Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Yesu—To Nufiafia Lɔlɔ̃tɔe Me

Srɔ̃ Yesu—To Nufiafia Lɔlɔ̃tɔe Me

Srɔ̃ Yesu​—To Nufiafia Lɔlɔ̃tɔe Me

“Ame aɖeke meƒo nu alea kpɔ o.”—YOH. 7:46.

1. Dɔ kae ale si Yesu fia nui la wɔ ɖe amewo dzi?

KPƆ ale si gbegbe wòanye dzidzɔ be ame nase Yesu wòanɔ nu fiam la ɖa le susu me! Biblia na míenya nu tso dɔ si eƒe nyawo wɔ ɖe ame siwo wòdo goe le eƒe subɔsubɔdɔa me dzi la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Nya Nyui Gbalẽ ŋlɔla Luka gblɔ be Yesu detɔwo ƒe “mo wɔ yaa le nya vivi wɔdɔɖeamedzi siwo do tso eƒe nu me la ta.” Mateo gblɔ be ame siwo nɔ to ɖom Yesu esime wònɔ eƒe Todzimawunyaa gblɔm la ‘lulu le ale si wòfia nui ta.’ Eye Yohanes gblɔ bena atikplɔtɔ siwo wodɔ be woaɖalé Yesu la trɔ gbɔ asi ƒuƒlui hegblɔ be: “Ame aɖeke meƒo nu alea kpɔ o.”—Luka 4:22; Mat. 7:28; Yoh. 7:46.

2. Nufiafiamɔnu kawoe Yesu zã?

2 Nyateƒee atikplɔtɔ mawo to. Ðikeke mele eme o be Yesue nye Nufiala gãtɔ kekeake si nɔ anyigba dzi kpɔ. Eƒe nufiafiawo me kɔ, wo gɔmesese nɔ bɔbɔe, eye eƒe numeɖeɖewo nye esiwo ŋu ame aɖeke mete ŋu tsi tsitre ɖo o. Ezã kpɔɖeŋuwo kple nyabiasewo aɖaŋutɔe. Etrɔ asi le eƒe nufiafiawo ŋu wosɔ na ame siwo wònɔ nu fiamee, woɖanye ame ŋkutawo alo ame tsɛwo o. Nyateƒenya siwo wòfia la nye esiwo gɔme sese nɔ bɔbɔe, gake wohenye nya goglowo. Gake menye nu siawo ɖeɖe koe na Yesu nye Nufiala gã la o.

Lɔlɔ̃​—Nɔnɔme Vevitɔ

3. Abe nufiala ene la, aleke Yesu to vovo na subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me?

3 Ðikeke mele eme o be ŋutsu tagbɔɖaɖɛtɔ siwo si sidzedze kple nufiafiaɖaŋu nɔ be woafia nu la nɔ agbalẽfialawo kple Farisitɔwo hã dome. Gake nu kae na Yesu ƒe nufiafiamɔnuwo to vovo tso wo tɔwo gbɔ nenema gbegbe? Lɔlɔ̃ aɖeke menɔ subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi ɣemaɣi la si na ame tsɛwo o. Ke boŋ ɖe wodo vlo ameawo hebu wo be wonye ‘fiƒodemewo.’ (Yoh. 7:49) To vovo na wo la, amewo ƒe nu wɔ nublanui na Yesu, elabena “wowɔ fu wo, eye woka hlẽ abe alẽ siwo nu kplɔla aɖeke mele o la ene.” (Mat. 9:36) Edo vivi ɖe amewo ŋu, ese veve ɖe wo nu henyo dɔme na wo. Gawu la, lɔlɔ̃ vavã aɖeke menɔ subɔsubɔhakplɔlawo si na Mawu o. (Yoh. 5:42) Gake Yesu ya lɔ̃ Fofoa, eye eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ doa dzidzɔ nɛ. Subɔsubɔhakplɔlawo trɔ gbo Mawu ƒe nyawo le woawo ŋutɔwo ƒe ɖokuitɔdidi ƒe taɖodzinuwo ta, gake Yesu ya lɔ̃ “Mawu ƒe nya la”—efiae, ɖe eme, ʋli eta henɔ agbe ɖe enu. (Luka 11:28) Vavãe, lɔlɔ̃ xɔ Kristo ƒe ameti bliboa katã me, eɖe lɔlɔ̃ deto fia le eƒe nufiafia, nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu, kple ale si wòfia nui me.

4, 5. (a) Nu ka tae wòle vevie be míafia nu lɔlɔ̃tɔe? (b) Nu ka tae sidzedze kple nufiafiaɖaŋu siaa ŋu dɔ wɔwɔ le vevie ne míele nu fiam amewo?

4 Ke míawo ya ɖe? Esi míenye Kristo yomedzelawo ta la, míaƒe didie wònye be míasrɔ̃ eya amea le míaƒe subɔsubɔdɔa kple míaƒe agbenɔnɔ me. (1 Pet. 2:21) Eya ta menye kpekpe ɖe amewo ŋu be Biblia ŋuti sidzedze nasu wo si koe nye míaƒe taɖodzinu o, míedi be míaɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo, vevietɔ eƒe lɔlɔ̃, afia hã. Eɖanye be sidzedze geɖe le mía si loo alo sue aɖe koe le mía si o, nufiafiaɖaŋu geɖe le mía si alo sue aɖe koe le mía si o, lɔlɔ̃ si míeɖena fiana la akpe ɖe mía ŋu míaɖo ame siwo míeɖea gbeƒã na la ƒe dzi gbɔ. Be míakpɔ dzidzedze ŋutɔŋutɔ le míaƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me la, ele be míasrɔ̃ Yesu to nufiafia lɔlɔ̃tɔe me.

5 Enye nyateƒe be hafi míate ŋu anye nufiala nyuiwo la, ehiã be nu si míafia ŋuti sidzedze kple aɖaŋu si míehiã atsɔ afiae la siaa nasu mía si. Yesu kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu sidzedze kple nufiafiaɖaŋu siaa su wo si, eye nenema ke Yehowa toa eƒe habɔbɔa dzi kpena ɖe míawo hã ŋu egbea wosua mía si. (Mixlẽ Yesaya 54:13; Luka 12:42.) Ke hã, ele be wòanye míaƒe taɖodzinu be míazã míaƒe susu kple míaƒe dziwo siaa le nufiafia amewo me. Ne míewɔa sidzedze, nufiafiaɖaŋu, kple lɔlɔ̃ siaa ŋu dɔ la, emetsonuawo ado dzidzɔ na mí ale gbegbe. Ekema mɔ kawo nue míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia le ne míele nu fiam amewo? Aleke Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo wɔe? Mina míakpɔe ɖa.

Ele Be Míalɔ̃ Yehowa

6. Aleke míeƒoa nu tso ame aɖe si míelɔ̃na la ŋu?

6 Nuƒoƒo tso nu siwo míelɔ̃na ŋu doa dzidzɔ na mí. Ne míele nu ƒom tso nane si le vevie ŋutɔ na mí ŋu la, míedoa vivi ɖe egbɔgblɔ ŋu, eye dzonɔameme kple dzidzɔ dzena le mía ŋu. Esia dzena vevietɔ ne míele nu ƒom tso ame aɖe si míelɔ̃na la ŋu. Zi geɖe la, míedina vevie be míagblɔ nu si míenya tso amea ŋu la na amewo. Míekafunɛ, dea bubu eŋu heʋlia eta. Míewɔa esia, elabena míedi be amea ŋutɔ kple eƒe nɔnɔmewo nalé dzi na amewo abe míawo ke ene.

7. Nu kawoe lɔlɔ̃ si nɔ Yesu si na Mawu ʋãe wòwɔ?

7 Hafi míate ŋu aƒã lɔlɔ̃ na Yehowa ɖe amewo me la, ele be mía ŋutɔwo míanya Yehowa nyuie ahalɔ̃e. Abe ale si míenyae ene la, lɔlɔ̃ na Mawu dzie tadedeagu vavãtɔ nɔ te ɖo. (Mat. 22:36-38) Yesu ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi na mí le go sia me. Elɔ̃ Yehowa kple eƒe dzi, tamesusu, luʋɔ, kple ŋusẽ blibo. Esi Yesu nɔ Fofoa si le dziƒo la gbɔ, ɖewohĩ ƒe biliɔn geɖewo ta la, enya Fofoa nyuie. Ŋusẽ kae esia kpɔ ɖe edzi? Yesu gblɔ be “melɔ̃ Fofo la.” (Yoh. 14:31) Lɔlɔ̃ ma dze le nya sia nya si Yesu gblɔ kple nu sia nu si wòwɔ la me. Eʋãe wòwɔ nu siwo dzea Mawu ŋu ɣesiaɣi. (Yoh. 8:29) Lɔlɔ̃ ʋãe wòƒo nu tsi tsitre ɖe subɔsubɔhakplɔla siwo gblɔna alakpatɔe be yewonye Mawu ƒe teƒenɔlawo la ŋu. Eʋãe hã be wòƒo nu tso Yehowa ŋu na amewo, eye wòkpe ɖe wo ŋu wonya Mawu helɔ̃e.

8. Nu kae lɔlɔ̃ na Mawu ʋã Yesu ƒe nusrɔ̃lawo wowɔ?

8 Abe Yesu ene la, eƒe nusrɔ̃la siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la hã lɔ̃ Yehowa, eye lɔlɔ̃ ma ʋã wo wotsɔ dzinɔameƒo kple dzonɔameme ɖe gbeƒã nya nyuia. Wotsɔ woƒe nufiafiawo yɔ Yerusalem dua me taŋ, togbɔ be subɔsubɔhakplɔla triakɔwo tsi tsitre ɖe wo ŋu hã. Gake nusrɔ̃lawo mate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo tso nu siwo wokpɔ hese la ŋu gbeɖe o. (Dɔw. 4:20; 5:28) Wonyae be Yehowa li kpli yewo, eye ayra yewo—eye eyra wo hã vavã! Le nyateƒe me la, mede ƒe 30 le Yesu ƒe ku megbe hafi apostolo Paulo te ŋu ŋlɔ bena woɖe gbeƒã nya nyuia na “nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te” o.—Kol. 1:23.

9. Aleke míawɔ ado ŋusẽ lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu?

9 Ne míedi be míanye nufiala nyuiwo ŋutɔŋutɔ la, ehiã be míakpɔ egbɔ be míeyi edzi le ŋusẽ dom lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu. Aleke míate ŋu awɔ esia? Míawɔ esia to dzeɖoɖo kple Mawu edziedzi le gbedodoɖa me dzi. Míenaa lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu la me sẽna ɖe edzi to eƒe Nya la sɔsrɔ̃, Biblia srɔ̃gbalẽwo xexlẽ, kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo hã dede me. Ne míaƒe sidzedze Mawu le dzidzim ɖe edzi la, lɔlɔ̃ na eya amea ava yɔ míaƒe dziwo me fũu. Eye ne míele lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu ɖem fia le míaƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo me la, ame bubuwo ade dzesii, eye esia ate ŋu ana woate ɖe Yehowa ŋu.—Mixlẽ Psalmo 104:33, 34.

Ele Be Míalɔ̃ Nu Si Míefiana

10. Nu vevi kae naa ame nyea nufiala nyui?

10 Nu vevi aɖe si naa ame nyea nufiala nyui ye nye be elɔ̃a nu si wòfiana la. Ele be wòaxɔe ase be yeƒe nufiafia nye nyateƒe, ele vevie, eye asixɔxɔ le eŋu. Ne nufiala tsɔa ɖe le nu si wòfiana me la, eƒe dzonɔameme adze ƒãa, eye esia akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe eƒe nusrɔ̃viwo dzi. Gake ne nufialaa medea asixɔxɔ eƒe nufiafia ŋu ŋutɔŋutɔ o la, aleke wòate ŋu akpɔ mɔ be yeƒe nusrɔ̃viwo nade asixɔxɔ nya siwo sem wole la ŋu? Mègabu kpɔɖeŋu si nèɖona abe Mawu ƒe Nya fiala ene la nu tsɛ gbeɖe o. Yesu gblɔ be: “[Nusrɔ̃vi ɖe sia ɖe] si wofia nui nyuie la anɔ abe eƒe nufiala ene.”—Luka 6:40.

11. Nu ka tae Yesu lɔ̃ nu si wòfia la?

11 Yesu lɔ̃ nu si wòfia. Enyae be nu xɔasi aɖewo le ye si yeafia amewo—woawoe nye nyateƒe si ku ɖe Fofoa si le dziƒo la ŋu, “Mawu ƒe nyawo” ŋutɔŋutɔ, kple “agbe mavɔ nyawo.” (Yoh. 3:34; 6:68) Abe kekeli si nu sẽ ene la, nyateƒenya siwo Yesu fia la klo nu le nu siwo nye vɔ̃ la dzi, eye wona nu siwo nye nyui la dze kɔtɛ. Wohe mɔkpɔkpɔ kple akɔfafa vae na ame tsɛ, siwo subɔsubɔhakplɔla alakpanufialawo ble eye Abosam hã te ɖe anyi la. (Dɔw. 10:38) Menye Yesu ƒe nufiafiawo me koe eƒe lɔlɔ̃ na nyateƒea dze le o, ke edze le eƒe nuwɔnawo katã hã me.

12. Aleke apostolo Paulo bu nya nyui lae?

12 Abe Yesu ene la, eƒe nusrɔ̃lawo lɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Yehowa kple Kristo la ŋu hede asixɔxɔ gã aɖe eŋu ale gbegbe be woƒe tsitretsiɖeŋulawo mete ŋu ɖe dzi le wo ƒo wodzudzɔ gbeƒãɖeɖe nyateƒea na amewo o. Paulo ŋlɔ na ehati Kristotɔ siwo nɔ Roma la bena: “Mele didim vevie be magblɔ nya nyui la . . . Elabena nya nyui la mekpea ŋu nam o; le nyateƒe me la, enye Mawu ƒe ŋusẽ si wòtsɔna xɔa ame sia ame si si xɔse le la ɖe agbe.” (Rom. 1:15, 16) Paulo bui be bubu wònye na ye be yeaɖe gbeƒã nyateƒea. Eŋlɔ bena: “Nye, . . . ye wona amenuveve sia, be magblɔ Kristo la ƒe kesinɔnu gbogbo manyaxlẽawo ŋuti nya nyui la na dukɔwo.” (Ef. 3:8) Míate ŋu akpɔ dzo si gbegbe nɔ Paulo me esime wònɔ nu fiam amewo tso Yehowa kple Eƒe tameɖoɖowo ŋu la le susu me bɔbɔe.

13. Susu kawo tae wòle be míalɔ̃ nya nyui la?

13 Nya nyui si le Mawu ƒe Nya la me kpena ɖe mía ŋu míeva dzea si Wɔla la, eye wòkpena ɖe mía ŋu míeva nɔa ƒomedodo si me lɔlɔ̃ le me kplii. Nya nyui ma na agbe me nyabiase veviwo ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo mí, eye ŋusẽ le esi be wòatrɔ míaƒe agbenɔnɔ, wòana mɔkpɔkpɔ nasu mía si, eye wòado ŋusẽ mí le ɣeyiɣi sesẽwo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ena míenya mɔ si dzi míato anɔ agbe si ŋu viɖe le si nuwuwu meli na o la. Sidzedze aɖeke megali si xɔ asi alo le vevie wu nya nyui la o. Enye nunana si ƒe asixɔxɔ ƒo ɖe sia ɖe ta si wona mí, eye wòhea dzidzɔ geɖe vanɛ na mí. Eye gawu la, míekpɔa dzidzɔ geɖe wu ne míetsɔ nunana sia yi na amewo.—Dɔw. 20:35.

14. Aleke míawɔ be lɔlɔ̃ si le mía si na nu si míefiana la me nasẽ ɖe edzi wu?

14 Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ ana lɔlɔ̃ si le asiwò na nya nyuia me nasẽ ɖe edzi wu? Ne èle Mawu ƒe Nya la xlẽm la, anyo be nàtɔ sẽe ɣeaɖewoɣi ahade ŋugble le nu si xlẽm nèle la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, kpɔe le susu me ɖa be yekplɔ Yesu ɖo le eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi, alo ye kple apostolo Paulo yewole mɔ zɔm. Kpɔ ɖokuiwò le xexe yeyea me, eye nàkpɔ ale si agbenɔnɔ anyo wu le afi ma la le susu me. De ŋugble tso yayra si gbegbe nèkpɔ esi nèɖoa to nya nyuia ta la ŋu kpɔ. Ne èna lɔlɔ̃ si le asiwò na nya nyuia me gakpɔtɔ sẽ la, ame siwo nèɖea gbeƒã na la akpɔ wò lɔlɔ̃ sia adze sii. Eya ta anyo be míade ŋugble le nu siwo míesrɔ̃na la ŋu nyuie ahalé ŋku ɖe nu si míefiana la hã ŋu nyuie.—Mixlẽ 1 Timoteo 4:15, 16.

Ele Be Míalɔ̃ Amewo

15. Nu ka tae wòle be nufiala nalɔ̃ eƒe nusrɔ̃viwo?

15 Nufiala nyui naa eƒe nusrɔ̃viwo ƒe dzi dzea eme, eye esia wɔnɛ be wodina vevie be yewoakpɔ gome le nu si srɔ̃m yewole la me. Enyea dzidzɔ hã na nusrɔ̃viawo be woagblɔ woƒe nukpɔsusu. Nu si naa nufiala lɔ̃ame fiaa nu eƒe nusrɔ̃viwoe nye be etsɔa ɖe le eƒe nusrɔ̃viwo me vavã. Etrɔa asi le eƒe nufiafia ŋu wòsɔna ɖe woƒe hiahiãwo kple nugɔmesese ƒe ŋutete nu. Ebua eƒe nusrɔ̃viawo ƒe ŋutetewo kple nɔnɔmewo ŋu. Ne lɔlɔ̃ ma le nufialawo me la, woƒe nusrɔ̃viwo akpɔe adze sii, eye nufiafiaa kple nusɔsrɔ̃a siaa avivi.

16. Mɔ kawo nue Yesu ɖe lɔlɔ̃ fia amewo le?

16 Yesu ɖe lɔlɔ̃ ma ƒomevi fia. Eƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia gãtɔe nye ale si wòtsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo la sa vɔe bene amewo nakpɔ ɖeɖe. (Yoh. 15:13) Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la, etsɔ kutrikuku kpɔ amewo ƒe ŋutilãmehiahiãwo gbɔ, eye vevietɔ wu la, ekpɔ woƒe gbɔgbɔmehiahiãwo gbɔ na wo. Esi wòakpɔ mɔ be amewo nava ye gbɔ teƒe la, ezɔ afɔ kilometa geɖewo yi ɖaɖe gbeƒã nya nyuia na wo. (Mat. 4:23-25; Luka 8:1) Egbɔa dzi ɖi eye wòsea nu gɔme na ame. Ne ehiã be wòaɖɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖo la, ewɔnɛ le lɔlɔ̃ me. (Mar. 9:33-37) Ede dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo to ale si wòɖee fia be yeka ɖe wo dzi be woanye nya nyui gbeƒãɖela kpɔdzidzedzewo la me. Amegbetɔ aɖeke mete ŋu fia nu lɔlɔ̃tɔe wu Yesu kpɔ o. Lɔlɔ̃ si wòɖe fia eƒe nusrɔ̃lawo la ʋã wo woawo hã wolɔ̃e, eye wolé eƒe sededewo me ɖe asi.—Mixlẽ Yohanes 14:15.

17. Aleke Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe lɔlɔ̃ fia amewoe?

17 Abe Yesu ene la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖe lɔlɔ̃ kple numalɔ̃leamegbɔ deto fia ame siwo woɖe gbeƒã na. Wodo dzi le yometitiwo me hetsɔ woƒe agbe de afɔku me kple susu be yewoakpe ɖe amewo ŋu, eye wokpɔ dzidzedze le gbeƒãɖeɖe nya nyuia na wo me. Aleke gbegbe womelɔ̃a nu le ame siwo wona gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu la gbɔ o ye nye esi! Apostolo Paulo ƒe nya siawo siwo wòŋlɔ la wɔa dɔ ɖe ame dzi vavã, egblɔ be: “Míefa tu le mia dome, abe ale si vidada si le no nam ye ŋutɔ viawo la léa be na wo nyuie ene. Eya ta esi míelɔ̃a nu le mia gbɔ o ŋuti la, edzɔ dzi na mí vevie be, menye Mawu ƒe nya nyui la ɖeɖe koe míatsɔ na mi o, ke mía ŋutɔwo ƒe luʋɔwo hãe, elabena mietrɔ zu míaƒe lɔlɔ̃tɔwo.”—1 Tes. 2:7, 8.

18, 19. (a) Nu ka tae míelɔ̃na faa tsɔa nuwo saa vɔe bene míate ŋu awɔ gbeƒãɖeɖedɔa? (b) Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be amewo dea dzesi lɔlɔ̃ si míeɖena fiana la.

18 Nenema kee egbea la, Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã le xexea me godoo henɔa ame siwo dina vevie be yewoanya Mawu ahasubɔe la dim. Le nyateƒe me la, le ƒe 17 siwo va yi me la, míezã gaƒoƒo miliɔn akpe ɖeka kple edzivɔwo ƒe sia ƒe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa ŋu—eye míegale dɔ sia wɔwɔ dzi. Togbɔ be gbeƒãɖeɖedɔa bia be míatsɔ míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo asa vɔe hã la, míelɔ̃na faa wɔnɛ. Abe Yesu ene la, míese egɔme be mía Fofo si le dziƒo la di be sidzedze si kplɔa ame yia agbe mavɔ me la nasu amewo si. (Yoh. 17:3; 1 Tim. 2:3, 4) Lɔlɔ̃ ʋãa mí míekpena ɖe dzi anukwaretɔwo ŋu be woava nya Yehowa ahalɔ̃e abe míawo ke ene.

19 Ame bubuwo dea dzesi lɔlɔ̃ si míeɖena fiana la. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu aɖe si nye mɔɖela le United States la ŋlɔa lɛtawo na ame siwo ƒe ame veviwo ku la tsɔ faa akɔ na wo. Ŋutsu aɖe ŋlɔ nya siawo tsɔ ɖo eƒe lɛta aɖe ŋu nɛ be: “Gbã la, ewɔ nuku nam be ame aɖe te ŋu dze agbagba ma gbegbe ŋlɔ lɛta na ame aɖe si menya kura o be yeatsɔ akpe ɖe eŋu wòado dzi le ɣeyiɣi sesẽwo me. Nyataƒoƒo si mate ŋu awɔ koe nye be èlɔ̃ hawòvi kple Mawu si fiaa mɔ amewo le agbe me la siaa.”

20. Aleke gbegbee wòle vevie be míafia nu le lɔlɔ̃ me?

20 Wogblɔna be ne wotsɔ lɔlɔ̃ kple aɖaŋu wɔ dɔ aduadu la, emetsonua nyona ale gbegbe. Ne míele nu fiam míaƒe nusrɔ̃viwo la, míedzea agbagba be míakpe ɖe wo ŋu woadze si Yehowa ahalɔ̃e tso dzi me. Vavãe, míehiã lɔlɔ̃ ƒomevi etɔ̃ ƒokpli—lɔlɔ̃ na Mawu, lɔlɔ̃ na nyateƒea, kple lɔlɔ̃ na amewo—hafi míate ŋu anye nufiala kpɔdzidzedzewo ŋutɔŋutɔ. Ne míetua lɔlɔ̃ ƒomevi etɔ̃ siawo ɖo heɖea wo fiana le míaƒe subɔsubɔdɔa me la, menye dzidzɔ si dona tso nunana amewo me koe míekpɔna o, ke boŋ míaƒe dzi dzea eme esi míenyae be míele Yesu srɔ̃m hele Yehowa ŋu dzem ta.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Ne míele nya nyuia fiam amewo la, nu ka tae wòle vevie be . . . 

míalɔ̃ Mawu?

míalɔ̃ nu si míefiana la?

míalɔ̃ ame siwo míefiaa nui la?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Nu kae na Yesu ƒe nufiafiamɔnuwo to vovo tso agbalẽfialawo kple Farisitɔwo tɔwo gbɔ?

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Nufiafia nyuie bia sidzedze, nufiafiaɖaŋu, kple vevietɔ lɔlɔ̃