Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu mahã:

• Ðe tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ aɖe li na vi nɔdɔme siwo ku do ŋgɔ na wo dzidzia?

Fufɔɣie agbe dzea egɔme. Yehowa ate ŋu afɔ ame ɖe tsitre, eɖanye vi nɔdɔmee wònye alo wodzii hafi wòva ku o, elabena “le Mawu ya gbɔ la, woate ŋu awɔ nu sia nu.” (Mar. 10:27) Gake Biblia megblɔe tẽe nenye be Mawu afɔ vi nɔdɔme siwo ku do ŋgɔ na wo dziɣi la ɖe tsitre loo alo mafɔ wo o.—4/15, axa 12, 13.

• Nu ka tae nusɔsrɔ̃ tso anyidiwo, hotoklolowo, ʋetsuviwo, kple xɔŋunyatriwo ŋu aɖe vi na mí?

Nuwɔwɔ ene siawo ɖea nunya fiana le dzɔdzɔme nu. Eye esia naa Mawu ƒe nunya gadzena ƒãa wu. (Lod. 30:24-28)—4/15, axa 16-19.

• Nu ɖedzesi kae dzɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe ŋutinya me ƒe alafa ɖekae nye esi va yi le ƒe 1909 me?

Le ƒe 1909 me la, woɖe Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔha si woɖo le se nu ƒe dɔwɔƒegã la tso Pittsburgh, Pennsylvania, yi ɖe Brooklyn, New York, eye dɔa gale edzi yim le afi ma va se ɖe egbe.—5/1, axa 22-24.

• Nu ka tae Biblia ƒo nu nyuie tso ɖoɖoezizi ŋu?

Biblia ɖee fia be ɖoɖoezizi ate ŋu anye amebubu ƒe dzesi, akpe ɖe ame ŋu wòade ŋugble, eye wònye nunya kple nugɔmesese ƒe dzesi. (Ps. 37:7; 63:7; Lod. 11:12)—5/15, axa 3-5.

• Nu kae ɖe dzesi le John Wycliffe, William Tyndale, Robert Morrison, kple Adoniram Judson siaa ŋu?

Wo katã wolɔ̃ Mawu ƒe Nya la eye woɖe egɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo ame akpa gãtɔ ate ŋu axlẽ la me. John Wycliffe kple William Tyndale ɖe egɔme ɖe Eŋlisigbe me, Morrison ɖe egɔme ɖe Chinagbe me, eye Judson ɖe egɔme ɖe Burmagbe (Myanmar) me.—6/1, axa 8-11.

• Yuda fia nenie ɖe dzonɔameme ɖedzesi ɖe Mawu ƒe aƒea ŋu fia?

Fia 19 ye ɖu Yuda si nye anyiehefiaɖuƒea dzi, eye wo dometɔ ene ɖe dzonɔameme ɖedzesi fia—woawoe nye Asa, Yosafat, Xizkiya, kple Yosiya.—6/15, axa 7-11.

• Ðe Kristotɔ amesiamina siwo katã le anyigba dzi la kpɔa gome le gbɔgbɔmenuɖuɖunana mea?

Ao. Kristotɔ siwo wotsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ si ami na la katã le kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa ƒe ha la me, gake Dziɖuha lae kpɔa gbɔgbɔmenuɖuɖunana ƒe ɖoɖoa dzi.—6/15, axa 22-24.

• Nu ka tae Yesu ƒe awutewuia dze Roma srafowo ŋu nenema gbegbe ɖo?

Asrafo ene siwo nɔ afi ma hekpɔ egbɔ be wowu Yesu la mema eƒe awutewuia me o. Zi geɖe la, ale si wowɔa awu siawoe nye be wotsɔa avɔ eve dana ɖe wo nɔewo dzi hetɔa wo kpena. Gake wometɔ afi aɖeke na awutewui si Yesu do la o, esia na be wònye esi xɔ asi wu.—7/1, axa 22.

• Nu ka tae míagblɔ be lɔlɔ̃ ye nye nu vevitɔ si na Yesu ƒe nufiafiamɔnuwo to vovo tso subɔsubɔhakplɔlawo tɔwo gbɔ?

Lɔlɔ̃ aɖeke menɔ subɔsubɔhakplɔla mawo si na ame tsɛwo o, ɖe wodoa vlo wo boŋ. Gawu la, womelɔ̃ Mawu o. Yesu lɔ̃ Fofoa, eye amewo ƒe nu wɔ nublanui nɛ. (Mat. 9:36) Edo vivi ɖe amewo ŋu, ese veve ɖe wo nu henyo dɔme na wo.—7/15, axa 15.

• Nu ka tae ganyawo tea ŋu hea kuxiwo vaa srɔ̃ɖeɖe me, eye nu kawoe ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be woakpɔ dzidzedze?

Zi geɖe la, makamakaɖeamedzi alo vɔvɔ̃, kple ɖewohĩ ƒome siwo me wonɔ tsi gbɔe ganyawo ŋuti masɔmasɔwo tsona. Nu vevi ene siwo ana srɔ̃tɔwo nakpɔ dzidzedzee nye be: Woasrɔ̃ ale si woaɖo dze tso ganyawo ŋu le tomefafa me. Woalɔ̃ ɖe nukpɔsusu si anɔ wo si ku ɖe fetu siwo woxɔna ŋu la dzi. Woaŋlɔ woƒe gaŋutiɖoɖowo ɖi. Woalɔ̃ ɖe akpa si ame sia ame awɔ la dzi.—8/1, axa 10-12.