Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒe Blaasiekee Nye Esi Va Yi Mete ‘Ŋkuɖoɖo Wɔnyela Gã La Dzi’

Ƒe Blaasiekee Nye Esi Va Yi Mete ‘Ŋkuɖoɖo Wɔnyela Gã La Dzi’

Ƒe Blaasiekee Nye Esi Va Yi Mete ‘Ŋkuɖoɖo Wɔnyela Gã La Dzi’

ABE ALE SI EDWIN RIDGWELL GBLƆE ENE

LE Dukɔwo Dome Ŋutifafawɔgbe le November 11, 1918 dzi la, ɖevi siwo nɔ míaƒe suku la va kpe ta kpata be yewoaɖu Aʋa Gã, si wova yɔ emegbe be Xexemeʋa I la, ƒe nuwuwu ƒe azã. Ƒe atɔ̃ pɛ koe mexɔ ɣemaɣi, eye nyemese wɔna la gɔme bliboe o. Ke hã, nu si dzinyelawo fiam tso Mawu ŋu la na nyemedi be makpɔ gome le wɔnaa me o. Medo gbe ɖa na Mawu, gake nyemete ŋu ɖu nye seselelãmewo dzi o, eye mete avifafa. Ke hã, nyemekpɔ gome le azãa me o. Esiae nye ɣeyiɣi si me mete ‘ŋkuɖoɖo Wɔnyela Gã la dzi.’—Nyagb. 12:1.

Ɣleti aɖewo do ŋgɔ na nudzɔdzɔ sia la, míaƒe ƒomea ʋu yi ɖatsi teƒe aɖe si te ɖe Glasgow ŋu, le Scotland. Ɣemaɣi lɔƒo la, Papa yi ɖase dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye, “Ame Miliɔn Geɖe Siwo Le Agbe Fifia Maku Akpɔ O.” Nuƒo sia na nuwo trɔ kura le eƒe agbe me. Papa kple Dada te Biblia sɔsrɔ̃, eye woƒoa nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple yayra siwo ava le etsɔme la ŋu zi geɖe. Meda akpe na Mawu be tso ɣemaɣi ke la, dzinyelawo ƒã lɔlɔ̃ na Mawu ɖe menye hekpe ɖe ŋunye be maɖo ŋu ɖe eŋu.—Lod. 22:6.

Medze Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa Gɔme

Esi mexɔ ƒe 15 la, medze ade suku kɔkɔ hafi, gake medi vevie be manye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla boŋ. Papa bui be nyemetsi o, eya ta mewɔ dɔ le ɔfis aɖe hena ɣeyiɣi aɖe. Gake didi si nɔ menye be masubɔ Yehowa ɣeyiɣiawo katã la nu sẽ ale gbegbe be, gbe ɖeka la, meŋlɔ lɛta na J. F. Rutherford, si nɔ xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi kpɔm ɣemaɣi. Mebia eƒe nukpɔsusu ku ɖe nye didia ŋu. Nɔviŋutsu Rutherford ŋlɔ nya siawo tsɔ ɖo eŋu nam be: “Ne ètsi ate ŋu awɔ adɔ la, ekema ètsi awɔ Aƒetɔ la ƒe dɔa hã. . . . Meka ɖe edzi be Aƒetɔ la ayra wò ne èku kutri subɔe nuteƒewɔwɔtɔe.” Lɛta sia si woŋlɔ le March 10, 1928 dzi la, ʋã míaƒe ƒomea ale gbegbe. Eteƒe medidi o, nye ŋutɔ, Papa, Dada, kpakple nɔvinyenyɔnu tsitsitɔ míezu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo.

Le takpekpe aɖe si wowɔ le London le ƒe 1931 me me la, Nɔviŋutsu Rutherford kpe ame siwo lɔ̃ faa be yewoaɖe gbeƒã nya nyuia le dukɔ bubuwo me la be woatsɔ wo ɖokuiwo ana. Metsɔ ɖokuinye na, eye woɖo mía kple Andrew Jack ɖe Kaunas, si nye Lithuania ƒe fiadu ɣemaɣi. Mexɔ ƒe 18 ɣemaɣi.

Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedeasia Le Duta

Ɣemaɣi la, Lithuania nye agblededukɔ dahe aɖe, eye gbeƒãɖeɖe le kɔƒenutowo me menɔ bɔbɔe o. Mlɔƒe kpɔkpɔ hã menɔ bɔbɔe o, eye míaŋlɔ teƒe aɖewo siwo míenɔ kpɔ la be gbeɖe o. Le kpɔɖeŋu me, le zã aɖe me la, mía kple Andrew míenyɔ, elabena míetsi mavo. Esi míesi gomekaɖi la, míekpɔe be tredzɔ (alo lãkpakpa) gbogbo aɖewo xɔ míaƒe aba dzi. Woɖu mí tso tagbɔ va se ɖe afɔgɔme! Ŋdi sia ŋdi la, enɔna nam be mayi aɖatsi tsitre ɖe tɔsisi aɖe si te ɖe mía ŋu si me tsiwo fa miamiamia la me bene nye vevesesea nu nafa nam, tsia va ɖoa keke nye kɔ gbɔ ke, eye menɔ esia wɔwɔ dzi kwasiɖa ɖeka sɔŋ. Togbɔ be enɔ alea hã la, míeɖoe kplikpaa be míayi subɔsubɔdɔa dzi. Emegbe kpuie la, míekpɔ ta na mlɔƒe ƒe kuxia esi míedo go ɖekakpui aɖe kple srɔ̃a, siwo xɔ Biblia me nyateƒea. Woxɔ mí ɖe woƒe aƒe me. Togbɔ be aƒe sia nɔ sue hã la, eme dza. Míemlɔa anyi ɖe anyigba ƒuƒlu la dzidzɔtɔe, eye aleke gbegbe míaƒe dzi dze emee nye esi!

Ɣemaɣi la, Roma Katoliko kple Russia Orthodɔks sɔlemehakplɔlawoe kpɔ ŋusẽ ɖe Lithuania dzi. Kesinɔtɔwo koe tea ŋu ƒlea Biblia. Míaƒe taɖodzinu vevitɔe nye be míakpe anyigbamama geɖe ɖo ale si nu míate ŋui, eye míana Biblia srɔ̃gbalẽ geɖe ale si nu míate ŋui ɖetsɔlemetɔwo. Nu si míewɔna gbãe nye be míedia mlɔƒe le du si me míawɔ dɔa le la me. Emegbe míetsɔa ŋuɖɔɖɔɖo kpea dua ƒe teƒe saɖeagawo ɖo, eye le ema megbe la, míetsɔa afɔ tsɔtsɔe wɔa dɔ le dua ŋutɔ me. Le mɔ ma nu la, zi geɖe la, míetea ŋu wua míaƒe dɔa nu hafi nunɔla siwo nɔ duawo me la nahayi zi de ge amewo me ɖe mía ŋu.

Nudzɔdzɔ Aɖewo De Zi Amewo Me Eye Gbedeasia Kaka

Le ƒe 1934 me la, wokpe Andrew be wòava wɔ dɔ le alɔdzedɔwɔƒea le Kaunas, eye John Sempey va zu nye zɔhɛ. Míekpɔ nudzɔdzɔ aɖewo teƒe siwo míaŋlɔ be gbeɖe o. Gbe ɖeka la, meyi ɖe senyala aɖe gbɔ le eƒe ɔfis le du sue aɖe me. Ŋutsua do dziku, eɖe tu le eƒe kplɔ̃ŋuɖaka me heɖe gbe nam be madzo. Medo gbe ɖa le tame, eye meɖo ŋku Biblia me aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu.” (Lod. 15:1) Eya ta megblɔ be: “Meva afi sia abe xɔlɔ̃ ene be magblɔ nya nyui aɖe na wò, eye meda akpe na wò be nèzi ɖokuiwò dzi [mèda tum o.]” Ŋutsua ɖe asi ɖa le tua ƒe alɔvi si dzi wozina hafi wòdana la dzi, eye mewɔ ɖɔɖɔɖɔ zɔ megbemegbee do go le eƒe ɔfis la.

Esi metrɔ yi John gbɔ la, egblɔ nam be ye hã yeto nɔnɔme sesẽ aɖewo me. Wolée yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe, elabena wotso enu alakpatɔe be efi nyɔnu aɖe si wòdo goe la ƒe gagbalẽ aɖe si ƒe home lolo ŋutɔ. Le kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea la, woɖe awu le John ŋu heka eŋu. Gake womekpɔ gagbalẽa le eŋu o. Wova lé ame si ŋutɔŋutɔ fi gaa la emegbe.

Nudzɔdzɔ evea siaa de zi amewo me le du ma si me zia ɖoɖoe hafi la me, eye esia wɔe be míaƒe gbedeasia kaka!

Dɔwɔwɔ Le Adzame

Dɔ aɖe si me afɔku nɔ si míewɔna ye nye Biblia srɔ̃gbalẽwo lɔlɔ yi Latvia, du aɖe si te ɖe mía ŋu, afi si woxe mɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa nu le. Zi ɖeka le ɣleti ɖe sia ɖe me la, míeɖoa zãketeke yia Latvia. Ɣeaɖewoɣi la, ne míetsɔ agbalẽwo yi Latvia vɔ la, míetoa edzi yia Estonia ɖalɔa agbalẽ bubuwo, eye ne míetrɔ gbɔna la, míegblẽa wo ɖe Latvia.

Gbe ɖeka la, wofi tofi na dedzidɔwɔla aɖe be míelɔ agbalẽwo va yina, ebia tso mía si be míaɖi le ketekea me, eye míatsɔ agbalẽ siwo le agba me na mí ava fia yeƒe amegã. Mía kple John míedo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu. Nukutɔe la, dedzidɔwɔlaa megblɔ nu si le míaƒe agba me la na eƒe amegã la o, ɖeko wògblɔ nɛ be, “Nane le ame siawo si wodi be yewoaʋu goe.” Eye nu si ‘meʋu goe’ nɛ enye be agbalẽ aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe sukuviwo kple kɔledziviwo ŋu woase nu siwo le edzi yim le xexe sia si tɔ zi ŋutɔ me la gɔme lae le agba me na mí. Amegã la ɖe mɔ na mí be míadzo, eye míetsɔ agbalẽawo yi afi si míeɖo tae la dedie.

Esi dunyahenyawo va nɔ fievo dom ɖe edzi le Baltik Dukɔwo me la, ame geɖe wu va nɔ tsitre tsim ɖe Ðasefowo ŋu, eye woxe mɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu le Lithuania hã. Wonya Andrew kple John le dukɔa me, eye esi dzesiwo ɖee fia be Xexemeʋa II tu aƒe ta la, woɖo aɖaŋu na Britaintɔ siwo katã nɔ dukɔa me be woadzo. Eya ta nye hã medzo, gake ete ɖe dzinye ŋutɔ.

Mɔnukpɔkpɔ Kple Yayra Siwo Su Asinye Le Northern Ireland

Ɣemaɣi la, dzinyelawo ʋu yi ɖatsi Northern Ireland, eye le ƒe 1937 me la, nye hã meʋu yi ɖatsi wo gbɔ. Aʋawɔɣi ƒe zitɔtɔa wɔe be woxe mɔ ɖe míaƒe agbalẽwo nu le Northern Ireland hã, gake míeyi edzi nɔ agbalẽwo nam le aʋawɔɣia katã. Esi Xexemeʋa II ke la, míegate ŋu yi míaƒe dɔa dzi setɔwo ƒe mɔxeɖenu manɔmee. Harold King, mɔɖela kpɔnuteƒe aɖe si yi ɖawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ emegbe le China la, xɔ ŋgɔ le dutoƒonuƒo ƒoƒo le dogba dzi ƒe ɖoɖowo me. Egblɔ nam be: “Memleɖa sia la, maƒo dogba dzi dutoƒonuƒo gbãtɔ.” Eye wòkpɔ ŋkunyeme hegblɔ be, “Wòe aƒo nuƒoa Memleɖa si akplɔe ɖo.” Ðeko melulu.

Megakpɔtɔ ɖoa ŋku nye dutoƒonuƒo gbãtɔ ma me nyawo dzi nyuie. Ame alafa geɖewoe va. Metɔ ɖe aɖakago aɖe dzi hafi ƒo nuƒo ma, evɔ nyemezã nuƒomɔ aɖeke o. Le nuƒoa ƒoƒo vɔ megbe la, ŋutsu aɖe te ɖe ŋunye, ena asim hegblɔ be yeƒe ŋkɔe nye Bill Smith. Egblɔ be yekpɔ ale si amewo ƒo zi ɖe afi ma, eye yetɔ be yeakpɔ be nu kae nɔ edzi yim mahã. Meva de dzesii le dzeɖoɖo ma me be fofonye ɖe gbeƒã na Bill kpɔ, gake wova bu ɖe wo nɔewo esi Papa kple srɔ̃ bubu si wòva ɖe la ʋu yi ɖatsi Dublin hena mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le afi ma. Mete Biblia sɔsrɔ̃ kple Bill. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Bill ƒe ƒomea me tɔ asieke va zu Yehowa subɔlawo.

Le ema megbe la, meyi ɖaɖe gbeƒã le aƒe gã siwo nɔ Belfast ƒe gbɔto la me, eye medo go Russia nyɔnu aɖe si nɔ Lithuania kpɔ la le afi ma. Esi metsɔ agbalẽ aɖewo fiae la, etɔ asi ɖeka dzi hegblɔ be: “Ema le asinye. Tɔgãnye si nye nufialagã le yunivɛsiti le Kaunas lae tsɔe nam.” Etsɔ agbalẽ si nye Creation, si le Polandgbe me la fiam. Wowɔ nuŋlɔɖiwo ɖe agbalẽa ƒe axadziwo keŋ. Aleke gbegbe wòwɔ nuku nɛ ye nye esi esi wòsee be nyee tsɔ agbalẽa na tɔgãa esi medo goe le Kaunas!—Nyagb. 11:1.

Esi John Sempey see be meyina Northern Ireland la, egblɔ nam be mayi ye nɔvinyɔnu suetɔ, Nellie gbɔ, elabena etsɔ ɖe le Biblia me nyateƒea me. Mía kple nɔvinyenyɔnu Connie míesrɔ̃ Biblia kplii. Nellie wɔ ŋgɔyiyi kabakaba hetsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, medo ŋugbe nɛ, eye míeɖe mía nɔewo.

Mía kple Nellie míezã ƒe 56 le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me ɖekae, eye mɔnukpɔkpɔ su mía si míekpe ɖe ame siwo wu alafa ɖeka ŋu Biblia me nyateƒea ŋuti sidzedze su wo si. Míaƒe mɔkpɔkpɔe wònye be míatsi agbe le Harmagedon me age ɖe Yehowa ƒe xexe yeyea me ɖekae hafi, gake futɔ vɔ̃ɖi si nye ku xɔe le asinye le ƒe 1998 me. Esia gbã dzi nam ale gbegbe—dodokpɔ sesẽtɔ siwo va dzinye le agbe me la dometɔ ɖekae nye ema.

Metrɔ Yi Baltik Dukɔwo Me

Anɔ abe ƒe ɖeka ene le Nellie ƒe ku megbe la, mexɔ yayra wɔnuku aɖe. Wokpem be mava alɔdzedɔwɔƒe si le Tallinn, Estonia. Wogblɔ le lɛta si nɔvi siwo le Estonia la ɖo ɖem me be: “Le nɔviŋutsu ewo siwo woɖo ɖe Baltik Dukɔwo me le ƒe 1920 ƒe nuwuwu kple ƒe 1930 ƒe gɔmedzedze dome la, wò ɖeka koe gale agbe.” Wogblɔ kpee le lɛtaa me be alɔdzedɔwɔƒea nɔ dɔ siwo wowɔ le Estonia, Latvia, kple Lithuania la ƒe ŋutinya ŋlɔm, eye wobia be: “Taflatsɛ, àte ŋu ava?”

Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi wònye nam be magblɔ nu siwo teƒe mía kple nye zɔhɛwo míekpɔ le ƒe mawo me! Le Latvia la, mete ŋu tsɔ aƒe si wozã le gɔmedzedzea me abe alɔdzedɔwɔƒe ene la kple xɔtaxɔe si me míeɣlaa míaƒe agbalẽwo ɖo, evɔ kpovitɔwo mete ŋu ke ɖe wo ŋu kpɔ o la, fia nɔviawo. Le Lithuania la, wokplɔm yi du sue aɖe si woyɔna be Šiauliai, afi si mewɔ mɔɖeɖedɔa le va yi, la me. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ nam le kpekpe aɖe me le afi ma be: “Ƒe geɖewoe nye esi va yi la, mía kple danye míeƒle aƒe aɖe le dua me. Esi míenɔ xɔtaxɔea me kplɔm la, míeke ɖe agbalẽ siwo nye The Divine Plan of the Ages kple The Harp of God ŋu. Esi mexlẽ wo la, mekpɔe dze sii be meke ɖe nyateƒea ŋu. Anɔ eme kokoko be wòe gblẽ agbalẽ mawo ɖe aƒe ma me ƒe geɖewoe nye esi va yi!”

Mede nutome sue takpekpe aɖe hã le du aɖe si me mewɔ mɔɖeɖedɔa le kpɔ me. Mede takpekpe aɖe le afi ma ƒe 65 aɖewoe nye ema va yi. Ɣemaɣi la, ame 35 ye de takpekpe ma. Gake dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye be makpɔ ame 1,500 le takpekpea me fifia! Aleke gbegbe Yehowa yra ɖe dɔa dzie nye esi!

‘Yehowa Megblẽm Ði O’

Nyitsɔ laa la, mexɔ yayra aɖe si nyemenɔ mɔ kpɔm na kura o, eyae nye be nɔvinyɔnu Kristotɔ dzetugbe aɖe si ŋkɔe nye Bee la lɔ̃ be yeanye srɔ̃nye. Míeɖe mía nɔewo le November 2006 me.

Mate ŋu aka ɖe edzi na sɔhɛ ɖe sia ɖe si le nu si wòawɔ kple eƒe agbe ŋu bum la be nunya geɖe le wɔwɔ ɖe nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la dzi me be: “Ðo ŋku [Wɔwòla Gã la] dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me.” Mate ŋu agblɔ dzidzɔtɔe azɔ abe ale si Biblia me hakpala aɖe gblɔe ene be: ‘Mawu, èfia num tso nye ɖevime ke, eye meɖe gbeƒã wò nukunuwo va se ɖe fifi. Eya ta, Mawu, megagblẽm ɖi o va se ɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me, va se ɖe esime maɖe gbeƒã wò alɔ na dzidzimeviwo kple wò ŋusẽ na megbeviwo katã!’—Ps. 71:17, 18.

[Anyigbatata si le axa 25]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Agbalẽwo lɔlɔ yi Latvia nye dɔ aɖe si me afɔku nɔ

ESTONIA

TALLINN

Riga Ƒukɔme

LATVIA

RIGA

LITHUANIA

VILNIUS

Kaunas

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mezu nya nyui kakala (mɔɖela) le Scotland esi mexɔ ƒe 15

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mía kple Nellie le míaƒe srɔ̃ɖegbe le ƒe 1942 me