Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu mahã:

• Nu ka tae wòle vevie ŋutɔ be míalé míaƒe Kristotɔwo ƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi?

Míaƒe fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi kpena ɖe mía ŋu míenɔa Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi le lɔlɔ̃ si le mía si nɛ ta, eye míeɖenɛ fiana hã be aʋatsokalae Satana nye. Esi wònye be míaƒe fɔmaɖimaɖi koŋ dzie Mawu nɔa te ɖo drɔ̃a ʋɔnu mí ta la, fɔmaɖimaɖi le vevie hena míaƒe etsɔmemɔkpɔkpɔ.—12/15, axa 4-6.

• Dzesideŋkɔ siwo ɖe ɖoƒe tɔxɛ si Yesu le le Mawu ƒe tameɖoɖo me fia la dometɔ aɖewo ɖe?

Tenuvi la. Nya la. Amen la. Nubabla yeye ƒe Avuléla la. Nunɔlagã la. Dzidzimevi si ŋugbe wodo.—12/15, axa 15.

• Nu ka tae wòɖe dzesi ŋutɔ be nyagblɔɖila Eliya bia tso eƒe subɔvia si be wòanɔ ƒu gome kpɔm esime eya ŋutɔ nɔ gbe dom ɖa be tsi nadza? (1 Fia. 18:43-45)

Eliya ɖee fia be yenya nu tso ale si tsi wɔna dzana la ŋu. Enyae be alilikpowo dona ɖe atsiaƒu dzi eye ya ƒoa wo ɖona ɖe anyigba la dzi, afi si woate ŋu ana tsi nadza le.—1/1, axa 15-16.

• Aleke míawɔ adzi dzidzɔ si míekpɔna le míaƒe subɔsubɔdɔa me la ɖe edzi?

Míate ŋu adzra míaƒe dzi ɖo ahatsɔ míaƒe susu aɖo kpekpeɖeŋu si gbegbe míate ŋu ana amewo la dzi. Míate ŋu anɔ gbeƒã ɖem na amewo kple susu be míadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kpli wo. Ne amewo metsɔa ɖeke le gbedeasia me o hã la, míate ŋu atrɔ asi le míaƒe ɖaseɖimɔnuwo ŋu ale be wòanyɔ ame siwo le míaƒe anyigbamama me la ƒe ɖetsɔleme.—1/15, axa 8-10.

• Anyidɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la kee nye anyidɔ si míenya egbea?

Dɔléle, si woxɔna to dɔlékui aɖe dzi, si woyɔna be anyidɔ alo kpodɔ la nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. (3 Mose 13:4, 5) Biblia ƒo nu tso anyidɔ aɖe si ƒona ɖe awuwo kple xɔwo ŋu la hã ŋu. Ðewohĩ “anyidɔ” si ƒona ɖe avɔwo me alo xɔwo ŋu lae nye nu si woyɔna egbea be fufudzedze alo dzaƒoƒo. (3 Mose 13:47-52)—2/1, axa 19.

• Ŋusẽ kae wòle be Biblia ƒe nufiafiawo nakpɔ ɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔme ɖe kunuwɔwɔ kple kukɔnuwo ŋu dzi?

Togbɔ be Kristotɔ ate ŋu axa nu ɖe eƒe ame vevi aɖe ƒe ku ta hã la, enyae be kukuawo menyaa naneke o. Eƒoa asa na kukɔnu siwo do ƒome kple dzixɔse si nye be kukuawo kpɔa ŋusẽ ɖe agbagbeawo dzi la keŋkeŋ, nenye be dzimaxɔsetɔwo he nya ɖe eŋu gɔ̃ hã. Kristotɔ aɖewo ŋlɔa ale si tututu woadi be woawɔ woƒe kunui la ɖi bene woaƒo asa na kuxiwo.—2/15, axa 29-31.

• Le Psalmo 1:1 ƒe nya nu la, nu etɔ̃ kawoe wòle be míaƒo asa na bene míakpɔ dzidzɔ?

Mawunyakpukpuia ƒo nu tso “ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo,” ‘nu vɔ̃ wɔlawo ƒe mɔ,’ kple “fewuɖulawo ƒe ha” ŋu. Ɛ̃, be míakpɔ dzidzɔ la, ehiã be míaƒo asa na fewuɖulawo alo ame siwo gbea Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ. Ðe ema teƒe la, ele be míakpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe sea ŋu.—3/1, axa 17.

• Ðe “ame dzɔdzɔewo [alo Yasar] ƒe agbalẽ” kple “Yehowa ƒe aʋawɔwɔwo ƒe agbalẽ” nye Biblia gbalẽwo gake va bu emegbea? (Yos. 10:13; 4 Mose 21:14)

Ao. Ewɔ abe wonye agbalẽ aɖewo siwo metso gbɔgbɔ me o siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣi eye Biblia ŋlɔlawo yɔ nya tso wo me ene.—3/15, axa 32.

• Tɔtrɔ ɖedzesi kae wowɔ le egbegbe Latingbe me Biblia gɔmeɖeɖe aɖe ŋu?

Le ƒe 1979 me la, Papa John Paul II (Jean Paul II) da asi ɖe Nova Vulgata, si nye Latingbe me gɔmeɖeɖe yeye aɖe dzi. Mawu ƒe ŋkɔ Iahveh, dze le tata gbãtɔ ƒe akpa aɖewo. (2 Mose 3:15; 6:3) Gake esime woɖe tata evelia si dzi woda asi ɖo ɖe go le ƒe 1986 me la, wotsɔ Dominus [Aƒetɔ] ɖɔ li Iahveh teƒe le eme.—4/1, axa 22.