Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa Me—Akpa II

Nya Vevi Siwo Tso Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa Me—Akpa II

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa Me—Akpa II

NU KAWOE le ame siwo le Yehowa Mawu subɔm kple ame siwo mele esubɔm o la lalam? Nu kae adzɔ ɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi le etsɔme? Yayra kawoe ameƒomea me tɔ toɖolawo akpɔ le Kristo Ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me? Woɖo biabia siawo kple bubu siwo le vevie ŋutɔ la ŋu le Nyaɖeɖefia 13:1–22:21. * Ŋutega 16 siwo woɖe fia apostolo Yohanes le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo la dometɔ 9 mamlɛawo dze le ta siawo me.

Yohanes ŋlɔ bena: “Dzidzɔtɔe nye ame si xlẽa nyagblɔɖi sia me nyawo wòɖina kple ame siwo sea wo, eye wowɔa nu siwo woŋlɔ ɖe eme la dzi.” (Nyaɖ. 1:3; 22:7) Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me nyawo xexlẽ kple nu siwo míesrɔ̃ tso wo me la dzi wɔwɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe míaƒe dzi dzi, ado ŋusẽ míaƒe Mawu kple Via, Yesu Kristo, dzi xɔxɔ se, eye wòana etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui aɖe nasu mía si. *Heb. 4:12.

WOKƆ NU SIWO LE MAWU ƑE DƆMEDZOEGBA ADREAWO ME ÐI

(Nyaɖ. 13:1–16:21)

Nyaɖeɖefia 11:18 gblɔ be: “Dukɔwo do dɔmedzoe, eye [Mawu ŋutɔ ƒe] dɔmedzoe ho, eye ɣeyiɣi ɖoɖi la de, . . . be [wòahe] gbegblẽ ava ame siwo le anyigba la gblẽm la dzi.” Ŋutega enyilia ɖe ‘lã wɔadã aɖe si si dzo ewo kple ta adre le’ ƒe dɔwɔwɔwo fia tsɔ na míenya nu si tae Mawu ƒe dɔmedzoe ho ɖo.—Nyaɖ. 13:1.

Le ŋutega asiekelia me la, Yohanes kpɔ ‘Alẽvi la le tsitre ɖe Zion To la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blaene vɔ ene le eŋu.’ Woƒle wo “tso amegbetɔwo dome.” (Nyaɖ. 14:1, 4) Mawudɔlawo ƒe gbeƒãɖeɖewo kplɔe ɖo. Le ŋutega si kplɔe ɖo me la, Yohanes kpɔ “mawudɔla adre siwo si fuwɔame adre le.” Edze ƒãa be Yehowa ŋutɔe ɖe gbe na mawudɔla siawo be woakɔ “Mawu ƒe dɔmedzoegba adreawo” me nuwo ɖe Satana ƒe xexea ƒe akpa vovovowo dzi. Ʋɔnu si Mawu adrɔ̃ le etsɔme ŋuti gbedeasiwo kple nuxlɔ̃amewoe le agbaawo me. (Nyaɖ. 15:1; 16:1) Ŋutega eve siawo na numekɔkɔ ku ɖe ʋɔnu bubu siwo woato Fiaɖuƒea dzi adrɔ̃ le ɖekawɔwɔ me kple babadoname ƒe fuwɔame etɔ̃lia kpakple kpẽkuku adreawo la ŋu.—Nyaɖ. 11:14, 15.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

13:8—Nu kae nye ‘Alẽvi la ƒe agbegbalẽ xatsaxatsa’ la? Esia nye kpɔɖeŋugbalẽ xatsaxatsa si me ame siwo aɖu dzi kple Yesu Kristo le dziƒo Fiaɖuƒea me la ɖeɖe ko ƒe ŋkɔwo le. Kristotɔ amesiamina siwo gakpɔtɔ le anyigba dzi, siwo si agbenɔnɔ le dziƒo ƒe mɔkpɔkpɔ le la hã ƒe ŋkɔwo le eme.

13:11-13—Alekee lã wɔadã si dzo eve li na wɔa nu abe ʋɔ driba ene eye wòna dzo ge tso dziƒo? Nyateƒe si wònye be lã wɔadã dzoevee la—Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa—ƒoa nu abe ʋɔ driba ene la ɖee fia be ezãa ŋɔdzidodo, nyaƒoɖeamenu, kple ŋutasesẽ tsɔ zia amewo dzi be woalɔ̃ ɖe yeƒe dziɖuɖumɔnu dzi. Enaa dzo gena tso dziƒo le susua nu be ewɔa eɖokui abe nyagblɔɖila ene to asiƒuƒu akɔ be yeɖu vɔ̃ ƒe ŋusẽ dzi le xexemeʋa eve siwo dzɔ le ƒe alafa 20 lia me kple be yekpe Kɔmiunistdziɖuɖuwo dzi la dzi.

16:17—Nu kae nye “ya” si me wotrɔ nu si le agba adrelia me la kɔ ɖo? “Ya” la le tsitre ɖi na nuŋububu abe Satana ene, “si nye gbɔgbɔ [alo tamesusu] si le dɔ wɔm le tomaɖomaɖo ƒe viwo me fifia.” Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia katã gbɔa aɖiya sia.—Ef. 2:2.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

13:1-4, 18. “Lã wɔadã aɖe” si le tsitre ɖi na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo la do tso “atsiaƒu,” si fia ameƒomea me tɔ dzeagbowo, me. (Yes. 17:12, 13; Dan. 7:2-8, 17) Xexlẽme 666 le lã sia si Satana to vɛ hena ŋusẽe la si, si fia blibomademade si gbɔ eme. Nu si lã sia le tsitre ɖi na la gɔme sese kpena ɖe mía ŋu be eƒe nu nagalé dzi na mí míadze eyome loo, alo asubɔe abe ale si ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ wɔnɛ ene o.—Yoh. 12:31; 15:19.

13:16, 17. Togbɔ be míate ŋu akpe fu le míaƒe gbe sia gbe nuwɔnawo, abe ‘nuƒeƒle alo nudzadzra’ ene me hã la, mele be fukpekpe siawo naƒoe ɖe mía nu míaɖe mɔ lã wɔadã la nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzi o. ‘Lã wɔadãa ƒe dzesi xɔxɔ ɖe míaƒe asi alo ŋgonu’ anye mɔɖeɖe be lã wɔadã la nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamesusu kple nuwɔnawo dzi.

14:6, 7. Mawudɔlaa ƒe gbeƒãɖeɖea na míekpɔe be ele be míatsɔ nuwɔwɔ kpata ƒe nɔnɔme aɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo anyi la ŋuti nya nyuia. Ele be míakpe ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woatu Mawu vɔvɔ̃ nyuitɔ ɖo eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana Yehowa.

14:14-20. Ne ‘anyigbadzinuwo ŋeŋe,’ si nye ame siwo woaxɔ ɖe agbe nuƒoƒoƒudɔa, wu enu la, ɣeyiɣia ade be mawudɔlaa ‘natsɔ anyigba dzi wainka si wotso la aƒu gbe ɖe Mawu ƒe dziku ƒe wainfiãnu gã la me.’ Ekema woatsrɔ̃ wainka ma, si nye Satana ƒe dziɖuɖunuɖoanyi gblẽku si ɖua ameƒomea dzi egbea kpakple eƒe kutsetse vɔ̃wo ƒe “kpowo” ɖa tegbee. Ele be míaɖoe kplikpaa be míagaɖe mɔ anyigba dzi wainka la nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o.

16:13-16. ‘Nya makɔmakɔ siwo tso gbɔgbɔ me’ la tsi tsitre ɖi na gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ameflunya si ƒe taɖodzinue nye be wòana be fiawo nagaɖe mɔ Mawu ƒe dɔmedzoegba adreawo me nuwo kɔkɔɖi nakpɔ ŋusẽ nyui ɖe wo dzi o, ke boŋ wòana woatsi tsitre ɖe Yehowa ŋu.—Mat. 24:42, 44.

16:21. Esi xexe sia ƒe nuwuwu le aƒe tum la, gbeƒãɖeɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si ava Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia dzi ate ŋu ava lɔ gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃nyawo le mɔ aɖe si nu asẽ ŋutɔ, si tɔgbi medzɔ kpɔ o nu, si wotsɔ tsikpeawo wɔ kpɔɖeŋu na la ɖe eme. Ke hã, ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ ayi edzi anɔ busunya gblɔm ɖe Mawu ŋu.

FIA AƲADZIÐULA LA LE DZI ÐUM

(Nyaɖ. 17:1–22:21)

“Babilon Gã la,” si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la nye Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia ƒe akpa nyɔŋu aɖe. Ŋutega 11 lia ɖɔe be enye “gbolo gã” aɖe—nyɔnu agbe gbegblẽ nɔla—si ‘bɔbɔ nɔ anyi ɖe lã wɔadã aɖe si biã helĩhelĩ la dzi.’ Lã si dzi wòbɔbɔ nɔ la ŋutɔ ƒe ‘dzo ewoawo’ ava tsrɔ̃e ɖa keŋkeŋ mlɔeba. (Nyaɖ. 17:1, 3, 5, 16) Le ŋutega si kplɔe ɖo me la, wotsɔ gbolo la sɔ kple “du gã” aɖe heɖe gbeƒã eƒe mumu eye wona nuxlɔ̃ame kpata aɖe Mawu ƒe amewo be, “mido go [tso] eme.” Ame geɖewo fa konyi le du gã la tsɔtsrɔ̃ ŋuti. Gake dzidzɔɣliwo ɖi le dziƒo ya, le “Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe” ta. (Nyaɖ. 18:4, 9, 10, 15-19; 19:7) Le ŋutega 13 lia me la, “sɔ ɣi” dola la yi aʋa wɔ ge kple dukɔwo. Etsrɔ̃ Satana ƒe xexe vɔ̃ɖia ɖa keŋkeŋ.—Nyaɖ. 19:11-16.

Ke “da xoxo la, si nye Abosam kple Satana” ya ɖe? Ɣekaɣie woatsɔe ‘aƒu gbe ɖe, dzota la me’? Nudzɔdzɔ siwo le ŋutega 14 lia me la dometɔ ɖekae nye ema. (Nyaɖ. 20:2, 10) Ŋutega eve mamlɛawo ɖe ale si agbenɔnɔ anɔ le Ƒe Akpe Ðeka la me ƒe akpa sue aɖewo ko fia. Esi “nyaɖeɖefia” la me nyawo ɖo woƒe nuwuwu la, Yohanes kpɔ ‘agbetsitɔsisi aɖe wòto du la ƒe ablɔ gã la titina,’ eye wotsɔ amekpekpe wɔnuku aɖe ɖo “ame sia ame si tsikɔ le wuwum la” ŋkume.—Nyaɖ. 1:1; 22:1, 2, 17.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

17:16; 18:9, 10—Nu ka tae ‘anyigba dzi fiawo’ xa nu le gbolo si woawo ŋutɔwo tsrɔ̃ la ta? Woawo ŋutɔwo ƒe viɖe si womagakpɔ o ta koe wole nu xam ɖo. Le Babilon Gã la tsɔtsrɔ̃ vɔ megbe la, edze ƒãa be anyigba dzi fiawo va kpɔ ale si gbegbe wòɖea vi na wo la dze sii. Enana wòdzena na amewo be naneke megblẽ le woƒe ametete ɖe anyi nuwɔnawo ŋu o. Babilon Gã la kpe ɖe wo ŋu hã wokpɔ ɖekakpui geɖe ɖo ɖe aʋagbedzi. Gakpe ɖe eŋu la, ewɔ akpa vevi aɖe le nana be dukɔmeviwo nabɔbɔ ɖe dziɖuɖuwo te me.

19:12—Mɔ ka nue ame bubu aɖeke menya Yesu ƒe ŋkɔ si womeʋu go o, negbe eya ŋutɔ ko le? Ŋkɔ sia anya tsi tsitre ɖi na ɖoƒe si Yesu le kple akpa vevi si wòwɔna, abe esiwo ŋu woƒo nu tso le Yesaya 9:5 ene, siwo ŋu dɔ wɔm wòle le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me. Ame bubu aɖeke menya ŋkɔ sia o, negbe eya ŋutɔ ko, le mɔ sia nu be akpa vevi siwo wòwɔna la le etɔxɛ eye eya ɖeɖe koe ate ŋu ase nu siwo gbegbe ɖoƒe kɔkɔ ma nɔnɔ lɔ ɖe eme la gɔme. Gake Yesu na ŋugbetɔ ƒe ha la me tɔwo kpɔa gome kplii le ɖoƒe vevi siawo ƒe mɔnukpɔkpɔ aɖewo ŋu dɔ wɔwɔ me, si le abe ‘eƒe ŋkɔ yeye la ŋɔŋlɔ ɖe wo ŋu’ ene.—Nyaɖ. 3:12.

19:14—Ame kawoe ado sɔ adze Yesu yome le Harmagedon me? “Aʋakɔ, siwo le dziƒo,” siwo akpe ɖe Yesu ŋu le Mawu ƒe aʋa la me la anye mawudɔlawo kpakple amesiamina aʋadziɖula siwo xɔ woƒe dziƒofetu la xoxo.—Mat. 25:31, 32; Nyaɖ. 2:26, 27.

20:11-15—Ame kawo ƒe ŋkɔwoe woŋlɔ ɖe “agbegbalẽ” alo “agbegbalẽ xatsaxatsa” la me? Ame siwo katã dze axɔ agbe tegbee nɔnɔ ƒe nunana—Kristotɔ amesiaminawo, ameha gã me tɔwo, kple Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo woafɔ ɖe tsitre le ‘ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi’ la me—la ƒe ŋkɔwoe le eme. (Dɔw. 24:15; Nyaɖ. 2:10; 7:9) Ne ame siwo woafɔ ɖe tsitre le ‘ame madzɔmadzɔwo ƒe tsitretsitsia’ me la wɔ ɖe ‘nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ xatsaxatsa’ siwo me mɔfiamewo le me, siwo woaʋu le Ƒe Akpe Ðekaa me, dzi ko hafi woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe “agbegbalẽ xatsaxatsa la” me. Gake ne woŋlɔ ŋkɔawo ɖe eme la, mefia be womagate ŋu atutu wo gbeɖe o. Ne amesiaminawo wɔ nuteƒe yi ɖase ɖe ku me ko hafi woƒe ŋkɔwo tsia agbegbalẽa me ɖikaa. (Nyaɖ. 3:5) Ame siwo axɔ agbenɔnɔ le anyigba dzi ƒe nunana la ƒe ŋkɔwo atsi afi ma ɖaa ne wowɔ nuteƒe to dodokpɔ mamlɛa me do le ƒe akpe ɖeka la ƒe nuwuwu.—Nyaɖ. 20:7, 8.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

17:3, 5, 7, 16. “Nunya si tso dziƒo” kpena ɖe mía ŋu míesea ‘nyɔnu la kple lã wɔadã, si biã helĩhelĩ, si kɔe la ŋuti nya ɣaɣla la’ gɔme. (Yak. 3:17) Le gɔmedzedzea me la, lã wɔadã sia nɔ tsitre ɖi na Dukɔwo Ƒe Nubabla la eye emegbe wova gbɔ agbee wòzu Dukɔ Ƒoƒuawo. Ðe mele be nya ɣaɣla sia ƒe gɔmesese nyanya naʋã mí be míanɔ gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia kple Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la dzonɔamemetɔe oa?

21:1-6. Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be yayra siwo ƒe ŋugbe wodo be míakpɔ le Fiaɖuƒedziɖuɖua te la ava eme ŋutɔŋutɔ. Nu ka tae? Elabena wogblɔ le wo ŋu be: “Wova eme!”

22:1, 17. “Agbetsitɔsisi” la le tsitre ɖi na mɔnuɖoɖo siwo Yehowa wɔ be yeatsɔ aɖe ameƒomea tso nu vɔ̃ kple ku si me. Tsi sia ƒe ɖe li fifia míate ŋu akpɔ. Neva eme be menye ɖeko míawɔ ɖe amekpekpea dzi ‘axɔ agbetsi la femaxee’ ko o, ke míatsɔ dzonɔameme ana tsi sia naɖo ame bubuwo hã gbɔ!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 1 Àkpɔ Nyaɖeɖefia 1:1–12:17 ŋuti numedzodzro le “Nya Vevi Siwo Tso Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa Me—Akpa I” si dze le January 15, 2009 ƒe Gbetakpɔxɔ me la me.

^ mm. 2 Àte ŋu akpɔ Nyaɖeɖefia gbalẽa ƒe kpukpuiwo me dzodzro ɖekaɖeka le agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! me.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Yayra wɔnuku kawo gbegbee nye esi ameƒomea me tɔ toɖolawo akpɔ le Fiaɖuƒedziɖuɖua te!