Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mixɔ Dzo Le Gbɔgbɔ La Me”

“Mixɔ Dzo Le Gbɔgbɔ La Me”

“Mixɔ Dzo Le Gbɔgbɔ La Me”

“Migawɔ kuvia le miaƒe dɔ ŋu o. Mixɔ dzo le gbɔgbɔ la me. Miwɔ dɔ na Yehowa abe kluviwo ene.”—ROM. 12:11.

1. Nu ka tae Israel viwo tsɔa lãwo kple nu bubuwo saa vɔe le blema?

YEHOWA kpɔa ŋudzedze ɖe vɔ siwo esubɔlawo sana tso dzi me faa tsɔ ɖea ale si wolɔ̃ eya amea kple ale si wobɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe eƒe lɔlɔ̃nu te fiana la ŋu. Le blema la, elɔ̃ xɔ lãwo ƒe vɔsa vovovowo kple vɔsanu bubuwo. Israel vi siwo di be Mawu natsɔ yewoƒe nu vɔ̃wo ake yewoe saa vɔ siawo le ɖekawɔwɔ me kple Mose ƒe Sea, eye wosaa vɔ siawo hã tsɔ daa akpe nɛ. Yehowa mebia tso mí ame siwo le Kristo hamea me si be míatsɔ ŋutilãmenu mawo tɔgbi asa vɔe o. Ke hã, apostolo Paulo ɖee fia le agbalẽ si wòŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma la ƒe ta 12 lia me be wogakpɔtɔ di tso míawo hã si be míatsɔ nanewo anɔ vɔ samee. Mina míakpɔ ale si míate ŋu awɔ esiae la ɖa.

Vɔsa Gbagbe

2. Agbe ka ƒomevie mí Kristotɔwo míenɔna, eye nu kae esia bia?

2 Mixlẽ Romatɔwo 12:1, 2. Le agbalẽ si Paulo ŋlɔ na Romatɔwo ƒe gɔmedzedze me la, eɖee fia kɔtɛ be wobua Kristotɔ amesiaminawo—woɖanye Yudatɔwo, alo womenyee o—be wole dzɔdzɔe le Mawu ŋkume to xɔse me ke menye to dɔwɔwɔwo me o. (Rom. 1:16; 3:20-24) Le ta 12 lia me la, Paulo ɖe eme be ele be Kristotɔwo naɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia to ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe agbenɔnɔ me. Be míate ŋu awɔ esia la, ele be míawɔ míaƒe tamesusuwo yeyee. Blibomademade si ƒe dome míenyi la wɔe be míele “nu vɔ̃ kple ku ƒe se” la te. (Rom. 8:2) Eya ta ehiã be míatrɔ míaƒe nɔnɔme, míana ‘woawɔ mí yeyee le ŋusẽ si ʋãa míaƒe tamesusu’ la me, to míaƒe dzimedidiwo tɔtrɔ keŋkeŋ me. (Ef. 4:23) Mawu kple eƒe gbɔgbɔ la koe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ tɔtrɔ keŋkeŋ alea. Esia wɔwɔ bia be mía ŋutɔwo hã míaku kutri vevie ahawɔ míaƒe “tamebubu ŋutete” ŋu dɔ. Efia be míawɔ nu sia nu si míate ŋui be míaganɔ agbe “ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme” nu o, eye míaƒo asa na eƒe agbe dzeakaɖa nɔnɔ, modzakaɖeɖe ɖigbɔwo, kple nuŋububu totrowo hã.—Ef. 2:1-3.

3. Nu ka tae míekpɔa gome le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔwɔnawo me ɖo?

3 Paulo kpe mí hã be míazã míaƒe “tamebubu ŋutete” atsɔ ado “Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la” kpɔ na mía ɖokui. Nu ka tae míexlẽa Biblia gbe sia gbe, doa gbe ɖa, dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo heɖea gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ɖo? Ðe wòanye be esi hamemetsitsiwo dea dzi ƒo na mí be míawɔe taea? Ele eme be míekpɔa ŋudzedze ɖe woƒe ŋkuɖodzinya siwo kpena ɖe ame ŋu la ŋu ya. Ke hã, esi Mawu ƒe gbɔgbɔa ʋãa mí be míaɖe lɔlɔ̃ deto si le mía si na Yehowa afiae tae míekpɔa gome le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔwɔnawo me ɖo. Gawu la, mía ŋutɔwo míeka ɖe edzi bliboe be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be míaƒo mía ɖokuiwo ɖe subɔsubɔwɔna mawo me. (Zax. 4:6; Ef. 5:10) Ne míenɔa agbe wòsɔna ɖe ale si wodii tso mí Kristotɔ vavãwo si nu la, Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu, eye esia nyanya nana míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme geɖe.

Nunana Vovovowo

4, 5. Aleke wòle be hamemetsitsi Kristotɔwo nazã woƒe nunanawoe?

4 Mixlẽ Romatɔwo 12:6-8, 11. Paulo gblɔ be “nunana vovovowoe le mía si le amenuveve si wona mí nu.” Nunana siwo Paulo yɔ la dometɔ aɖewo, abe nuxɔxlɔ̃ kple ŋgɔxɔxɔ ene, ka hamemetsitsi Kristotɔwo koŋ, ame siwo woxlɔ̃ nu be woatsɔ “veviedodo” axɔ ŋgɔ le hamea me.

5 Paulo gblɔ be ele be veviedodo ma nadze le ale si dzikpɔlawo fiaa nui kple ale si wowɔa “subɔsubɔdɔ” lae me. Nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpuia na wòdze abe “subɔsubɔdɔ” si wowɔna le hamea, si nye “ŋutilã ɖeka” la me, ŋue Paulo nɔ nu ƒom tsoe ene. (Rom. 12:4, 5) Subɔsubɔdɔ ma sɔ kple esi ŋu woƒo nu tsoe le Dɔwɔwɔwo 6:4, afi si apostoloawo gblɔ le be: “Mía ŋutɔwo míalé fɔ ɖe gbedodoɖa kple nya la ƒe subɔsubɔdɔ la ŋu.” Nu kae subɔsubɔdɔ ma lɔ ɖe eme? Hamemetsitsi Kristotɔwo zãa woƒe nunanawo tsɔ tua hamea me tɔwo ɖo. Hamemetsitsiwo ɖenɛ fiana be yewole “subɔsubɔdɔ sia dzi” ne wotsɔ veviedodonu naa mɔfiame hamea me tɔwo hefiaa nu wo tso Mawu ƒe Nya la me to ale si wotsɔa kutrikuku srɔ̃a nu, wɔa numekuku, fiaa nu heléa be na hamea la me. Ele be dzikpɔlawo natsɔ moveviɖoɖo azã woƒe nunanawo, eye woalé be na alẽha la “dzidzɔtɔe.”—Rom. 12:7, 8; 1 Pet. 5:1-3.

6. Aleke míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si dze le Romatɔwo 12:11, si nye nyati sia ƒe tanya, la dzi?

6 Paulo gagblɔ yi edzi be: “Migawɔ kuvia le miaƒe dɔ ŋu o. Mixɔ dzo le gbɔgbɔ la me. Miwɔ dɔ na Yehowa abe kluviwo ene.” Ne míede dzesii be míegate ŋu le dzo tsɔm ɖe subɔsubɔdɔa ŋu tututu o la, ɖewohĩ ahiã be míagbugbɔ ŋku alé ɖe ale si míesrɔ̃a nui ŋu ahanɔ gbe dom ɖa moveviɖoɖotɔe edziedzi wu be Yehowa nana eƒe gbɔgbɔ la mí. Eƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu yɔyrɔenɔnɔ ɖe sia ɖe dzi, eye dzo yeye naɖo mía me. (Luka 11:9, 13; Nyaɖ. 2:4; 3:14, 15, 19) Gbɔgbɔ kɔkɔe la do ŋusẽ Kristotɔ gbãtɔwo wogblɔ “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo.” (Dɔw. 2:4, 11) Ate ŋu aʋã míawo hã nenema ke míatsɔ dzonɔameme awɔ subɔsubɔdɔae ‘ahaxɔ dzo le gbɔgbɔ la me.’

Ðokuibɔbɔ Kple Afi Si Míaƒe Ŋutete Se Ðo Nyanya

7. Nu ka tae wòhiã be míabɔbɔ mía ɖokuiwo ahanya afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo le míaƒe Yehowa subɔsubɔ me?

7 Mixlẽ Romatɔwo 12:3, 16. Nunana siwo le mía si la nye Yehowa ƒe “amenuveve.” Paulo gblɔ le eƒe agbalẽ bubu me be: “Míaƒe dzedze nyuie la tsoa Mawu gbɔ.” (2 Kor. 3:5) Eya ta mele be míanɔ mía ɖokuiwo kafum o. Ele be míalɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be Mawu ƒe yayrae dzidzedze ɖe sia ɖe si míakpɔ le míaƒe subɔsubɔdɔa me la nye, ke menye mía ŋutɔwo ƒe dzedze gbɔe wòtso o. (1 Kor. 3:6, 7) Le ɖekawɔwɔ me kple nya sia la, Paulo gblɔ be: “Mele egblɔm na mi ame siwo le afi ma dometɔ ɖe sia ɖe be, wòagabu eɖokui ŋu wu ale si dze o.” Ehiã be míade bubu mía ɖokuiwo ŋu ahakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le míaƒe Yehowa subɔsubɔ me ya. Ke hã, ne míenya afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo la, akpe ɖe mía ŋu be míaganɔ tɔ tem ɖe míaƒe nukpɔsusuwo dzi o. Ke boŋ ‘míabu tame le ale si míanɔ ŋute le susu me ŋu.’

8. Aleke míawɔ be ‘míaganye aɖaŋudzelawo le mía ɖokuiwo ŋkume o’?

8 Anye bometsitsi be míanɔ adegbe ƒom le nu siwo míetea ŋu wɔna ŋu, elabena ‘Mawue nana wòtsina.’ (1 Kor. 3:7) Paulo gblɔ be Mawu na “xɔse ƒe dzidze” aɖe si nu hamea me tɔ ɖe sia ɖe. Le esi míabu mía ɖokuiwo gã wu teƒe la, ele be míade dzesii be ame bubuwo hã le wo tɔ si nua wɔm le xɔse ƒe dzidze si wona wo la nu. Paulo gblɔ kpee be: “Miwɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu abe ale si miewɔnɛ ɖe mia ɖokuiwo ŋu ene.” Apostolo Paulo gblɔ na mí le eƒe lɛta bubu aɖe me be ‘míagawɔ naneke le dzrehehe ta alo le ɖokuiŋububu akpa ta o, ke boŋ míatsɔ ɖokuibɔbɔ abu ame bubuwo be wonye gã wu mí.’ (Fp. 2:3) Ebia ɖokuibɔbɔ vavã kple agbagbadzedze vevie be míade dzesii be mía nɔviwo dometɔ ɖe sia ɖe nye gã wu mí le mɔ aɖewo nu. Ðokuibɔbɔ akpe ɖe mía ŋu be ‘míaganye aɖaŋudzelawo le mía ɖokuiwo ŋkume o.’ Ele eme be subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo ate ŋu ana ame aɖewo ƒe ŋkɔ nanyɔ wu le hamea me ya, ke hã, mí katã míakpɔ dzidzɔ deto le “nu siwo bɔbɔ ɖe anyi,” siwo nye dɔ tsɛ siwo amewo medea dzesii zi geɖe o la wɔwɔ me.—1 Pet. 5:5.

Míaƒe Kristotɔwo Ƒe Ðekawɔwɔ

9. Nu ka tae Paulo tsɔ Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzi la sɔ kple ŋutilã ƒe ŋutinuwo?

9 Mixlẽ Romatɔwo 12:4, 5, 9, 10. Paulo tsɔ Kristotɔ amesiaminawo sɔ kple ŋutilã ƒe ŋutinu siwo le subɔsubɔm le ɖekawɔwɔ me le woƒe Ta, Kristo, te. (Kol. 1:18) Eɖo ŋku edzi na Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzi la be ŋutinu geɖe siwo wɔa dɔ vovovowoe le ŋutilã ŋu, eye be ‘togbɔ be wosɔ gbɔ hã la, ŋutilã ɖekae wonye le Kristo me.’ Nenema kee Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ amesiamina siwo nɔ Efeso la be: “Mina míato lɔlɔ̃ me atsi le nuwo katã me le Kristo, si nye ta la te. Eya gbɔe wòtso be wokpe ŋutilã blibo la katã pɛpɛpɛ, eye eƒe kpeƒekpeƒe siwo naa nu si hiã le eƒe ŋutinu ɖe sia ɖe ƒe dɔ si wonae be wòawɔ la nu, na wòle dɔ wɔm ɖekae, hekpea asi ɖe ŋutilã la ƒe tsitsi ŋu, hena eɖokui tutu le lɔlɔ̃ me.”—Ef. 4:15, 16.

10. Ŋusẽ ka dzie wòle be ‘alẽ bubuawo’ nalɔ̃ ɖo?

10 Togbɔ be ‘alẽ bubuawo’ menye Kristo ƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe o hã la, woate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso kpɔɖeŋu ma me. (Yoh. 10:16) Paulo gblɔ be Yehowa tsɔ “nuwo katã de [Kristo ƒe] afɔ te hã, eye wòtsɔe ɖo ta na nuwo katã hena hame la.” (Ef. 1:22) Egbea la, alẽ bubuawo nye “nuwo katã” siwo Yehowa tsɔ de Via ƒe tanyenye te la ƒe akpa aɖe. Woawo hã wole ‘nu’ siwo Kristo tsɔ de eƒe “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la ƒe dzikpɔkpɔ te la dome. (Mat. 24:45-47) Eya ta ele be ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la nalɔ̃ ɖe edzi be Kristo ye nye yewoƒe Ta, eye ele be woabɔbɔ ɖe kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela kple eƒe Dziɖuhaa kpakple ŋutsu siwo woɖo dzikpɔlawoe le hameawo me la te. (Heb. 13:7, 17) Esia naa Kristotɔwo wɔa ɖeka.

11. Nu ka dzie míaƒe ɖekawɔwɔa nɔ te ɖo, eye aɖaŋu kae Paulo ɖo?

11 Lɔlɔ̃, si nye “ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo” la dzie ɖekawɔwɔ ma nɔ te ɖo. (Kol. 3:14) Le Romatɔwo ta 12 lia me la, Paulo te gbe ɖe edzi be, mele be ‘alakpanuwɔwɔ aɖeke nanɔ míaƒe lɔlɔ̃ la me o,’ eye ‘míalɔ̃ mía nɔewo vevie abe dadaviwo ene.’ Esia nana míedea bubu mía nɔewo ŋu. Apostoloa gblɔ be: “Ame sia ame nedi be yeade bubu ye nɔvi ŋu gbã.” Gake lɔlɔ̃ sia menye lɔlɔ̃ si ŋea aɖaba ƒua nu gbegblẽ wɔwɔwo dzi o. Ehiã be míawɔ nu sia nu si míate ŋui atsɔ akpɔ hamea ƒe dzadzɛnyenye ta. Esi Paulo nɔ aɖaŋua ɖom tso lɔlɔ̃ ŋu la, egblɔ kpee be: “Minyɔ ŋu nu vɔ̃ɖi, milé ɖe nu si nyo la ŋu.”

Amedzrowɔwɔ

12. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Kristotɔ siwo nɔ Makedonia la gbɔ ku ɖe amedzrowɔwɔ ŋu?

12 Mixlẽ Romatɔwo 12:13. Lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔviwo aʋã mí ‘míama míaƒe nuwo kple ame kɔkɔewo le woƒe hiahiãwo nu’ le míaƒe ŋutete nu. Nenye be nu boo aɖeke mele mía si o gɔ̃ hã la, míate ŋu ama nu siwo le mía si la kple ame bubuwo. Paulo gblɔ le Kristotɔ siwo nɔ Makedonia la ŋu be: “Le dodokpɔ gã aɖe si va wo dzi esime wonɔ fukpekpe me tom me la, wokpɔ dzidzɔ manyagblɔ hewɔ dɔmenyonunana geɖe, togbɔ be woda ahe kolikoli hã. Elabena wowɔ esia le woƒe ŋutete nu, ɛ̃, mele ɖase ɖim be, wowɔe wògbɔ woƒe ŋutete ŋu gɔ̃ hã, esi wotso le wo ɖokui si nɔ kukuɖeɖe dzi na mí vevie, be míana mɔnukpɔkpɔ yewo yewoana nu dɔmenyotɔe, eye be yewoakpɔ gome le subɔsubɔdɔ si wɔm wonɔ na [ame kɔkɔe siwo le Yudea] la me.” (2 Kor. 8:2-4) Togbɔ be Kristotɔ siwo nɔ Makedonia la da ahe hã la, wolɔ̃a dɔmenyowɔwɔ ŋutɔ. Wobui be mɔnukpɔkpɔe wònye na yewo be yewoama nu siwo nɔ yewo si la kple yewo nɔvi siwo hiã tu le Yudea.

13. Nu kae “amedzrowɔwɔ” fia?

13 Helagbe me nyagbɔgblɔ si gɔme woɖe be “amedzrowɔwɔ” fia be ame natso le eɖokui si awɔ nane. Biblia gɔmeɖeɖe si nye The New Jerusalem Bible ɖe nyagbɔgblɔ ma gɔme be “minɔ mɔnukpɔkpɔwo dim hena amedzrowɔwɔ.” Mɔ aɖe si dzi míetona wɔa amedzro na amewo ɣeaɖewoɣie nye be míekpea wo be woava ɖu nu kpli mí, eye ne lɔlɔ̃e ʋã mí míewɔ esia la, míedze na kafukafu. Gake ne míedea ŋugble tso mɔ siwo dzi míato awɔ amedzro na amewo ŋu la, míakpɔ mɔ bubu geɖe siwo dzi míato awɔ esia. Le kpɔɖeŋu me, ne ŋutete mele mía ŋu be míaɖo kplɔ̃ na amewo be woava ɖu nu kpli mí o la, numeɖenu alo aha vivi aɖe tsɔtsɔ ɖo wo kɔ me gɔ̃ hã nye amedzrowɔwɔ na wo.

14. (a) Nya kawoe ƒo ƒu wɔ Helagbe me nyagbɔgblɔ si gɔme woɖe be “amedzrowɔwɔ” la? (b) Aleke míate ŋu aɖee afia le míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa me be míetsɔa ɖe le eme na amedzrowo?

14 Ale si míebua amewoe hã wɔa akpa aɖe le amedzrowɔwɔ me. Nya eve siwo ƒe gɔmeɖeɖe nye “lɔlɔ̃” kple “amedzro” mee woɖe Helagbe me nya si gɔme woɖe be “amedzrowɔwɔ” la tsoe. Aleke míesena le mía ɖokui me ɖe amedzrowo kple ame siwo tso duta la ŋu? Woate ŋu abu Kristotɔ siwo dzea agbagba srɔ̃a gbe bubuwo bene woate ŋu aɖe gbeƒã nya nyuia na dutatɔ siwo ʋu va tsi woƒe hamea ƒe anyigbamama me la be wonye amedzrowɔlawo vavã. Ele eme be le mía dometɔ geɖe gome la, míaƒe nɔnɔmewo maɖe mɔ na mí be míasrɔ̃ gbe bubuwo o ya. Ke hã, mí katã míate ŋu akpɔ gome le kpekpeɖeŋunana dutagbedolawo me to agbalẽvi si nye Good News for People of All Nations, si me Biblia me gbedeasi aɖe le le gbegbɔgblɔ geɖe me la ŋu dɔ wɔwɔ nyuie me. Le gowòme la, ɖe nu nyui aɖewo do tso agbalẽvi sia zazã le gbeadzi mea?

Vevesese Ðe Ame Nu

15. Aleke Yesu ƒe nuwɔnawo wɔ ɖeka kple aɖaŋu si woɖo le Romatɔwo 12:15?

15 Mixlẽ Romatɔwo 12:15. Míate ŋu agblɔ aɖaŋu si Paulo ɖo le mawunyakpukpui sia me la me nyawo kpuie ko be: se veve ɖe ame nu. Ehiã be míasrɔ̃ ale si míase ame bubuwo ƒe seselelãmewo gɔme ahana wòawɔ dɔ ɖe mía dzi gɔ̃ hã, eɖanye dzidzɔ alo blanuiléle o. Ne míexɔ dzo le gbɔgbɔ me la, ale si míekpɔa dzidzɔ ne amewo le dzidzɔ kpɔm alo sea veve ne amewo le veve sem la adze ƒãa. Esime Kristo ƒe nusrɔ̃la 70 aɖewo yi ɖaɖe gbeƒã hetrɔ gbɔ kple dzidzɔ heva ka nu nyui siwo do tso woƒe dɔa me ta nɛ la, Yesu ‘tso aseye ale gbegbe le gbɔgbɔ kɔkɔe la me.’ (Luka 10:17-21) Ekpɔ dzidzɔ kpli wo. Le go bubu me la, Yesu ‘fa avi kple ame siwo nɔ avi fam’ esi xɔlɔ̃a Lazaro ku.—Yoh. 11:32-35.

16. Aleke míate ŋu aɖe veveseɖeamenu afia, eye ame kawo koŋ ye wòle na be woaɖe nɔnɔme sia afia wu?

16 Ele be míasrɔ̃ veveseɖeamenu ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi. Ne hati Kristotɔ aɖe le dzidzɔ kpɔm la, ele be míawo hã míakpɔ dzidzɔ kplii. Nenema kee wòle be mía nɔviwo ƒe vevesesewo kple nuxaxawo nawɔ dɔ ɖe mía dzi. Zi geɖe la, ne míekpɔa vovo ɖe míaƒe haxɔsetɔ siwo le nu xam ŋu heɖoa to wo veveseɖeamenutɔe la, esia ate ŋu afa akɔ na wo geɖe ŋutɔ. Eye ɣeaɖewoɣi la, woƒe nɔnɔmea ate ŋu awɔ dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe be míafa avi. (1 Pet. 1:22) Ele na hamemetsitsiwo koŋ be woawɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo ku ɖe veveseɖeamenu ŋu la dzi.

17. Nu kae míesrɔ̃ le nyati sia me tso Romatɔwo ta 12 lia me, eye nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

17 Romatɔwo ta 12 lia ƒe kpukpui siwo me míedzro va se ɖe fifia la ɖo aɖaŋu geɖewo na mí siwo ŋu dɔ mí Kristotɔwo míate ŋu awɔ le míaƒe agbenɔnɔ kpakple nuwɔwɔ kple mía nɔviwo me. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro Romatɔwo ta 12 lia ƒe kpukpui susɔeawo me. Kpukpui mawo ƒo nu tso ale si wòle be míawɔ nu ɖe ame siwo mele Kristo hamea me o, siwo dome tsitretsiɖeŋulawo kple yometilawo hã le, ŋu la ŋu.

Numetoto

• Aleke míeɖenɛ fiana be ‘míexɔ dzo le gbɔgbɔ la me’?

• Nu ka tae wòle be míabɔbɔ mía ɖokui ahanya afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo le Mawu subɔsubɔ me?

• Mɔ kawo nue míate ŋu aɖe veveseɖeamenu kple dɔmetɔtrɔ afia míaƒe haxɔsetɔwo le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 4]

Nu ka tae míekpɔa gome le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔwɔna siawo me ɖo?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 6]

Aleke mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu akpe ɖe dutagbedolawo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Fiaɖuƒea ŋu?