Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso “ame dzɔdzɔewo [alo Yasar] ƒe agbalẽ” kple “Yehowa ƒe aʋawɔwɔwo ƒe agbalẽ” ŋu. (Yos. 10:13; 4 Mose 21:14) Agbalẽ eve siawo mekpe ɖe agbalẽ siwo dzi woda asi ɖo be wonye Biblia gbalẽwo la ŋu o. Ðe agbalẽ siawo nye agbalẽ siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me gake va bu emegbea?

Susu aɖeke meli si tae míaƒo nya ta be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee agbalẽ eve mawo tso gake va bu emegbe o. Ame siwo gbɔgbɔ ʋã woŋlɔ Biblia la yɔ nya tso nuŋlɔɖi bubu aɖewo hã me. Le nyateƒe me la, ate ŋu anye be Biblia gbalẽwoe agbalẽ siawo dometɔ aɖewo nye, evɔ woyɔ ŋkɔ aɖewo siwo to vovo na ŋkɔ si míenya na wo egbea la na wo. Le kpɔɖeŋu me, 1 Kronika 29:29 ƒo nu tso “nukpɔla Samuel ŋutinyawo,” “nyagblɔɖila Natan ŋutinyawo,” kple “nukpɔla Gad ŋutinyawo” ŋu. Ate ŋu anye be agbalẽ etɔ̃ mawoe nye agbalẽ siwo woyɔna egbea be 1 Samuel kple 2 Samuel, alo ɖewohĩ Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe agbalẽa ye woyɔna nenema.

Le go bubu me la, ate ŋu adzɔ be woaƒo nu tso agbalẽ aɖewo siwo ƒe ŋkɔwo ɖi Biblia gbalẽ aɖewo tɔ ŋu, gake le nyateƒe me la, womenye Biblia ƒe akpa aɖeke o. Míate ŋu atsɔ blemagbalẽ ene awɔ esia ƒe kpɔɖeŋu: “Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ,” “Yuda-fiawo kple Israel-fiawo ƒe agbalẽ,” “Israel-fiawo ƒe agbalẽ,” kple “Israel-fiawo kple Yuda-fiawo ƒe agbalẽ.” Togbɔ be agbalẽ ene mawo ƒe ŋkɔ ɖi Biblia gbalẽ siwo míeyɔna be 1 Fiawo kple 2 Fiawo hã la, wometso Mawu ƒe gbɔgbɔ me o, eye womeda asi ɖe wo dzi hexɔ wo de Biblia gbalẽwo me hã o. (1 Fia. 14:29; 2 Kron. 16:11; 20:34; 27:7) Ate ŋu anye be ŋutinyagbalẽ siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi si me nyagblɔɖila Yeremiya kple Ezra nɔ woƒe nuŋlɔɖi siwo míexlẽna le Biblia me la ŋlɔm koe wonye.

Le nyateƒe me la, Biblia ŋlɔla aɖewo ƒo nu tso agbalẽ alo ŋutinyagbalẽ aɖewo siwo nɔ anyi le woƒe ɣeyiɣia me gake wometso Mawu ƒe gbɔgbɔ me o la ŋu alo wɔ numekuku tso wo me. Le kpɔɖeŋu me, Ester 10:2 ƒo nu tso “Persia-fiawo ŋɔli ƒe ŋutinyagbalẽ” ŋu. Nenema kee esime Luka nɔ eƒe Nya Nyui Gbalẽa ŋlɔm la, “[eku] nuwo katã me tsitotsito tso gɔmedzedzea me.” Anɔ eme godoo be nu si wòwɔnɛ ye nye be ewɔ numekuku tso nuŋlɔɖi siwo ŋu wòke ɖo la me esime wònɔ Yesu ƒe dzidzime ŋuti nuŋlɔɖi siwo dze le eƒe Nya Nyui Gbalẽa me la nu ƒom ƒu. (Luka 1:3; 3:23-38) Togbɔ be nuŋlɔɖi siwo me Luka wɔ numekuku le la metso gbɔgbɔ me o hã la, kakaɖedzitɔe la, eƒe Nya Nyui Gbalẽa ya tso gbɔgbɔ me. Eye viɖe gakpɔtɔ le Nya Nyui Gbalẽ ma ŋu na mí.

Le agbalẽ eve siwo ŋkɔwoe nye “ame dzɔdzɔewo ƒe agbalẽ” kple “Yehowa ƒe aʋawɔwɔwo ƒe agbalẽ” siwo míeyɔ le nyabiasea me gome ya la, ewɔ abe wonye agbalẽ aɖewo siwo metso gbɔgbɔ me o siwo nɔ anyi ɣemaɣi la ene. Ema tae Yehowa mekpɔ egbɔ be wokpɔ wo ta woli va se ɖe egbea o ɖo. Ale si Biblia ƒo nu tso agbalẽ siawo ŋu na be agbalẽnyala aɖewo ƒo nya ta be hakpanya alo hadzidzi gbalẽ siwo ƒo nu tso aʋa siwo yi edzi le Israel kple eƒe futɔwo dome ŋue agbalẽ eve siawo nye. (2 Sam. 1:17-27) Biblia ƒe numekugbalẽ aɖe gblɔ be, anya nye “hakpanya kple ha nyanyɛ siwo ta hakpala bibiwo kpɔ le blema Israel” ye le agbalẽ mawo me. Ŋutsu aɖewo siwo Mawu zã ɣeaɖewoɣi abe nyagblɔɖilawo alo nukpɔlawo ene gɔ̃ hã wɔ nuŋlɔɖi aɖewo siwo Yehowa ƒe gbɔgbɔ meʋã wo hafi woŋlɔ wo o, alo Mawu metiae be woatsɔ wo akpe ɖe Ŋɔŋlɔ siwo “[nyo] na nufiafia, na nyagbename, na ɖɔɖɔɖo” le míaƒe ŋkekea me la ŋu o.—2 Tim. 3:16; 2 Kron. 9:29; 12:15; 13:22.

Mele be ale si Biblia ƒo nu tso agbalẽ aɖewo ŋu, eye wote ŋu wɔ numekuku le wo me nana míaƒo nya ta be Mawu ƒe gbɔgbɔ ye ʋã amewo hafi woŋlɔ wo o. Ke hã, Yehowa Mawu kpɔ nuŋlɔɖi siwo katã me “mía Mawu ƒe nya” le la ta, eye nuŋlɔɖi mawo “anɔ anyi tegbee.” (Yes. 40:8) Ɛ̃, nya siwo Yehowa tia be woanɔ Biblia gbalẽ 66 siwo le mía si la me koe nye nu si tututu míehiã bene ‘míadze bliboe, eye míanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.’—2 Tim. 3:16, 17.