Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Dze Be Míatsɔ Nu Sɔsɔe Akafui

Yehowa Dze Be Míatsɔ Nu Sɔsɔe Akafui

Yehowa Dze Be Míatsɔ Nu Sɔsɔe Akafui

“Mikafu Yehowa!”—PS. 111:1.

1, 2. Nu kae nya “Haleluyah” fia, eye aleke wozãe le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me?

“HALELUYAH!” Wogblɔa nya sia zi geɖe le Kristodukɔa ƒe sɔlemexɔwo me. Ame geɖewo zãa nya sia edziedzi le woƒe gbe sia gbe dzeɖoɖowo me. Ke hã, ame ʋɛ aɖewo koe nya gɔmesese kɔkɔe si le nya ma ŋu, eye ame geɖe siwo zãa nya sia la ƒe agbenɔnɔ medea bubu Mawu ŋu o. (Tito 1:16) Biblia gɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be “Haleluyah nye nya aɖe si psalmo vovovowo ŋlɔlawo zã tsɔ kpe amewo katã be woawɔ ɖeka kpli yewo le Yehowa kafukafu me.” Le nyateƒe me la, Biblia ŋuti nunyala geɖe gblɔ be “Haleluyah” gɔmee nye “‘Mikafu Yah,’ [si fia] Yehowa.”

2 Eya ta le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe la me la, woɖe nyagbɔgblɔ si dze le Psalmo 111:1 gɔme be “Mikafu Yah!” Ale si wogblɔa nya sia le Helagbe me la dze zi ene le Nyaɖeɖefia 19:1-6 esime wonɔ nu ƒom tso aseyetsotso si ayi edzi le alakpasubɔsubɔhawo tsɔtsrɔ̃ɖa megbe la ŋu. Ne esia va eme la, susu tɔxɛ aɖe anɔ tadeagula vavãwo si si ana be woazã nya “Haleluyah” le bubumɔ nu.

Eƒe Dɔwɔwɔ Wɔnukuwo

3. Nu kae nye taɖodzinu vevitɔ si tae míekpena ɖekae edziedzi?

3 Psalmo 111 lia kpala la gblɔ susu geɖe siwo tae Yehowa dze be míatsɔ nu sɔsɔe akafui ɖo. Kpukpui 1 gblɔ be: “Makafu Yehowa tso dzi blibo me le dzime dzɔdzɔe tɔwo ƒe adaŋu me kple amehawo dome.” Yehowa Ðasefowo hã sena le wo ɖokuiwo me nenema egbea. Taɖodzinu vevitɔ si tae míekpena ɖekae edziedzi le míaƒe hamewo kple takpekpewo mee nye be míakafu Yehowa.

4. Aleke amegbetɔwo ate ŋu adi Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo yomee?

4 ‘Yehowa ƒe dɔwɔwɔ lolo, ame siwo katã dzrom wole la, dia eyome.’ (Ps. 111:2) De dzesi nyagbɔgblɔ si nye “dia eyome.” Le numekugbalẽ aɖe ƒe nya nu la, kpukpui ma ate ŋu aku ɖe amegbetɔ siwo “tsɔa moveviɖoɖo kple mawusosroɖa dea ŋugble hesrɔ̃a nu” tso Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ŋu la ŋu. Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo wɔnuku geɖe fia. Eda ɣe, ɣleti, kple anyigba la ɖe teƒe siwo sɔ, eye wole kadodo si sɔ me kple wo nɔewo, ale be woate ŋu ana dzoxɔxɔ kple kekeli, zã kple keli, ƒutsotsoewo, kpakple azãgbewo nanɔ míaƒe anyigba dzi.

5. Nu kae sidzedze geɖe si va le amegbetɔwo si sum ku ɖe xexea ŋu la ɖe fia?

5 Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ke ɖe nu geɖewo ŋu ku ɖe afi si anyigbaa le le míaƒe ɣe kple eŋuɣletinyigbawo dome kple ale si míaƒe ɣleti gã la ƒe kpekpeme, eƒe lolome, kple ale si wòƒoa xlã anyigba la sɔ pɛpɛpɛ la ŋu. Ðoɖo si nu dziƒoŋunuwo le kple ale si wowɔa dɔ kple wo nɔewo na be azãgbewo trɔna edziedzi wòhenyona ale gbegbe. Nenema kee wosrɔ̃ nu geɖe tso ale si wowɔ dzɔdzɔmeŋusẽwo ɖe ɖoɖo nyui nu le xexea me la ŋu. Eya tae mɔɖaŋununya ƒe nufialagã aɖe gblɔ le nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Xexe Si Wowɔ ‘Nenema Pɛpɛpɛ’” me be: “Ele bɔbɔe be míase nu si tae dzɔdzɔmeŋutinunyala gbogbo aɖewo ƒe susu trɔ le ƒe 30 siwo va yi la me heva le lɔlɔ̃m ɖe edzi be abia be dzi kplala nanɔ ame si hafi wòate ŋu agblɔ be ɖeko xexea dzɔ le eɖokui si le vo me la gɔme. Kpeɖodzi si li be nunyala aɖee wɔ míaƒe anyigba la me gasẽna ɖe edzi zi ale si sidzedze geɖe wu va le mía si sum ku ɖe míaƒe anyigba si wowɔ aɖaŋutɔe alea la ŋu.”

6. Aleke nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe ale si Mawu wɔ amegbetɔ la ŋu?

6 Nu bubu aɖe si wɔ nuku le nuwɔwɔwo domee nye ale si Mawu wɔ mí. (Ps. 139:14) Esi Mawu wɔ amegbetɔ la, ena susu, ŋutilã si ŋu ŋutinu siwo katã hiã la le, kple ŋutete kpakple ŋusẽe be wòawɔ dɔ. Le kpɔɖeŋu me, nuƒoƒo, nusese, nuŋɔŋlɔ kple nuxexlẽ ƒe ŋutete siwo Mawu na amegbetɔwo la nye nukunu. Ŋutete mawo le ame geɖewo si. Ale si wowɔ wò ametia si na nètea ŋu dzɔna kã la hã nye nukunu. Vavãe, ale si wotrɔ asi le wò ŋutilã ŋu kple ale si nètea ŋu dzɔna kã, dɔ vovovo siwo wò ametia tea ŋu wɔna kple ale si nuwo wɔa dɔe le eme la wɔ nuku ŋutɔ. Gawu la, ale si ahɔhɔ̃meka siwo naa míaƒe susu kple ŋutilãa ƒe lãmenusenuwo wɔa dɔe le nukumɔ nu la ƒo nu sia nu si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo te ŋu wɔ kpɔ la ta. Le nyateƒe me la, susu kple sidzenu siwo Mawu tsɔ na amegbetɔwo manɔmee la, womate ŋu awɔ nu siwo katã wotea ŋu wɔna la o. Mɔɖaŋudɔwɔla bibi si si ŋutete le wu gɔ̃ hã mate ŋu awɔ naneke si anya kpɔ eye viɖe nanɔ eŋu abe dɔwɔnu wɔnuku ewo siwo nye wò asibidewo ene o. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe nutata kple xɔ siwo kpɔkpɔ wɔa dɔ ɖe ame dzi la anya wɔ asibide siwo Mawu na mí la zazã aɖaŋutɔe manɔmeea?’

Mawu Ƒe Dɔwɔwɔ Wɔnukuwo Kple Eƒe Nɔnɔmewo

7. Nu ka tae wòle be míabu Biblia be enye Mawu ƒe dɔwɔwɔ wɔnukuwo dometɔ ɖeka?

7 Yehowa ƒe dɔwɔwɔ wɔnukuwo lɔ nu ɖedzesi bubu siwo wòwɔ na ameƒomea siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la ɖe eme. Biblia la ŋutɔ hã nye agbalẽ vovovo siwo me ɖekawɔwɔ blibo le le mɔ wɔnuku aɖe nu la ƒe ƒuƒoƒo. Le nyateƒe me la, to vovo na agbalẽ bubu ɖe sia ɖe la, agbalẽ sia “tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia.” (2 Tim. 3:16) Le kpɔɖeŋu me, Biblia gbalẽ gbãtɔ si nye Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒo nu tso ale si Mawu ɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa keŋkeŋ le anyigba dzi le Noa ƒe ŋkekea me la ŋu. Agbalẽ evelia si nye Mose Ƒe Agbalẽ Evelia ɖe ale si Yehowa ɖe Israel viwo tso Egiptetɔwo ƒe kluvinyenye me tsɔ ʋli eƒe Mawunyenye ta la fia. Anɔ eme be nudzɔdzɔ mawoe nɔ susu me na hakpalaa esime gbɔgbɔ ʋãe wògblɔ be: “Gãnyenye kple atsyɔ̃ nye [Yehowa ƒe dɔwɔwɔ], eye eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee. Eɖo ŋkuɖodzinu eƒe nukunuwo ŋu, amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa.” (Ps. 111:3, 4) Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo le ŋutinya katã me, siwo dome nu siwo wòwɔ le wò agbenɔɣi hã le, la nye eƒe “gãnyenye kple atsyɔ̃” ƒe ŋkuɖodzinu oa?

8, 9. (a) Mɔ kawo nue Mawu ƒe dɔwɔwɔwo to vovo tso amegbetɔwo tɔwo gbɔ le? (b) Mawu ƒe nɔnɔme siwo ŋu nèkpɔa ŋudzedze ɖo la dometɔ aɖewo ɖe?

8 De dzesii hã be, hakpalaa te gbe ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋu siwo dometɔ aɖewoe nye dzɔdzɔenyenye, amenuveve, kple nublanuikpɔkpɔ dzi. Ènyae be ƒãa hafi amegbetɔ nuvɔ̃mewo ƒe nuwɔnawo nɔa te ɖe dzɔdzɔenyenye dzi. Zi geɖe la, ŋukeklẽ, ŋuʋaʋã, kple ɖokuidodoɖedzi ye kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe nuwɔnawo dzi. Esia dzena ƒãa le aʋawɔnu gblẽnu siwo amewo wɔna hena zazã le aʋa siwo woawo ŋutɔwo dɔna me kple esiwo wowɔna ɖe ga ta la me, eye esia hea fukpekpe kple nɔnɔme dziŋɔ manyagblɔwo vaa ame maɖifɔ miliɔn gbogbo aɖewo dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, amegbetɔwo ƒe dɔwɔna geɖe gblẽa nu le ame dahe siwo wote ɖe anyi la ŋu. Ðewohĩ esia ƒe kpɔɖeŋu si dzi ame geɖe ahe susu ayi ye nye kluvi siwo wozã le piramidwo (xɔ tame tsutsũewo) tutu me. Farao dadalawo ɖiɖi koŋ tae wotu piramid mawo ɖo. Gawu la, menye ɖeko dɔ siwo ameƒomea wɔna egbea la tea ame bubuwo ɖe anyi o, ke wole “anyigba la gblẽm” hã.—Mixlẽ Nyaɖeɖefia 11:18.

9 Aleke gbegbe esia to vovo na Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo, siwo nɔa te ɖe nu siwo le dzɔdzɔe la dzi ɣeawokatãɣie nye esi! Eƒe dɔwɔwɔwo dometɔ ɖekae nye ɖoɖo si wòwɔ nublanuikpɔkpɔtɔe hena ameƒome wɔnuvɔ̃ la ɖeɖe. To tafea nana me la, Mawu nɔ ‘eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye ɖem fia.’ (Rom. 3:25, 26) Nyateƒee, “eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee”! Le amenuveve gome ya la, edze ƒãa le mɔ si nu Mawu wɔ nu kple amegbetɔ nuvɔ̃mewo le dzigbɔɖi me la me. Eƒoa nu na wo dɔmenyotɔe ne ele nu xlɔ̃m wo be woatrɔ ɖa le woƒe mɔ gbegblẽwo yome ahawɔ nu si le eteƒe.—Mixlẽ Xezekiel 18:25.

Ewɔna Ðe Eƒe Ŋugbedodowo Dzi

10. Nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu kae Yehowa ɖo ɖi to nubabla si wòwɔ kple Abraham dzi?

10 ‘Enaa nuɖuɖu ame siwo vɔ̃nɛ la; eɖoa ŋku eƒe nubabla dzi tegbee.’ (Ps. 111:5) Edze abe nubabla si Mawu wɔ kple Abraham lae hakpalaa wɔnɛ le afi sia ene. Yehowa do ŋugbe be yeayra Abraham ƒe dzidzimevi la, eye wògblɔ kpee be woaxɔ woƒe futɔwo ƒe duwo woazu wo tɔ. (1 Mose 22:17, 18; Ps. 105:8, 9) Le ŋugbedodo siawo ƒe emevava gbãtɔ me la, Abraham ƒe dzidzimevi la va zu Israel dukɔ la. Dukɔ ma nɔ kluvinyenye me ƒe geɖe le Egipte, gake Mawu ɖo “ŋku nu, si wòbla kple Abraham” la dzi, eye wòɖe wo. (2 Mose 2:24) Ale si Yehowa va wɔ nu ɖe wo ŋu le ema megbe la ɖe ale si gbegbe wònye dɔmenyolae la fia. Ena nuɖuɖu wo hena woƒe ŋutilãwo nyinyi eye wòna gbɔgbɔmenuɖuɖu wo hena woƒe susuwo kple dziwo nyinyi. (5 Mose 6:1-3; 8:4; Nex. 9:21) Le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me la, dukɔ la trɔna ɖa le Mawu yome enuenu, togbɔ be edɔ nyagblɔɖilawo ɖe wo be woaxlɔ̃ nu wo ne woatrɔ ɖe ye ŋu hã. Ƒe 1,500 kple edzivɔ le Israel viwo ɖeɖe tso Egipte megbe la, Mawu dɔ eƒe Tenuvi la ɖe anyigba dzi. Yudatɔ akpa gãtɔ gbe Yesu, eye woɖe mɔ wowui. Le ema megbe la, Yehowa ɖo dukɔ yeye aɖe anyi si nye gbɔgbɔmetɔ, si woyɔ be “Mawu ƒe Israel.” Dukɔ ma kpe ɖe Kristo ŋu wonye Abraham ƒe dzidzimevi gbɔgbɔmetɔ si dzi Yehowa gblɔ ɖi be yeato ayra ameƒomea.—Gal. 3:16, 29; 6:16.

11. Aleke Yehowa yi edzi ‘le ŋku ɖom nubabla’ si wòwɔ kple Abraham la dzi?

11 Yehowa yi edzi le ‘ŋku ɖom eƒe nubabla’ kple yayra siwo ƒe ŋugbe wòdo to nubabla ma dzi la dzi. Egbea la, ele gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖe nam eƒe amewo le gbegbɔgblɔ siwo wu 400 me. Eye eyi edzi le gbe siwo míedona ɖa be wòakpɔ míaƒe ŋutilãmenu hiahiãwo gbɔ le ɖekawɔwɔ me kple nya siawo be “na míaƒe ŋkekea ƒe abolo, si asu mía nu egbea la mí” la ŋu ɖom na mí.—Luka 11:3; Ps. 72:16, 17; Yes. 25:6-8.

Yehowa Ƒe Ŋusẽ Triakɔ La

12. Mɔ ka nue wotsɔ “dukɔwo ƒe domenyinu” na blema Israel le?

12 “Eɖe eƒe nuwɔwɔ ƒe ŋusẽ fia eƒe dukɔ la, esime wòtsɔ dukɔwo ƒe domenyinu na wo.” (Ps. 111:6) Nu ɖedzesi aɖe si dzɔ le Israel ƒe ŋutinya me si anya nɔ hakpalaa ƒe susu mee nye ale si woɖe wo nukutɔe tso Egipte. Esi Yehowa va ɖe mɔ na Israel viwo mlɔeba woge ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, wote ŋu ɖu fiaɖuƒe siwo nɔ Yordan Tɔsisia ƒe ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe gome la dzi. (Mixlẽ Nexemya 9:22-25.) Vavãe, Yehowa tsɔ “dukɔwo ƒe domenyinu” na Israel viwo. Mawu ƒe ŋusẽ ɖeɖe fia ka gbegbee nye esi!

13, 14. (a) Mawu ƒe ŋusẽ ɖeɖe fia si do ƒome kple nu si dzɔ le Babilon kae anya nɔ susu me na hakpala la? (b) Ðeɖedɔ gã bubu kae Yehowa gawɔ?

13 Míenya nyuie be togbɔ be Yehowa wɔ nu nyui mawo katã na Israel viwo hã la, womede bubu eya amea loo alo wo tɔgbuiwo Abraham, Isak, kple Yakob ŋu o. Woyi edzi nɔ aglã dzem ɖe Mawu ŋu va se ɖe esime wòna Babilontɔwo va kplɔ wo yi aboyo mee. (2 Kron. 36:15-17; Nex. 9:28-30) Biblia ŋuti nunyala aɖewo gblɔ be Psalmo 111 lia kpala nɔ agbe le Israel viwo ƒe tɔtrɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon megbe. Nenye be nya ma nye nyateƒe la, ekema esia hã nye susu bubu si tae wòle be hakpalaa nakafu Yehowa ɖe Eƒe nuteƒewɔwɔ kple ŋusẽ ta ɖo. Mawu ɖe nɔnɔme siawo fia esi wòɖe Yudatɔwo tso aboyo me le Babilon, si nye fiaɖuƒe aɖe si wonya le ŋutinya me be meɖea asi le eƒe aboyomewo ŋu o.—Yes. 14:4, 17.

14 Ƒe alafa atɔ̃ aɖewo megbe la, Yehowa wɔ eƒe ŋusẽa ŋu dɔ le mɔ si lolo wu nu esi wòɖe amegbetɔ trɔdzimewo tso nu vɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me. (Rom. 5:12) Ema me tsonu ɖekae nye be eʋu mɔ ɖi na ame 144,000 be woazu Kristo yomedzela siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na. Le ƒe 1919 me la, Yehowa zã eƒe ŋusẽ tsɔ ɖe amesiamina siawo ƒe susɔe ʋɛ aɖewo tso alakpasubɔsubɔ ƒe kluvinyenye me. Mawu ƒe ŋusẽ me koe wote ŋu le dɔ siwo wɔm wole le nuwuɣi sia me la wɔm le. Ne wowɔ nuteƒe va se ɖe ku me la, woakpe ɖe Yesu Kristo ŋuti le dziƒo aɖu fia ɖe anyigba la dzi be wòaɖe vi na amegbetɔ trɔdzimewo. (Nyaɖ. 2:26, 27; 5:9, 10) Woanyi anyigba la dome le mɔ si lolo wu ale si wònɔ le blema Israel viwo gome la nu.—Mat. 5:5.

Gɔmeɖose Mavɔ Siwo Ŋu Kakaɖedzi Le

15, 16. (a) Nu kawo hãe le Mawu ƒe asinudɔwɔwɔwo dome? (b) Se kawoe Mawu de na blema Israel?

15 “Eƒe asinudɔwɔwɔwo nye nyateƒe kple ʋɔnudɔdrɔ̃, eye eƒe sewo katã le eteƒe; elia ke wo ɖaa tegbee, eye wòwɔ wo le nyateƒe kple nuteƒewɔwɔ me.” (Ps. 111:7, 8) Yehowa ƒe “asinudɔwɔwɔwo” dometɔ aɖewoe nye kpe eve siwo dzi woŋlɔ se vevi ewo aɖewo ɖo na Israel viwo. (2 Mose 31:18) Se siawo kple sedede bubuawo katãe va zu Mose Ƒe Se ƒe nubabla la, eye wotu wo ɖe gɔmeɖose mavɔ siwo ŋu kakaɖedzi le la dzi.

16 Le kpɔɖeŋu me, se siwo woŋlɔ ɖe kpeawo dzi la dometɔ ɖeka gblɔ be: “Nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye.” Eyi edzi gblɔ be Yehowa ‘vea ame akpe nane, siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe seawo dzi la nu.’ Gɔmeɖose siwo wɔa dɔ ɖaa hã nɔ kpeawo dzi. Esiawo dometɔ aɖewoe nye “Bu fofowò kple dawò,” “Megafi fi o,” kple se aɖe si ŋu gɔmesese deto le si wode be woagabiã ŋu ame bubuwo ƒe nuwo o.—2 Mose 20:5, 6, 12, 15, 17.

Mía Ðela Kɔkɔe Si Ŋu Ŋɔdzi Le

17. Susu kawo tae wònɔ na Israel viwo be woabu Mawu ƒe ŋkɔa nu kɔkɔe ɖo?

17 “Eɖo ɖeɖe ɖe eƒe dukɔ, eye wòɖo eƒe nubabla anyi tegbee; eƒe ŋkɔ le kɔkɔe, eye ŋɔdzi le eŋu.” (Ps. 111:9) Le afi sia hã la, anɔ eme be ale si Yehowa wɔ ɖe nubabla si wòwɔ kple Abraham dzi lae nɔ susu me na hakpalaa. Le ɖekawɔwɔ me kple nubabla ma la, Yehowa megblẽ eƒe amewo ɖi esime wonɔ kluvinyenye me le Egipte o, eye megblẽ wo ɖi esime wonɔ aboyo me le Babilon emegbe hã o. Le go evea siaa me la, Mawu ɖe eƒe amewo. Nenye be nu eve mawo koe Mawu wɔ na Israel viwo gɔ̃ hã la, ɖe wòle be woabu Mawu ƒe ŋkɔa nu kɔkɔe hafi.—Mixlẽ 2 Mose 20:7; Romatɔwo 2:23, 24.

18. Nu ka tae nèsena le ɖokuiwò me be mɔnukpɔkpɔe wònye na ye be Mawu ƒe ŋkɔa le ye ŋu?

18 Ele alea le Kristotɔ siwo li egbea hã gome, ame siwo Mawu ɖe tso nu vɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye si nu womate ŋu asi le o la si me. Ele be míawɔ míaƒe ŋutete katã be míanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple kpɔɖeŋugbedodoɖa la me biabia gbãtɔ si gblɔ be: “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Mat. 6:9) Ele be ŋugbledede le ŋkɔ kɔkɔe ma ŋu naƒã mawuvɔvɔ̃ ɖe mía me. Mawuvɔvɔ̃ ŋuti nukpɔsusu nyuitɔ nɔ Psalmo 111 lia kpala la si esi wògblɔ be: ‘Yehowa vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto; ame siwo katã léa [eƒe sededewo me ɖe asi] la, gɔmesese nyui sua wo si.’Ps. 111:10.

19. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Mawuvɔvɔ̃ nyuitɔ akpe ɖe mía ŋu míalé fu vɔ̃. Akpe ɖe mía ŋu hã be míasrɔ̃ Mawu ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo abe ale si wòdze le Psalmo 112 lia mee ene. Míadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me. Psalmo ma ɖe ale si míawɔ adze anɔ ame miliɔn gbogbo siwo anɔ Mawu kafum tegbee dome la fia. Mawu dze na kafukafu sia vavã. Elabena “eƒe kafukafu li tegbee.”Ps. 111:10.

Biabiawo Hena Ŋugbledede

• Nu ka tae Yehowa dze be míatsɔ nu sɔsɔe akafui?

• Yehowa ƒe nɔnɔme kawoe dze le eƒe dɔwɔwɔwo me?

• Aleke nèbua mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be Mawu ƒe ŋkɔa le ŋuwò lae?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Taɖodzinu vevitɔ si ta míekpena edziedzi ɖoe nye be míakafu Yehowa

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Wotu Yehowa ƒe sewo katã ɖe gɔmeɖose mavɔ siwo ŋu kakaɖedzi le la dzi