Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Yesu Ƒe Nyawo Nana Wokpɔa Dzidzɔ

Ale Si Yesu Ƒe Nyawo Nana Wokpɔa Dzidzɔ

Ale Si Yesu Ƒe Nyawo Nana Wokpɔa Dzidzɔ

“[Yesu yi] ɖe to la dzi; eye . . . eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ; eye [wòte] nufiafia wo.”—MAT. 5:1, 2.

1, 2. (a) Nɔnɔme kawo mee Yesu gblɔ eƒe Todzimawunya la le? (b) Alekee Yesu dze eƒe nuƒoa gɔme?

ƑE 31 M.Ŋ. mee. Yesu tso gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wònɔ le Galilea la me vie heyi Yerusalem hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. (Yoh. 5:1) Esi wòtrɔ yi Galilea la, edo gbe ɖa zã bliboa katã hena Mawu ƒe mɔfiafia le apostolo 12-awo tiatia me. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, ameha gã aɖe va ƒo ƒu eye Yesu da gbe le dɔnɔwo ŋu. Esi wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe toa ƒe akpa aɖe la, ete nufiafia eƒe nusrɔ̃lawo kple ameha la.—Mat. 4:23–5:2; Luka 6:12-19.

2 Yesu dze eƒe nuƒoa—Todzimawunya la—gɔme kple numeɖeɖe be ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu mee dzidzɔkpɔkpɔ tsona. (Mixlẽ Mateo 5:1-12.) Dzidzɔkpɔkpɔ nye ‘vivisese ƒe seselelãme, tso dzidzeme dzi yi ɖe dzidzɔ si nu sẽ ŋutɔ dzi.’ Dzidzɔkpɔkpɔ ŋuti nya asieke siwo Yesu gblɔ la te gbe ɖe nu si tae Kristotɔwo kpɔa dzidzɔ ɖo la dzi, eye nya mawo gaɖea vi egbea abe ale si ko wònɔ ƒe 2,000 kloe nye esia ene. Mina míadzro nya siawo me ɖekaɖeka azɔ.

“Ame Siwo Nyae Be Gbɔgbɔmenuwo Hiã Yewo”

3. Nu kae wòfia be míanyae be gbɔgbɔmenuwo hiã mí?

3 “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.” (Mat. 5:3) “Ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo” la kpɔnɛ dzea sii be yewohiã Mawu ƒe mɔfiafia kple nublanuikpɔkpɔ.

4, 5. (a) Nu ka tae ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo la kpɔa dzidzɔ? (b) Aleke míate ŋu akpɔ míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔe?

4 Ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo la kpɔa dzidzɔ, “elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.” Lɔlɔ̃ ɖe edzi be Yesue nye Mesia la na dziɖuɖu kplii le Mawu ƒe dziƒo Fiaɖuƒea me ƒe mɔnukpɔkpɔ va su eƒe nusrɔ̃la gbãtɔawo si. (Luka 22:28-30) Eɖanye Kristo ƒe hatidziɖulanyenye le dziƒo alo agbenɔnɔ le anyigba dzi paradiso me le Fiaɖuƒedziɖuɖua te ƒe mɔkpɔkpɔe le mía si o, míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne míede dzesii be gbɔgbɔmenuwo hiã mí ŋutɔŋutɔ eye míelɔ̃ ɖe edzi bliboe be míehiã Mawu ƒe mɔfiafia.

5 Menye amewo katãe nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo o, elabena xɔse mele ame geɖewo si o, eye womedea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu o. (2 Tes. 3:1, 2; Heb. 12:16) Mɔ siwo dzi míato akpɔ míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ dometɔ aɖewoe nye Biblia sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe, veviedodo le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me, kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede edziedzi.—Mat. 28:19, 20; Heb. 10:23-25.

Nuxala Siwo ‘Kpɔa Dzidzɔ’

6. Ame kawoe nye “ame siwo le nu xam,” eye nu ka tae ‘wokpɔa dzidzɔ’?

6 “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le nu xam, elabena woafa akɔ na wo.” (Mat. 5:4) “Ame siwo le nu xam” kple “ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo” la katã nye ame ɖeka ƒomeviwo. Womexaa nu le gɔmesesea nu be wotoa nyatoƒoe le woƒe agbe ŋu o. Woƒe nuxaxaa nye blanuiléle le woƒe nu vɔ̃ me nyenye kple nɔnɔme siwo me míele egbea le amegbetɔwo ƒe blibomademade ta ŋuti. Nu ka tae nuxala siawo ‘kpɔa dzidzɔ’? Elabena woxɔ Mawu kple Kristo dzi se eye wokpɔa akɔfafa le esi ƒomedodo nyui le woa kple Yehowa dome ta.—Yoh. 3:36.

7. Alekee wòle be míase le mía ɖokui me ku ɖe Satana ƒe xexea ŋu?

7 Ðe mía dometɔ ɖe sia ɖe xaa nu le madzɔmadzɔnyenye si bɔ ɖe Satana ƒe xexea me ta? Aleke tututue míesena le mía ɖokui me le nu siwo xexea dona ɖe ŋgɔ ŋu? Apostolo Yohanes gblɔ be: “Nu sia nu si le xexea me—ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe nudzodzro kple ame ƒe nunɔamesiwo fiafia adegbeƒoƒotɔe be woakpɔ—la metso Fofo la gbɔ o.” (1 Yoh. 2:16) Ke ne míese le mía ɖokui me be “xexea ƒe gbɔgbɔ,” si nye ŋusẽ si le ŋusẽ kpɔm ɖe amegbetɔƒome si tra ɖa tso Mawu gbɔ dzi vevie la na be mía ŋutɔwo míaƒe gbɔgbɔmemenyenye va le to yim ya ɖe? Ekema ele be míado gbe ɖa vevie, asrɔ̃ Mawu ƒe Nya la ahabia kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ. Ne míele tetem ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli la, ‘míakpɔ akɔfafa’ na mía ɖokuiwo nu ka kee ɖale nuxaxa dom na mí o.—1 Kor. 2:12; Ps. 119:52; Yak. 5:14, 15.

Ale Si Gbegbe “Ame Fafawo” Kpɔa Dzidzɔe!

8, 9. Nu kae wòfia be woanye ame fafa, eye nu ka tae ame fafawo kpɔa dzidzɔ?

8 “Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo, elabena woanyi anyigba la dome.” (Mat. 5:5) Menye gbɔdzɔgbɔdzɔ alo alakpaɖokuibɔbɔ nuwɔnae wònye be woanye ‘ame fafa’ alo afa tu o. (1 Tim. 6:11) Ne míenye ame fafawo la, míaɖe ɖokuibɔbɔ afia le Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ kple eƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ me. Míaƒe tufafa agadze le ale si míewɔa nu ɖe mía nɔvi haxɔsetɔwo kple ame bubuwo ŋu la hã me. Tufafa sia ɖeɖe fia wɔ ɖeka kple apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖowo.—Mixlẽ Romatɔwo 12:17-19.

9 Nu ka tae ame fafawo kpɔa dzidzɔ ɖo? Elabena Yesu, si ŋutɔ hã nye ame fafa la, gblɔ be: “Woanyi anyigba la dome.” Eya koŋ ƒe domenyinue anyigba la nye. (Ps. 2:8; Mat. 11:29; Heb. 2:8, 9) Ke hã, “Kristo ƒe hati domenyilawo,” siwo hã nye ame fafawo la kpɔa gome kplii le anyigba la domenyinyi me. (Rom. 8:16, 17) Ame fafa bubu geɖewo hã anɔ agbe tegbee le Yesu ƒe Fiaɖuƒea te le anyigba dzi.—Ps. 37:10, 11.

10. Ne tufafa ƒe nɔnɔme mele mía si o ɖe, alekee wòakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe dzedze axɔ agbanɔamedziwo le hamea me kpakple mía kple ame bubuwo dome ƒomedodo dzi?

10 Ele be míawo hã míanye ame fafawo abe Yesu ene. Ke ne wonya mí be míenye dzremewo ya ɖe? Dziku ƒe nɔnɔme manyoameŋu ma ate ŋu awɔe be amewo malɔ̃ be yewoanɔ tetem ɖe mía ŋu o. Ne nɔviŋutsu siwo le agbanɔamedziwo minyam le hamea mee míenye la, nɔnɔme sia ana be míadze o. (1 Tim. 3:1, 3) Paulo gblɔ na Tito be woayi edzi anɔ ŋku ɖom edzi na Kristotɔ siwo le Kreta be “woaganye dzrehelawo o, woanye nugɔmeselawo, woaɖe tufafa afia amewo katã bliboe.” (Tito 3:1, 2) Aleke gbegbee tufafa ƒe nɔnɔme sia ɖeɖe fia nyea yayra na ame bubuwoe nye esi!

“Dzɔdzɔenyenye” Ƒe Dɔ Le Wo Wum

11-13. (a) Nu kae wòfia be dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ nawu ame? (b) Alekee “woaɖi ƒo” na ame siwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum?

11 “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum, elabena woana woaɖi ƒo.” (Mat. 5:6) “Dzɔdzɔenyenye” si ŋu Yesu nɔ nu ƒom tso nye nɔnɔme nyui si nana wowɔa nu si le eteƒe to agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu kple wɔwɔ ɖe eƒe sededewo dzi me. Hakpala la gblɔ be Mawu ƒe afiatsotso dzɔdzɔewo “yome didi” na yeƒe “luʋɔ gbã gudugudu.” (Ps. 119:20) Ðe míedea asixɔxɔ dzɔdzɔenyenye ŋu ale gbegbe be eƒe dɔ kple tsikɔ nɔa mía wuma?

12 Yesu gblɔ be ame siwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum la akpɔ dzidzɔ elabena woana “woaɖi ƒo.” Esia te emevava tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi, elabena ɣemaɣie Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea te “kpeɖodzi si ŋu kakaɖedzi le la [nana] xexea ku ɖe . . . dzɔdzɔenyenye ŋuti.” (Yoh. 16:8) Mawu tsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ʋã amewo woŋlɔ Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, siwo nyo “na amehehe le dzɔdzɔenyenye me.” (2 Tim. 3:16) Mawu ƒe gbɔgbɔa kpena ɖe mía ŋu hã be ‘míado amenyenye yeye, si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu le dzɔdzɔenyenye vavãtɔ me la.’ (Ef. 4:24) Ðe mefaa akɔ na mí ŋutɔ be míanya be tenɔnɔ dzɔdzɔe ate ŋu asu ame siwo biaa woƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke dzimetɔtrɔtɔe to Yesu ƒe tafevɔsaa dzi la si le Mawu ŋkume oa?—Mixlẽ Romatɔwo 3:23, 24.

13 Ne anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔe le mía si la, míava ɖi ƒo ahakpɔ kɔɖiɖi na míaƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwuame kple tsikɔwuamea ne mɔnukpɔkpɔ va su mía si be míanɔ agbe tegbee le xexe si me dzɔdzɔenyenye axɔ aƒe ɖo me. Hafi ɣemaɣi naɖo la, mina míaɖoe kplikpaa be míanɔ agbe nɔm ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo nu. Yesu gblɔ be: “Miyi edzi mianɔ fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã.” (Mat. 6:33) Esia ana míaƒe asiwo navu ɖe mawumedɔ geɖewo wɔwɔ ŋu ahana míaƒe dziwo nayɔ fũu kple dzidzɔ vavãtɔ.—1 Kor. 15:58.

Nu Si Ta “Nublanuikpɔlawo” Kpɔa Dzidzɔ

14, 15. Aleke míate ŋu aɖe nublanuikpɔkpɔ afiae, eye nu ka tae “nublanuikpɔlawo” kpɔa dzidzɔ?

14 “Dzidzɔtɔwoe nye nublanuikpɔlawo, elabena woakpɔ nublanui na wo.” (Mat. 5:7) “Nublanuikpɔlawo” ɖea veveseseɖeamenu kple dɔmetɔtrɔ fiaa ame bubuwo. Yesu na gbɔdzɔe ame geɖewo tso woƒe fukpekpewo me nukutɔe le esi woƒe nu wɔ nublanui nɛ ta. (Mat. 14:14) Woɖea nublanuikpɔkpɔ fiana hã le senyawo ƒe gɔmesese nu ne amewo tsɔ vodada si ame bubuwo wɔ ɖe wo ŋu la ke wo abe ale si ko Yehowa hã tsɔa nu vɔ̃ wɔla trɔdzimewo ƒe nu vɔ̃wo kea wo faa ene. (2 Mose 34:6, 7; Ps. 103:10) Míate ŋu aɖe nublanuikpɔkpɔ afia le mɔ ma nu, eye míagate ŋu aɖee afia to nyagbɔgblɔ kple nuwɔna siwo ɖea dɔmenyonyo fiana, siwo naa gbɔdzɔe ame siwo dzi nu mede o, dzi. Mɔ nyuitɔ aɖe si dzi míato aɖe nublanuikpɔkpɔ afia amewoe nye Biblia me nyateƒea gbɔgblɔ na wo. Esi ameha aɖe ƒe nu wɔ nublanui na Yesu la, “[ete] nu geɖewo fiafia wo.”—Mar. 6:34.

15 Edze ƒãa be míalɔ̃ ɖe Yesu ƒe nya siawo dzi be: “Dzidzɔtɔwoe nye nublanuikpɔlawo, elabena woakpɔ nublanui na wo.” Ne míewɔa nu ɖe amewo ŋu nublanuikpɔkpɔtɔe la, anɔ eme godoo be woawo hã woawɔ nu ɖe mía ŋu nenema. Míanya kpɔe be ale si míekpɔ nublanui na ame bubuwo awɔe be Mawu nakpɔ nublanui na mí le fɔbubu siwo wòate ŋu ahe ava mía dzi le ʋɔnudɔdrɔ̃ mí me hafi la me. (Yak. 2:13) Nublanuikpɔlawo koe akpɔ nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke kple agbe mavɔ.—Mat. 6:15.

Nu Si Ta “Ame Siwo Dza Le Dzi Me” La Kpɔa Dzidzɔ

16. Nu kae wòfia be wòanye ame siwo “dza le dzi me,” eye alekee ame siwo si nɔnɔme sia le ‘kpɔa Mawu’?

16 “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo dza le dzi me, elabena woakpɔ Mawu.” (Mat. 5:8) Ne míenye ame siwo “dza le dzi me” la, dzadzɛnyenye adze le nu siwo léa dzi na mí, nu siwo dzroa mí, kple nu siwo ʋãa mí míewɔa nu la me. Míanɔ “lɔlɔ̃ si tso dzi dzadzɛ” me ɖem anɔ fiafiam. (1 Tim. 1:5) Dzadza le ememe ana ‘míakpɔ Mawu.’ Esia mefia kokoko be míakpɔ Yehowa kple míaƒe ŋkuwo ŋutɔŋutɔ o, elabena “ame aɖeke [makpɔ Mawu] aganɔ agbe o.” (2 Mose 33:20) Ke hã, esi wònye be Yesu ɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo fia le mɔ deblibo nu ta la, ete ŋu gblɔ be: “Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.” (Yoh. 14:7-9) Mí Yehowa subɔla siwo le anyigba dzi míate ŋu ‘akpɔ Mawu’ to nu siwo wòwɔna na mí le agbe me la kpɔkpɔ dze sii me. (Hiob 42:5) Le Kristotɔ amesiaminawo gome la, woava kpɔ Mawu, woƒe dziƒo Fofo la, ŋutɔŋutɔ mlɔeba ne wofɔ wo ɖe tsitre wozu gbɔgbɔmenuwɔwɔwo.—1 Yoh. 3:2.

17. Ne míedza le dzi me la, aleke wòakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii?

17 Esi wònye be ame si dza le dzi me nɔa dzadzɛ le gbɔgbɔ kple agbenɔnɔ me ta la, menana eƒe susu nɔa nu siwo medza le Yehowa ŋkume o la dzi o. (1 Kron. 28:9; Yes. 52:11) Ne míedza le dzi me la, dzadzɛnyenye adze le nya siwo míagblɔ kple nu siwo míawɔ me, eye alakpanu aɖeke madze le subɔsubɔ si míetsɔna naa Yehowa me o.

“Ŋutifafawɔlawo” Zua Mawu Ƒe Viwo

18, 19. Alekee “ŋutifafawɔlawo” wɔa nu?

18 “Dzidzɔtɔwoe nye ŋutifafawɔlawo, elabena woayɔ wo be ‘Mawu ƒe viwo.’” (Mat. 5:9) Wodea dzesi “ŋutifafawɔlawo” to nu siwo wowɔna kple nu siwo womewɔna o dzi. Ne ame siwo ŋu Yesu nɔ nu ƒom tso ƒomeviwoe míenye la, míanye ŋutifafawɔlawo eye ‘míaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.’ Ke boŋ ‘míanɔ nyuididi na ame bubuwo yome tim ɣesiaɣi.’—1 Tes. 5:15.

19 Be woabu mí ade ŋutifafawɔlawo dome la, ele be míayi edzi anɔ ŋutifafa yome tim. Ŋutifafawɔlawo mewɔa naneke si “mãa xɔlɔ̃wo dome” o. (Lod. 16:28) Abe ŋutifafawɔlawo ene la, míeɖea afɔ ɖe sia ɖe si dze “[heyia edzi nɔa] ŋutifafa me kple amewo katã.”—Heb. 12:14.

20. Ame kawoe nye “Mawu ƒe viwo” xoxo, eye ame bubu kawoe ava zu Mawu ƒe viwo mlɔeba?

20 Ŋutifafawɔlawo kpɔa dzidzɔ elabena “woayɔ wo be ‘Mawu ƒe viwo.’” Yehowa xɔ Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒewo eye wonye “Mawu ƒe viwo.” Woa kple Yehowa dome le kplikplikpli abe viawo ene xoxo le esi woɖea Kristo dzi xɔse fiana eye wodea ta agu na “lɔlɔ̃ kple ŋutifafa ƒe Mawu la” kple dzi blibo ta. (2 Kor. 13:11; Yoh. 1:12) Ke Yesu ƒe ‘alẽ bubu’ siwo hã nye ŋutifafawɔlawo ya ɖe? Yesu anye woƒe ‘Fofo Mavɔ’ le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me, gake le Ƒe Akpe Ðekaa ƒe nuwuwu la, Yesu atsɔ eɖokui ade Yehowa te, ekema alẽ bubuawo azu Mawu ƒe viwo le gɔmesesea ŋutɔŋutɔ nu.—Yoh. 10:16; Yes. 9:5; Rom. 8:21; 1 Kor. 15:27, 28.

21. Alekee míawɔ nu ne “gbɔgbɔ la nue míele agbe nɔm ɖo”?

21 Ne “gbɔgbɔ la nue míele agbe nɔm ɖo la,” tufafa anye nɔnɔme nyui siwo amewo ade dzesi le mía ŋu la dometɔ ɖeka. Míanɔ ‘ho ʋlim kple mía nɔewo’ alo ‘anɔ dziku dom na mía nɔewo o.’ (Gal. 5:22-26, Agbenya La) Ðe eteƒe la, míedzea agbagba be “[míanɔ] anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”—Rom. 12:18.

Wokpɔa Dzidzɔ Togbɔ Be Wotia Wo Yome Hã!

22-24. (a) Nu ka tae ame siwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ta la kpɔa dzidzɔ ɖo? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati eve siwo kplɔe ɖo me?

22 “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ta, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.” (Mat. 5:10) Yesu keke nya sia ɖe enu hegblɔ kpee be: “Dzidzɔtɔwoe mianye ne amewo do vlo mi, eye woti mia yome, eye woka aʋatso gblɔ nya vɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe mia ŋu le tanye. Dzi nedzɔ mi, eye miti kpo kple dzidzɔ, elabena miaƒe fetu lolo le dziƒowo; elabena nenema kee woti nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi hã yome.”Mat. 5:11, 12.

23 Abe Mawu ƒe nyagblɔɖila siwo nɔ anyi le blema ene la, Kristotɔwo kpɔa mɔ be amewo ado vlo yewo, ati yewo yome, eye woaka aʋatso ɖe yewo ŋu—esiawo katã “le dzɔdzɔenyenye ta.” Ke hã, ne míedo dzi le dodokpɔ siawo me la, míekpɔa dzidzeme le nyanya be míele bubu dem Yehowa ŋu eye wòkpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu ta. (1 Pet. 2:19-21) Míaƒe fukpekpewo mate ŋu ana dzidzɔ si míekpɔna le Yehowa subɔsubɔ me la dzi naɖe akpɔtɔ fifia alo le etsɔ si gbɔna me o. Nenema kee mate ŋu aɖe dzidzɔ si gbegbe wònye be woaɖu fia kple Kristo le dziƒo Fiaɖuƒea me loo, alo dzidzɔ si wòanye be woakpɔ agbe mavɔ abe dziɖuɖu ma te viwo dometɔ ɖeka ene le anyigba dzi la kpɔtɔ o. Yayra siawo nye Mawu ƒe amenuveve, nyuiwɔwɔ, kple dɔmenyonyo ƒe kpeɖodzi.

24 Nu geɖe gali míasrɔ̃ le Todzimawunya la me. Wodzro nufiame bubu siwo le eme la me le nyati eve siwo kplɔ esia ɖo me. Mina míakpɔ ale si míate ŋu atsɔ Yesu Kristo ƒe nya mawo awɔ dɔe ɖa.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu ka tae “ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo” la kpɔa dzidzɔ?

• Nu ka tae “ame fafawo” kpɔa dzidzɔ ɖo?

• Nu ka tae Kristotɔwo kpɔa dzidzɔ togbɔ be wotia wo yome hã?

• Dzidzɔkpɔkpɔ ŋuti nya siwo Yesu gblɔ dometɔ kae wɔ dɔ ɖe dziwò wu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Dzidzɔkpɔkpɔ ŋuti nya asieke siwo Yesu gblɔ la ɖea vi egbea abe ale si wònɔ esime wògblɔ wo ene

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Mɔ nyuitɔ aɖe si dzi míato aɖe nublanuikpɔkpɔ afia amewoe nye Biblia me nyateƒea gbɔgblɔ na wo