Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Yesu Ƒe Nyawo Nakpɔ Ŋusẽ Ðe Wò Nuwɔnawo Dzi

Na Yesu Ƒe Nyawo Nakpɔ Ŋusẽ Ðe Wò Nuwɔnawo Dzi

Na Yesu Ƒe Nyawo Nakpɔ Ŋusẽ Ðe Wò Nuwɔnawo Dzi

“Ame si Mawu dɔ la gblɔa Mawu ƒe nyawo.”—YOH. 3:34.

1, 2. Nu kae míate ŋu atsɔ Yesu ƒe nya siwo le Todzimawunyaa me la asɔ kple, eye nu ka tae míate ŋu agblɔ be “Mawu ƒe nyawo” dzie wòtu wo ɖo?

LOTAMEKPE gãtɔ kekeake siwo ŋu wotrɔ asi le, siwo li egbea la dometɔ ɖekae nye esi woyɔna be Star of Africa, si ƒe kpekpeme nye karat 530 (gram 106). Kpe xɔasi aɖe ŋutɔe wònye vavã! Ke hã, míate ŋu ake ɖe gbɔgbɔmekpe xɔasi siwo ƒe asixɔxɔ ƒo lotamekpe sia tɔ ta sãsãsã la ŋu le Yesu ƒe Todzimawunya la me. Esia mewɔ nuku o, elabena Yehowa gbɔe nya siwo Kristo gblɔ la tso! Biblia gblɔ tso Yesu ŋu be: “Ame si Mawu dɔ la gblɔa Mawu ƒe nyawo.”—Yoh. 3:34-36.

2 Togbɔ be Todzimawunya sia gbɔgblɔ manya de gaƒoƒo afã o hã la, Yesu yɔ nya vovovo 21 tso Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ enyi sɔŋ me. Eya ta “Mawu ƒe nyawo” koŋ dzie wòtui ɖo. Azɔ mina míakpɔ ale si míate ŋu atsɔ Mawu ƒe Vi si gbɔ melɔ̃a nu le o la ƒe nya xɔasi gbogbo siwo le mawunya ʋãme sia me dometɔ aɖewo awɔ dɔe ɖa.

“Wɔ Ŋutifafa Kple Nɔviwòa Gbã”

3. Esi Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo tso afɔku si le dzikuléle ɖi me ŋu vɔ la, aɖaŋu kae wòɖo na wo?

3 Abe Kristotɔwo ene la, míenye ŋutifafawɔla siwo kpɔa dzidzɔ le esi Mawu na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, si ƒe kutsetse ƒe akpa aɖewo nye dzidzɔ kple ŋutifafa, mí ta. (Gal. 5:22, 23) Esi Yesu medi be yeƒe nusrɔ̃lawo ƒe ŋutifafa kple dzidzɔ nu natsi o ta la, exlɔ̃ nu wo tso dzikuléle ɖi me tsonu wuamewo ŋu. (Mixlẽ Mateo 5:21, 22.) Egblɔ kplɔe ɖo be: “Eya ta ne ètsɔ wò nunana gbɔna vɔsamlekpuia gbɔ, eye nèɖo ŋku edzi le afi ma be nya aɖe le nɔviwò si ɖe ŋuwò la, ekema gblẽ wò nunana la ɖe afi ma le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye dzo nàyi; wɔ ŋutifafa kple nɔviwòa gbã, eye emegbe ne ètrɔ gbɔ la, nàtsɔ wò nunana la ana.”—Mat. 5:23, 24.

4, 5. (a) Nu kae nye “nunana” si ŋu Yesu ƒo nu tso le Mateo 5:23, 24 la? (b) Aleke gbegbee wòle vevie be ame nawɔ ŋutifafa kple nɔvia si do dziku ɖe eŋu?

4 “Nunana” si ŋu Yesu ƒo nu tso la nyea nu sia nu si amewo tsɔ saa vɔ le Yerusalem gbedoxɔa me. Le kpɔɖeŋu me, lãwo tsɔtsɔ sa vɔ nɔ vevie ŋutɔ elabena wonye tadedeagu si amewo tsɔna naa Yehowa ɣemaɣi la ƒe akpa aɖe. Gake Yesu ya te gbe ɖe nane si gale vevie wu la dzi—ŋutifafawɔwɔ kple nɔvi si do dziku ɖe mía ŋu hafi atsɔ nunanaa ayi na Mawu.

5 Be ‘woawɔ ŋutifafa’ fia be ‘woadzra ame nɔewo dome ɖo.’ Eya ta nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe nya sia me? Ele be míase egɔme be ale si míewɔa nu ɖe ame bubuwo ŋu la kpɔa ŋusẽ ɖe mía kple Yehowa dome ƒomedodo dzi tẽe. (1 Yoh. 4:20) Le nyateƒe me la, viɖe aɖeke menɔa vɔ siwo wosana na Mawu le blema la ŋu ne ame si le vɔa sam la mewɔ nu ɖe ehavi amegbetɔwo ŋu ale si dze o.—Mixlẽ Mixa 6:6-8.

Ðokuibɔbɔ Awɔ Akpa Vevi Aɖe

6, 7. Nu ka tae ɖokuibɔbɔ hiã ne míele agbagba dzem be míana ŋutifafa naɖo mía kple nɔvi aɖe si do dziku ɖe míe ŋu la dome?

6 Ŋutifafawɔwɔ kple nɔvi aɖe si do dziku ɖe mía ŋu ate ŋu ado míaƒe ɖokuibɔbɔ akpɔ. Ðokuibɔbɔlawo meʋlia nya alo hea nya kple haxɔsetɔwo le agbagbadzedze be yewoaɖee afia be yewo tɔ dzɔ ta o. Esia awɔe be nɔnɔmea agblẽ ɖe edzi kura, abe ale si wònɔ le Kristotɔ siwo nɔ blema Korinto la dome ɣeaɖeɣi ene. Apostolo Paulo gblɔ nya sia si na wobua tame la tso nɔnɔme ma ŋu be: “Esi miekplɔa mia nɔewo yia ʋɔnu la, efia be woɖu mia dzi keŋkeŋ. Nu ka ta miena wowɔ vɔ̃ ɖe mia ŋu boŋ o? Nu ka ta miena woba mi boŋ o?”—1 Kor. 6:7.

7 Yesu megblɔ be míayi amea gbɔ be míadze agbagba ana wòakpɔe be mía tɔ dzɔ eye etɔ medzɔ o. Ele be míaƒe taɖodzinua nanye be míana ŋutifafa nagaɖo mía dome. Be míawɔ ŋutifafa la, ele be míaɖe ale si míese le mía ɖokui me ŋutɔŋutɔ la gblɔ anukwaretɔe. Ele be míalɔ̃ ɖe edzi hã be míaƒe nuwɔna de abi ame kemɛa ƒe seselelãme ŋu. Eye ne wòanye be mía tɔe medzɔ o la, ele godoo be míalɔ̃ aɖe kuku ɖokuibɔbɔtɔe.

‘Ne Wò Ðusimeŋku Le Nukikli Zum Na Wò’

8. Gblɔ nya vevi siwo dze le Yesu ƒe nya siwo le Mateo 5:29, 30 me la kpuie.

8 Yesu ɖo aɖaŋu nyuiwo tso agbe nyui nɔnɔ ŋu le eƒe Todzimawunya la me. Enyae be míaƒe ŋutilã madebliboa ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi. Eya ta Yesu gblɔ be: “Ne wò ɖusimeŋku ma le nukikli zum na wò la, hoe, eye nàtsɔe aƒu gbe ɖa le ɖokuiwò ŋu. Elabena ne èbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka la, aɖe vi geɖe na wò wu, be woatsɔ wò ŋutilã blibo la katã aƒu gbe ɖe Gehena. Nenema kee ne wò nuɖusi le nukikli zum na wò la, lãe, eye nàtsɔe aƒu gbe ɖa le ɖokuiwò ŋu. Elabena ne èbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka la, aɖe vi geɖe na wò wu, be wò ŋutilã blibo la katã nayi Gehena.”Mat. 5:29, 30.

9. Alekee míaƒe ‘ŋku’ alo ‘asi’ ate ŋu azu “nukikli” na mí?

9 ‘Ŋku’ si ŋu Yesu ƒo nu tso la le tsitre ɖi na ŋutete si le mía si be míatsɔ susu aɖo nane ŋu, eye ‘asi’ la hã le tsitre ɖi na nu siwo míetsɔa míaƒe asiwo wɔna. Ne míekpɔ nyuie o la, ŋutinu siawo ate ŋu azu “nukikli” na mí ahana míadzudzɔ ‘zɔzɔ kple Mawu.’ (1 Mose 5:22; 6:9) Eya ta ne tomaɖomaɖo Yehowa ƒe tetekpɔ dze ŋgɔ mí la, ele be míawɔ nu ŋkubiãtɔe abe míaƒe ŋku hoho alo míaƒe asi lalã ɖa ene.

10, 11. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ?

10 Alekee míate ŋu awɔ be míaƒe ŋkuwo naganɔ nu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me la dzi o? Mawuvɔ̃la Hiob gblɔ be: “Mebla nu kple nye ŋku, eye aleke lawɔ malé ŋku ɖe ɖetugbi ŋu?” (Hiob 31:1) Srɔ̃tɔ si ɖoe kplikpaa be yemada le Mawu ƒe agbe nyui nɔnɔ sewo dzi o lae Hiob nye. Nenemae wòle be wòanɔ le mí katã gome, míeɖanye srɔ̃tɔwo alo trewo o. Be míaƒo asa na gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ la, ele be míana Mawu ƒe gbɔgbɔ, si naa ame siwo lɔ̃a Mawu tea ŋu tua ɖokuidziɖuɖu ɖo la, nafia mɔ mí.—Gal. 5:22-25.

11 Be míaƒo asa na gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ la, anyo be míabia mía ɖokui be, ‘Ðe meɖea mɔ nye ŋkuwo nana agbe gbegblẽ nɔnɔ nuwɔna siwo bɔ ɖe agbalẽwo, television, alo Internet dzi la kpɔkpɔ dzɔa dzi nama?’ Ele hã be míaɖo ŋku nusrɔ̃la Yakobo ƒe nya siawo dzi be: “Nu si tea ame sia ame kpɔ lae nye ye ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ, eye wòblenɛ. Azɔ ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nu vɔ̃; eye ne nu vɔ̃ hã va tsi la, edzia ku.” (Yak. 1:14, 15) Le nyateƒe me la, ne ame aɖe si ɖe adzɔgbe na Mawu tsɔa dzodzro vɔ̃ “yia edzi nɔa ŋku lém ɖe” ame si ƒe vidzinu to vovo na etɔ ŋu la, ele be wòawɔ tɔtrɔ ŋkubiãtɔe, si asɔ kple eƒe ŋku hoho ɖa ahatsɔe aƒu gbe.—Mixlẽ Mateo 5:27, 28.

12. Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe dzodzrowo dzi?

12 Esi wònye be míaƒe asiwo zazã le mɔ gbegblẽ nu ate ŋu ana míawɔ nu vɔ̃ gã siwo nye Yehowa ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenuwo dzi dada ta la, ele be míaɖoe kplikpaa be míayi edzi alé agbe dzadzɛ nɔnɔ me ɖe asi. Eya ta ele be míawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Miwu miaƒe ŋutinu siwo le anyigba dzi, le agbe gbegblẽ nɔnɔ, makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro, dzodzro vɔ̃, kple ŋubiabiã, si nye trɔ̃subɔsubɔ, la gome.” (Kol. 3:5) Nya “miwu,” gate gbe ɖe afɔ siwo wòle be míaɖe ŋkubiãtɔe bene míate ŋu aɖu míaƒe ŋutilã ƒe dzodzro vɔ̃wo dzi la dzi.

13, 14. Nu ka tae wòle vevie be míaƒo asa na agbe gbegblẽ nɔnɔ nuwɔnawo kple wo ŋu bubu?

13 Ne dɔléle aɖe wɔe be eva hiã be woalã ame aɖe ƒe asi alo afɔ la, ɖikeke mele eme o be alɔ̃ faa be woalãe na ye be yeatsi agbe. Míaƒe ŋku kple asi ‘tsɔtsɔ ƒu gbe’ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu hiã vevie bene míayi edzi anɔ agbe le gbɔgbɔ me. Ne míele dzadzɛ le susu me, le agbenɔnɔ me, kple le gbɔgbɔ me ko hafi míate ŋu asi le tsɔtsrɔ̃ mavɔ si wotsɔ Gehena wɔ kpɔɖeŋu na la nu.

14 Le míaƒe blibomademade kple nu vɔ̃ si ƒe dome míenyi ta la, ebia kutrikuku vevie hafi míate ŋu alé agbe dzadzɛ nɔnɔ me ɖe asi. Paulo gblɔ be: “Meƒoa nye ŋutilã kple kɔ vevie hewɔnɛ kluvii, bene esi meɖe gbeƒã na ame bubuwo vɔ la, le mɔ aɖe nu la, nye ŋutɔ nyemagazu ame si ŋu womekpɔ ŋudzedze ɖo o.” (1 Kor. 9:27) Eya ta mina míaɖoe kplikpaa be míawɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la dzi bene wòagadzɔ be míaƒo mía ɖokuiwo ɖe nuwɔna siwo aɖe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe eƒe tafevɔsaa ŋu afia la me gbeɖe o.—Mat. 20:28; Heb. 6:4-6.

“Minɔ Nu Nam Amewo”

15, 16. (a) Alekee Yesu ɖo nunana ƒe kpɔɖeŋu ɖi? (b) Nu kae Yesu ƒe nya siwo dze le Luka 6:38 la fia?

15 Yesu ƒe nyawo kple kpɔɖeŋu deŋgɔ si eya ŋutɔ ɖo ɖi la de nunana ƒe dzi ƒo. Eɖe dɔmenyonyo gã aɖe ŋutɔ fia to eƒe anyigba dzi vava le ameƒome madebliboa ƒe viɖe ta me. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 8:9.) Yesu lɔ̃ faa ɖe asi le ŋutikɔkɔe si me wònɔ le dziƒo la ŋu va zu amegbetɔ hetsɔ eƒe agbe na ɖe amegbetɔ nu vɔ̃ mewo, siwo dometɔ aɖewo si mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ asu be woanye hati domenyilawo kplii le Fiaɖuƒea me le dziƒo la ta. (Rom. 8:16, 17) Eye edze ƒãa be Yesu de dɔmenyowɔwɔ ƒe dzi ƒo esi wògblɔ be:

16 “Minɔ nu nam amewo, eye amewo ana nu mi. Woadzidze nu nyuie, atee, aʋuʋui wòagbagba, akɔ ɖe avɔ me na mi. Elabena dzidzenu si mietsɔ le nu dzidzem na amewo la kee woatsɔ adzidzee na miawo hã.” (Luka 6:38) Gbɔgblɔ be ‘woadzidze nu akɔ ɖe avɔ me’ he susu yi ale si nudzrala aɖewo kɔa nu dzidzeme aɖe ɖe nuƒlela ƒe awu ʋlaya si dzi wòbla heŋlɔe va dzi bene woate ŋu akɔ nuwo ɖe eme la dzi. Ale si míatso le mía ɖokui si anɔ nu nam amewo faa ate ŋu awɔe be amewo ana nu míawo hã, ɖewohĩ le ɣeyiɣi siwo hiã tu mí me.—Nyagb. 11:2.

17. Alekee Yehowa ɖo nunana ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake ɖi, eye nunana le mɔ ka nue ahe dzidzɔ vɛ na mí?

17 Yehowa lɔ̃a ame siwo naa nu kple dzidzɔ, eye wòɖoa eteƒe na wo. Eya ŋutɔ ɖo kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake ɖi to eƒe Tenuvi la tsɔtsɔ na me, “bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yoh. 3:16) Paulo ŋlɔ bena: “Ame si ƒãa nu wòsɔa gbɔ la, aŋe nu wòasɔ gbɔ hã. Ame sia ame newɔ abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o, elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.” (2 Kor. 9:6, 7) Kakaɖedzitɔe la, míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo zazã hena tadedeagu vavãtɔa dodo ɖe ŋgɔ ahe dzidzɔ kple teƒeɖoɖo geɖe vɛ na mí.—Mixlẽ Lododowo 19:17; Luka 16:9.

‘Mègana Kpẽ Naɖi Le Ŋgɔwò O’

18. Nu kawoe ate ŋu ana be “fetu aɖeke” manɔ anyi na mí le mía Fofo si le dziƒowo la gbɔ o?

18 “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie be miagaɖe miaƒe dzɔdzɔenyenye afia le amewo ŋkume bene woakpɔ mi o; ne menye nenema o la, fetu aɖeke manɔ anyi na mi le mia Fofo si le dziƒowo la gbɔ o.” (Mat. 6:1) “Dzɔdzɔenyenye” si ŋu Yesu ƒo nu tso la nye nuwɔna siwo wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Yesu ƒe nyaawo mefia be mele be woawɔ nuwɔna siwo dzea Mawu ŋu la le dutoƒo gbeɖe o, elabena egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be ‘woana woƒe kekeli naklẽ le amewo ŋkume.’ (Mat. 5:14-16) Gake ne míewɔa nu ‘bene amewo nakpɔ’ ahakafu mí abe ale si fefewɔlawo wɔna le fefewɔƒe gãwo ene la, “fetu aɖeke” manɔ anyi na mí le mía Fofo si le dziƒowo la gbɔ o. Ne míedina be míawɔ nu nenema la, ƒomedodo kplikplikpli manɔ mía kple Mawu dome o, eye Fiaɖuƒe dziɖuɖua ƒe yayra mavɔawo ato mía ŋu.

19, 20. (a) Nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be míagana “kpẽ naɖi” ne míele ‘nublanui kpɔm na ame dahewo’ o? (b) Gɔmesese ka nue míagana míaƒe miasi nanya nu si wɔm míaƒe ɖusi le o le?

19 Ne susu nyui le mía si la, míawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Eya ta ne èkpɔ nublanui na ame dahewo hele nu nam wo la, mègana kpẽ naɖi le ŋgɔwò, abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna le ƒuƒoƒewo kple ablɔwo dzi, bene amewo nado wo ɖe dzi la ene o. Vavã mele egblɔm na mi be: Wole woƒe fetu blibo la xɔm xoxo.” (Mat. 6:2) ‘Nublanuikpɔkpɔ na ame dahewo’ nye kpekpe ɖe ame dahewo ŋu to nunana wo me. (Mixlẽ Yesaya 58:6, 7.) Nudzɔdzɔ hena kpekpe ɖe ame dahewo ŋu ƒe ɖoɖo nɔ Yesu kple eƒe apostoloawo hã si. (Yoh. 12:5-8; 13:29) Esi wònye be womekua kpẽ ŋutɔŋutɔ ne wole nu nam o ta la, edze ƒãa be kpɔɖeŋunyagbɔgblɔe Yesu zã esi wògblɔ be míagana “kpẽ naɖi” le mía ŋgɔ ne míekpɔ “nublanui na ame dahewo” o. Mele be míado boblo nunana siawo abe ale si Yudatɔ Farisitɔwo wɔnɛ ene o. Yesu yɔ wo be alakpanuwɔlawo le esi woɖea gbeƒã woƒe dɔmenyonunanawo “le ƒuƒoƒewo kple ablɔwo dzi” ta. Alakpanuwɔla mawo nɔ “woƒe fetu blibo la xɔm xoxo.” Amewo ƒe kafukafu kple ɖewohĩ ŋgɔgbezikpuiwo dzi nɔnɔ le rabi gãgãwo dome le ƒuƒoƒewo koe anye fetu si woaxɔ, elabena Yehowa mana teƒeɖoɖo aɖeke wo o. (Mat. 23:6) Ke alekee wòle be Kristo ƒe nusrɔ̃lawo nawɔ nu? Yesu gblɔ na wo—kple míawo hã—be:

20 “Ke wò la, ne èkpɔ nublanui na ame dahewo le nu nam wo la, mègana wò miasi nanya nu si wɔm wò ɖusi le o, bene wò nunana la nanɔ ɣaɣla; ekema Fofowò, si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la, aɖo eteƒe na wò.” (Mat. 6:3, 4) Zi geɖe la, míezãa míaƒe asi eveawo aduadui. Eya ta be míagana míaƒe miasi nanya nu si wɔm míaƒe ɖusi le o fia be mele be míanɔ míaƒe dɔmenyonunanawo ŋu nya gblɔm na amewo o, ame siwo mía kpli wo dome le kplikplikpli abe ale si míaƒe miasi kple nuɖusi dome le ene kura gɔ̃ hã.

21. Nu kawoe teƒeɖoɖoxɔxɔ tso Ame si “le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe” gbɔ lɔ ɖe eme?

21 Ne míetsɔa míaƒe dɔmenyonunanawo ƒoa adegbe o la, míaƒe ‘nublanuikpɔkpɔ na ame dahewo’ anɔ ɣaɣla. Ekema mía Fofo “si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la” aɖo eteƒe na mí. Esi wònye be mía Fofo si le dziƒo la le dziƒonutowo me, afi si ŋku mekpɔna o, ta la, ele “ɣaɣlaƒe” le amegbetɔwo gome. (Yoh. 1:18) Teƒeɖoɖo si míaxɔ tso ame “si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe” gbɔ la lɔ ale si Yehowa ana míava nɔ ƒomedodo kplikplikpli me kplii, atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí ahana agbe mavɔ mí ɖe eme. (Lod. 3:32; Yoh. 17:3; Ef. 1:7) Aleke gbegbee esia nyo sãsãsã wu kafukafuxɔxɔ tso amegbetɔwo gbɔe nye esi!

Nya Vevi Siwo Ŋu Wòle Be Míade Asixɔxɔe

22, 23. Nu ka tae wòle be míade asixɔxɔ Yesu ƒe nyawo ŋu?

22 Kakaɖedzitɔe la, Todzimawunya la me yɔ fũu kple gbɔgbɔmekpe xɔasi siwo ŋu viɖe vovovo le na mí. Ðikeke mele eme o be nya vevi siwo ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ le xexe sia si me kuxiwo bɔ ɖo me gɔ̃ hã le eme. Vavãe, míakpɔ dzidzɔ ne míedea asixɔxɔ Yesu ƒe nyawo ŋu heɖea mɔ wokpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nuwɔna kple agbenɔnɔ dzi.

23 Woayra ame sia ame si “sea” nu siwo Yesu fia eye “wòwɔa wo dzi” la geɖe. (Mixlẽ Mateo 7:24, 25.) Eya ta mina míaɖoe kplikpaa be míanɔ wɔwɔm ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. Míagadzro eƒe nya bubu geɖe siwo le Todzimawunyaa me la me le nyati si kplɔ esia ɖo me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu ka tae wòle vevie be míawɔ ŋutifafa kple nɔvi aɖe si do dziku ɖe mía ŋu?

• Alekee míawɔ be míaƒe “ɖusimeŋku” nagazu nukikli na mí o?

• Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si ku ɖe nunana amewo ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Aleke gbegbee ‘ŋutifafawɔwɔ’ kple haxɔsetɔ aɖe si do dziku ɖe mía ŋu la nyoe nye esi!

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Yehowa yraa ame siwo naa nu tso dzi me faa