Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mina Míasrɔ̃ Itai Ƒe Nuteƒewɔwɔ

Mina Míasrɔ̃ Itai Ƒe Nuteƒewɔwɔ

Mina Míasrɔ̃ Itai Ƒe Nuteƒewɔwɔ

“YEHOWA MAWU, Ŋusẽkatãtɔ, wò dɔwɔwɔwo nye gã, eye wowɔ nuku. Fia mavɔmavɔtɔ, wò mɔwo le dzɔdzɔe, eye wonye nyateƒe. Yehowa, ame kae li, si mavɔ̃ wò ado wò ŋkɔ la ɖe dzi o, esi wònye wò ɖeɖe koe nye nuteƒewɔla?” Ha sia si “ame siwo ɖu lã wɔadã la kple eƒe nɔnɔmewɔwɔ la” dzi dzi le dziƒo la he míaƒe susu yi Mawu ƒe nuteƒewɔwɔ dzi. (Nyaɖ. 15:2-4) Yehowa di be ye subɔlawo nasrɔ̃ ye le nɔnɔme nyoameŋu sia ɖeɖe fia me.—Ef. 4:24.

Gake Satana Abosam ya wɔa nu sia nu si wòate ŋui be yeama mawusubɔla siwo le anyigba dzi la ɖa tso Mawu si wodea ta agu na la ƒe lɔlɔ̃ gbɔ. Ke hã, ame geɖe lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu le nɔnɔme sesẽtɔwo gɔ̃ hã me. Aleke gbegbe míedaa akpee nye esi be Yehowa dea asixɔxɔ gã aɖe míaƒe ɖokuitsɔtsɔna alea ŋu! Le nyateƒe me la, wona kakaɖedzi mí be: “Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o.” (Ps. 37:28) Be wòakpe ɖe mía ŋu míayi edzi alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la, ena woŋlɔ nuteƒewɔla geɖewo ƒe ŋutinyawo ɖe eƒe Nya la me na mí. Nuŋlɔɖi siawo dometɔ ɖekae nye esi ku ɖe Itai, Gatitɔ la, ŋu.

‘Du Bubu Me Tɔ Kple Sisila’

Anɔ eme be Filistitɔwo ƒe du xɔŋkɔ si nye Gat mee Itai tso, eye du sia ke mee ame dzɔtsu Goliat kple Israel ƒe futɔ dziŋɔ bubuwo hã tso. Zi gbãtɔ si woƒo nu tso Itai, aʋawɔla bibi sia, ŋu le Biblia mee nye esime Absalom dze aglã ɖe Fia David ŋu. Itai kple eyomedzela Filistitɔ 600 siwo si tso wo de la nɔ nuto aɖe si tsɔ ɖe Yerusalem gbɔ la me ɣemaɣi.

Ðewohĩ nɔnɔme si me Itai kple eyomedzelawo nɔ la na David ɖo ŋku nɔnɔme aɖe si me eya ŋutɔ nɔ ɣeaɖeɣi kpɔ la dzi. Ɣemaɣi la, woa kple Israel ƒe aʋawɔla 600 aɖewo si yi ɖatsi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi le nuto aɖe si dzi ɖum Gat fia Axis nɔ la me. (1 Sam. 27:2, 3) Nu kae Itai kple eƒe amewo awɔ azɔ esi Absalom dze aglã ɖe David ŋu? Ðe woade Absalom dzi loo alo woade David kple eƒe amewo dzia? Alo ɖe woatiae be yewomade akpa aɖeke dzi kura oa?

Kpɔe le susu me ɖaa be David ye nye ema si tso Yerusalem va tɔ ɖe teƒe aɖe si woyɔna be Bet-Merhak, si gɔmee nye “Aƒe Si Le Didiƒe.” Ðewohĩ eyae nye aƒe mlɔetɔ le Yerusalem dua me ne woɖo ta Amitoa gbɔ hafi atso Kidron bali la. (2 Sam. 15:17) Le afi ma la, David tsi tsitre ɖi henɔ ŋku lém ɖe eƒe aʋawɔlawo ŋu esi wova nɔ eme tsom. Kpɔ ɖa! Menye Israel vi wɔnuteƒewo koe nɔ eŋu o, ke Kretitɔwo kple Pletitɔwo katã hã nɔ eŋu. Gawu la, Gatitɔwo katã—Itai kple eƒe aʋawɔla 600-awo—hã nɔ eŋu.—2 Sam. 15:18.

David gblɔ na Itai veveseseɖeamenutɔe tso dzi me be: ‘Nu ka ŋuti wò hã nèbe, yeayi kpli mí? Trɔ, yi ɖanɔ fia la gbɔ [edze ƒãa be Absalom ye wòwɔnɛ]; elabena du bubu me tɔ nènye, eya ta gbugbɔ yi nɔwòƒe! Etsɔ nèva, eye egbe ko mana nanɔ tsaglalã tsam kpli mía? Nye la meyina, afi si menya kpɔ ko; mia kple nɔviwòwo migbugbɔ, eye amenuveve kple nyateƒe anɔ kpli wò!’—2 Sam. 15:19, 20.

Itai ɖe ale si wòɖoe kplikpaa be yeawɔ nuteƒe na David la gblɔ. Eɖo eŋu na David be: ‘Meta Yehowa ƒe agbe kple nye aƒetɔ fia ƒe agbe: Afi si nye aƒetɔ fia anɔ la, afi ma eƒe dɔla anɔ, eɖanye ku me alo agbe me o!’ (2 Sam. 15:21) Ðewohĩ esia na David ɖo ŋku nya si mamaa Rut gblɔ kpɔ la dzi. (Rut 1:16, 17) Itai ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe David dzi, eye David gblɔ nɛ be: “Yi [nàtso Kidron bali la] kpli mí.” Esi wònya gblɔ nya ma nɛ ko la, “Gatitɔ Itai kple eƒe amewo katã kpakple ɖevi, siwo katã le eŋu la, yi kplii.”—2 Sam. 15:22.

“Le Míaƒe Nufiafia Ta”

Romatɔwo 15:4 gblɔ be: “Nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi le míaƒe nufiafia ta.” Eya ta anyo be míabia mía ɖokuiwo be, Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Itai ƒe kpɔɖeŋua me? Bu nu siwo anya ʋãe wòwɔ nuteƒe na David ŋu kpɔ. Togbɔ be Itai nye amedzro si si tso Filisti nyigba dzi hã la, ekpɔe dze sii be Yehowae nye Mawu gbagbe la, eye wòkpɔe dze sii hã be David nye Yehowa ƒe amesiamina. Itai meɖe mɔ fuléle si nɔ Israel viwo kple Filistitɔwo dome la kpɔ ŋusẽ ɖe edzi o. Ekpɔ nu yi ŋgɔ wu nyateƒe si wònye be David wu Filistitɔwo ƒe aʋakalẽtɔ Goliat kple Itai detɔ bubu geɖewo. (1 Sam. 18:6, 7) Itai bu David be enye ame si lɔ̃ Yehowa, eye ɖikeke mele eme o be, ede dzesi David ƒe nɔnɔme nyuiwo. Eya ta David hã va de bubu gã aɖe Itai ŋu. Bu eŋu kpɔ ko, David ma eƒe aʋakɔ la ɖe akpa etɔ̃ me hetsɔ “etɔ̃liawo ɖeka de [Gatitɔ] Itai si” le aʋa vevi si wowɔ kple Absalom ƒe aʋawɔlawo la me gɔ̃ hã!—2 Sam. 18:2.

Ele be míawo hã míadze agbagba akpɔ nu ayi ŋgɔ wu dekɔnuwo, ŋutigbalẽ, alo gbe vovovo dolawo ƒe vovototowo—nazãbubu kple fuléle ɖe sia ɖe si be ɖe mía me—ahade dzesi nɔnɔme nyui siwo le amewo si. Ƒomedodo si nɔ David kple Itai dome la ɖee fia mí be míate ŋu aɖu mɔxenu mawo dzi ne míeva nya Yehowa helɔ̃e.

Esi míele ŋugble dem tso Itai ƒe kpɔɖeŋua ŋu la, míate ŋu abia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe mekuna ɖe Kristo Yesu, si nye David Gãtɔ la, ŋu nuteƒewɔwɔtɔe nenema kea? Ðe meɖea nye nuteƒewɔwɔ fiana to gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me dzonɔamemetɔe mea?’ (Mat. 24:14; 28:19, 20) ‘Afi kae madi be mado dzi ase ɖo atsɔ aɖe nye nuteƒewɔwɔ afia?’

Ŋugbledede tso nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu si Itai ɖo ɖi la ŋu ɖea vi na ƒome ƒe tawo hã. Ale si Itai tsɔ eɖokui na David kple ale si wòtso nya me be yeayi kple fia si nye Mawu ƒe amesiamina la kpɔ ŋusẽ ɖe Itai ƒe amewo dzi. Nenema kee nyametsotso si ƒome ƒe tawo wɔna tsɔ kpea asi ɖe tadedeagu vavã la ŋu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe ƒomewo dzi, eye ate ŋu ahe nɔnɔme sesẽwo ava wo dzi hena ɣeyiɣi aɖe gɔ̃ hã. Ke hã, woka ɖe edzi na mí be: “[Yehowa awɔ] nuteƒe na ame si wɔa nuteƒe.”—Ps. 18:26, NW.

Le aʋa si David wɔ kple Absalom megbe la, Ŋɔŋlɔawo megagblɔ nya aɖeke tso Itai ŋu o. Itai ƒe ŋutinya kpui si le Mawu ƒe Nya la me na míenya nu wɔdɔɖeamedzi geɖe tso ame si ƒomevi wònye la ŋu le ɣeyiɣi sesẽ ma si me David to le agbe me la me. Ale si Yehowa na woŋlɔ Itai ƒe ŋutinya ɖe nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la me ɖee fia mí be ekpɔa ŋudzedze ɖe nuteƒewɔwɔ ma tɔgbi ŋu heɖoa eteƒe.—Heb. 6:10.