Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hiob De Asixɔxɔ Gã Aɖe Yehowa Ƒe Ŋkɔa Ŋu

Hiob De Asixɔxɔ Gã Aɖe Yehowa Ƒe Ŋkɔa Ŋu

Hiob De Asixɔxɔ Gã Aɖe Yehowa Ƒe Ŋkɔa Ŋu

“Woakafu Yehowa ŋkɔ!”—HIOB 1:21.

1. Ame kae anya ŋlɔ Hiob ƒe agbalẽa, eye ɣekaɣie wòŋlɔe?

MOSE xɔ abe ƒe 40 ene esime wòsi le Farao ƒe dziku nu le Egipte heyi ɖatsi Midian nyigba dzi. (Dɔw. 7:23) Esime wònɔ anyigba ma dzi la, ate ŋu anɔ eme be ese nu tso Hiob, si nɔ Uz si nye du aɖe si te ɖe afi ma ŋu la, ƒe fukpekpewo ŋu. Le ƒe aɖewo megbe la, Mose anya se nu tso Hiob ƒe agbenɔƒe mamlɛawo ŋu esime woa kple Israel dukɔa wova ɖo teƒe aɖe si te ɖe Uz ŋu le woƒe gbea dzi nɔnɔ ƒe nuwuwu lɔƒo. Yudatɔwo ƒe xotutuwo gblɔna be Mose ye ŋlɔ Hiob ƒe agbalẽa ɣeaɖeɣi le Hiob ƒe ku megbe.

2. Mɔ kawo nue Hiob ƒe agbalẽa dea dzi ƒo na Yehowa subɔla siwo li egbea le?

2 Hiob ƒe agbalẽa doa ŋusẽ Mawu subɔla siwo li egbea ƒe xɔse. Le mɔ kawo nu? Nuŋlɔɖia na míenya be nudzɔdzɔ aɖewo siwo ŋu gɔmesese vevi aɖe ŋutɔ le la va eme le dziƒo, eye wòhe susu yi nya vevitɔ si ku ɖe Mawu ƒe xexea me katã ƒe dziɖulanyenye ŋu la dzi. Hiob ƒe nuŋlɔɖia na míegase nu si nuteƒewɔwɔ lɔ ɖe eme la gɔme nyuie wu, eye wòna míese nu si tae Yehowa ɖea mɔ esubɔlawo kpea fu ɣeaɖewoɣi la hã gɔme. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Hiob ƒe agbalẽa ɖee fia be Satana Abosam ye nye Yehowa ƒe Adikãtɔ gãtɔ kple ameƒomea ƒe futɔ. Agbalẽa ɖee fia hã be amegbetɔ madeblibowo abe Hiob ene ate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa le dodokpɔ sesẽtɔwo gɔ̃ hã me. Mina míadzro Hiob ƒe agbalẽa me nudzɔdzɔ aɖewo me kpɔ.

Satana Te Hiob Kpɔ

3. Nu kawoe míenya tso Hiob ŋu, eye nu ka tae Satana tɔ ŋkui?

3 Hiob nye kesinɔtɔ kple ame xɔŋkɔ aɖe, enye blemafofo aɖe si nɔa agbe ɖɔʋu. Edze ƒãa be enye aɖaŋuɖola aɖe si ŋu wodea bubui ŋutɔ, eye wònye ame si kpena ɖe hiãtɔwo ŋu hã. Vevietɔ wu la, Hiob vɔ̃a Mawu. Wogblɔ tso Hiob ŋu be enye “ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.” Hiob ƒe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu tae Satana tɔ ŋkui ɖo, ke menye eƒe kesinɔnuwo kple ŋkɔxɔxɔ tae o.—Hiob 1:1; 29:7-16; 31:1.

4. Nu kae nye fɔmaɖimaɖi?

4 Nya siwo wotsɔ ʋu ŋutinya si le Hiob ƒe agbalẽa me nu la na míenya be wowɔ kpekpe aɖe le dziƒo, eye mawudɔlawo va tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume. Satana hã nɔ kpekpe ma me, eye wòtso Hiob nu. (Mixlẽ Hiob 1:6-11.) Togbɔ be Satana ƒo nu tso Hiob ƒe nunɔamesiwo ŋu hã la, Hiob ƒe fɔmaɖimaɖi me gbegblẽ ŋu koŋ ye eƒe susu nɔ. Nya “fɔmaɖimaɖi” fia be woawɔ nuteƒe, woanye mokakamanɔŋutɔ, woanye ame dzɔdzɔe, eye kpɔtsɔtsɔ manɔ ame ŋu o. Abe ale si wozãe le Biblia me ene la, amegbetɔ ƒe fɔmaɖimaɖi bia be ame natsɔ eƒe dzi katã ana Yehowa bliboe.

5. Nya kae Satana gblɔ tso Hiob ŋu?

5 Satana gblɔ be ɖokuitɔdidi tae Hiob dea ta agu na Mawu ɖo, ke menye fɔmaɖimaɖi tae o. Satana ƒe nyawo fia hã be nenye be Mawu yi edzi yra Hiob hekpɔ eta ko hafi Hiob awɔ nuteƒe na Yehowa. Bene Yehowa nana woakpɔ ŋuɖoɖo na Satana ƒe nutsotso ma la, Eɖe mɔ Satana dze ŋutsu nuteƒewɔla ma dzi. Esia wɔe be le ŋkeke ɖeka pɛ ko dzi la, wova gblɔ na Hiob be wofi eƒe lãwo dometɔ aɖewo hetsrɔ̃ bubuwo, wowu eƒe dɔlawo, eye via ewoawo bu woƒe agbe. (Hiob 1:13-19) Ðe Hiob na ta le Satana ƒe amedzidzedze sia mea? Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la gblɔ ale si Hiob wɔ nui le nya vɔ̃ siawo me ale: “Yehowae na, Yehowae gaxɔe, woakafu Yehowa ŋkɔ!”—Hiob 1:21.

6. (a) Nu kae dzɔ le kpekpe bubu aɖe si wogawɔ le dziƒo la me? (b) Ame kawoe nɔ susu me na Satana esime wòtsɔ nya ɖe Hiob ƒe fɔmaɖimaɖi ŋu le Yehowa gbɔ?

6 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wogawɔ kpekpe bubu aɖe le dziƒo. Eye Satana gatsɔ nya ɖe Hiob ŋu ake be: ‘Ŋutigbalẽ ɖe ŋutigbalẽ teƒe, eye amegbetɔ atsɔ nu siwo katã le esi la, ana ɖe eƒe agbe ta. Ke do wò abɔ ɖa, ne nade asi eƒe ʋu kple eƒe ŋutilã ŋu kpɔa, be magbe wò nya ɖe ŋkuwò me keŋ ene oa?’ De dzesii be Satana keke eƒe nutsotsoa ɖe enu wòlɔ ame bubuwo ɖe eme. Esi Abosam gblɔ be, “Amegbetɔ atsɔ nu siwo katã le esi la, ana ɖe eƒe agbe ta” la menye Hiob ɖeka ƒe fɔmaɖimaɖi ŋu koe wònɔ nya tsɔm ɖo o, enɔ nya tsɔm ɖe “amegbetɔ” ɖe sia ɖe si dea ta agu na Yehowa la hã ŋu. Le ema megbe la, Mawu ɖe mɔ Satana kplɔ dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ƒu Hiob. (Hiob 2:1-8) Gake menye tetekpɔ mawo koe va Hiob dzi o.

Nusɔsrɔ̃ Tso Ale Si Hiob Wɔ Nui Me

7. Mɔ kawo nue Hiob srɔ̃ kple ŋutsu etɔ̃ siwo va srãe kpɔ la ƒo nya ɖe enu le?

7 Le gɔmedzedzea me la, Hiob srɔ̃ hã to fukpekpe mawo siwo me srɔ̃a to la ke me. Viawo ƒe ku kple ƒomea ƒe kesinɔnuwo dome gbegblẽ anya gbã dzi na Hiob srɔ̃ vevie. Anya te ɖe edzi vevie be wòakpɔ srɔ̃a wòanɔ fu kpem nenema gbegbe le dɔléle vɔ̃ɖi ma si me. Edo ɣli gblɔ na Hiob be: “Ègalé wò blibonyenye me ɖe asi koa? Gbe Mawu, ne naku!” Emegbe ŋutsu etɔ̃, siwo ŋkɔwoe nye Elifaz, Bildad, kple Zofar, siwo gblɔ be yewogbɔna akɔ fa ge na Hiob la va do. Esi teƒe be woafa akɔ nɛ la, wowɔ nuŋububu fluame ŋu dɔ heɖee fia be “akɔfala ƒuƒluwo” ye yewonye. Le kpɔɖeŋu me, Bildad gblɔ be, anye nu vɔ̃ aɖee Hiob ƒe viwo wɔ, eya ta wodze na nu si dzɔ ɖe wo dzi. Elifaz ƒe nyawo ɖee fia be nu vɔ̃ siwo Hiob wɔ va yi ƒe to hemee wonɔ nɛ. Edze le eƒe nyagbɔgblɔwo me gɔ̃ hã be asixɔxɔ aɖeke mele ame siwo léa fɔmaɖimaɖi me ɖe asi la ŋu le Mawu gbɔ o! (Hiob 2:9, 11; 4:8; 8:4; 16:2; 22:2, 3) Le nyaƒoɖeamenu sesẽ mawo me hã la, Hiob yi edzi lé eƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi. Enye nyateƒe be ewɔ vodada esi ‘wòbu eɖokui dzɔdzɔetɔe wu Mawu’ ya. (Hiob 32:2) Ke hã, eyi edzi wɔ nuteƒe le nɔnɔme mawo katã me.

8. Kpɔɖeŋu nyui kae Elihu ɖo ɖi na ame siwo ɖoa aɖaŋu egbea?

8 Emegbe la, míexlẽ nu tso Elihu, ŋutsu aɖe si hã va srã Hiob kpɔ la, ŋu. Gbã la, Elihu lé to ɖe nya siwo gblɔm Hiob kple exɔlɔ̃ etɔ̃awo nɔ la ŋu nyuie. Togbɔ be Elihu metsi de ŋutsu ene mawo nu o hã la, eɖe nunya geɖe fia wu wo ameawo. Eƒo nu na Hiob ameŋububutɔe, ezã Hiob ƒe ŋkɔ hã. Elihu kafu Hiob ɖe eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta. Ke hã, egblɔ be, Hiob tsɔ eƒe susu katã ɖo agbagbadzedze be yeaɖee afia be fɔmaɖilae yenye ŋu fũu akpa. Emegbe Elihu na kakaɖedzi Hiob be Mawu subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe ɖea vi ɣesiaɣi. (Mixlẽ Hiob 36:1, 11.) Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi wòɖo ɖi na ame siwo wòhiã be woaɖo aɖaŋu na amewo egbea! Elihu gbɔ dzi ɖi, eɖo to nyuie, ekafu ame le afi si wòhiã le, eye wòɖo aɖaŋu tuameɖowo.—Hiob 32:6; 33:32.

9. Aleke Yehowa kpe ɖe Hiob ŋu?

9 Mlɔeba la, ame aɖe si ŋu ŋɔdzi le ale gbegbe la va srã Hiob kpɔ! Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Yehowa ɖo ŋu na Hiob le dziya me.” Yehowa zã nyabiase vovovo aɖewo tsɔ kpe ɖe Hiob ŋu tufafatɔe be wòɖɔ eƒe tamesusu ɖo, gake ewɔe kple moveviɖoɖo. Hiob lɔ̃ faa xɔ mokanamea hegblɔ be: “Nyemele ɖeke me o . . . Eye wovem le ke kple afi me.” Esi Yehowa ƒo nu kple Hiob vɔ la, egblɔ be yedo dziku ɖe Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo ŋu, elabena ‘womeƒo nu nyui aɖeke’ tso ye ŋu o. Mawu bia tso Hiob si be wòado gbe ɖa ɖe wo ta. Le ema megbe la, ‘Yehowa gaɖo Hiob te, le esi wòɖe kuku ɖe xɔlɔ̃awo ta la ŋuti; eye Yehowa dzi nu siwo katã nɔ Hiob si tsã la, ɖe edzi zi gbɔ zi eve.’—Hiob 38:1; 40:4; 42:6-10.

Aleke Gbegbe Lɔlɔ̃ Si Le Mía Si Na Yehowa La De Toe?

10. Nu ka tae Yehowa meŋe aɖaba ƒu Satana ƒe nutsotsoa dzi alo tsrɔ̃e ɖa o?

10 Yehowa ye nye xexea Wɔla kple nuwɔwɔwo katã ƒe Dziɖulagã. Nu ka tae meŋe aɖaba ƒu Abosam ƒe gbetɔamea dzi o? Mawu nyae be aɖabaŋeŋe ƒu Satana ƒe gbetɔamea dzi alo eya amea tsɔtsrɔ̃ɖa makpɔ nya si fɔ ɖe te la gbɔ o. Abosam gblɔ be Hiob, ŋutsu Yehowa subɔla ɖedzesi ma, adzudzɔ nuteƒewɔwɔ na Mawu ne eƒe kesinɔnuwo dome gblẽ. Hiob yi edzi wɔ nuteƒe le dodokpɔa me. Emegbe Satana gblɔ be amegbetɔ ɖe sia ɖe atrɔ ɖa tso Mawu gbɔ ne fukpekpe va edzi. Hiob kpe fu, gake esia megblẽ eƒe nuteƒewɔwɔ me o. Eya ta woɖo kpe edzi le ŋutsu madeblibo wɔnuteƒe sia gome be aʋatsokalae Satana nye. Ke Mawu subɔla bubuwo ya ɖe?

11. Aleke Yesu ɖee fia bliboe be aʋatsoe Satana ƒe gbetɔamea nye?

11 Le nyateƒe me la, Mawu subɔla ɖe sia ɖe si léa fɔmaɖimaɖi me ɖe asi, eɖanye nɔnɔme sesẽ kae Satana he va edzi o, la ɖenɛ fiana be le ye gome la, aʋatsoe futɔ tagbɔsesẽtɔ ma ƒe nutsotsoawo nye. Yesu va anyigba dzi heva ɖee fia bliboe be aʋatsoe Satana ƒe gbetɔamea nye. Yesu nye ame deblibo abe mía fofo gbãtɔ, Adam, ene. Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ va se ɖe ku me ɖee fia kɔtɛ be aʋatsokalae Satana nye, eye aʋatsoe eƒe nutsotsoawo hã nye.—Nyaɖ. 12:10.

12. Mɔnukpɔkpɔ kple agbanɔamedzi kae su Yehowa subɔla ɖe sia ɖe si?

12 Togbɔ be ele alea hã la, Satana yi edzi le Yehowa subɔlawo dom kpɔ. Enye mɔnukpɔkpɔ kple agbanɔamedzi na mía dometɔ ɖe sia ɖe be míalé míaƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi atsɔ aɖee afia be esi míelɔ̃ Yehowa tae míele esubɔm ɖo, ke menye ɖokuitɔdidi tae o. Aleke míebua agbanɔamedzi mae? Míebunɛ be mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míawɔ nuteƒe na Yehowa. Efaa akɔ na mí hã be míanyae be Yehowa naa ŋusẽ si míehiãna be míatsɔ ado dzi la mí, eye abe ale si wònɔ le Hiob gome ene la, Mawu ɖoa seɖoƒe na tetekpɔ siwo míedoa goe la.—1 Kor. 10:13.

Satana—Futɔ Amemabula Kple Xɔsegbela

13. Nyatakaka kae Hiob ƒe agbalẽa na mí ku ɖe Satana ŋu?

13 Hebri Ŋɔŋlɔawo na numekɔkɔ mí ku ɖe ale si Satana tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu hekplɔ ameƒomea tra ŋumakpemakpetɔe la ŋu. Le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, wogana numekɔkɔ geɖe mí ku ɖe ale si Satana tsi tsitre ɖe Yehowa ŋui la ŋu. Le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, wogblɔ ale si woava ʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta kple ale si woava tsrɔ̃ Satana ɖa mlɔeba la ŋu nya na mí. Hiob ƒe agbalẽa na míenya nu geɖe tso Satana ƒe aglãdzenuwɔnawo ŋu. Satana mede kpekpe siwo wowɔ le dziƒo la kple susu be yeakafu Yehowa o. Nɔnɔme vɔ̃ɖi aɖee nɔ Abosam si, eye tameɖoɖo vɔ̃ɖi aɖe tae wòde kpekpe mawo ɖo. Esi Satana tso Hiob nu, eye woɖe mɔ nɛ be wòayi aɖadoe kpɔ vɔ la, “Satana dzo le Yehowa ŋku me.”—Hiob 1:12; 2:7.

14. Aleke Satana wɔ nu ɖe Hiob ŋu?

14 Aleae wòdzɔe be woɖɔ Satana le Hiob ƒe agbalẽa me be enye ameƒomea ƒe futɔ makpɔnublanui. Ɣeyiɣi aɖe si ƒe didime míenya o tso kpekpe si wowɔ le dziƒo si ŋu woƒo nu tsoe le Hiob 1:6 kple esi ŋu woƒo nu tsoe le Hiob 2:1 dome. Eye le dometsotso ƒe ɣeyiɣi ma me la, Abosam te Hiob kpɔ tagbɔsesẽtɔe. Ale si Hiob lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la na be Yehowa te ŋu gblɔ na Satana be: “[Hiob galé] eƒe dzɔdzɔenyenye me ɖe asi ko, ke wòa ède adã ta me nam, be magblẽ edome naneke mawɔmawɔe.” Gake Satana melɔ̃ ɖe edzi be woɖo kpe edzi be aʋatsoe yeƒe nutsotsoawo nye o. Ðe wòbiae boŋ be wòaɖe mɔ na ye ne yeahe dodokpɔ sesẽ bubu ava Hiob dzi. Esia fia be Abosam te Hiob kpɔ le ɣeyiɣi si me nu dze edzi nɛ kple ɣeyiɣi si me wòɖi hiã siaa me. Edze ƒãa be Satana mekpɔa nublanui na hiãtɔwo alo ame siwo dzi afɔkuwo dzɔ ɖo o. Eléa fu fɔmaɖilawo. (Hiob 2:3-5) Togbɔ be ele alea hã la, Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ ɖee fia be aʋatsokalae Satana nye.

15. Nu kawo mee xɔsegbela siwo li egbea ɖi Satana le?

15 Nuwɔwɔ gbãtɔ si zu xɔsegbelae nye Satana. Xɔsegbela siwo li egbea ɖea nɔnɔme siwo le Abosam si la tɔgbi fiana. Ate ŋu anye be ɖeklemiɖeɖe le hamea me tɔwo, Kristotɔ hamemetsitsiwo, kple Dziɖuha la ŋu ƒo ɖi woƒe susu. Xɔsegbela aɖewo tsia tsitre ɖe Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, zazã ŋu. Wometsɔ ɖeke le nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu alo esubɔsubɔ me o. Abe ale si wo fofo Satana wɔnɛ ene la, xɔsegbelawo tɔa ŋku fɔmaɖilawo. (Yoh. 8:44) Mewɔ nuku o be Yehowa subɔlawo medea ha kpli wo le mɔ aɖeke nu o!—2 Yoh. 10, 11.

Hiob De Asixɔxɔ Yehowa Ƒe Ŋkɔa Ŋu

16. Aleke Hiob wɔ nu ɖe Yehowa ŋui?

16 Hiob zã Yehowa ƒe ŋkɔ hekafui. Esime Hiob ƒe viwo ƒe ku ŋu nya sese gbã dzi nɛ gɔ̃ hã la, mebu vɔ̃ aɖeke ɖe Mawu ŋu o. Togbɔ be Hiob gblɔ vodadatɔe be Mawue na yeƒe nuwo dome gblẽ hã la, egakpɔtɔ de asixɔxɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu kokoko. Hiob gblɔ le eƒe hamelo aɖe me emegbe be: “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃ enye nunya, eye vɔ̃tsitsri enye gɔmesese.”—Hiob 28:28.

17. Nu kae kpe ɖe Hiob ŋu wòlé eƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi?

17 Nu kae kpe ɖe Hiob ŋu wòlé eƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi? Edze ƒãa be hafi dzɔgbevɔ̃e mawo nava dzɔ ɖe edzi la, ƒomedodo nyui aɖe nɔ woa kple Yehowa dome xoxo. Togbɔ be kpeɖodzi aɖeke mele mía si be Hiob nya be Satana tɔ gbe Yehowa o hã la, Hiob ɖoe kplikpaa be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Egblɔ be: ‘Nyemasẽ nu le nye fɔmaɖimaɖi ŋu, va se ɖe esime mamia nu o.’ (Hiob 27:5) Nu kae Hiob wɔ be ƒomedodo kplikplikpli ma va nɔ woa kple Mawu dome? Ðikeke mele eme o be, Hiob de asixɔxɔ gã aɖe nu siwo wòse tso ale si Mawu wɔ nu ɖe Abraham, Isak, kple Yakob, ame siwo nye tɔgbuiawo, ŋu la ŋu. Eye Hiob ate ŋu akpɔ Yehowa ƒe nɔnɔme geɖewo adze sii to ŋkuléle ɖe eƒe nuwɔwɔwo ŋu me.—Mixlẽ Hiob 12:7-9, 13, 16.

18. (a) Aleke Hiob ɖe eƒe ɖokuitsɔtsɔ na Yehowa fiae? (b) Mɔ kawo nue míesrɔ̃a kpɔɖeŋu nyui si Hiob ɖo ɖi la le?

18 Nu siwo Hiob srɔ̃ la nyɔ didi ɖe eya amea me be yeawɔ nu si ado dzidzɔ na Yehowa. Hiob saa vɔ edziedzi ɖe eƒe ƒomea ta kple susu be ɖewohĩ wowɔ nane si medze Mawu ŋu o alo “wofe Mawu ɖe aga le woƒe dziwo me.” (Hiob 1:5) Esi Hiob nɔ dodokpɔ sesẽwo me tom gɔ̃ hã la, egblɔ nya nyuiwo tso Yehowa ŋu. (Hiob 10:12) Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi! Ele be míawo hã míanɔ Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze vavãtɔ la xɔm edziedzi. Míeléa gbɔgbɔmeɖoɖo nyuiwo abe nusɔsrɔ̃, kpekpewo dede, gbedodoɖa, kple gbeƒãɖeɖe nya nyuia ene me ɖe asi. Gawu la, míewɔa míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe tsɔ naa amewo nyaa Yehowa ƒe ŋkɔa. Eye abe ale si ko Hiob ƒe fɔmaɖimaɖi dze Yehowa ŋu ene la, nenema kee Mawu subɔla siwo li egbea hã ƒe fɔmaɖimaɖi doa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzii. Míadzro nya sia me le nyati si kplɔe ɖo me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu ka tae Satana Abosam tɔ ŋku Hiob?

• Dodokpɔ kawo mee Hiob do dzi to, eye aleke wòwɔ nui?

• Nu kae akpe ɖe mía ŋu míalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi abe ale si Hiob wɔe ene?

• Nu kae míesrɔ̃ tso Satana ŋu le Hiob ƒe agbalẽa me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Nuŋlɔɖi si ku ɖe Hiob ŋu na míenya nu tso Mawu ƒe xexea me katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya vevi si fɔ ɖe te la ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Nɔnɔme kawo mee woate ŋu ado wò fɔmaɖimaɖi kpɔ le?