Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒometadedeagu Ele Vevie Na Agbetsitsi!

Ƒometadedeagu Ele Vevie Na Agbetsitsi!

Ƒometadedeagu Ele Vevie Na Agbetsitsi!

KPƆ ale si gbegbe “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” la adzi ŋɔe ɖa le susu me! (Nyaɖ. 16:14) Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe me la, nyagblɔɖila Mixa ŋlɔ bena: ‘Towo alólo abe anyigba le dzo nu ene, eye gbadzaƒewo aɖe dzoglo, abe ale si tsi sina tsoa aganu wònɔna ene.’ (Mixa 1:4) Nu dziŋɔ kae ado tso esia me na ame siwo mesubɔa Yehowa o? Mawu ƒe Nya la gblɔ be: ‘Yehowa ƒe ame siwo wòwu le ŋkeke ma me la, woanɔ anyi tso anyigba ƒe mlɔenu ɖase ɖe anyigba ƒe mlɔenu.’​—Yer. 25:33.

Le ɖekawɔwɔ me kple nuxlɔ̃amenya siawo la, anyo be ƒome ƒe tawo, siwo dometɔ geɖewo nye dzila ɖekɛwo la, nabia nya sia wo ɖokuiwo ku ɖe wo vi siwo tsi ate ŋu abu tame la ŋu be, ‘Ðe woatsi agbe le ŋkeke gã ma dzia?’ Biblia na kakaɖedzi mí be woatsi agbe nenye be ƒomedodo nyui sẽŋu le wo kple Mawu dome ale si wòanya wɔe le woƒe ƒexɔxɔ nu.—Mat. 24:21.

Nu Si Ta Wòle Vevie Be Miaɖo Ɣeyiɣi Ði Hena Ƒometadedeagu

Ne dzilae nènye la, dze agbagba ɖe sia ɖe be nàhe viwòwo “le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.” (Ef. 6:4) Biblia sɔsrɔ̃ kple viwòwo le vevie ale gbegbe. Míedi be mía viwo nanɔ abe Kristotɔ siwo nɔ Filipi, ame siwo Paulo kafu ɖe ale si wolɔ̃na faa ɖoa to Yehowa ta la, ene. Eŋlɔ bena: “Nye lɔlɔ̃tɔwo, ale si mieɖoa to ɣesiaɣi, menye le nye anyinɔɣi ɖeɖe ko o, ke boŋ geɖe wu azɔ si nyemele mia gbɔ o la, miyi edzi miatsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya anɔ miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti dɔ la wɔm.”—Fp. 2:12.

Ðe viwòwo léa Yehowa ƒe sewo me ɖe asi nenye be mèle wo gbɔ o gɔ̃ hã? Ke ne wole suku hã ɖe? Aleke nàwɔ akpe ɖe viwòwo ŋu woaka ɖe edzi be nunya le Yehowa ƒe sewo dzi wɔwɔ me, si ana be woana eƒe seawo nafia mɔ wo nenye be mèle wo gbɔ o gɔ̃ hã?

Ƒometadedeagu ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le viwòwo ƒe xɔse tutu ɖo le go sia me la me. Eya ta na míadzro nu vevi etɔ̃ aɖewo siwo ana wò ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ nakpɔ dzidzedze la me.

Minɔ Ewɔm Edziedzi

Biblia na míenya be ɣeyiɣi ɖoɖiwo li, siwo dzi Mawu ƒe vi siwo nye mawudɔlawo va kpea ta le eŋkume. (Hiob 1:6, NW) Na wòanɔ nenema le mia kple viwòwo hã gome. Ðo ŋkeke kple game aɖe koŋ ɖi na miaƒe fiẽ Ƒometadedeagu la, eye miazɔ ɖe edzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, tia ŋkeke bubu aɖe si dzi miawɔe le nenye be nane dzɔ le vo me si wɔe be miete ŋu wɔe le ŋkeke ɖoɖia dzi o.

Ne ɣletiawo va le yiyim la, mègaɖe mɔ mianɔ Ƒometadedeagua dam ɖe eme o. Ðo ŋku edzi be viwòwoe nye wò Biblia nusrɔ̃vi vevitɔwo kekeake. Gake Satana adi be yealé wo ami. (1 Pet. 5:8) Ne èɖe mɔ fiẽ Ƒometadedeagu vevi ma to mia ŋu le fiẽsi aɖe ƒe televisionkpɔkpɔ alo nu maɖinu bubu aɖe wɔwɔ ta la, ekema afia be Satana ɖu mia dzi.—Ef. 5:15, 16; 6:12; Fp. 1:10.

Na Tsɔɖui Nanɔ Eme

Mele be fiẽ Ƒometadedeagu la nanye nusɔsrɔ̃ tso agbalẽ me dzro ko o. Dze agbagba nàna tsɔɖui nanɔ eme. Aleke nàwɔe? Ɣeaɖewoɣi la, anyo be nàtia nyati siwo akpe ɖe viwòa ŋuti le nɔnɔme siwo wòava do goe le ŋkeke alo kwasiɖa siwo le ŋgɔ me. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu ana mianɔ ɖaseɖimɔnu siwo miazã le subɔsubɔdɔa me la ŋuti wɔwɔfiawo wɔm. Ne ɖeviwo srɔ̃ nane wɔwɔ nyuie la, wosea vivi na ewɔwɔ. Ne mietoa ale si miazã ɖaseɖimɔnuwo me hedea ŋugble le ale si miaɖo nya ŋu na ɖeklemiɖelawo ŋu la, akpe ɖe mia viawo ŋu be dzi nanɔ wo ƒo wu ne wole gome kpɔm le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa vovovoawo me.—2 Tim. 2:15.

Miate ŋu anɔ wɔwɔfia siwo adzra viwòwo ɖo be woanɔ te ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu la hã wɔm. Miate ŋu adzro agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, Babla 2 lia, ƒe ta 15 lia me abe ƒome ene. Aɖaŋuɖoɖowo le agbalẽa ƒe akpa si nye “Dzadzraɖo Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Ŋu” si le axa 132 kple 133 lia me, eye wotrɔ asi le eŋu be wòana mɔnukpɔkpɔwo viwòa be wòadzra ɖo ɖe nyaŋuɖoɖo siwo wòkpɔ be asɔ na ye la ŋu. Le agbalẽa ƒe axa 133 te la, wode dzi ƒo na sɔhɛwo be: “Dzro wò nyaŋuɖoɖoawo me kple dziwòlawo alo xɔ̃wò aɖe si kpɔ nuteƒe.” Ðe manyo be ɣeaɖewoɣi la, mianɔ numedzodzro sia wɔm le miaƒe fiẽ Ƒometadedeagu la me oa?

Ƒometadedeagua naa mɔnukpɔkpɔ dzilawo be woate gbe ɖe viɖe siwo le gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ƒe ame si nɔnɔ ŋu la dzi. Nyatakaka nyui siwo ate ŋu akpe ɖe mia ŋu miawɔ esia la le Young People Ask, Babla 2 lia ƒe ta 38 lia, si ƒe tanyae nye “Agbemedɔ Kae Mawɔ?” me. Ne miele ta ma me dzrom la, kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔe adze sii be Yehowa subɔsubɔ tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le ame ƒe agbe mee nye nu nyuitɔ si wòle be ame nawɔ. Ƒã didia ɖe viwòa me be wòadi be yeanye mɔɖela, Betel dɔwɔla, ade Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku, alo aƒo eɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ bubu aɖe me.

Nuxlɔ̃amenya aɖee nye esi: Dzila aɖewo, siwo si susu nyuiwo le la, tsɔa susu ɖoa nu si wodi be wo viwo nava nye la ŋu ale gbegbe be womedea dzesi nu nyui siwo wɔm wo viwo le xoxo la o. Enye nyateƒe be enyo be nàde dzi ƒo na viwòwo be woaɖo taɖodzinu nyuiwo abe subɔsubɔ le Betel kple dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ene na wo ɖokuiwo ya. Gake ne èle agbagba dzem be yeawɔ esia la, ɖɔ ŋu ɖo be màgatsɔ nu siwo nèle mɔ kpɔm be woava wɔ la anɔ dziku dom na wo alo ana dzi naɖe le wo ƒo o. (Kol. 3:21) Nenɔ ŋku dzi na wò ɣesiaɣi be ele be viwòa ŋutɔ nava lɔ̃ Yehowa kple eƒe dzi ke menye kple dzi o. (Mat. 22:37) Eya ta di mɔnukpɔkpɔwo nànɔ viwòa kafum ɖe nu siwo wòle wɔwɔm nyuie la ta, eye nàɖu ɖokuiwò dzi be màgatsɔ wò susu aɖo nu siwo mele wɔwɔm nyuie o la ɖeɖe ko ŋu o. Kpe ɖe eŋu wòakpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo katã Yehowa wɔ la ŋu, eye nàɖe mɔ ɖevia ƒe dzi naʋãe wòawɔ nu ɖe Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ŋu.

Na Wòavivi

Nu vevi etɔ̃lia si ana fiẽ Ƒometadedeagu la natsɔ afɔ nyuie ye nye be nàna wòavivi. Aleke nàte ŋu awɔ esiae? Ðewohĩ ɣeaɖewoɣi la, miate ŋu aƒo dramawo ase alo akpɔ video siwo Yehowa Ðasefowo wɔ la ƒe ɖe ahadzro eme. Alo miate ŋu axlẽ Biblia ƒe akpa aɖe ɖekae, miana ƒomea me tɔwo naxlẽ ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le ŋutinyaa me la ƒe nyawo.

Nyati nyui aɖewo dzena le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me, siwo me miate ŋu adzro abe ƒome ene. Le kpɔɖeŋu me, miate ŋu azã nyati si dzena le Nyɔ! ƒe axa 31 lia, si ƒe tanyae nye “Aleke Nàɖo Wo Ŋui?” Zi ɖeka le ɣleti eve me la, nyati si ƒe tanyae nye “Na Sɔhɛwo,” dzena le Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míenana la me. Wotana nyati bubu aɖe hã si ƒe tanyae nye “Fia Nu Viwòwo,” si ŋu wotrɔ asi le na ɖevi suewo la hã ɖe ema yome, ne nyati sia dze le ɣleti ɖeka me la, ekemɛa vana le ɣleti si kplɔe ɖo me.

Nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be” si dzena le Nyɔ! me ado dzidzɔ na dzila siwo si ƒewuiviwo le la koŋ, nenema kee nye agbalẽ si nye Young People Ask, Babla 2 lia hã. Ne miele agbalẽ sia zãm la, migaŋe aɖaba ƒu aɖaka si nye “Nu Kae Nèsusu?” si le ta ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la dzi o. Menye numetoto koe aɖaka ma nye o. Ƒomea ate ŋu azã nyabiase siwo le eme atsɔ awɔ numedzodzroe.

Ke hã, kpɔ nyuie be màganɔ eƒom ɖe viwòa nu be wòaɖo nyabiase gbogbo aɖewo ŋu le ƒomenusɔsrɔ̃a wɔɣi o. Le kpɔɖeŋu me, mègazii ɖe viwòa dzi be wòaxlẽ nya siwo wòŋlɔ ɖe axa si ƒe tanyae nye “Nye Nuŋlɔɖiwo” alo esiwo wòŋlɔ ɖe agbalẽa ƒe teƒe siwo woɖo ɖi be wòaŋlɔ eya ŋutɔ ƒe nyawo ɖo la sesĩe o. Agbalẽa gblɔ le nyati si nye “Na Dzilawo” si le axa 3 lia me be: “Be nàde dzi ƒo na viwò ƒewuiviwo be woato nyateƒe le nu siwo woŋlɔna ɖe woƒe agbalẽa me la me la, mèganɔ didim kokoko be yeanya nu si woŋlɔ o. Emegbe la, ɖewohĩ woawo ŋutɔwo alɔ̃ faa aƒo nu tso nu siwo woŋlɔ la ŋu na wò.”

Ne èwɔa ɖoɖo miekpena edziedzi hena ƒometadedeagu, nènaa tsɔɖui nɔa eme, eye nènana wòvivina la, Yehowa ayra ɖe wò agbagbadzedzewo dzi geɖe. Ƒomea ƒe nusrɔ̃ɣi tɔxɛ sia ana be wò ame veviawo naxɔ dzo ahasesẽ le gbɔgbɔ me.

[Aɖaka si le axa 31]

Wɔ Aɖaŋu Ŋu Dɔ

“Ne míele nu srɔ̃m kple mía vinyɔnuviawo la, mía kple srɔ̃nye míedzroa nyati siwo me woawɔ dɔ le le hame ƒe kpekpeawo dometɔ aɖe me la me kpli wo, eyome míenaa mía vinyɔnuviawo wɔa nɔnɔmetata aɖe si ɖe nufiame siwo le nusɔsrɔ̃a me la fia kpuie. Ɣeaɖewoɣi la, míezãa Biblia me ŋutinyawo tsɔ wɔa fefewoe alo míewɔa dzeɖonya siwo míadi be míazã le gbeadzi la ƒe wɔwɔfiawo. Míenaa nusɔsrɔ̃a sɔna ɖe woƒe ƒexɔxɔ nu, evivia wo nu, nufiame nɔa eme, eye wòdoa dzidzɔ na wo.”—J.M., United States.

“Esi míedi be míakpe ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃vi aɖe ƒe viŋutsuvi ŋu wòakpɔ ale si agbalẽ xatsaxatsawo zazã nɔ le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, míetutu tawo kple kpukpuiwo ɖa le Yasaya ƒe agbalẽa me le kɔpiuta dzi, eye emegbe míetae. Míetsɔ axawo tsya ɖe wo nɔewo nu wòdidi legbee eye míebla nugbɔ eveawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe nane ŋu. Emegbe ŋutsuvia dze agbagba be yeawɔ nu si Yesu wɔ le ƒuƒoƒea le Nazaret la. Nuŋlɔɖi si le Luka 4:16-21 gblɔ be, Yesu “[ʋu] agbalẽ xatsaxatsa la hekpɔ teƒe” si dim wònɔ la. (Yes. 61:1, 2) Ke hã, esi ŋutsuvia nɔ agbagba dzem be ye hã yeawɔ nenema ke la, enɔ sesẽm nɛ be wòake ɖe Yesaya ta 61 lia ŋu le agbalẽ xatsaxatsa legbe ma si me tawo kple kpukpuiwo mele o la me. Esi aɖaŋu si Yesu zã le agbalẽ xatsaxatsaa ŋu dɔ wɔwɔ me wɔ dɔ ɖe ŋutsuvia dzi la, edo ɣli be: ‘Yesu dze agbagba ŋutɔ loo!’”—Y.T., Japan.

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Wɔwɔfiawo wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu be woanɔ te ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Dze agbagba nàna fiẽ Ƒometadedeagua navivi viwòwo nu