Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuwɔwɔ Aduadu Nana Wowɔa Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi Nyuiwo

Nuwɔwɔ Aduadu Nana Wowɔa Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi Nyuiwo

Nuwɔwɔ Aduadu Nana Wowɔa Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi Nyuiwo

NUWƆWƆ aduadu le vevie ŋutɔ le ame siwo dina be yewoahe yewoƒe ƒomea me tɔwo be woanye ame siwo tsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu la gome. Esi Yehowa wɔ atsu kple asi gbãtɔ la, ete gbe ɖe nuwɔwɔ aduadu ƒe vevienyenye dzi. Enɔ na Xawa be wòanye srɔ̃a Adam ƒe “kpeɖeŋutɔ.” (1 Mose 2:18) Ele be srɔ̃ɖeɖe nanye ɖekawɔwɔ si me ŋutsu kple nyɔnu nanɔ alɔ dom wo nɔewo le. (Nyagb. 4:9-12) Dɔ si Yehowa de dzilawo kple wo viwo si wɔwɔ ade goe hã bia nuwɔwɔ aduadu.

Ƒometadedeagu

Barry kple Heidi nye atsu kple asi aɖe si si vi atɔ̃ le. Wokpɔe be nuwɔwɔ aduadu le ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ gome kpe ɖe yewo ŋu yewowɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. Barry gblɔ be: “Medea dɔ suesuewo asi na mía viawo tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi be woawɔ le ƒomenusɔsrɔ̃a me. Ɣeaɖewoɣi la, mebiana tso wo si be woaxlẽ nyati aɖe le Nyɔ! me, eye woava gblɔ nu siwo ŋu woke ɖo la le ƒomenusrɔ̃ɣia. Míewɔa gbeadzisubɔsubɔdɔ ŋuti wɔwɔfiawo hã ale be dzeɖonya nɔa ɖevi ɖe sia ɖe si wòatsɔ ayi gbeadzie.” Heidi gblɔ kpee be: “Mí katã míeŋlɔa gbɔgbɔmetaɖodzinu siwo gbɔ míedi be míaɖo la ɖi, eye míetoa esiawo me tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi le ƒomenusrɔ̃ɣia ale be míakpɔ ŋgɔyiyi si wɔm míele.” Atsu kple asi sia kpɔe hã be eɖoɖo koŋ be ƒomea nagakpɔ television le zã aɖewo me o na mɔnukpɔkpɔ sua ƒome bliboa si woxlẽa nu le tomefafa me.

Hame Ƒe Kpekpewo

Mike kple Denise he vi ene. Aleke nuwɔwɔ aduadu ɖe vi na woƒe ƒomeae? Mike gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, ɖoɖo nyuitɔ kekeake kura gɔ̃ hã medzea edzi o, gake míekpɔe be nuwɔwɔ aduadu kpena ɖe mía ŋu míeɖoa kpekpeawo ɖe game dzi.” Denise gblɔ be: “Esime ɖeviawo nɔ tsitsim la, míedea aƒemedɔ aɖewo wo dometɔ ɖe sia ɖe si. Mía vinyɔnu Kim kpea asi ɖe nuɖaɖa kple kplɔ̃ɖoɖo ŋu.” Wo viŋutsu Michael ɖo ŋku edzi be: “Le Braɖa fiẽwo la, wowɔa hamea ƒe kpekpe aɖe le míaƒe aƒe me. Eya ta míedzraa xɔa me ɖo, kplɔa anyigba, eye míeɖoa zikpuiawo.” Wo viŋutsu bubu si ŋkɔe nye Matthew hã gblɔ kpee be: “Papa kpɔa egbɔ be yegbɔ tso dɔ me kaba le fiẽ siwo me míeyia kpekpe, ale be wòakpe ɖe mía ŋu míadzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu.” Nu kawoe do tso eme?

Woƒe Agbagbadzedzewo Ðe Vi

Mike gblɔ be: “Le ƒe 1987 me la, mía kple Denise míedze mɔɖeɖedɔa gɔme. Ɣemaɣi la, mía vi eneawo dometɔ etɔ̃ gakpɔtɔ nɔ mía gbɔ. Wo dometɔ eve hã va zu mɔɖelawo, eye mamlɛawo kpɔ gome le Betel xɔtudɔwo me. Nu bubu si ganaa míaƒe ƒomea kpɔa dzidzɔe nye be míete ŋu kpe ɖe ame 40 ŋu woɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ. Mɔnukpɔkpɔ su mía si hã be míaƒe ƒomea kpɔ gome le xɔtudɔwo me—le duta gɔ̃ hã.”

Vavãe, nuwɔwɔ aduadu abe ƒome ene ɖea vi ale gbegbe. Ðe mɔ bubu aɖewo li siwo nu miate ŋu awɔ nu aduadu kple mia nɔewo le le wò ƒomea mea? Àte ŋu aka ɖe edzi be ne miewɔa nu aduadu le ƒomea me la, akpe ɖe mia ŋu miagawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nyui bubuwo.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Wɔwɔfiawo wɔwɔ naa ƒomea wɔa ŋgɔyiyi le gbeadzisubɔsubɔdɔa me