Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Xɔ̃nyewoe Mienye”

“Xɔ̃nyewoe Mienye”

“Xɔ̃nyewoe Mienye”

“Ne miewɔa nu siwo ƒe se dem mele na mi la, ekema xɔ̃nyewoe mienye.”—YOH. 15:14.

1, 2. (a) Ame ka ƒomeviwoe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nye? (b) Nu ka tae wòle vevie be míanye Yesu xɔlɔ̃wo?

ŊUTSU siwo nɔ dziƒoxɔa me kple Yesu la nye dɔ vovovo wɔlawo, eye wotso teƒe vovovowo hã. Petro kple Andrea siwo nye dadaviwo la nye tɔƒodelawo. Nudzɔlae Mateo nye tsã, eye Yudatɔwo doa vlo dɔ sia wɔlawo. Anɔ eme be wo dometɔ aɖewo abe Yakobo kple Yohanes ene nya Yesu tso eƒe ɖevime ke. Ðewohĩ ƒe ʋɛ aɖewo koe nye ema wo dometɔ aɖewo abe Nataniel ene ya dze sii. (Yoh. 1:43-50) Ke hã, ŋutsu mawo katã siwo va kpe ta le fiẽsi ma me hena Ŋutitotoŋkekenyui vevi ma ɖuɖu le Yerusalem la ka ɖe edzi be Yesu ye nye Mesia si ƒe ŋugbe wodo kple Mawu gbagbe la ƒe Vi. (Yoh. 6:68, 69) Ðikeke mele eme o be dzi dzɔ wo ŋutɔ esi Yesu gblɔ na wo be: “Meyɔa mi be xɔ̃nyewo, elabena nu siwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.”—Yoh. 15:15.

2 Kristotɔ amesiamina siwo katã li egbea la koŋue nya ma si Yesu gblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo la yi na, eye ne wokekee ɖe enu la, eyi na wo hati ‘alẽ bubuawo’ hã. (Yoh. 10:16) Teƒe ka kee míeɖatso o, mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu mía si be míanye Yesu xɔlɔ̃wo. Ele vevie ŋutɔ be míanye Yesu xɔlɔ̃wo, elabena xɔlɔ̃dzedze eya amea nana míezua Yehowa hã xɔlɔ̃wo. Le nyateƒe me la, manya wɔ be míate ɖe Yehowa ŋu o, negbe ɖe míete ɖe Kristo ŋu gbã. (Mixlẽ Yohanes 14:6, 21.) Ekema nu kae wòle be míawɔ be míazu Yesu xɔlɔ̃wo eye xɔlɔ̃wɔwɔ ma nayi edzi anɔ anyi ɖaa? Hafi míadzro nya vevi ma me la, mina míade ŋugble tso kpɔɖeŋu si Yesu ŋutɔ ɖo ɖi le xɔlɔ̃ nyui nyenye gome ŋu ahakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso ale si eƒe nusrɔ̃lawo wɔ nu ɖe eŋui la me.

Yesu Ðo Xɔlɔ̃ Nyui Nyenye Ƒe Kpɔɖeŋu Ði

3. Nu kae amewo nya na Yesu?

3 Fia nyanu Salomo ŋlɔ ɖi bena: “Xɔlɔ̃ bɔ ɖe kesinɔtɔ si.” (Lod. 14:20) Nyateƒenya ma ɖe amegbetɔ madeblibowo ƒe nɔnɔme, si nye ale si wodzea xɔlɔ̃ amewo le nu siwo woate ŋu akpɔ tso wo gbɔ ta ke menye ɖe nu si woate ŋu ana ta o, la fia. Yesu meɖe nɔnɔme manyomanyo ma fia kura o. Kesinɔnu si nɔ amewo si, alo ɖoƒe si wonɔ la mekpɔ ŋusẽ ɖe Yesu dzi o. Ele eme be Yesu lɔ̃ ɖekakpui kesinɔtɔ aɖe eye wòkpee be wòava zu ye yomedzela ya. Gake Yesu gblɔ na ŋutsu ma be nedzra nu siwo le esi la eye wòatsɔ wo ana ame dahewo. (Mar. 10:17-22; Luka 18:18, 23) Menye hadede kple kesinɔtɔwo kple ame ŋkutawoe wonya na Yesu o, ke boŋ wonyae be ame tsɛwo kple ame siwo wodoa vloe lae wòdzea xɔ̃e.—Mat. 11:19.

4. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo nɔ Yesu xɔlɔ̃wo ŋu?

4 Nyateƒee wònye be gbɔdzɔgbɔdzɔwo nɔ Yesu xɔlɔ̃wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖewoɣi la, Petro ƒe nukpɔsusu le nanewo ŋu mewɔa ɖeka kple Mawu ƒe susuwo o. (Mat. 16:21-23) Eye Yakobo kple Yohanes ɖe nɔƒe gã didi ƒe gbɔgbɔ fia esi wobia tso Yesu si be wòana ɖoƒe kɔkɔ yewo le eƒe Fiaɖuƒea me. Woƒe nuwɔna ma ku dzi na apostolo mamlɛawo, eye gãnyenye ƒe nya la yi edzi nɔ dzre dem wo dome. Ke hã, Yesu tsɔ dzigbɔɖi nɔ agbagba dzem be yeaɖɔ exɔlɔ̃awo ƒe nukpɔsusuwo ɖo, eye dzi mekunɛ kabakaba ɖe woƒe nuwɔnaa ta o.—Mat. 20:20-28.

5, 6. (a) Nu ka tae Yesu na xɔlɔ̃wɔwɔ gakpɔtɔ nɔ woa kple eƒe apostolo akpa gãtɔ dome? (b) Nu ka tae Yesu tso woa kple Yuda dome xɔlɔ̃wɔwɔa me?

5 Menye be ɖe Yesu ɖea mɔ ɖe nu sia nu ŋu na ŋutsu madeblibo mawo alo ŋea aɖaba ƒua woƒe vodadawo dzi tae wòyi edzi nye wo xɔlɔ̃ o. Ke boŋ ɖe wòtiae be yeana yeƒe susu nanɔ woƒe nɔnɔme nyuiwo kple susu nyui si le wo si la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Petro, Yakobo kple Yohanes yi alɔ̃ me le esi teƒe be woado ŋusẽ Yesu esi wònɔ eƒe agbe me ƒe ɣeyiɣi sesẽtɔ kekeake ma me tom. Mewɔ nuku o be woƒe nuwɔnaa te ɖe Yesu dzi. Togbɔ be enɔ nenema hã la, ekpɔe be susu nyui le wo si, eye wògblɔ na wo be: “Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilãa ya gbɔdzɔ.”—Mat. 26:41.

6 Gake Yesu tso woa kple Yuda Iskariot dome xɔlɔ̃wɔwɔa ya me. Togbɔ be le gotagome la, Yuda wɔa nu abe ame si nye Yesu xɔlɔ̃ ene hã la, Yesu nya be ame sia si nye ye xɔlɔ̃ kplikplikpli tsã la ɖe mɔ dzi vɔ̃ɖi va su esi. Esi Yuda va zu xexea ƒe xɔlɔ̃ ta la, ewɔ eɖokui Mawu ƒe futɔ. (Yak. 4:4) Eya ta Yesu nya Yuda do goe hafi gblɔ na Eƒe apostolo wɔnuteƒe 11 mamlɛawo be ye xɔlɔ̃woe wonye.—Yoh. 13:21-35.

7, 8. Aleke Yesu ɖe lɔlɔ̃ si nɔ esi na exɔlɔ̃wo la fia woe?

7 Yesu mena eƒe susu nɔ vodada siwo exɔlɔ̃awo wɔ va yi la ŋu o, eye nu siwo aɖe vi na wo ŋutɔŋutɔe wòwɔna na wo. Le kpɔɖeŋu me, edo gbe ɖa na Fofoa be wòakpɔ wo ta le woƒe dodokpɔwo me. (Mixlẽ Yohanes 17:11.) Yesu sea nu gɔme na wo nenye be ɖeɖi te wo ŋu. (Mar. 6:30-32) Eye menye nu si eya ŋutɔ susu la koe wòdina be yeagblɔ na wo o, ke edina be yease nu si woawo hã susu kple ale si wose le wo ɖokuiwo me ahase wo gɔme.—Mat. 16:13-16; 17:24-26.

8 Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe ku siaa ɖe vi na exɔlɔ̃wo. Enye nyateƒe be Yesu nyae be ele be yeatsɔ yeƒe agbe asa vɔe le ɖekawɔwɔ me kple ye Fofo ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo ya. (Mat. 26:27, 28; Heb. 9:22, 28) Ke hã, Yesu tsɔ eƒe agbe sa vɔe tsɔ ɖe lɔlɔ̃ si le esi la fia. Yesu gblɔ be: “Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si o: be ame aɖe natsɔ eƒe luʋɔ aɖo anyi ɖe exɔlɔ̃awo ta.”—Yoh. 15:13.

Aleke Yesu Ƒe Nusrɔ̃lawo Hã Wɔ Nu Ðe Eŋui?

9, 10. Aleke amewo wɔ nu ɖe Yesu ƒe dɔmenyonyo ŋu?

9 Yesu zã eƒe ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo ɖe amewo ŋu faa eye wòɖe lɔlɔ̃ fia wo. Esia he amewo ɖe eŋu, eye wòdzɔ dzi na woawo hã be woatsɔ woƒe nuwo ado alɔe. (Luka 8:1-3) Nu siwo teƒe Yesu ŋutɔ kpɔ na wòte ŋu gblɔ be: “Minɔ nu nam amewo, eye amewo ana nu mi. Woadzidze nu nyuie, atee, aʋuʋui wòagbagba, akɔ ɖe avɔ me na mi. Elabena dzidzenu si mietsɔ le nu dzidzem na amewo la kee woatsɔ adzidzee na miawo hã.”—Luka 6:38.

10 Enye nyateƒe be ame aɖewo dze agbagba be yewoade ha kple Yesu le nu siwo woate ŋu akpɔ tso egbɔ la ta ko. Xɔlɔ̃ alakpanuwɔla mawo gblẽ Yesu ɖi esi wògblɔ nya aɖe si gɔme womese nyuie o. Le esi woaka ɖe Yesu dzi togbɔ be womese nya si wògblɔ la gɔme o hã teƒe la, ɖe wobu fɔe madzemadzee hetrɔ le eyome boŋ. Gake apostoloawo ya wɔ nuteƒe na Yesu. Wodo xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔ apostolo siawo kple Kristo dome kpɔ zi geɖe, ke hã wodzea agbagba ɣesiaɣi be yewoanɔ eŋu le ɣeyiɣi nyuiwo kple vɔ̃awo siaa me. (Mixlẽ Yohanes 6:26, 56, 60, 66-68.) Le zã mamlɛtɔ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, eɖe ale si wòkpɔ ŋudzedze ɖe exɔlɔ̃awo ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu la fia esi wògblɔ be: “Miawoe nye ame siwo nɔ ŋunye le nye tetekpɔwo me.”—Luka 22:28.

11, 12. Aleke Yesu na kakaɖedzi eƒe nusrɔ̃lawoe, eye aleke woawo hã wowɔ nui?

11 Esi Yesu kafu eƒe nusrɔ̃lawo ɖe woƒe nuteƒewɔwɔ ta megbe kpuie ko la, nusrɔ̃la mawo ke gblẽe ɖi. Woɖe mɔ amegbetɔvɔvɔ̃ kpɔ ŋusẽ ɖe lɔlɔ̃ si nɔ wo si na Kristo la dzi ɣeyiɣi kpui aɖe. Gake Yesu gatsɔe ke wo ake. Le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi megbe la, eɖe eɖokui fia wo, eye wògaɖo kpe woa kpli wo dome xɔlɔ̃wɔwɔa dzi na wo. Gawu la, etsɔ dɔ kɔkɔe aɖe de asi na wo—eyae nye be woawɔ “dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo” eye woaɖi ɖase tso ye ŋu “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Mat. 28:19; Dɔw. 1:8) Aleke nusrɔ̃lawo wɔ nui?

12 Nusrɔ̃laawo tsɔ woƒe ŋusẽ kple ŋutete katã kaka Fiaɖuƒegbedeasia. Le Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me la, eteƒe medidi kura hafi wotsɔ woƒe nufiafia yɔ Yerusalem o. (Dɔw. 5:27-29) Amewo do ŋɔdzi na wo be yewoawu wo, gake esia gɔ̃ hã mete ŋu na wodzudzɔ wɔwɔ ɖe se si Yesu de na wo be woawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo la dzi o. Ƒe ʋɛ aɖewo ko le Yesu ƒe se ma dede na wo megbe la, apostolo Paulo te ŋu ŋlɔ bena woɖe gbeƒã nya nyuia “na nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te.” (Kol. 1:23) Vavãe, nusrɔ̃la mawo ɖee fia be yewode asixɔxɔ xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔ yewo kple Yesu dome la ŋu!

13. Mɔ ka nue Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe mɔ eƒe nufiafiawo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi le?

13 Ame siwo va zu nusrɔ̃lawo emegbe hã ɖe mɔ Yesu ƒe nufiafiawo kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ dzi. Le wo dometɔ geɖe gome la, esia bia tso wo si be woawɔ tɔtrɔ gãwo le woƒe agbenɔnɔ kple amenyenye ŋu. Nusrɔ̃la yeye mawo dometɔ aɖewo nye ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo, ahasiwɔlawo, ahamulawo, alo fiafitɔwo tsã. (1 Kor. 6:9-11) Enɔ na wo dometɔ bubu aɖewo be woatrɔ nukpɔsusu si nɔ wo si ɖe du bubu me tɔwo ŋu. (Dɔw. 10:25-28) Togbɔ be enɔ nenema hã la, wowɔ ɖe Yesu ƒe nyawo dzi. Woɖe woƒe amenyenye xoxoa ɖa eye wodo amenyenye yeyea. (Ef. 4:20-24) Wova nya “Kristo ƒe tamesusu” nyuie, si fia be wova se ale si Kristo bua nuwo ŋui hewɔa nui la gɔme, eye wosrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu.—1 Kor. 2:16.

Xɔlɔ̃dzedze Kristo Egbea

14. Nu kae Yesu do ŋugbe be yeawɔ le “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la”?

14 Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la dometɔ geɖe kpɔ Yesu ŋkume kple ŋkume le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi, eye wo dometɔ aɖewo hã kpɔe le eƒe tsitretsitsi megbe. Edze ƒãa be mɔnukpɔkpɔ ma mesu míawo ya si kpɔ o. Ke aleke míate ŋu anye Kristo xɔlɔ̃woe? Mɔ ɖekae nye be míawɔ ɖe mɔfiame siwo kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe ha, si me tɔwo nye Yesu nɔvi amesiamina siwo gakpɔtɔ le agbe le anyigba dzi, la nana mí la dzi. Yesu do ŋugbe be le “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la” yeatsɔ kluvi sia aɖo “[yeƒe] nuwo katã nu.” (Mat. 24:3, 45-47) Egbea la, ame siwo dina be yewoanye Kristo xɔlɔ̃wo la dometɔ akpa gãtɔ menye kluvi ƒe ha sia me tɔwo o. Aleke woƒe nuwɔwɔ ɖe mɔfiame siwo kluvi nyateƒetɔ la nana ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe woa kple Kristo dome ƒomedodoa dzi?

15. Nu ka dzie woanɔ te ɖo abu ame aɖe be enye alẽ loo alo gbɔ̃?

15 Mixlẽ Mateo 25:31-40. Yesu yɔ ame siwo anye kluvi nyateƒetɔ ƒe ha la me tɔwo be ye nɔviwo. Le kpɔɖeŋu si ku ɖe alẽwo kple gbɔ̃wo me mamaa ŋu me la, Yesu gblɔ be yebuna ale si wowɔa nu ɖe ye nɔvi siawo ŋu be ye ŋutɔ ŋue wole ewɔm ɖo. Le nyateƒe me la, egblɔ be ale si amewo awɔ nu ɖe ‘ye nɔvi suetɔ siawo dometɔ ɖeka’ ŋu dzie woanɔ te ɖo agblɔ be wonye alẽwo loo alo gbɔ̃wo. Eya ta mɔ si koŋ dzi ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le tona ɖenɛ fiana be yewodi be yewoanye Kristo xɔlɔ̃woe nye ale si wokpea asi ɖe kluvi nyateƒetɔ ƒe ha la ŋu.

16, 17. Nu kae míawɔ atsɔ aɖe xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kple Kristo nɔviwo dome la afia?

16 Ne èle mɔ kpɔm be yeava nɔ agbe le anyigba dzi le Mawu Fiaɖuƒea te la, nu kae nàwɔ atsɔ aɖe xɔlɔ̃wɔwɔ si le mia kple Kristo nɔviwo dome afia? Na míalé ŋku ɖe mɔ etɔ̃ ko ŋu kpɔ. Gbã, to gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me kple dzi blibo me. Kristo de se na nɔviawo be woaɖe gbeƒã nya nyuia le anyigba blibo la dzi. (Mat. 24:14) Ke hã, nu ate Kristo nɔvi susɔe siwo le anyigba dzi egbea la ŋu nenye be woawo ɖeɖee atsɔ agbanɔamedzi ma woƒe zɔhɛ alẽ bubuawo ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee. Le nyateƒe me la, ɣesiaɣi si alẽ bubuwo ƒe ha la me tɔwo kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me la, wole kpekpem ɖe Kristo nɔviwo ŋu be woawɔ dɔ kɔkɔe si wode asi na wo la ade goe. Kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe ha la kpɔa ŋudzedze ɖe nuwɔna sia si nye xɔlɔ̃wɔwɔ ɖeɖe fia la ŋu ale gbegbe, abe ale si ko Kristo ŋutɔ hã kpɔa ŋudzedze ɖe eŋui ene.

17 Mɔ evelia si dzi alẽ bubuwo ƒe ha me tɔwo tona kpena ɖe Kristo nɔviwo ŋue nye ale si wonaa gakpekpeɖeŋu tsɔ doa alɔ gbeƒãɖeɖedɔae. Yesu de dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be woatsɔ “kesinɔnu madzɔmadzɔwo” adze xɔlɔ̃woe na wo ɖokuiwo. (Luka 16:9) Esia mele fiafiam be míate ŋu aƒle xɔlɔ̃dzedze Yesu alo xɔlɔ̃dzedze Yehowa o. Ke boŋ to míaƒe nunɔamesiwo tsɔtsɔ do alɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo dzi la, míeɖoa kpe xɔlɔ̃wɔwɔ kple lɔlɔ̃ si le mía si na wo la dzi, menye to nyagbɔgblɔ ɖeɖe ko me o, ke boŋ to “nuwɔna kple nyateƒe” me. (1 Yoh. 3:16-18) Míenaa gakpekpeɖeŋu ma ne míekpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me, ne míedzɔa nu hena míaƒe kpekpewɔƒewo tutu kple wo dzadzraɖo, eye míedzɔa nu hena xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa. Míaƒe nudzɔdzɔa ɖale sue alo lolo o, kakaɖedzi le mía si be Yehowa kple Yesu siaa kpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo naa nu kple dzidzɔ la ŋu.—2 Kor. 9:7.

18. Nu ka tae wòle be míawɔ ɖe Biblia me mɔfiame siwo hamemetsitsiwo naa mí la dzi?

18 Mɔ etɔ̃lia si dzi míetona ɖenɛ fiana be míenye Kristo xɔlɔ̃woe nye ale si míewɔa nu wòwɔa ɖeka kple mɔfiame siwo hamemetsitsiwo naa mí. Gbɔgbɔ kɔkɔe lae ɖo ŋutsu siawo le Kristo ƒe mɔfiafia te. (Ef. 5:23) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la, eye mibɔbɔ mia ɖokui.” (Heb. 13:17) Ɣeaɖewoɣi la, Biblia me mɔfiame siwo hamemetsitsi siwo le míaƒe hamea me naa mí la dzi wɔwɔ ate ŋu asesẽ na mí. Ate ŋu adzɔ be míenya woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye esia awɔe be míaxɔ woƒe aɖaŋuɖoɖowo nyuie o. Ke hã, edze Kristo, si nye hamea ƒe Ta la, ŋu be yeazã ŋutsu madeblibo siawo. Eya ta ale si míewɔa nu ɖe woƒe ŋusẽ ŋui la kpɔa ŋusẽ ɖe xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kple Kristo dome la dzi tẽe. Ne míeŋea aɖaba ƒua hamemetsitsiwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi, eye míetsɔa dzidzɔ wɔna ɖe woƒe mɔfiamewo dzi la, míeɖoa kpe lɔlɔ̃ si le mía si na Kristo la dzi.

Afi Siwo Míate Ŋu Akpɔ Xɔlɔ̃ Nyuiwo Le

19, 20. Nu kae míate ŋu akpɔ le hamea me, eye nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Menye hamemetsitsi lɔ̃amewo ƒe dzikpɔkpɔ dzi koe Yesu tona léa be na mí o, ke eléa be na mí to gbɔgbɔ me dadawo kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnu siwo le hamea me la dzi hã. (Mixlẽ Marko 10:29, 30.) Esi nète hadede kple Yehowa ƒe habɔbɔa la, aleke ƒowòmetɔwo wɔ nui? Ðewohĩ, wokpe asi ɖe ŋuwò le agbagba si dzem nènɔ be yeate ɖe Mawu kple Kristo ŋu la me. Ke hã, Yesu na míenya be, ɣeaɖewoɣi la, “ame ƒe futɔwo anye ye ŋutɔ ƒemetɔwo.” (Mat. 10:36) Aleke gbegbe wòfaa akɔ na míe nye esi be míate ŋu akpɔ ame siwo aku ɖe mía ŋu wu mía nɔvi kpamkpamwo gɔ̃ hã le hamea me!—Lod. 18:24.

20 Abe ale si wòdze le gbedoname siwo le lɛta si Paulo ŋlɔ na hame si nɔ Roma la ƒe nyataƒonya me ene la, Paulo dze xɔlɔ̃ vevi geɖewo le hame ma me. (Rom. 16:8-16) Apostolo Yohanes ƒo eƒe agbalẽ etɔ̃lia ta kple nya siawo be: “Tsɔ nye gbedonamewo na xɔlɔ̃awo ɖekaɖeka.” (3 Yoh. 14) Edze ƒãa be xɔlɔ̃ vevi geɖewo nɔ eya hã si. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu kple nusrɔ̃la gbãtɔawo le xɔlɔ̃dzedze míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo me ahana xɔlɔ̃wɔwɔ mawo nayi edzi ɖaa? Míadzro nyabiase sia ƒe ŋuɖoɖo me le nyati si kplɔe ɖo me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi le xɔlɔ̃ nyui nyenye gome?

• Aleke Yesu ƒe nusrɔ̃lawo wɔ nu ɖe xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔ woa kplii dome ŋui?

• Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ aɖee afia be Kristo xɔlɔ̃woe míenye?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Yesu tsɔ ɖe le nu si exɔlɔ̃awo hã susu kple ale si wose le wo ɖokuiwo me la me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Nu kawoe míawɔ atsɔ aɖee afia be míedi be míanye Kristo xɔlɔ̃wo?