Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawudɔlawo—‘Wonye Gbɔgbɔwo Hena Dutoƒo Subɔsubɔdɔ Wɔwɔ’

Mawudɔlawo—‘Wonye Gbɔgbɔwo Hena Dutoƒo Subɔsubɔdɔ Wɔwɔ’

Mawudɔlawo—‘Wonye Gbɔgbɔwo Hena Dutoƒo Subɔsubɔdɔ Wɔwɔ’

“Menye gbɔgbɔwoe wo katã wonye hena dutoƒo subɔsubɔdɔ wɔwɔ, eye wodɔa wo ɖa be woawɔ subɔsubɔdɔ na ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ dome oa?”—HEB. 1:14.

1. Aleke Mateo 18:10 kple Hebritɔwo 1:14 me nyawo ate ŋu afa akɔ na mí?

YESU KRISTO xlɔ̃ nu ame siwo katã ana eyomedzelawo nakli nu la be: “Mikpɔ nyuie be miagado vlo ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka pɛ hã o; elabena mele egblɔm na mi be, woƒe mawudɔla siwo le dziƒo la kpɔa Fofonye si le dziƒo la ƒe mo ɣesiaɣi.” (Mat. 18:10) Apostolo Paulo gblɔ tso mawudɔla dzɔdzɔewo ŋu be: “Alo menye gbɔgbɔwoe wo katã wonye hena dutoƒo subɔsubɔdɔ wɔwɔ, eye wodɔa wo ɖa be woawɔ subɔsubɔdɔ na ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ dome oa?” (Heb. 1:14) Esiawo nye kakaɖedzinya siwo faa akɔ na ame be míanyae be Mawu zãa gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo siwo le dziƒo la tsɔ naa kpekpeɖeŋu amegbetɔwo. Nya kawoe Biblia gblɔ na mí tso mawudɔlawo ŋu? Aleke wokpena ɖe mía ŋui? Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso woƒe kpɔɖeŋuwo me?

2, 3. Dɔ siwo gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo le dziƒo la wɔna la dometɔ aɖewo ɖe?

2 Mawudɔla wɔnuteƒe miliɔn gbogbo aɖewoe le dziƒo. Wo katã wonye “kalẽtɔ sesẽ, siwo wɔa eƒe nya dzi.” (Ps. 103:20; mixlẽ Nyaɖeɖefia 5:11.) Amenyenye, mawumenɔnɔmewo, kple tiatiawɔblɔɖe le Mawu ƒe gbɔgbɔmevi siawo si. Wole ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu, nɔƒe kɔkɔwo le wo si le Mawu ƒe ɖoɖoa me, eye mawudɔlagã lae nye Mixael (ŋkɔ si woyɔna na Yesu le dziƒo). (Dan. 10:13; Yuda 9) “Nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi” siae nye Mawu ƒe “Nya la,” alo Nyanuɖela, eye Yehowa zãe le nu bubuwo katã wɔwɔ me.—Kol. 1:15-17; Yoh. 1:1-3.

3 Le mawudɔlagã la te la, serafiwo, siwo ƒe dɔe nye be woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe kɔkɔenyenye ahakpɔ egbɔ be eƒe amewo le dzadzɛ le gbɔgbɔ me la li. Kerubiwo hã li, woawoe doa eƒe gãnyenye ɖe dzi. (1 Mose 3:24; Yes. 6:1-3, 6, 7) Mawudɔla bubuwo, alo dɔtsɔlawo, hã wɔa dɔ vovovowo be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nava eme.—Heb. 12:22, 23.

4. Aleke mawudɔlawo wɔ nui esi ‘woɖo anyigba gɔme anyi’? Eye nu kae tiatiawɔblɔɖe la ŋu dɔ wɔwɔ nyuie ate ŋu ahe avae na amegbetɔwo hafi?

4 Mawudɔlawo katã gli kple dzidzɔ esime ‘woɖo anyigba gɔme anyi,’ eye wo katã wokpɔ gome le dɔ siwo wode wo si la wɔwɔ me dzidzɔtɔe esi anyigba sia, si le abe kpe xɔasi tɔxɛ aɖe le yame ene la, nɔ tɔtrɔm vivivi va zu ameƒomea ƒe aƒe. (Hiob 38:4, 7) Yehowa wɔ ame “[hebɔbɔe] ɖe anyi vie wu mawudɔlawo,” gake ewɔe le Eƒe ‘nɔnɔme nu.’ Esia wɔe be amegbetɔwo ate ŋu aɖe Wɔla la ƒe nɔnɔme deŋgɔwo afia. (Heb. 2:7; 1 Mose 1:26) Ne ɖe Adam kple Xawa wɔ tiatiawɔblɔɖe la ŋu dɔ nyuie la, anye ne woa kple woƒe dzidzimeviwo woanɔ paradisoƒe aɖe me ahanye Yehowa ƒe nuwɔwɔ siwo si nunya le ƒe xexea me katã ƒe ƒome la ƒe akpa aɖe hafi.

5, 6. Aglãdzedze kae do mo ɖa le dziƒo, eye aleke Mawu wɔ nui?

5 Ðikeke mele eme o be anya te ɖe mawudɔla kɔkɔeawo dzi vevie ŋutɔ esi aglãdzedze dze egɔme le Mawu ƒe dziƒoƒome la me. Wo dometɔ ɖeka megava kpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa kafukafu ŋu o, ke boŋ edi be woade ta agu na ye ŋutɔ. Ewɔ eɖokui Satana (si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula”) esi wòtsɔ nya ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe dzedze ŋu hetsɔ tameɖoɖo kplikpaa dze agbagba be yeaɖo dziɖulanyenye aɖe si tsi tsitre ɖe Mawu tɔ ŋu la anyi. Satana to alakpadada gbãtɔ si ŋu nya woŋlɔ ɖi le Ŋɔŋlɔawo me la dzi ble atsu kple asi gbãtɔa ayetɔe wova wɔ ɖeka kplii le aglãdzedze ɖe wo Wɔla lɔ̃ame la ŋu me.—1 Mose 3:4, 5; Yoh. 8:44.

6 Yehowa drɔ̃ ʋɔnu Satana enumake esi wògblɔ le Biblia me nyagblɔɖi gbãtɔ me be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.” (1 Mose 3:15) Adikã ayi edzi anɔ Satana kple Mawu ƒe “nyɔnu la” dome. Vavãe, Yehowa bua eƒe dziƒohabɔbɔ si me gbɔgbɔmenuwɔwɔ wɔnuteƒewo le la abe srɔ̃nyɔnu lɔlɔ̃a si kuna ɖe ye, ame si le abe Srɔ̃ŋutsu ene la, ŋu ene. Nyagblɔɖi sia na mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le ame, togbɔ be ɣemaɣi la, emenyawo yi edzi nye “nya ɣaɣla kɔkɔe” si wova nɔ ɖeɖem ɖe go vivivi hã. Mawu ɖo tame be, nuwɔwɔ siwo le yeƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo me la dometɔ ɖeka nava tsrɔ̃ aglãdzelawo katã ɖa, eye to eya amea dzi la, woaƒo “nu siwo le dziƒowo kple nu siwo le anyigba dzi” la nu ƒu ɖekae.—Ef. 1:8-10.

7. Nu kae mawudɔla aɖewo wɔ le Noa ƒe ŋkekea me, eye nu kae do tso eme na wo?

7 Le Noa ƒe ŋkekea me la, mawudɔla gbogbo aɖewo gblẽ “woawo ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi” eye wova do amegbetɔwo ƒe ŋutilã kple susu be yewoati ɖokuitɔdidi ƒe vivisesewo yome. (Yuda 6; 1 Mose 6:1-4) Yehowa tsɔ aglãdzela mawo ƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi me; to esia dzi la, wova wɔ ɖeka kple Satana hezu “gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi” kple Mawu subɔlawo ƒe futɔ vɔ̃ɖiwo.—Ef. 6:11-13; 2 Pet. 2:4.

Aleke Mawudɔlawo Kpena Ðe Mía Ŋu?

8, 9. Aleke Yehowa zã mawudɔlawo tsɔ na kpekpeɖeŋu amegbetɔwo?

8 Ame siwo mawudɔlawo na kpekpeɖeŋu la dometɔ aɖewoe nye Abraham, Yakob, Mose, Yosua, Yesaya, Daniel, Yesu, Petro, Yohanes, kple Paulo. Mawudɔla dzɔdzɔewo he Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va amewo dzi, Mawu to wo dzi tsɔ nyagblɔɖigbedeasiwo kple mɔfiamewo, siwo dometɔ ɖekae nye Mose ƒe Se la, na. (2 Fia. 19:35; Dan. 10:5, 11, 14; Dɔw. 7:53; Nyaɖ. 1:1) Esi wònye be Mawu ƒe Nya bliboa le mía si egbea ta la, magahiã be mawudɔlawo natsɔ Mawu ƒe gbedeasiwo avae na mí o. (2 Tim. 3:16, 17) Gake mawudɔlawo le dɔ dzi vevie bene Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nava eme hele kpekpeɖeŋu nam Mawu subɔlawo togbɔ be míekpɔa wo o hã.

9 Biblia ka ɖe edzi na mí be: ‘Yehowa ƒe dɔla ƒua asaɖa anyi ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe.’ (Ps. 34:8; 91:11) Le amegbetɔwo ƒe fɔmaɖimaɖi ƒe nya si fɔ ɖe te ta la, Yehowa ɖea mɔ Satana hea dodokpɔ ƒomevi vovovowo vaa mía dzi. (Luka 21:16-19) Ke hã, ne míele tetekpɔ aɖe me tom la, Mawu nya afi si wòaɖe mɔ ɖe eŋu ase ɖo be wòaɖo kpe edzi be míenye fɔmaɖilawo. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 10:13.) Mawudɔlawo le klalo ɣesiaɣi be yewoade nu nyawo me le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Woɖe Sadrax, Mesax, Abed-Nego, Daniel, kple Petro, gake woɖe mɔ Stefano kple Yakobo ya ku le woƒe futɔwo si me. (Dan. 3:17, 18, 28; 6:22; Dɔw. 7:59, 60; 12:1-3, 7, 11) Nɔnɔmeawo kple nya siwo nɔ toa me to vovo. Nenema kee wowu mía nɔvi siwo nɔ Nazitɔwo ƒe fuwɔamegaxɔwo me la dometɔ aɖewo, evɔ Yehowa kpɔ egbɔ be wo dometɔ akpa gãtɔ tsi agbe.

10. Tsɔ kpe ɖe mawudɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu ŋu la, kpekpeɖeŋu bubu kawoe míate ŋu axɔ?

10 Ŋɔŋlɔawo mefia mí be mawudɔla aɖe le anyigbadzinɔla ɖe sia ɖe si si dzɔa eŋu o. Míedoa gbe ɖa hekana ɖe edzi be “nu sia nu si míabia [Mawu] wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” (1 Yoh. 5:14) Enye nyateƒe be Yehowa ate ŋu adɔ mawudɔla aɖe ɖa be wòakpe ɖe mía ŋu ya, gake Mawu ate ŋu ato mɔ bubu dzi hã ana kpekpeɖeŋu mí. Ate ŋu aʋã mía hati Kristotɔwo woana kpekpeɖeŋu kple akɔfafa mí. Mawu ate ŋu ana nunya kple ŋusẽ ememetɔ si hiã la mí míatsɔ akpe akɔ kple “ŋu aɖe [si le míaƒe] ŋutilã me” si na míele veve sem abe “Satana ƒe dɔla aɖe” ye le mía ƒom ene.—2 Kor. 12:7-10; 1 Tes. 5:14.

Srɔ̃ Yesu

11. Aleke Mawu zã mawudɔlawo tsɔ kpe ɖe Yesu ŋu, eye esi Yesu lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu la, nu kae do tso eme?

11 Bu ale si Yehowa zã mawudɔlawo le Yesu gome ŋu kpɔ. Mawudɔlawo gblɔ eƒe dzidzi kple eƒe tsitretsitsi ŋuti nya na amewo, eye wona kpekpeɖeŋui esime wònɔ anyigba dzi. Mawudɔlawo ate ŋu axe mɔ ɖe eléle kple ewuwu ŋutasesẽtɔe nu hafi. Ðe ema teƒe la, ɖe Mawu dɔ mawudɔla aɖe ɖa wòva do ŋusẽe boŋ. (Mat. 28:5, 6; Luka 2:8-11; 22:43) Le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe tameɖoɖo la, Yesu ku vɔsaku, eye wòto ema dzi na wokpɔ kpeɖodzi be amegbetɔ deblibo ate ŋu alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu le dodokpɔ sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me. Eya tae Yehowa fɔ Yesu ɖe tsitre yi makumakunyenyegbenɔnɔ me le dziƒo, tsɔ “ŋusẽ katã” nɛ hena mawudɔlawo bɔbɔ ɖe ete ɖo. (Mat. 28:18; Dɔw. 2:32; 1 Pet. 3:22) Yesu to ema dzi ɖee fia be yee nye Mawu ƒe “nyɔnu la ƒe dzidzime” la ƒe akpa vevitɔ.—1 Mose 3:15; Gal. 3:16.

12. Mɔ ka nue míate ŋu asrɔ̃ dadasɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la le?

12 Yesu nyae be anye vodada le ye gome be yeawɔ nane si me nunya mele o atsɔ ado Yehowa kpɔ ahanɔ mɔ kpɔm be ana mawudɔlawo naxɔ na ye. (Mixlẽ Mateo 4:5-7.) Eya ta mina míasrɔ̃ Yesu to ale si míanɔ agbe le “ŋuɖɔɖo” me ahaƒo asa na mía ɖokuiwo dede afɔku me madzemadzee, evɔ le ɣeyiɣi ma ke me la, míatsɔ dzinɔameƒo kple kakaɖedzi akpe akɔ kple yometitiwo.—Tito 2:12.

Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Mawudɔla Wɔnuteƒewo Gbɔ

13. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso mawudɔla dzɔdzɔe siwo ŋu woƒo nu tsoe le 2 Petro 2:9-11 la ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo me?

13 Esi apostolo Petro nɔ mo kam na ame siwo ‘gblɔa nya gbegblẽwo’ le Yehowa subɔla amesiaminawo ŋu la, ehe susu yi kpɔɖeŋu nyui si mawudɔlawo ɖo ɖi la dzi. Togbɔ be ŋusẽ gã aɖe le mawudɔlawo si hã la, ɖokuibɔbɔtɔe la, woƒoa asa na ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo “le esi wodea bubu Yehowa ŋu ta.” (Mixlẽ 2 Petro 2:9-11.) Eya ta mina míawo hã míaƒo asa na ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo madzemadzee, míanɔ bubu dem ame siwo si wotsɔ hamea dzi kpɔkpɔ de la ŋu, eye míagblẽ nyawo ɖe Yehowa, Ʋɔnudrɔ̃la Gãtɔ, la si me.—Rom. 12:18, 19; Heb. 13:17.

14. Subɔsubɔ ɖokuibɔbɔtɔe ƒe kpɔɖeŋu kae mawudɔlawo ɖo ɖi na mí?

14 Yehowa ƒe dziƒodɔlawo ɖoa subɔsubɔ ɖokuibɔbɔtɔe ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi na mí. Mawudɔla aɖewo gbe be yewomaʋu go yewoƒe ŋkɔ na amegbetɔwo o. (1 Mose 32:29; Ʋɔn. 13:17, 18) Togbɔ be gbɔgbɔmenuwɔwɔ miliɔn gbogbo aɖewoe le dziƒo hã la, Mixael kple Gabriel ŋkɔ koe woyɔ le Biblia me. Esia kpɔa mía ta be míedea bubu si medze o la mawudɔlawo ŋu o. (Luka 1:26; Nyaɖ. 12:7) Esi apostolo Yohanes bɔbɔ be yeade ta agu na mawudɔla aɖe la, mawudɔlaa gblɔ nɛ be: “Kpɔ nyuie! Mègawɔ nu ma o! Mia kple [nɔviwòwo] . . . ƒe hati kluvi ko menye.” (Nyaɖ. 22:8, 9) Eya ta ele be míaƒe tadedeagu, si lɔ gbedodoɖa hã ɖe eme la, nayi na Mawu ɖeka ko.—Mixlẽ Mateo 4:8-10.

15. Aleke mawudɔlawo ɖo dzigbɔɖi ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí?

15 Mawudɔlawo ɖo dzigbɔɖi ƒe kpɔɖeŋu hã ɖi na mí. Togbɔ be wotsɔ ɖe le Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔewo nyanya me vevie hã la, womeɖe wo katã fia wo o. Biblia gblɔ be: “Nu siawo tututu me kpɔkpɔ tsitotsito dzroa mawudɔlawo.” (1 Pet. 1:12) Ke nu kae wowɔna? Wolalana dzigbɔɖitɔe va se ɖe esime Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia de be ‘wòana woanya Mawu ƒe nunya, si dze le mɔ vovovoawo nu la, to hame la dzi.’—Ef. 3:10, 11.

16. Dɔ kae míaƒe agbenɔnɔ ate ŋu awɔ ɖe mawudɔlawo dzi?

16 Ne Kristotɔwo le dodokpɔwo me tom la, wozuna “abe nukpɔkpɔ le fefewɔƒe ene na . . . mawudɔlawo.” (1 Kor. 4:9) Mawudɔlawo tsɔa dzidzeme gã aɖe nɔa míaƒe nuteƒewɔwɔ teƒe kpɔm, eye wokpɔa dzidzɔ ɖe nu vɔ̃ wɔla ɖeka ƒe dzimetɔtrɔ gɔ̃ hã ta. (Luka 15:10) Mawudɔlawo dea dzesi nyɔnu Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ le mawuvɔvɔ̃ me. Biblia ɖee fia be “[ele] be ɖokuibɔbɔ ɖe ŋusẽ te ƒe dzesi nanɔ nyɔnu ƒe ta, le mawudɔlawo ŋuti.” (1 Kor. 11:3, 10) Ɛ̃, edoa dzidzɔ na mawudɔlawo ne wokpɔ nyɔnu Kristotɔwo kple Mawu subɔla bubu siwo katã le anyigba dzi la le wɔwɔm ɖe teokrasiɖoɖo kple tanyenye ƒe ɖoɖoa dzi. Woƒe toɖoɖo alea nye ŋkuɖoɖonudzi si sɔ nyuie na Mawu ƒe vi siwo le dziƒo la.

Mawudɔlawo Le Asi Kpem Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu Vevie

17, 18. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be mawudɔlawo le asi kpem ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?

17 Mawudɔlawo le gome kpɔm le nu ɖedzesi aɖewo siwo le dzɔdzɔm le “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la me” me. Nu ɖedzesi mawo dometɔ aɖewoe nye Fiaɖuƒe la dzidzi le ƒe 1914 me kple ale si “Mixael kple eƒe dɔlawo” tsɔ Satana kple eƒe dɔlawo ƒu gbee. (Nyaɖ. 1:10; 11:15; 12:5-9) Apostolo Yohanes kpɔ “mawudɔla . . . aɖe wònɔ dzodzom le dziƒo titina, eye nya nyui mavɔ aɖe le esi, be wòagblɔ wòanye dzidzɔnya na ame siwo le anyigba dzi.” Mawudɔlaa gblɔ be: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, elabena eƒe ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye mide ta agu na Ame si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsidzɔƒewo.” (Nyaɖ. 14:6, 7) Esia ta Yehowa subɔlawo ate ŋu aka ɖe edzi be mawudɔlawo le megbe na yewo le Fiaɖuƒe si woɖo la ŋuti nya nyui gbɔgblɔ dɔa me, togbɔ be Abosam tsia tsitre ɖe mía ŋu kutɔkutɔe hã.—Nyaɖ. 12:13, 17.

18 Egbea la, mawudɔlawo meƒoa nu na mí tẽe tsɔ fiaa mɔ mí yia dzi anukwaretɔwo gbɔ abe ale si mawudɔla aɖe ƒo nu na Filipo hefia mɔe yi Etiopiatɔ aƒedzikpɔla la gbɔ ene o. (Dɔw. 8:26-29) Gake egbegbe nuteƒekpɔkpɔ geɖewo ɖee fia be mawudɔlawo le asi kpem ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu, togbɔ be míekpɔa wo o hã, eye wofiaa mɔ mí míeyia “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ” la gbɔ. * (Dɔw. 13:48) Aleke gbegbe wòle vevie ye nye esi be míanɔ gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me edziedzi ale be mɔnukpɔkpɔ nasu mía si míawɔ mía tɔ si nua le ame siwo le didim be “[yewoatsɔ] gbɔgbɔ kple nyateƒe ade ta agu na Fofo la” didi me.—Yoh. 4:23, 24.

19, 20. Akpa kae mawudɔlawo wɔna le nudzɔdzɔ siwo nye “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi” ƒe dzesi la me?

19 Esime Yesu nɔ nu ƒom tso míaƒe ŋkekea ŋu la, egblɔ be le “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi” la, mawudɔlawo “[ama] ame vɔ̃ɖiwo ɖa tso ame dzɔdzɔewo ŋu.” (Mat. 13:37-43, 49) Mawudɔlawo wɔa akpa aɖe le amesiaminawo nu ƒoƒo ƒu kple wo nu tetre mamlɛa me. (Mixlẽ Mateo 24:31; Nyaɖ. 7:1-3) Gawu la, mawudɔlawo anɔ Yesu ŋu ne ele ‘alẽwo me mam tso gbɔ̃wo gbɔ.’—Mat. 25:31-33, 46.

20 “Le Aƒetɔ Yesu kple mawudɔla sẽŋuwo ƒe ɖeɖe fia tso dziƒo” me la, woatsrɔ̃ “ame siwo [katã] menya Mawu o kple ame siwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu ŋuti nya nyui la o.” (2 Tes. 1:6-10) Esi Yohanes kpɔ nudzɔdzɔ ma ke le ŋutega me la, egblɔ tso Yesu kple mawudɔlawo ƒe aʋakɔ siwo le dziƒo la ŋu be wodo sɔ ɣiwo bene yewoawɔ aʋa le dzɔdzɔenyenye me.—Nyaɖ. 19:11-14.

21. Nu kae mawudɔla si si “aʋli me safui kple kɔsɔkɔsɔ gã aɖe” le la atu kple Satana kpakple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo?

21 Yohanes gakpɔ “mawudɔla aɖe wònɔ ɖiɖim tso dziƒo, eye aʋli me safui kple kɔsɔkɔsɔ gã aɖe nɔ esi.” Ðikeke mele eme o be Mixael mawudɔlagã, si abla Abosam ahatsɔe aƒu gbe ɖe aʋli me lae wowɔnɛ, eye edze ƒãa be atsɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo hã aƒu gbe akpe ɖe eŋu. Woatu wo vie le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu esime amegbetɔ deblibowo ato dodokpɔ mamlɛtɔ me. Le esia megbe la, woatsrɔ̃ Satana kple aglãdzela mamlɛawo katã. (Nyaɖ. 20:1-3, 7-10; 1 Yoh. 3:8) Ɣemaɣi la, aglãdzedze ɖe Mawu ŋu ɖe sia ɖe nu ayi.

22. Akpa kae mawudɔlawo awɔ le nu siwo adzɔ kpuie la me, eye aleke wòle be míase le mía ɖokuiwo me ɖe akpa si wɔm wole la ŋu?

22 Ðeɖekpɔkpɔ gã tso Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia me tu aƒe ale gbegbe. Mawudɔlawo awɔ akpa vevi aɖe le nudzɔdzɔ vevi siwo woatsɔ aʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta ahana Mawu ƒe tameɖoɖo ɖe anyigba la kple ameƒomea ŋu nava eme keŋkeŋ la me. Vavãe, “gbɔgbɔwoe [mawudɔlawo nye] hena dutoƒo subɔsubɔdɔ wɔwɔ, eye wodɔa wo ɖa be woawɔ subɔsubɔdɔ na ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ dome.” Eya ta mina míada akpe na Yehowa Mawu le ale si wòle mawudɔlawo zãm tsɔ le kpekpem ɖe mía ŋu be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu ahakpɔ agbe mavɔ la ta.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 18 Kpɔ agbalẽ si nye Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom (Les Témoins de Jéhovah: Prédicateurs du Royaume de Dieu), axa 549-551.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Ðoɖo ka nue gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo le dziƒo la le?

• Nu kae mawudɔla aɖewo wɔ le Noa ƒe ŋkekea me?

• Aleke Mawu zãa mawudɔlawo tsɔ naa kpekpeɖeŋu mí?

• Dɔ kae mawudɔla dzɔdzɔewo le wɔwɔm le míaƒe ŋkekea me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Mawudɔlawo kpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Abe ale si wònɔ le Daniel gome ene la, mawudɔlawo le klalo ɣesiaɣi be yewoade nu nyawo me le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Dzi nenɔ ƒowò, elabena mawudɔlawo daa megbe na Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa!

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Anyigba: NASA photo