Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ɣeyiɣi Aɖe Koŋ Ði Na Biblia Sɔsrɔ̃a?

Èɖo Ɣeyiɣi Aɖe Koŋ Ði Na Biblia Sɔsrɔ̃a?

Èɖo Ɣeyiɣi Aɖe Koŋ Ði Na Biblia Sɔsrɔ̃a?

LE ƑE si va yi me la, Dziɖuha la ɖe gbeƒã asitɔtrɔ aɖe si wowɔ le hame ƒe kpekpewo ƒe ɖoɖowɔɖiwo ŋu, eye esia na ɣeyiɣi geɖe wu su ƒomewo si hena Biblia sɔsrɔ̃ kple emedzodzro. Ne ƒome ƒe tae nènye la, kpɔ egbɔ nànɔ ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ si me tsɔɖui le la wɔm kple srɔ̃wò kple viwòwo edziedzi. Srɔ̃tɔ siwo si viwo mele o la adi be yewoazã ɣeyiɣi sia atsɔ anɔ Biblia srɔ̃m ɖekae. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tre siwo dzi ƒomegbanɔamedzi aɖeke mele o la hã ate ŋu awɔ ɣeyiɣi sia ŋu dɔ nyuie hena ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃.

Nɔvi geɖe ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe fiẽ Ƒometadedeagu ƒe ɖoɖoa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Kevin ŋlɔ bena: “Nyagbɔgblɔ ‘akpe na mi’ mate ŋu aɖe ale si gbegbe mí hamea me tɔwo míekpɔ ŋudzedze [ɖe ɖoɖo sia ŋu] la agblɔ wòade edeƒe o. Mí hamemetsitsiawo míedzro ale si míezãa fiẽsi ma tsɔ wɔa nu si tututu Dziɖuha la gblɔ be míatsɔe awɔ la me—eyae nye be míetsɔnɛ srɔ̃a nu kple míaƒe ƒomewo.”

Jodi, ame si srɔ̃ nye hamemetsitsi la, ŋlɔ bena: “Vinyɔnuvi etɔ̃e le mía si, woxɔ ƒe 15, 11, kple 2. Míeʋu yi tokunɔgbehame aɖe me nyitsɔ laa. Kpekpeawo katã dzadzraɖo bia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe. Asitɔtrɔ sia si wowɔ la na be fifia míegakpɔ fiẽsi bubu hena Ƒometadedeagu!”

John kple JoAnn, atsu kple asi aɖe siwo nye gbesiagbe mɔɖelawo la, ŋlɔ bena: “Míete ŋu nɔ míaƒe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃a wɔm edziedzi o, elabena míenaa hamea ƒe dɔ bubuwo va xɔna ɖe ƒomenusɔsrɔ̃a teƒe ɣeaɖewoɣi. Ðoɖo yeye sia nye nunana tso Yehowa gbɔ si doa ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me—ne míezã ɣeyiɣia le mɔ si nu wòle be míazãe ɖo la nu.”

Tony, si nye nɔviŋutsu tre aɖe si xɔ abe ƒe 25 ene la, tia Braɖagbe fiẽsiwo hena ɖokuisinusɔsrɔ̃. Etsɔa kwasiɖaa ƒe ŋkeke bubuwo dzrana ɖo ɖe hame ƒe kpekpewo ŋu. Ke hã, Tony gblɔ be, “Braɖagbewo koŋue menɔa mɔ kpɔm na.” Nu ka tae? Eɖe eme be: “Fiẽ ma nye ɣeyiɣi tɔxɛ aɖe si metsɔ tena ɖe Yehowa ŋu. Mezãna abe gaƒoƒo eve ene tsɔ srɔ̃a nu siwo ado ŋusẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodoa. Esi ɣeyiɣi geɖe wu va su asinye na nusɔsrɔ̃ ta la, ewɔnɛ be metea ŋu dea ŋugble le mawunyakpukpui siwo mexlẽna la ŋu.” Nu kae do tso eme? Egblɔ be: “Yehowa ƒe mɔfiamewo le dzi gbɔ ɖom nam fifia wu tsã.” Egblɔ esia ƒe kpɔɖeŋu ale: “Le Insight gbalẽa me la, mexlẽ nu tso xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔ David kple Yonatan dome la ŋu. Mesrɔ̃ nu geɖe tso Yonatan ƒe ɖokuitɔmadimadi ŋu. Kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi la kpe ɖe ŋunye mekpɔ nu si wòfia be ame nanye xɔlɔ̃ nyui la dze sii nyuie wu. Menɔa mɔ kpɔm vevie be magake ɖe kesinɔnu mawo ƒe bubu geɖe wu ŋu le Braɖagbe fiẽsiwo!”

Ðikeke aɖeke mele eme o be Yehowa subɔlawo katã akpɔ viɖe geɖe ne wowɔa ɣeyiɣi geɖe wu si va su wo si fifia la ŋu dɔ nyuie hena Biblia sɔsrɔ̃ kple Ƒometadedeagu si me tsɔɖui le.