Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyateƒea Ƒe Kuwo Ðo Nuto Saɖeagawo Me

Nyateƒea Ƒe Kuwo Ðo Nuto Saɖeagawo Me

Nyateƒea Ƒe Kuwo Ðo Nuto Saɖeagawo Me

TUVA REPUBLIC si le Russia la nye du aɖe si le Siberia ƒe anyiehe ƒe yɔyrɔenu, eye Mongolia le eƒe anyiehe kple ɣedzeƒe. Tuvatɔ geɖe le nuto saɖeagawo me, eye esesẽ be woatsɔ Fiaɖuƒegbedeasia ayi na wo. Ke hã, ɣeaɖeɣi va yi la, ame geɖewo zɔ mɔ tso Tuva ƒe nuto saɖeaga geɖewo me va Kyzyl, si nye woƒe fiadua me hena numedzrokpekpe aɖe wɔwɔ. Maria, si nye mɔɖela aɖe si le Kyzyl, see be wova dua me, eye wòkpɔe be esia nye mɔnukpɔkpɔ aɖe si mebɔ o na ye be yeagblɔ nya nyuia na wo.

Maria gblɔ nu si dzɔ la ale: “Suku si me mefiaa nu le la wɔ ɖoɖo be woawɔ numedzrokpekpe aɖe ku ɖe ale si woakpɔ atike vɔ̃ɖiwo zazã ƒe nyaa gbɔ ŋu. Ame siwo ƒe xexlẽme ade 50 siwo tso Tuva ƒe nuto saɖeagawo mee wokpe na numedzrokpekpe ma. Vavalawo dometɔ aɖewo nye nufialawo, susuŋutinunyalawo, ɖeviwo ƒe dedienɔnɔnyawo gbɔ kpɔlawo, kple ame bubuwo.” Le Maria gome la, esia nye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe nɛ, evɔ wòganye gbetɔame aɖe hã nɛ. Egblɔ be: “Le dzɔdzɔme nu la, ŋu kpeam, eye vomeɖaseɖiɖi sesẽna nam. Ke hã, medo gbe ɖa na Yehowa be wòana dzi nanɔ ƒonye be maɖu vɔvɔ̃a dzi, eye mawɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋu dɔ aɖi ɖase.” Ðe wòkpɔ dzidzedzea?

Maria yi edzi be: “Meke ɖe Nyɔ! aɖe si ƒo nu tso dzidziƒoame (si nye vɔvɔ̃ na nɔnɔme aɖe alo na nane vevie la) ŋu. Megblɔ le nye susu me be, ‘nyati sia ado dzidzɔ na susuŋutinunyalawo,’ eya ta metsɔ magazine la ɖe asi yi suku. Gbe ma gbe la, nufiala siwo va numedzrokpekpea dometɔ ɖeka va nye ɔfis, eye metsɔ magazine la nɛ. Exɔe kple dzidzɔ. Le nyateƒe me la, egblɔ be dzidziƒoame ƒomevi aɖe ɖea fu na ye ŋutɔ hã. Le ŋufɔke la, metsɔ agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques), Babla 1 la nɛ. Egaxɔ ema hã kple dzidzɔ. Ale si wòkpɔ dzidzɔ ɖe agbalẽa ŋu la na megblɔ na ɖokuinye be, nufiala bubuwo hã akpɔ dzidzɔ ɖe agbalẽ ma ŋu godoo. Eya ta metsɔ Young People Ask gbalẽa ƒe aɖaka ɖeka kple agbalẽ bubuwo yi sukua.” Eteƒe medidi o aɖakaa tsi ƒuƒlu. Maria gblɔ nu si dzɔ la ale: “Nufiala si metsɔ Young People Ask gbalẽa na la ƒe hatinufiala geɖewo va nye ɔfis hebiam be: ‘Afi kae wole agbalẽawo mam le?’” Wova teƒe nyuitɔ!

Numedzrokpekpea ƒe ŋkeke mamlɛtɔa nye Memleɖa. Enye ŋkeke si dzi Maria manɔ dɔ me o, eya ta eɖo agbalẽwo ɖe kplɔ̃ vovovowo dzi le eƒe ɔfis. Eŋlɔ ɖe ʋuƒo aɖe dzi be: “Nufiala Lɔlɔ̃tɔwo! Miate ŋu atsɔ agbalẽ siawo na mia ŋutɔwo kple miaƒe ame nyanyɛwo faa. Agbalẽ nyui siawo akpe ɖe mia ŋu be miakpɔ dzidzedze le miaƒe dɔa me, eye woado ŋusẽ miaƒe ƒomewo.” Aleke nuwo va yii? Maria gblɔ be: “Meva yi nye ɔfis gbe ma gbe hekpɔe be wotsɔ agbalẽawo ƒe akpa gãtɔ dzoe. Mewɔ kaba yi ɖalɔ agbalẽ kple magazine bubuwo va kpee.” Kaka woawu numedzrokpekpea nu la, Maria na magazine 380, agbalẽ 173, kple agbalẽ gbadza 34 sɔŋ. Esi ame siwo de numedzrokpekpea trɔ yi nuto saɖeaga siwo me wonɔna hewɔa dɔ le me la, wotsɔ agbalẽawo hã yii. Maria gblɔ be: “Dzi le dzɔyem ŋutɔ be azɔ la, nyateƒea ƒe kuwo ɖo Tuva ƒe nuto saɖeagawo kekeake hã me!”—Nyagb. 11:6.

[Anyigbatata si le axa 32]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

RUSSIA

TUVA REPUBLIC