔ tɔ o” ɖeɖe fia me la, míenaa ŋutifafa nɔa mía kple hamea me tɔwo kpakple míaƒe aƒelikawo dome. (1 Kor. 13:5) Gake ƒo wo katã ta la, esia wɔwɔ kpɔa mía kple Yehowa dome xɔlɔ̃wɔwɔa ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ðe nàlɔ̃ faa aɖe asi le wò ŋutɔ wò didiwo ŋu le awudodo ƒe atsyãwo tiatia mea?

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Ðe nàlɔ̃ faa aɖe asi le wò nɔƒe ŋu na nɔviwòwoa?