Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Minɔ Anyi Kple Amewo Katã Le Ŋutifafa Me”

“Minɔ Anyi Kple Amewo Katã Le Ŋutifafa Me”

“Minɔ Anyi Kple Amewo Katã Le Ŋutifafa Me”

“Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”—ROM. 12:18.

1, 2. (a) Nuxlɔ̃amenya kae Yesu gblɔ na eyomedzelawo? (b) Afi kae míate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo le ale si míawɔ nui ne wotsi tsitre ɖe mía ŋu le?

YESU na nyanya eyomedzelawo be xexea me dukɔwo atsi tsitre ɖe wo ŋu, eye wòɖe susu si tae la gblɔ na wo le zã si do ŋgɔ na eƒe ku la me. Egblɔ na eƒe apostolowo be: “Ne ɖe mienye xexea ƒe akpa aɖe la, anye ne xexea alɔ̃ ye ŋutɔ tɔ vevie. Azɔ esi mienye xexea ƒe akpa aɖeke o, gake metia mi tso xexea me la, esia tae xexea léa fu mi ɖo.”—Yoh. 15:19.

2 Nu siwo me apostolo Paulo to le agbe me na wòkpɔ Yesu ƒe nya sia ƒe nyateƒenyenye dze sii. Paulo ŋlɔ le agbalẽ evelia si wòŋlɔ ɖo ɖe ɖekakpui Timoteo, si nye eƒe zɔhɛ la, me be: “Èdze nye nufiafia, nye agbenɔnɔ, nye tameɖoɖo, nye xɔse, nye dzigbɔgbɔ blewu, nye lɔlɔ̃, nye dzidodo, nye yometitiwo, [kple] nye fukpekpewo . . . yome.” Eye Paulo gblɔ kpee be: “Ame siwo katã dina be yewoanɔ agbe le ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome.” (2 Tim. 3:10-12) Paulo ɖo aɖaŋu si me nunya le na Kristotɔ siwo nɔ Roma hã le ale si wòle be woawɔ nu ne wotsi tsitre ɖe wo ŋu la ŋu le Romatɔwo ta 12 lia me. Eƒe nyawo ate ŋu afia mɔ mí le nuwuɣi sia me.

‘Miwɔ Nu Siwo Nyo’

3, 4. Aleke míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋu si woɖo le Romatɔwo 12:17 dzi le (a) aƒe siwo me ƒomea me tɔwo katã menye Ðasefowo o me? (b) nuwɔwɔ kple míaƒe aƒelikawo me?

3 Mixlẽ Romatɔwo 12:17. Paulo gblɔ be mele be míawɔ wɔɖenui ne amewo mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o. Eƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi wɔwɔ le vevie, vevietɔ le aƒe siwo me ƒomea me tɔwo katã menye Ðasefowo o la me. Srɔ̃tɔ si nye Kristotɔ la aƒo asa na nya manyomanyo aɖe si wogblɔ nɛ alo nu manyomanyo aɖe si wowɔ ɖe eŋu la wɔwɔ ɖe eteƒe. Nu nyui aɖeke medona tso ‘vɔ̃ ɖoɖo vɔ̃ teƒe’ me o. Ðe esia wɔwɔ naa nuwo gblẽna ɖe edzi boŋ.

4 Paulo gblɔ nu si nyo wu si wòle be míawɔ la na mí: “Miwɔ nu siwo amewo katã akpɔ be wonyo la.” Le ƒomea me la, srɔ̃nyɔnu ate ŋu axe mɔ na dzrehehe sesẽwo ne eɖea dɔmefafa vavã fiaa srɔ̃a togbɔ be ŋutsua gblɔa nya manyomanyowo tso eƒe dzixɔsewo ŋu hã. (Lod. 31:12) Carlos, si le dɔ wɔm le Betel aɖe fifia la gblɔ ale si dadaa wɔ ɖu fofoa ƒe tsitretsiɖeŋu sesẽ dzi. Nu si dadaa wɔe nye be eyi edzi nɔ nu wɔm ɖe srɔ̃a ŋu nyuie henɔ be lém na aƒea me nyuie. Carlos gblɔ be: “[Dada] dea dzi ƒo na mí ɖeviawo be míanɔ bubu dem eŋu ɣesiaɣi. Etea tɔ ɖe edzi be manɔ boules dam kplii (si nye Franseawo ƒe fefe aɖe) togbɔ be fefe ma medoa dzidzɔ nam tututu o hã. Gake esia naa eƒe susu dzea akɔ anyi.” Eva te Biblia sɔsrɔ̃, eye wòva xɔ nyɔnyrɔ le ɣeyiɣi aɖe megbe. Yehowa Ðasefowo ɖenɛ fiana be yewowɔa ‘nu siwo amewo katã akpɔ be wonyo,’ eye wowɔa esia to ale si wonaa kpekpeɖeŋu woƒe aƒelikawo ne dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ me, eye esia tea ŋu wɔnɛ be amewo dzudzɔa nazãbubu ɖe wo ŋu zi geɖe.

“Dzoka Xɔxɔwo” Tsɔtsɔ Lólo Tsitretsiɖeŋulawo Ƒe Dzi

5, 6. (a) Gɔmesese ka nue woƒoa “dzoka xɔxɔwo” nu ƒu ɖe tsitretsiɖeŋula aɖe ƒe ta dzi le? (b) Gblɔ mia gbɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ɖee fia be nu nyuiwo dona tso aɖaŋuɖoɖo si le Romatɔwo 12:20 la dzi wɔwɔ me.

5 Mixlẽ Romatɔwo 12:20. Anɔ eme godoo be Lododowo 25:21, 22 me nyawoe nɔ susu me na Paulo esime wònɔ mawunyakpukpui sia me nyawo ŋlɔm. Lododo ma gblɔ be: “Ne dɔ le wò ketɔ wum la, na aboloe wòaɖu, eye ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano; elabena dzoka ƒom nèle nu ƒu ɖe eƒe ta me, eye Yehowa aɖo eteƒe na wò.” Le aɖaŋu si Paulo ɖo le Romatɔwo ta 12 me ta la, mate ŋu afia kura be ɖe Paulo wɔ dzoka xɔxɔwo ƒe kpɔɖeŋua tsɔ le fiafiam be míahe to na míaƒe tsitretsiɖeŋulawo alo ado ŋukpe wo o. Ke boŋ edze abe lododoa me nyawo—kple nya mawo tɔgbi si Paulo ŋlɔ na Romatɔwo siaa la—ku ɖe mɔnu aɖe si dzi wotona lóloa ga le blema la ŋu ene. Eŋlisiawo ƒe agbalẽnyala Charles Bridges, si nɔ anyi le ƒe alafa 19 lia me gblɔ be: “Ƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe ga sesẽa dzi kple ete; menye be nàdae ɖe dzoa dzi ko o, ke boŋ nàƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe edzi. Ame ʋɛ aɖewo koe ƒe dzi sẽ ale gbegbe be lɔlɔ̃ si gbɔa dzi blewu, si media eɖokui tɔ o, si nu sẽ la mate ŋu alólo o.”

6 Abe ale si “dzoka xɔxɔwo” lóloa nu ene la, nuwɔwɔ tufafatɔe ate ŋu awɔ dɔ ɖe tsitretsiɖeŋulawo ƒe dzi dzi, eye ɖewohĩ ana woadzudzɔ tsitretsitsi ɖe mí Yehowa ƒe amewo ŋu. Nuwɔwɔ tufafatɔe ate ŋu ana amewo nawɔ nu ɖe Yehowa ƒe amewo kple Biblia me gbedeasi si woɖea gbeƒãe la ŋu nyuie. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Mina miaƒe agbenɔnɔ nanyo le dukɔwo dome, bene le nu si me wole nu ƒom tsi tsitre ɖe mia ŋu abe vɔ̃ wɔlawo ene le me la, le miaƒe dɔ nyui siwo teƒe wokpɔ ŋuti la, woado Mawu ɖe dzi le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.”—1 Pet. 2:12.

“Minɔ Anyi Kple Amewo Katã Le Ŋutifafa Me”

7. Ŋutifafa kae Kristo gblẽ ɖi na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nu kae wòle be ŋutifafa sia naʋã mí míawɔ?

7 Mixlẽ Romatɔwo 12:18. Le fiẽ mamlɛtɔ si Yesu tsɔ nɔ eƒe apostoloawo gbɔ me la, egblɔ na wo be: “Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi, mele nye ŋutifafa nam mi.” (Yoh. 14:27) Ŋutifafa si Kristo gblẽ ɖi na eƒe nusrɔ̃lawoe nye susumekɔdzeanyi si wokpɔna le ememe esi wonyae be Yehowa Mawu kple Via lɔlɔ̃a lɔ̃ yewo hekpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu ta. Ele be ŋutifafa ememetɔ sia naʋã mí míanɔ ŋutifafa me kple amewo. Kristotɔ akuakuawo nye ŋutifafalɔ̃lawo kple ŋutifafawɔlawo.—Mat. 5:9.

8. Mɔ kawo dzie míate ŋu ato anye ŋutifafawɔlawo le ƒomea me kple hamea me?

8 Mɔ siwo dzi míato anye ŋutifafawɔlawo le ƒomea me la dometɔ ɖekae nye be míakpɔ masɔmasɔwo gbɔ kaba ale si wòanya wɔ tsɔ wu be míalala ʋuu va se ɖe esime nɔnɔmeawo gblẽ ɖe edzi kura. (Lod. 15:18; Ef. 4:26) Nenema kee wòle be wòanɔ le Kristo hamea hã me. Apostolo Petro tsɔ ŋutifafa yome titi do ƒome kple aɖe la dzi kpɔkpɔ. (1 Pet. 3:10, 11) Esi Yakobo na nuxlɔ̃ame vevi aɖe ku ɖe aɖe la zazã nyuie kple asaƒoƒo na ŋuʋaʋã kple dzrehehe ƒe vevienyenye ŋu vɔ la, eya hã ŋlɔ bena: “Le nunya si tso dziƒo gome la, gbã la, ele dzadzɛ, azɔ hã, ewɔa ŋutifafa, esea nu gɔme, elɔ̃na faa ɖoa to, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũu, medea vovototo amewo me le ameŋkumekpɔkpɔ ta o, alakpanuwɔwɔ mele eme o. Gawu la, woƒãa dzɔdzɔenyenyeku le ŋutifafa me na ame siwo wɔa ŋutifafa.”—Yak. 3:17, 18.

9. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele agbagba dzem be ‘míanɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me’?

9 Le Paulo ƒe nya si dze le Romatɔwo 12:18 me la, ena eme kɔ be menye ƒomea me kple hamea me koe wòle be míawɔ ŋutifafa le o. Egblɔ be ele be ‘míanɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.’ Esia lɔ míaƒe aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, kple ame siwo míedoa goe le gbeadzi la hã ɖe eme. Apostoloa gblɔ do ŋgɔ na eƒe aɖaŋuɖoɖoa be: “Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la.” Esia fia be ele be míawɔ nu sia nu si míate ŋui ‘anɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me,’ gake míawɔe ada le Mawu ƒe gɔmeɖose dzɔdzɔeawo dzi o.

Yehowa Tɔe Nye Hlɔ̃biabia

10, 11. Gɔmesese ka nue ‘míeɖea mɔ na dziku la’ le, eye nu ka tae esia sɔ?

10 Mixlẽ Romatɔwo 12:19. Ele be ‘míaɖu mía ɖokui dzi le vɔ̃ me’ le nuwɔwɔ kple ame siwo ‘tsia tsitre’ ɖe míaƒe dɔa kple gbedeasia ŋu kple ame siwo tia mía yome tẽe gɔ̃ hã me, eye míawɔ nu “le tufafa me.” (2 Tim. 2:23-25) Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be woagabia hlɔ̃ na wo ɖokuiwo o, ke boŋ ‘woaɖe mɔ na dziku la.’ Ame ka ƒe dzikue Paulo wɔnɛ? Paulo ƒe nya mawo mate ŋu afia gbeɖe be ele be míaɖe mɔ na mía ŋutɔ míaƒe dziku o. Edze kɔtɛ be Mawu ƒe dzikue wòle be míaɖe mɔ na. Mí Kristotɔwo míenyae be menye mía tɔe nye hlɔ̃biabia o. Hakpalaa ŋlɔ bena: ‘Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nàdzudzɔ dzikudodo; dzi megaku wò o, elabena nu vɔ̃ɖi ko nàyi wɔwɔ ge!’ (Ps. 37:8) Eye Salomo ɖo aɖaŋu be: ‘Mègagblɔ be: “maɖo vɔ̃ teƒe” o; dzɔ Yehowa si nu, eye wòakpe ɖe ŋuwò.’—Lod. 20:22.

11 Ne tsitretsiɖeŋulawo wɔ vɔ̃ ɖe mía ŋu la, nu si me nunya le si wòle be míawɔe nye be míagblẽ nya la ɖe Yehowa si me be wòahe to na wo le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi nenye be ekpɔe be ehiã. Paulo ɖee fia be Yehowa ƒe dzikue nɔ susu me na ye esi wògblɔ kpee be: “Woŋlɔ ɖi be: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, maɖo eteƒe, Yehowa ye gblɔe.’” (Tsɔe sɔ kple 5 Mose 32:35.) Ne míebia hlɔ̃ na mía ɖokuiwo la, ke afia be míenye dadalawo. Afia be míeɖoe mía ɖokuiwo dzi be míawɔ nu siwo wòle be Yehowa nawɔ hafi la. Gakpe ɖe eŋu la, míaɖee afia be míexɔ ŋugbe si Yehowa do be “maɖo eteƒe” la dzi se o.

12. Ɣekaɣie Yehowa aɖe eƒe dziku afia, eye alekee?

12 Paulo gblɔ do ŋgɔ le agbalẽ si wòŋlɔ na Romatɔwo me be: “Wole Mawu ƒe dziku ɖem le fiafiam tso dziƒo ɖe ame siwo le nyateƒe la tem ɖe to le mɔ madzɔmadzɔ nu la ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple madzɔmadzɔnyenye katã ŋu.” (Rom. 1:18) Yehowa ato Via dzi aɖe eƒe dziku afia tso dziƒo le “xaxa gã la me.” (Nyaɖ. 7:14) Ema anye “Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ŋuti kpeɖodzi” abe ale si Paulo ɖe eme le eƒe agbalẽ siwo tso gbɔgbɔ me la dometɔ bubu aɖe me ene be: “Nu si tae wòle aleae nye be, edzɔ le Mawu ŋkume be, wòatsɔ xaxa aɖo eteƒe na ame siwo hea xaxa vaa mia dzi, gake na mi ame siwo le xaxa me tom la, be wòana gbɔdzɔe mi le Aƒetɔ Yesu kple mawudɔla sẽŋuwo ƒe ɖeɖe fia tso dziƒo la me, le dzo si le bibim vlavlavla me, esime wòabia hlɔ̃ ame siwo menya Mawu o kple ame siwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu ŋuti nya nyui la o.”—2 Tes. 1:5-8.

Ale Si Míatsɔ Nu Nyui Aɖu Nu Vɔ̃ɖi Dzi

13, 14. (a) Nu ka tae mewɔa nuku na mí ne wole tsitre tsim ɖe mía ŋu o? (b) Aleke míate ŋu ayra ame siwo tia mía yome?

13 Mixlẽ Romatɔwo 12:14, 21. Esi míeka ɖe edzi bliboe be Yehowa ana eƒe tameɖoɖowo nava eme ta la, míate ŋu atsɔ míaƒe ŋusẽ katã awɔ dɔ si wòde mía si—si nye be míaɖe gbeƒã “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la “le anyigba blibo la katã dzi.” (Mat. 24:14) Míenyae be míaƒe Kristotɔwo ƒe dɔ sia ado dziku na futɔwo, elabena Yesu na míenya do ŋgɔ be: “Dukɔwo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta.” (Mat. 24:9) Eya ta ne wotsi tsitre ɖe mía ŋu la, mewɔa nuku na mí alo naa dzi ɖena le mía ƒo o. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃tɔwo, migana dzo si le bibim le mia dome, si nye tetekpɔ si le mia dzi vam la, nawɔ nuku na mi, abe nu madzɔkpɔ aɖee le dzɔdzɔm ɖe mia dzi ene o. Ke boŋ miyi edzi mianɔ dzidzɔ kpɔm, esi miekpɔa gome le Kristo la ƒe fukpekpewo me ta.”—1 Pet. 4:12, 13.

14 Le esi míalé fu mía yometilawo teƒe la, ɖe míedzea agbagba be míafia nu wo boŋ, elabena míenyae be anye manyamanya mee wo dometɔ aɖewo wɔa esia le. (2 Kor. 4:4) Míedzea agbagba be míawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Miyi edzi mianɔ ame siwo tia mia yome la yram; minɔ amewo yram, miganɔ fi ƒom nɔ wo dem o.” (Rom. 12:14) Mɔ aɖe si nu míate ŋu ayra míaƒe tsitretsiɖeŋulawo lee nye be míado gbe ɖa ɖe wo ta. Yesu gblɔ le eƒe Todzimawunya la me be: “Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, miawɔ nyui na ame siwo le fu lém mi, miayra ame siwo ƒoa fi dea mi, miado gbe ɖa ɖe ame siwo le mia dzum la ta.” (Luka 6:27, 28) Apostolo Paulo nyae le nu siwo me eya ŋutɔ to me be yometila ate ŋu ava zu Kristo ƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒe kple Yehowa subɔla dovevienu. (Gal. 1:13-16, 23) Paulo gblɔ le eƒe agbalẽ bubu me be: “Ne wodzu mí la, míeyrana; ne woti mía yome la, míedoa dzi tsɔnɛ; ne woɖi gbɔ mí la, míeɖea kuku vevie.”—1 Kor. 4:12, 13.

15. Mɔ kae nye nyuitɔ si dzi míato atsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum?

15 Le esia ta Kristotɔ vavãwo wɔna ɖe Romatɔwo ta 12 ƒe kpukpui mamlɛtɔ me nyawo dzi. Kpukpui ma gblɔ be: “Mègaɖe mɔ nu vɔ̃ɖi naɖu dziwò o, ke boŋ yi edzi nàtsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum.” Satana Abosam gbɔe vɔ̃ɖinyenyewo katã dzɔ tso. (Yoh. 8:44; 1 Yoh. 5:19) Yesu ɖee fia le nyaɖeɖefia si wòtsɔ na Yohanes me be ye nɔvi amesiaminawo ‘ɖu [Satana dzi] le Alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la ta.’ (Nyaɖ. 12:11) Esia fia be mɔ nyuitɔ si dzi míato aɖu Satana kple ŋusẽ vɔ̃ɖi si kpɔm wòle ɖe fifi nuɖoanyia dzi la dzie nye be míawɔ nu nyui to míaƒe ɖaseɖiɖidɔ, si nye gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia, la wɔwɔ dzi.

Dzi Nedzɔ Mi Le Mɔkpɔkpɔ Me

16, 17. Nu kae Romatɔwo ta 12 lia fia mí ku ɖe (a) nu si wòle be míatsɔ míaƒe ŋutilãwo awɔe la ŋu? (b) ale si wòle be míawɔ nui le hamea me ŋu? (d) ale si wòle be míawɔ nu ɖe ame siwo tsia tsitre ɖe mía ŋu la ŋu?

16 Agbalẽ si Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma la ƒe ta 12 lia me dzodzro kpui sia ɖo ŋku nu geɖewo dzi na mí. Míesrɔ̃e be esi míenye Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo ta la, ele be míalɔ̃ faa atsɔ nanewo asa vɔe. Esi Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãa mí ta la, míesaa vɔ siawo tso dzi me faa, elabena míaƒe tamebubu ŋutete na míeka ɖe edzi be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be míawɔe nenema. Míexɔa dzo le gbɔgbɔ la me, eye míewɔa míaƒe nunana vovovoawo ŋu dɔ dzonɔamemetɔe. Míetsɔa ɖokuibɔbɔ subɔna henyana afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo hã, eye míewɔa míaƒe ŋutetewo katã be míakpɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔa ta. Míeyia amedzrowɔwɔ dzi hesea veve ɖe ame nu hã.

17 Romatɔwo ta 12 lia gana aɖaŋuɖoɖo geɖewo mí ku ɖe ale si míawɔ nui ne wole tsitre tsim ɖe mía ŋu la ŋu. Mele be míawɔ wɔɖenui o. Ele be míadze agbagba atsɔ dɔmenyonuwɔnawo anɔ tsitretsiɖeŋu dzi ɖum. Ele be míadze agbagba anɔ ŋutifafa me kple amewo katã zi ale si wòanya wɔ evɔ míada le Biblia me gɔmeɖosewo dzi o. Esia lɔ ŋutifafa me nɔnɔ kple ƒomea me tɔwo, hamea me tɔwo, aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, kple ame siwo míedoa goe le gbeadzi ɖe eme. Ne woti mía yome vevie gɔ̃ hã la, míewɔa míaƒe ŋutetewo katã be míatsɔ nu nyui la anɔ nu vɔ̃ɖi la dzi ɖum esi míenyae be Yehowa tɔe nye hlɔ̃biabia ta.

18. Nuxlɔ̃ame etɔ̃ kawoe wona mí le Romatɔwo ta 12:12?

18 Mixlẽ Romatɔwo 12:12. Paulo gaɖo aɖaŋu etɔ̃ aɖewo kpe ɖe aɖaŋuɖoɖo nyui mawo katã siwo me nunya le la ŋu. Esi wònye be míate ŋu awɔ aɖaŋuɖoɖo mawo katã dzi Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee o ta la, apostoloa ɖo aɖaŋu na mí be ‘míanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa.’ Esia akpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖe aɖaŋu bubu si wògaɖo le kpukpui ma ke me be ‘míado dzi le xaxa me’ la dzi. Mlɔeba la, ele be míana míaƒe susu nanɔ nu siwo Yehowa dzra ɖo ɖi na mí le etsɔme la dzi, eye ‘dzi nanɔ mía dzɔm’ le agbe mavɔ ƒe “mɔkpɔkpɔ” la me, eɖanye dziƒo loo alo anyigba dzi míakpɔe le o.

Numetoto

• Aleke wòle be míawɔ nui ne wole tsitre tsim ɖe mía ŋu?

• Go kawo mee wòle be míadze agbagba anye ŋutifafawɔlawo le, eye aleke míawɔe?

• Nu ka tae mele be míadze agbagba be míabia hlɔ̃ na mía ɖokuiwo o?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Kpekpeɖeŋunana míaƒe aƒelikawo ate ŋu ana woadzudzɔ nazãbubu ɖe mía ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Èdzea agbagba be yeanye ŋutifafawɔla le hamea mea?