Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Míayi Edzi Anye Xɔlɔ̃wo Le Xexe Malɔ̃ame Sia Me

Ale Si Míayi Edzi Anye Xɔlɔ̃wo Le Xexe Malɔ̃ame Sia Me

Ale Si Míayi Edzi Anye Xɔlɔ̃wo Le Xexe Malɔ̃ame Sia Me

“Nu siwo ƒe se dem mele na mi lae nye esi: be mialɔ̃ mia nɔewo.”—YOH. 15:17.

1. Nu ka tae wòhiã be Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la nayi edzi anye xɔlɔ̃ kplikplikpliwo?

LE Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ me la, ede dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo be woakpɔtɔ anye wo nɔewo xɔlɔ̃wo. Egblɔ na wo do ŋgɔ le fiẽ ma ke me be lɔlɔ̃ si woanɔ ɖeɖem fia wo nɔewo la ana amewo nade dzesii be ye yomedzelawoe wonye. (Yoh. 13:35) Ehiã be apostoloawo nayi edzi anye xɔlɔ̃ kplikplikpliwo hafi woate ŋu ado dzi le dodokpɔ sesẽ siwo nɔ wo ŋgɔ la me ahawɔ dɔ aɖe si Yesu ade wo si le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la ade goe. Le nyateƒe me la, wova nya Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me be wotsɔ wo ɖokuiwo ɖoa anyi na Mawu kple wo nɔewo bliboe.

2. (a) Nu kae míeɖo kplikpaa be míawɔ, eye nu ka tae? (b) Nyabiase kawo mee míadzro?

2 Aleke gbegbe wònyea dzidzɔ na mí egbeae nye esi be míenye xexea me katã ƒe habɔbɔ si me tɔwo srɔ̃a kpɔɖeŋu si Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ɖo ɖi la me tɔwo! Míeɖoe kplikpaa be míawɔ ɖe se si Yesu de be míaɖe lɔlɔ̃ akuaku afia mía nɔewo la dzi. Ke hã, le ŋkeke mamlɛ siawo me la, ame akpa gãtɔ mewɔa nuteƒe o, eye womelɔ̃a ame ƒe nya hã o. (2 Tim. 3:1-3) Zi geɖe la, woƒe xɔlɔ̃wɔwɔ nyea ameŋkumenuwɔwɔ ko, eye wo ɖokuiwo tɔ ko wodina. Ele be míaƒo asa na nuwɔna mawo hafi amewo akpɔtɔ ade dzesi mí be míenye Kristotɔ vavãwo. Eya ta mina míadzro nyabiase siwo gbɔna la me: Nu kae nana wonyea xɔlɔ̃ nyuiwo? Aleke míawɔ adze xɔlɔ̃ nyuiwo? Ɣekaɣie wòate ŋu ahiã be míatso xɔlɔ̃wɔwɔ aɖe me? Eye aleke míate ŋu awɔ ayi edzi anye xɔlɔ̃ siwo tua wo nɔewo ɖo?

Nu Kae Nana Wonyea Xɔlɔ̃ Nyuiwo?

3, 4. Nu kae nana wonyea xɔlɔ̃ nyuitɔwo kekeake, eye nu ka tae?

3 Lɔlɔ̃ na Yehowa ye nana wonyea xɔlɔ̃ nyuitɔwo kekeake. Fia Salomo ŋlɔ bena: ‘Ne ame ɖeka kpɔ ŋusẽ ɖe ame si tsi akogo dzi hã la, ame eveawo ya anɔ te ɖe enu, eye ka ŋukplaba etɔ̃ mate ŋu alã bɔbɔe o.’ (Nyagb. 4:12) Ne Yehowa nye ka etɔ̃lia le xɔlɔ̃wo dome la, xɔlɔ̃wɔwɔ ma anɔ anyi eteƒe nadidi.

4 Enye nyateƒe be ame siwo menya Yehowa o hã tea ŋu dzea xɔlɔ̃ nyuiwo ya. Gake ne ameawo dometɔ ɖe sia ɖe lɔ̃a Mawu la, woƒe xɔlɔ̃dzedzea ali ke sesĩe. Ne masɔmasɔwo do mo ɖa la, xɔlɔ̃ vavãwo awɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu le mɔ si adze Yehowa ŋu la nu. Ne ame siwo tsia tsitre ɖe Mawu ŋu dze agbagba be yewoama Kristotɔwo dome la, wokpɔnɛ dzea sii be yewomate ŋu agblẽ xɔlɔ̃wɔwɔ si le Kristotɔ vavãwo dome la me o. Le ŋutinya katã me la, Yehowa subɔlawo ɖee fia be yewolɔ̃ faa be yewoaku tsɔ wu be yewoade yewo nɔewo asi.—Mixlẽ 1 Yohanes 3:16.

5. Nu ka tae Rut kple Naomi dome xɔlɔ̃wɔwɔa me sẽ eye wònɔ anyi eteƒe didi?

5 Ðikekemanɔmee la, ame siwo míate ŋu adze xɔlɔ̃ ale be míaƒe dzi nadze eme wue nye ame siwo lɔ̃a Yehowa. Bu Rut kple Naomi ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Nyɔnu siawo ƒe xɔlɔ̃wɔwɔa nye esiwo ŋu nya woŋlɔ ɖe Biblia me la dometɔ siwo léa dzi na ame wu la dometɔ ɖeka. Nu ka tae woƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me sẽ eye wònɔ anyi eteƒe didi? Rut ɖe susua gblɔ esime wògblɔ na Naomi be: ‘Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu. . . . Yehowa nefiam, eye wòagafiam ɖe edzi; negbe ku koe aklã mía dome!’ (Rut 1:16, 17) Edze ƒãa be Rut kple Naomi siaa lɔ̃ Mawu vevie, eye woɖea mɔ lɔlɔ̃ ma kpɔa ŋusẽ ɖe ale si wowɔa nu ɖe wo nɔewo ŋui la dzi. Esia me tsonue nye be Yehowa yra nyɔnu eve siawo siaa.

Ale Si Míawɔ Adze Xɔlɔ̃ Nyuiwo

6-8. (a) Nu kae wòbia be xɔlɔ̃wɔwɔ aɖe me nasẽ eye wòanɔ anyi eteƒe nadidi? (b) Afɔ kae wòle be nàɖe gbã be nàte ŋu adze xɔlɔ̃ amewo?

6 Rut kple Naomi ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia mí be xɔlɔ̃ nyuiwo mesua ame si le vo me ko o. Enɔa te ɖe ale si ameawo dometɔ ɖe sia ɖe lɔ̃ Yehowae la dzi. Ke hã, hafi xɔlɔ̃wɔwɔ aɖe me nasẽ eye wòanɔ anyi eteƒe nadidi la, ebia kutrikuku kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ geɖe. Ehiã be dadavi siwo nye Yehowa subɔlawo le Kristotɔwo ƒe ƒomewo me gɔ̃ hã naku kutri hafi woate ŋu anye xɔlɔ̃ nyuiwo. Ekema afɔ kawoe nàte ŋu aɖe?

7 Wɔ afɔɖeɖea gbã. Apostolo Paulo de dzi ƒo na exɔlɔ̃ siwo nɔ hame si nɔ Roma la me be ‘woanɔ amedzrowɔwɔ dzi.’ (Rom. 12:13) Be woanɔ amedzrowɔwɔ dzi lɔ afɔ vivivi aɖewo ɖeɖe edziedzi ɖe eme. Ðeko wòle abe mɔ aɖe dzi zɔzɔ ene, ebiana be woaɖe afɔ aɖewo gbã agaɖe bubuwo ɖe eyome. Ame aɖeke mate ŋu awɔ amedzro na amewo ɖe tewòƒe o. (Mixlẽ Lododowo 3:27.) Mɔ siwo dzi nàte ŋu ato awɔ amedzro na amewo la dometɔ ɖekae nye be nànɔ hamea me tɔ vovovowo kpem be woava ɖu nu kpokploe aɖe kpli wò. Ðe nàte ŋu ana wòanye numame na wò be nànɔ amedzro wɔm na miaƒe hamea me tɔwoa?

8 Mɔ bubu aɖe si dzi nàte ŋu ato aɖe afɔ gbãtɔ atsɔ adze xɔlɔ̃ amewoe nye be nànɔ ame vovovowo kpem be woanɔ gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me kpli wò. Ne mieɖo aƒemenɔla aɖe ƒe ʋɔtru nu eye nèse gbeƒãɖela si mia kplii miele gbeadzi la le ale si wòlɔ̃ Yehowae la gblɔm tso dzi me la, eƒe nu alé dzi na wò godoo.

9, 10. Kpɔɖeŋu kae Paulo ɖo ɖi, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua?

9 Keke ɖokuiwò le wò lɔlɔ̃ɖeɖefia me. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 6:12, 13.) Èse le ɖokuiwò me kpɔ be ame aɖeke mele miaƒe hamea me si nàte ŋu adze xɔlɔ̃ oa? Nenye nenemae la, ɖe wòate ŋu anye be dzidzenu si wò ŋutɔ nèɖo le ame siwo nàte ŋu adze xɔlɔ̃ ŋu la kɔ akpa? Apostolo Paulo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí le ale si wòle be míakeke mía ɖokuiwo le lɔlɔ̃ɖeɖefia gome la me. Ɣeaɖeɣi le Paulo ƒe agbe me la, mava susu me nɛ kpɔ be yeate ŋu adze xɔlɔ̃ ame siwo menye Yudatɔwo o. Ke hã, eva zu ‘apostolo na dukɔwo.’—Rom. 11:13.

10 Gakpe ɖe eŋu la, menye ame siwo nye Paulo hatiwo koe wòdzea xɔlɔ̃e o. Le kpɔɖeŋu me, woa kple Timoteo wova zu xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o togbɔ be etsi wui sãsãsã, eye wotso teƒe vovovowo hã. Egbea la, sɔhɛ geɖewo dze xɔlɔ̃ ame tsitsiwo le hamea me, eye wodea asixɔxɔ xɔlɔ̃wɔwɔ mawo ŋu ŋutɔ. Vanessa si xɔ ƒe 20 kple nu vi aɖe la gblɔ be: “Xɔlɔ̃ vevi aɖe le asinye, exɔ ƒe 50 kple edzivɔ. Metea ŋu gblɔa nya sia nya si mate ŋu agblɔ na xɔ̃nye siwo nye hatinyewo la nɛ. Eye etsɔa ɖe le eme nam ale gbegbe.” Aleke amewo wɔna dzea xɔlɔ̃ siawo tɔgbi? Vanessa gblɔ be: “Agbagbae medze hafi te ŋu dze xɔlɔ̃ sia, menye ɖeko meli wòva su asinye le vo me o.” Ðe nèle agbagba dzem be yeadze xɔlɔ̃ ame siwo menye hatiwòwo oa? Yehowa ayra ɖe wò agbagbadzedzewo dzi godoo.

11. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yonatan kple David ƒe kpɔɖeŋua me?

11 Nye nuteƒewɔla. Salomo ŋlɔ bena: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.” (Lod. 17:17) Esi Salomo nɔ nya mawo ŋlɔm la, anye be xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔ fofoa David kple Yonatan dome la nɔ susu me nɛ. (1 Sam. 18:1) Fia Saul di be ye vi Yonatan nava zu Israel fia le yeƒe ku megbe. Gake Yonatan xɔ nyateƒenya si wònye be Yehowa tia David be wòava nye fia le ye fofo ƒe ku megbe la de eme. Yonatan meʋã ŋu David abe ale si fofoa Saul ya wɔe ene o. Kafukafu si amewo tsɔ nɔ David nam la meve Yonatan o, eye mexɔ ameŋugblẽnya siwo Saul nɔ kakam tso David ŋu la de eme o. (1 Sam. 20:24-34) Ðe míele abe Yonatan enea? Ðe míekpɔa dzidzɔ ɖe mía xɔlɔ̃wo ŋu ne mɔnukpɔkpɔwo su wo sia? Ne wole nɔnɔme sesẽwo me tom la, ɖe míefaa akɔ na wo henaa kpekpeɖeŋu woa? Ne míese wogblɔ nya vɔ̃ aɖe ɖe mía xɔlɔ̃ aɖe ŋu la, ɖe míexɔa nya mawo dzi sena enumakea? Alo ɖe míeʋlia mía xɔlɔ̃a ta nuteƒewɔwɔtɔe abe ale si Yonatan wɔe enea?

Ɣeyiɣi Si Me Wòhiãna Be Woatso Xɔlɔ̃wɔwɔ Aɖe Me

12-14. Kuxi kae Biblia nusrɔ̃vi aɖewo doa goe, eye aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋui?

12 Ne Biblia nusrɔ̃vi aɖe te tɔtrɔwɔwɔ le eƒe agbenɔnɔ me la, ate ŋu ado go kuxi sesẽwo le xɔlɔ̃dzedze gome. Ate ŋu adzɔ be ekpɔa dzidzɔ ɖe hadede kple exɔlɔ̃ aɖewo ŋu gake womenɔa agbe ɖe Biblia ƒe agbenɔnɔ ŋuti dzidzenuwo nu o. Ðewohĩ edea ha kpli wo hekpɔa gome kpli wo le nanewo wɔwɔ me edziedzi tsã. Gake fifia ya la, ekpɔe be nuwɔna siwo me ye xɔlɔ̃awo ƒoa wo ɖokuiwo ɖo la ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ye dzi, eye wòse le eɖokui me be ele be yeadzudzɔ hadede kpli wo. (1 Kor. 15:33) Togbɔ be ele alea hã la, ese le eɖokui me be ne yedzudzɔ hadede kpli wo la afia be yemewɔ nuteƒe na wo o.

13 Ne ènye Biblia nusrɔ̃vi si le go dom kuxi sia la, ɖo ŋku edzi be xɔlɔ̃ vavã akpɔ dzidzɔ be èle agbagba dzem be yeana yeƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi wu. Eye ɖewohĩ adi kura gɔ̃ hã be yeawɔ ɖeka kpli wò miasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Gake alakpaxɔlɔ̃wo ya ‘anɔ nya manyomanyowo gbɔgblɔ dzi ɖe ŋuwò’ le esi ‘mègale du ƒum kpli wo le mɔ sia dzi yina agbe baɖa nɔnɔ ƒe ba me o’ ta. (1 Pet. 4:3, 4) Le nyateƒe me la, xɔlɔ̃ mawo boŋ ye mele nuteƒe wɔm na wò o, ke menye wòe o.

14 Ne Biblia nusrɔ̃viwo ƒe xɔlɔ̃ tsãtɔ siwo melɔ̃a Mawu o gblẽ wo ɖi la, hamea me tɔwo ate ŋu adze xɔlɔ̃ wo ɖe ame mawo teƒe. (Gal. 6:10) Ðe nènya Biblia nusrɔ̃vi siwo dea miaƒe kpekpeawoa? Ðe nètea ŋu dea ha kpli wo ɣeaɖewoɣi hetua wo ɖoa?

15, 16. (a) Aleke wòle be míawɔ nui nenye be mía xɔlɔ̃ aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ? (b) Aleke míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu la afiae?

15 Ke nu kae wòle be nàwɔ ne xɔ̃wò aɖe si le hamea me trɔ megbe de Yehowa, eye ɖewohĩ wòva hiã be woaɖee le hamea me? Nu sia ate ŋu ate ɖe ame dzi ŋutɔ. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ ale si wòse le eɖokui me esi exɔlɔ̃ aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ ale: “Ðeko wòwɔ nam abe ɖe nane ku le menye ene. Mesusui be xɔ̃nyea li ke sesĩe le nyateƒea me, gake menɔ nenema o. Menɔ ɖokuinye biam be ɖe wòanye be esi wòdi be yeadze yeƒe ƒometɔwo ŋu tae wònɔ Yehowa subɔm ɖo mahã. Esia na mete ɖokuinye me dzodzro. Susu nyuiwo tae mele Yehowa subɔm ɖoa?” Aleke nɔvinyɔnu sia wɔ te ŋu nɔ te ɖe nɔnɔme ma nu? Egblɔ be: “Medro nye agba ɖe Yehowa dzi. Meɖoe kplikpaa be maɖee afia Yehowa be ame si ƒomevi wònye tae melɔ̃e ɖo, ke menye esi wòna xɔlɔ̃wo su asinye le eƒe habɔbɔa me tae o.”

16 Míate ŋu akpɔ mɔ be míayi edzi anye Mawu xɔlɔ̃wo ne míedze xɔlɔ̃ ame siwo tiae be yewoanye xexea xɔlɔ̃wo la o. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Mienyae be xɔlɔ̃dzedze xexea nye futɔnyenye na Mawu oa? Eya ta ame sia ame, si dina be yeanye xexea xɔlɔ̃ la, ewɔa eɖokui Mawu ƒe futɔ.” (Yak. 4:4) Míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu la afia ne míeka ɖe edzi be ne míewɔ nuteƒe nɛ la akpe ɖe mía ŋu míado dzi ne mía kple mía xɔlɔ̃ aɖe dome gblẽ. (Mixlẽ Psalmo 18:26.) Nɔvinyɔnu si ƒe nya míegblɔ va yi la ƒo nya la ta ale: “Mesrɔ̃e be míate ŋu ana ame aɖe nalɔ̃ Yehowa alo alɔ̃ mí o. Le wo katã me la, ame ŋutɔ ƒe nyametsotsoe.” Ke hã, nu kae míate ŋu awɔ bene mía kple mía xɔlɔ̃ tuameɖo siwo kpɔtɔ le hamea me la dome xɔlɔ̃wɔwɔa nayi edzi anɔ anyi ɖaa?

Ale Si Míawɔ Ayi Edzi Anye Xɔlɔ̃ Nyuiwo

17. Aleke xɔlɔ̃ nyuiwo ƒoa nu na wo nɔewo?

17 Dzeɖoɖo nyuie naa agbe ɖoa xɔlɔ̃wɔwɔ me. Ne èxlẽ Biblia me ŋutinya siwo ku ɖe Rut kple Naomi, David kple Yonatan, kpakple Paulo kple Timoteo ŋu la, àkpɔe adze sii be xɔlɔ̃ nyuiwo ɖoa dze kple wo nɔewo faa, gake woƒoa nu na wo nɔewo bubutɔe. Paulo gblɔ tso ale si wòle be míanɔ nu ƒom na mía nɔewo ŋu be: “Mina miaƒe nya nadze to ɣesiaɣi, eye dze nanɔ eme.” Ale si wòle be míaƒo nu na “ame siwo le egodo,” si fia ame siwo menye mía nɔvi Kristotɔwo o la koŋ ye Paulo wɔnɛ le afi sia. (Kol. 4:5, 6) Ne edze be míade bubu dzimaxɔsetɔwo ŋu ne míele nu ƒom na wo la, ke kakaɖedzitɔe la, ele vevie be míade bubu mía xɔlɔ̃ siwo le hamea me la ŋu geɖe wu.

18, 19. Aleke wòle be míabu aɖaŋu siwo mía xɔlɔ̃ Kristotɔwo ɖona na mí lae, eye kpɔɖeŋu kae hamemetsitsi siwo nɔ Efeso la ɖo ɖi na mí?

18 Xɔlɔ̃ nyuiwo dea bubu wo nɔewo ƒe nukpɔsusuwo ŋu, eya ta ele be woƒe nyawo nadze to eye woaƒo nu naneke maɣlamaɣlae ne wole dze ɖom kple wo nɔewo. Fia Nyanu Salomo ŋlɔ bena: “Ami kple dzudzɔ ʋeʋẽ donu doa dzidzɔ na dzi; xɔlɔ̃ ƒe nya vivi nyo wu ame ŋutɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo.” (Lod. 27:9) Nenemae nèbua aɖaŋu siwo xɔ̃wòwo ɖona na wòa? (Mixlẽ Psalmo 141:5.) Ne xɔ̃wò aɖe ɖo afɔ afɔta na wò ku ɖe afɔ aɖe si ɖem nèle ŋu la, aleke nèwɔa nui? Ðe nèbua eƒe nyawo be enye amenuvevea, alo ɖe wòvea dɔme na wòa?

19 Ƒomedodo nyui aɖe nɔ apostolo Paulo kple hame si nɔ Efeso la ƒe hamemetsitsiwo dome. Anɔ eme be enya ŋutsu mawo dometɔ aɖewo esime wozu xɔsetɔwo teti ko. Ke hã, le kpekpe mamlɛtɔ si wòwɔ kpli wo me la, eɖo aɖaŋu aɖewo na wo tẽe mede ba mo na nya aɖeke o. Aleke wowɔ nui? Paulo xɔlɔ̃ mawo medo dziku o. Ke boŋ wokpɔ ŋudzedze ɖe ale si wòtsɔ ɖe le eme na wo la ŋu, eye wofa avi gɔ̃ hã esi wògblɔ na wo be womegale yeƒe ŋkume kpɔ ge o.—Dɔw. 20:17, 29, 30, 36-38.

20. Nu kae xɔlɔ̃ lɔ̃ame awɔ?

20 Menye ɖeko xɔlɔ̃ nyuiwo lɔ̃na xɔa aɖaŋuɖoɖo si me nunya le o, ke boŋ woawo hã woɖoa aɖaŋu. Gake ele be míanya ɣeyiɣi si me wòle be ‘míakpɔ mía ŋutɔwo míaƒe nyawo gbɔ.’ (1 Tes. 4:11) Eye ele be míade dzesii hã be mía dometɔ ɖe sia ɖe “abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.” (Rom. 14:12) Gake ne ehiã la, xɔlɔ̃ lɔ̃ame aɖo ŋku Yehowa ƒe dzidzenuwo dzi na exɔlɔ̃a dɔmenyotɔe. (1 Kor. 7:39) Le kpɔɖeŋu me, nu kae nàwɔ ne ède dzesii be dzimaxɔsetɔ aɖe ƒe nu va le dzi lém na xɔ̃wò aɖe si mekpɔ ɖe srɔ̃ o? Ðe nàgbe aɖaŋuɖoɖo nɛ le esi nèle vɔvɔ̃m be esia wɔwɔ ana yewoƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me nagblẽ ta? Alo nu kae nàwɔ ne xɔ̃wòa do toku wò aɖaŋuɖoɖoa? Xɔlɔ̃ nyui adze agbagba be yeana alẽkplɔla lɔ̃amewo nakpe ɖe ye xɔlɔ̃ si le afɔ gbegblẽa ɖem ŋu. Esia wɔwɔ bia dzinɔameƒo. Ke hã, esia mate ŋu agblẽ xɔlɔ̃wɔwɔ si wotu ɖe lɔlɔ̃ na Yehowa dzi la dome ɖaa o.

21. Nu kae mí katã míewɔna ɣeaɖewoɣi, gake nu ka tae wòle vevie be míana mía kple mía xɔlɔ̃ siwo le hamea me la dome ƒomedodoa me nasẽ?

21 Mixlẽ Kolosetɔwo 3:13, 14. Ɣeaɖewoɣi la, míate ŋu awɔ nane si awɔe be ‘nya aɖe nanɔ’ mía xɔlɔ̃wo si ɖe mía ŋu, alo woawo hã woate ŋu awɔ nane alo agblɔ nya aɖe si ado dziku na mí. Yakobo ŋlɔ bena: “Mí katã míewɔa vodada zi geɖe.” (Yak. 3:2) Gake togbɔ be xɔlɔ̃wo daa vo le wo nɔewo ŋu zi gbɔ zi geɖe gɔ̃ hã la, ale si wolɔ̃na tsɔna kea wo nɔewo keŋkeŋ ye ɖenɛ fiana be wonye xɔlɔ̃wo vavã. Aleke gbegbe wòle vevie ye nye esi be míana mía kple mía xɔlɔ̃wo dome ƒomedodoa me nasẽ to dzeɖoɖo tso dzi me kple etsɔtsɔ ke mía nɔewo faa dzi! Ne míeɖea lɔlɔ̃ ma tɔgbi fiana la, azu “ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.”

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke míate ŋu awɔ adze xɔlɔ̃ nyuiwo?

• Ɣekaɣie wòahiã be míatso xɔlɔ̃wɔwɔ aɖe me?

• Nu kae wòle be míawɔ bene mía kple mía xɔlɔ̃wo dome ƒomedodoa me nayi edzi asẽ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Nu kae na Rut kple Naomi dome xɔlɔ̃wɔwɔa me sẽ eye wònɔ anyi eteƒe didi?

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Èwɔa amedzro na amewo edziedzia?