Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afi Kae Wòle Be Nànɔ Ne Nuwuwua Va?

Afi Kae Wòle Be Nànɔ Ne Nuwuwua Va?

Afi Kae Wòle Be Nànɔ Ne Nuwuwua Va?

NE Yehowa he nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia va nuwuwui le Harmagedon me la, aleke nuwo anɔ na ame dzɔdzɔewo? Lododowo 2:21, 22 ɖo eŋu be: “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.”

Ke aleke ame maɖifɔwo asusɔ ɖe anyigba dzi? Ðe sitsoƒe aɖe anɔ anyi na woa? Afi kae wòle be ame dzɔdzɔewo nanɔ ne nuwuwua va? Agbetsitsi ŋuti nuŋlɔɖi ene aɖewo siwo le Ŋɔŋlɔawo me kɔ nya siawo me.

Esime Teƒe Si Woanɔ Nɔ Vevie

Míexlẽ ku ɖe ale si woɖe blemafofo siwo nye Noa kple Lot ŋu le 2 Petro 2:5-7 be: “[Mawu] mehe ɖe megbe le tohehe na blemaxexe aɖe me o, gake wòkpɔ Noa, dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela, kpakple ame adre bubuwo ta dedie esime wòhe tsiɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexe aɖe dzi; eye wòbu fɔ du siwo nye Sodom kple Gomora to nana be wozu afi me, wònye nu siwo ava va la ƒe kpɔɖeŋu na ame mavɔ̃mawuwo; eye wòɖe ame dzɔdzɔe Lot, si sedzidalawo ƒe ŋukpenanuwɔwɔ atraɖii ɖe fu na vevie la.”

Aleke Noa wɔ te ŋu tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me? Mawu gblɔ na Noa be: “Ŋutilãwo katã ƒe nuwuwu ɖo azɔ, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi; kpɔ ɖa, matsrɔ̃ wo kple anyigba siaa. Tsɔ dzatiwo kpa aɖakaʋu na ɖokuiwò.” (1 Mose 6:13, 14) Noa kpa aɖakaʋua abe ale si tututu Yehowa de se nɛ be wòawɔe ene. Ŋkeke adre hafi tsiɖɔɖɔa nadze egɔme la, Yehowa de se nɛ be wòakplɔ lãwo ayi ɖe aɖakaʋua me, eye eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea katã hã nayi ɖe eme. Le ŋkeke adrelia dzi la, Mawu do ʋɔa, eye ‘tsi dza ɖe anyigba dzi ŋkeke blane kple zã hã blane.’ (1 Mose 7:1-4, 11, 12, 16) “Woɖe” Noa kple eƒe ƒomea “to tsi [la] me.” (1 Pet. 3:20) Woƒe agbetsitsi nɔ te ɖe aɖakaʋua me nɔnɔ dzi. Teƒe bubu aɖeke meganɔ anyigba dzi si woate ŋu anɔ atsi agbe o.—1 Mose 7:19, 20.

Le Lot ya gome la, mɔfiame si wonae la to vovo vie. Mawudɔla eve gblɔ afi si mele be wòanɔ o la nɛ. Mawudɔla eveawo gblɔ na Lot be, ‘Kplɔ tɔwò tɔ, siwo katã le [Sodom] dua me la, do go tso teƒe sia. Míele teƒe sia tsrɔ̃ ge.’ Enɔ na wo be ‘woasi ayi ɖe to la dzi.’—1 Mose 19:12, 13, 17.

Noa kple Lot ƒe nuteƒekpɔkpɔawo ɖee fia be, “Yehowa nya ale si wòaɖe ame siwo tsɔ wo ɖokui na Mawu la tso tetekpɔ me, gake wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo hena ʋɔnudrɔ̃gbe.” (2 Pet. 2:9) Le agbetsitsi ƒe nudzɔdzɔ eve siawo siaa me la, teƒe si woanɔ la nɔ vevie ŋutɔ na ɖeɖekpɔkpɔ. Enɔ na Noa be wòayi ɖe aɖakaʋu la me; enɔ na Lot ya be wòado go le Sodom dua me. Gake alea koe wònɔna ɣesiaɣia? Ðe Yehowa ate ŋu aɖe ame dzɔdzɔewo, afi ka kee woɖale o, si mahiã be wòana woayi aɖanɔ teƒe bubu aɖe oa? Be míaɖo nyabiase siawo ŋu la, na míadzro ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti nuŋlɔɖi eve bubu aɖewo me kpɔ.

Ðe Teƒe Si Woanɔ La Nɔa Vevie Ɣesiaɣia?

Hafi Yehowa nahe fukpekpe ewolia ava Egiptetɔwo dzi atsɔ ahe to na wo le Mose ƒe ŋkekea me la, Ede se na Israel viwo be woatsɔ Ŋutitotolẽvi la ƒe ʋu asisi ɖe woƒe aƒewo ƒe ʋɔtruti eveawo kple etametɔ ŋuti. Nu ka tae? Ale be ‘ne Yehowa yina Egiptetɔwo gblẽ ge, eye wòkpɔ ʋu, si le ʋɔtruti eveawo kple etametɔ ŋuti la, Yehowa ato ʋɔtru la ŋu, eye mana nugblẽla nage ɖe woƒe xɔwo me awu wo o.’ Le zã ma tututu me la, ‘Yehowa wu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte nyigba dzi, tso Farao ƒe ŋgɔgbevi, si le eƒe zi dzi la dzi va se ɖe gatɔ, si le gaxɔ me la, ƒe ŋgɔgbevi kpakple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã dzi.’ Israel viwo ƒe ŋgɔgbeviwo tsi agbe, eye menɔ na wo dometɔ aɖeke be wòadzo le enɔƒe ayi teƒe bubu o.—2 Mose 12:22, 23, 29.

Bu nudzɔdzɔ si ku ɖe Raxab, gbolo aɖe si nɔ Yerixo dua me, la hã ŋu kpɔ. Esusɔ vie ko ne Israel viwo nate Ŋugbedodonyigba la xɔxɔ. Esi Raxab kpɔe be wogbɔna Yerixo tsrɔ̃ ge godoo la, egblɔ na Israel ŋkutsala eveawo be, dzidzi ƒo dukɔa le esi Israel viwo gbɔna wo dzi dze ge la ŋuti. Etsɔ ŋkutsalawo ɣla, eye wògblɔ na wo be woaka atam na ye be woana ye kple yeƒe ƒome bliboa natsi agbe le Yerixo dua tsrɔ̃ɣi. Ŋkutsalaawo gblɔ na Raxab be wòaƒo eƒe ƒome bliboa nu ƒu ɖe eƒe aƒe si nɔ dua ƒe gli dzi la me. Ne edo go le aƒea me la, eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea atsrɔ̃. (Yos. 2:8-13, 15, 18, 19) Ke hã, Yehowa gblɔ na Yosua emegbe be, “du la ƒe gliwo aŋe adze eme.” (Yos. 6:5) Eva nɔ dzedzem azɔ abe teƒe si ŋkutsalaawo fia asii be enye dedienɔƒe la ɖo afɔku me ene. Aleke woawɔ aɖe Raxab kple eƒe ƒometɔwo?

Esi ɣeyiɣia de be Israel viwo nadze Yerixo dzi ahaxɔe la, wodo ɣli eye wote lãdzowo kuku. Yosua 6:20 gblɔ be: “Esi [Israel] dukɔ la se akɔfɛawo ƒe ɖiɖi la, wotso aseye hoo, tete du la ƒe gliwo mu ɖo baba.” Fifia ame aɖeke mate ŋu awɔ naneke tso gli si nɔ mumum la ŋu o. Gake nukutɔe la, glia mu ʋuu heva tɔ esi wòɖo Raxab ƒe aƒea dzi. Yosua gblɔ na ŋkutsala eveawo be: ‘Miyi ɖe gbolo la ƒe me, ne miakplɔ nyɔnu la kple eƒe ƒometɔwo katã do goe, abe ale si mieka atam nɛ ene.’ (Yos. 6:22) Ame siwo katã nɔ Raxab ƒe aƒe me la tsi agbe.

Nu Kae Nye Nu Vevitɔ?

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ŋutinya siwo ku ɖe Noa, Lot, Israel vi siwo nɔ anyi le Mose ƒe ŋkekea me, kple Raxab ƒe agbetsitsi ŋu la me? Aleke nuŋlɔɖi siawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya afi si wòle be míanɔ ne fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu va ɖo?

Enye nyateƒe be Noa tsi agbe esi wòyi ɖe aɖakaʋua me. Gake nu ka tae wònɔ aɖakaʋua me ɖo? Ðe menye esi xɔse nɔ esi eye wònye toɖola tae oa? Biblia gblɔ be: ‘Noa wɔe; ale si Mawu de se nɛ la, nenema pɛ wòwɔ.’ (1 Mose 6:22; Heb. 11:7) Ke míawo ya ɖe? Ðe míele nu siwo katã ƒe se Mawu de na mí la wɔma? Noa nye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” hã. (2 Pet. 2:5) Abe Noa ene la, ɖe míawo hã míewɔa gbeƒãɖeɖedɔa dzonɔamemetɔe nenye be anyigbamama si me míewɔa dɔ le la me tɔwo meɖoa to mí o kura gɔ̃ hã?

Lot tsi agbe le esi wòsi le Sodom ta. Wokpɔ eta le esi wònye ame dzɔdzɔe le Mawu ŋkume eye sedzidala siwo nɔ Sodom kple Gomora la ƒe ŋukpenanuwɔwɔ atraɖii ɖe fu nɛ vevie ta. Ðe ŋukpenanuwɔwɔ siwo xɔ aƒe ɖe míaƒe xexea me egbea la ɖea fu na mí ŋutɔŋutɔa? Alo ɖe wo teƒe kpɔkpɔ va ma ŋku na mí ale gbegbe be womegatsɔa fu le lãme na mí kura oa? Ðe míele míaƒe ŋutetewo katã wɔm be woakpɔ mí “ɖimaƒomaƒoe kple mokaka manɔŋui le ŋutifafa” mea?—2 Pet. 3:14.

Le Israel vi siwo nɔ Egipte kple Raxab si nɔ Yerixo gome la, woƒe agbetsitsi nɔ te ɖe woƒe aƒewo me nɔnɔ dzi. Esia bia xɔse kple toɖoɖo. (Heb. 11:28, 30, 31) Kpɔ ale si Israel ƒome ɖe sia ɖe afɔ ŋku ɖe eƒe ŋgɔgbevi dzi gãa esi “avifafa de dzi” le Egiptetɔwo ƒe aƒe si me yi ekemɛ me le susu me ɖaa! (2 Mose 12:30) Kpɔ ale si Raxab kple eƒe ƒomea woanya lé ɖe wo nɔewo ŋu goŋgoŋ esi Yerixo gliawo ƒe mumu ƒe gbeɖeɖe nɔ tetem ɖe woƒe aƒea ŋu la le susu me ɖaa! Ebia be xɔse geɖe nanɔ Raxab si hafi wòate ŋu ayi edzi aɖo to ahanɔ aƒe ma me.

Eteƒe madidi o Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia awu enu. Míenya ale si Yehowa akpɔ eƒe amewo ta le “dzikudogbe” dziŋɔ ma dzi haɖe ya o. (Zef. 2:3) Ke hã, eɖanye afi ka kee míele alo nɔnɔme ka mee míele ɣemaɣi o, míate ŋu aka ɖe edzi be míaƒe agbetsitsi anɔ te ɖe Yehowa dzi xɔxɔ se kple toɖoɖoe dzi. Hafi ɣemaɣi naɖo la, mina míayi edzi ana nɔnɔme nyuitɔ nanɔ mía si ɖe nu si woyɔ le Yesaya ƒe nyagblɔɖi me be “xɔgã me” la ŋu.

“Yi Ðe Wò Xɔgã Me”

Yesaya 26:20 gblɔ be: ‘Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgã me, eye nàdo ʋɔ ɖe ɖokuiwò nu, ɣla ɖokuiwò vie, va se ɖe esime dziku la nu nava yi.’ Nyagblɔɖi sia anya va eme zi gbãtɔ le ƒe 539 D.M.Ŋ. me, esime Mediatɔwo kple Persiatɔwo ɖu Babilontɔwo dzi. Esi Persiatɔ Kores ge ɖe Babilon dua me la, edze abe ede se be ame sia ame nanɔ eƒe xɔ me ene, elabena eɖe gbe na eƒe asrafowo be woawu ame sia ame si woakpɔ le gota la.

Le míaƒe ŋkekea me la, “xɔgã me” si ŋu woƒo nu tsoe le nyagblɔɖi sia me la ate ŋu ado ƒome kplikplikpli kple Yehowa Ðasefowo ƒe hame 100,000 kple edzivɔ siwo le xexea me godoo la. Hame mawo wɔa akpa vevi aɖe le míaƒe agbe me. Woayi edzi awɔ akpa vevi aɖe le míaƒe agbe me le “xaxa gã la” me. (Nyaɖ. 7:14) Wode se na Mawu ƒe amewo be woayi woƒe “xɔgã me” ahaɣla wo ɖokuiwo va se ɖe “esime dziku la nu nava yi.” Ele vevie ŋutɔ be míatu nɔnɔme nyuiwo ɖo ku ɖe míaƒe hamea ŋu ahalé nɔnɔme mawo me ɖe asi, eye míaɖoe kplikpaa be míanɔ ha dem kple hamea kplikplikpli. Anyo be míawɔ ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, bene míado ŋusẽ mía nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe ƒuƒoƒewo gblẽm ɖi, abe ale si wòzu numame na ame aɖewo ene o, ke boŋ míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo, eye míawɔe geɖe wu, esi [míekpɔ] be ŋkeke la le ɖoɖom ta.”—Heb. 10:24, 25.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Mawu ɖe amewo le blema la me?

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Nu kae “xɔgã me” ate ŋu afia le míaƒe ŋkekea me?