Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Yehowa Ƒe Dɔla Ƒua Asaɖa Anyi Ðe Ame Siwo Vɔ̃nɛ La Ŋu’

‘Yehowa Ƒe Dɔla Ƒua Asaɖa Anyi Ðe Ame Siwo Vɔ̃nɛ La Ŋu’

‘Yehowa Ƒe Dɔla Ƒua Asaɖa Anyi Ðe Ame Siwo Vɔ̃nɛ La Ŋu’

Abe ale si Christabel Connell gblɔe ene

Míaƒe susu katã nɔ Christopher ƒe nyabiase siwo ku ɖe Biblia me nyawo ŋu la ŋu ɖoɖo ŋu ale gbegbe be míede dzesii be zã tsi o; míede dzesii hã be Christopher nɔ fesrea nu kpɔm edziedzi o. Mlɔeba la, etrɔ ɖe mía ŋu hegblɔ be: “Miate ŋu adzo azɔ, afɔku aɖeke megali o.” Esi wògblɔ esia vɔ la, ede afɔ afɔ me na mí yi afi si míeda míaƒe gasɔwo ɖo, eye wògblɔ na mí be zã nenyo. Nu kae wòkpɔ si nye afɔku nenema gbegbe?

W ODZIM le Sheffield, England le ƒe 1927 me, eye ŋkɔ si woyɔna nam ɣemaɣie nye Christabel Earl. Woda bɔmb wògbã míaƒe aƒea le Xexemeʋa II wɔɣi, eya ta meyi ɖanɔ mamanye gbɔ hewu suku nu le afi ma. Nyɔnuwo ƒe saɖeagaxɔ me nɔlawo ƒe suku aɖee mede. Eye menɔa nyawo biam nyɔnu saɖeagaxɔmenɔlawo ku ɖe nu si tae nu vlo wɔwɔ kple ŋutasesẽ bɔ nenema gbegbe ɖo la ŋu. Saɖeagaxɔmenɔla mawo loo alo ame bubu siwo doa vevie mawusubɔsubɔ mete ŋu na ŋuɖoɖo fadziname aɖekem o.

Esi Xexemeʋa II wu enu la, mede dɔnɔdzikpɔlawo ƒe hehenasuku. Meʋu yi London ɖawɔ dɔ le Paddington Dɔnɔkɔdzi Gã la, gake mekpɔ ŋutasẽnuwɔwɔ geɖe teƒe le du ma me. Esi fonye dzo yi Korea Ʋaa wɔ ge megbe kpuie la, mekpɔ kɔdada dziŋɔ aɖe teƒe le dɔnɔkɔdzia godo. Ame aɖeke mexɔ na ame si wonɔ ƒoƒom la o, eye woƒoe ʋuu keke gbã ŋku nɛ. Le ɣeyiɣi ma me lɔƒo la, danye kplɔnam yia gbɔgbɔyɔlawo ƒe kpekpewo, gake nu si tae nu vɔ̃ɖi wɔwɔ bɔ ɖe xexea me nenema gbegbe la gɔme sese gakpɔtɔ nɔ fu ɖem nam.

Wode Dzi Ƒo Nam Be Masrɔ̃ Biblia

Gbe ɖeka la, fonye tsitsitɔ John, ame si zu Yehowa Ðasefo la, va srãm kpɔ. Ebiam be: “Ènya nu si tae nu vɔ̃ɖi wɔwɔ gbogbo siawo le edzi yima?” Meɖo eŋu nɛ be: “Ao.” Eʋu eƒe Biblia, eye wòxlẽ Nyaɖeɖefia 12:7-12 nam. Mekpɔe dze sii enumake be Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo koŋ gbɔe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ siwo le edzi yim le xexea me la tso. Eya ta eɖo aɖaŋu nam be masrɔ̃ Biblia, eye mewɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi hete Biblia sɔsrɔ̃ le ema megbe kpuie. Gake ɣemaɣi la, meɖe mɔ amegbetɔvɔvɔ̃ xe mɔ nam be nyemete ŋu xɔ nyɔnyrɔ o.—Lod. 29:25.

Nɔvinyenyɔnu Dorothy hã va zu Ðasefo. Esi woa kple eƒe ŋugbetɔsrɔ̃ Bill Roberts gbɔ tso dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le New York (ƒe 1953) la, megblɔ na wo be mesrɔ̃ Biblia. Bill biam be: “Èxlẽ mawunyakpukpuiwo katã? Ète fli ɖe ŋuɖoɖoawo te le agbalẽa mea?” Esi meɖo eŋu nɛ be, ao la, egblɔ nam be: “Ekema mèsrɔ̃ nu kpɔ o! Yi ɖakpɔ nɔvinyɔnu ma ne miagadze nusɔsrɔ̃a gɔme ake!” Le ɣeyiɣi ma me la, gbɔgbɔ vɔ̃wo te fuɖeɖe nam. Meɖo ŋku edzi be medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpɔ tanye ahana mavo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si me.

Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Le Scotland Kple Ireland

Ƒe 1954 ƒe January 16 lia dzie mexɔ nyɔnyrɔ. Mewu dɔwɔɖoɖo si nɔ mía kple dɔnɔkɔdzia dome la nu le May me, eye medze mɔɖeɖedɔa gɔme le June me. Ɣleti enyi megbe la, woɖom mɔɖela vevi heɖom ɖe Grangemouth, Scotland. Mese le ɖokuinye me be Yehowa ƒe dɔlawo “ƒua asaɖa anyi” ɖe ŋunye esime menɔ dɔ wɔm le anyigbamama saɖeaga ma me.—Ps. 34:8.

Le ƒe 1956 me la, wokpem be mava ɖe gbeƒã le Ireland. Woɖo mía kple nɔvinyɔnu eve bubuwo ɖa be míaɖawɔ dɔ le Galway dua me. Le ŋkeke gbãtɔ tututu dzi la, meyi aƒe aɖe si me nunɔla aɖe nɔ la me. Le miniti aɖewo megbe la, kpovitɔ aɖe va do, eye wòkplɔ mía kple nye zɔhɛa yi ɖe kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe. Esi wòxɔ mía ŋkɔ kple afi si míele ŋuti nyatakakawo vɔ ko la, eyi ɖaƒo ka na ame aɖe enumake. Míese wògblɔ be: “Ɛ̃, Fada, menya afi si tututu wole.” Nunɔla si gbɔ míeyi lae dɔe! Wonɔ eƒom ɖe ame si gbɔ míehaya xɔ le la nu be wòanya mí le aƒea me, eya ta alɔdzedɔwɔƒea ɖo aɖaŋu na mí be míaʋu le nutoa me. Míetsi megbe miniti ewo hafi va ɖo ketekedzeƒea. Gake keteke la gakpɔtɔ nɔ afi ma kokoko, eye ŋutsu aɖe nɔ mía lalam le afi ma bene yeakpɔ egbɔ be míeɖo ketekea. Galway nɔnɔ kwasiɖa etɔ̃ pɛ koe nye ema!

Woɖe mí yi Limerick, si nye du bubu aɖe si dzi Katolikoha la kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖo. Amewo ƒoa zi henɔa ɣli dom ɖe mía ta edziedzi. Le vɔvɔ̃ ta la, ame geɖe melɔ̃na ʋua woƒe ʋɔwo na mí o. Ƒe ɖeka do ŋgɔ la, woƒo nɔviŋutsu aɖe le Cloonlara, du sue aɖe si te ɖe Limerick ŋu. Eya ta dzi dzɔ mí be míedo go Christopher, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze, ame si bia tso mía si be míatrɔ ava ɖo nyabiase siwo le ye si ku ɖe Biblia me nyawo ŋu la ŋu na ye. Esime míenɔ Christopher gbɔ la, nunɔla aɖe ge ɖe xɔa me, eye wòbia tso esi be wòanya mí ado goe. Melɔ̃ ɖe edzi na nunɔlaa o, eye wògblɔ nɛ be: “Nyɔnu siawo la, nye ŋutɔe kpe wo vae, eye woƒo ʋɔa hafi ge ɖe eme. Gake wò ya nyemekpe wò o, eye mèƒo ʋɔa hã o.” Dzi ku nunɔlaa, eye wòdo go dzo.

Míenya kura be nunɔlaa kplɔ ŋutsu gbogbo aɖewo wova ƒo ƒu ɖi henɔ mía lalam le Christopher ƒe aƒea godo o. Esi Christopher kpɔe dze sii be susu vɔ̃e woɖo ɖe mía ŋu tae wòwɔ nu abe ale si míeɖɔe le nyati sia ƒe gɔmedzedze ene. Ena míenɔ egbɔ va se ɖe esime wokaka dzo. Míeva se emegbe be wozi Christopher kple eƒe ƒomea dzi woʋu le nutoa me le nudzɔdzɔ ma megbe kpuie, eye woʋu yi ɖatsi England.

Wokpem Na Gilead Sukua

Menɔ ɖoɖo wɔm xoxo be made ƒe 1958 Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu Dukɔwo Dome Takpekpe si wowɔ le New York la hafi wokpem na Gilead Suku ƒe klass 33 lia. Esi teƒe be matrɔ agbɔ va aƒe le takpekpea ƒe nuwuwu la, meyi ɖasubɔ le Collingwood, si le Ontario, Canada, va se ɖe esime Gilead Sukua dze egɔme le ƒe 1959 me. Le takpekpea me la, medo go nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Eric Connell. Esrɔ̃ nyateƒea le ƒe 1957 me, eye wòdze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le ƒe 1958 me. Le takpekpea megbe la, eŋlɔa agbalẽ nam gbe sia gbe le nye Canada nɔɣi kple Gilead Sukua deɣi siaa. Menɔ ale si nuwo ava yi na mí ame evea ne mewu sukua nu la ŋu bum.

Gilead Sukua dede nye nudzɔdzɔ vevi aɖe le nye agbe me. Nɔvinyenyɔnu Dorothy kple srɔ̃a hã nɔ klass ma ke me. Afi si wodɔ wo ɖo be woaɖawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le lae nye Portugal. Ewɔ nuku nam be woɖo nye ya ɖe Ireland. Aleke gbegbe wòte ɖe dzinyee nye esi be womeɖo mía kple nɔvinyenyɔnu la ɖe teƒe ɖeka o! Mebia nufialawo dometɔ ɖeka be, agɔ aɖee medze hã. Eɖo eŋu be, “Ao. Mia kple wò zɔhɛ Eileen Mahoney mielɔ̃ ɖe edzi be yewoayi aɖawɔ dɔ le anyigba dzi dukɔ ɖe sia ɖe si me woanya ɖo mi ɖo la me,” eye kakaɖedzitɔe la, Ireland hã nye anyigba dzi dukɔ mawo dometɔ ɖeka.

Metrɔ Gbɔ Va Ireland

Metrɔ gbɔ va Ireland le August 1959 me, eye woɖom ɖe Dun Laoghaire Hame la me. Le ɣeyiɣi mawo katã me la, Eric ya trɔ gbɔ va England xoxo, eye wòdzɔ dzi nɛ be woɖem va teƒe aɖe si tsɔ ye gbɔ. Eya hã di be yeanye dutanyanyuigblɔla. Egblɔ na eɖokui be, esi wònye be woɖoa dutanyanyuigblɔlawo ɖe Ireland ɣemaɣi ta la, yeayi aɖawɔ mɔɖeɖedɔa le afi ma. Eʋu va tsi Dun Laoghaire, eye míeɖe mía nɔewo le ƒe 1961 me.

Le ɣleti ade megbe la, Eric dze dzokekefɔku vevi aɖe. Exɔ abi ɖe ta vevie, eye ɖɔktawo meka ɖe edzi be yewoate ŋu axɔe ɖe agbe o. Esi wònɔ kɔdzi kwasiɖa etɔ̃ megbe la, mekplɔe va aƒe me, eye mekpɔ edzi ɣleti atɔ̃ va se ɖe esime eƒe lãme sẽ. Meyi edzi nɔ nye ŋutete katã wɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me.

Le ƒe 1965 me la, woɖe mí yi hame aɖe si me gbeƒãɖela enyi nɔ la me le Sligo, si nye melidzeƒe aɖe le dua ƒe dzieheɣetoɖoƒeƒuta. Ƒe etɔ̃ megbe la, woɖe mí yi hame bubu aɖe si me gbeƒãɖela ʋɛ aɖewo ko nɔ la me le Londonderry, le keke dziehe ɖaa. Gbe ɖeka esi míetso gbeadzi gbɔna aƒe me la, wolɔ̃ gaviwo tsɔ xe mɔ si míetona yia aƒe me la. Dziehe Ireland Ƒe Xaxa lae nye ema dze egɔme. Gbevuviwo nɔ dzo tɔm ʋuwo. Kasia woma dua ɖe akpa eve me xoxo, Protestanttɔwo xɔ akpa ɖeka eye Katolikotɔwo hã xɔ akpa ɖeka. Eye wònye afɔku be woatso dugã la ƒe akpa si ayi akpa kemɛ.

Agbenɔnɔ Kple Gbeƒãɖeɖe Le Xaxaɣi La

Togbɔ be nuwo nɔ edzi yim nenema hã la, míeɖea gbeƒã le afi sia afi. Le ɣeyiɣi mawo me hã la, míegase le mía ɖokuiwo me ake be mawudɔlawo ƒu asaɖa anyi ɖe mía ŋu. Ne míele gbeƒã ɖem le nuto aɖe me, eye ʋunyaʋunyawɔwɔ fe ati la, míedzona le nuto ma me kaba, eye míetrɔna vaa afi ma ne teƒea dze akɔ anyi. Gbe ɖeka esi ʋunyaʋunyawo gadze egɔme le teƒe aɖe si te ɖe míaƒe aƒe ŋu la, fiase aɖe si me wodzraa aŋɔ le la lé dzo, nane si nɔ bibim tso afi ma va dze míaƒe fesre to. Míenɔ ŋu zã ma me esi míenɔ vɔvɔ̃m be míaƒe aƒea alé dzo ta. Míeʋu yi Ireland ƒe fiadu si nye Belfast me le ƒe 1970 me, eye míese be le nyateƒe me la, ɖe woda petrol bɔmb ɖe fiase si me wodzraa aŋɔ le la me, eye míaƒe aƒe tsãtɔ kple aƒe bubu siwo le eŋu la fiã keŋkeŋ ɣemaɣi.

Ɣebubuɣi la, esi mía kple nɔvinyɔnu aɖe míenɔ gbeadzi la, míekpɔ nu lɛ aɖe si ɖi pɔmpi si ƒe didime wɔ moyaa la le fesre aɖe to. Míeto eŋu yi, eye le miniti ʋɛ aɖewo megbe la, ewó gboo. Esi nutoa me tɔwo do la, wosusui be míawoe da bɔmb la ɖe afi ma! Enumake nɔvinyɔnu aɖe si le nuto ma me kpe mí be míage ɖe yeƒe aƒe me. Esia wɔe be eƒe aƒelikawo xɔe se be menye míawoe da bɔmb la ɖe fesrea to o.

Le ƒe 1971 me la, míetrɔ yi Londonderry be míaɖasrã nɔvinyɔnu aɖe kpɔ. Esi míegblɔ mɔ si míeto kple mɔxeƒe gbogbo siwo míeto hafi va ɖo ŋu nya nɛ la, ebia mí be, “Ame aɖeke menɔ mɔxeƒeawo oa?” Esi míeɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, gake womede nu eme na mí o” la, ewɔ nuku nɛ. Nu ka tae? Elabena le ŋkeke siwo do ŋgɔ na míaƒe vava me la, woxɔ ɖɔkta aɖe kple kpovitɔ aɖe ƒe ʋuwo le wo si sesẽe hetɔ dzo ʋuawo.

Le ƒe 1972 me la, míeʋu yi Cork. Míedzo le afi ma yi ɖasubɔ le Naas hã, eye emegbe míeyi ɖasubɔ le Arklow. Mlɔeba le ƒe 1987 me la, woɖo mí ɖe Castlebar, afi si míele va se ɖe egbe. Le du sia me la, mɔnukpɔkpɔ su mía si míekpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata aɖe tutu ŋu. Eric va dze dɔ vevie le ƒe 1999 me. Ke hã, le Yehowa kple hamea ƒe kpekpeɖeŋu me la, megate ŋu nɔ te ɖe nɔnɔmea nu hekpɔ edzi va se ɖe esime eƒe lãme sẽ.

Mɔnukpɔkpɔ su mía kple Eric si míede Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Sukua zi eve sɔŋ. Egakpɔtɔ nye hamemetsitsi. Ŋuɖui aɖe ɖe fu nam vevie, eye woɖɔ li nye aligo kple nye klo eveawo. Togbɔ be meto nɔnɔme sesẽwo me le subɔsubɔhawo ƒe tsitretsiɖeŋu, dunyahehe kple hadome ʋunyaʋunyawo me hã la, nu si sesẽ nam wue nye asiɖeɖe le ʋukuku ŋu. Esia nye dodokpɔ nam, elabena ena nyemegate ŋu yia teƒe siwo medina be mayi la le ɖokuinye si o. Hamea kpe ɖe ŋunye ale gbegbe. Fifia metɔa kpo yia kpuiƒewo, eye mezãa afɔtietɔ̃keke si me wodea batri ne mele didiƒewo yim.

Ne wotsɔ ƒe siwo mía kple Eric míetsɔ wɔ mɔɖela vevi ƒe dɔa ƒo ƒu la, ewu ƒe 100—eye míezã ƒe siawo dometɔ 98 le Ireland afi sia. Meva susu me na mí kpɔ be míadzudzɔ o. Míele ŋu ɖom ɖe nukunuwo ŋu o, gake míexɔe se be Yehowa ƒe dɔla triakɔwo ‘ƒua asaɖa anyi ɖe ame siwo vɔ̃nɛ’ hesubɔnɛ nuteƒewɔwɔtɔe la ŋu.