Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ŋutsuwo, Misrɔ̃ Kristo Ƒe Lɔlɔ̃!

Srɔ̃ŋutsuwo, Misrɔ̃ Kristo Ƒe Lɔlɔ̃!

Srɔ̃ŋutsuwo, Misrɔ̃ Kristo Ƒe Lɔlɔ̃!

LE Yesu ƒe anyigba dzi nɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ me la, egblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo be: “Se yeye nam mele mi, be mialɔ̃ mia nɔewo; abe ale si melɔ̃ mi ene la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo. Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yoh. 13:34, 35) Vavãe, ele be Kristotɔ vavãwo nalɔ̃ wo nɔewo.

Togbɔ be Kristotɔwo katãe se ma yi na hã la, apostolo Paulo ɖe srɔ̃ŋutsuwo ɖe vovo hegblɔ na wo be: “Srɔ̃ŋutsuwo, miyi edzi mialɔ̃ mia srɔ̃wo, abe ale si ko Kristo la hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe eta la ene.” (Ef. 5:25) Aleke srɔ̃ŋutsu Kristotɔ ate ŋu awɔ Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo sia ŋu dɔ le eƒe srɔ̃ɖeɖe me, vevietɔ ne srɔ̃a nye Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe?

Kristo Dea Asixɔxɔ Hame La Ŋu

Biblia gblɔ be: “[Ele] be srɔ̃ŋutsuwo nanɔ wo srɔ̃wo lɔ̃m abe woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene.” Nu ka tae? “Elabena ame aɖeke melé fu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o; ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ nyuie, abe ale si Kristo la hã wɔna na hame la ene.” (Ef. 5:28, 29) Yesu lɔ̃ eƒe nusrɔ̃lawo eye wòde asixɔxɔ gã aɖe wo ŋu. Elé be na wo nyuie. Togbɔ be ame madeblibowoe nusrɔ̃lawo nye hã la, ewɔ nu ɖe wo ŋu le tufafa kple dɔmenyo me. Esi wòdi be “[yeatsɔ] hame la aɖo ye ŋutɔ ŋkume le eƒe atsyɔ̃ɖoɖo me” ta la, etsɔ eƒe susu ɖo nɔnɔme nyui siwo nɔ eƒe nusrɔ̃lawo si la ŋu.—Ef. 5:27.

Abe ale si ko Kristo ɖe lɔlɔ̃ fia hame la ene la, ele be srɔ̃ŋutsu naɖe lɔlɔ̃ afia srɔ̃a le nyagbɔgblɔ kple nuwɔna siaa me. Srɔ̃nyɔnu si srɔ̃a ɖea lɔlɔ̃ fiana edziedzi la senɛ le eɖokui me be yele vevie na ye srɔ̃ eye esia naa dzi dzɔnɛ. Gake ate ŋu adzɔ be nyɔnu si le aƒe nyui aɖe si me dzidzɔdonamenuwo katã le me la nalé blanui vevie nenye be srɔ̃a metsɔa ɖeke le eme nɛ o alo gblẽe ɖi.

Aleke srɔ̃ŋutsu ɖenɛ fiana be yedea asixɔxɔ ye srɔ̃ ŋu? Ne wole ame dome la, eɖea srɔ̃a fiaa amewo le bubumɔ nu, eye wòkafunɛ ɖe kpekpeɖeŋu si wònanɛ la ta. Ne srɔ̃nyɔnua wɔ akpa vevi aɖe le dzidzedze aɖe si ƒomea kpɔ me la, eƒoa nu tso eŋu na ame bubuwo faa. Ne woawo ɖeɖe woli hã la, enaa srɔ̃a sena le eɖokui me be yelɔ̃e. Togbɔ be asikaka ame ŋu, alɔgbɔnukoko, asikplakɔname, kple nya aɖewo gbɔgblɔ atsɔ akafu ame manye nu gã aɖeke o hã la, wowɔa dɔ ɖe nyɔnu dzi ɣeyiɣi didi aɖe.

“Ŋu Mekpee Be Wòayɔ Wo Be ‘Nɔviwo’ O”

“Ŋu mekpe” Kristo Yesu “be wòayɔ [eyomedzela amesiaminawo] be ‘nɔviwo’ o.” (Heb. 2:11, 12, 17) Ne srɔ̃ŋutsu Kristotɔe nènye la, ɖo ŋku edzi be nɔviwònyɔnu Kristotɔe srɔ̃wòa hã nye. Eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa le vevie wu eƒe srɔ̃ɖetamkaka la, eɖanye be exɔ nyɔnyrɔ hafi nèɖee loo alo nèɖee hafi wòva xɔ nyɔnyrɔ o. Le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la, ne nɔviŋutsu aɖe di be yeayɔ srɔ̃wò ne wòaɖo nya ŋu la, eyɔa srɔ̃wòa wòsɔna nyuie be: “Nɔvinyɔnu.” Wò hã nɔviwònyɔnu ye wònye, menye le Fiaɖuƒe Akpata me ko o, ke le aƒe me hã. Ele vevie ŋutɔ be nàfa tu nɛ ahawɔ nu ɖe eŋu bubutɔe le aƒe me abe ale si nàwɔ nu ɖe eŋu le Fiaɖuƒe Akpata me ene.

Ne subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ bubuwo su asiwò le hamea me la, àkpɔe ɣeaɖewoɣi be, esesẽ na ye be yeada asɔ le hamea ƒe agbanɔamedziwo kple ƒomea tɔwo tsɔtsɔ me. Ne hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo wɔa nu aduadu eye wonaa hehe ame bubuwo be woadze atsɔ agbanɔamedziwo la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ vovo ɖe nɔvinyɔnu si hiã wò wu le agbe me—si nye srɔ̃wò—la ŋu. Ðo ŋku edzi be ɖikeke aɖeke mele eme o be nɔviŋutsu geɖe ate ŋu awɔ akpa si wɔm nèle le hamea me la, gake wò ɖeka koe nye nɔviŋutsu si le srɔ̃ɖenubabla me kple srɔ̃wòa.

Gawu la, wòe nye ƒomea ƒe ta. Biblia gblɔ be: “Ŋutsu sia ŋutsu ƒe tae nye Kristo la; eye nyɔnu hã ƒe tae nye ŋutsu.” (1 Kor. 11:3) Aleke wòle be nàwɔ tanyenye sia ŋu dɔe? Ele be nàwɔe le lɔlɔ̃ me, ke menye be nànɔ mawunyakpukpui sia me nyawo yɔm na srɔ̃wòa edziedzi ahanɔ gbe tem ɖe edzi nɛ be ele be wòabu ye o. Mɔ vevitɔ si dzi nàto awɔ tanyenye ŋu dɔ nyuie ye nye be nàsrɔ̃ Yesu Kristo le ale si nèwɔa nu ɖe srɔ̃wòa ŋu me.—1 Pet. 2:21.

“Xɔ̃nyewoe Mienye”

Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo be ye xɔlɔ̃wo. Egblɔ na wo be: “Nyemegayɔa mi be kluviwo o, elabena kluvi menyaa nu si eƒe aƒetɔ wɔna o. Gake meyɔa mi be xɔ̃nyewo, elabena nu siwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.” (Yoh. 15:14, 15) Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖoa dze faa. Wowɔa nuwo hã ɖekae. “Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo” na srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖo aɖe le Kana. (Yoh. 2:2) Teƒewo nɔ wo si siwo wolɔ̃a yiyi, abe Getsemane bɔa me ene. Biblia gblɔ be: “Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ƒoa ƒu ɖe afi ma zi geɖe.”—Yoh. 18:2.

Ele be srɔ̃ŋutsu nana srɔ̃a nase le eɖokui me be yee nye ye srɔ̃ ƒe zɔhɛ vevitɔ. Aleke gbegbe wòle vevie ye nye esi be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nase vivi le nuwɔwɔ ɖekae me! Misubɔ Mawu ɖekae. Mikpɔ dzidzɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ɖekae ŋu. Midi ɣeyiɣi mianɔ nu wɔm ɖekae—tsaɖiɖi, dzeɖoɖo, kple nuɖuɖu ɖekae. Miganye atsu kple asi ko o, ke boŋ minye xɔlɔ̃ veviwo hã.

“Elɔ̃ Wo Va Se Ðe Nuwuwu”

Yesu ‘lɔ̃ eƒe nusrɔ̃lawo va se ɖe nuwuwu.’ (Yoh. 13:1) Srɔ̃ŋutsu aɖewo doa kpo Kristo sɔsrɔ̃ le go sia me. Wotea ŋu gblẽa woƒe “ɖekakpuimesrɔ̃” ɖi gɔ̃ hã hedzea ɖetugbui siwo metsi de wo srɔ̃wo nu o la yome.—Mal. 2:14, 15.

Gake ame bubuwo ya srɔ̃a Kristo ƒe nɔnɔme le go sia me, wo dometɔ ɖekae nye Willi. Le Willi srɔ̃ ƒe lãmegbegblẽ ta la, ele be wòanɔ egbɔ ɣesiaɣi, eye esia yi edzi ƒe geɖe. Aleke Willi se le eɖokui me ku ɖe nɔnɔme sia ŋu? Egblɔ be: “Mebua srɔ̃nye be enye nunana tso Mawu gbɔ nam, eye medea asixɔxɔ ma eŋu. Gakpe ɖe eŋu la, ƒe 60 ye nye esi va yi la, medo ŋugbe nɛ be malé be nɛ le nɔnɔme deamedziwo kple nɔnɔme madeamedziwo siaa me. Nyemaŋlɔ ŋugbedodo ma be gbeɖe o.”

Srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo, misrɔ̃ Kristo ƒe lɔlɔ̃. Mide asixɔxɔ mia srɔ̃ mawuvɔ̃lawo ŋu, elabena mia nɔvinyɔnuwo kple xɔlɔ̃woe wonye.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Srɔ̃wòe nye wò zɔhɛ vevitɔa?

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

‘Yi edzi nàlɔ̃ srɔ̃wò’