Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzo Nenɔ Mewò Ðe Yehowa Ƒe Aƒea Ŋu!

Dzo Nenɔ Mewò Ðe Yehowa Ƒe Aƒea Ŋu!

Dzo Nenɔ Mewò Ðe Yehowa Ƒe Aƒea Ŋu!

“Dzonɔameme ɖe wò aƒea ŋu amim.”—YOH. 2:17.

1, 2. Nu kae Yesu wɔ le gbedoxɔa me le ƒe 30 M.Ŋ. me, eye nu ka tae?

KPƆ nudzɔdzɔ sia le susu me ɖa. Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi le ƒe 30 M.Ŋ. mee. Ɣleti ade do ŋgɔ la, Yesu dze eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa gɔme. Fifia Yesu yi Yerusalem. Ege ɖe gbedoxɔa me, eye “wòkpɔ ame siwo nɔ nyiwo kple alẽwo kpakple ahɔnɛwo dzram le gbedoxɔa me kpakple gaɖɔlila siwo nɔ anyi ɖe woƒe zikpuiwo dzi” le Dukɔwo Me Tɔwo Ƒe Xɔxɔnu la. Etsɔ atam si wòtsɔ ka gbi la nya lãwo katã do goe, eye anɔ eme godoo be asitsalaawo hã kplɔ wo ɖo do go. Yesu trɔ gaɖɔlilawo ƒe gakuwo hã kɔ ɖe anyi, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo. Egblɔ na ame siwo nɔ ahɔnɛwo dzram la be woatsɔ woƒe nuwo ado goe.—Yoh. 2:13-16.

2 Yesu ƒe nuwɔnawo ɖee fia tẽe be etsɔ ɖe le Mawu ƒe gbedoxɔa me. Egblɔ be: “Midzudzɔ Fofonye ƒe aƒe la tsɔtsɔ wɔ asitsaƒee!” Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpɔ nudzɔdzɔ sia teƒe la, woɖo ŋku nya siwo hakpala David ŋlɔ ƒe alafa aɖewo do ŋgɔ be “ŋuʋaʋã [alo dzonɔameme] ɖe wò aƒe ŋu mim” la dzi.—Yoh. 2:16, 17; Ps. 69:10.

3. (a) Nu kae dzonɔameme fia? (b) Nya kae míate ŋu abia mía ɖokuiwo?

3 Yesu ƒe dzitsitsi ɖe Mawu ƒe aƒea ŋu kple dzonɔameme ɖe eŋu ye ʋãe wòwɔ nu nenema. Dzonɔameme fia be “woatsɔ didi vevie kple ɖetsɔleme si nu sẽ ati nane yome.” Le míaƒe ƒe alafa 21 lia sia me la, Kristotɔ miliɔn adre kple edzivɔwo ɖe dzitsitsi ɖe Mawu ƒe aƒea ŋu fia. Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu abia eɖokui be, ‘Aleke mawɔ ana dzo si le menye ɖe Yehowa ƒe aƒea ŋu la nu nagasẽ ɖe edzi?’ Be míaɖo nya sia ŋu la, mina míadzro nu si Mawu ƒe aƒea nye egbea la me gbã. Emegbe míadzro ŋutsu nuteƒewɔla aɖewo siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me siwo ɖe dzonɔameme ɖe Mawu ƒe aƒea ŋu fia la ƒe kpɔɖeŋuwo me. Woŋlɔ woƒe kpɔɖeŋuwo ɖi “le míaƒe nufiafia ta,” eye esiawo ate ŋu ana be dzo geɖe wu nanɔ mía me gɔ̃ hã.—Rom. 15:4.

Nu Si Mawu Ƒe Aƒea Nye Le Blema Kple Egbea

4. Nu kae wowɔna le gbedoxɔ si Salomo tu la me?

4 Le blema Israel la, Mawu ƒe aƒea ye nye gbedoxɔ si nɔ Yerusalem. Enye nyateƒe be Yehowa menɔ afi ma ŋutɔŋutɔ o ya. Egblɔ be: “Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevie miebe, yewoatu nam, eye teƒe ka anye nye gbɔɖemeƒe?” (Yes. 66:1) Ke hã, gbedoxɔ si wotu le Salomo ƒe dziɖuɣi la nye teƒe vevitɔ si wodea ta agu na Yehowa le, afi si wodoa gbe ɖa le.—1 Fia. 8:27-30.

5. Ðoɖo kae li egbea si tadedeagu si yi edzi le Salomo ƒe gbedoxɔa me la nye vɔvɔli na?

5 Egbea la, Yehowa ƒe aƒe meganye xɔ ŋutɔŋutɔ aɖe si wotu ɖe Yerusalem alo teƒe bubu aɖeke o. Ke boŋ enye ɖoɖo aɖe si wòwɔ be míate ɖe ye ŋu le tadedeagu me to Kristo ƒe tafevɔsaa dzi. Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo katã le anyigba dzi wɔa ɖeka dea ta agu na Yehowa le gbɔgbɔmegbedoxɔ sia me.—Yes. 60:4, 8, 13; Dɔw. 17:24; Heb. 8:5; 9:24.

6. Yuda fia kawoe ɖe dzonɔameme ɖedzesi ɖe tadedeagu vavã la ŋu fia?

6 Esi Israel fiaɖuƒea me ma le ƒe 997 D.M.Ŋ. me megbe la, fia 19 siwo ɖu Yuda, si nye anyiehefiaɖuƒea, dzi la, dometɔ 4 ɖe dzonɔameme ɖedzesi ɖe tadedeagu vavã ŋu fia. Woawoe nye Asa, Yosafat, Xizkiya, kple Yosiya. Nu vevi kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso woƒe kpɔɖeŋuwo me?

Subɔsubɔ Kple Luʋɔ Blibo Hea Yayrawo Vanɛ

7, 8. (a) Subɔsubɔ ka ƒomevi dzie Yehowa yrana ɖo? (b) Nuxlɔ̃ame kae le Fia Asa ƒe kpɔɖeŋua me na mí?

7 Le Fia Asa ƒe dziɖuɣi la, Yehowa dɔ nyagblɔɖilawo ɖa be woafia mɔ Mawu ƒe dukɔ la be woawɔ nuteƒe. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ na mí be Asa ɖo to nyagblɔɖila Azariya, Obed vi la. (Mixlẽ 2 Kronika 15:1-8.) Tɔtrɔ siwo Asa wɔ la na Yuda dukɔa kple Israel fiaɖuƒea me nɔla geɖe siwo va hena takpekpe gã aɖe wɔwɔ le Yerusalem la siaa wɔ ɖeka. Wo katã wogblɔ kple nu ɖeka be yewoɖo tame kplikpaa be yewoade ta agu na Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe. Míexlẽ be: “Wodo ɣli sesĩe, eye wotso aseye, eye woku kpẽwo kple lãdzowo heka atam na Yehowa. Yuda blibo la kpɔ dzidzɔ le atamkaka la ŋu, elabena wokae tso dzi blibo me. Wodii kple woƒe lɔlɔ̃nu blibo, eye wòna wokpɔe, eye Yehowa na gbɔdzɔe wo godoo va kpe.” (2 Kron. 15:9-15) Yehowa ayra míawo hã nenema ke ne míetsɔa dzi blibo subɔnɛ.—Mar. 12:30.

8 Nublanuitɔe la, Asa do dziku esi nukpɔla Xanani ɖo aɖaŋu nɛ le ɣeyiɣi aɖe megbe. (2 Kron. 16:7-10) Aleke míewɔa nu ne Yehowa to hamemetsitsi Kristotɔwo dzi ɖo aɖaŋu na mí alo na mɔfiame aɖe mí? Ðe míewɔna ɖe aɖaŋu si wonɔa te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi ɖona na mí la dzi kaba, eye míeɖea mɔ dzikudodo ƒe mɔ ɖea mí oa?

9. Ŋɔdzidoname kae Yosafat kple Yuda dukɔa dze ŋgɔe, eye aleke wowɔ nui?

9 Yosafat ɖu fia ɖe Yuda dzi le ƒe alafa ewolia D.M.Ŋ. me. Amon viwo kple Moab viwo kpakple ame siwo nɔ Seir towo dzi do ŋɔdzi na fia la kple Yuda dukɔ bliboa. Togbɔ be vɔvɔ̃ ɖo fia la hã la, nu kae wòwɔ? Woa kple eƒe amewo, kpakple wo srɔ̃wo kple wo viwo va kpe ta le Yehowa ƒe aƒe la me hena gbedodoɖa. (Mixlẽ 2 Kronika 20:3-6.) Le ɖekawɔwɔ me kple nya siwo Salomo gblɔ ɣeyiɣi aɖe do ŋgɔ le gbedoxɔa ŋu kɔɣi la, Yosafat do gbe ʋãme sia ɖa na Yehowa be: “Mía Mawu, màdrɔ̃ ʋɔnu wo oa? Elabena ŋusẽ aɖeke mele mía ŋu ɖe ameha gbogbo sia, si ho ɖe mía ŋu la ŋuti o. Míenya [nu ka] wɔ ge míala o, negbe ŋuwò ko míaƒe ŋku le.” (2 Kron. 20:12, 13) Esi Yosafat do gbea ɖa vɔ la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Yexaziel, si nye Lewitɔ aɖe, “le takpekpe la me” wògblɔ akɔfanamenyawo tsɔ de dzi ƒo na dukɔ la.—Mixlẽ 2 Kronika 20:14-17.

10. (a) Aleke Yosafat kple Yuda xɔ mɔfiame? (b) Aleke míate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe mɔfiame siwo Yehowa naa mí egbea la ŋu?

10 Ɛ̃, ɣemaɣi la, Yehowa to Yexaziel dzi na mɔfiame Yosafat kple Yuda fiaɖuƒea me tɔwo. Egbea la, míexɔa akɔfanamenyawo kple mɔfiamewo to kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe ha la dzi. Kakaɖedzitɔe la, míadi ɣesiaɣi be míawɔ nu aduadu kple hamemetsitsi siwo woɖo, ame siwo wɔa dɔ vevie le alẽkpɔkplɔdɔa me hekpɔa egbɔ be wowɔ ɖe mɔfiame siwo tso “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” gbɔ dzi la ahade bubu wo ŋu.—Mat. 24:45; 1 Tes. 5:12, 13.

11, 12. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Yosafat kple Yuda ƒe kpɔɖeŋua me?

11 Abe ale si ko Yosafat kple eƒe amewo kpe ta ɖekae hedi Yehowa ƒe mɔfiame ene la, mina míanɔ ƒu ƒom kple mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ɖekae le hame ƒe kpekpewo me edziedzi. Ne míeɖo nɔnɔme sesẽ aɖe me ɣeaɖewoɣi, eye míenya nu si míawɔ o la, mina míadze kpɔɖeŋu nyui si Yosafat kple Yuda dukɔa ɖo ɖi la yome, eye míatsɔ kakaɖedzi blibo ado gbe ɖa na Yehowa. (Lod. 3:5, 6; Fp. 4:6, 7) Nenye be míesa ɖe aga hã la, kokoƒoƒo na Yehowa tea mía kple mía “nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo si le xexea me la” ƒoa ƒu ɖekae.—1 Pet. 5:9.

12 Yosafat kple eƒe amewo wɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame si Yexaziel na wo la dzi. Nu kae do tso eme? Woɖu dzi le aʋa si wowɔ la me, wotrɔ gbɔ va Yerusalem “kple dzidzɔ,” eye ‘wotsɔ saŋkuwo, kasaŋkuwo kple kpẽwo yi Yehowa ƒe aƒe la me.’ (2 Kron. 20:27, 28) Nenema kee míawo hã míedea bubu mɔfiame siwo Yehowa toa eƒe habɔbɔa dzi naa mí la ŋu, eye míewɔa ɖeka le ekafukafu me.

Mina Míalé Be Na Míaƒe Ƒuƒoƒewo Nyuie

13. Dɔ ka gɔmee Xizkiya dze le eƒe dziɖuɖu ƒe gɔmedzedze?

13 Le Xizkiya ƒe dziɖuɖu ƒe ɣleti gbãtɔ me la, eɖe dzo si nɔ eme ɖe Yehowa ƒe tadedeagu ŋu la fia to ale si wòna wogbugbɔ ʋu gbedoxɔa heɖɔe ɖo la me. Ewɔ ɖoɖo nunɔlawo kple Lewitɔwo kɔ Mawu ƒe aƒea ŋu. Wotsɔ ŋkeke 16 wɔ esiae. (Mixlẽ 2 Kronika 29:16-18.) Woƒe agbagbadzedze ma ɖoa ŋku beléle na míaƒe ƒuƒoƒewo kple wo ɖɔɖɔɖo ƒe dɔ siwo míewɔna siwo naa teƒe siawo nɔa nɔnɔme nyui me eye wòɖea míaƒe dzonɔameme ɖe Yehowa ƒe tadedeagu ŋu fiana la dzi na mí. Anɔ eme godoo be èse ale si dzonɔameme si mía nɔviwo ɖena fiana le dɔ mawo wɔwɔ me wɔa dɔ ɖe amewo dzii la ŋuti nuteƒekpɔkpɔ aɖewo kpɔ. Vavãe, woƒe agbagbadzedzewo hea kafukafu geɖe vanɛ na Yehowa.

14, 15. Dɔ ka wɔmee wole egbea si le kafukafu geɖe hem vae na Yehowa? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

14 Le du aɖe si le England ƒe dziehe me la, ŋutsu aɖe si ƒe aƒe do liƒo kple Fiaɖuƒe Akpata aɖe la, tsi tsitre ɖe ɖɔɖɔɖodɔ si nɔviwo ɖo be yewoawɔ le akpataa ŋu la ŋu. Gake nɔvi siwo nɔ afi ma la wɔ nu ɖe eŋu dɔmenyotɔe. Esi nɔviawo de dzesii be gli si tso ŋutsua ƒe aƒea kple Fiaɖuƒe Akpata dome hiã ɖɔɖɔɖo la, wodoe ɖa be yewoaɖɔ glia ɖo femaxee. Wowɔ dɔ sesĩe, eye le nyateƒe me la, wogbugbɔ tso glia ƒe akpa gãtɔ. Wokpɔ nɔnɔmea gbɔ nyuie ale gbegbe be ŋutsua ƒe nɔnɔme trɔ. Fifia eƒe ŋku nɔa Fiaɖuƒe Akpata la ŋu.

15 Yehowa ƒe amewo le gome kpɔm le xexea me katã ƒe xɔtudɔ aɖe me. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo tso hameawo me kpea asi ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe xɔtudɔwɔlawo ŋu wotua Fiaɖuƒe Akpatawo, Takpexɔwo, kple Betel ƒewo siaa. Sam nye mɔɖaŋudɔwɔla si wɔa dɔ tso mɔ siwo naa xɔ me xɔa dzo, esiwo naa ya ƒona le xɔ me nyuie, kple xɔmefamɔwo ŋu. Woa kple srɔ̃a Ruth zɔ mɔ yi dukɔ geɖewo me le Europa kple Afrika ɖakpe asi ɖe xɔtudɔwo ŋu. Afi sia afi si woɖo la, wowɔa ɖeka kple hame si le afi ma la le gbeƒãɖeɖedɔa me. Sam gblɔ nu si ʋãe wòƒo eɖokui ɖe dukɔwo dome xɔtudɔwo me ale: “Nɔvi siwo wɔ dɔ le Betel ƒewo me le afi sia kple duta la ƒe dzideƒonamenyawoe ʋãm. Woƒe dzonɔameme kple dzidzɔ teƒe kpɔkpɔ ɖeɖe dzaa ʋãm vevie medi be makpɔ gome le dɔ sia wɔwɔ me.”

Wɔ Ðe Mawu Ƒe Mɔfiamewo Dzi

16, 17. Dɔ tɔxɛ ka mee Mawu ƒe amewo kpɔ gome le dzonɔamemetɔe, eye nu kae do tso eme?

16 Tsɔ kpe ɖe gbedoxɔa gbugbɔ ɖɔ ɖo ŋu la, Xizkiya gbugbɔ ɖo Ŋutitotoŋkekenyui si Yehowa de se be woanɔ ɖuɖum ƒe sia ƒe la anyi. (Mixlẽ 2 Kronika 30:1, 4, 5.) Xizkiya kple Yerusalemtɔwo kpe dukɔ bliboa—dziehefiaɖuƒea me tɔwo gɔ̃ hã—na azã ma ɖuɖu. Duxɔlawo alo duƒulawo tsɔ amekpegbalẽwo yi na amewo le dukɔ bliboa me.—2 Kron. 30:6-9.

17 Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, míekpɔ gome le dɔ ma tɔgbi wɔwɔ me. Míezã amekpegbalẽvi siwo me nyawo wɔa dɔ ɖe ame dzi tsɔ kpe ame siwo le míaƒe anyigbamamawo me be woawɔ ɖeka kpli mí míaɖo ŋku Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua dzi abe ale si Yesu de eƒe se na mí ene. (Luka 22:19, 20) Míexɔ ale si míawɔ dɔ siae la ŋuti mɔfiamewo le míaƒe Subɔsubɔ Kpekpewo me, eye míekpɔ gome le eme dzonɔamemetɔe. Eye aleke gbegbe Yehowa yra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzie nye esi! Le kpɔɖeŋu me, le ƒe si va yi me la, mí ame miliɔn adre aɖewoe ma amekpegbalẽvi siawo, eye ame siwo ƒe xexlẽme de 17,790,631 sɔŋ ye de Ŋkuɖodzia!

18. Nu ka tae dzonɔameme ɖe tadedeagu vavã la ŋu le vevie na wò ɖo?

18 Wogblɔ tso Xizkiya ŋu be: “Eɖo ŋu ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu, eye etɔgbe aɖeke menɔ Yuda-fia, siwo katã dze eyome alo do ŋgɔ nɛ la dome o. Eku ɖe Yehowa ŋu, eye mete ɖa le eŋu o, eye wòlé Yehowa ƒe se, siwo wòde na Mose la me ɖe asi.” (2 Fia. 18:5, 6) Neva eme nenema ke le míawo hã gome. Dzo si le mía me ɖe Mawu ƒe aƒea ŋu akpe ɖe mía ŋu ‘míayi edzi aku ɖe Yehowa ŋu’ hena agbe mavɔ kpɔkpɔ.—5 Mose 30:16.

Wɔ Ðe Mɔfiamewo Dzi Kaba

19. Agbagba kae míedzena dzonɔamemetɔe le Ŋkuɖodzia wɔɣi?

19 Esime Yosiya nɔ fia ɖum la, eya hã wɔ ɖoɖo ɖe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu ŋu, eye wòna dukɔ bliboa wɔ dzadzraɖo ɖe eŋu. (2 Fia. 23:21-23; 2 Kron. 35:1-19) Míawo hã míekpɔa egbɔ be míedzra ɖo nyuie ɖe takpekpe gãwo, nutome sue takpekpewo, kple ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛwo, kpakple Ŋkuɖodzia siaa ŋu nyuie. Le du aɖewo me la, nɔviwo dea woƒe agbe afɔku me gɔ̃ hã hekpea ta hena ŋkuɖoɖo Kristo ƒe kua dzi. Hamemetsitsi dovevienuwo kpɔa egbɔ be womegblẽ hamea me tɔ aɖeke ɖi o. Wokpena ɖe ame tsitsiwo kple ame siwo ƒe lãme gblẽ ŋu wodea wɔna sia wɔƒe.

20. (a) Nu kae dzɔ le Fia Yosiya ƒe dziɖuɣi, eye aleke wòwɔ nui? (b) Nusɔsrɔ̃ vevi kae le esia me na mí?

20 Le gbugbɔgaɖoanyi ƒe dɔ si wowɔ le Fia Yosiya ƒe dziɖuɣi me la, Nunɔlagã Xilkiya “fɔ Yehowa ƒe se, si wòna to Mose dzi la ƒe agbalẽ la.” Etsɔe de asi na fia ƒe agbalẽŋlɔla Safan, eye agbalẽŋlɔlaa te emenyawo xexlẽ na Yosiya. (Mixlẽ 2 Kronika 34:14-18.) Nu kae do tso eme? Fia la dze eƒe awuwo enumake le nuxaxa ta, eye wòbia tso ŋutsuawo si be woayi aɖabia gbe Yehowa. Mawu to nyɔnunyagblɔɖila Xulda dzi bu fɔ dukɔa ɖe subɔsubɔkɔnu aɖewo siwo wonɔa wɔwɔm le Yuda la ta. Ke hã, Yehowa de dzesi agbagba siwo Yosiya dze be yeaɖe trɔ̃subɔsubɔnuwɔnawo ɖa la, eye wòyi edzi kpɔ ŋudzedze ɖe Yosiya ŋu, togbɔ be wogblɔe ɖi be dzɔgbevɔ̃e ava dukɔa dzi hã. (2 Kron. 34:19-28) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me? Kakaɖedzitɔe la, didi si nɔ Yosiya me la kee le míawo hã me. Míedi be míawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi kaba, eye míabu tame vevie tso nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu siwo ɖe nu si ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi ne míeɖe mɔ xɔsegbegbe kple nuteƒemawɔmawɔ kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tadedeagu vavã dzi fia la ŋu. Eye míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe dzonɔameme ɖe tadedeagu vavã ŋu la ŋu abe ale si ko wònɔ le Yosiya gome ene.

21, 22. (a) Nu ka tae wòle be míaɖe dzonɔameme afia ɖe Yehowa ƒe aƒea ŋu? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

21 Yuda fia ene mawo—Asa, Yosafat, Xizkiya, kple Yosiya—ɖo kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi na mí le dzonɔameme ɖe Mawu ƒe aƒea kple eƒe tadedeagu ŋu gome. Ele be míaƒe dzonɔameme ɖe Yehowa ƒe aƒea ŋu naʋã mí nenema ke be míaɖo ŋu ɖe eŋu, eye míaku kutri le eƒe tadedeagua me. Kakaɖedzitɔe la, wɔwɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe beléname kpakple ɖɔɖɔɖo siwo me lɔlɔ̃ le siwo míexɔna to hamea kple hamemetsitsiwo dzi ŋu la nye nu si me nunya le kple nu si hea dzidzɔ vanɛ.

22 Nyati si kplɔe ɖo ahe míaƒe susu ayi dzonɔameme ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu dzi, eye wòade dzi ƒo na sɔhɛwo be woasubɔ mía Fofo si le dziƒo la dzonɔamemetɔe. Míadzro ale si míawɔ aƒo asa na Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo vɔ̃ɖi wu la dometɔ ɖeka aɖe me. Ne míewɔ ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinya mawo katã dzi dzonɔamemetɔe la, ekema míele Yehowa ŋutɔ ƒe Vi, Yesu, ame si ŋu wogblɔ le be “ŋuʋaʋã [alo dzonɔameme] ɖe wò aƒe ŋu mim” la ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m.—Ps. 69:10; 119:111, 129; 1 Pet. 2:21.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Subɔsubɔ ka ƒomevi dzie Yehowa yrana ɖo, eye nu ka tae?

• Aleke míate ŋu aɖee afia be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu?

• Aleke dzonɔameme ate ŋu aʋã mí míawɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Aleke Asa, Yosafat, Xizkiya, kple Yosiya ɖe dzonɔameme ɖe Yehowa ƒe aƒea ŋu fiae?