Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛwo—Mina Miaƒe Ŋgɔgbedede Nadze Ƒãa

Sɔhɛwo—Mina Miaƒe Ŋgɔgbedede Nadze Ƒãa

Sɔhɛwo—Mina Miaƒe Ŋgɔgbedede Nadze Ƒãa

“De ŋugble le nu siawo ŋu; wò dzi katã neku ɖe wo ŋu, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katã.”—1 TIM. 4:15.

1. Nu kae Mawu dina na sɔhɛwo?

“Ð EKAKPUI, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi naɖu agbe le wo ɖekakpui ŋkekewo me.” (Nyagb. 11:9) Nya siawoe Fia Salomo si nɔ anyi le blema Israel la ŋlɔ. Kakaɖedzitɔe la, Yehowa Mawu, Ame si gbɔ nya siawo tso la, di be mi sɔhɛwo miakpɔ dzidzɔ. Ƒo ema ta la, Yehowa di be dzidzɔ sia nanɔ anyi adidi wu sɔhɛmenɔɣi ko. Ke hã, zi geɖe la, sɔhɛwo wɔa vodada donuxaxaname aɖewo le woƒe sɔhɛmenɔɣi siwo va gblẽa woƒe dzidzɔkpɔkpɔ me emegbe. Nuteƒewɔla Hiob gɔ̃ hã xa nu ɖe eƒe “ɖevime vodadawo” ta. (Hiob 13:26) Le ƒewuimenɔɣi kple ƒe siwo kplɔe ɖo teti me la, nyametsotso veviwo wɔwɔ dzea ŋgɔ sɔhɛ Kristotɔwo zi geɖe. Nyametsotso gbegblẽ wɔwɔ ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe seselelãme ŋu vevie, eye wòahe kuxi siwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe edzi le eƒe agbemeŋkekewo katã me la avae.—Nyagb. 11:10.

2. Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo ka dzi wɔwɔe ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woaƒo asa na vodada gãwo wɔwɔ?

2 Ehiã be sɔhɛwo nawɔ nuŋububu nyuie ŋu dɔ le woƒe nyametsotsowo me. Bu aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo na Korintotɔwo la ŋu kpɔ. Eŋlɔ bena: “Migazu ɖevi suewo le nugɔmesese ƒe ŋutetewo gome o . . . Mizu ame siwo tsi bliboe le nugɔmesese ƒe ŋutetewo gome.” (1 Kor. 14:20) Aɖaŋu si woɖo be woasrɔ̃ ale si woabu nuwo ŋu ahabu tame abe ame siwo tsi bliboe ene la dzi wɔwɔ akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woaƒo asa na vodada gãwo wɔwɔ.

3. Nu kae nàte ŋu awɔ be nàɖo tsitsinyenye gbɔ?

3 Ne sɔhɛe nènye la, nenɔ susu me na wò be tsitsinyenye gbɔ ɖoɖo bia agbagbadzedze. Paulo gblɔ na Timoteo be: “Mègaɖe mɔ ame aɖeke nado vlo wò ɖekakpuinyenye gbeɖe o. Ke boŋ zu kpɔɖeŋu na nuteƒewɔlawo le nuƒoƒo me, le agbenɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le xɔse me, le agbe dzadzɛ nɔnɔ me. Yi edzi nàdo vevie dutoƒo nuxexlẽ, nuxɔxlɔ̃, kple nufiafia. . . . De ŋugble le nu siawo ŋu; wò dzi katã neku ɖe wo ŋu, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katã.” (1 Tim. 4:12-15) Ehiã be sɔhɛ Kristotɔwo nawɔ ŋgɔyiyi eye woana woƒe ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo.

Nu Kae Nye Ŋgɔgbedede?

4. Nu kae gbɔgbɔmeŋgɔgbedede bia?

4 Ŋgɔgbedede fia be “woawɔ ŋgɔyiyi, woatrɔ azu ame ɖɔʋu wu.” Paulo nɔ nu xlɔ̃m Timoteo be wòado vevie nu bene wòawɔ ŋgɔyiyi le nuƒoƒo, agbenɔnɔ, lɔlɔ̃, xɔse, kple agbe dzadzɛ nɔnɔ, kpakple ale si wòwɔa eƒe subɔsubɔdɔa hã me. Exlɔ̃ nui be wòadze agbagba aɖo kpɔɖeŋu nyui le agbenɔnɔ me. Esia ta ehiã be Timoteo nayi edzi anɔ gbɔgbɔmeŋgɔgbedede wɔm.

5, 6. (a) Ɣekaɣie Timoteo ƒe ŋgɔgbedede te dzedze ƒãa na amewo? (b) Aleke sɔhɛ siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ Timoteo le ŋgɔgbedede gome?

5 Esime Paulo ŋlɔ nuxlɔ̃ame sia ɣeaɖeɣi le ƒe 61 M.Ŋ. kple ƒe 64 M.Ŋ. dome la, Timoteo nye hamemetsitsi kpɔnuteƒe xoxo. Menye ɣemaɣie wòdze gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔwɔ gɔme o. Le ƒe 49 M.Ŋ. alo ƒe 50 M.Ŋ. me, esime Timoteo anya nɔ dodom le eƒe ƒewuiwo me alo nɔ eƒe ƒe 20-awo ƒe gɔmedzedze la, ‘nɔvi siwo nɔ Listra kple Ikonio’ siwo kpɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi siwo wɔm wònɔ la “ƒo nu nyui tso eŋu.” (Dɔw. 16:1-5) Ɣemaɣie Paulo kplɔ Timoteo ɖe eɖokui ŋu le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔa me. Esi Paulo galé ŋku ɖe Timoteo ƒe ŋgɔyiyi ŋu ɣleti aɖewo megbe la, eɖoe ɖe Tesalonika bene wòayi aɖafa akɔ na Kristotɔ siwo nɔ du ma me ahado ŋusẽ wo. (Mixlẽ 1 Tesalonikatɔwo 3:1-3, 6.) Edze ƒãa be tso Timoteo ƒe sɔhɛmenɔɣi kee wòna eƒe ŋgɔgbedede te dzedze ƒãa na amewo.

6 Mi sɔhɛ siwo le hamea me, midze agbagba miatu gbɔgbɔmenɔnɔme siwo hiã la ɖo fifia bene miaƒe ŋgɔgbedede le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me kple miaƒe ŋutete le Biblia me nyateƒea fiafia me nadze ƒãa na amewo. Yesu ƒe ‘nunya nɔ dzidzim ɖe edzi’ tso esime wòxɔ ƒe 12. (Luka 2:52) Eya ta mina míakpɔ go etɔ̃ siwo me miate ŋu ana miaƒe ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo le la ɖa: (1) ne kuxiwo dze ŋgɔ mi, (2) ne miele dzadzram ɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu, eye (3) ne miele agbagba dzem be miazu ‘subɔla nyuiwo.’—1 Tim. 4:6.

Mitsɔ “Ŋuɖɔɖo” Nɔ Te Ðe Kuxiwo Nu

7. Ŋusẽ kae kuxiwo ate ŋu akpɔ ɖe sɔhɛwo dzi?

7 Kristotɔ aɖe si xɔ ƒe 17 si ŋkɔe nye Carol gblɔ be: “Ɣeyiɣi aɖewoe nye esi va yi la, nu tena ɖe dzinye le susu me, ŋutilã me, kple seselelãme gome ale gbegbe be ne ŋu ke la nyemedina be mafɔ le aba dzi o.” * Nu kae naa nu tena ɖe edzi nenema gbegbe? Esime Carol xɔ ƒe ewo la, woƒe ƒomea kaka esi edzilawo gbe wo nɔewo, eye esia na wòva tsi dadaa, si gbe Biblia ƒe agbenɔnɔ ƒe dzidzenuwo la, gbɔ. Abe Carol ene la, ɖewohĩ èle akɔ kpem kple nɔnɔme donuxaxaname sesẽwo, eye wòdze abe nɔnɔmeawo maka ɖe eme o ene.

8. Kuxi kawoe Timoteo kpe akɔ kple?

8 Esi Timoteo nɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm la, eya hã kpe akɔ kple nɔnɔme madeamedziwo. Le kpɔɖeŋu me, eƒe ‘lãme gblẽna enuenu’ le esi eƒe dɔgbo ɖea fu nɛ ta. (1 Tim. 5:23) Esi Paulo dɔ Timoteo ɖe Korinto be wòayi aɖakpɔ kuxi aɖewo siwo fɔ ɖe te le esi ame aɖewo tɔ gbe Paulo ƒe apostolonyenye ta gbɔ la, ede dzi ƒo na hamea me tɔwo be woawɔ nu aduadu kple Timoteo ale be ‘wòaganɔ vɔvɔ̃m’ le wo dome o. (1 Kor. 4:17; 16:10, 11) Edze abe Timoteo nye ame aɖe si ŋu kpena alo vɔ̃na vie ene.

9. Nu kae nye ŋuɖɔɖo, eye aleke wòto vovo tso vɔvɔ̃gbɔgbɔ gbɔe?

9 Be Paulo nakpe ɖe Timoteo ŋu la, egblɔ ŋkuɖodzinya sia nɛ emegbe be: “Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mí o, ke ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kpakple ŋuɖɔɖo ƒe gbɔgbɔ boŋ.” (2 Tim. 1:7) “Ŋuɖɔɖo” bia be woabu tame ahade ŋugble tso nuwo ŋu nunyatɔe. Ebia be ŋutete nanɔ ame si wòakpe akɔ kple nɔnɔmeawo ale si wole ŋutɔŋutɔ, ke menye be wòadi be nuwo nanɔ abe ale si yedii ene o. Sɔhɛ aɖewo siwo metsi le gbɔgbɔ me o la ɖea vɔvɔ̃gbɔgbɔ fiana, eye wodzea agbagba be yewoasi le nɔnɔme donuxaxanamewo nu le susu me to alɔ̃dɔdɔ alo television kpɔkpɔ atraɖii, atike vɔ̃ɖiwo zazã alo aha tsu nono, kplɔ̃ɖoƒewo dede edziedzi, alo gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ dzi. Woxlɔ̃ nu mí Kristotɔwo be “míagbe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple xexea me nudzodzrowo, eye be míanɔ agbe le ŋuɖɔɖo kple dzɔdzɔenyenye kpakple ɖokuitsɔtsɔ na Mawu me le fifi nuɖoanyi sia me.”—Tito 2:12.

10, 11. Aleke ŋuɖɔɖo kpena ɖe mía ŋu ŋusẽ ɖoa mía ŋu le gbɔgbɔ me?

10 Biblia xlɔ̃ nu “ɖekakpuiwo be woaɖɔ ŋu ɖo.” (Tito 2:6) Aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ bia be nàkpe akɔ kple kuxiawo, ado gbe ɖa tso wo ŋu, eye nàɖo ŋu ɖe ŋusẽ si Mawu nana la ŋu. (Mixlẽ 1 Petro 4:7.) Ne èwɔe alea la, àzu ame si kana ɖe “ŋusẽ si Mawu nana” la dzi bliboe.—1 Pet. 4:11.

11 Ŋuɖɔɖo kple gbedodoɖa ye kpe ɖe Carol ŋu. Egblɔ be: “Tsitretsitsi ɖe danye ƒe agbe maɖɔʋu nɔnɔ ŋu nye nu sesẽtɔ kekeake siwo mewɔ kpɔ la dometɔ ɖeka. Gake gbedodoɖa kpe ɖe ŋunye ŋutɔŋutɔ. Menya be Yehowa li kplim, eya ta nyemegale vɔvɔ̃m o.” Ðo ŋku edzi be nɔnɔme sesẽwo ate ŋu ana wò nɔnɔme nanyo ɖe edzi eye woado ŋusẽ wò. (Ps. 105:17-19; Kony. 3:27) Nɔnɔme ka kee nèɖale akɔ kpem kple o, Mawu magblẽ wò ɖi akpɔ o. “[Akpe] ɖe ŋuwò” godoo.—Yes. 41:10.

Dzadzraɖo Ðe Srɔ̃ɖeɖe Kpɔdzidzedze Ŋu

12. Nu ka tae wòle be Kristotɔ si le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum natsɔ gɔmeɖose si dze le Lododowo 20:25 la awɔ dɔe?

12 Ðekakpui kple ɖetugbui aɖewo tsɔ dzitsitsi ƒo ta ɖe srɔ̃ɖeɖe me esi woxɔe se be enye dzidzɔmakpɔmakpɔ, akogotsitsi, modzaka, kple aƒemekuxiwo gbɔ kpɔnu ta. Ke hã, ŋkubiãnyae srɔ̃ɖetamkaka nye. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, ame aɖewo tsɔ dzitsitsi ka atam kɔkɔewo evɔ womebu nu siwo wòlɔ ɖe eme la ŋu nyuie hafi o. (Mixlẽ Lododowo 20:25.) Ɣeaɖewoɣi la, ɖekakpui kple ɖetugbui aɖewo mebua srɔ̃ɖeɖe me agbanɔamedziwo ŋu nyuie hafi ɖea srɔ̃ o. Emegbe la, wova kpɔnɛ dzea sii be srɔ̃ɖeɖe lɔ nu geɖe ɖe eme wu ale si yewosusui.

13. Nyabiase kawoe wòle be ame siwo le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la nabia wo ɖokuiwo, eye aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe wo ŋu kawoe li?

13 Eya ta hafi nàdze zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe gɔme kple ame aɖe la, bia ɖokuiwò be: ‘Nu ka tae medi be maɖe srɔ̃ ɖo? Nu kawoe mele mɔ kpɔm na le srɔ̃ɖeɖe me? Ðe ame sia sɔ nama? Ðe mesu te atsɔ nye agbanɔamedziwo abe srɔ̃tɔ enea?’ Be “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la nakpe ɖe ŋuwò nàdzro ɖokuiwò me nyuie la, eta nyati aɖewo siwo ƒo nu tso nya siawo ŋu tẽe. * (Mat. 24:45-47) Bu nyati mawo be wonye aɖaŋuɖoɖowo tso Yehowa gbɔ na ye. De ŋugble le wo me nyawo ŋu nyuie eye nàtsɔ wo ade dɔwɔwɔ me. Mègaɖe mɔ le ɖokuiwò ŋu gbeɖe be nàva nɔ “abe sɔ kple tedzisɔ, siwo nunya mele tagbɔ na o la ene o.” (Ps. 32:8, 9) Dze agbagba nàzu ame si tsi bliboe le srɔ̃ɖeɖe me agbanɔamedziwo ŋuti nugɔmesese me. Ne èse le ɖokuiwò me be yèsu te adze zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe gɔme la, ɖo ŋku edzi ɣesiaɣi nànye “kpɔɖeŋu . . . le agbe dzadzɛ nɔnɔ me.”—1 Tim. 4:12.

14. Aleke gbɔgbɔmeŋgɔgbedede ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne èɖe srɔ̃?

14 Gbɔgbɔmetsitsinyenye hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ le srɔ̃ɖeɖea megbe hã. Kristotɔ si tsi bliboe dzea agbagba be yeaɖo “tsitsime si sɔ kple Kristo la tɔ le eƒe blibonyenye la me” gbɔ. (Ef. 4:11-14) Edzea agbagba vevie tua amenyenye si ɖi Kristo tɔ la ɖo. Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola “Kristo la kura gɔ̃ hã medze eɖokui ŋu o.” (Rom. 15:3) Ne srɔ̃tɔ eveawo yi edzi ƒo asa na woawo ŋutɔwo ƒe nyonyo ko didi hedia ame kemɛa hã tɔ la, ŋutifafa kple dziɖeɖi axɔ aƒe ɖe srɔ̃ɖeɖea me. (1 Kor. 10:24) Srɔ̃ŋutsu aɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ afia srɔ̃a, eye srɔ̃nyɔnu aɖoe kplikpaa be yeabɔbɔ ye ɖokui na ye srɔ̃ abe ale si Yesu bɔbɔ na Ame si nye eƒe Ta la ene.—1 Kor. 11:3; Ef. 5:25.

“Wɔ Wò Subɔsubɔdɔ La De Goe Bliboe”

15, 16. Aleke nàte ŋu ana wò ŋgɔgbedede nadze ƒãa le subɔsubɔdɔa me?

15 Esi Paulo nɔ susu hem yi dɔ vevi si dze ŋgɔ Timoteo dzi la, eŋlɔ bena: “Mele se dem na wò vevie le Mawu kple Kristo Yesu, . . . ŋkume [be] ɖe gbeƒã nya la, nɔ edzi vevie.” Egblɔ kpee be: “Wɔ nya nyui gblɔla ƒe dɔ, wɔ wò subɔsubɔdɔ la de goe bliboe.” (2 Tim. 4:1, 2, 5) Be Timoteo nate ŋu awɔ dɔ sia ade goe la, enɔ nɛ be ‘wòatsɔ xɔse ƒe nyawo anyi’ eɖokuii.—Mixlẽ 1 Timoteo 4:6.

16 Aleke nàte ŋu atsɔ ‘xɔse ƒe nyawo anyi’ ɖokuiwòe? Paulo ŋlɔ bena: “Yi edzi nàdo vevie dutoƒo nuxexlẽ, nuxɔxlɔ̃, kple nufiafia. . . . De ŋugble le nu siawo ŋu; wò dzi katã neku ɖe wo ŋu.” (1 Tim. 4:13, 15) Ŋgɔyiyi bia ɖokuisinusɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe. Nyagbɔgblɔ si nye “dzi katã neku ɖe wo ŋu” fia ame ɖokui ƒoƒo ɖe nanewɔwɔ me bliboe. Aleke nèsrɔ̃a nui? Ðe wò dzi katã kuna ɖe “Mawu ƒe nu goglowo” ŋua? (1 Kor. 2:10) Alo èsrɔ̃a nu ɖewoɖewoe koa? Ŋugbledede le nu siwo nèsrɔ̃na ŋu aʋã wò dzi.—Mixlẽ Lododowo 2:1-5.

17, 18. (a) Ŋutete kawoe wòle be nàdze agbagba atu ɖo? (b) Aleke nɔnɔme si nɔ Timoteo si la tɔgbi tutuɖo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le wò subɔsubɔdɔa me?

17 Sɔhɛ mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Michelle gblɔ be: “Be makpɔ dzidzedze le subɔsubɔdɔa me la, ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi nyui aɖe le asinye, eye medea kpekpeawo edziedzi. Esia wɔe be meyi edzi le tsitsim le gbɔgbɔ me ɣesiaɣi.” Vavãe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò nàgabi ɖe edzi le Biblia zazã le subɔsubɔdɔa me me ahawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. Dze agbagba nànye nuxlẽla nyui, eye nàna ŋuɖoɖo dedziƒonamewo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. Be nàɖee afia be yenye sɔhɛ si tsi le gbɔgbɔ me la, ele be nàdzra dɔdeasi siwo nèxɔna le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me la ɖo nyuie be tsɔɖui nanɔ wo me, eye wò dɔdeasia nanɔ te ɖe nyati si ŋu nèle dɔ wɔm tsoe la dzi.

18 ‘Nya nyui gblɔla ƒe dɔa’ wɔwɔ bia be nàna wò subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzi, eye nàkpe ɖe amewo ŋu be woakpɔ ɖeɖe. Esia bia be nàtu “nufiafiaɖaŋu” ɖo. (2 Tim. 4:2) Ne èwɔa ɖoɖo dea gbeadzi kple gbeƒãɖela kpɔnuteƒewo la, àsrɔ̃ woƒe nufiafiamɔnuwo, abe ale si Timoteo srɔ̃ wo le dɔwɔwɔ kple Paulo me ene. (1 Kor. 4:17) Paulo gblɔ tso ame siwo ŋu wòkpe ɖo la ŋu be menye nya nyuia koe yegblɔ na wo o, ke boŋ yetsɔ ‘yeƒe luʋɔ’ na wo, si fia be etsɔ eya ŋutɔ ƒe agbe ɖo anyi le kpekpe ɖe wo ŋu me, elabena wotrɔ zu eƒe lɔlɔ̃tɔwo. (1 Tes. 2:8) Be nàsrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua le wò subɔsubɔdɔa me la, ele be nɔnɔme si nɔ Timoteo, ame si tsɔ ɖe le eme na amewo vavã ‘hewɔ dɔ abe kluvi ene le nya nyui la dodo ɖe ŋgɔ me,’ si la ke nanɔ asiwò. (Mixlẽ Filipitɔwo 2:19-23.) Èɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ sia fiana le wò subɔsubɔdɔa mea?

Ŋgɔgbedede Hea Dzidzeme Vavã Vanɛ

19, 20. Nu ka tae gbɔgbɔmeŋgɔgbedede hea dzidzɔ vanɛ?

19 Gbɔgbɔmeŋgɔgbedede bia agbagbadzedze. Gake ne ètsɔ dzigbɔɖi tu wò nufiafiaɖaŋuwo ɖo la, mɔnukpɔkpɔ ava su asiwò mlɔeba be nàzu ame si naa “ame geɖewo zua kesinɔtɔwo” le gbɔgbɔ me, eye ame siawo azu “dzidzɔ alo aseyetsotso ƒe fiakuku” na wò. (2 Kor. 6:10; 1 Tes. 2:19) Fred si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖe la gblɔ be: “Mele nye ɣeyiɣiwo zãm tsɔ le kpekpem ɖe amewo ŋu fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Nyateƒee wònye be dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ me vavã.”

20 Sɔhɛ mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Daphne gblɔ ku ɖe dzidzɔ kple dzidzeme si gbegbe tsitsi le gbɔgbɔ me he vae nɛ la ŋu ale: “Esi meva te Yehowa kpɔkpɔ abe Ame ŋutɔŋutɔ ene la, ƒomedodo kplikplikpli va le mía kplii dome. Ne èwɔ wò ŋutete katã ale be wò nu dze Yehowa ŋu la, dzi adzɔ wò ale gbegbe—wò dzi adze eme vavã!” Togbɔ be menye ɣesiaɣie amegbetɔwo akpɔ míaƒe gbɔgbɔmeŋgɔgbedede adze sii o hã la, Yehowa ya kpɔnɛ hedea asixɔxɔ eŋu ɣesiaɣi. (Heb. 4:13) Ðikekemanɔmee la, mi sɔhɛ Kristotɔwo, miaƒe nuwɔnawo ate ŋu ahe ŋutikɔkɔe kple kafukafu avae na mía Fofo si le dziƒo la. Miyi edzi mianɔ dzidzɔ dom na eƒe dzi esi mietso dzi vavã me na miaƒe ŋgɔgbedede le dzedzem ƒãa na amewo.—Lod. 27:11.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 7 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 13 Kpɔ “Is This Person Right for Me? [Ðe Ame Sia Sɔ Nama?]” le agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent —Réponses pratiques), Babla 2, me; “Mawu Ƒe Mɔfiafia Le Amesi Nàɖe Tiatia Me,” le Gbetakpɔxɔ, May 15, 2001 me; kple “How Wise Is a Teenage Marriage? [Ðe Nunya Le Eme Be Ƒewuiviwo Naɖe Srɔ̃a?]” le Nyɔ!, September 22, 1983 yevugbe me tɔ me.

Nu Kae Nèsrɔ̃?

• Nu kawoe gbɔgbɔmeŋgɔgbedede bia?

• Aleke nàwɔ ana wò ŋgɔgbedede nadze ƒãa . . . 

ne èle akɔ kpem kple kuxiwo?

ne èle dzadzram ɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu?

le subɔsubɔdɔa me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe kuxiwo nu

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Aleke sɔhɛ gbeƒãɖelawo ate ŋu awɔ atu nufiafiamɔnu nyuiwo ɖo?