Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wode Dzi Ƒo Na Dutanyanyuigblɔlawo Be Woanɔ Abe Yeremiya Ene

Wode Dzi Ƒo Na Dutanyanyuigblɔlawo Be Woanɔ Abe Yeremiya Ene

Gilead Suku Ƒe Klass 125 Lia Nuwuwu

Wode Dzi Ƒo Na Dutanyanyuigblɔlawo Be Woanɔ Abe Yeremiya Ene

NƆVIŊUTSU Geoffrey Jackson si nye Dziɖuha me tɔ la gblɔ be: “Gilead suku ƒe klass sia ɖe dzesi le ŋutinya me.” Ame 6,156 siwo va Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 125 lia nuwuwɔnawo teƒe le September 13, 2008 dzi lae wònɔ nu ƒom na. Ne woxlẽ ame 56 siwo wu klass sia nu kpe dutanyanyuigblɔla siwo katã de Gilead eye woɖo wo ɖe “anyigba ƒe seƒe ke” ŋu la, woƒe xexlẽme anye 8,000 kple edzivɔwo.—Dɔw. 1:8.

Nɔviŋutsu Jackson, si nɔ zi me na sukunuwuwɔnawo la bia nya sia be: “Ðe nana be amewo naka ɖe mia dzi ana miaƒe subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzia?” Emegbe eyɔ nu ene siwo nana amewo kana ɖe ame dzi, siwo nye: nɔnɔme nyui ƒe amesinɔnɔ, kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo, ame ƒe nufiafiawo tutu ɖe Mawu ƒe Nya dzi sesĩe, kple kutrikuku le nana be amewo nanya Yehowa ƒe ŋkɔ me.

David Schafer si wɔa dɔ kple Nufiafia Kɔmitia la dzro nyati si nye “Ðe Miase Nu Sia Nu Gɔmea?” me. Eka ɖe edzi na Gilead sukunuwulaawo be woate ŋu ‘ase nu sia nu’ si gɔme wòhiã be woase le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ ŋu la gɔme ne woyi edzi di Yehowa helɔ̃ ɖe “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” ƒe mɔfiafia dzi ɖokuibɔbɔtɔe.—Lod. 28:5; Mat. 24:45.

Eyome John E. Barr, si nye Dziɖuhaa me tɔ la ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Migana Naneke Nama Mi Ða Tso Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Gbɔ O.” Vifofo ƒe aɖaŋuɖoɖo si Nɔviŋutsu Barr ɖo na sukunuwulaawo la na woa kple wo dzilawo ɖe dzi ɖi le vɔvɔ̃ na nu siwo gbegbe dutanyanyuigblɔla yeyeawo ado goe le afi siwo woaɖo wo ɖo la me. Eɖe nu me be: “Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me nɔnɔ nye dedienɔƒe fakɔname si ɖeke mesɔ kpli o, si míanɔ le míaƒe agbe me.” Naneke mate ŋu ama dutanyanyuigblɔlaawo ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ la gbɔ o, negbe ɖe woawo ŋutɔwo ma wo ɖokuiwo ɖa tso Mawu gbɔ.

Sam Roberson, si wɔa dɔ le Teokrasi Sukuwo Ƒe Dɔdzikpɔƒe la de dzi ƒo na nyaselawo be “woado awu nyuitɔ kekeake la.” Ne sukunuwulaawo srɔ̃ nu siwo Yesu wɔ hewɔa wo dzi la, woate ŋu ‘ado Aƒetɔ Yesu Kristo.’ (Rom. 13:14) Le esia yome la, William Samuelson si nye Teokrasi Sukuwo Ƒe Dɔdzikpɔƒea dzi kpɔla la te gbe ɖe nu si nana bubu nɔa ame ŋu la dzi. Menye ale si amewo bua ame ye nana bubu nɔa eŋu o, ke boŋ ale si Mawu bunɛ ye.

Michael Burnett, si nye nufialawo dometɔ ɖeka la bia gbe sukunuwulaawo tso woƒe gbeadzinuteƒekpɔkpɔwo ŋu. Togbɔ be anyigbamama si me wowɔ dɔ le zi gbɔ zi geɖe mee sukuviawo dometɔ akpa gãtɔ ɖe gbeƒã le le woƒe sukudeɣia le Patterson, New York, hã la, woke ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu. Gerald Grizzle, si wɔa dɔ le Takpekpewo Ŋuti Dɔwɔƒea la bia gbe nɔviŋutsu etɔ̃ aɖewo siwo va le Alɔdzekɔmiti Me Tɔwo Ƒe Suku dem. Nya siwo wogblɔ la dzra Gilead sukunuwulaawo ɖo ɖe nu siwo le wo lalam le teƒe siwo woaɖo wo ɖo la ŋu.

Nɔviŋutsu David Splane, si nye Dziɖuhaa me tɔ, si de Gilead sukua ƒe klass 42 lia, ye ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye: “Nɔ Abe Yeremiya Ene.” Togbɔ be vɔvɔ̃ nɔ Yeremiya me ɖe eƒe dɔdeasia ŋu hã la, Yehowa do ŋusẽe. (Yer. 1:7, 8) Mawu akpe ɖe dutanyanyuigblɔla yeyeawo hã ŋu nenema. Nɔviŋutsu Splane gblɔ be: “Ne mia kple ame aɖe dome menɔna nyuie o la, bɔbɔ nɔ anyi nàŋlɔ nɔnɔme nyui ewo siwo dzɔ dzi na wò le amea ŋu la ɖi. Ne mète ŋu kpɔe wòde ewo o la, ke efia be mèkpɔ nya amea nyuie haɖe o.”

Yeremiya nye ɖokuitsɔsavɔla. Esi wòva di be yeana ta la, edo gbe ɖa, eye Yehowa kpe ɖe eŋu. (Yer. 20:11) Nɔviŋutsu Splane gblɔ be: “Ne dzi di be yeaɖe le ƒowò la, gblɔe na Yehowa. Ale si gbegbe Yehowa akpe ɖe ŋuwò la awɔ nuku na wò ŋutɔ.”

Le sukunuwuwɔnaawo taƒoƒo me la, zimenɔlaa ɖo ŋku edzi na vavalawo be sukunuwulaawo srɔ̃ mɔ vovovo siwo dzi woato ana amewo naka ɖe wo dzi. Ne wona ame siwo woaɖi ɖase na le afi si woaɖo wo ɖo la kana ɖe wo dzi la, ŋusẽ geɖe wu anɔ woƒe gbedeasia ŋu.—Yes. 43:8-12.

[Aɖaka si le axa 22]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKA

Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 6

Dukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 21

Sukuviawo ƒe xexlẽme: 56

Ƒe si woxɔ le mama dedie nu: 32.9

Ƒe si wole nyateƒea me le mama dedie nu: 17.4

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo le mama dedie nu: 13

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku Ƒe Klass 125 Lia Nuwulawo

Ðoɖo si nu woŋlɔ ŋkɔawo ɖo le ete yi ale: Woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖe sia ɖe dzi.

(1) Hodgson, A.; Wall, A.; Beerens, K.; Hortelano, M.; Newman, L.; De Caso, A. (2) Jenkins, J.; Jarzemski, T.; Méndez, N.; Corona, V.; Canalita, L. (3) Fryer, H.; Savage, M.; Tidwell, K.; Erickson, N.; Dyck, E.; McBeath, R. (4) Perez, L.; Puse, L.; Skidmore, A.; Young, B.; McBride, N.; Rondón, P.; Goodman, E. (5) Beerens, M.; Ferguson, J.; Pearson, N.; Chapman, L.; Wardle, J.; Canalita, M. (6) Perez, P.; De Caso, D.; Young, T.; Rondón, D.; Goodman, G.; Jenkins, M.; Dyck, G. (7) Corona, M.; Wall, R.; Puse, S.; Méndez, F.; Jarzemski, S.; Savage, T. (8) Newman, C.; Ferguson, D.; Skidmore, D.; Erickson, T.; McBride, J.; Pearson, M.; Chapman, M. (9) Hodgson, K.; Wardle, A.; McBeath, A.; Tidwell, T.; Fryer, J.; Hortelano, J.