Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èdea Asixɔxɔ Nu Si Yehowa Wɔ Hena Wò Ðeɖekpɔkpɔ La Ŋua?

Èdea Asixɔxɔ Nu Si Yehowa Wɔ Hena Wò Ðeɖekpɔkpɔ La Ŋua?

Èdea Asixɔxɔ Nu Si Yehowa Wɔ Hena Wò Ðeɖekpɔkpɔ La Ŋua?

“Woayra Yehowa, Israel ƒe Mawu la, elabena etrɔ eƒe susu ɖe eƒe amewo ŋu, eye wòɖe wo.”—LUKA 1:68.

1, 2. Kpɔɖeŋu kae míate ŋu awɔ atsɔ aɖe ale si gbegbe nɔnɔme si me míele la vɔ̃ɖii la afia, eye nyabiase kawo mee míadzro?

TSƆE be wòe nye ema mlɔ dɔba dzi le kɔdzi. Ame siwo katã le kɔdzixɔ si me woxɔ wò ɖo me la le dɔ vɔ̃ɖi wuame aɖe si womekpɔ atike na o la lém. Esi nèse be ɖɔkta aɖe xɔ ŋgɔ wole atike dim na dɔlélea la, dzi ɖo ƒowò. Èdi vevie be yeanya nu sia nu tso ale si numekukua le edzi yimee ŋu. Gbe ɖeka la, èse be wokpɔ atike na dɔlélea mlɔeba! Ðɔkta si nɔ ŋgɔ xɔm la tsɔ nu geɖe sa vɔe hafi wote ŋu ke ɖe atikea ŋu. Aleke nàwɔ nui? Ðikeke mele eme o be àde bubu gã aɖe ame ma si na wote ŋu ke ɖe atike si ada dɔa na mia kple ame bubuwo siaa la ŋu ahakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu ale gbegbe.

2 Ðewohĩ kpɔɖeŋu ma adze amiɖeɖe ɖe nya, gake le nyateƒe me la, esɔ kple nɔnɔme aɖe si me tututu mí katã míele. Mía dometɔ ɖe sia ɖe le nɔnɔme aɖe si vɔ̃ɖi sãsãsã wu esi ŋu míeƒo nu tsoe fifia la me. Míehiã ɖela vevie. (Mixlẽ Romatɔwo 7:24.) Yehowa tsɔ nu geɖe sa vɔe hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ. Via hã tsɔ nu vevi aɖewo sa vɔe. Eya ta mina míadzro biabia vevi ene aɖewo me. Nu ka tae wòhiã be woaɖe mí? Nu ka gbegbee Yesu tsɔ sa vɔe ale be míate ŋu akpɔ ɖeɖe? Nu ka gbegbee Yehowa hã tsɔ sa vɔe? Eye aleke míaɖee afia be míedea asixɔxɔ nu si Mawu wɔ hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ la ŋu?

Nu Si Tae Míehiã Ðeɖekpɔkpɔ

3. Gɔmesese ka nue nu vɔ̃ sɔ kple dɔvɔ̃ le?

3 Le akɔntabubu aɖe si wowɔ nyitsɔ laa nu la, dɔvɔ̃ siwo gblẽ nu wu le ameƒomea ƒe ŋutinya me la dometɔ ɖekae nye Spaniatɔwo ƒe dzamezã. Dɔvɔ̃ sia do le ƒe 1918 me, eye wòwu ame miliɔn geɖe. Le mɔ aɖe nu la, dɔléle bubuwo vɔ̃ɖi wu ema. Ðewohĩ dɔléle mawo malé ame geɖe abe ale si wònɔ le Spaniatɔwo ƒe dzamezãa gome ene o, gake ame siwo xɔ dɔ mawo dometɔ akpa gãtɔ kuna. * Ke ne míetsɔ nu vɔ̃ sɔ kple dɔvɔ̃ sia ƒomevi ɖe? Ðo ŋku nya si dze le Romatɔwo 5:12 dzi. Egblɔ be: “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti.” Le nu vɔ̃ gome la, míagblɔ be elé ame sia ame, esi wònye be amegbetɔ madeblibowo katã wɔa nu vɔ̃ ta. (Mixlẽ Romatɔwo 3:23.) Eye ame nenie kuna le nu vɔ̃ ta? Paulo ŋlɔ bena nu vɔ̃ naa “amewo katã” kuna.

4. Aleke Yehowa bua míaƒe agbenɔƒewo ƒe didimee, eye aleke eƒe nukpɔsusu to vovo na ame geɖe siwo li egbea tɔe?

4 Egbea la, ame geɖe mebua nu vɔ̃ kple ku be wovɔ̃ɖi nenema gbegbe o. Nu si amewo yɔna be kukpo la ŋue wotsia dzi ɖo, gake ne ame tsi vivivi, ku amegã hafi ku ya la, wobua eya be esɔ le “dzɔdzɔme” nu. Ele bɔbɔe ŋutɔ be amegbetɔwo naŋlɔ Wɔla la ƒe nukpɔsusu le nuwo ŋu be. Míaƒe agbenɔƒewo le kpuie wu ale si wòɖoe be wòanɔ la kura. Le nyateƒe me la, le Yehowa gbɔ la, amegbetɔ aɖeke menɔ agbe wòde “ŋkeke ɖeka” teti gɔ̃ hã kpɔ o. (2 Pet. 3:8) Mawu ƒe Nya la gblɔ be míaƒe agbemeŋkekewo le kpuie abe gbe si nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko heyrɔna alo abe ƒuƒu ko ene. (Ps. 39:6; 1 Pet. 1:24) Ele be agbea ŋuti nukpɔsusu ma ke nanɔ míawo hã si. Nu ka tae? Ne ale si gbegbe “dɔ” si lém míele la vɔ̃ɖie la le nyanya na mí la, míakpɔ asixɔxɔ si le “atike”—si nye míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ la—ŋu adze sii nyuie wu.

5. Nu ka gbegbee to mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu le nu vɔ̃ ta?

5 Be míase nu si gbegbe nu vɔ̃ kple emetsonuwo gblẽ le mía ŋu gɔme la, ele be míadze agbagba ase nu si gbegbe to mía ŋu le nu vɔ̃ ta la gɔme. Esia ate ŋu asesẽ, elabena nu vɔ̃ na míebu nane si mesu mía si kpɔ o. Adam kple Xawa nɔ agbe deblibo le gɔmedzedzea me. Esi wode blibo le susu kple ŋutilã me ta la, woate ŋu atiae be yewoaɖu yewo ɖokui dzi le nuŋububu, seselelãme, kple nuwɔna gome. Eya ta woate ŋu ayi edzi anɔ nɔnɔme wɔnukuwo tum ɖo abe Yehowa Mawu subɔlawo ene hafi. Gake wotsɔ nunana xɔasi ma ƒu gbe. Esi wotiae be yewoawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu la, wona agbe si ƒomevi Yehowa di be woanɔ la to woawo ŋutɔwo kple woƒe dzidzimeviwo ŋu. (1 Mose 3:16-19) Eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wohe “dɔléle” dziŋɔ si ŋu míele nu ƒom tsoe la va woawo ŋutɔwo kple míawo siaa dzi. Le esia ta esɔ be Yehowa bu fɔ wo. Gake le míawo ya gome la, edo ŋugbe na mí be yeaɖe mí.—Ps. 103:10.

Nu Si Gbegbe Yesu Tsɔ Sa Vɔe Hena Míaƒe Ðeɖekpɔkpɔ

6, 7. (a) Aleke Yehowa ɖee fia zi gbãtɔ be míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ abia be woatsɔ nu gã aɖe asa vɔe? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso vɔ siwo Habel kple blemafofo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Mose ƒe Sea la sa me?

6 Yehowa nyae be abia be woatsɔ nu gã aɖe ŋutɔ asa vɔe hafi ate ŋu aɖe Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo. Le nyagblɔɖi si woŋlɔ ɖe 1 Mose 3:15 me la, míesrɔ̃ nane tso nu si gbegbe wòle be woatsɔ asa vɔe hafi míakpɔ ɖeɖe la ŋu. Yehowa ana “dzidzime,” alo ɖela aɖe, si atsrɔ̃ Satana ahaɖee ɖa keŋkeŋ. Gake anɔ na ɖela ma be wòakpe fu, woaɖu afɔkpɔdzi nɛ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Esia na wòdze abe ase veve ŋutɔ eye wɔna avɔ le eŋu ɣeyiɣi kpui aɖe ene, gake nu kae nya sia fia? Nu ka koŋ mee wòahiã be Yehowa ƒe Ame Tiatia la nado dzi ato?

7 Hafi ɖelaa nate ŋu aɖe ameƒomea tso nu vɔ̃ me la, ahiã be wòana avulénu aɖe ɖe ameƒomea ta, si nye mɔ aɖe si dzi woato adzra amegbetɔwo kple Mawu dome ɖo, to nu vɔ̃ me tsonuwo ɖɔɖɔɖo me. Nu kae esia alɔ ɖe eme? Tso gɔmedzedzea me ke la, edze ƒãa be vɔsa aɖe hiã. Esi nuteƒewɔla gbãtɔ Habel tsɔ lãwo sa vɔe na Yehowa la, Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe eƒe vɔsaa ŋu. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, blemafofo mawuvɔ̃lawo abe Noa, Abraham, Yakob, kple Hiob ene sa vɔ mawo tɔgbi, eye woƒe vɔsawo dze Mawu ŋu. (1 Mose 4:4; 8:20, 21; 22:13; 31:54; Hiob 1:5) Le ƒe alafa geɖe megbe la, Mose ƒe Sea va na amewo nya nu geɖe wu tso vɔsasa ƒe nyaa ŋu.

8. Nu kae nunɔlagã la wɔna le Avuléŋkekea dzi ƒe sia ƒe?

8 Vɔ siwo Sea bia be woasa la ƒe vevitɔwo dometɔ aɖewoe nye esiwo wosana le Avuléŋkekea dzi ƒe sia ƒe. Le ŋkeke ma dzi la, nunɔlagã la wɔa nu vovovo aɖewo siwo nye kpɔɖeŋunuwo. Esaa vɔ na Yehowa tsɔ léa avu—gbã la, ɖe nunɔlawo ƒe ha ƒe nu vɔ̃wo ta, eye emegbe ɖe to siwo me tɔwo menye nunɔlawo o la tɔwo ta. Nunɔlagã la gena ɖe avɔgbadɔa alo gbedoxɔa ƒe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea. Eya ɖeka koe tea ŋu yia afi ma, eye ƒea ƒe ŋkeke ma ko dzie wòyina. Le afi ma la, ehlẽa lã siwo wotsɔ sa vɔe la ƒe ʋu ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ. Ɣeaɖewoɣi la, alilikpo dadzo keklẽ aɖe dzena le nutsyɔnu kɔkɔe la tame, eye esia nɔa tsitre ɖi na Yehowa Mawu ƒe afi ma nɔnɔ.—2 Mose 25:22; 3 Mose 16:1-30.

9. (a) Le Avuléŋkekea dzi la, ame kae nunɔlagãa nɔa tsitre ɖi na, eye gɔmesese kae nɔ vɔ siwo wòsana la ŋu? (b) Nu kae nunɔlagãa ƒe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea yiyi nye kpɔɖeŋu na?

9 Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòɖe gɔmesese si le kpɔɖeŋunuwɔna mawo ŋu la fia. Eɖee fia be nunɔlagã la le tsitre ɖi na Mesia la, si nye Yesu Kristo, eye vɔsa mawo le tsitre ɖi na Kristo ƒe vɔsakua. (Heb. 9:11-14) Vɔsa deblibo ma anye avuléle ŋutɔŋutɔ ɖe ame hatsotso eve ta—nunɔlawo ƒe ha si nye Kristo nɔvi amesiamina 144,000-awo kple ‘alẽ bubuawo.’ (Yoh. 10:16) Nunɔlagãa ƒe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea yiyi nye vɔvɔli na ale si Yesu yi ɖe dziƒo ŋutɔŋutɔ hetsɔ eƒe tafevɔsaa ƒe asixɔxɔ do ɖe Yehowa Mawu ŋkume.—Heb. 9:24, 25.

10. Nu kawo mee Biblia ƒe nyagblɔɖiwo gblɔ be Mesia la ato?

10 Edze ƒãa be Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo ɖeɖe bia be woatsɔ nu gã aɖe asa vɔe. Ahiã be Mesia la natsɔ eƒe agbe asa vɔe! Nyagblɔɖila siwo ŋu Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tsoe la na numekɔkɔ geɖe tso nyateƒenya sia ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖila Daniel gblɔe tẽe le Mesia, si nye Kplɔla la ŋu be, “[woatsrɔ̃] amegã, si wosi ami na” la, alo woawui, ale be “woalé avu ɖe vodada nu.” (Dan. 9:24-26) Yesaya gblɔe ɖi be woagbe Mesia la, woati eyome, eye woawui, alo woade abi eŋu be wòatsɔ amegbetɔ madeblibowo ƒe nu vɔ̃wo.—Yes. 53:4, 5, 7.

11. Mɔ kawo nue Yehowa ƒe Vi la ɖee fia le be yelɔ̃ faa be yeatsɔ ye ɖokui asa vɔe ɖe míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta?

11 Hafi Mawu ƒe Tenuvi la nava anyigba dzi la, enya nu si gbegbe eɖokui tsɔtsɔ sa vɔ hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ abia tso esi. Ahiã be wòakpe fu ŋɔdzitɔe eye emegbe woawui. Esi Fofoa ɖe nyateƒenya mawo fiae la, ɖe wòde megbe alo dze aglã? Ao, ke boŋ elɔ̃ faa bɔbɔ eɖokui be yeawɔ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu. (Yes. 50:4-6) Nenema kee esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖo to Fofoa hewɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Nu ka tae? Eɖe susuawo dometɔ ɖeka gblɔ esime wògblɔ be: “Melɔ̃ Fofo la.” Egaɖe susu bubu gblɔ esime wògblɔ be: “Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si o: be ame aɖe natsɔ eƒe luʋɔ aɖo anyi ɖe exɔlɔ̃awo ta.” (Yoh. 14:31; 15:13) Eya ta lɔlɔ̃ si le Yehowa ƒe Vi la si la wɔ akpa gã aɖe le míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ me. Togbɔ be esia bia be wòatsɔ eƒe amegbetɔ deblibo ƒe agbe asa vɔe hã la, edzɔ dzi nɛ be yeawɔ esia le míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.

Nu Si Gbegbe Yehowa Tsɔ Sa Vɔe Hena Míaƒe Ðeɖekpɔkpɔ

12. Ame ka ƒe lɔlɔ̃nue tafea nye, eye nu ka tae wòtsɔe na ɖo?

12 Menye Yesu ye nye tafevɔsaa ƒe Dzɔtsoƒe alo eƒe Tameɖola o. Ke boŋ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ƒe akpa vevi aɖee ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo sia nye. Apostolo Paulo ɖee fia be vɔsamlekpui si nɔ gbedoxɔa me si dzi wosaa vɔwo ɖo la nɔ tsitre ɖi na Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. (Heb. 10:10) Eya ta Yehowa koŋ gbɔe ɖeɖe si míekpɔ to Kristo ƒe vɔsaa dzi la tso. (Luka 1:68) Enye eƒe lɔlɔ̃nu deblibo kple lɔlɔ̃ gã si le esi na amegbetɔwo la ɖeɖe fia.—Mixlẽ Yohanes 3:16.

13, 14. Aleke kpɔɖeŋu si Abraham ɖo ɖi la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míade asixɔxɔ nu si Yehowa wɔ na mí la ŋu?

13 Nu ka gbegbee Yehowa tsɔ sa vɔe hafi ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia mí le mɔ sia nu? Asesẽ na mí be míase egɔme bliboe. Ke hã, Biblia me nuŋlɔɖi aɖe li si akpe ɖe mía ŋu míase nya sia gɔme nyuie wu. Yehowa bia tso nuteƒewɔla Abraham si be wòawɔ nane si sesẽ ale gbegbe—eyae nye be wòatsɔ via Isak asa vɔe. Le nyateƒe me la, vifofo lɔ̃ame aɖee Abraham nye. Eye Yehowa gblɔ tso Isak ŋu na Abraham be enye ‘eƒe tenuvi si gbɔ melɔ̃a nu le o.’ (1 Mose 22:2) Ke hã, Abraham kpɔe dze sii be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nɔ vevie wu lɔlɔ̃ si nɔ ye si na ye vi Isak gɔ̃ hã. Eya ta Abraham ɖo to Mawu. Ke hã, Yehowa meɖe mɔ Abraham wɔ nu si eya ŋutɔ ava wɔ gbe ɖeka la o. Mawu dɔ mawudɔla aɖe ɖa wòva ɖo asi Abraham dzi do ŋgɔ teti na via tsɔtsɔ sa vɔe. Abraham ɖoe kplikpaa be yeaɖo to Mawu le dodokpɔ sesẽ sia me ale gbegbe be eka ɖe edzi be to tsitretsitsia dzi koe yeagate ŋu akpɔ ye vi ɖekakpuia ake. Exɔ edzi se bliboe be Mawu afɔe ɖe tsitre. Le nyateƒe me la, Paulo gblɔ be wogagbugbɔ Isak na Abraham to tsitretsitsi me ‘le kpɔɖeŋumɔ nu.’—Heb. 11:19.

14 Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe Abraham anya nɔ veve sem esime wònɔ dzadzram ɖo be yeatsɔ Isak asa vɔe la le susu mea? Le gɔmesese aɖe nu la, nu si me Abraham to la nye kpɔɖeŋu na ale si Yehowa tsɔ Via si wòyɔ be “Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o” la sa vɔe. (Mat. 3:17) Gake ɖo ŋku edzi be veve si Yehowa se la nu sẽ wu Abraham tɔ. Nu si tae nye be woa kple Via wonɔ wo nɔewo gbɔ ƒe miliɔn gbogbo aɖewo, ɖewohĩ ƒe biliɔn gbogbo aɖewo gɔ̃ hã. Vi la wɔ dɔ kple Fofo la dzidzɔtɔe abe eƒe “dɔnunɔla” lɔlɔ̃a kple Nyanuɖela alo “Nya la” ene. (Lod. 8:22, 30, 31; Yoh. 1:1) Míate ŋu ase ale si gbegbe Yehowa se le eɖokui me esime wonɔ fu wɔm Via, nɔ fewu ɖum le eŋu, eye mlɔeba wowui abe nu vlo wɔla ene la gɔme bliboe o. Nu gã aɖe ŋutɔe Yehowa tsɔ sa vɔe hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ! Ke aleke míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ ɖeɖekpɔkpɔ ma ŋu?

Aleke Nàte Ŋu Aɖee Afia Be Yedea Asixɔxɔ Ðeɖekpɔkpɔa Ŋu?

15. Aleke Yesu wu avuléledɔ gã la nui, eye mɔnukpɔkpɔ kae esia ʋu ɖi?

15 Yesu wu avuléledɔ gã la nu esi wofɔe ɖe tsitre yi dziƒo megbe. Esi wòyi ɖawɔ ɖeka kple Fofoa lɔlɔ̃a le dziƒo la, etsɔ eƒe vɔsa la ƒe asixɔxɔ ɖo Mawu ŋkume. Esia he yayra geɖewo vae. Eye eʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi be woate ŋu atsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ake wo keŋkeŋ—gbã la, Kristo nɔvi amesiaminawo tɔ, eye emegbe “xexe blibo la hã tɔ.” Vɔsa ma wɔe be egbea la, tenɔnɔ nyui ate ŋu asu ame siwo katã trɔa dzi me tso woƒe nu vɔ̃wo me vavã hezua Kristo yomedzela akuakuwo la si le Yehowa Mawu ŋkume. (1 Yoh. 2:2) Aleke esia ka wòe?

16. Aleke míawɔ nu si tae wòle be míada akpe na Yehowa ɖe nu si wòwɔ hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ la ƒe kpɔɖeŋui?

16 Mina míagatrɔ ɖe kpɔɖeŋu si le nyati sia ƒe gɔmedzedze la ŋu ake. Tsɔe be ɖɔkta si ke ɖe atikea ŋu la va kɔdzixɔ si me woxɔ wò ɖo la me hegblɔ na mi be: Dɔnɔ ɖe sia ɖe si lɔ̃ xɔ atikea eye wòzɔ ɖe mɔfiame siwo wona ku ɖe eŋu dzi la, ahaya godoo. Ne dɔnɔ akpa gãtɔ gbe be yewomawɔ ɖe ɖɔktaa ƒe mɔfiamewo dzi o eye wonɔ gbɔgblɔm be, atikea zazã alo mɔfiame siwo wona ku ɖe eŋu la dzi wɔwɔ sesẽ akpa la, ɖe nàwɔ ɖeka kpli wo togbɔ be èkpɔ kpeɖodzi blibo be atikea wɔa dɔa? Màwɔ nenema o ɖe, alo? Ðikekemanɔmee la, àda akpe ɖe atikea ta ahazɔ ɖe ɖɔktaa ƒe mɔfiamewo dzi nyuie, eye ɖewohĩ ànɔ nu ƒom tso eŋu na ame bubuwo gɔ̃ hã. Le gɔmesese aɖe si de ŋgɔ wu ema nu la, ele be wòanye mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe didi vevie be míada akpe na Yehowa ɖe nu si wòwɔ to Via ƒe tafevɔsaa dzi hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.—Mixlẽ Romatɔwo 6:17, 18.

17. Nu kawoe nàte ŋu awɔ atsɔ aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yehowa wɔ hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ la ŋu?

17 Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo Yehowa kple Via wɔ bene woatsɔ aɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me ŋu la, míaɖee afia godoo. (1 Yoh. 5:3) Míawɔ avu kple nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe dzodzro si le mía me. Míadi gbeɖe be míaɖoe koŋ anɔ nu vɔ̃ wɔm si awɔe be míava nɔ agbe eve nɔm abe ale si wònɔna zi geɖe le ame siwo ɖonɛ nɔa nu vɔ̃ wɔm la gome ene o. Ema wɔwɔ anɔ ko abe ɖe míele gbɔgblɔm be míekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu o alo míede asixɔxɔ aɖeke kura eŋu o ene. Ðe ema teƒe la, míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia to ale si míadze agbagba vevie ayi edzi anɔ dzadzɛ le Mawu ŋkume dzi. (2 Pet. 3:14) Míaɖe esia afia to ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku si le mía si la ŋu nya gbɔgblɔ na ame bubuwo me, ale be tenɔnɔ dzadzɛ nanɔ woawo hã si le Yehowa ŋkume eye etsɔme mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ nasu wo si. (1 Tim. 4:16) Kakaɖedzitɔe la, ele be míatsɔ míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ katã akafu Yehowa kple Via, eye wodze nɛ hã! (Mar. 12:28-30) Bu eŋu kpɔ ko! Míate ŋu anɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me woava ɖe nu vɔ̃ ɖa le mía ŋu keŋkeŋ. Ɛ̃, mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míanɔ agbe le blibodede me abe ale si ko Mawu ɖoe le gɔmedzedzea me ene, míanɔ agbe tegbee—nu siawo katã ava eme le nu si Yehowa wɔ hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta la ta!—Rom. 8:21.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Woka nya ta be ame siwo gbegbe xɔ Spaniatɔwo ƒe dzamezã la ade ame siwo nɔ anyigba dzi ɣemaɣi la ƒe 20 le alafa me va ɖo ame siwo wu 50 le alafa me. Ame siwo xɔ dɔlélea dometɔ siwo ku la ƒe xexlẽme anɔ abe ame 1 le alafa me va ɖo 10 le alafa me ene. Ebola ya nye dɔ aɖe si melé ame geɖe abe dzamezãa ene o, gake le teƒe siwo wòdze amewo dzi le la dometɔ aɖewo la, ame siwo xɔe la dometɔ 90 le alafa me ye ku.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu ka tae nèhiã na ɖeɖekpɔkpɔ vevie?

• Vi kae Yesu ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ɖena na wò?

• Aleke nèsena le ɖokuiwò me ɖe tafe si Yehowa tsɔ na la ŋu?

• Nu kae nu siwo Yehowa wɔ hena wò ɖeɖekpɔkpɔ la ʋã wò be nàwɔ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Le Avuléŋkekea dzi la, Israel ƒe nunɔlagãa nɔa tsitre ɖi na Mesia la

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ale si Abraham lɔ̃ faa be yeatsɔ ye via ana la fiaa nu geɖe mí tso Yehowa ƒe vɔsa si de ŋgɔ sãsãsã wu la ŋu