Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawusubɔsubɔ Nye Ŋutɔe Atiae Loo Alo Dzinyelawoe?

Mawusubɔsubɔ Nye Ŋutɔe Atiae Loo Alo Dzinyelawoe?

Mawusubɔsubɔ Nye Ŋutɔe Atiae Loo Alo Dzinyelawoe?

LE Poland la, ame geɖe gblɔna na Yehowa Ðasefowo be, “Subɔsubɔha si me mele la mee wodzim ɖo, eye aya mee maku ɖo.” Esia fia be le woƒe nukpɔsusu nu la, subɔsubɔha si ƒe dome ame aɖe nyi tso tɔgbuiawo gbɔ mee wòle be wòanɔ. Ðe nukpɔsusu ma tɔgbi le amewo si ɖe mawusubɔsubɔ ŋu le miaƒe nutoa mea? Nu kae dona tso nukpɔsusu ma tɔgbi ƒe ame si nɔnɔ me zi geɖe? Eyae nye be mawusubɔsubɔ va zua kɔnu alo nu si ame ƒe ƒometɔwo wɔna la sɔsrɔ̃ ko. Ðe esia ate ŋu adzɔ ɖe Yehowa Ðasefo siwo srɔ̃ Biblia me nyateƒea tso wo dzilawo alo wo tɔgbuiwo kple mamawo gbɔ la dzia?

Esia medzɔ ɖe Timoteo dzi o. Enɔ alea togbɔ be mamaa kple dadaa siwo léa fɔ ɖe mawusubɔsubɔ ŋue fia nui wòxɔ Mawu dzi se helɔ̃e hã. Timoteo nya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo “tso vidzĩ me” ke. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, abe ale si wònɔ le mamaa kple dadaa gome ene la, Timoteo va ka ɖe edzi bliboe be Kristotɔwo ƒe subɔsubɔe nye nyateƒetɔa. Wokpe ɖe eŋu ‘wòkpɔ kakaɖedzi’ le nu siwo wòsrɔ̃ le Ŋɔŋlɔawo me tso Yesu Kristo ŋu la ŋu “hexɔ wo dzi se.” (2 Tim. 1:5; 3:14, 15) Eya ta togbɔ be dzila Kristotɔ siwo li egbea la wɔa woƒe ŋutete katã be woakpe ɖe wo viwo ŋu woava zu Yehowa subɔlawo hã la, ehiã be ɖeviawo ŋutɔ naɖoe be yewoasubɔe.—Mar. 8:34.

Ele be numeɖeɖe si me kɔ nakpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu be wòakpɔ kakaɖedzi na nu siwo wòsrɔ̃ la ahaxɔ wo dzi ase hafi wòate ŋu asubɔ Yehowa le lɔlɔ̃ si le esi nɛ ta ahalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi eɖanye nu ka kee ɖadzɔ o. Ekema eƒe xɔse asesẽ ahali ke nyuie.—Ef. 3:17; Kol. 2:6, 7.

Akpa Si Wòle Be Ðeviawo Nawɔ

Albert, * si dzilawo nye Ðasefowo la, gblɔ be: “Tso gbe aɖe gbe ke la, menyae be Yehowa Ðasefowoe nye subɔsubɔha vavãtɔ, gake esesẽ nam be malɔ̃ ɖe nya si gblɔm wonɔ ku ɖe ale si wòle be manɔ agbee ŋu la dzi.” Ne sɔhɛ ye nènye la, ɖewohĩ nenemae wò hã nèsena le ɖokuiwò me. Ðe manyo be nàdze agbagba akpɔe ɖa be nu kae mɔ si nu Mawu di be nànɔ agbe ɖo la bia tso asiwò hã, eye nàna Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nanye wò dzidzɔ oa? (Ps. 40:9) Albert gblɔ be: “Nu si mewɔ koe nye be mete gbedodoɖa. Menɔ bɔbɔe nam le gɔmedzedzea me o. Ðe mezia ɖokuinye dzi hafi tea ŋu doa gbe ɖa. Gake eteƒe medidi o meva kpɔe be ne medze agbagba be mawɔ nu si le eteƒe la, mate ŋu ava nye ame si ŋu Mawu dea asixɔxɔe. Esia do ŋusẽm mewɔ tɔtrɔ siwo hiã.” Ne èna ƒomedodo nyui va le mia kple Yehowa dome la, esia ate ŋu ana didia nanɔ mewò be nàwɔ nu si wòdi tso mía si.—Ps. 25:14; Yak. 4:8.

Bu fefe aɖe si me nèkpɔ gome le kpɔ, abe bɔlƒoƒo alo kamedefefe bubu aɖe koŋ ene, ŋu kpɔ. Ne mènya fefea ŋuti sewo o alo mèɖu tu nɛ o la, ɖewohĩ màse vivi nɛ tututu o. Ke hã, ne èsrɔ̃ eŋuseawo hebi ɖe eme la, ɖe mànɔ mɔ kpɔm na gomekpɔkpɔ le eme alo kura gɔ̃ hã anɔ mɔnukpɔkpɔwo dim nɛ oa? Nenema ke koe wòle le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo hã gome. Eya ta wò ŋutɔ dze agbagba nàdzra ɖo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu do ŋgɔ. Kpɔ gome le wo me bliboe. Eɖanye ƒe ka kee nèxɔ o, wò kpɔɖeŋu ate ŋu ade dzi ƒo na ame bubuwo!—Heb. 10:24, 25.

Nenema kee wòle le nuƒoƒo na ame bubuwo tso wò dzixɔsewo ŋu hã gome. Lɔlɔ̃e wòle be wòaʋã wò nàwɔ esia hã, ke menye be nàwɔe le dzizizi ta o. Bia ɖokuiwò be: ‘Nu ka tae medina be maƒo nu tso Yehowa ŋu na amewo? Susu kawo tae wòle be malɔ̃ Yehowa ɖo?’ Ele be nàkpɔe adze sii be Fofo lɔ̃ame aɖee Yehowa nye. Egblɔ to Yeremiya dzi be: “Miadim, eye miakpɔm, nenye be miebia tanye se tso miaƒe dzi blibo me ko.” (Yer. 29:13, 14) Nu kae esia wɔwɔ ate ŋu abia tso asiwò? Jakub gblɔ be: “Enɔ nam be mawɔ asitɔtrɔ le ale si mebua nuwo ŋui ŋu. Tso nye ɖevime kee menɔ kpekpeawo dem henɔ gome kpɔm le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, ke hã, nuwɔna mawo va zu kɔnu dzro aɖe ko nam. Gake esi meva nya Yehowa nyuie wu hena ƒomedodo nyui va le mía kplii dome ko hafi meva li ke ɖe nyateƒea me.”

Hadede nyui tuameɖowo ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le dzidzɔ si nàkpɔ le wò subɔsubɔdɔa me la me. Lododo si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya.” (Lod. 13:20) Eya ta dze xɔlɔ̃ ame siwo tia gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome hekpɔa dzidzɔ le Yehowa subɔsubɔ me. Jola gblɔ be: “Hadede kple sɔhɛ geɖe siwo tsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu la de dzi ƒo nam ale gbegbe. Mete gbeadzidede edziedzi eye mekpɔ dzidzɔ geɖe le ewɔwɔ me.”

Akpa Si Wòle Be Dzilawo Nawɔ

Jola gblɔ be: “Medaa akpe gã aɖe na dzinyelawo be wofia num tso Yehowa ŋu.” Vavãe, dzilawo ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le tiatia siwo wo viwo wɔna la me. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mi vifofowo, . . . miyi edzi mianɔ [mia viwo] hem le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.” (Ef. 6:4) Aɖaŋuɖoɖo sia si tso gbɔgbɔ me la ɖee fia kɔtɛ be dzilawo ƒe agbanɔamedzie wònye be woafia Yehowa ƒe mɔwo wo viwo, ke menye woawo ŋutɔwo tɔwo o. Le esi nàƒã nu siwo anya nɔ susu me na wò siwo gbɔ nèdi be viwòwo naɖo la ɖe wo me teƒe la, ɖe manyo wu be nàkpe ɖe wo ŋu be woaɖoe woƒe taɖodzinu be yewoanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe tameɖoɖowo boŋ oa?

Àte ŋu aku Yehowa ƒe nyawo ɖe to me na viwòwo, eye “[nàƒo] nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” (5 Mose 6:6, 7) Ewa kple Ryszard, siwo si viŋutsu etɔ̃ le la, gblɔ be: “Míeƒoa nu tso ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovowo ŋu zi geɖe.” Nu kae do tso eme? Wogblɔ yi edzi be: “Esi mía viŋutsuviawo kpɔtɔ nye ɖevi dzaawo la, wodi be yewoawɔ dɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me, wova zu gbeƒãɖelawo eye mlɔeba woawo ŋutɔwo tso nya me xɔ nyɔnyrɔ. Emegbe wo katã wova ƒo wo ɖokuiwo ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me.”

Ele vevie be dzilawo naɖo kpɔɖeŋu nyui na wo viwo. Ryszard gblɔ be: “Míeɖoe kplikpaa be míanɔ agbe eve o, si fia be míana míaƒe nuwɔna le aƒe me nato vovo na míaƒe nuwɔna le hamea me o.” Eya ta bia ɖokuiwò be: ‘Nu kae vinyewo kpɔna le nye agbenɔnɔ ŋu? Ðe wokpɔnɛ be melɔ̃ Yehowa ŋutɔŋutɔa? Ðe wokpɔa lɔlɔ̃ sia le nye gbedodoɖawo kple ale si mewɔa ɖokuisinusɔsrɔ̃ edziedzi mea? Ðe wokpɔa lɔlɔ̃ sia dzea sii le ale si mewɔa gbeadzisubɔsubɔdɔae, le nye modzakaɖeɖe, le nɔnɔme si le asinye ɖe ŋutilãmenuwo ŋu, kple nya siwo megblɔna tso hamea me tɔwo ŋu mea?’ (Luka 6:40) Viwòwo alé ŋku ɖe ale si nènɔa agbee gbe sia gbe la ŋu, eye ne vovototo aɖe le nya siwo nègblɔna kple nu siwo nèwɔna dome la, woade dzesii godoo.

Tohehe wɔa akpa vevi aɖe le ɖeviwo hehe me. Ke hã, Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la gblɔ be, ele be “[woamla] ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu.” (Lod. 22:6) Ewa kple Ryszard gblɔ be: “Míedi ɣeyiɣi srɔ̃ Biblia kple ɖeviawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe vovo.” Ele eme be dzilawo ŋutɔwoe atso nya me nenye be ehiã be yewoasrɔ̃ nu kple yewo viwo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe vovo. Aleke kee wòɖale o, ele be woawɔ nu ɖe ɖevi ɖe sia ɖe ŋu le eƒe hiahiãwo nu. Esia bia tɔtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu kple gɔmesese ŋu dɔ wɔwɔ. Le kpɔɖeŋu me, le esi nàgblɔ na viwòwo be hadzidzi aɖewo menyo o ko teƒe la, ɖe manyo be nàfia ale si woawɔ nyametsotso siwo me nunya le la wo ahakpe ɖe wo ŋu woakpɔ ale si Biblia ƒe gɔmeɖosewo do ƒome kpli wo la adze sii oa?

Ate ŋu adzɔ be viwòwo nanya nu si tututu nèdi tso wo si eye wòadze abe ɖe wole wò didiwo dzi wɔm ene. Ke hã, ele be nàɖo woƒe dzi gbɔ. Ðo ŋku edzi be: “Ŋutsu ƒe tameɖoɖo ɖe dzi me le abe tɔ goglo ene, ke nugɔmesela dunɛ.” (Lod. 20:5) Wɔ nugɔmesese ŋu dɔ, da ŋku ɖi kpɔ be àkpɔ dzesi aɖewo siwo aɖee afia be kuxi aɖe be ɖe woƒe dzi me hã, eye ne èkpɔ ɖe la, ɖe afɔ enumake. Mègabu fɔ wo o, ɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na wo, eye nàbia nya siwo sɔ wo. Ke hã, ɖɔ ŋu ɖo be màganɔ nya biam wo fũu akpa o. Ale si nàtsɔ ɖe le eme na wo vavã la ade dzi gbɔ na wo, eye esia awɔe be nàte ŋu akpe ɖe wo ŋu.

Akpa Si Wòle Be Hamea Nawɔ

Esi nènye Mawu subɔlawo dometɔ ɖeka ta la, ɖe nàte ŋu akpe ɖe sɔhɛ siwo le hamea me ŋu be woakpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmedomenyinu si woxɔ la ŋua? Togbɔ be dzilawo ƒe agbanɔamedzie wònye be woana hehe wo viwo hã la, hamea me tɔ bubuwo, vevietɔ hamemetsitsiwo, ate ŋu akpe asi ɖe dzilawo ŋu le esia wɔwɔ me. Ele vevie ŋutɔ be woakpe ɖe ɖevi, siwo le aƒe siwo me ƒomea me tɔwo katã mele nyateƒea me o, la ŋu.

Nu kawoe hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ɖeviwo kple sɔhɛwo ŋu be woalɔ̃ Yehowa ahase le wo ɖokuiwo me be wohiã yewo eye wodea asixɔxɔ yewo ŋu? Mariusz, si nye hamemetsitsi le hame aɖe me le Poland la, gblɔ be: “Ele be hamemetsitsiwo nanɔ dze ɖom, anɔ dze ɖom, ayi edzi anɔ dze ɖom kple sɔhɛwo. Mele be ne kuxiwo do mo ɖa ko hafi woawɔ esia o, ke le ɣeyiɣi bubuwo hã me—ne wole gbeadzi, le kpakpã le kpekpe vɔ megbe, alo woadi mɔnukpɔkpɔ bubuwo aɖo dze kpli wo.” Ðe manyo be nàbia sɔhɛwo be aleke wosena le wo ɖokuiwo me ɖe hamea ŋu mahã oa? Dzeɖoɖo faa alea tea sɔhɛwo kple ɖeviwo ɖe hamea ŋu, eye wònana wosena le wo ɖokuiwo me be wobu yewo hã de hamea me tɔwo dome.

Ne hamemetsitsie nènye la, ɖe nèle agbagba dzem be yeadze si sɔhɛ siwo le miaƒe hamea me la nyuiea? Togbɔ be hamemetsitsie Albert si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la nye fifia hã la, ekpe akɔ kple kuxi vovovowo le eƒe sɔhɛmenɔɣi. Egblɔ be, “Esime menye ɖekakpui la, mehiãna na hamemetsitsiwo ƒe sasrãkpɔ ale gbegbe.” Hamemetsitsiwo ate ŋu aɖe ɖetsɔleme ŋutɔŋutɔ afia sɔhɛwo to gbedodoɖa ɖe wo ta be woayi edzi anɔ sesĩe le gbɔgbɔ me me.—2 Tim. 1:3.

Ehiã be woakpe ɖe sɔhɛwo ŋu bene woaƒo wo ɖokuiwo ɖe hamea ƒe dɔwo me. Ne menye nenema o la, woavu ɖe xexemetaɖodzinuwo yome titi ŋu. Ðe mi tsitsiawo miate ŋu anɔ dɔ wɔm kpli wo le gbeadzi ahadze xɔlɔ̃ woa? Nɔ ha dem kple sɔhɛwo le wò vovoɣiwo ale be ƒomedodo si me xɔlɔ̃wɔwɔ kple kaka ɖe ame nɔewo dzi le nanɔ mia dome. Jola gblɔ be: “Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe tsɔ ɖe le eme nam ŋutɔŋutɔ. Gbe si gbe mía kplii míeyi gbeadzie nye zi gbãtɔ si wònye nye ŋutɔ nye didi be mayi gbeadzi.”

Wò Ŋutɔe Awɔ Tiatia La

Sɔhɛwo, mibia mia ɖokuiwo be: ‘Taɖodzinu kawoe le asinye? Ne nyemexɔ nyɔnyrɔ haɖe o la, ɖe meɖoe nye taɖodzinu be maxɔea?’ Ele be dzi si me yɔ fũu kple lɔlɔ̃ na Yehowa naʋã wò be nàtso nya me be yeaxɔ nyɔnyrɔ ke menye le esi nèse le ɖokuiwò me be enye nu si miaƒe ƒometɔwo wɔna tae o.

Ɛ̃, neva eme be Yehowa nanye Xɔ̃wò vavã, eye nyateƒea nanye wò kesinɔnu. Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu.” Zi ale si nèyi edzi nye Yehowa xɔlɔ̃ la, anɔ anyi kpli wò. Le nyateƒe me la, ado ŋusẽ wò, ‘ali ke wò, akpe ɖe ŋuwò, eye atsɔ eƒe xɔname ƒe nuɖusi alé wò.’—Yes. 41:10.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Dze agbagba nàde dzesi nu si le viwò ƒe dzi me

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Dzi si me yɔ fũu kple lɔlɔ̃ na Yehowa ye ʋãa ame wòtsoa nya me be yeaxɔ nyɔnyrɔ