Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ɣekaɣie wotsɔ Satana ƒu gbe tso dziƒo?—Nyaɖ. 12:1-9.

Togbɔ be Biblia gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia megblɔ ɣeyiɣi si tututu wotsɔ Satana ƒu gbe o hã la, eƒo nu tso nudzɔdzɔ vovovo aɖewo ŋu siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya ɣeyiɣi si wotsɔ Satana ƒu gbe tso dziƒo. Nudzɔdzɔ gbãtɔe nye Mesia Fiaɖuƒe la dzidzi. Nu si dzɔ kplɔ esia ɖoe nye be “aʋa dzɔ le dziƒo,” woɖu Satana dzi le aʋa sia me, eye mlɔeba la, wotsɔe ƒu gbe tso dziƒo.

Ŋɔŋlɔawo na wòdze kɔtɛ be ƒe 1914 mee “dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo” wu enu, eye woɖo Fiaɖuƒe la anyi. * (Luka 21:24) Le Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi megbe la, ɣeyiɣi didi kae wòxɔ hafi aʋa la fe ati le dziƒo, si na wonya Satana le dziƒo?

Nyaɖeɖefia 12:4 gblɔ be: “Ʋɔ driba la yi edzi nɔ tsitre ɖe nyɔnu si ƒe vidziɣi ɖo la ŋkume, be ne edzi via la, ne yeatsɔe ami.” Esia ɖee fia be Satana di be yeagblẽ Fiaɖuƒe si wodzi yeyee la dome kaba, le edziɣi ke ne anya wɔ. Togbɔ be Yehowa ƒe nudede nyawo me xe mɔ na Satana be mete ŋu kpɔ dzidzedze le eƒe tameɖoɖo vɔ̃ɖi ma me o hã la, Satana gaɖoe kplikpaa nublanuimakpɔmakpɔtɔe be yeagblẽ Fiaɖuƒe yeye si woɖo anyi la dome. Esia tae “Mixael kple eƒe dɔlawo” megblẽ ɣeyiɣi kura o, wotso kaba henya “ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo” ɖa le dziƒo ale be woagawɔ vɔ̃ aɖeke Fiaɖuƒea o. Eya ta míate ŋu aƒo nya ta wòasɔ be Satana dzi ɖuɖu kple enyanya le dziƒo va eme ɣeyiɣi kpui aɖe le Fiaɖuƒea dzidzi le ƒe 1914 me megbe.

Nu bubu aɖe si ŋu wòle be míabue nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe tsitretsitsi. Ŋɔŋlɔawo na wòdze ƒãa be tsitretsitsi sia dze egɔme ɣeyiɣi kpui aɖe le Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi megbe. * (Nyaɖ. 20:6) Esi wònye be womegblɔ be Kristo nɔvi amesiaminawo dometɔ aɖe kpe ɖe Yesu ŋu wowɔ aʋa kple ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo o ta la, aʋa si wowɔ le dziƒo la kpakple Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya le dziƒo anya wu enu hafi wote Kristo nɔviwo fɔfɔ ɖe tsitre.

Eya ta Biblia megblɔ ɣeyiɣi si tututu wonya Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo le dziƒo o. Ke hã, edze ƒãa be nudzɔdzɔ sia va eme le Yesu Kristo ɖoɖo fia le ƒe 1914 me megbe teti ko.

[Etenuŋɔŋlɔwo]