Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wò Ŋku Nenɔ Fetu La Dzi

Wò Ŋku Nenɔ Fetu La Dzi

Wò Ŋku Nenɔ Fetu La Dzi

“Mele du la dzi ɖo ta taɖodzinu la gbɔ, hena . . . fetu la.”—FP. 3:14.

1. Fetu kae wotsɔ ɖo apostolo Paulo ŋkume?

ƑOME xɔŋkɔ aɖe mee apostolo Paulo si wogayɔna be Saul si tso Tarso la tso. Sefiala xɔŋkɔ Gamaliel ye fia nui tso tɔgbuiawo ƒe mawusubɔsubɔ ŋu. (Dɔw. 22:3) Nu si wobu be enye agbemedɔ nyui aɖe la ƒe mɔnukpɔkpɔe nɔ Paulo ŋgɔ; gake eɖe asi le eƒe subɔsubɔ ŋu heva zu Kristotɔ. Tso ema dzi la, etsɔ eƒe susu ɖo agbe mavɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ si wotsɔ ɖo eŋkume la ŋu—si nye be wòava zu fia kple nunɔla si si makumakunyenye asu le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea me. Fiaɖuƒe ma aɖu paradisonyigba aɖe dzi.—Mat. 6:10; Nyaɖ. 7:4; 20:6.

2, 3. Asixɔxɔ ka gbegbee Paulo de agbenɔnɔ le dziƒo ƒe fetu la ŋu?

2 Paulo gblɔ nya siwo gbɔna tsɔ ɖe ale si gbegbe wòde asixɔxɔ fetu ma ŋui la fia: “Nu siwo nye viɖe nam tsã la, mebu nu siawo nu bubu le Kristo la ta. Nyateƒee, le esia ta mebua nuwo katã hã be wonye nu bubu le nye Aƒetɔ Kristo Yesu ŋuti sidzedze ƒe asixɔxɔ, si nyo wu sãsãsã la ŋuti. Le eyama ta melɔ̃ nuwo katã zu nu bubu, eye mebua wo abe gbeɖuɖɔ dzro aɖe ko ene.” (Fp. 3:7, 8) Paulo bu nu siwo ame akpa gãtɔ bua nu veviwoe—ɖoƒe, kesinɔnu, dɔwɔɖui, kple bubu—be wonye gbeɖuɖɔ esi wòva srɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo na ameƒomea ŋu vɔ megbe.

3 Tso ɣemaɣi la, nu si va nɔ vevie na Paulo le agbe me koŋ ye nye Yehowa kple Kristo ŋuti sidzedze xɔasi si ŋu nya Yesu ƒo nu tsoe le gbe aɖe si wòdo ɖa na Mawu me be: “Esiae nye agbe mavɔ la: be woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la, ŋuti sidzedze xɔm.” (Yoh. 17:3) Ale si Paulo di vevie be agbe mavɔ nasu ye si la dze ƒãa le eƒe nya siwo dze le Filipitɔwo 3:14 me. Egblɔ be: “Mele du la dzi ɖo ta taɖodzinu la gbɔ, hena Mawu ƒe ameyɔyɔ yi dziƒo ƒe fetu la to Kristo Yesu dzi.” Ɛ̃, eƒe ŋkuwo nɔ agbe mavɔ fetu si asu esi le dziƒo abe Mawu Fiaɖuƒedziɖuɖua me nɔla ene la dzi.

Agbenɔnɔ Tegbee Le Anyigba Dzi

4, 5. Fetu kae le ŋgɔ na ame miliɔn geɖe siwo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm egbea?

4 Le ame siwo tiae be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dometɔ akpa gãtɔ gome la, fetu si woʋlina nae nye agbe mavɔ nɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me. (Ps. 37:11, 29) Yesu ɖo kpe edzi be mɔkpɔkpɔ vavãe esia nye. Egblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo, elabena woanyi anyigba la dome.” (Mat. 5:5) Yesu ŋutɔe nye ame vevitɔ si woatsɔ míaƒe anyigba la ana wòazu eƒe domenyinu abe ale si Psalmo 2:8 ɖee fia ene, eye ame 144,000-awo aɖu fia kplii le dziƒo. (Dan. 7:13, 14, 22, 27) Ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ siwo anɔ agbe le anyigba sia dzi la ‘anyi’ Fiaɖuƒe ‘si wodzra ɖo ɖi na wo tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi la’ ƒe dziɖuƒe, si nye anyigba la, ƒe dome. (Mat. 25:34, 46) Eye kakaɖedzi le mía si be nu siawo katã ava eme, elabena Mawu, ame si do ŋugbe siawo la, “mate ŋu aka aʋatso o.” (Tito 1:2) Míawo hã míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Mawu ƒe ŋugbedodowo ava eme abe ale si wònɔ le Yosua gome ene. Egblɔ na Israel viwo be: “Nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.”—Yos. 23:14.

5 Agbenɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me manɔ abe agbenɔnɔ le egbe xexe madeamedzi sia me ene o. Ato vovo sãsãsã: aʋawɔwɔ, nu vlo wɔwɔ, ahedada, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, dɔléle, kple ku manɔ anyi o. Ɣemaɣi la, amewo anɔ lãmesẽ deblibo me, eye woanɔ anyigba si wotrɔ wòzu paradiso la dzi. Agbe ma si me dzidzeme kple dziɖeɖi anɔ la ade ŋgɔ boo wu ale si míate ŋu akpɔe le susu me. Ɛ̃, ɣemaɣi la, dzidzɔ ayɔ míaƒe dziwo me gbe sia gbe. Fetu nyui ka gbegbee nye esi wòanye!

6, 7. (a) Nu kae Yesu wɔ tsɔ ɖe nu si míate ŋu akpɔ mɔ na le Mawu ƒe xexe yeyea me la fia? (b) Aleke woana mɔnukpɔkpɔ ame kukuwo gɔ̃ hã be woadze agbe yeye nɔnɔ gɔmee?

6 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽe wòɖe nu nyui siwo gbegbe teƒe míava kpɔ le anyigba dzi godoo le xexe yeyea me la fia. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ na ŋutsu aɖe si nye lãmetututɔ ƒe 38 sɔŋ la be wòatso azɔ azɔli. Biblia gblɔ be ŋutsua tso zɔ azɔli hã vavã. (Mixlẽ Yohanes 5:5-9.) Ɣebubuɣi la, Yesu do go “ŋutsu aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe” eye wòda gbe le eŋu. Emegbe la, esi wobia nya ŋutsu si nye ŋkuagbãtɔ tsã la ku ɖe Ame si da dɔa nɛ ŋu la, egblɔ be: “Tso keke blema ke la, míesee kpɔ be ame aɖe ʋu ŋku na ame si wodzi ŋkuagbãtɔe o. Ne menye Mawu gbɔe ame sia tso o la, mate ŋu awɔ naneke kura o.” (Yoh. 9:1, 6, 7, 32, 33) Yesu te ŋu wɔ nu siawo katã, elabena Mawu na ŋusẽe. Afi sia afi si Yesu yi la, “[eda] dɔ na ame siwo katã hiã dɔyɔyɔ.”—Luka 9:11.

7 Menye dɔnɔwo kple lãmetututɔwo koe Yesu te ŋu da dɔ na o, ete ŋu fɔ ame kukuwo hã ɖe tsitre. Le kpɔɖeŋu me, esi nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe 12 ku la, edzilawo xa nu ale gbegbe. Gake Yesu gblɔ na nyɔnuvia be: “Nyɔnuvi, mele egblɔm na wò be, Tsi tsitre!” Kasia nyɔnuvia fɔ! Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe edzilawo kple ame siwo nɔ afi ma la wɔ nui le susu mea? (Mixlẽ Marko 5:38-42.) Le Mawu ƒe xexe yeyea me la, amewo akpɔ “dzidzɔ” ale gbegbe ne wofɔ ame miliɔn akpe geɖewo ɖe tsitre, elabena “tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔw. 24:15; Yoh. 5:28, 29) Ame siawo adze agbe yeye nɔnɔ gɔme eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woayi edzi anɔ agbe tso ɣemaɣi dzi yi ɖe mavɔmavɔ me gɔ̃ hã.

8, 9. (a) Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, nu kae woawɔ tso nu vɔ̃ si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ la ŋu? (b) Nu ka dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu kukuawo?

8 Mɔnukpɔkpɔ asu ame siwo woafɔ ɖe tsitre la si be woakpɔ agbe. Womabu fɔ ame siwo woafɔ ɖe tsitre va agbe me le tsitretsitsia me ɖe nu vɔ̃ siwo wowɔ hafi ku la ta o. (Rom. 6:7) Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, woawɔ tafevɔsa la ƒe viɖewo ŋu dɔ na Fiaɖuƒea tevi toɖolawo, eye woatsi aɖo blibodede gbɔ; mlɔeba la, woava vo tso Adam ƒe nu vɔ̃a me tsonuwo si me keŋkeŋ. (Rom. 8:21) Yehowa “ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.” (Yes. 25:8) Mawu ƒe Nya la gblɔ hã be ‘woaʋu agbalẽ xatsaxatsawo,’ si fia be woana mɔfiame yeyewo ame siwo anɔ agbe ɣemaɣi la. (Nyaɖ. 20:12) Ne wotrɔ anyigba wòzu paradiso la, ‘anyigba dzi tɔwo asrɔ̃ dzɔdzɔenyenye.’—Yes. 26:9.

9 Menye nu vɔ̃ si ƒe dome ame siwo wofɔ ɖe tsitre la nyi tso Adam gbɔ la dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu wo o, ke boŋ nu si woawo ŋutɔwo atia be yewoawɔ la dzie. Nyaɖeɖefia 20:12 gblɔ be: “Wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ xatsaxatsaawo me la nu, le woƒe dɔwɔwɔwo nu,” si fia woƒe dɔwɔwɔwo le wo fɔfɔ ɖe tsitre megbe. Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye, nublanuikpɔkpɔ kple lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi! Tsɔ kpe ɖe eŋu la, “womagaɖo ŋku” nu siwo do vevesese na wo le agbe si wonɔ le xexe xoxo sia me la dzi, ‘alo wòava woƒe tame o.’ (Yes. 65:17) Nufiame tuameɖo yeyewo anɔ anyi, nu nyui geɖewo abɔ ɖe wo si, eye nu siawo awɔe be nu vɔ̃ɖi siwo teƒe wokpɔ va yi la magado nuxaxa na wo o. Woaŋlɔ nu donuxaxaname siwo me woto va yi la be. (Nyaɖ. 21:4) Alea tututue wòanɔ le “ameha gã” si atso Harmagedon la hã gome.—Nyaɖ. 7:9, 10, 14.

10. (a) Aleke agbea anɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me? (b) Nu kae nàte ŋu awɔ bene wòakpe ɖe ŋuwò wò ŋku nanɔ fetu la dzi?

10 Le Mawu ƒe xexe yeyea me la, amewo ate ŋu anɔ agbe dɔléle kple ku manɔmee. “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yes. 33:24) Mlɔeba la, anyigba yeyea dzi nɔlawo afɔ ŋdi sia ŋdi le lãmesẽ deblibo me, eye woatsɔ dzidzɔ blibo anɔ mɔ kpɔm be ŋu nyui bubu aɖe nagake na yewo. Woakpɔ mɔ na dɔ si me dzidzeme le kpakple hadede kple ame siwo tsɔ ɖe le eme na wo vavã. Agbenɔnɔ le xexe ma me nye fetu wɔnuku aɖe vavã! Ðe manyo be nàke wò Biblia axlẽ nyagblɔɖi siwo le Yesaya 33:24 kple 35:5-7 la oa? Dze agbagba nàkpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme mawo me. Ema akpe ɖe ŋuwò be wò ŋku nanɔ fetu la dzi.

Ame Siwo Ƒe Ŋku Dzo Le Fetu La Dzi

11. Ƒo nu tso ale si Salomo dze fiaɖuɖu gɔme nyuie la ŋu.

11 Ne míenya srɔ̃ nu tso fetua ŋu ko la, ele be míaku kutri vevie be míaƒe ŋku nanɔ edzi, elabena míaƒe ŋku ate ŋu adzo le edzi. Le kpɔɖeŋu me, esime Salomo va zu blema Israel fia la, edo gbe ɖa ɖokuibɔbɔtɔe be Mawu nana gɔmesese kple nunya ye bene yeate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu Eƒe dukɔ la ɖe eteƒe. (Mixlẽ 1 Fiawo 3:6-12.) Biblia gblɔ be esia wɔe be, “Mawu na nunya kple nugɔmesese geɖe kpakple sidzedze gã Salomo.” Le nyateƒe me la, “Salomo ƒe nunya ƒo ɣedzeƒetɔwo katã ƒe nunya kple Egiptetɔwo ƒe nunyawo katã ta.”—1 Fia. 4:29-32.

12. Nuxlɔ̃ame kae Yehowa na ame siwo ava nye Israel ƒe fiawo?

12 Ke hã, Yehowa xlɔ̃ nu eƒe amewo do ŋgɔ be, ne ame aɖe va zu fia la, “sɔ geɖe meganɔ esi o,” eye ‘wòagaɖe srɔ̃ geɖe o, ne eƒe dzi nagatra mɔ o.’ (5 Mose 17:14-17) Ne fia aɖe dzi eƒe sɔwo ɖe edzi la, ke ele eɖem le fiafiam be yeɖoa ŋu ɖe yeƒe asrafowo ƒe ŋusẽ ŋu be woakpɔ dukɔa ta ke menye ɖe Yehowa, Ametakpɔla la, ŋu o. Eye srɔ̃ geɖe ɖeɖe ate ŋu anye afɔku na fia la, elabena srɔ̃awo dometɔ aɖewo ate ŋu anye trɔ̃subɔdukɔ me tɔ siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe alakpasubɔsubɔ me, eye srɔ̃nyɔnu mawo ate ŋu ana fia la natra mɔ tso Yehowa ƒe tadedeagu vavãtɔ la gbɔ.

13. Aleke wòdzɔe be Salomo ƒe ŋku va dzo le nu si wonae la dzi?

13 Salomo mewɔ ɖe nuxlɔ̃ame mawo dzi o. Ke boŋ nu siwo Yehowa gblɔ tẽe be fiawo megawɔ o lae wòwɔ. Eƒo sɔ kple sɔdola akpeakpewo nu ƒu na eɖokui. (1 Fia. 5:6) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, srɔ̃nyɔnu 700 kple ahiã 300 nɔ esi, eye wo dometɔ geɖe tso trɔ̃subɔdukɔ siwo ƒo xlã wo la me. “Srɔ̃awo trɔ eƒe dzi ɖe mawu bubuwo ŋu, eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu la ŋu blibo . . . o.” Salomo dze trɔ̃subɔdukɔwo ƒe alakpasubɔsubɔ nuwɔna nyɔŋu siwo me eƒe dutasrɔ̃wo ƒo wo ɖokuiwo ɖo la yome. Esia wɔe be Yehowa gblɔ be ‘yeadu fiaɖuƒe la le’ Salomo si.—1 Fia. 11:1-6, 11.

14. Nu kae do tso Salomo kple Israel dukɔa ƒe tomaɖomaɖo me?

14 Salomo ƒe ŋku meganɔ mɔnukpɔkpɔ xɔasi si su esi be wòanye Mawu vavã la ƒe teƒenɔla la dzi o. Fia la va ƒo eɖokui ɖe alakpasubɔsubɔ me vĩi. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dukɔ blibo la katã gbe xɔse, eye esia na be wova tsrɔ̃e le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. Togbɔ be Yudatɔwo gagbugbɔ ɖo tadedeagu vavãtɔa anyi hã la, le ƒe alafa aɖewo megbe la, nɔnɔme siwo Yesu kpɔ la ʋãe wògblɔ be: “Woaxɔ Mawu fiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ si tsea eƒe ku la.” Nu ma tututue dzɔ. Yesu gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Wogblẽ miaƒe aƒe la ɖi na mi.” (Mat. 21:43; 23:37, 38) Le dukɔa ƒe nuteƒemawɔmawɔ ta la, wobu mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woanye dukɔ si ŋu Mawu vavã la ƒe ŋkɔ le la. Le ƒe 70 M.Ŋ. me la, Roma srafowo va tsrɔ̃ Yerusalem kple gbedoxɔ la, eye Yudatɔ siwo tsi agbe le nudzɔdzɔ ma me la dometɔ geɖewo zu kluviwo.

15. Gblɔ ame siwo ƒe ŋku dzo le nu siwo le vevie ŋutɔŋutɔ dzi la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

15 Yuda Iskariot nye Yesu ƒe apostolo 12-awo dometɔ ɖeka. Yuda se Yesu ƒe nufiafia nyui mawo katã, eye wòkpɔ nukunu siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe eŋu wòwɔ la teƒe. Ke hã, Yuda medzɔ eƒe dzi ŋu o. Wotsɔ gaɖaka si me Yesu kple apostolo 12-awo ƒe gawo nɔ la de esi. Gake “fiafitɔe wònye, eye gaɖaka la le egbɔ, eye wòlɔ̃a ga siwo wodana ɖe eme la fifi.” (Yoh. 12:6) Eƒe ŋukeklẽa nu va sẽ ale gbegbe be wòyi ɖakpɔ nunɔlawo ƒe tatɔ alakpanuwɔlawo be yeade Yesu asi na wo ɖe klosalo 30 ta. (Mat. 26:14-16) Ame bubu aɖe si ƒe ŋku dzo le nu siwo le vevie dzi lae nye Dema, ame si nye apostolo Paulo ƒe zɔhɛ aɖe. Dema medzɔ eƒe dzi ŋu o. Paulo gblɔ be: “Dema gblẽm ɖi, le esi wòlɔ̃ fifi nuɖoanyi sia ta.”—2 Tim. 4:10; mixlẽ Lododowo 4:23.

Nufiame Aɖe Na Mía Dometɔ Ðe Sia Ðe

16, 17. (a) Aleke gbegbe tsitretsiɖeŋu si wòle be míakpe akɔ kple la nu sẽe? (b) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nu sia nu si Satana hena vaa mía dzi la nu?

16 Ele be Mawu subɔlawo katã nabu Biblia me kpɔɖeŋuwo ŋu vevie, elabena wogblɔ na mí be: “Ke nu siawo dzɔ ɖe wo dzi abe kpɔɖeŋuwo ene, eye woŋlɔ wo ɖi be woanye nuxɔxlɔ̃ na mí ame siwo dzi nuɖoanyi siawo ƒe nuwuwuwo va ɖo la.” (1 Kor. 10:11) Egbea la, míele nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me.—2 Tim. 3:1, 13.

17 Satana Abosam si nye “nuɖoanyi sia ƒe mawu” la nyae be “ɣeyiɣi vi aɖe koe” susɔ na ye. (2 Kor. 4:4; Nyaɖ. 12:12) Awɔ nu sia nu si wòate ŋui bene yeable Yehowa subɔlawo nu woaɖe asi le woƒe Kristotɔwo ƒe fɔmaɖimaɖi ŋu. Satana ye le ŋusẽ kpɔm ɖe xexe sia kple eƒe nyakakamɔnuwo dzi. Ke hã, nane si sẽ ŋu sãsãsã wu le Yehowa ƒe amewo si—eyae nye “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu.” (2 Kor. 4:7) Míate ŋu aɖo ŋu ɖe ŋusẽ sia si tsoa Mawu gbɔ la ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nu sia nu si Satana ahe ava mía dzi la nu. Eya tae wodea dzi ƒo na mí vevie be míanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa ahaka ɖe edzi be Yehowa ana “gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ.”—Luka 11:13.

18. Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si ɖe fifi xexe sia ŋu?

18 Enyanya be eteƒe madidi o woatsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi bliboa ɖa, evɔ Kristotɔ vavãwo ya atsi agbe la hã doa ŋusẽ mí. “Xexea nu va yina, nenema kee nye eƒe nudzodzro la hã, ke ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi mavɔmavɔ me.” (1 Yoh. 2:17) Esi wòle alea ta la, aleke gbegbe wòanye nu si me nunya manɔ o ye nye esi be Mawu subɔla aɖe nasusui be nane le fifi nuɖoanyi sia me si ŋu viɖe gã aɖe le wu woa kple Yehowa dome ƒomedodoa! Xexe sia si dzi ɖum Satana le la le abe meli aɖe si le nyɔnyrɔm ene. Yehowa ɖo Kristo hame la be wòanye “ameɖetɔdziʋu” na esubɔla wɔnuteƒewo. Esi wole xexe yeyea gogom la, woate ŋu aka ɖe ŋugbedodo sia dzi be: ‘Woatsrɔ̃ ame vlowo, ke ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la, woanyi anyigba la dome.’ (Ps. 37:9) Eya ta na wò ŋku nayi edzi anɔ fetu wɔnuku sia dzi!

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke Paulo bu fetu si wotsɔ ɖo eŋkume lae?

• Nu ka dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo anɔ agbe le anyigba dzi tegbee la?

• Nu kae nye nu si me nunya le be nàwɔ fifia?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ne èle Biblia me nuŋlɔɖiwo xlẽm la, ɖe nèkpɔnɛ le susu me be yeƒe asi su fetua dzia?