Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Yesu—To Gbeƒãɖeɖe Dzideƒotɔe Me

Srɔ̃ Yesu—To Gbeƒãɖeɖe Dzideƒotɔe Me

Srɔ̃ Yesu​—To Gbeƒãɖeɖe Dzideƒotɔe Me

“Dzi ɖo mía ƒo . . . be míagblɔ Mawu ƒe nya nyui la na mi.”—1 TES. 2:2.

1. Nu ka tae Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia sese doa dzidzɔ na ame ŋutɔ?

ALEKE gbegbe nya nyui sese doa dzidzɔ na amee nye esi! Eye Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuiae nye nya nyuitɔ kekeake. Nya nyui sia naa kakaɖedzi mí be woava ɖe fukpekpe, dɔléle, vevesese, nuxaxa, kple ku ɖa. Eʋu agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ɖi, eɖe Mawu ƒe tameɖoɖowo fia, eye wòfia ale si míawɔ anɔ ƒomedodo si me lɔlɔ̃ le me kple Mawu la mí. Àsusui be ame sia amee akpɔ dzidzɔ ɖe nya nyui sia si Yesu gblɔ na ameƒomea la ŋu. Gake nublanuitɔe la, mele nenema o.

2. Ðe Yesu ƒe nyagbɔgblɔ si nye, “Meva be made mama amewo dome,” la me.

2 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Migasusu be meva ŋutifafa na ge le anyigba dzi o; nyemeva ŋutifafa na ge o, ke yi boŋ. Elabena meva be made mama amewo dome: ŋutsu ɖe fofoa ŋu, vinyɔnu ɖe dadaa ŋu, eye srɔ̃nyɔnu ɖe lɔ̃xoa ŋu. Ɛ̃, ame ƒe futɔwo anye ye ŋutɔ ƒemetɔwo.” (Mat. 10:34-36) Le esi teƒe be amewo naxɔ nya nyuia dzidzɔtɔe la, wo dometɔ akpa gãtɔ gbee boŋ. Ame aɖewo wɔa wo ɖokuiwo nya nyui gblɔlawo ƒe futɔwoe, nenye be woƒe ƒometɔ kplikplikpliwoe wonye gɔ̃ hã.

3. Nu kae míehiã le gbeƒãɖeɖedɔ si wode mía si la wɔwɔ me?

3 Míeɖea gbeƒã nyateƒe mawo siwo Yesu ɖe gbeƒãe la ke egbea, eye ne amewo see la, wowɔa nu ɖe mía ŋu abe ale si ko ame geɖe wɔ nu ɖe Yesu ŋu ɣemaɣi ene. Míenya be alea koe wòanɔ. Elabena Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Kluvi mewua eƒe aƒetɔ o. Ne woti yonyeme la, ekema woati miawo hã mia yome.” (Yoh. 15:20) Le dukɔ geɖewo me la, wometia mía yome ŋutɔŋutɔ tẽe o, gake míedoa go vlodoame kple ɖekematsɔleme. Le ema ta míehiã xɔse kple dzinɔameƒo ale be míate ŋu ado dzi aɖe gbeƒã nya nyuia kple dzideƒo.—Mixlẽ 2 Petro 1:5-8.

4. Nu ka tae wòhiã be ‘dzi naɖo’ Paulo ‘ƒo’ hafi wòate ŋu aɖe gbeƒã?

4 Ðewohĩ esesẽna na wò ɣeaɖewoɣi be nàkpɔ gome le subɔsubɔdɔa me alo èvɔ̃na na eƒe akpa aɖewo wɔwɔ. Ne nenemae la, nyae be esia dzɔna ɖe gbeƒãɖela wɔnuteƒe bubuwo hã dzi. Apostolo Paulo nye gbeƒãɖela dzinɔameƒotɔ si mevɔ̃na o kple ame si se nyateƒenya la gɔme nyuie, gake ɣeaɖewoɣi la, avu kple kɔe gbeƒãɖeɖedɔa nyena nɛ. Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Tesalonika be: “Esi míekpe fu, eye woɖi gbɔ mí gbã le Filipi (abe ale si mienyae ene) vɔ la, dzi ɖo mía ƒo to mía Mawu la dzi, be míagblɔ Mawu ƒe nya nyui la na mi le ʋiʋli geɖe me.” (1 Tes. 2:2) Le Filipi la, dumegãwo ƒo Paulo kple eƒe zɔhɛ Sila kple ati, tsɔ wo de gaxɔ me, eye wode ga woƒe afɔwo ɖe atikpo siwo me woɖe do ɖo la me. (Dɔw. 16:16-24) Togbɔ be enɔ nenema hã la, ‘dzi ɖo’ Paulo kple Sila ‘ƒo’ woyi edzi ɖe gbeƒã. Aleke míawo hã míate ŋu awɔ nenema ke? Be míaɖo nya sia ŋu la, mina míakpɔ nu si kpe ɖe Mawu subɔla siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ŋu wogblɔ nyateƒe si ku ɖe Yehowa ŋu la dzinɔameƒotɔe la ɖa, eye míakpɔ ale si míate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋuwoe hã.

Wonɔ Te Ðe Fuléle Nu Dzideƒotɔe

5. Nu ka tae tso gbe aɖe gbe ke la, Yehowa subɔla wɔnuteƒewo hiãna na dzideƒo?

5 Ðikeke mele eme o be Yesu Kristoe nye ame si ɖo kalẽwɔwɔ kple dzideƒo ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake ɖi. Ke hã, tso ameƒomea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke la, ehiãna ɣesiaɣi be Yehowa subɔla wɔnuteƒewo katã naɖe dzinɔameƒo afia. Nu ka tae? Le aglãdzedze si yi edzi le Eden bɔa me megbe la, Yehowa gblɔe ɖi be adikã alo fuléle anɔ Mawu subɔlawo kple Satana subɔlawo dome. (1 Mose 3:15) Eteƒe medidi kura hafi fuléle sia va dze ƒãa esime ame dzɔdzɔe Abel ŋutɔ nɔviaŋutsu wui o. Emegbe wolé fu Henox, ŋutsu nuteƒewɔla bubu aɖe si nɔ agbe do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa hã. Egblɔe ɖi be Mawu ava kple Eƒe aʋakɔ kɔkɔe akpeakpewo ahadrɔ̃ ʋɔnu ame mavɔ̃mawuwo. (Yuda 14, 15) Kakaɖedzitɔe la, ame geɖe mekpɔ dzidzɔ ɖe gbedeasi sia ŋu o. Amewo lé fu Henox, eye edze ƒãa be ne ɖe Yehowa metso eƒe agbe dzi kpɔtɔ o la, anye ne wowui. Dzinɔameƒo ka gbegbee nye esi Henox ɖe fia!—1 Mose 5:21-24.

6. Nu ka tae Mose hiã dzideƒo hafi ate ŋu aƒo nu na Farao?

6 Bu dzinɔameƒo si gbegbe Mose ɖe fia le nuƒoƒo na Farao me ŋu kpɔ; Farao nye dziɖula aɖe si wobuna be enye mawu aɖe, ɣemawu Ra ƒe vi, ke menye be enye mawuwo ƒe teƒenɔla dzro aɖe ko o. Ate ŋu anye be abe ale si wònɔ le Farao bubuwo gome ene la, Farao sia hã dea ta agu na eya ŋutɔ ƒe nɔnɔmewɔwɔ. Farao ƒe nyawo nye se; eƒe sewoe kplɔa dukɔa. Ame aɖeke meɖo nu si Farao ŋusẽtɔ, dadala, kple dzimesesẽtɔ sia awɔ la nɛ kpɔ o. Ame sia ŋkumee Mose, alẽkplɔla tsɛ ma dona ɖo enuenu evɔ womekpenɛ hafi o, eye womexɔnɛ nyuie hã o. Eye nya kawoe Mose gblɔ ɖi? Fukpekpe gblẽnuwo. Eye nu kae wòbia tso fia la si? Ebia be Farao naɖe mɔ eƒe kluvi miliɔn geɖewo naʋu adzo le dukɔa me! Ðe Mose hiã dzideƒo hafi ate ŋu agblɔ nya sia? Godoo!—4 Mose 12:3; Heb. 11:27.

7, 8. (a) Dodokpɔ kawoe nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema la kpe akɔ kple? (b) Nu kae kpe ɖe ame siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia la ŋu be woɖe dzinɔameƒo fia le tadedeagu vavã la ƒe akpa dzi nɔnɔ kple edodo ɖe ŋgɔ me?

7 Ƒe alafa aɖewo le esia megbe la, nyagblɔɖila kple Mawu subɔla wɔnuteƒe bubuwo tsɔ dzinɔameƒo nɔ tadedeagu vavã la ƒe akpa dzi sesĩe. Satana ƒe xexea mekpɔ nublanui na wo o. Paulo gblɔ be: “Woƒu kpe wo, wote wo kpɔ, wodze wo kple laxalaxa, woku ɖe yi nu, wonɔ tsatsam le alẽgbalẽwo me, le gbɔ̃gbalẽwo me, esime wonɔ koɖoɖo me, xaxa me, ŋlɔmiwɔwɔ ɖe wo ŋu me.” (Heb. 11:37) Nu kae kpe ɖe Mawu subɔla wɔnuteƒe mawo ŋu wote ŋu nɔ te sesĩe? Le mawunyakpukpui ʋɛ aɖewo siwo do ŋgɔ na esia me la, apostolo Paulo gblɔ nu si do ŋusẽ Abel, Abraham, Sara, kple mawusubɔla bubuwo wodo dzi la na mí. Egblɔ be: “Woƒe asi mesu ŋugbedodoawo me vava dzi o . . . gake [le xɔse me la] wokpɔ wo ɖaa le adzɔge, eye wodo ɖoaƒe na wo.” (Heb. 11:13) Ðikeke mele eme o be nyagblɔɖila mawo, siwo dometɔ aɖewoe nye Eliya, Yeremiya, kple nuteƒewɔla bubu siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia, siwo nɔ tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa dzi dzideƒotɔe la te ŋu do dzi esi woƒe ŋkuwo nɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi ta.—Tito 1:2.

8 Nuteƒewɔla mawo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia nɔ mɔ kpɔm na etsɔme nyui dodzidzɔname aɖe. Le woƒe tsitretsitsi megbe la, woade blibo mlɔeba, eye ‘woaɖe wo tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me’ to Kristo Yesu kple nunɔlatevi 144,000 ƒe nunɔladɔ la dzi. (Rom. 8:21) Gawu la, dzi ɖo Yeremiya kple mawusubɔla dzinɔameƒotɔ bubu siwo nɔ anyi le blemaɣeyiɣiwo me la ƒo le kakaɖedzi si Yehowa na wo si dze le ŋugbe si wòdo na Yeremiya me la ta. Egblɔ nɛ be: “Woawɔ avu kpli wò, ke woado kpoe, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe!” (Yer. 1:19) Egbea la, ne míedea ŋugble le ŋugbe si Mawu do na mí ku ɖe etsɔme ŋu kple kakaɖedzi si wòna mí be yeakpɔ mía ta le gbɔgbɔ me ŋu la, ŋusẽ ɖoa míawo hã mía ŋu.—Lod. 2:7; mixlẽ 2 Korintotɔwo 4:17, 18.

Lɔlɔ̃ Ʋã Yesu Wòɖe Gbeƒã Kple Dzideƒo

9, 10. Aleke Yesu ɖe dzinɔameƒo fia le (a) hakplɔlawo ŋkume, (b) asrafoha aɖe ŋkume, (d) nunɔlagã la ŋkume, (ɖ) Pilato ŋkume?

9 Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola Yesu, ɖe dzinɔameƒo fia le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be ame ŋkuta siwo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi la lé fu Yesu hã la, esia mena wòtɔ tsi gbedeasi si Mawu di be amewo nase la o. Eklo nu le hakplɔla xɔŋkɔwo dzi ɖe woƒe ɖokuiŋudzedze kple alakpanufiafiawo ta vɔvɔ̃manɔmee. Ŋutsu mawo dze na fɔbubu, eye Yesu bu fɔ wo kã naneke maɣlamaɣlae. Egblɔ na wo gbe ɖeka be: “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Elabena mieɖi yɔdo siwo wosi akalo na, siwo nya kpɔ vavã le gota, gake wo me yɔ fũu kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple makɔmakɔnyenye ɖe sia ɖe ƒomevi. Nenema kee miawo hã miedzena ame dzɔdzɔewoe vavã le gota le amewo ŋkume, gake mia me yɔ fũu kple alakpanuwɔwɔ kple sedzimawɔmawɔ.”—Mat. 23:27, 28.

10 Esi asrafoha aɖe va Yesu lé ge le Getsemane bɔa me la, eɖe eɖokui fia wo dzideƒotɔe. (Yoh. 18:3-8) Emegbe wokplɔe yi Sanhedrin la ŋkume eye nunɔlagã la bia gbee. Togbɔ be Yesu nyae be nunɔlagã la nɔ nu si dzi wòanɔ te ɖo awu ye dim hã la, Yesu gblɔ vɔvɔ̃manɔmee be yee nye Kristo la kple Mawu ƒe Vi la siaa. Egblɔ kpee be woakpɔ ye ‘yeabɔbɔ anɔ anyi ɖe ŋusẽ ƒe ɖusime gbɔna kple dziƒolilikpowo.’ (Mar. 14:53, 57-65) Ema megbe kpuie la, wobla Yesu hena wòtsi tsitre ɖe Pilato, ame si ate ŋu aɖe asi le eŋu hafi la, ŋkume. Gake Yesu Kristo zi kpi, meɖo nya si wotsɔ nɔ enu tsom la ŋu o. (Mar. 15:1-5) Esiawo katã bia dzinɔameƒo geɖe.

11. Aleke dzideƒo do ƒome kple lɔlɔ̃?

11 Yesu gblɔ na Pilato be: “Nu si tae wodzim ɖo, si tae meva xexea me ɖo ye nye esi: be maɖi ɖase na nyateƒe la.” (Yoh. 18:37) Yehowa de dɔ asi na Yesu be wòaɖe gbeƒã nya nyuia, eye edo dzidzɔ na Yesu be yeawɔ esia, elabena elɔ̃ Fofoa si le dziƒo la. (Luka 4:18, 19) Yesu lɔ̃ amewo hã. Enyae be wonɔ nɔnɔme sesẽwo me tom le agbe me. Nenema kee lɔlɔ̃ na Mawu kple mía haviwo koŋ ye ʋãa mí míeɖia ɖase dzideƒotɔe vɔvɔ̃manɔmee.—Mat. 22:36-40.

Gbɔgbɔ Kɔkɔea Doa Ŋusẽ Mí Míeɖea Gbeƒã Dzideƒotɔe

12. Nu kae he dzidzɔ vae na nusrɔ̃la gbãtɔawo?

12 Le kwasiɖa siwo kplɔ Yesu ƒe ku ɖo me la, susu aɖe va nɔ eƒe nusrɔ̃lawo si si ta wokpɔ dzidzɔ ɖo. Eyae nye be Yehowa tsɔ ame siwo ɖem wonɔ la nɔ kpekpem ɖe wo ŋu. Le ŋkeke ɖeka pɛ ko dzi la, wonyrɔ ame 3,000 aɖewo siwo nye Yudatɔwo kple dukɔwo me tɔ siwo zu Yudatɔwo siwo tso dukɔ geɖewo me va Yerusalem hena Pentekoste ŋkekenyuia ɖuɖu! Aleke gbegbe amewo anya nɔ nu ƒom tso nudzɔdzɔ sia ŋu le Yudatɔwo ƒe du vevi sia mee nye esi! Biblia gblɔ be: “Luʋɔ ɖe sia ɖe te vɔvɔ̃, eye nukunu kple dzesi geɖewo te dzɔdzɔ to apostoloawo dzi.”—Dɔw. 2:41, 43.

13. Nu ka tae nɔviawo do gbe ɖa bia dzideƒo, eye nu kae do tso eme?

13 Esia ku dzi na subɔsubɔhakplɔlawo, eya ta wolé Petro kple Yohanes, wotsɔ wo de gaxɔ me va se ɖe esime ŋu ke, eye wode se na wo be woagaƒo nu tso Yesu ŋu o. Esi woɖe wo le gaxɔa me la, nusrɔ̃la eve siawo va ka nu si dzɔ la ta na nɔviawo, eye wo katã wodo gbe ɖa tso tsitretsiɖeŋu si wonɔ akɔ kpem kple la ŋu be: “Yehowa, . . . nàna wò kluviwo nayi edzi agblɔ wò nya la kple dzideƒo katã.” Nu kae do tso eme? “Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã fũu, eye wonɔ Mawu ƒe nya la gblɔm kple dzideƒo.”—Dɔw. 4:24-31.

14. Aleke gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me?

14 Ele be míade dzesii be Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔ lae kpe ɖe nusrɔ̃lawo ŋu wogblɔ Mawu ƒe nya la kple dzideƒo. Menye mía ŋutɔwo gbɔe dzideƒo si míetsɔ gblɔa nyateƒea na amewo—na ame siwo tsia tsitre ɖe míaƒe gbedeasia ŋu kura gɔ̃ hã—la tsona o. Yehowa ate ŋu ana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí ne míebiae, eye ana mí hã. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míawo hã míate ŋu aɖe dzinɔameƒo si hiã be míaɖu tsitretsiɖeŋu dzi la afia.—Mixlẽ Psalmo 138:3.

Kristotɔ Siwo Li Egbea Ðea Gbeƒã Dzideƒotɔe

15. Aleke nyateƒea maa amewo me egbeae?

15 Le míaƒe ŋkekea me la, nyateƒea yi edzi le amewo me mam abe ale si ko wònɔ le ɣeyiɣi siwo va yi me ene. Ame aɖewo xɔa nya la nyuie, evɔ ame bubuwo ya mesea míaƒe tadedeagua gɔme alo kpɔa ŋudzedze ɖe eŋu o. Ame aɖewo ƒoa nu tsia tsitre ɖe mía ŋu, ɖua fewu le mía ŋu, alo léa fu mí gɔ̃ hã abe ale si ko Yesu gblɔe ɖi ene. (Mat. 10:22) Ɣeaɖewoɣi la, wogblɔa alakpanyawo kple ameŋugblẽnya vɔ̃ɖiwo ɖe mía ŋu to nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo dzi. (Ps. 109:1-3) Ke hã, le anyigba dzi godoo la, Yehowa ƒe amewo gblɔa nya nyui la kple dzideƒo.

16. Nuteƒekpɔkpɔ kae ɖee fia be nuwɔwɔ dzideƒotɔe ate ŋu ana ame siwo míeɖea gbeƒã na la ƒe nɔnɔme natrɔ?

16 Ne míewɔa nu dzideƒotɔe la, ate ŋu ana amewo ƒe nɔnɔme ɖe Fiaɖuƒegbedeasia ŋu natrɔ. Nɔvinyɔnu aɖe si le Kyrgyzstan gblɔ be: “Esi menɔ gbeadzi gbe ɖeka la, aƒemenɔla aɖe gblɔ nam be: ‘Mexɔ Mawu dzi se, gake nyemexɔ Kristotɔwo ƒe Mawu la dzi se o. Ne ègava agbo sia nu ake la, mayɔ nye avu ade wò!’ Avu gã aɖe nɔ ka me le emegbe. Gake esi míenɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 37 lia si ƒe tanyae nye ‘Ɣeyiɣi si me Woaɖe Alakpasubɔsubɔhawo Ða la Ðo Vɔ!’ mam la, meɖoe be matrɔ ayi aƒe ma ke me kple susu be mava do go ŋutsu ma ƒe ƒomea me tɔ bubuwo. Gake ŋutsu ma tututue gava ʋu ʋɔa. Medo gbe kpui aɖe ɖa na Yehowa le tame enumake, eye megblɔ na ŋutsua be: ‘Èfɔ nyuiea? Meɖo ŋku dze si míeɖo ŋkeke etɔ̃e nye esia la dzi, eye meɖo ŋku wò avua hã dzi. Gake nyemate ŋu ato wò aƒea ŋu ayi o, elabena mexɔ Mawu vavã ɖeka la dzi se abe wò ke ene. Eteƒe madidi o, Mawu ahe to na subɔsubɔha siwo medea bubu eŋu o la. Àte ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso esia ŋu ne èxlẽ trakt sia.’ Nukutɔe la, ŋutsua lɔ̃ xɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la, eye medzo le egbɔ yi aƒe bubu me. Miniti ʋɛ aɖewo megbe la, ŋutsua ƒu du va tum helé Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la ɖe asi. Egblɔ be: ‘Mexlẽe. Nu kae wòle be mawɔ be Mawu ƒe dziku nagava dzinye o?’” Wodze nusɔsrɔ̃ gɔme kple ŋutsua, eye wòte Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede.

17. Aleke dzinɔameƒo si nɔvinyɔnu aɖe ɖe fia do ŋusẽ Biblia nusrɔ̃vi aɖe si nɔ vɔvɔ̃m?

17 Dzinɔameƒo si míeɖena fiana la ate ŋu ana dzi naɖo ame bubuwo hã ƒo. Le Russia la, nɔvinyɔnu aɖe ɖo bɔs, eye wòtsɔ magazine nɔ ame aɖe nam le ʋua me. Enumake ŋutsu aɖe tso kpla xɔ magazinea le nɔvinyɔnua si, ŋlɔe, hetsɔe ƒu gbe ɖe anyigba. Enɔ nɔvinyɔnua dzum kple ɣli, eye wòbia tso nɔvinyɔnua si be wòagblɔ afi si wòle la na ye hede se nɛ be wòagaɖe gbeƒã le kɔƒea me o. Nɔvinyɔnua do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu, eye wòɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi na eɖokui be: “Migavɔ̃ ame siwo wua ŋutilã . . . la o.” (Mat. 10:28) Etso kpoo hegblɔ na ŋutsua be: “Nyemagblɔ afi si mele la na wò o, eye mayi edzi aɖe gbeƒã le kɔƒea me.” Esi wògblɔ nya sia vɔ la, eɖi le ʋua me. Nɔvinyɔnua ƒe Biblia nusrɔ̃vi aɖe nɔ bɔs ma ke me gake nɔvinyɔnua menya o. Le amegbetɔvɔvɔ̃ ta la, nusrɔ̃vi ma mete ŋu nɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem o. Ke hã, esi nusrɔ̃via kpɔ dzinɔameƒo si mía nɔvinyɔnua ɖe fia vɔ megbe la, etso nya me hete kpekpeawo dede.

18. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàɖe gbeƒã kple dzideƒo abe ale si Yesu wɔe ene?

18 Le xexe sia si ɖe eɖokui ɖe aga tso Mawu gbɔ me la, ebia dzideƒo hafi ame nate ŋu aɖe gbeƒã abe ale si Yesu wɔe ene. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu awɔ esia? Wò ŋku nenɔ nu nyui siwo ava le etsɔme la dzi. Na lɔlɔ̃ si le asiwò na Mawu kple hawòvi la me nakpɔtɔ asẽ. Do gbe ɖa na Yehowa be wòana dzi nanɔ ƒowò. Ðo ŋku edzi ɣesiaɣi be menye wò ɖekae o, elabena Yesu li kpli wò. (Mat. 28:20) Gbɔgbɔ kɔkɔea ado ŋusẽ wò. Eye Yehowa ayra wò ahakpe ɖe ŋuwò. Eya ta lé dzi ɖe ƒo nàgblɔ be: “Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ; nyemavɔ̃ o. Nu kae amegbetɔ ate ŋu awɔm?”—Heb. 13:6.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu ka tae Mawu subɔlawo hiã na dzideƒo?

• Nu kae míesrɔ̃ ku ɖe dzideƒo ŋu tso . . . 

nuteƒewɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristo la gbɔ?

Yesu Kristo gbɔ?

Kristotɔ gbãtɔwo gbɔ?

hati Kristotɔ siwo li egbea gbɔ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Yesu klo nu le hakplɔlawo dzi vɔvɔ̃manɔmee

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Yehowa naa dzideƒo si míehiã atsɔ aɖe gbeƒãe la mí