Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Takpekpe Etɔ̃ Aɖewo Trɔ Nye Agbenɔnɔe

Ale Si Takpekpe Etɔ̃ Aɖewo Trɔ Nye Agbenɔnɔe

Ale Si Takpekpe Etɔ̃ Aɖewo Trɔ Nye Agbenɔnɔe

Abe ale si George Warienchuck gblɔe ene

ÐE WÒDZƆ kpɔ be èse nya aɖe le míaƒe takpekpe aɖe me wòwɔ dɔ ɖe dziwò ale gbegbe be nèwɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo le wò agbenɔnɔ mea? Esia dzɔ ɖe dzinye. Ne metrɔ kpɔ megbe la, mate ŋu agblɔ be takpekpe etɔ̃ aɖewo koŋ trɔ nye agbenɔnɔ. Gbãtɔa kpe ɖe ŋunye dzi ɖo ƒonye, evelia kpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ ale si mana nu si le asinye la nadze ŋunye, eye etɔ̃lia kpe ɖe ŋunye mezu ame si tsɔa ɖokuinye nana geɖe wu. Ke hã, hafi maƒo nu tso tɔtrɔ mawo ŋu la, na magblɔ nanewo siwo dzɔ ƒe aɖewo do ŋgɔ na takpekpe mawo, siwo ku ɖe nye ɖevimenɔɣi ŋu, la ŋu nya na wò.

Wodzim le ƒe 1928 me, eye nyee nye mía dzilawo ƒe vi etɔ̃awo ƒe ɖevitɔ. Wonyi mía kple nɔvinyenyɔnu siwo ŋkɔwoe nye Margie kple Olga le South Bound Brook, New Jersey, United States. Ɣemaɣi la, enye du aɖe si me ame 2,000 aɖewo ko nɔ. Togbɔ be míeda ahe hã la, Dada nyoa dɔme ŋutɔ. Ɣesiaɣi si wòkpɔ ga ɖa nu tɔxɛ aɖe ko la, ekana ɖe yina na míaƒe aƒelikawo. Esi mexɔ ƒe asieke la, Ðasefo aɖe si doa Hungariagbe la va srã Dada kpɔ. Gbe mae nye danyewo degbe, eye esia ʋãe wòɖo to Biblia me gbedeasia. Emegbe nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Bertha, si le eƒe ƒe 20-awo ƒe gɔmedzedze me la yi Biblia sɔsrɔ̃ dzi kple Dada, eye wòkpe ɖe eŋu wòva zu Yehowa subɔla.

Mekpea ŋu, eye dzi menɔa ƒonye o, evɔ Dada mele nenema kura o. Nu si gagblẽ nyaa ɖe edzie nye be Dada daam ɖe anyi. Gbe ɖeka esi menɔ avi fam hebiae be, “Nu ka tae nèhea nya ɖe ŋunye ɣesiaɣi?” hã la, egblɔ nam be yelɔ̃m, gake esi yemedi be yeaɖe asi le ŋunye mazu vi gbegblẽ o tae. Susu nyuiwo nɔ Dada si ya, gake ale si mekafuam o la, nana mesena le ɖokuinye me be nyemele ɖeke me o.

Gbe ɖeka la, aƒelika aɖe si ƒoa nu nam tufafatɔe la, bia tso asinye be makplɔ ye viwo ɖo míayi Kwasiɖagbe suku si wowɔna le woƒe sɔleme la. Menyae be ne meyi la, nye nu madze Yehowa ŋu o, gake menɔ vɔvɔ̃m be mava dze agɔ le aƒelika dɔmenyola ma dzi. Eya ta mede sɔleme ma ɣleti geɖe, togbɔ be nye nuwɔna ma dzea ŋukpe dzi nam hã. Nenema ke le suku hã la, amegbetɔvɔvɔ̃ na be mewɔa nu wòtsia tsitre ɖe nye dzitsinya ŋu. Míaƒe sukua ƒe tatɔ, si wɔa akpasesẽnu la, kpɔa egbɔ be nufialawo na sukuviawo katã do gbe na aflaga. Nye hã medoa gbe na aflaga la. Esia yi edzi abe ƒe ɖeka sɔŋ ene, gake nuwo va trɔ.

Mesrɔ̃ Ale Si Mawɔ Dzi Nanɔ Ƒonye

Le ƒe 1939 me la, wote agbalẽ me nusɔsrɔ̃ wɔwɔ le míaƒe aƒe me. Ben Mieszkalski si nye sɔhɛ mɔɖela aɖee nɔ nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm. Míeyɔnɛ be Ben Lolotɔ—eye ŋkɔa sɔ kplii. Ðeko nye ya mebunɛ be ekɔ hekeke abe míaƒe agboa ene. Togbɔ be edzɔ atsu nenema hã la, enye ame fatu, eye ale si wòkoa nu na ame xɔlɔ̃wɔwɔtɔe la naa nye dzi dzea eme. Eya ta esi Ben gblɔ nam be mava míayi gbeadzi la, melɔ̃ kple dzidzɔ. Míeva zu xɔlɔ̃wo. Ne nu te ɖe dzinye la, eƒoa nu nam abe ale si ko ame fo si tsɔa ɖe le eme na nɔvia la awɔe ene. Mekpɔ ŋudzedze ɖe esia ŋu ŋutɔ, eye meva lɔ̃e vevie.

Le ƒe 1941 me la, Ben kpe míaƒe ƒomea be míaɖo yeƒe ʋu ayi takpekpe aɖe le St. Louis, Missouri. Dzi dzɔm ale gbegbe! Nyemezɔ mɔ wòdidi wu kilometa 80 kpɔ o, gake fifia la, megbɔna mɔ zɔ ge ayi teƒe si didi tso aƒe gbɔ kilometa 1,500 sɔŋ! Ke hã, kuxiwo do mo ɖa le St. Louis. Sɔlemehakplɔlawo de se na woƒe hameviwo be woate fli ɖe ɖoɖo ɖe sia ɖe si wowɔ be woaxɔ Ðasefowo ɖe woƒe aƒewo me la me. Eye ame geɖe wɔe nenema hã. Wodo ŋɔdzi na ƒome si ƒe aƒe me woɖo be míava dze la hã. Ke hã, woxɔ mí nyuie. Ame siwo gbɔ míeva dze la gblɔ na mí be yewoawɔ ɖe ŋugbe si yewodo be yewoana xɔ mí la dzi. Dzinɔameƒo si woɖe fia la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.

Nɔvinyenyɔnuwo xɔ nyɔnyrɔ le takpekpe ma me. Gbe ma gbe ke la, Nɔviŋutsu Rutherford, si tso Brooklyn Betel, ƒo dutoƒonuƒo ʋãme aɖe, eye wòbia tso ɖevi siwo katã di be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la si be woatso. Ðevi 15,000 aɖewo tsi tsitre. Nye hã metso. Eye wòbia tso mía dometɔ siwo di be yewoawɔ yewoƒe ŋutete katã le gbeƒãɖeɖedɔa me la si be woagblɔ be, “Ɛ̃.” Mía kple ɖevi gbogbo aɖewo míedo ɣli be, “Ɛ̃!” Asikpe de dzi bobobo. Dzo ɖo menye ale gbegbe.

Le takpekpea megbe la, míeyi ɖasrã nɔviŋutsu aɖe kpɔ le West Virginia. Egblɔ na mí be esi yenɔ gbeadzi gbe ɖeka la, ameha aɖe si do dziku vevie la ƒo ye hetsɔ aŋɔ kple xefuwo tre ɖe ye ŋu keŋ. Menɔ to dzi hetsi dzodzodzoe esi wònɔ nyaa gblɔm na mí. Nɔviŋutsua gblɔ be: “Gake mayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi.” Esi míedzo le nɔviŋutsu ma gbɔ la, mese le ɖokuinye me be ŋusẽ ɖo ŋunye abe David ene. Mele klalo azɔ be makpe akɔ kple Goliat—míaƒe sukutatɔa.

Esi metrɔ yi suku la, mete ɖe míaƒe sukutatɔa ŋu. Eklẽ ŋku ɖem. Medo gbe ɖa na Yehowa le tame be wòakpe ɖe ŋunye. Eye megblɔ kabakaba be: “Mede Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe. Eya ta nyemagado gbe na aflaga la azɔ o!” Ðoɖoe zi ɣeyiɣi didi aɖe. Sukutatɔa tso le eƒe zikpuia me blewuu, eye wòzɔ ɖe dzinye. Edo ɣli gblɔ nam dzikutɔe be: “Àdo gbe na aflaga loo alo míanya wò!” Fifia ya la, nyemegana ta o, eye le ememe la, mekpɔ dzidzɔ aɖe si nyemekpɔ kpɔ o.

Medi be magblɔ nu si dzɔ la na Ben, eye menɔ tsɔtsɔm nam kura o. Esi mekpɔe le Fiaɖuƒe Akpataa me la, medo ɣli gblɔ nɛ be: “Wonyam le suku! Nyemedo gbe na aflaga la o!” Ben kpla asi kɔ nam, eko alɔgbɔnu hegblɔ be: “Àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ wò.” (5 Mose 31:6) Eƒe nyawo de dzi ƒo nam ale gbegbe! Le June 15, 1942 dzi la, mexɔ nyɔnyrɔ.

Mesrɔ̃ Ale Si Mana Nu Si Le Asinye La Nadze Ŋunye

Le Xexemeʋa II megbe la, ganyawo va de ame dzi le dukɔa me, eye ŋutilãmenuwo yome titi ƒe gbɔgbɔ aɖe va xɔ aƒe ɖe dua me. Mekpɔ dɔ nyui aɖe nɔ wɔwɔm, eye mete ŋu va nɔ nu siwo dzroam tsã evɔ nyemetea ŋu ƒlea wo o la ƒlem azɔ. Xɔ̃nyewo dometɔ aɖewo ƒle dzokekewo; eye bubuwo gbugbɔ dzra woƒe aƒewo ɖo. Nye hã meƒle ʋu yeye aɖe. Eteƒe medidi o, didi be ŋutilãmenu geɖe wu nasu asinye na be nyemegava nɔ dzi tsim ɖe Fiaɖuƒea ƒe nuwo ŋu tututu o. Menyae be menye nu nyuitɔae nye ema wɔm menɔ o. Gake dzidzɔtɔe la, takpekpe aɖe si wowɔ le New York City le ƒe 1950 me la kpe ɖe ŋunye meɖɔ nye mɔwo ɖo.

Le takpekpe ma me la, nuƒola ɖe sia ɖe kloe de dzi ƒo na nyaselawo be woado vevie nu le gbeƒãɖeɖedɔa me. Nuƒolawo dometɔ ɖeka xlɔ̃ nu mí be: “Miɖe nu siwo do agba na mi la da ɖi, wòasusɔ agbemenu hiahiã veviwo ko, ne miake duɖimea.” Ðeko wòwɔ abe nyee wònɔ nua ƒom na ene. Mekpɔ Gilead sukunuwuwu wɔnawo hã teƒe, eye esia na mebu tame hegblɔ na ɖokuinye be, ‘Ne Ðasefo siawo siwo nye kpli wo míenye hatiwo la te ŋu tsɔ ŋutilãmenuwo sa vɔe bene woate ŋu ayi aɖasubɔ le duta la, ke ele be nye hã malɔ̃ faa awɔ nenema ke le mía gbɔ afi sia.’ Kaka takpekpea ƒe nuwuwu naɖo la, metso nya me xoxo be mazu gbesiagbe mɔɖela.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, medo ŋugbe na Evelyn Mondak, si nye nɔvinyɔnu mɔɖela dovevienu aɖe si nɔ hame si me meyi la me be maɖee. Evelyn dada, si he vi ade la, nye nyɔnu aɖe si mevɔ̃na kura o. Elɔ̃a ablɔdziɖaseɖiɖi le Roma Katoliko Sɔlemexɔ aɖe ŋgɔ. Togbɔ be nunɔla la doa dziku vevie eye wògblɔna nɛ ŋkubiãtɔe be wòadzo le teƒea hã la, meʋãna kura o. Evelyn hã mevɔ̃a amegbetɔ o, abe dadaa ke ene.—Lod. 29:25.

Le ƒe 1951 me la, mía kple Evelyn míeɖe mía nɔewo, míeɖe asi le míaƒe dɔwɔɖuiwo ŋu, eye míedze mɔɖeɖedɔa gɔme. Nutome sue dzikpɔla aɖe de dzi ƒo na mí be míaʋu ayi Amagansett, si nye kɔƒe aɖe si le Atlantik ƒua ta, si didi kilometa 1,600 tso New York City. Esi hame si le afi ma la na míenya be yewomate ŋu akpɔ dzeƒe na mí o la, míedi be míaƒle agbatsɔʋu aɖe si wogazãna abe xɔdɔme ene, gake míaƒe ga mete ŋu de ɖeke nu o. Emegbe míeva kpɔ xoxo aɖe. Ame si tɔ agbatsɔʋua nye la gblɔ be yeadzrae dɔlar 900—ga home ma tututue amewo na mí le míaƒe srɔ̃ɖegbe. Míeƒlee, dzrae ɖo, eye míehee yi míaƒe anyigbamama yeyea me. Ke hã, ga vɔ le mía si keŋkeŋ hafi míeva ɖo afi ma, eye míenɔ ale si míawɔ anɔ mía ɖokuiwo dzi kpɔm aganɔ mɔɖeɖedɔa wɔm la ŋu bum.

Evelyn dzraa amewo ƒe aƒewo me ɖo, eye nye hã mekpɔ zãdɔ aɖe, si nye Italiatɔwo ƒe nuɖuɖudzraƒe aɖe me dzadzraɖo. Nuɖuɖudzraƒea tɔ gblɔ nam be: “Tsɔ nuɖuɖu ɖe sia ɖe si susɔ yi aƒe me na srɔ̃wò.” Eya ta ne meɖo aƒe me zã ga eve la, pizza kple pasta ƒe ʋeʋẽ lilili xɔa míaƒe xɔa me. Nuɖuɖu mawo siwo míeɖoa dzo dzi la doa dzidzɔ na mí ŋutɔ, vevietɔ le vuvɔŋɔli siwo me míenɔa ƒoƒom tititi le míaƒe xɔ si me fana miamiamia la me. Gawu la, nɔvi siwo le hamea me la, va tsɔa tɔmelã gã aɖe dana ɖe míaƒe xɔmɔnu ɣeaɖewoɣi. Le ƒe siwo katã míetsɔ subɔ ɖekae kple mía nɔvi lɔlɔ̃ siwo le Amagansett me la, míesrɔ̃e be ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe agbemenu hiahiã veviwo ŋu hea dzidzeme vanɛ le agbe me. Míekpɔ dzidzɔ le ƒe mawo me ŋutɔ.

Wode Dzi Ƒo Na Mí Be Míatsɔ Mía Ðokuiwo Ana Geɖe Wu

Le July 1953 me la, dutanyanyuigblɔla alafa geɖe tso duta va dukɔwo dome takpekpe le New York City. Wogblɔ nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname geɖewo. Ale si wonɔ vivi sem le dɔa me la ŋuti nya sese na dɔa dzro míawo hã. Gawu la, esi takpekpea ƒe nuƒola aɖe te gbe ɖe edzi be Fiaɖuƒegbedeasia meɖo dukɔ geɖewo me haɖe o la, míenya nu si wònɔ na mí be míawɔ—eyae nye be míatsɔ mía ɖokui ana geɖe wu to míaƒe subɔsubɔdɔa keke ɖe enu dzi. Míekpe agbalẽ ɖo le takpekpea me enumake be míade dutanyanyuigblɔlawo ƒe sukua. Le ƒe ma ke me la, wokpe mí be míade Gilead Sukua ƒe klass 23 lia si gɔme woadze le February 1954 me. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi!

Dzi dzɔ mí ŋutɔ esi wogblɔ na mí be woaɖo mí ɖe Brazil be míayi aɖasubɔ le afi ma. Hafi míaɖo meli adze míaƒe ŋkeke 14 ƒe mɔzɔzɔa gɔme la, nɔviŋutsu aɖe si le agbanɔamedzinɔƒe le Betel la gblɔ nam be: “Nɔvinyɔnu dutanyanyuigblɔla tre asieke azɔ mɔ kple mia kple srɔ̃wò ayi Brazil. Lé be na wo!” Àte ŋu akpɔ ale si wòwɔ nuku na ƒudzidelawo esi wokpɔ ɖetugbui ewo kplɔm ɖo míegbɔna melia ɖo ge le susu mea? Ke hã, esia meɖe fu na nɔvinyɔnuawo kura o. Nye dzi dze eme esi míeva ɖo Brazil dedie.

Esi mesrɔ̃ Portugalgbe vɔ la, wode dɔ asi nam be manye nutome sue dzikpɔla le Rio Grande do Sul, si nye Brazil ƒe anyiehedu aɖe me. Nutome sue dzikpɔla tre si teƒe meyina xɔxɔ ge ɖo la gblɔ na mía kple srɔ̃nye be: “Ewɔ nuku nam be atsu kple asie wodɔ ɖo ɖe afi sia. Teƒe sia le glidzaglidza.” Hamewo kaka ɖe kɔƒenuto gã ma me, eye agbatsɔʋu koe wotea ŋu ɖona hafi yia teƒe mawo dometɔ aɖewo. Ne èƒle nuɖuɖu na ʋua kula la, ekema aɖe mɔ na wò nàlia eƒe agbatsɔʋua. Míenɔa agbawo dzi abe ale si wonɔa sɔ dzi ene, míekea ata ɖe wo dzi, eye míetsɔa míaƒe asi eveawo siaa léa ka siwo wotsɔ bla agbawo la goŋgoŋ. Ne ʋua xa le afi siwo mɔa xa zi ɖeka le, eye agbatsɔʋu kɔkɔ la bi ɖe akpa ɖeka la, míekuna ɖe agbawo ŋu sesĩe bene míagage o, eye míenɔa bali goglowo me kpɔm ɖaa. Ke hã, ne míeva ɖo hekpɔ ale si nɔvi siwo nɔa mía lalam vevie le afi mawo la nɔa dzidzɔ kpɔmee la, míekpɔnɛ be ŋkeke blibo ƒe mɔ legbe mawo zɔzɔ menye dzodzro o.

Míedzea nɔviwo ƒe aƒewo me. Woda ahe kolikoli, gake esia mewɔe be womenaa nu ame o. Le nuto saɖeaga aɖe me la, nɔviwo katã nɔ dɔ wɔm le dɔwɔƒe aɖe si wodea lãwo aɖaka le. Fetu si woxena na wo nɔ sue ale gbegbe be zi ɖeka koe wotea ŋu ɖua nu gbe sia gbe. Ne womewɔ dɔ le ŋkeke aɖe dzi o la, womexea eƒe fe na wo o. Ke hã, esi míeva srã wo kpɔ la, woxɔ ŋkeke eve le dɔ me va kpe asi ɖe hamea ŋu. Woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Míesrɔ̃ ale si míatsɔ nuwo asa vɔe ɖe Mawu Fiaɖuƒea ta tso nɔvi ɖokuibɔbɔla mawo gbɔ, eye míaŋlɔ nufiame ma be gbeɖe o. Esi míenɔ wo dome la, míexɔ hehe aɖe si suku aɖeke mate ŋu ana o. Ne meɖo ŋku nɔvi mawo dzi la, dzidzɔvi gakpɔtɔ lólona ɖe ŋku dzi nam.

Le ƒe 1976 me la, míetrɔ yi United States be míakpɔ danye si ƒe lãme gblẽ la dzi. Dzodzo le Brazil te ɖe mía dzi ŋutɔ, gake edzɔ dzi na mí be míekpɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ƒe dzidziɖedzi ɖedzesiwo teƒe le dukɔ ma me. Ɣesiaɣi si míexɔ lɛta tso Brazil la, míeɖoa ŋku nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname siwo su mía si le míaƒe agbenɔnɔ ƒe ɣeyiɣi nyui mawo me la dzi.

Míegado Go Míaƒe Ame Veviwo Ake

Le ɣeyiɣi si me míenɔ Dada dzi kpɔm la, míenɔ xɔmedzadzraɖodɔ wɔm tsɔ nɔ mía ɖokui dzi kpɔm, eye míeganɔ mɔɖeɖedɔa hã wɔm. Le ƒe 1980 me la, Dada ku. Elé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa va se ɖe nuwuwu. Le ema megbe la, womia asim be mava wɔ nutome sue dzikpɔla ƒe dɔ le United States. Le ƒe 1990 me la, mía kple srɔ̃nye míeyi ɖasrã hame aɖe kpɔ le Connecticut, eye míedo go ame vevi aɖe. Hamemetsitsiawo dometɔ ɖekae nye Ben—ɛ̃, Ben ma si kpe ɖe ŋunye ƒe 50 aɖewoe nye ema va yi metso nya me be manɔ Yehowa ƒe akpa dzi sesĩe lae. Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe dzi dzɔ mí esi míekpla asi kɔ na mía nɔewo la le susu mea?

Tso ƒe 1996 me la, mía kple Evelyn míele subɔsubɔm abe mɔɖela vevi siwo mele lãmesẽ me o ene le Portugalgbedolawo ƒe hame aɖe me le Elizabeth, New Jersey. Togbɔ be lãmesẽkuxiwo ɖea fu nam hã la, le srɔ̃nye lɔlɔ̃a ƒe kpekpeɖeŋu me la, megakpɔtɔ le gome kpɔm le subɔsubɔdɔa me ale si mate ŋui. Evelyn naa kpekpeɖeŋu míaƒe aƒelika tsitsi aɖe si ŋu ŋusẽ boo megale o hã. Eŋkɔ ɖe? Bertha—ɛ̃, Bertha si kpe ɖe danye ŋu wòzu Yehowa subɔla ƒe 70 kple edzivɔe nye esi va yi la kee! Enye dzidzɔ na mí be mɔnukpɔkpɔ su mía si be míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afiae ɖe nu siwo katã wòwɔ tsɔ kpe ɖe míaƒe ƒomea me tɔwo ŋu wosrɔ̃ nyateƒea la ta.

Medaa akpe be takpekpe mawo siwo wowɔ ƒe gbogbo aɖewoe nye esi va yi la ʋãm metso nya me be manɔ tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa dzi, meɖoe be manɔ agbe tsɛ, eye medzi nye subɔsubɔdɔa ɖe edzi. Ɛ̃, takpekpe mawo trɔ nye agbenɔnɔ vavã!

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Evelyn dada (le miame) kple danye

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Xɔ̃nye Ben

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Esi míenɔ Brazil

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple Evelyn egbea