Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Yesu Si Nye David Gãtɔ Kple Salomo Gãtɔ La Ŋu

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Yesu Si Nye David Gãtɔ Kple Salomo Gãtɔ La Ŋu

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Yesu Si Nye David Gãtɔ Kple Salomo Gãtɔ La Ŋu

“Kpɔ ɖa! Nane si lolo wu Salomo la le afii.”—MAT. 12:42.

1, 2. Le amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu nu la, nu ka tae wòwɔ nuku be wobia tso Samuel si be wòasi ami na David be wòazu fia?

DAVID medze ame si ate ŋu anye fia o. Esi nyagblɔɖila Samuel kpɔe la, alẽkplɔvi dzaa aɖe ko wòbui. Gawu la, wo dedu Betlexem menye du xɔŋkɔ aɖeke o. Wogblɔ tso du ma ŋu be eyae nye “suetɔ le Yuda ƒe ƒomeawo dome.” (Mixa 5:1) Ke hã, eteƒe madidi o, David ɖekakpuivi ma si meɖi ame ŋkuta o, si tso du sue ma mee nyagblɔɖila Samuel asi ami na be wòazu fia ɖe Israel dzi.

2 Menye ɖekakpuivi David ye nye ame gbãtɔ si fofoa Isai kplɔ va Samuel gbɔ be wòasi ami nɛ o, eye menye eyae nye ame evelia alo etɔ̃lia hã o. Viŋutsu enyi ye nɔ Isai si, eye David ye nye dɔmlɔea. David menɔ aƒe me gɔ̃ hã esime Samuel va Isai ƒe me be yeasi ami na ŋutsu nuteƒewɔla ma ƒe viŋutsuwo dometɔ ɖeka be wòazu anyigba la ƒe fia yeyea o. Gake David ye Yehowa tia, eye emae nɔ vevie wu.—1 Sam. 16:1-10.

3. (a) Nu kae Yehowa bua nu vevitɔ kekeake ne edzro ame me? (b) Nu kae va David dzi esi wosi ami nɛ?

3 Yehowa kpɔ nane si Samuel ya mete ŋu kpɔ o. Mawu te ŋu kpɔ David ƒe dzi ƒe nɔnɔme, eye wòdze eŋu. Le Mawu gbɔ la, menye ame ƒe gotagome dzedzeme koe nɔa vevie o, nu si ame nye le ememe koŋ ye nɔa vevie nɛ. (Mixlẽ 1 Samuel 16:7.) Eya ta esi Samuel kpɔe be Yehowa metia Isai vi tsitsi adreawo dometɔ aɖeke o la, egblɔ be woayi aɖakplɔ ŋutsuvi suetɔ la vae tso lãwo ƒe gbeɖuƒe. Nuŋlɔɖia gblɔ be: ‘Tete [Isai dɔ] ame [woɖakplɔ David] vae; ebiã, eƒe ŋkuwo le hɔ̃e, eye wònye ame kpokploe. Eye Yehowa gblɔ be: Tso nasi ami nɛ, elabena eyae! Tete Samuel tsɔ lãdzo, si me ami le, eye wòsi ami nɛ le nɔviawo dome. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ va David dzi tso gbe ma gbe.’—1 Sam. 16:12, 13.

David Nye Vɔvɔli Na Kristo

4, 5. (a) Gblɔ nu siwo me David kple Yesu ɖi wo nɔewo le la dometɔ aɖewo. (b) Nu ka tae woate ŋu ayɔ Yesu be David Gãtɔ la?

4 Wodzi Yesu kple David siaa le Betlexem, eye wodzi Yesu ƒe 1,100 aɖewo le David ƒe ɣeyiɣiawo megbe. Le ame geɖewo ƒe susu nu la, Yesu hã medze ame si ate ŋu anye fia o. Efia be menye fia si tɔgbi Israel vi geɖewo nɔ mɔ kpɔm na lae nye ema o. Gake eyae Yehowa tia abe ale si ko wòtia David ene. Yehowa lɔ̃e vevie abe ale si wòlɔ̃ David ene. * (Luka 3:22) “Yehowa ƒe gbɔgbɔ va” Yesu hã dzi.

5 Nu bubu geɖe li siwo me ŋutsu eve siawo ɖi wo nɔewo le. Le kpɔɖeŋu me, David ƒe aɖaŋuɖola Axitofel dee asi, eye nenema kee Yesu ƒe apostolo Yuda Iskariot hã dee asi. (Ps. 41:10; Yoh. 13:18) Dzonɔameme ɖe Yehowa ƒe tadeaguƒe ŋu si nu sẽ nɔ David kple Yesu siaa me. (Ps. 27:4; 69:10; Yoh. 2:17) Yesu nye David ƒe domenyila hã. Do ŋgɔ na Yesu dzidzi la, mawudɔla aɖe gblɔ na dadaa be: “Yehowa Mawu atsɔ fofoa David ƒe fiazikpui la anae.” (Luka 1:32; Mat. 1:1) Gake esi wònye be Yesu dzie nyagblɔɖi siwo katã ku ɖe Mesia la ŋu ato ava eme ta la, eya amea lolo sãsãsã wu David. Eyae nye David Gãtɔ, Mesia Fia si wonɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi didi aɖe la.—Yoh. 7:42.

Dze Fia Alẽkplɔla La Yome

6. Mɔ kawo nue David nye alẽkplɔla nyui le?

6 Yesu ganye alẽkplɔla hã. Nɔnɔme nyui siwo nɔa alẽkplɔla nyui si la dometɔ aɖewo ɖe? Enyea ame aɖe si tsɔa dzideƒo kple nuteƒewɔwɔ léa be na eƒe alẽwo, nyia wo hekpɔa wo ta. (Ps. 23:2-4) David nye alẽkplɔla esime wònye ɖekakpui dzaa ko, eye wòlé be na fofoa ƒe alẽwo nyuie. Dzi nɔa eƒo ne vɔ̃ aɖe di be yeadzɔ ɖe alẽha la dzi, eye wòde eƒe agbe afɔku me gɔ̃ hã tsɔ kpɔ alẽawo ta tso dzata aɖe kple sisiblisi aɖe si me.—1 Sam. 17:34, 35.

7. (a) Nu kawoe na David te ŋu su te nyuie tsɔ eƒe agbanɔamedzi abe fia ene? (b) Aleke Yesu ɖee fia be yee nye Alẽkplɔla Nyui la?

7 Ƒe siwo David tsɔ nɔ gbe me kple togbɛwo dzi henɔ be lém na alẽwo la na wòte ŋu va su te nyuie hena Israel dukɔa kpɔkplɔ, si nye dɔ aɖe si menɔ bɔbɔe kura o. * (Ps. 78:70, 71) Yesu hã ɖee fia be alẽkplɔla kpɔɖeŋu nyui ɖolae yenye. Exɔa ŋusẽ kple mɔfiame tso Yehowa gbɔ le eƒe “alẽha sue” la kple “alẽ bubuwo” kpɔkplɔ me. (Luka 12:32; Yoh. 10:16) Yesu to esia dzi ɖee fia be yee nye Alẽkplɔla Nyui la. Enya eƒe alẽwo nyuie ale gbegbe be eyɔa ɖe sia ɖe ŋkɔ. Elɔ̃ eƒe alẽwo ale gbegbe be esime wònɔ anyigba dzi la, etsɔ eɖokui na faa ɖe woƒe nyonyo ta. (Yoh. 10:3, 11, 14, 15) Abe Alẽkplɔla Nyui la ene la, Yesu wɔ nane si David mate ŋu awɔ gbeɖe o. Eƒe tafevɔsa la ʋu mɔ ɖi be woaɖe ameƒomea tso ku me. Naneke maxe mɔ nɛ be wòakplɔ eƒe “alẽha sue” la ayi makumakugbenɔnɔ me le dziƒo o, eye naneke maxe mɔ nɛ hã be wòakplɔ “alẽ bubuwo” ayi agbenɔnɔ le dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeye aɖe si me amedzidzela siwo le abe amegãxiwo ene la manɔ o, la me o.—Mixlẽ Yohanes 10:27-29.

Dze Fia Aʋadziɖula La Yome

8. Aleke David ɖee fia be yenye fia aʋadziɖula?

8 Abe fia ene la, David nye aʋakalẽtɔ si kpɔ Mawu ƒe amewo ƒe anyigba la ta, ‘eye Yehowa kpe ɖe David ŋu le afi sia afi, si wòyi.’ Le David ƒe kpɔkplɔ te la, dukɔa ƒe anyigba keke ɖe enu tso Egipte tɔsisi la nu va se ɖe Frat tɔsisia nu. (2 Sam. 8:1-14) Le Yehowa ƒe ŋusẽ me la, eva zu dziɖula sesẽtɔ kekeake si nɔ anyi le eƒe ɣeyiɣia me. Biblia gblɔ be: “[David] ƒe ŋkɔ nyɔ le anyigba katã dzi, eye Yehowa de vɔvɔ̃ eŋu na dukɔwo katã.”—1 Kron. 14:17.

9. Aleke Yesu si nye Fia Si Wotia la nye aʋadziɖulae?

9 Abe Fia David ene la, Yesu hã nye ame aɖe si mevɔ̃na o. Yesu si nye Fia Si Wotia la kpɔ ŋusẽ ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi hexɔ na ame siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ fu fiamee la. (Mar. 5:2, 6-13; Luka 4:36) Futɔ gãtɔ, Satana Abosam, gɔ̃ hã mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe edzi o. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, Yesu ɖu xexe, si le Satana ƒe ŋusẽ te la, dzi.—Yoh. 14:30; 16:33; 1 Yoh. 5:19.

10, 11. Dɔdeasi kawoe kpɔ Yesu ŋkume abe Fia Aʋawɔla ene le dziƒo?

10 Ƒe 60 aɖewo le Yesu ƒe ku kple eƒe tsitretsitsi yi dziƒo megbe la, apostolo Yohanes kpɔ nyagblɔɖiŋutega aɖe si me Yesu nye Fia Aʋawɔla le le dziƒo. Yohanes ŋlɔ bena: “Kpɔ ɖa, sɔ ɣi aɖe! Eye dati nɔ ame si bɔbɔ nɔ anyi ɖe edzi la si; eye wotsɔ fiakuku aɖe nɛ, eye wòdo go yi ɖale aʋa dzi ɖum, bene yeawu yeƒe aʋadziɖuɖu la nu.” (Nyaɖ. 6:2) Yesue nye ame si nɔ sɔ ɣi la dom. “Wotsɔ fiakuku aɖe nɛ” le ƒe 1914 me, esime woɖoe wòzu Fia le Dziƒofiaɖuƒe la me. Le ema megbe la, ‘edo go yi ɖale aʋa dzi ɖum.’ Ɛ̃, abe David ene la, Yesu nye fia aʋadziɖula. Esi woɖoe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia megbe kpuie la, eɖu Satana dzi le aʋa aɖe me, eye wòtsɔ woa kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒu gbe ɖe anyigba. (Nyaɖ. 12:7-9) Ayi eƒe aʋadziɖuɖu ƒe sɔdodo sia dzi va se ɖe esime ‘wòwu eƒe aʋadziɖuɖu la nu’ hetsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ɖa keŋkeŋ.—Mixlẽ Nyaɖeɖefia 19:11, 19-21.

11 Gake abe David ene la, fia nublanuikpɔlae Yesu nye, eye akpɔ “ameha gã” la ta le Harmagedon me. (Nyaɖ. 7:9, 14) Gawu la, “tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa” le Yesu kple eƒe hatidziɖula 144,000 siwo woafɔ ɖe tsitre ƒe dziɖuɖu la te. (Dɔw. 24:15) Mɔnukpɔkpɔ asu ame siwo woafɔ ɖe tsitre ɖe anyigba dzi la si be woanɔ agbe tegbee. Etsɔme nyui ka gbegbee nye esi le wo lalam! Neva eme be mí katã míaɖoe kplikpaa be míayi edzi ‘awɔ nyui,’ ale be míanɔ agbe akpɔ eteƒe ne David Gãtɔ la tevi dzɔdzɔe kpɔdzidzɔwo xɔ anyigba blibo la dzi.—Ps. 37:27-29.

Woɖo Gbe Si Salomo Do Ða Bia Nunya La Ŋu

12. Nu kae Salomo do gbe ɖa bia?

12 David vi Salomo hã nye vɔvɔli na Yesu. * Esime Salomo va zu fia la, Yehowa ɖe eɖokui fiae le drɔ̃e me hegblɔ nɛ be yeana nu sia nu si wòabia ye lae. Salomo ate ŋu abia kesinɔnu geɖe, ŋusẽ, alo agbe didi hafi. Gake ɖe wòbia Yehowa ɖokuitɔmadimaditɔe boŋ be: “Azɔ la, na nunya kple sidzedzem, ne madze dukɔ sia ŋgɔ ado agagbɔ, elabena ame kae ate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ gã sia?” (2 Kron. 1:7-10) Yehowa ɖo Salomo ƒe gbedodoɖaa ŋu nɛ.—Mixlẽ 2 Kronika 1:11, 12.

13. Aleke Salomo ƒe nunya ƒo eŋɔlimetɔwo ƒe nunya tae, eye afi kae wòkpɔ eƒe nunya tsoe?

13 Le ɣeyiɣi siwo katã me Salomo nɔ nuteƒe wɔm na Yehowa me la, eŋɔlimetɔ aɖeke ƒe nunya mede etɔ nu o. Salomo “[bu] abe akpe etɔ̃.” (1 Fia. 4:30, 32, 34) Woŋlɔ eƒe abebubu alo lododo siawo dometɔ geɖe ɖi, eye ame siwo dina be nunya nasu yewo si la gakpɔtɔ dea asixɔxɔ wo ŋu vevie. Seba fianyɔnu la zɔ mɔ kilometa 2,400 va be ‘yeado’ Salomo ƒe nunya ‘kpɔ’ kple nyabiabia sesẽwo. Nya siwo Salomo gblɔ kple ale si eƒe fiaɖuƒea kpɔ dzidzedzee la wɔ dɔ ɖe fianyɔnu ma dzi ŋutɔ. (1 Fia. 10:1-9) Biblia na míenya Salomo ƒe nunya la Tsoƒe esi wògblɔ be: ‘Xexea me katã di Salomo ƒe ŋkume, be yeakpɔ, eye yease eƒe nunya, si Mawu de dzi me nɛ la.’—1 Fia. 10:24.

Dze Fia Nunyala La Yome

14. Mɔ kawo nue Yesu nye “nane si lolo wu Salomo” le?

14 Le amegbetɔwo dome la, ame ɖeka pɛ ƒe nunya koe ƒo Salomo ƒe nunya ta sãsãsã. Ame mae nye Yesu Kristo, ame si yɔ eɖokui be “nane si lolo wu Salomo.” (Mat. 12:42) Yesu gblɔ “agbe mavɔ nyawo.” (Yoh. 6:68) Le kpɔɖeŋu me, eɖe gɔmeɖose siwo le Salomo ƒe lododowo dometɔ aɖewo me la me yi ŋgɔ le eƒe Todzimawunya la me. Salomo yɔ nu gbogbo aɖewo siwo naa Yehowa subɔlawo kpɔa dzidzɔ. (Lod. 3:13; 8:32, 33; 14:21; 16:20) Yesu na wòdze kɔtɛ be dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ tsoa nu siwo do ƒome kple Yehowa ƒe tadedeagu kple Mawu ƒe ŋugbedodowo me vava me. Egblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.” (Mat. 5:3) Ame siwo wɔna ɖe gɔmeɖose siwo le Yesu ƒe nufiafiawo me dzi la tena ɖe Yehowa, ame si nye “agbedzɔƒe” la ŋu kplikplikpli. (Ps. 36:10; Lod. 22:11; Mat. 5:8) Kristo ɖe “Mawu ƒe nunya” fia bliboe. (1 Kor. 1:24, 30) Abe Mesia Fia ene la, ‘nunya ƒe gbɔgbɔ’ le Yesu Kristo me.—Yes. 11:2.

15. Nu kae míawɔ be mawumenunya naɖe vi na mí?

15 Nu kae wòle be mí ame siwo nye Salomo Gãtɔ la yomedzelawo míawɔ be mawumenunya naɖe vi na mí? Esi wònye be Yehowa ƒe nunya dze le eƒe Nya la me ta la, ele be míadze agbagba vevie be míake ɖe eŋu to Biblia sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe, vevietɔ Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖi, kple ŋugbledede le nu siwo míexlẽna ŋu me. (Lod. 2:1-5) Gakpe ɖe eŋu la, ehiã be míanɔ nunya biam Mawu kutrikukutɔe. Mawu ƒe Nya la ka ɖe edzi na mí be Mawu aɖo gbe siwo míedona ɖa tso dzi blibo me be wòakpe ɖe mía ŋu la ŋu. (Yak. 1:5) Le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me la, míake ɖe nunya xɔasi si akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe kuxiwo nu ahawɔ nyametsotso siwo me nunya le ŋu le Mawu ƒe Nya la me. (Luka 11:13) Wogayɔ Salomo be “amewo nu ƒoƒula” si ‘fiaa sidzedze hã dukɔ la ɖaa.’ (Nyagb. 12:9, 10, NW) Yesu, ame si nye Kristo hamea ƒe Ta la, hã nye eƒe amewo nu ƒoƒula. (Yoh. 10:16; Kol. 1:18) Eya ta nunya anɔ eme be míanɔ hame ƒe kpekpe, siwo me ‘wofiaa nu mí ɖaa’ le, la dem.

16. Nu kawoe ɖi wo nɔewo le Salomo kple Yesu ŋu?

16 Fia Salomo wɔ dɔ geɖewo. Ewɔ ɖoɖo ɖe xɔtudɔwo ŋu le Israel dukɔ bliboa me, ena wotu fiasãwo, wodo mɔwo, woɖe tsitawo, eye wotu nudzraɖoƒexɔwo ƒe duwo, tasiaɖamwo ƒe duwo kple sɔdolawo ƒe duwo. (1 Fia. 9:17-19) Eƒe xɔtudɔwo ɖe vi na dukɔ bliboa katã. Yesu hã nye xɔtula. Etu eƒe hame la ɖe “kpe gbadza” dzi. (Mat. 16:18) Akpɔ xɔtudɔ siwo woawɔ le xexe yeyea me la hã dzi.—Yes. 65:21, 22.

Dze Ŋutifafafia La Yome

17. (a) Nu kae ɖe dzesi le Salomo ƒe dziɖuɖu ŋu? (b) Nu kae Salomo mete ŋu wɔ o?

17 Nya si me woɖe ŋkɔ Salomo tsoe la gɔmee nye “ŋutifafa.” Fia Salomo ɖu dzi le Yerusalem, eye du sia ƒe ŋkɔ gɔmee nye “Ŋutifafa Teƒe Eve Me Nɔnɔ.” Le ƒe 40 siwo wòtsɔ ɖu Israel dzi me la, dukɔa kpɔ ŋutifafa si tɔgbi menɔ anyi kpɔ o. Biblia gblɔ tso ƒe mawo ŋu be: ‘Yuda kple Israel dome ame sia ame nɔ eƒe wainka kple gboti te bɔkɔɔ tso Dan va se ɖe Beer-Seba le Salomo ƒe agbe me ŋkekewo me.’ (1 Fia. 5:5) Togbɔ be enɔ alea hã la, Salomo mete ŋu ɖe eteviwo tso dɔléle, nu vɔ̃, kple ku si me o. Gake Salomo Gãtɔ la ya aɖe eteviwo tso nu mawo katã si me.—Mixlẽ Romatɔwo 8:19-21.

18. Nɔnɔme kawoe le Kristo hamea me?

18 Ŋutifafa le Kristo hamea me fifia gɔ̃ hã. Le nyateƒe me la, míele gbɔgbɔmeparadiso vavã aɖe me. Míele ŋutifafa me kple Mawu kpakple mía haviwo. De dzesi nu si Yesaya gblɔ ɖi ku ɖe yayra siwo kpɔm míele egbea ŋu esime wògblɔ be: “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.” (Yes. 2:3, 4) Míekpea asi ɖe gbɔgbɔmeparadisoa ƒe nyonyo ŋu ne míewɔa nu le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe gbɔgbɔa.

19, 20. Susu kawo tae wòle be míanɔ dzidzɔ kpɔm ɖo?

19 Ke hã, nuwo aganyo ɖe edzi kura wu le etsɔme. Woaɖe amegbetɔ toɖolawo “tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me” vivivi esi woyi edzi le vivi sem le ŋutifafa si tɔgbi menɔ anyi kpɔ o la me le Yesu ƒe dziɖuɖua te. (Rom. 8:21) Ne woɖu dzi le dodokpɔ mamlɛ si ava le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu la me la, “ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Ps. 37:11; Nyaɖ. 20:7-10) Le nyateƒe me la, Kristo Yesu ƒe dziɖuɖua ade ŋgɔ wu Salomo tɔ le mɔ aɖewo siwo míate ŋu akpɔ le susu me fifia o la nu!

20 Abe ale si Israel kpɔ dzidzɔ le Mose, David, kple Salomo ƒe kpɔkplɔ tee ene la, míakpɔ dzidzɔ geɖe wu le Kristo ƒe dziɖuɖua te. (1 Fia. 8:66) Akpedada gãtɔa yi na Yehowa le esi wòna Eƒe Tenuvi, si nye Mose Gãtɔ, David Gãtɔ, kple Salomo Gãtɔ, mí ta!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Anɔ eme godoo be ŋkɔ David gɔmee nye “Lɔlɔ̃tɔ.” Le ɣeyiɣi si me Yesu xɔ nyɔnyrɔ kple esime eƒe nɔnɔme trɔ le toa dzi la, Yehowa ƒo nu tso dziƒo heyɔe be “Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o.”—Mat. 3:17; 17:5.

^ mm. 7 Le ɣeyiɣi ma ke me la, David zu abe alẽ aɖe si ɖoa ŋu ɖe ekplɔla ŋu ene. Ekpɔ mɔ na Alẽkplɔla Gãtɔ, Yehowa, hena takpɔkpɔ kple mɔfiame. Egblɔ kple kakaɖedzi blibo be: “Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehiãam o.” (Ps. 23:1) Yohanes Amenyrɔɖetsimela la yɔ Yesu be “Mawu ƒe Alẽvi.”—Yoh. 1:29.

^ mm. 12 Nukutɔe la, Salomo ƒe ŋkɔ eveliae nye Yedidiya, si gɔmee nye “ame si Yah lɔ̃.”—2 Sam. 12:24, 25.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Mɔ kawo nue Yesu nye David Gãtɔ le?

• Mɔ kawo nue Yesu nye Salomo Gãtɔ le?

• Nu kae do dzidzɔ na wò le David Gãtɔ si ganye Salomo Gãtɔ la ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Salomo ƒe nunya si Mawu nae la nye vɔvɔli na Salomo Gãtɔ la ƒe nunya

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Yesu ƒe dziɖuɖua ade ŋgɔ wu Salomo kple David tɔwo le mɔ aɖewo siwo míate ŋu akpɔ le susu me fifia o la nu!