Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Yesu Ƒe Nyawo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Ale Si Nèdoa Gbe Ðae Dzia?

Ðe Yesu Ƒe Nyawo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Ale Si Nèdoa Gbe Ðae Dzia?

Ðe Yesu Ƒe Nyawo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Ale Si Nèdoa Gbe Ðae Dzia?

“Esi Yesu wu nya siawo nu la, dɔ si wòwɔ ɖe amehaawo dzie nye be, wolulu le ale si wòfia nui ta.”—MAT. 7:28.

1, 2. Nu ka tae amehawo lulu le ale si Yesu fia nui ta?

ELE BE míalɔ̃ ɖe Mawu ƒe Tenuvi, Yesu Kristo, ƒe nyawo dzi ahanɔ agbe ɖe wo nu. Ðikeke mele eme o be ame aɖeke meƒo nu abe eyama ene kpɔ o. Ɛ̃, ale si gbegbe wòfia nu le Todzimawunyaa me la na amewo ƒe nu ku ŋutɔ!—Mixlẽ Mateo 7:28, 29.

2 Yehowa ƒe Vi la mefia nu abe agbalẽfiala siwo tua woƒe nya gbogboawo ɖe amegbetɔ madeblibowo ƒe nufiafiawo dzi la ene o. Kristo fia nu “abe ame si si ŋusẽ le ene” elabena Mawu gbɔe eƒe nyawo tso. (Yoh. 12:50) Eya ta mina míakpɔ ale si Yesu ƒe nya bubu siwo le Todzimawunyaa me ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe gbedodoɖawo dzii ɖa.

Mègado Gbe Ða Abe Alakpanuwɔlawo Ene Gbeɖe O

3. Gblɔ Yesu ƒe nya siwo dze le Mateo 6:5 la me nya veviwo kpuie.

3 Gbedodoɖa nye tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa vevi aɖe, eye ele be míanɔ gbe dom ɖa na Yehowa edziedzi. Gake ele be Yesu ƒe nya siwo le Todzimawunyaa me nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si míedoa gbe ɖae dzi. Egblɔ be: “Ne miele gbe dom ɖa la, mele be mianɔ abe alakpanuwɔlawo ene o; elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple mɔ gãwo ƒe dzogoewo dzi, bene amewo nakpɔ yewo. Vavã mele egblɔm na mi be: Wole woƒe fetu blibo la xɔm xoxo.”Mat. 6:5.

4-6. (a) Nu ka tae Farisitɔwo lɔ̃a gbedodoɖa “le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple mɔ gãwo ƒe dzogoewo dzi”? (b) Alekee alakpanuwɔla siawo nɔ “woƒe fetu blibo la xɔm xoxo”?

4 Ne Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le gbe dom ɖa la, mele be woasrɔ̃ Farisitɔ ‘alakpanuwɔla’ mawo siwo bua wo ɖokui ame dzɔdzɔewoe, siwo ƒe mawuvɔvɔ̃nuwɔna nyea ameŋkumenuwɔwɔ dzro ko la o. (Mat. 23:13-32) Alakpanuwɔla mawo lɔ̃a gbedodoɖa “le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple mɔ gãwo ƒe dzogoewo dzi.” Nu ka tae? Bene “amewo nakpɔ yewo.” Enye nu si bɔ be ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo doa gbe ɖa le ƒuƒoƒo me le ɣeyiɣi siwo me wosaa numevɔ le gbedoxɔa me (ŋdi ga asieke kple ɣetrɔ ga etɔ̃ me lɔƒo). Yerusalem nɔla geɖewo wɔa ɖeka kple tadeagula siwo ƒo ƒu la hedoa gbe ɖa le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu. Zi geɖe la, Yudatɔ dovevienu bubuwo doa gbe ɖa zi eve gbe ɖeka “le tsitrenu le ƒuƒoƒewo” le dua godo.—Tsɔe sɔ kple Luka 18:11, 13.

5 Esi wònye be ame akpa gãtɔ mete ɖe gbedoxɔa alo ƒuƒoƒe aɖeke ŋu bene woayi afi mawo hena gbe siawo dodo ɖa o ta la, wotea ŋu doa gbe ɖa le afi sia afi si wole le gaƒoƒo mawo me. Ame aɖewo ɖonɛ koŋ va nɔa “mɔ gãwo ƒe dzogoewo dzi” hafi gbedoɖaɣi mawo ɖona. Wodi be ame siwo va toa dzogoe mawo dzi yina la “nakpɔ yewo.” Alakpamawusosroɖanuwɔla siawo wɔa “ameŋkumenu nɔa gbe legbewo dom ɖa” bene eteƒekpɔlawo nakafu yewo. (Luka 20:47) Menye nɔnɔme siae wòle be wòanɔ míawo ya si o.

6 Yesu gblɔ be alakpanuwɔla mawo le “woƒe fetu blibo la xɔm xoxo.” Wodi vevie be yewo havi amegbetɔwo nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu ahakafu yewo—eye nu si woaxɔ la katã koe nye ema. Anye woƒe fetu blibo la, elabena Yehowa maɖo alakpagbedodoɖa mawo ŋu o. Gake Mawu aɖo Kristo yomedzela vavãwo ƒe gbedodoɖawo ya ŋu, abe ale si nya siwo Yesu gblɔ kplɔe ɖo ɖee fia ene.

7. Nu kae aɖaŋu si Yesu ɖo be míado gbe ɖa le ‘xɔ me’ la fia?

7 “Ke wò la, ne èle gbe dom ɖa la, yi xɔwò me, eye ne ètu ʋɔa vɔ la, do gbe ɖa na Fofowò si le ɣaɣlaƒe la; ekema Fofowò si kpɔa nu le ɣaɣlaƒe la aɖo eteƒe na wò.” (Mat. 6:6) Aɖaŋu si Yesu ɖo be míayi xɔ me atu ʋɔa hafi ado gbe ɖa la mefia be ame aɖeke mate ŋu anɔ hame aɖe teƒe ado gbe ɖa o. Taɖodzinu si nɔ aɖaŋuɖoɖo sia ŋue nye be wòaɖee afia be mele be woazã dutoƒogbedodoɖa atsɔ ahe amewo ƒe susu ava ame ɖokui dzi be woakafu ye o. Ele be esia nanɔ susu me na mí ne mɔnukpɔkpɔ su mía si be míanɔ Mawu ƒe amewo teƒe ado gbe ɖa. Mina míawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame si kplɔe ɖo, si hã ku ɖe gbedodoɖa ŋu la dzi.

8. Le Mateo 6:7 ƒe nya nu la, nu gbɔme kae wòle be míaƒo asa na le gbedodoɖa me?

8 “Ne miele gbe dom ɖa la, miganɔ nya ɖeka mawo ke gbɔgblɔ dzi, abe ale si dukɔwo me tɔwo wɔna ene o, elabena wosusuna be, le yewoƒe nya geɖe gbɔgblɔ ta la, woaɖo to yewo.” (Mat. 6:7) Yesu to esia dzi ɖe nu gbɔme bubu si amewo wɔna le gbedodoɖa me la fia—si nye nya ɖeka gbugbɔgblɔ. Eƒe nya sia mefia be mele be míagbugbɔ agblɔ míaƒe dzimedidi veviwo kple akpedanyawo le gbedodoɖa me gbeɖe o. Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me esime wònɔ Getsemane bɔa me la, egbugbɔ ‘nya mawo ke’ gblɔ le gbedodoɖa me.—Mar. 14:32-39.

9, 10. Gɔmesese ka nue mele be míanɔ nya ɖeka mawo ke gblɔm le gbedodoɖa me o le?

9 Masɔ be míasrɔ̃ ale si “dukɔwo me tɔwo” gbugbɔa nya ɖeka nɔa gbɔgblɔm le gbedodoɖa me la o. Wonɔa “nya ɖeka mawo ke” siwo wolé ɖe ta me, siwo nye nya geɖe fũu siwo mehiã o la “gbɔgblɔ dzi.” Esi Baal subɔlawo nɔ ɣli dom nɔ woƒe alakpamawua yɔm ‘tso ŋdi va se ɖe ɣeɖota nɔ gbɔgblɔm be: Baal, tɔ na mí!’ la, meɖe vi aɖeke na wo o. (1 Fia. 18:26) Egbea la, ame miliɔn geɖe ƒoa nu fũu le gbedodoɖa me eye wonɔa nya ɖeka tɔgbiwo gblɔm ‘hesusuna be woaɖo to yewo.’ Gake Yesu kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be “nya geɖe gbɔgblɔ” le gbedodoɖa legbe siwo me wonɔa nya ɖeka mawo ke gblɔm le la nye nu si me viɖe aɖeke mele le Yehowa ŋkume o. Yesu gblɔ yi edzi be:

10 “Eya ta migawɔ mia ɖokui abe woawo ene o, elabena Mawu, mia Fofo la, nya nu siwo le mia hiãm hafi mieva bianɛ gɔ̃ hã.” (Mat. 6:8) Yuda subɔsubɔhakplɔla geɖewo wɔa nu abe ame siwo menye Yudatɔwo o ene to nya geɖe fũu gbɔgblɔ le gbedodoɖa me me. Gbedodoɖa si tso dzi me, si me kafukafu, akpedada, kple kokoƒoƒo nɔna la nye tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa vevi aɖe. (Fp. 4:6) Gake anye nu si mesɔ o be míagbugbɔ nya ɖeka mawo ke anɔ gbɔgblɔm kple susu be ewɔwɔ nenema hiã hafi Mawu anya míaƒe nuhiahiãwo. Ne míele gbe dom ɖa la, ele be míaɖo ŋku edzi be Ame si “nya nu siwo le mía hiãm hafi míeva bianɛ” lae míele nu ƒom na.

11. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ne mɔnukpɔkpɔ su mía si be míaxɔ ŋgɔ le dutoƒogbedodoɖa me?

11 Ele be nya siwo Yesu gblɔ tso gbedodoɖa le mɔ si mesɔ o nu ŋu naɖo ŋku edzi na mí be Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe nya gã nya gãwo zazã kple nukpoloeƒoƒo le gbedodoɖa me ŋu o. Ele be míanya hã be ne míexɔ ŋgɔ le gbe dom ɖa le dutoƒo la, mele be míazã nya siwo ana amewo nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu alo ana amewo nanɔ “Amen” dim be yewoaɖe do kpoe o. Gbedodoɖazazã atsɔ aɖe gbeƒã nya si amewo menya o alo atsɔ axlɔ̃ nu nyaselawo hã mawɔ ɖeka kple nya siwo Yesu gblɔ tso gbedodoɖa ŋu le Todzimawunyaa me o.

Yesu Fia Ale Si Míado Gbe Ðae Mí

12. Alekee nàɖe vevienyenye si le biabia be “wò ŋkɔ ŋuti nakɔ” ŋu la me?

12 Togbɔ be Yesu xlɔ̃ nu tso nu gbɔme wɔwɔ le gbedodoɖa me ŋu hã la, efia eƒe nusrɔ̃lawo ale si woado gbe ɖae. (Mixlẽ Mateo 6:9-13.) Mele be míalé kpɔɖeŋugbedodoɖa la ɖe susu me ahagbugbɔ anɔ egblɔm o. Ke boŋ nu siwo ŋu míate ŋu ado gbe ɖa tso le mía ŋutɔ míaƒe nyagbewo me ƒe kpɔɖeŋu koe wònye. Le kpɔɖeŋu me, Yesu he susu yi Mawu dzi gbã esi wògblɔ be: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Mat. 6:9) Esɔ be míayɔ Yehowa be “mía Fofo” elabena eyae nye mía Wɔla si le “dziƒowo,” le anyigba la tame ʋĩi. (5 Mose 32:6; 2 Kron. 6:21; Dɔw. 17:24, 28) Agbɔsɔsɔfianya, “mía,” zazã aɖee afia be míelɔ̃ ɖe edzi be míaƒe haxɔsetɔwo hã le ƒomedodo kplikplikpli me kple Mawu. “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ” nye kokoƒoƒo be Yehowa naɖe afɔ si hiã atsɔ akɔ eƒe ŋkɔa ŋu tso vlodoame siwo katã wohe va edzi tso esime aglãdzedze dze egɔme le Eden bɔa me la me. Le gbedodoɖa ma ŋu ɖoɖo me la, Yehowa ava ɖe vɔ̃ɖinyenyewo katã ɖa le anyigba dzi ahato ema dzi akɔ eɖokui ŋu.—Xez. 36:23.

13. (a) Alekee biabia be “wò fiaɖuƒe nava” ava eme? (b) Nu kae Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ le anyigba dzi alɔ ɖe eme?

13 “Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.” (Mat. 6:10) Le ɖekawɔwɔ me kple kpɔɖeŋugbedodoɖaa ƒe akpa sia la, ele be míaɖo ŋku edzi be “fiaɖuƒe” lae nye Mesia dziɖuɖu si woɖo anyi le dziƒo, si le Kristo kple ‘ame kɔkɔe’ siwo wofɔ ɖe tsitre woɖawɔ ɖeka kplii la si me. (Dan. 7:13, 14, 18; Yes. 9:5, 6) Gbedodoɖa be wòava nye biabia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava ɖe ame siwo katã tsia tsitre ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu le anyigba dzi la ɖa. Esia ava eme kpuie ahaʋu mɔ ɖi na xexea me katã ƒe paradiso si me dzɔdzɔenyenye, ŋutifafa, kple nudzedziname axɔ aƒe ɖo. (Ps. 72:1-15; Dan. 2:44; 2 Pet. 3:13) Wole Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le dziƒo fifia, eye biabia be woawɔe le anyigba dzi fia biabia be Mawu nana tame si wòɖo ɖe míaƒe anyigba la ŋu, si lɔ eƒe futɔwo ɖeɖeɖa abe ale si wòwɔe le blema ene ɖe eme la, nava eme.—Mixlẽ Psalmowo 83:2, 3, 14-19.

14. Nu ka tae wòsɔ be míabia “abolo si asu mía nu egbe”?

14 “Na míaƒe abolo si asu mía nu egbe la mí.” (Mat. 6:11; Luka 11:3) Gbedodoɖa alea nye Mawu biabia be wòana nuɖuɖu si hiã mí “egbe” la mí. Esia fia be míexɔ ŋutete si le Yehowa si be wòakpɔ míaƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo gbɔ na mí la dzi se. Esia menye nu siwo ŋu dɔ míava wɔ emegbe biabia o. Míaƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo biabia aɖo ŋku ale si Mawu bia tso Israel viwo si be wo dometɔ ɖe sia ɖe nafɔ mana “ɖe ŋkeke ɖeka ƒe nuɖuɖu nu” la dzi na mí.—2 Mose 16:4.

15. Ðe nu si biabia be Mawu ‘natsɔ míaƒe fewo ake mí, abe ale si míawo hã míetsɔ ke ame siwo nyi fe le mía ŋu ene’ la fia me.

15 Nu bubu si Yesu gayɔ le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me kplɔe ɖo la he míaƒe susu yi nane si wòle be míawɔ la dzi. Egblɔ be: “Tsɔ míaƒe fewo ke mí, abe ale si míawo hã míetsɔ ke ame siwo nyi fe le mía ŋu ene.” (Mat. 6:12) Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽa ɖee fia be “nu vɔ̃wo” ye woyɔ le afi sia be “fewo.” (Luka 11:4) Ne “míetsɔ ke” ame siwo wɔ nu vɔ̃ ɖe mía ŋu ko hafi míate ŋu akpɔ mɔ be Yehowa natsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. (Mixlẽ Mateo 6:14, 15.) Ele be míatsɔ anɔ ame bubuwo kem faa.—Ef. 4:32; Kol. 3:13.

16. Aleke wòle be míase biabia siwo ku ɖe tetekpɔwo kple mía ɖeɖe tso vɔ̃ɖitɔ la si me gɔmee?

16 “Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o, ke boŋ ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me.” (Mat. 6:13) Alekee wòle be míase biabia eve siawo siwo do ƒome kple wo nɔewo, siwo ŋu Yesu ƒo nu tso le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me la gɔme? Nu ɖeka si ŋu kakaɖedzi lee nye be Yehowa metea mí kpɔ be míawɔ nu vɔ̃ o. (Mixlẽ Yakobo 1:13.) “Vɔ̃ɖitɔ la,” Satana, ye nye “Tela” ŋutɔŋutɔ la. (Mat. 4:3) Ke hã, Biblia ƒoa nu tso Mawu ŋu abe ɖee wòle nanewo, siwo le nyateƒe me la ɖeko wòɖea mɔ ɖe wo ŋu la, wɔm ene. (Rut 1:20, 21; Nyagb. 11:5) Eya ta “mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o” nye biabia be Yehowa nagaɖe mɔ míana ta ne míedze ŋgɔ tomaɖomaɖoe ƒe tetekpɔwo o. Mlɔeba la, “ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me” nye biabia be Yehowa nagaɖe mɔ Satana nakpe mía dzi o. Eye míate ŋu aka ɖe edzi be ‘Mawu maɖe mɔ be woate mí akpɔ wu esi nu míate ŋu anɔ te ɖo o.’—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 10:13.

‘Nɔ Ebiabia, Edidi, Kple Ʋɔƒoƒo Dzi’

17, 18. Nu kae wòfia be ‘míanɔ ebiabia, edidi, kple ʋɔƒoƒo dzi’?

17 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu haxɔsetɔwo be: “Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa.” (Rom. 12:12) Yesu te gbe ɖe nya sia ke dzi vevie esi wògblɔ be: “Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi. Elabena ame sia ame, si le nu biam la, exɔnɛ; eye ame sia ame si le nu dim la, ekpɔnɛ; eye ame sia ame si le ʋɔ ƒom la, woaʋui nɛ.” (Mat. 7:7, 8) Esɔ be míanɔ nu sia nu si wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la ‘biabia dzi.’ Le ɖekawɔwɔ me kple Yesu ƒe nya siawo la, apostolo Yohanes gblɔ be: “Kakaɖedzi si le mía si ku ɖe eŋu lae nye esi: be nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.”—1 Yoh. 5:14.

18 Aɖaŋu si Yesu ɖo be ‘míanɔ ebiabia kple edidi dzi’ la fia be míaku kutri le gbedodoɖa me eye míagana ta o. Ehiã hã be ‘míanɔ ʋɔƒoƒo dzi’ bene míate ŋu age ɖe Fiaɖuƒe la me eye míaƒe asi nasu eƒe yayrawo, viɖewo, kple teƒeɖoɖowo dzi. Gake ɖe míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋua? Ɛ̃, míate ŋu aka ɖe edzi nenye be míewɔa nuteƒe na Yehowa, elabena Kristo gblɔ be: “Ame sia ame, si le nu biam la, exɔnɛ; eye ame sia ame si le nu dim la, ekpɔnɛ; eye ame sia ame si le ʋɔ ƒom la, woaʋui nɛ.” Yehowa subɔlawo ƒe nuteƒekpɔkpɔ geɖewo ɖo kpe edzi be Mawu ‘ɖoa to gbedodoɖawo’ vavã.—Ps. 65:3.

19, 20. Le Yesu ƒe nya siwo le Mateo 7:9-11 nu la, alekee Yehowa le abe vifofo lɔ̃ame ene?

19 Yesu tsɔ Mawu sɔ kple vifofo lɔ̃ame si naa nu nyuiwo viawo. Tsɔe be wò hã ènɔ eteƒe esime Yesu nɔ Todzimawunya la gblɔm, eye nèsee wògblɔ be: “Ame kae le mia dome, si via le abolo biamee . . . matsɔ kpe ade esi o ɖe, menye nenemae oa? Alo ɖewohĩ abia tɔmelã . . . matsɔ da ade esi o ɖe, alo awɔea? Eya ta ne mi ame vɔ̃ɖiwo kura gɔ̃ hã, mienya ale si miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Fofo si le dziƒo la mana nu nyuiwo ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?”—Mat. 7:9-11.

20 Vifofo amegbetɔ lɔ̃a viawo le dzɔdzɔme nu, togbɔ be le mɔ aɖe nu la woate ŋu agblɔ be enye ‘ame vɔ̃ɖi’ le nu vɔ̃ si ƒe dome míenyi ta hã. Matsɔ nu manyomanyo able via o, ke boŋ anae “nunana nyuiwo.” Mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la ɖea nɔnɔme sia fiana to “nu nyuiwo,” abe eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ene, nana mí me. (Luka 11:13) Gbɔgbɔ sia ate ŋu ado ŋusẽ mí be míatsɔ subɔsubɔ si dzea Yehowa, si nye “nunana nyui ɖe sia ɖe kple nunana blibo ɖe sia ɖe” Nala, ŋu la anɔ eyama nam.—Yak. 1:17.

Yi Edzi Nàna Yesu Ƒe Nyawo Nanɔ Vi Ðem Na

21, 22. Nu kawoe ɖe dzesi le Todzimawunya la ŋu, eye alekee nèse le ɖokuiwò me ku ɖe Yesu ƒe nyaawo ŋu?

21 Todzimawunya lae nye nuƒo ʋãmetɔ kekeake si woƒo le anyigba dzi kpɔ vavã. Nu siwo koŋ na wòɖe dzesie nye gbɔgbɔmenunyiame siwo le eme kple ale si egɔmesese le bɔbɔe. Abe ale si míede dzesii le eme nya vevi siwo me míedzro le nusɔsrɔ̃nyati etɔ̃ gbãtɔ siawo me ene la, aɖaŋuɖoɖo siwo le Yesu ƒe mawunya sia me dzi wɔwɔ aɖe vi na mí geɖe ŋutɔ. Yesu ƒe nya siawo ate ŋu ana míaƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi fifia, eye woana míanɔ mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe.

22 Gbɔgbɔmekesinɔnu xɔasi siwo le Yesu ƒe Todzimawunyaa me la dometɔ ʋɛ aɖewo ko mee míedzro le nyati siawo me. Mewɔ nuku o be ame siwo se eƒe nuƒoa ‘lulu le ale si wòfia nui ta.’ (Mat. 7:28) Nenema kee wòanɔ le míawo hã gome ne míetsɔ Yesu Kristo, Nufiala Gã la, ƒe nya xɔasi siawo kple bubuwo yɔ míaƒe susu kple dziwo me fũu.

Ŋuɖoɖo Kawoe Nàna?

• Nu kae Yesu gblɔ tso alakpagbedodoɖawo ŋu?

• Nu ka tae wòle be míaƒo asa na nya ɖeka mawo ke gbɔgblɔ le gbedodoɖa me?

• Nu vovovo kawo ŋue Yesu ƒo nu tso le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me?

• Alekee míate ŋu ‘anɔ ebiabia, edidi, kple ʋɔƒoƒo dzi’?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Yesu bu fɔ alakpanuwɔla siwo doa gbe ɖa bene amewo nakpɔ yewo ahaɖo to yewo

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ènya nu si tae wòsɔ be míabia míaƒe gbe sia gbe bolo le gbedodoɖa mea?