Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔwo Ƒe Ƒomewo—Misrɔ̃ Yesu Ƒe Kpɔɖeŋu!

Kristotɔwo Ƒe Ƒomewo—Misrɔ̃ Yesu Ƒe Kpɔɖeŋu!

Kristotɔwo Ƒe Ƒomewo—Misrɔ̃ Yesu Ƒe Kpɔɖeŋu!

‘Kristo gblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze yeƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.’—1 PET. 2:21.

1. (a) Akpa kae Mawu ƒe Vi la wɔ le nuwo wɔwɔ me? (b) Aleke Yesu sena le eɖokui me ɖe ameƒomea ŋu?

ESIME Mawu wɔ dziƒo kple anyigba la, eƒe Ŋgɔgbevi la nɔ egbɔ abe eƒe “dɔnunɔla” ene. Mawu ƒe Vi la wɔ dɔ aduadu kple Fofoa esime Yehowa wɔ lã kple nu miemie ƒomevi vovovo gbogbo aɖewo ɖe anyigba dzi afi sia hetrɔ asi le wo ŋu, eye Yehowa wɔ Paradiso si va nye Eƒe nuwɔwɔ siwo wòwɔ ɖe eƒe nɔnɔme nu woɖii la ƒe aƒe me. Lɔlɔ̃ gã aɖe nɔ Mawu ƒe Vi si wova yɔ emegbe be Yesu la si na ameƒomea. “[Ekpɔ] dzidzɔ le amegbetɔviwo ŋu.”—Lod. 8:27-31; 1 Mose 1:26, 27.

2. (a) Nu kawoe Yehowa na ameƒome madebliboa? (b) Agbenɔnɔ ƒe akpa siwo ŋu Biblia na mɔfiame le la dometɔ ɖeka ɖe?

2 Le atsu kple asi gbãtɔa ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ megbe la, ameƒome wɔnuvɔ̃ la ɖeɖe va zu Yehowa ƒe tameɖoɖo ƒe akpa vevi aɖe. Yehowa tsɔ Kristo ƒe tafevɔsa la na be woate ŋu aɖe ameƒomea. (Rom. 5:8) Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa tsɔ eƒe Nya, Biblia la, na ameƒomea be wòafia mɔ nyuitɔ kekeake si dzi woato anɔ te ɖe blibomademade si ƒe dome wonyi la me tsonuwo nu dzidzedzetɔe la wo. (Ps. 119:105) Yehowa na mɔfiame si akpe ɖe amewo ŋu woaɖo ƒome like kpɔdzidzɔwo anyi la le eƒe Nya la me. Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ gblɔ ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu be, ele be ŋutsu “[naku] ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.”—1 Mose 2:24.

3. (a) Nu kae Yesu fia ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi la, ete gbe ɖe edzi be, ɖe woɖoe be srɔ̃ɖeɖe nanɔ anyi ɖaa. Efia gɔmeɖose aɖewo, eye ne ƒomea me tɔwo wɔ ɖe wo dzi la, akpe ɖe wo ŋu woaƒo asa na nɔnɔme kple agbenɔnɔ aɖewo siwo gblẽa srɔ̃ɖeɖe alo ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ me. (Mat. 5:27-37; 7:12) Míadzro Yesu ƒe nufiafia aɖewo siwo ku ɖe ƒomegbenɔnɔ ŋu la me le nyati sia me. Míadzro ale si Yesu ƒe nufiafiawo kple kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi esime wònɔ anyigba dzi la ate ŋu akpe ɖe srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, dzilawo, kple wo viwo ŋu be woanɔ agbe si me dzidzɔ kple dzidzeme le la me.

Ale Si Srɔ̃ŋutsu Kristotɔ Dea Asixɔxɔ Srɔ̃a Ŋui

4. Nu ka mee Yesu ƒe ɖoƒe kple srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo ƒe ɖoƒe ɖi wo nɔewo le?

4 Mawu tsɔ ŋutsu ɖo ƒomea ƒe ta abe ale si ko Yesu hã nye hame la ƒe Ta ene. Apostolo Paulo gblɔ be: “Ŋutsue nye ta na srɔ̃a, abe ale si Kristo la hã nye ta na hame la ene, eye eyae nye ŋutilã sia ɖela. Srɔ̃ŋutsuwo, miyi edzi mialɔ̃ mia srɔ̃wo, abe ale si ko Kristo la hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe eta la ene.” (Ef. 5:23, 25) Le nyateƒe me la, ale si Yesu wɔ nu ɖe eyomedzelawo ŋu la nye kpɔɖeŋu na srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo le ale si wòle be woawɔ nu ɖe wo srɔ̃wo ŋu me. Mina míadzro mɔ siwo nu Yesu wɔ ŋusẽ si Mawu nae la ŋu dɔ le la dometɔ aɖewo me kpɔ.

5. Aleke Yesu wɔ eƒe ŋusẽ ŋu dɔe le nuwɔwɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu me?

5 Yesu nye ‘ame fafa, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dzi me.’ (Mat. 11:29) Eɖea dzonɔameme fiana le nuwɔna me hã. Meɖe ta le eƒe agbanɔamedziwo te kpɔ o. (Mar. 6:34; Yoh. 2:14-17) Ena nuxlɔ̃ame eƒe nusrɔ̃lawo tufafatɔe, eye wòna nuxlɔ̃ame tso nya ɖeka ma ke ŋu zi gbɔ zi geɖe gɔ̃ hã ne ehiã. (Mat. 20:21-28; Mar. 9:33-37; Luka 22:24-27) Ke hã, Yesu meblu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta kpɔ o, mena wose le wo ɖokui me be yemelɔ̃ wo o, alo be womate ŋu awɔ ɖe nu siwo fiam yele wo la dzi o. Ke boŋ ekafu eƒe nusrɔ̃lawo hede dzi ƒo na wo. (Luka 10:17-21) Mewɔ nuku o be ale si Yesu wɔa nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu le lɔlɔ̃ kple veveseɖeamenu me la na eƒe nusrɔ̃laawo dea bubu eŋu!

6. (a) Nu kae srɔ̃ŋutsu ate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu wɔ nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu me? (b) Nu kae apostolo Petro de dzi ƒo na srɔ̃ŋutsuwo be woawɔ?

6 Yesu ƒe kpɔɖeŋua fia srɔ̃ŋutsuwo be menye dziɖuɖu ŋutasesẽtɔe ƒe ɖoƒee Kristotɔwo ƒe tanyenye nye o. Ke boŋ bubudeameŋu kple ɖokuitsɔtsɔsavɔlɔlɔ̃ ƒe ɖoƒee. Apostolo Petro de dzi ƒo na srɔ̃ŋutsuwo be woasrɔ̃ ale si Yesu wɔ nu le lɔlɔ̃ me la, ale be woawo hã woanɔ anyi kple wo srɔ̃wo ‘nenema ke ahade asixɔxɔ wo ŋu.’ (Mixlẽ 1 Petro 3:7.) Ekema aleke srɔ̃ŋutsu awɔ eƒe ɖoƒe la ŋu dɔe, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wòanɔ nu wɔm ɖe srɔ̃a ŋu abe ame aɖe si ŋu wòdze be woade asixɔxɔe ene?

7. Mɔ ka dzie srɔ̃ŋutsu ate ŋu ato ade asixɔxɔ srɔ̃a ŋu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

7 Mɔ siwo dzi srɔ̃ŋutsu ato ade asixɔxɔ srɔ̃a ŋu dometɔ aɖee nye be wòabu eƒe nukpɔsusu kple seselelãme ŋu nyuie hafi awɔ nyametsotso siwo ka ƒomea. Ðewohĩ ahiã be wòawɔ nyametsotso ku ɖe ʋuʋu, dɔ bubu didi, alo gbe sia gbe nyawo, abe afi si woayi mɔkeke le, alo ale si woatrɔ asi le ƒomea ƒe gazazã ŋu ale be woate ŋu anɔ te ɖe nuwo ƒe asixɔxɔ nu ene ŋu. Esi wònye be nyametsotso siawo ka ƒomea ta la, aɖe vi wu eye wòanye dɔmenyonyo le srɔ̃ŋutsua gome be wòabu srɔ̃a ƒe nukpɔsusu ŋu, elabena esia ate ŋu akpe ɖe eŋu wòawɔ nyametsotso si da sɔ, si ɖe ameŋububu fia wu, eye ana wòanɔ bɔbɔe wu na srɔ̃a be wòakpe asi ɖe eŋu. (Lod. 15:22) Srɔ̃ŋutsu Kristotɔ siwo dea asixɔxɔ wo srɔ̃wo ŋu la srɔ̃wo lɔ̃a wo hedea bubu wo ŋu, eye vevietɔ wu la, Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu.—Ef. 5:28, 29.

Aleke Srɔ̃nyɔnu Dea Bubu Deto Srɔ̃a Ŋui?

8. Nu ka tae mele be srɔ̃nyɔnuwo nasrɔ̃ Xawa ƒe kpɔɖeŋu o?

8 Yesu ɖo ɖokuibɔbɔ ɖe ŋusẽ te ƒe kpɔɖeŋu deblibo ɖi na srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo. Aleke gbegbe nukpɔsusu si nɔ Yesu si ɖe ŋusẽ ŋu to vovo tso nɔnɔme si srɔ̃nyɔnu gbãtɔ ɖe fia gbɔe nye esi! Xawa meɖo kpɔɖeŋu nyui aɖeke ɖi na srɔ̃nyɔnuwo o. Yehowa wɔ tanyenye ƒe ɖoɖo nyui aɖe na Xawa, si dzi Wònaa mɔfiame tonɛ. Gake Xawa mede bubu ɖoɖo ma ŋu o. Edo kpo wɔwɔ ɖe mɔfiame si srɔ̃a Adam nae la dzi. (1 Mose 2:16, 17; 3:3; 1 Kor. 11:3) Ele eme be ɖe woble Xawa ya, gake ɖe wòle be Xawa nabia srɔ̃a nenye be esɔ be yeawɔ ɖe gbeɖiɖi si ƒo nu na ye tso nu si wòbe ‘Mawu nya’ ŋu la dzi mahã. Ðe esia teƒe la, ɖe srɔ̃nyɔnu sia ɖo nu si wòle be srɔ̃a nawɔ la nɛ dadatɔe boŋ.—1 Mose 3:5, 6; 1 Tim. 2:14.

9. Ðokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi?

9 Yesu ya wɔ nu si to vovo na ema kura, esi wòto eɖokuibɔbɔ na ame si nye eƒe Ta la dzi ɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu deblibo ɖi. Eƒe nɔnɔme kple agbenɔnɔ ɖee fia be “susu aɖeke meva tame nɛ be yeaʋli ɖoƒe, si nye be ye kple Mawu yewoasɔ o.” Ke boŋ “eɖi gbɔlo eɖokui, eye wòtsɔ kluvi ƒe nɔnɔme.” (Fp. 2:5-7) Egbea la, nɔnɔme ma tututue gakpɔtɔ le Yesu, si nye Fia si le dzi ɖum la si. Yesu lɔ̃na faa bɔbɔa eɖokui ɖe Fofoa ƒe tanyenye te le nuwo katã me eye wòkpea asi ɖe eŋu.—Mat. 20:23; Yoh. 5:30; 1 Kor. 15:28.

10. Aleke srɔ̃nyɔnu abɔbɔ ɖe srɔ̃a ƒe tanyenye te ahakpe asi ɖe eŋu?

10 Le Yesu sɔsrɔ̃ me la, anyo be srɔ̃nyɔnu Kristotɔ nabɔbɔ ɖe srɔ̃a ƒe tanyenye te ahakpe asi ɖe eŋu. (Mixlẽ 1 Petro 2:21; 3:1, 2.) Bu nɔnɔme aɖe si aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na srɔ̃nyɔnu be wòawɔ esia la ŋu kpɔ. Wo viŋutsuvi le mɔ biam le egbɔ be yeayi aɖakpɔ gome le wɔna aɖe, si ahiã be dzilawo naɖe mɔ nɛ hafi wòayi, la me. Esi wònye be dzila eveawo menɔ anyi de ŋugble tso eŋu do ŋgɔ o ta la, asɔ be vidada la nabia ɖevia be, “Èbia fofowòa?” Ne ɖevia gblɔ be yemebia ye fofo o la, anyo be srɔ̃nyɔnua nalée kpɔ kple srɔ̃a hafi aɖe afɔ aɖe. Gawu la, anyo be srɔ̃nyɔnu Kristotɔ naƒo asa na tsitretsitsi ɖe srɔ̃a ƒe nyawo ŋu alo nyahehe ɖe eƒe nukpɔsusuwo ŋu le wo viwo ŋkume. Ne eƒe susu mewɔ ɖeka kple srɔ̃aŋutsua tɔ le nane me o la, ahe srɔ̃a ƒe susu ayi edzi ne woawo ɖeɖe li.—Ef. 6:4.

Kpɔɖeŋu Si Yesu Ðo Ði Na Dzilawo

11. Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi na dzilawo?

11 Togbɔ be Yesu meɖe srɔ̃ alo dzi vi kpɔ o hã la, eɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ŋutɔ ɖi na dzila Kristotɔwo. Le mɔ ka nu? Efia nu eƒe nusrɔ̃lawo le lɔlɔ̃ kple dzigbɔɖi me to nyagbɔgblɔ kple kpɔɖeŋu me. Efia ale si woawɔ dɔ si wòde wo si la ade goe la wo. (Luka 8:1) Ale si Yesu wɔ nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu kple nɔnɔme si wòɖe fia wo fia ale si wòle be woawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋui la wo.—Mixlẽ Yohanes 13:14-17.

12, 13. Nu kae wobia tso dzilawo si be woawɔ ne wodi be yewoahe yewo viwo woanye mawuvɔ̃lawo?

12 Ðeviwo srɔ̃a wo dzilawo ƒe kpɔɖeŋu, eɖanye nyuia alo gbegblẽa o. Eya ta dzilawo, mibia mia ɖokuiwo be: ‘Ne wotsɔ ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si míezãna ɖe televisionkpɔkpɔ kple modzakaɖeɖe ŋu sɔ kple esi míezãna ɖe Biblia sɔsrɔ̃ kple gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ŋu la, nya ka gblɔmee míele na mía viwo? Nu kawo tututue xɔa nɔƒe vevitɔ le míaƒe ƒomea me? Ðe míenaa míaƒe agbe kple nyametsotsowo nɔa te ɖe subɔsubɔ vavãtɔa dzi be wòanye kpɔɖeŋu nyui na mía viwoa?’ Ele be Mawu ƒe sea natsi dzi me na dzilawo ŋutɔ gbã hafi woate ŋu ahe wo viwo woanye mawuvɔ̃lawo.—5 Mose 6:6.

13 Ne dzilawo dzea agbagba tsɔa Biblia me gɔmeɖosewo dea dɔwɔwɔ me le woƒe gbe sia gbe nuwɔnawo me la, wo viwo kpɔnɛ dzea sii, eye esia wɔnɛ be dzilawo ƒe nyawo wɔa dɔ ɖe wo viwo dzi. Gake ne ɖeviwo va de dzesii be yewo dzilawo menɔa agbe ɖe nu siwo wogblɔna nu o la, woaƒo nya ta be Biblia me gɔmeɖosewo mele vevie ŋutɔŋutɔ o, alo be viɖe mele wo ŋu o. Esia ate ŋu ana be xexea nakpɔ ŋusẽ ɖe ɖeviawo dzi bɔbɔe wu.

14, 15. Taɖodzinu kawo yome titie wòle be dzilawo naƒã ɖe wo viwo me, eye mɔ siwo dzi woate ŋu ato awɔ esia la dometɔ aɖe ɖe?

14 Dzila Kristotɔwo nyae be vihehe bia nu geɖe wu ɖeviawo ƒe ŋutilãmenu hiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ na wo ko. Eya ta anye nuŋumabumabu yi ŋgɔ si gbɔ eme le dzilawo gome be woafia wo viwo be woaminya ŋutilãmetaɖodzinu siwo adze abe emawoe ade wo dzi ene. (Nyagb. 7:12) Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woana gbɔgbɔmenuwo kple wo yome titi nanye woƒe taɖodzinu vevitɔ. (Mat. 6:33) Eya ta le Yesu sɔsrɔ̃ me la, ele be dzila Kristotɔwo naƒã gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome titi ƒe didi ɖe wo viwo me.

15 Mɔ aɖe si dzi dzilawo ato awɔ esiae nye be woawɔ ɖoɖo wo viwo nanɔ ha dem kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Kpɔ ale si gbegbe wòade dzi ƒo na sɔhɛwo ne wode ha kple mɔɖelawo alo nutome sue dzikpɔla kple srɔ̃a ɖa! Dutanyanyuigblɔlawo, nɔvi siwo wɔa dɔ le Betel, kple dukɔwo dome xɔtudɔwɔlawo, siwo ava srã mi kpɔ la ate ŋu atsɔ dzonɔameme aƒo nu tso dzidzɔ si kpɔm wole le kpekpe ɖe amewo ŋu be woasubɔ Yehowa me ŋu la na mi. Ðikeke mele eme o be nuteƒekpɔkpɔ nyui geɖe anɔ nɔvi siawo si woagblɔ na mi. Woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe subɔsubɔdɔa ŋu nya sese ate ŋu akpe ɖe mia viwo ŋu woawɔ nyametsotso nyuiwo, woaɖo taɖodzinu nyuiwo, eye woatia sukunusɔsrɔ̃ si sɔ si akpe ɖe wo ŋu be woakpɔ wo ɖokuiwo dzi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me.

Ðeviwo, Nu Kae Akpe Ðe Mia Ŋu Be Miasrɔ̃ Yesu Ƒe Kpɔɖeŋu?

16. Aleke Yesu de bubu dzila siwo kpɔ edzi le anyigba dzi kple Fofoa si le dziƒo la ŋu?

16 Ðeviwo, Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na miawo hã. Wotsɔ Yesu dzi kpɔkpɔ de Yosef kple Maria si, eye Yesu ɖo to wo. (Mixlẽ Luka 2:51.) Yesu nyae be togbɔ be womede blibo o hã la, woawoe Mawu tsɔ ye dzi kpɔkpɔ de asi na. Esi wòle alea ta la, ele be yeade bubu wo ŋu. (5 Mose 5:16; Mat. 15:4) Esi Yesu tsi la, eyi edzi wɔ nu siwo dzea Fofoa si le dziƒo la ŋu ɣesiaɣi. Esia bia tso Yesu si be wòanɔ te ɖe tetekpɔwo nu. (Mat. 4:1-10) Ðeviwo, tomaɖomaɖo mia dzilawo ƒe tetekpɔwo ate ŋu adze ŋgɔ mi ɣeaɖewoɣi. Eya ta nu kae ate ŋu akpe ɖe mia ŋu miasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu?

17, 18. (a) Nyaƒoɖeamenu kawo ƒomevie sɔhɛwo doa goe le suku? (b) Ŋkuɖoɖo nu ka dzie ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu woakpe akɔ kple tetekpɔwo?

17 Anɔ eme be wò sukuhatiwo dometɔ akpa gãtɔ medea bubu boo aɖeke Biblia ƒe dzidzenuwo ŋu o alo womedea bubu wo ŋu kura o. Ðewohĩ woadze agbagba be yewoaƒoe ɖe nuwò nàkpɔ gome le nuwɔna gbegblẽwo me, eye woaɖu fewu le ŋuwò ne ègbe gomekpɔkpɔ le wo me. Ðe wò sukuhatiwo yɔa megbeŋkɔ aɖewo na wò le esi nègbe gomekpɔkpɔ kpli wo le wɔna aɖewo me ta? Ne nenemae la, aleke nèwɔa nui? Ènyae be ne èɖe mɔ vɔvɔ̃ na be nèkplɔ ameha la ɖo la, ate ɖe dziwòlawo kple Yehowa siaa dzi vevie. Nu kae adzɔ ɖe dziwò ne èdze wò sukuhatiwo yome? Ðewohĩ èɖo taɖodzinu aɖewo na ɖokuiwò, be yeava zu mɔɖela alo subɔsubɔdɔwɔla, alo be yeayi aɖasubɔ le afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu, alo awɔ dɔ le Betel. Ðe hadede kple wò sukuhatiwo akpe ɖe ŋuwò nàɖo wò taɖodzinuawo gbɔa?

18 Mi sɔhɛ siwo le Kristo hamea me, ɖe miekpɔa mia ɖokuiwo le nɔnɔme siawo siwo doa ame ƒe xɔse kpɔ la tɔgbi mea? Aleke miewɔa nui? Mibu Yesu, ame si nye miaƒe kpɔɖeŋuɖola la, ŋu kpɔ. Yesu mena ta gbeɖe le tetekpɔ me o, eye wòlé nu si wònya be eyae nye nyuitɔ la me ɖe asi goŋgoŋ. Ŋkuɖoɖo esia dzi ana dzi nanɔ mia ƒo miagblɔ na miaƒe sukuhatiwo eme nakɔ na wo be yewomedi be yewoakpɔ gome kpli wo le nu si yewonya be menyo o la wɔwɔ me o. Abe Yesu ene la, miaƒe susu nenɔ mɔnukpɔkpɔ si nye dzidzɔ mavɔ si miava kpɔ le Yehowa subɔsubɔ kple toɖoɖoe me la ŋu.—Heb. 12:2.

Nu Vevi Si Nana Wokpɔa Dzidzɔ Le Ƒomegbenɔnɔ Me

19. Nu ka wɔwɔe nana wokpɔa dzidzɔ vavã le agbe me?

19 Yehowa Mawu kple Yesu Kristo dia nu nyuitɔwo kekeake na ameƒomea. Togbɔ be ame madeblibowoe míenye hã la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ aɖe si nu. (Yes. 48:17, 18; Mat. 5:3) Yesu fia mawusubɔsubɔ ŋuti nyateƒe siwo dzi ameƒomea ƒe dzidzɔkpɔkpɔ nɔ te ɖo la eƒe nusrɔ̃lawo, gake menye emawo ɖeɖe koe wòfia wo o. Yesu fia agbenɔnɔmɔ nyuitɔ kekeake hã wo. Gawu la, egblẽ dadasɔ le agbenɔnɔ kple nuwɔna me ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Yesu ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ aɖe vi na mí katã, ɖoƒe ka kee míeɖale le ƒomea me o. Eya ta srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, dzilawo, kple ɖeviwo siaa, misrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu! Vavãe agbenɔnɔ ɖe Yesu ƒe nufiafiawo nu kple eƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃e nye nu vevitɔ si nana wokpɔa dzidzeme kple dzidzɔ le ƒomegbenɔnɔ me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke wòle be srɔ̃ŋutsuwo nawɔ ŋusẽ si Mawu na wo la ŋu dɔe?

• Aleke srɔ̃nyɔnu ate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu?

• Nu kae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu wɔ nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu me?

• Nu kae ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋu me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Hafi srɔ̃ŋutsu lɔ̃ame nawɔ nyametsotso aɖe si ka eƒe ƒomea la, nu kae wòawɔ?

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Nɔnɔme kae aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na srɔ̃nyɔnu be wòabɔbɔ ɖe srɔ̃a ƒe tanyenye te ahakpe asi ɖe eŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ðeviwo srɔ̃a wo dzilawo ƒe nɔnɔme nyuiwo