Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ðoɖoeziɣi Li”

“Ðoɖoeziɣi Li”

“Ðoɖoeziɣi Li”

LODODO aɖe si wogblɔ be enye Ɣedzeƒetɔwo ƒe lododo la gblɔ be: “Nuƒoƒo la klosaloe, ɖoɖoezizi la sikae.” Le nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ƒe nya nu la, Hebritɔwo ƒe lododo si sɔ kple esiae nye: “Ne nuƒoƒo xɔ sekel ɖeka la, ɖoɖoezizi axɔ sekel eve.” (Brewer’s Dictionary of Phrase and Fable) Eye blema Israel Fia nunyala Salomo ŋlɔ bena: ‘Ɣeyiɣi li na nu sia nu, eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te. . . . ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.’—Nyagb. 3:1, 7.

Ekema ɣekaɣie wòasɔ be míazi ɖoɖoe wu be míaƒo nu? Nyagbɔgblɔ “zi ɖoɖoe,” kple “ɖoɖoezizi” dze zi geɖe le Biblia me. Nya siwo ƒo xlã afi siwo wozã nya siawo le la ɖe ale si wòsɔ be woazi ɖoɖoe le go etɔ̃ aɖewo me le agbe me la fia. Na míalé ŋku ɖe ale si ɖoɖoezizi ate ŋu anye amebubu ƒe dzesi, nunya kple nugɔmesese ƒe dzesi, kpakple ale si wòkpena ɖe ame ŋu wòdea ŋugble la ŋu kpɔ.

Enye Amebubu Ƒe Dzesi

Ðoɖoezizi nye amebubu alo bubudeameŋu ƒe dzesi. Nyagblɔɖila Xabakuk gblɔ be: “Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me; anyigba blibo la nezi ɖoɖoe le eŋku me.” (Xab. 2:20) Ele be tadeagula vavãwo “[nanɔ] anyi kpoo anɔ Yehowa ƒe xɔname sinu kpɔm.” (Kony. 3:26) Hakpala la dzi ha be: ‘Zi kpi na Yehowa kpoo, eye nàkpɔ esinu! Dzi megaku wò ɖe ame si ƒe mɔwo dzea edzi nɛ, kple ŋutsu, si nye ayetɔ la ŋu o!’—Ps. 37:7.

Ðe míate ŋu akafu Yehowa numaƒomaƒoea? Enyo, ɖe medzɔna ɣeaɖewoɣi be ne míekpɔ nuwɔwɔwo ƒe anidzedze la, ewɔa dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe be gbɔgblɔ buna ɖe mí oa? Ðe ŋugbledede tso Mawu ƒe gãnyenye ma gbegbe ŋu menye Wɔla la kafukafu le míaƒe dzi me oa? Hakpala David dze eƒe hawo dometɔ ɖeka gɔme ale: “Oo, Mawu, kafukafu—ɖoɖoezizi—li na wò le Zion; eye wòe woaxe adzɔgbeɖefe na.”—Ps. 65:2, NW.

Abe ale si ko wòle be míade bubu Yehowa ŋutɔ ŋu ene la, nenema kee wòle be míade bubu eƒe nyawo hã ŋui. Le kpɔɖeŋu me, esi Mawu ƒe nyagblɔɖila Mose nɔ eƒe kaklãnyawo gblɔm na Israel dukɔa la, woa kple nunɔlawo xlɔ̃ nu ame siwo katã ƒo ƒu la be: “Ðo to nasee! . . . ɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe.” Wobia tso ɖevi siwo nɔ Israel viwo dome gɔ̃ hã si be woaɖo to nyuie ne dukɔa va ƒo ƒu ɖekae hena Mawu ƒe Se la xexlẽ. Mose gblɔ be: “Ƒo dukɔ la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo . . . nu ƒu, ne woasee, eye woasrɔ̃e.”—5 Mose 27:9, 10; 31:11, 12.

Aleke gbegbe wòsɔ be Yehowa subɔla siwo li egbea ɖoa to mɔfiame siwo wonaa wo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple takpekpewo me la bubutɔe ye nye esi! Ne ame aɖe le nuƒolanɔƒea le Biblia me nyateƒe veviwo me dzrom le kpekpeawo me la, ɖe manye bubumademade Mawu ƒe Nya la kple eƒe habɔbɔa ŋu ne míele dze ɖom madzemadzee oa? Ne kpekpea le edzi yim la, esiae nye ɣeyiɣi si me wòle be míazi ɖoɖoe ahanɔ to ɖom.

Le ame eve dome dzeɖoɖowo me gɔ̃ hã la, toɖoɖo nyuie nye amebubu ƒe dzesi. Le kpɔɖeŋu me, blemafofo Hiob gblɔ na enutsolawo be: “Mifia num, eye nye la, mazi ɖoɖoe.” Hiob nɔ klalo be yeazi ɖoɖoe ahanɔ to ɖom wo ne wole nu ƒom. Eye esi wòɖo edzi be wòaƒo nu la, ebia tso wo si be: “Mizi ɖoɖoe le ŋkunyeme, ne nye ŋutɔ maƒo nu.”—Hiob 6:24; 13:13, NW.

Enye Nunya Kple Nugɔmesese Ƒe Dzesi

Biblia gblɔ be: ‘Ame si kpɔa eƒe nuyiwo dzi la, nunyalae.’ Egagblɔ hã be: “Ame nyanu zia kpi.” (Lod. 10:19; 11:12) De ŋugble tso ale si Yesu zi ɖoɖoe tsɔ ɖe nunya kple nugɔmesese fia le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu la ŋu kpɔ. “Yesu zi kpi” esime wòkpɔe dze sii be nuƒoƒo na ame siwo yeƒe futɔwo de adã tame na wotsi tsitre ɖe ye ŋu la maɖe vi aɖeke o. (Mat. 26:63) Emegbe esi Yesu tsi tsitre ɖe Pilato ŋkume le ʋɔnudrɔ̃ƒe la, “meɖo nya aɖeke ŋu o.” Etiae nunyatɔe be yemaƒo nu o, ke boŋ be yeƒe dɔwɔwɔwo ŋutɔ naɖi ɖase le ye ŋu.—Mat. 27:11-14.

Nunya anɔ eme be míawo hã míakpɔ míaƒe nuyiwo dzi, vevietɔ ne wodo dziku na mí. Lododo aɖe gblɔ be: “Dzigbɔɖitɔ la, nunya geɖe le esi; ke dɔmedzoetɔ doa boblo bometsitsi.” (Lod. 14:29) Nyaŋuɖoɖo dzitsitsitɔe ne wodo dziku na mí ate ŋu ana míagblɔ nya eŋumabumabui eye wòava ve mí emegbe. Le nɔnɔme mawo tɔgbi me la, míaƒe nyawo ate ŋu adze bometsinyawo, eye wòana míade vovo ge le mía ɖokui me do kpoe.

Nunya le eme be míakpɔ míaƒe nuyiwo dzi ne míele ame vɔ̃ɖiwo dome. Ne míedo go fewuɖulawo le míaƒe subɔsubɔdɔa me la, ɖewohĩ nu nyuitɔ si míawɔ koe nye be míazi ɖoɖoe. Gawu la, ɣeaɖewoɣi la, ɖe nunya manɔ eme be míazi ɖoɖoe bene míagana míaƒe sukuhatiwo alo dɔwɔhatiwo nasusui be míekpɔ dzidzɔ ɖe fefenya madzeto kple nya ƒaƒã siwo gblɔm wole la ŋu oa? (Ef. 5:3) Hakpalaa ŋlɔ bena: ‘Made ga nye nu, ŋkeke ale si ame vɔ̃ɖi la gale ŋkunye me ko.’—Ps. 39:2.

“Ame nyanu” meʋua go amewo ƒe nya ɣaɣlawo o. (Lod. 11:12) Kristotɔ akuakua maʋu go nya ɣaɣla le nuƒoƒo ŋumaɖɔɖotɔe ta o. Ele be hamemetsitsi Kristotɔwo koŋ nakpɔ wo ɖokuiwo dzi nyuie le go sia me ale be hamea me tɔwo nayi edzi aka ɖe wo dzi.

Togbɔ be nya aɖeke medona le mía nu ne míezi ɖoɖoe o hã la, ɖoɖoezizi ate ŋu aɖe vi geɖe. Eŋlisi nuŋlɔla Sydney Smith si nɔ anyi le ƒe alafa 19 lia me gblɔ tso eŋɔlimetɔ aɖe ŋu be: “Ɣeaɖewoɣi la, ezia ɖoɖoe, eye esia wɔnɛ be dzeɖoɖo kplii vivina ŋutɔ.” Le nyateƒe me la, le xɔlɔ̃ eve ƒe gbe sia gbe dzeɖoɖowo me la, mele be ame ɖeka naxɔ nua katã anɔ ƒoƒom o. Ele be dzeɖola nyui nanye toɖola nyui hã.

Salomo xlɔ̃ nu be: ‘Dadaƒu megbea nuƒoƒo vivivo me o; ke ame si kpɔa eƒe nuyiwo dzi la, nunyalae.’ (Lod. 10:19) Eya ta ne míeƒoa nu fũu o la, asesẽ be míada ƒu le nuƒoƒo me. Le nyateƒe me la, “ne bometsila zi kpi la, wobunɛ nunyalae, ne emiã eƒe nuyiwo la, wobunɛ nugɔmeselae.” (Lod. 17:28) Eya ta mina mí katã míado gbe ɖa na Yehowa ahabiae be ‘wòadzɔ míaƒe nuyiwo ƒe mɔnu ŋu.’—Ps. 141:3, NW.

Enye Nu Si Kpena Ðe Ame Ŋu Wòdea Ŋugble

Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí ku ɖe ame si zɔa dzɔdzɔenyenye ƒe mɔa dzi ŋu be: “[Edea] ŋugble le [Mawu] ƒe se la ŋu zã kple keli.” (Ps. 1:2) Nɔnɔme ka mee wòsɔna nyuie le wu be míade ŋugble alea?

Isak, blemafofo Abraham ƒe vi la, “nɔ tsa ɖim le gbe me be yeade ŋugble esi fiẽ le ɖoɖom.” (1 Mose 24:63, NW) Etia ɣeyiɣi kple teƒe aɖe si tomefafa nɔ be yeade ŋugble. Zã me ŋudzɔɣi siwo me xexea me zia ɖoɖoe la mee Fia David dea ŋugble le. (Ps. 63:7) Ame deblibo Yesu dze agbagba vevie di ɣeyiɣi si eya ɖeka anɔ anyi ade ŋugble; eɖe vovo tso amehawo ƒe hoowɔwɔ gbɔ heyi ɖe teƒe siwo sa ɖe aga le towo dzi, gbedadaƒowo, kple teƒe tsoabo bubuwo.—Mat. 14:23; Luka 4:42; 5:16.

Míate ŋu ake ɖi ɖoɖoezizi ƒe viɖewo o. Ðoɖoezizi ate ŋu ana mɔnukpɔkpɔ nyuiwo mí be míadzro mía ɖokuiwo me—ɖokuimedzodzro sia le vevie be míaƒe nɔnɔme nanyo ɖe edzi wu. Ðoɖoezizi ate ŋu ana míaƒe susu nadze akɔ anyi. Ŋugbledede le ɖoɖoeziɣiwo ate ŋu ana míatu nu dzeame wɔwɔ kple ɖokuibɔbɔ ɖo, eye wòana míakpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo le vevie le agbe me ŋutɔŋutɔ la ŋu geɖe wu.

Togbɔ be nɔnɔme nyui aɖee ɖoɖoezizi nye hã la, “nuƒoɣi li.” (Nyagb. 3:7) Egbea la, tadeagula vavãwo le gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia vevie le “anyigba blibo la katã dzi.” (Mat. 24:14) Esi wole agbɔ sɔm ɖe edzi la, dzidzɔɣli si esia na wole dodom la gale ɖiɖim sesĩe wu. (Mixa 2:12) Eya ta mina míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míanɔ ame siwo le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia dzonɔamemetɔe hele nu ƒom tso Mawu ƒe dɔwɔwɔ wɔnukuwo ŋu la dome. Esi míeyi edzi le gome kpɔm le dɔ vevi sia me la, neva eme be míaƒe agbenɔnɔ naɖee afia be míekpɔe dze sii be ɣeaɖewoɣi la, ɖoɖoezizi la sikae.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Le míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la, ele be míaɖo to ahasrɔ̃ nu

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Doɖoezizi ate ŋu anye nu nyuitɔ si míawɔ ne wodzu mí le míaƒe subɔsubɔdɔa me

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Ðoɖoezizi sɔ nyuie na ŋugbledede