Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nufiame kae le nya siwo le Lododowo 24:27 me na mí?

Esi Lododowo ƒe agbalẽa ŋlɔla nɔ aɖaŋu ɖom na ɖekakpuiwo la, egblɔ be: “Wɔ wò dɔwo le xexe, eye nade wò agble, emegbe hafi natu xɔ.” Nu ka dzie wole susu hem le yiyimee le lododo sia si tso gbɔgbɔ me la me? Eyae nye be, ele na ŋutsu be wòasu te nyuie hafi aɖe srɔ̃ ahaɖo eya ŋutɔ ƒe ƒome anyi, elabena enya agba siwo afɔ ma ɖeɖe ada ɖe ye dzi.

Tsã la, woɖea mawunyakpukpui sia gɔme ɣeaɖewoɣi wòfiana be menye ŋutilãmedɔwɔɖui koe wòle be ame si nye srɔ̃ŋutsu kple vifofo nawɔ atsɔ akpɔ eƒe ƒomea dzi o, ke ele nɛ hã be wòatu eƒe ƒomea me tɔwo ɖo, alo ade dzi ƒo na wo, le kpɔɖeŋu me, to gbɔgbɔmenufiamewo nana wo me. Ele eme be nukpɔsusu ma nye nyateƒe eye wòwɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo hã ya, gake edze abe menye eyae nye nya vevi si dzi wole gbe tem ɖo le mawunyakpukpui sia me o ene. Nu ka tae míegblɔe nenema ɖo? De ŋugble le susu eve siawo ŋu kpɔ.

Gbã la, menye ƒome si woɖo anyi xoxo la tutuɖo le gɔmesesea nu be woanɔ dzi dem ƒo na ƒomea me tɔwo alo anɔ ŋusẽ dom wo ŋue kpukpui sia le nu ƒom tsoe o. Ke boŋ xɔ ŋutɔŋutɔ tutu ŋue wole nu ƒom tsoe le afi sia. Nya “tu” si wozã le kpukpui ma me la ate ŋu anye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ hã, le gɔmesesea nu be woaɖo ƒome anyi, alo ne míagblɔe bubui la, woaɖe srɔ̃ adzi viwo.

Evelia, kpukpui ma le gbe tem ɖe nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nyuitɔ nu dzi. Ðeko wòle abe wole gbɔgblɔm be, “Gbã la, wɔ esi; le eyome la, nàwɔ ekemɛ” ene. Ekema ɖe wòafia be nu si wodi be woagblɔ le lododo ma mee nye be ele be míatsɔ míaƒe ŋutilãmegbanɔamedziwo gbã hafi ava tsɔ gbɔgbɔ me tɔwoa? Gbeɖe!

Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, ne ŋutsu di be ‘yeatu xɔ,’ alo aɖo ƒome anyi la, ele be wòabia eɖokui be, ‘Ðe mesu te alé be na nyɔnu si mava ɖe, kple vi siwo ɖewohĩ míava dzi emegbe la ahakpɔ wo dzia?’ Hafi wòaɖe srɔ̃ adzi viwo la, dɔ aɖe kpɔ eŋkume—ele nɛ be wòade eƒe agble alo alé be na eƒe agblenukuwo gbã. Eya ta woɖe mawunyakpukpui sia gɔme le Biblia gɔmeɖeɖe si nye Today’s English Version me tẽe be: “Mègatu wò xɔ ahaɖo ƒome anyi o, va se ɖe esime wò agble wɔ nukuwo vɔ, eye nèka ɖe edzi be yeate ŋu akpɔ aƒe dzi hafi.” Ðe gɔmeɖose sia gale dɔ wɔm egbea?

Ɛ̃. Ele na ŋutsu si di be yeaɖe srɔ̃ la be wòadzra ɖo nyuie ɖe agbanɔamedzi ma tsɔtsɔ ŋu. Ne ele lãmesẽ me ate ŋu awɔ dɔ la, ke ele be wòawɔe. Togbɔ be ele alea hã la, mele be agbagba siwo katã ŋutsu adze ɖe eƒe ƒomea dzi kpɔkpɔ ŋu la naku ɖe ŋutilãmenuwo gbɔ kpɔkpɔ ko ŋu o. Mawu ƒe Nya la ɖee fia be ŋutsu si mekpɔa eƒe ƒomea ƒe ŋutilã me, seselelãme, kple gbɔgbɔ me hiahiãwo gbɔ o la vɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ! (1 Tim. 5:8) Eya ta ne ɖekakpui aɖe le ɖoɖo wɔm be yeaɖe srɔ̃ la, ele be wòabia nya siwo gbɔna la tɔgbi eɖokui: ‘Ðe mesu te be makpɔ ƒomea ƒe ŋutilãmehiahiãwo gbɔa? Ðe mele klalo be maxɔ ŋgɔ le ƒomea ƒe tadedeaguwɔnawo mea? Ðe mate ŋu atsɔ agbanɔamedzi si nye be manɔ Biblia srɔ̃m kple srɔ̃nye kple vinyewo edziedzi la?’ Ðikeke mele eme o be Mawu ƒe Nya la te gbe ɖe agbanɔamedzi vevi mawo tsɔtsɔ dzi.—5 Mose 6:6-8; Ef. 6:4.

Eya ta ele be ɖekakpui si di be yeaɖe srɔ̃ la nade ŋugble le gɔmeɖose si le Lododowo 24:27 me la ŋu nyuie. Nenema kee wòsɔ be ɖetugbui hã nabia eɖokui be, ‘Ðe mele klalo na srɔ̃nyɔnu kple vidada ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔa?’ Srɔ̃tɔ yeyewo hã ate ŋu abia nya mawo tɔgbi wo ɖokuiwo ne wole vidzidzi ŋu bum. (Luka 14:28) Agbenɔnɔ ɖe mɔfiame siwo tso gbɔgbɔ me, abe esia ene, nu ate ŋu akpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu woaƒo asa na dzigbãnya geɖewo, eye wòana woakpɔ dzidzɔ geɖe le ƒomegbenɔnɔ me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]

Nyabiase kawoe wòle be ɖekakpui nabia eɖokui ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu?