Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nènye Ame Si ‘Li Ke Si Woɖo Anyi Sesĩe Ðe Gɔmeɖoanyi La Dzia’?

Ðe Nènye Ame Si ‘Li Ke Si Woɖo Anyi Sesĩe Ðe Gɔmeɖoanyi La Dzia’?

Ðe Nènye Ame Si ‘Li Ke Si Woɖo Anyi Sesĩe Ðe Gɔmeɖoanyi La Dzia’?

ÈKPƆ ati gã aɖe si ya sesẽwo nɔ nyamanyamam kpɔa? Togbɔ be ya la nɔ atia nyamam vevie hã la, atia memu o. Nu ka tae? Elabena atia ƒe kewo tri eye wòƒo ke ɖe to sesĩe. Míate ŋu anɔ abe ati ma ene. Ne míele avu wɔm kple nɔnɔme sesẽ siwo le abe ahom ene le agbe me la, míawo hã míate ŋu anɔ te sesĩe ne ‘míeli ke, eye woɖo mí anyi sesĩe ɖe gɔmeɖoanyi la dzi.’ (Ef. 3:14-17) Nu kae nye gɔmeɖoanyi ma?

Mawu ƒe Nya la gblɔ be “Kristo Yesu ŋutɔ” ye nye Kristo hame la ƒe “dzogoedzikpe la.” (Ef. 2:20; 1 Kor. 3:11) Wode dzi ƒo na mí Kristotɔwo be ‘míayi edzi azɔ le ƒomedodo me kplii, míanye ame siwo ƒo ke ɖe to, siwo wotu ɖe eya amea me, eye woli ke wo ɖe xɔse la me.’ Ne míewɔe nenema la, míate ŋu akpe akɔ kple xɔse ƒe dodokpɔwo katã, siwo dometɔ aɖewoe nye “aɖe ŋanɛ” ƒe nya siwo wotu ɖe “beble dzodzro” dzi.—Kol. 2:4-8.

“Kekeme Kple Didime Kple Kɔkɔme Kple Goglome”

Ekema aleke míawɔ ‘aƒo ke ɖe to ahali ke ɖe xɔse la me’? Mɔ vevi ɖeka si dzi míato aƒo ke ɖe to sesĩe le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nue nye be míanɔ Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la srɔ̃m moveviɖoɖotɔe. Yehowa di be ‘míase nyateƒe la ƒe kekeme kple didime kple kɔkɔme kple goglome gɔme tsitotsito le susu me kpe ɖe ame kɔkɔeawo katã ŋu.’ (Ef. 3:18) Eya ta mele be Kristotɔ aɖeke nagblɔ be nyateƒea ŋuti gɔmesese sue si su ye si la su na ye, eye Mawu ƒe Nya la me “gɔmedzenuwo” ɖeɖe ko nasu nɛ o. (Heb. 5:12; 6:1) Ke boŋ ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nadi vevie be yeana Biblia me nyateƒea ŋuti gɔmesese si su ye si la nade to ɖe edzi wu.—Lod. 2:1-5.

Ke hã, esia mefia be sidzedze gbogbo aɖe ƒe mía si susu ɖeɖe dzaa koe hiã bene míazu ame siwo ‘li ke siwo woɖo anyi sesĩe’ le nyateƒe la me o. Ne èbu eŋu kpɔ la, Satana ŋutɔ hã nya nu siwo le Biblia la me. Eya ta míehiã nane si yi ŋgɔ wu ema. Ehiã be “[míanya] Kristo la ƒe lɔlɔ̃, si de ŋgɔ wu sidzedze.” (Ef. 3:19) Esia fia be ne míesrɔ̃a nu le esi míelɔ̃ Yehowa kple nyateƒea ta la, Mawu ƒe Nya la ŋuti sidzedze vavã si le mía si la adzi ɖe edzi, eye ana míaƒe xɔse nasẽ ŋu.—Kol. 2:2.

Do Wò Gɔmesese Kpɔ

Azɔ, do ale si nèse nyateƒe vevi siwo le Biblia me la dometɔ ʋɛ aɖewo gɔmee la kpɔ. Esia wɔwɔ ate ŋu ade dzi ƒo na wò be nànɔ kutri kum geɖe wu le wò ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ me. Le kpɔɖeŋu me, xlẽ agbalẽ si apostolo Paulo ŋlɔ na Efesotɔwo la ƒe ta gbãtɔa ƒe kpukpui ʋɛ aɖewo kpɔ. (Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye  “Na Efesotɔwo.”) Ne èxlẽ kpukpuiawo vɔ la, bia ɖokuiwò be, ‘Ðe mese Biblia me nya siwo dze le aɖaka sia me dometɔ siwo dzi wote gbe ɖo la gɔmea?’ Na míadzro wo me ɖekaɖeka kpɔ.

Woɖoe Ði “Do Ŋgɔ Na Xexea Ƒe Gɔmeɖoanyiɣi”

Paulo ŋlɔ na eƒe haxɔsetɔwo be: “[Mawu ɖoe] ɖi do ŋgɔ be yeaxɔ mí abe ye ŋutɔ ye viwo ene to Yesu Kristo dzi.” Le nyateƒe me la, Yehowa ɖoe be yeaxɔ amegbetɔ aɖewo abe ye viwo ene be woava nye yeƒe dziƒoƒome deblibo la me tɔwo. Ame siwo Mawu xɔ wozu viawo la anye fiawo kple nunɔlawo aɖu dzi kple Kristo. (Rom. 8:19-23; Nyaɖ. 5:9, 10) Nya si Satana tsɔ ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu le gɔmedzedzea me la fia be vodada le ale si Mawu wɔ amegbetɔwoe ŋu. Eya ta aleke gbegbe wòsɔe nye esi be Yehowa tia amewo tso amegbetɔƒome ma ke me be woawɔ akpa aɖe le vɔ̃ɖinyenye katã ɖeɖeɖa le xexea me la me, si lɔ Satana Abosam, ame si gbɔ vɔ̃ɖinyenye dzɔ tso, hã ɖeɖeɖa ɖe eme! Ke hã, Yehowa meɖo ame ɖekaɖeka siwo wòaxɔ abe viawo ene la ɖi do ŋgɔ o. Ke boŋ Mawu ɖoe ɖi be amegbetɔwo ƒe ƒuƒoƒo alo hatsotso aɖe naɖu fia kple Kristo le dziƒo.—Nyaɖ. 14:3, 4.

‘Xexe’ kae Paulo wɔnɛ esi wòŋlɔ na ehati Kristotɔwo be, abe ƒuƒoƒo ene la, wotia wo “do ŋgɔ na xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi”? Menye ɣeyiɣi aɖe si do ŋgɔ na anyigba la alo ameƒomea wɔwɔ ŋu nya gblɔmee wònɔ o. Elabena esia anye dada le dzɔdzɔenyenye ƒe gɔmeɖosewo dzi. Aleke woate ŋu abia akɔnta tso Adam kple Xawa si le woƒe nuwɔnawo ta nenye be Mawu ŋutɔ ɖoe be woava do kpo eƒe sewo dzi wɔwɔ hafi wòwɔ wo gɔ̃ hã? Ekema ɣekaɣie Mawu ɖoe be yeakpɔ nya si do mo ɖa esime Adam kple Xawa wɔ ɖeka kple Satana wodze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu la gbɔ? Esi mía dzila gbãtɔwo dze aglã megbe ko hafi Yehowa wɔ esia gake do ŋgɔ na amegbetɔƒome si mede blibo o evɔ woate ŋu aɖe la ɖoɖo anyi.

“Le Eƒe Amenuveve Ƒe Agbɔsɔsɔ Geɖe La Nu”

Nu ka tae Paulo gblɔ be Mawu wɔ ɖoɖo siwo ŋuti woƒo nu tsoe le mawunyakpukpui siwo wotsɔ ʋu Efesotɔwo ƒe agbalẽa nui la me “le eƒe amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ geɖe la nu”? Egblɔ nya ma be yeatsɔ ate gbe ɖe edzi be menye dzizizie wònye na Yehowa be wòaɖe ameƒome si dze nu vɔ̃ me la o.

Le dzɔdzɔme nu la, naneke meli mía dometɔ aɖeke awɔ si ana wòadze na ɖeɖekpɔkpɔ o. Ke hã, lɔlɔ̃ deto si le Yehowa si na ameƒomea ʋãe wòwɔ ɖoɖo tɔxɛwo hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ. Le míaƒe blibomademade kple nu vɔ̃ me nyenye ta la, amenuvevee míaƒe ɖeɖekpɔkpɔa nye vavã abe ale si Paulo gblɔe ene.

Mawu Ƒe Tameɖoɖo Ŋuti Nya Ɣaɣla Kɔkɔe La

Le gɔmedzedzea me la, Mawu megblɔ ale si wòawɔ aɖɔ nu siwo Satana gblẽ la ɖo o. “Nya ɣaɣla kɔkɔe” ye wònye. (Ef. 3:4, 5) Emegbe esi woɖo Kristo hamea anyi la, Yehowa na numekɔkɔ geɖe tso ale si wòawɔ ana tame si wòɖo na ameƒomea kple anyigbaa le gɔmedzedzea me la nava eme la ŋu. Paulo ɖe eme be “le ɣeyiɣi ɖoɖiawo ƒe dede keŋkeŋ” me la, Mawu na “nuwo gbɔ kpɔkpɔ” ƒe ɖoɖo aɖe si ana eƒe nuwɔwɔ siwo katã si nunya le la nawɔ ɖeka la te dɔwɔwɔ.

Ðekawɔwɔ ma ƒe akpa gbãtɔ dze egɔme le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi esi Yehowa te ame siwo aɖu dzi kple Kristo le dziƒo la nu ƒoƒo ƒu. (Dɔw. 1:13-15; 2:1-4) Eƒe akpa evelia anye ame siwo anɔ paradisonyigba dzi le Kristo ƒe Mesia Dziɖuɖua te la nu ƒoƒo ƒu ɖekae. (Nyaɖ. 7:14-17; 21:1-5) Menye Mesia Fiaɖuƒea ŋue nyagbɔgblɔ, “nuwo gbɔ kpɔkpɔ” la ku ɖo o, elabena keke ƒe 1914 me hafi wova ɖo Fiaɖuƒe ma anyi. Nu si nyagbɔgblɔ ma fia boŋue nye ale si Mawu le nuwo gbɔ kpɔm alo le asi trɔm le nuwo ŋui be wòana tame si wòɖo be nuwɔwɔ siwo katã le xexea me nagawɔ ɖeka ake la nava eme.

Zu ‘Ame Si Tsi Bliboe Le Nugɔmesese Ƒe Ŋutetewo Gome’

Kakaɖedzitɔe la, fɔléle ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse nyateƒea ƒe “kekeme kple didime kple kɔkɔme kple goglome” gɔme bliboe. Ke hã, ɖikekemanɔmee la, ale si amegbetɔwo megavona le ŋkeke siawo me o la nana wònɔna bɔbɔe na Satana be wòana míaƒe alɔ nado agblɔ le ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu alo ana míadzudzɔe kura. Mègaɖe mɔ Satana nana nu ma nadzɔ ɖe dziwò o. Zã ‘susumeŋutete’ si Mawu na wò la be nàzu ‘ame si tsi bliboe le nugɔmesese ƒe ŋutetewo gome.’ (1 Yoh. 5:20; 1 Kor. 14:20) Kpɔ egbɔ be èse nu si tae nèka ɖe wò dzixɔsewo dzi ɖo la gɔme, eye be yeate ŋu ana ŋuɖoɖo ame siwo abia nya ye ku ɖe ‘mɔkpɔkpɔ si le ye si’ la ŋu.—1 Pet. 3:15.

Tsɔe be ènɔ Efeso hamea me ɣemaɣi esime woxlẽ Paulo ƒe lɛtaa zi gbãtɔ. Ðe eƒe nyawo maʋã wò nàdi be yeatsi le “Mawu ƒe Vi la ŋuti sidzedze vavãtɔ me” oa? (Ef. 4:13, 14) Godoo! Ekema na Paulo ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me la naʋã wò nenema ke egbea. Ne lɔlɔ̃ deto le asiwò na Yehowa eye eƒe Nya la ŋuti sidzedze vavãtɔ su asiwò la, akpe ɖe ŋuwò nànye ame si ‘li ke si woɖo anyi sesĩe’ ɖe Kristo ƒe “gɔmeɖoanyi la dzi.” Esia ana be nàte ŋu ado dzi le dodokpɔ siwo le abe ahom ene siwo ɖewohĩ Satana ahe ava dziwò hafi xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu keŋkeŋ nava la me.—Ps. 1:1-3; Yer. 17:7, 8.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 27]

 “Na Efesotɔwo”

“Woayra mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu si nye Fofoa, elabena etsɔ gbɔgbɔmeyayra ɖe sia ɖe si le dziƒonutowo me yra mí, be míanɔ ƒomedodo me kple Kristo, abe ale si wòtia mí do ŋgɔ na xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi, be míanɔ ƒomedodo me kplii ene, bene míanɔ kɔkɔe, eye ɖiƒoƒo aɖeke naganɔ mía ŋu o le eŋkume le lɔlɔ̃ me. Elabena eɖoe ɖi do ŋgɔ be yeaxɔ mí abe ye ŋutɔ ye viwo ene to Yesu Kristo dzi, le ye ŋutɔ ƒe didi kple lɔlɔ̃nu nu, bene woakafu eƒe ŋutikɔkɔe ƒe amenuveve, si wòna mí dɔmenyotɔe to eƒe lɔlɔ̃vi la dzi. To eyama dzi wotsɔ tafea ɖe mí to eƒe ʋu la dzi, ɛ̃, míaƒe vodadawo ƒe tsɔtsɔke, le eƒe amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ geɖe la nu. Ena esia sɔ gbɔ na mí le nunya kple susuŋudɔwɔwɔ nyui me, esi wòna míenya eƒe lɔlɔ̃nu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la. Nya ɣaɣla kɔkɔe sia wɔ ɖeka kple didi si ƒe tame wòɖo ɖi le eɖokui me, hena nuwo gbɔ kpɔkpɔ le ɣeyiɣi ɖoɖiawo ƒe dede keŋkeŋ me, si nye be wòagaƒo nuwo katã nu ƒu ɖekae ake ɖe Kristo la me, nu siwo le dziƒowo kple nu siwo le anyigba dzi.”—Ef. 1:3-10.