Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Keke Ðe Nu Xɔasi Siwo ‘Woɣla Ðe Eya Amea Me Nyuie’ La Ŋu

Keke Ðe Nu Xɔasi Siwo ‘Woɣla Ðe Eya Amea Me Nyuie’ La Ŋu

Keke Ðe Nu Xɔasi Siwo ‘Woɣla Ðe Eya Amea Me Nyuie’ La Ŋu

“Eya mee woɣla nunya kple sidzedze ƒe nu xɔasiwo katã ɖo nyuie.”—KOL. 2:3.

1, 2. (a) Nu kawo ŋue woke ɖo le ƒe 1922 me, eye afi kawoe wole fifia? (b) Amekpekpe kae yi na ame sia ame le Mawu ƒe Nya la me?

WOÐEA gbeƒã nu xɔasi ɣaɣla siwo ŋu woke ɖo la bobobo le nyadzɔdzɔwo me zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1922 me la, Britaintɔ blematomenukula Howard Carter ke ɖe tomenu vevi aɖewo ŋu esi wòwɔ dɔ kutrikukutɔe le nɔnɔme madeamedziwo me ƒe geɖe vɔ megbe. Eke ɖe Farao Tutankhamen ƒe yɔdo si me nu vovovo siwo ade 5,000 sɔŋ ganɔ dedie le la ŋu.

2 Togbɔ be nu xɔasi siwo ŋu Carter ke ɖo la lé dzi na amewo hã la, ɖeko wotsɔ nu mawo ƒe akpa gãtɔ yi ɖadzra ɖo ɖe blemanudzraɖoƒewo alo amewo ŋutɔwo ƒe nudzraɖoƒewo. Togbɔ be woaɖe vi le nusɔsrɔ̃ tso ŋutinyamenudzɔdzɔwo kple aɖaŋunuwo ŋu me hã la, womeɖea vi boo aɖeke na mí le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me o. Ke hã, Mawu ƒe Nya la kpe mí be míadi nu xɔasi siwo aɖe vi ŋutɔŋutɔ na mí. Amekpekpe sia yi na ame sia ame, eye emetsonua xɔ asi sãsãsã wu ŋutilãmenu ɖe sia ɖe.—Mixlẽ Lododowo 2:1-6.

3. Mɔ kawo nue nu xɔasi siwo Yehowa xlɔ̃ nu esubɔlawo be woadi la ɖea vi na mí le?

3 Bu asixɔxɔ si gbegbe le nu xɔasi siwo Yehowa xlɔ̃ nu esubɔlawo be woadi ŋu la ŋu kpɔ. Nu xɔasi mawo dometɔ aɖee nye “Yehowa vɔvɔ̃,” si ate ŋu anye ametakpɔnu na mí ahana míanɔ dedie le ɣeyiɣi vɔ̃ siawo me. (Ps. 19:10) “Sidzedze Mawu” ƒe ame si susu ate ŋu ana bubu gãtɔ kekeake nasu mía si—si nye ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Dziƒoʋĩtɔ la. Eye ne nu xɔasi siwo nye nunya, sidzedze, kple gɔmesese siwo Mawu nana la su mía si la, míate ŋu anɔ te ɖe dzimaɖitsitsi kple kuxi siwo míedoa goe le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me la nu dzidzedzetɔe. (Lod. 9:10, 11) Aleke míawɔ ake ɖe nu xɔasi mawo ŋu?

Keke Ðe Gbɔgbɔmenu Xɔasiwo Ŋu

4. Afi kae wòle be míatrɔ ɖo bene míake ɖe gbɔgbɔmenu xɔasiwo ŋu?

4 To vovo na tomenukula kple anyigbayeyedila bubu siwo dia nu xɔasiwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa la, míawo ya míenya afi si koŋ wòle be míatrɔ ɖo be míake ɖe gbɔgbɔmenu xɔasiwo ŋu. Abe mɔfiagbalẽ si nana wokena ɖe nu xɔasiwo ŋu ene la, Mawu ƒe Nya la fia teƒe si tututu wòle be míatrɔ ɖo be míake ɖe gbɔgbɔmenu xɔasi siwo ƒe ŋugbe Mawu do na mí ŋu la mí. Apostolo Paulo gblɔ tso Kristo la ŋu be: “Eya mee woɣla nunya kple sidzedze ƒe nu xɔasiwo katã ɖo nyuie.” (Kol. 2:3) Le ɖekawɔwɔ me kple nya mawo la, míate ŋu abia be: ‘Nu ka tae wòle be míadi nu xɔasi mawo? Aleke “woɣla” wo ɖe Kristo mee? Eye aleke míawɔ ake ɖe wo ŋu?’ Be míakpɔ ŋuɖoɖoawo la, mina míadzro apostoloa ƒe nyawo me tsitotsito kpɔ.

5. Nu ka tae Paulo ŋlɔ nu tso gbɔgbɔmenu xɔasiwo ŋu?

5 Paulo ŋlɔ nya mawo ɖo ɖe ehati Kristotɔ siwo nɔ Kolose. Egblɔ na wo be yenɔ ʋiʋlim ɖe wo ta bene “woafa akɔ na woƒe dziwo, bene woawɔ nu aduadu le lɔlɔ̃ me.” (Mixlẽ Kolosetɔwo 2:1, 2.) Nu ka tae wòtsi dzi ɖe wo ŋu nenema? Edze ƒãa be Paulo nyae be nɔvi mawo dometɔ aɖewo siwo nɔ Helatɔwo ƒe xexemenunya alo Mose ƒe Sea me léle ɖe asi dom ɖe ŋgɔ la anya nɔ ŋusẽ gbegblẽ kpɔm ɖe wo dzi. Exlɔ̃ nu nɔviawo ŋkubiãtɔe be: “Mikpɔ nyuie: ɖewohĩ ame aɖe ato xexemenunya kple beble dzodzro dzi le amewo ƒe kɔnyinyiwo nu alé mi adzoe, le xexea ƒe gɔmedzenuwo nu, ke menye le Kristo nu o.”—Kol. 2:8.

6. Nu ka tae wòle be míatsɔ ɖe le Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa me?

6 Egbea la, míedzea ŋgɔ ŋusẽkpɔɖeamedzi mawo tɔgbi tso Satana kple eƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia gbɔ. Xexemenunyawo, siwo dometɔ aɖewoe nye be amegbetɔwo ate ŋu ato woawo ŋutɔwo ƒe susuŋudɔwɔwɔ dzi akpɔ dzidzɔ le agbe me kple nɔnɔmetɔtrɔnufiafia, kpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe tamebubu, agbenɔnɔ ƒe dzidzenuwo, taɖodzinuwo, kple agbenɔnɔ dzi. Alakpasubɔsubɔ wɔa akpa vevi aɖe le ŋkekenyui nyanyɛ geɖe siwo woɖuna la me. Wotrɔ asi le television dzi wɔnawo, sinimawo, hadzidziwo kple modzakaɖeɖe bubu ƒomeviwo ŋu be wòaɖi kɔ na ŋutilã ƒe dzodzro vɔ̃wo, eye nu siwo nɔa Internet dzi la dometɔ geɖe nye afɔku gã aɖe na ɖeviwo kple tsitsiawo siaa. Ŋgɔdzedze nu siawo kple xexemenuwɔna bubuwo edziedzi le agbe me ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe míaƒe seselelãmewo kple míaƒe nɔnɔme ɖe mɔfiame siwo míexɔna tso Yehowa gbɔ ŋu la dzi, eye wòana be ale si míevã agbe vavã la me nagbɔdzɔ. (Mixlẽ 1 Timoteo 6:17-19.) Edze ƒãa be ehiã be míase nya siwo Paulo gblɔ na Kolosetɔwo la gɔme nyuie ahabu eƒe aɖaŋuɖoɖoawo ŋkubiãnyawoe ne míedi be Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃wo ƒe mɔ naɖe mí o.

7. Nu eve kawoe Paulo gblɔ be akpe ɖe Kolosetɔwo ŋu?

7 Ne míetrɔ ɖe nya si Paulo gblɔ na Kolosetɔwo ŋu la, míade dzesii be esi wòƒo nu tso nu si ŋu wòtsi dzi ɖo ŋu vɔ la, ehe susu yi nu eve aɖewo siwo akpe ɖe wo ŋu be woakpɔ akɔfafa eye woawɔ ɖeka le lɔlɔ̃ me la dzi. Gbã la, eƒo nu tso woƒe “nugɔmesese blibo, ƒe kakaɖedzi” ŋu. Ele be woaka ɖe edzi bliboe be Ŋɔŋlɔawo ŋuti gɔmesese si su wo si la le eteƒe, ale be woatu woƒe xɔse ɖe gɔmeɖoanyi si ŋu kakaɖedzi le la dzi. (Heb. 11:1) Emegbe la, eƒo nu tso ‘nya ɣaɣla kɔkɔe la ƒe sidzedze vavãtɔ’ ŋu. Ehiã be woanya nu geɖe wu nyateƒea ƒe gɔmedzenufiafiawo ko, eye Mawu ƒe nu gogloawo ƒe gɔmesese deto nasu wo si. (Heb. 5:13, 14) Ðe esia menye aɖaŋuɖoɖo nyui aɖe na Kolosetɔwo kple mí ame siwo li egbea siaa oa? Gake aleke míawɔ be kakaɖedzi kple sidzedze vavãtɔ ma nasu mía si? Paulo gblɔ nu vevi si wòle be míawɔ la le eƒe nya sia si ŋu gɔmesese deto le, si ku ɖe Yesu Kristo ŋu la, me ale: “Eya mee woɣla nunya kple sidzedze ƒe nu xɔasiwo katã ɖo nyuie.”

Nu Xɔasi Siwo “Woɣla” Ðe Kristo Me

8. Ðe nyagbɔgblɔ si nye “woɣla” ɖe Kristo me la me.

8 Nyagbɔgblɔ si nye “woɣla” nunya kple sidzedze ƒe nu xɔasiwo ɖe Kristo me la mefia be amegbetɔ aɖeke ƒe asi mate ŋu asu wo dzi o. Ke boŋ nu si wòfia koe nye be ehiã kutrikuku vevie hafi míate ŋu ake ɖe gbɔgbɔmenu xɔasi mawo ŋu, eye ele be míatrɔ míaƒe susu ɖe Yesu Kristo ŋu. Esia wɔ ɖeka kple nya aɖe si Yesu gblɔ tso eɖokui ŋu be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yoh. 14:6) Ɛ̃, míehiã kpekpeɖeŋu kple mɔfiame siwo Yesu nana la hafi míate ŋu ake ɖe sidzedze Mawu ŋu.

9. Ðoƒe kawoe wotsɔ na Yesu?

9 Esi Yesu gblɔ be yee nye “mɔ la” vɔ la, egagblɔ kpee be yee nye “nyateƒe la kpakple agbe la.” Esia ɖee fia be menye mɔ si dzi míato ate ɖe Fofo la ŋu koe wònye o, ke ele ɖoƒe si de ŋgɔ wu ema hã. Ðoƒe aɖewo gale Yesu si siwo le vevie hafi míate ŋu ase Biblia me nyateƒea gɔme ahakpɔ agbe mavɔ. Vavãe, woɣla gbɔgbɔmenu xɔasi, siwo ƒe asixɔxɔ ƒo ɖe sia ɖe ta la ɖe Yesu me, eye Biblia nusrɔ̃vi dovevienuwo koe ate ŋu ake ɖe wo ŋu. Mina míalé ŋku ɖe nu xɔasi siawo siwo do ƒome kple míaƒe etsɔmemɔkpɔkpɔ kpakple mía kple Mawu dome ƒomedodoa tẽe la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

10. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ŋu le Kolosetɔwo 1:19 kple 2:9?

10 “Eya mee Mawu ƒe nɔnɔmewo katã dze le, le ŋutilã me.” (Kol. 1:19; 2:9) Esi wònye be Yesu nɔ Fofoa si le dziƒo la gbɔ ƒe gbogbo manyaxlẽwo ta la, enya Mawu ƒe amenyenye kple Eƒe lɔlɔ̃nu nyuie wu ame sia ame. Le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi katã la, efia nu siwo Fofoa fiae la amewo, eye wòɖe nɔnɔme siwo Fofoa ƒã ɖe eme la fia le eƒe nuwɔnawo me. Esia tae Yesu te ŋu gblɔ be: “Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.” (Yoh. 14:9) Woɣla Mawu ƒe nunyawo kple sidzedzewo katã ɖe Kristo me, alo wole eya amea me, eye mɔ bubu aɖeke megali si nyo wu si dzi míato asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu wu be míasrɔ̃ nu siwo katã wòanya wɔ be míasrɔ̃ tso Yesu ŋu la nyuie o.

11. Kadodo kae le Yesu ƒe ɖoƒe gɔme sese kple Biblia me nyagblɔɖiwo gɔme sese dome?

11 “Ðaseɖiɖi tso Yesu ŋu ye ʋãa amewo wogblɔa nya ɖi.” (Nyaɖ. 19:10) Nya mawo ɖee fia be Yesu koŋ ŋue Biblia me nyagblɔɖi akpa gãtɔ me vava ku ɖo. Tso Yehowa ƒe nyagblɔɖi gbãtɔ si woŋlɔ ɖe 1 Mose 3:15 dzi va se ɖe ŋutikɔkɔeŋutega si le Nyaɖeɖefia gbalẽa me dzi la, ne wose ɖoƒe si Yesu le le Mesia Fiaɖuƒea me gɔme ko hafi woate ŋu ase Biblia me nyagblɔɖiawo gɔme nyuie. Esia na míese nu si tae nyagblɔɖi siwo le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la dometɔ geɖe tɔtɔa ame siwo mexɔ edzi se be Yesu ye nye Mesia si ŋugbe wodo la o la gɔme. Egana míese nu si tae ame siwo medea asixɔxɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo, siwo me Mesia la ŋuti nyagblɔɖi geɖewo le, ŋuti o la bua Yesu abe Ame xɔŋkɔ aɖe ko ene la hã gɔme. Sidzedze Yesu kpena ɖe Mawu ƒe amewo ŋu wosea Biblia me nyagblɔɖi siwo mekpɔ va eme haɖe o gɔ̃ hã la gɔme.—2 Kor. 1:20.

12, 13. (a) Aleke Yesu nye “xexea ƒe kekeli”? (b) Esi wona ablɔɖe Kristo yomedzelawo tso subɔsubɔhawo ƒe gbɔgbɔmeviviti me ta la, agba kae le wo dzi?

12 “Nyee nye xexea ƒe kekeli.” (Mixlẽ Yohanes 8:12; 9:5.) Ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na Yesu dzidzi le anyigba dzi la, nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ɖi be: ‘Dukɔ, si le viviti me zɔm la, kpɔ kekeli gã aɖe, ame siwo le blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi la, kekeli klẽ ɖe wo dzi.’ (Yes. 9:1) Apostolo Mateo gblɔ be Yesu na nyagblɔɖi sia va eme esime wòdze Eƒe gbeƒãɖeɖedɔa gɔme henɔ gbɔgblɔm be: “Mitrɔ dzi me, elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo.” (Mat. 4:16, 17) Yesu ƒe subɔsubɔdɔa na amewo kpɔ gbɔgbɔmenumekɔkɔ kple ablɔɖe tso subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafia siwo wɔ wo kluviwoe la me. Yesu gblɔ be: “Meva xexea me abe kekeli ene, bene ame sia ame si xɔa dzinye sena la nagayi edzi anɔ viviti la me o.”—Yoh. 1:3-5; 12:46.

13 Le ƒe geɖe megbe la, apostolo Paulo gblɔ na ehati Kristotɔwo be: “Tsã la, mienye viviti, ke azɔ la, mienye kekeli le Aƒetɔ la me. Miyi edzi mianɔ zɔzɔm abe kekeli ƒe viwo ene.” (Ef. 5:8) Esi wona ablɔɖe Kristotɔwo tso subɔsubɔhawo ƒe gbɔgbɔmeviviti me ta la, agba le wo dzi be woazɔ abe kekeli ƒe viwo ene. Esia wɔ ɖeka kple nya si Yesu gblɔ na eyomedzelawo le Todzimawunya la me be: “Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ŋkume, bene woakpɔ miaƒe dɔwɔwɔ nyuiwo, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana mia Fofo si le dziƒowo.” (Mat. 5:16) Èkpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenu xɔasi siwo le Yesu me siwo ŋu nèva ke ɖo la ŋu ale gbegbe be nèkafua wo na ame bubuwo to wò nyagbɔgblɔwo kple Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia dzia?

14, 15. (a) Akpa kae alẽwo kple lã bubuwo wɔ le tadedeagu vavãtɔ me le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me? (b) Nu ka tae ɖoƒe si Yesu le abe “Mawu ƒe alẽvi” ene la na asixɔxɔ si le eŋu ƒo ɖe sia ɖe ta?

14 Yesu ye nye “Mawu ƒe Alẽvi” la. (Yoh. 1:29, 36) Le Biblia bliboa katã me la, alẽwo wɔ akpa vevi aɖe le nu vɔ̃ tsɔtsɔ ke kple tete ɖe Mawu ŋu me. Le kpɔɖeŋu me, esi Abraham ɖee fia be yelɔ̃ faa be yeatsɔ ye vi Isak asa vɔe vɔ la, wogblɔ nɛ be megawɔ nu vevi aɖeke Isak o, eye wotsɔ agbo, si nye alẽtsu, nae ɖe via teƒe. (1 Mose 22:12, 13) Esi woɖe Israel viwo tso Egipte la, alẽwo gawɔ akpa vevi aɖe, eye le ɣeyiɣi ma me la, wozã wo le “Yehowa ƒe ŋutitotoŋkekenyuie” la ɖuɖu me. (2 Mose 12:1-13) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mose ƒe Sea bia be woatsɔ lã vovovowo asa vɔe, alẽwo kple gbɔ̃wo hã nɔ wo me.—2 Mose 29:38-42; 3 Mose 5:6, 7.

15 Vɔsa mawo—le nyateƒe me la, vɔ siwo katã amegbetɔwo sana la—dometɔ aɖeke mate ŋu aɖe ame tso nu vɔ̃ kple ku me tegbee o. (Heb. 10:1-4) Gake Yesu ya nye “Mawu ƒe Alẽvi si le xexea ƒe nu vɔ̃ ɖem ɖa.” Nyateƒenya sia ɖeɖe dzaa na asixɔxɔ si le Yesu ŋu ƒo ŋutilãmenu xɔasi ɖe sia ɖe si ŋu woke ɖo kpɔ la ta. Esia ta nunya anɔ eme be míadi ɣeyiɣi asrɔ̃ nu tso tafevɔsa la ŋu nyuie, eye míaɖee afia be míexɔ mɔnuɖoɖo wɔnuku ma dzi se. To esia wɔwɔ me la, yayra kple teƒeɖoɖo wɔnukuwo asu mía si—le “alẽha sue” la gome la, woanɔ ŋutikɔkɔe kpakple bubu me kple Kristo le dziƒo, eye le “alẽ bubuwo” gome la, woakpɔ agbe mavɔ le Paradiso me le anyigba dzi.—Luka 12:32; Yoh. 6:40, 47; 10:16.

16, 17. Nu ka tae wòle vevie be míase akpa si wɔm Yesu le abe “míaƒe xɔse ƒe Kplɔla Vevitɔ kple Ame si nana wòdea blibo” ene la gɔme?

16 Yesu ye nye “míaƒe xɔse ƒe Kplɔla Vevitɔ kple Ame si nana wòdea blibo.” (Mixlẽ Hebritɔwo 12:1, 2.) Le Hebritɔwo ta 11 lia me la, Paulo ƒo nu tso xɔse ŋu le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu, eɖe nu si wònye la me kpuie, eye wòyɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖo xɔse ƒe kpɔɖeŋu ɖi abe Noa, Abraham, Sara, kple Raxab ene ƒe ŋkɔwo. Esi nya siawo katã nɔ susu me na Paulo ta la, eɖo aɖaŋu na ehati Kristotɔwo be ‘woƒe ŋku nanɔ míaƒe xɔse ƒe Kplɔla Vevitɔ kple Ame si nana wòdea blibo, si nye Yesu, la ŋu tututu.’ Nu ka tae?

17 Togbɔ be ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo woyɔ le Hebritɔwo ta 11 lia me xɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se vevie hã la, womenya nu tso ale si Mawu ana eƒe ŋugbedodowo nava eme to Mesia la kple Fiaɖuƒea dzi la ŋu tsitotsito o. Le gɔmesese ma nu la, woƒe xɔse mede blibo o. Le nyateƒe me la, ame siwo Yehowa zã woŋlɔ Mesia la ŋuti nyagblɔɖi gbogbo aɖewo ɖi gɔ̃ hã mese nu si nya siwo woŋlɔ ɖi la fia gɔme bliboe o. (1 Pet. 1:10-12) Yesu dzi koe woate ŋu ato ana xɔse nade blibo alo ana wòade edeƒe. Aleke gbegbe wòle vevie be míase akpa si wɔm Yesu le abe “míaƒe xɔse ƒe Kplɔla Vevitɔ kple Ame si nana wòdea blibo” ene gɔme nyuie ahalɔ̃ ɖe edzie nye esi!

Yi Edidi Dzi

18, 19 (a) Gbɔgbɔmenu xɔasi bubu kawoe woɣla ɖe Kristo me? (b) Nu ka tae wòle be míayi edzi anɔ gbɔgbɔmenu xɔasiwo dim le Yesu gbɔ?

18 Akpa vevi siwo Yesu wɔna le tame si Mawu ɖo ɖe ameƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu me la dometɔ ʋɛ aɖewo ko mee nye ema míedzro. Gbɔgbɔmenu xɔasi bubuwo gali siwo woɣla ɖe Kristo me. Keke ɖe wo ŋu ahe dzidzɔ kple viɖe geɖewo avae na mí. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Petro yɔ Yesu be “agbe ƒe Kplɔla Vevitɔ la” kple “ŋukeɣletivi” si dzena. (Dɔw. 3:15; 5:31; 2 Pet. 1:19) Eye Biblia zã nya “Amen” na Yesu. (Nyaɖ. 3:14) Ènya gɔmesese kple vevienyenye si le ɖoƒe mawo ŋua? Abe ale si Yesu gblɔe ene la, ‘nɔ edidi dzi, eye àkpɔe.’—Mat. 7:7.

19 Ame aɖeke menɔ anyi le amegbetɔwo ƒe ŋutinya katã me kpɔ si ƒe agbenɔnɔ ŋu gɔmesese geɖe le eye wòdo ƒome kple míaƒe etsɔme mavɔ abe ale si wòle le Yesu gome ene o. Yesu mee gbɔgbɔmenu xɔasiwo le, eye ame siwo tsɔa dzi blibo dia wo la ate ŋu ake ɖe wo ŋu bɔbɔe. Neva eme be wòanye dzidzɔ kple yayra na wò be nàke ɖe nu xɔasi siwo ‘woɣla ɖe eya amea me nyuie’ la ŋu.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu xɔasi kawoe woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be woadi?

• Nu ka tae aɖaŋu si Paulo ɖo na Kolosetɔwo la gakpɔtɔ sɔ na míawo hã egbea?

• Yɔ gbɔgbɔmenu xɔasi siwo “woɣla” ɖe Kristo me la dometɔ aɖewo, eye nàɖe wo me.

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Biblia le abe mɔfiagbalẽ si nana míekena ɖe nu xɔasi siwo “woɣla” ɖe Kristo me “nyuie” ŋu ene