Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

De Asixɔxɔ Akpa Si Nèwɔna Le Hamea Me Ŋu

De Asixɔxɔ Akpa Si Nèwɔna Le Hamea Me Ŋu

De Asixɔxɔ Akpa Si Nèwɔna Le Hamea Me Ŋu

“Mawu tsɔ ŋutinuwo ɖo ŋutilã la ŋuti, wo dometɔ ɖe sia ɖe, abe ale si wòdi ene.”—1 KOR. 12:18.

1, 2. (a) Nu kae ɖee fia be hamea me tɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ akpa aɖe si ŋu wòate ŋu ade asixɔxɔe? (b) Nyabiase kawo mee míadzro le nyati sia me?

TSO keke blema Israel ke la, hamea ye nye ɖoɖo si dzi Yehowa tona naa gbɔgbɔmenuɖuɖu hefiaa mɔ eƒe amewo. Le kpɔɖeŋu me, esi Israel viwo ɖu du si woyɔna be Ai dzi megbe la, Yosua ‘xlẽ se la ƒe nyawo katã, siwo nye yayra kple fiƒode la, na wo pɛpɛpɛ, abe ale si woŋlɔe ɖe segbalẽa me ene na Israel ha blibo la.’—Yos. 8:34, 35.

2 Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, apostolo Paulo gblɔ na Timoteo, si nye hamemetsitsi Kristotɔ, be Kristo hame lae nye “Mawu ƒe aƒe” kpakple “nyateƒe la ƒe sɔti kple gɔmeɖoanyi.” (1 Tim. 3:15) Egbea la, “Mawu ƒe aƒe” lae nye Kristotɔ vavãwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ si le xexea me katã. Le agbalẽ gbãtɔ si gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ na Korintotɔwo ƒe ta 12 lia me la, etsɔ hame la sɔ kple amegbetɔ ƒe ŋutilã. Egblɔ be togbɔ be dɔ vovovowoe ŋutinu ɖe sia ɖe wɔna hã la, wo katã le vevie. Paulo ŋlɔ bena: “Mawu tsɔ ŋutinuwo ɖo ŋutilã la ŋuti, wo dometɔ ɖe sia ɖe, abe ale si wòdi ene.” Egblɔ gɔ̃ hã be “ŋutilã la ƒe akpa, siwo míesusuna be bubu boo aɖeke mele wo ŋu o la, woawo ŋue míedea bubu wu.” (1 Kor. 12:18, 23) Eya ta akpa si ame dzɔdzɔe aɖe wɔna le Mawu ƒe aƒea me la ƒe asixɔxɔ melolo wu loo alo le ʋɛ wu esi Kristotɔ wɔnuteƒe bubu aɖe wɔna o. Ðeko woƒe wɔƒewo to vovo. Ekema aleke míate ŋu awɔ anya akpa si míewɔna le Mawu ƒe tameɖoɖo me ahade asixɔxɔ eŋu? Nu kawoe ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe akpa si míewɔna le hamea me la dzi? Eye nu kae míate ŋu awɔ be míaƒe “ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katã”?—1 Tim. 4:15.

Aleke Míade Asixɔxɔ Akpa Si Míewɔna La Ŋu?

3. Mɔ siwo dzi míetona ɖenɛ fiana be míenya akpa si míewɔna le hamea me hedea asixɔxɔ eŋu la dometɔ ɖeka ɖe?

3 Mɔ aɖe si dzi míato aɖee afia be míenya akpa si míewɔna le hamea me hedea asixɔxɔ eŋue nye be míawɔ nu aduadu kple “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la kple Dziɖuha si nye eteƒenɔla la le nu sia nu me. (Mixlẽ Mateo 24:45-47.) Ele be míadzro mía ɖokui me le ale si míewɔna ɖe mɔfiame siwo míexɔna tso kluvi ƒe haa gbɔ dzi la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe siwo va yi me la, woɖo aɖaŋu aɖewo na mí tẽe ku ɖe dzadzraɖo kple awudodo, modzakaɖeɖe, kpakple Internet zazã le mɔ gbegblẽ nu ŋu. Ðe míewɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo nyui mawo dzi ŋuɖɔɖɔɖotɔe hena míaƒe gbɔgbɔmemenyenye ta kpɔkpɔa? Ke aɖaŋu si woɖo na mí be míawɔ ɖoɖo anɔ ƒometadedeagu wɔm edziedzi ya ɖe? Ðe míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi hetia fiẽ aɖe da ɖi hena esia wɔwɔa? Ne trewoe míenye la, ɖe míeɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi hena Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ le mía ɖokui sia? Yehowa ayra mí ame ɖekaɖekawo kple ƒomewo siaa ne míewɔna ɖe mɔfiame siwo kluvi ƒe haa nana la dzi.

4. Nu kawo ŋue wòle be míabu ne míele nyametsotso siwo kpɔ mía ŋutɔwo mía ŋkume la wɔm?

4 Ame aɖewo ate ŋu asusui be ame ŋutɔ ƒe nyawoe nya siwo ku ɖe modzakaɖeɖe, dzadzraɖo, kple awudodo ŋu la nye. Gake le Kristotɔ ɖeadzɔgbe si dea asixɔxɔ akpa si wòwɔna le hamea me ŋu la gome la, menye nu si dzɔa dzi na eya ŋutɔ ɖeɖe ko dzie wònɔa te ɖo wɔa nyametsotsowo o. Ele be wòabu Yehowa ƒe nukpɔsusu siwo wòɖe fia le eƒe Nya Biblia me ŋu etɔxɛe. Ele be gbedeasi si le eme la nanye ‘akaɖi na míaƒe afɔ kple kekeli na míaƒe toƒe.’ (Ps. 119:105) Nunya anɔ eme hã be míabu ŋusẽ si nyametsotso siwo kpɔ mía ŋutɔwo mía ŋkume akpɔ ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa kple ame bubuwo dzi, le hamea me kple egodo siaa ŋu.—Mixlẽ 2 Korintotɔwo 6:3, 4.

5. Nu ka tae wòle be míakpɔ nyuie be ɖokuisinɔnɔgbɔgbɔ la nagage ɖe mía me o?

5 “Gbɔgbɔ si le dɔ wɔm le tomaɖomaɖo ƒe viwo me fifia” la kaka ɖe afi sia afi ale gbegbe be ɖeko wòle abe ya si míegbɔna la ene. (Ef. 2:2) Gbɔgbɔ ma ate ŋu ana míabui be míehiã mɔfiame tso Yehowa ƒe habɔbɔa gbɔ o. Kakaɖedzitɔe la, míedi be míanɔ abe Diotrefo, ame si ‘mexɔa naneke si tso [apostolo Yohanes] gbɔ la bubutɔe o’ la ene o. (3 Yoh. 9, 10) Ele be míakpɔ nyuie be ɖokuisinɔnɔgbɔgbɔ nagage ɖe mía me o. Megadzɔ gbeɖe be míato míaƒe nuƒoƒo alo nuwɔna dzi atsi tsitre ɖe mɔnu siwo zãm Yehowa le tsɔ le mɔ fiam mí egbea la ŋu o. (4 Mose 16:1-3) Ke boŋ ele be míade asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su mía si míewɔa nu aduadu kple kluvi ƒe haa ŋu. Eye ɖe mele be míaku kutri vevie be míanɔ to ɖom ame siwo xɔa ŋgɔ le míaƒe hamea me ahabɔbɔ ɖe wo te oa?—Mixlẽ Hebritɔwo 13:7, 17.

6. Nu ka tae wòle be míalé ŋku ɖe míaƒe nɔnɔmewo ŋu?

6 Mɔ bubu aɖe si dzi míetona ɖenɛ fiana be míedea asixɔxɔ akpa si míewɔna le hamea me ŋu lae nye ale si míeléa ŋku ɖe míaƒe nɔnɔmewo ŋu nyuie hewɔa míaƒe ŋutete katã ‘tsɔ doa míaƒe subɔsubɔdɔ la ɖe dzi’ eye míetoa ema dzi dea bubu Yehowa ŋu. (Rom. 11:13) Ame aɖewo te ŋu zu gbesiagbe mɔɖelawo. Eye le xexea me godoo la, ame bubuwo ƒo wo ɖokuiwo ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛ ƒomevi aɖewo me hezu dutanyanyuigblɔlawo, dzikpɔla mɔzɔlawo, kple Betel ƒomea me tɔwo. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo kpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata tutu dɔwo ŋu. Yehowa ƒe amewo dometɔ akpa gãtɔ le woƒe ŋutetewo katã wɔm le gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu nam woƒe ƒomewo eye wole gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe kwasiɖa sia kwasiɖa. (Mixlẽ Kolosetɔwo 3:23, 24.) Míate ŋu aka ɖe edzi be, ne míetsɔ mía ɖokuiwo na faa le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me, eye míewɔa mía tɔ si nua be míasubɔe kple luʋɔ blibo la, míakpɔ nɔƒe le eƒe ɖoɖo me ɣesiaɣi.

Nu Siwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Akpa Si Míewɔna Le Hamea Me Dzi

7. Ðe ale si nɔnɔme si me míele la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe akpa si míewɔna le hamea me dzi la me.

7 Ele vevie be míalé ŋku ɖe míaƒe nɔnɔmewo ŋu nyuie, elabena le mɔ aɖe nu la, akpa si míewɔna le hamea me la nɔa te ɖe nu si míate ŋu awɔ la dzi. Le kpɔɖeŋu me, le go aɖewo me la, akpa si nɔviŋutsuwo wɔna le hamea me la toa vovo na esi nɔvinyɔnuwo wɔna. Tsitsi, lãmesẽ, kple nu bubuwo hã ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe nu si míate ŋu awɔ le Yehowa subɔsubɔ me la dzi. Lododowo 20:29 gblɔ be: “Ðekakpuiwo ƒe atsyɔ̃ enye woƒe ŋusẽ, eye ta ɣi enye amegã ɖeɖiwo ƒe bubu.” Ðekakpui kple ɖetugbui siwo le hamea me ate ŋu awɔ dɔ siwo bia ŋusẽ zazã la geɖe wu le sɔhɛmeŋusẽ si le wo si ta, eye ame tsitsiwo hã ate ŋu aɖe vi geɖe na hamea le nunya kple nuteƒekpɔkpɔ si le wo si ta. Ele be wòanɔ susu me na mí hã be Mawu ƒe amenuvevee nu sia nu si míetea ŋu wɔna le Yehowa ƒe habɔbɔa me la nye.—Dɔw. 14:26; Rom. 12:6-8.

8. Ŋusẽ kae míaƒe didiwo kpɔna ɖe akpa si míewɔna le hamea me la dzi?

8 Míate ŋu awɔ kpɔɖeŋu aɖe atsɔ aɖe nu bubu aɖe si kpɔa ŋusẽ ɖe akpa si ame wɔna le hamea me dzi la afia. Nɔvinyɔnu eve aɖewo siwo nye dadaviwo la wu sekɛndrisuku nu. Nɔnɔme ɖeka mee wo katã wole. Wo dzilawo wɔ wo tɔ si nua de dzi ƒo na wo ame evea siaa be woawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa ne wowu suku nu. Esi wowu sukua nu la, wo dometɔ ɖeka ƒo eɖokui ɖe mɔɖeɖedɔa me, gake evelia ya yi ɖadi ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔwɔɖui aɖe nɔ wɔwɔm. Nu ka gbɔe wòtso be woƒe tiatiawo to vovo? Woƒe didiwo gbɔe wòtso. Míagblɔ ko be nu si wo dometɔ ɖe sia ɖe di be yeawɔ lae wòwɔ. Menye nenemae wòle le mía dometɔ akpa gãtɔ gome oa? Ehiã be míade ŋugble vevie le nu si míadi be míawɔ le Mawu subɔsubɔ me la ŋu. Ðe míate ŋu adzi míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi, nenye be abia tso mía si be míatrɔ asi le míaƒe nɔnɔmewo ŋu gɔ̃ hã?—2 Kor. 9:7.

9, 10. Nu kae wòle be míawɔ nenye be didia mele mía me be míawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me o?

9 Ke nenye be didia mele mía me be míawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me o, eye míetsɔa dzo ɖe hamea me dɔwo ŋu o ya ɖe? Paulo gblɔ le lɛta si wòŋlɔ na Filipitɔwo me be: “Mawue nye ame si le dɔ wɔm le mia me, bene didi kple nuwɔwɔ siaa nanɔ mia me le nu si dze eŋu la nu.” Ɛ̃, Yehowa ate ŋu awɔ dɔ le mía me, eye wòakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe lɔlɔ̃nu alo didiwo dzi.—Fp. 2:13; 4:13.

10 Eya ta ɖe mele be míabia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu didia naɖo mía me be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu oa? Nu ma tututue blema Israel Fia David wɔ. Edo gbe ɖa na Mawu be: “Yehowa, ɖe wò mɔwo fiam, eye nafia wò toƒewom! Na mazɔ le wò nyateƒe me, eye nafia num; elabena wòe nye nye xɔname Mawu, wòe mele mɔ kpɔm na ɣesiaɣi.” (Ps. 25:4, 5) Míawo hã míate ŋu awɔ nu abe hakpalaa ene ne míedo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu didia nanɔ mía me be míawɔ nu si dzea eŋu. Ne míede ŋugble tso ale si Yehowa Mawu kple Via sena le wo ɖokuiwo me ɖe nu siwo míewɔna le wo subɔsubɔ me ŋu la ŋu la, míekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu geɖe wu. (Mat. 26:6-10; Luka 21:1-4) Ŋudzedzekpɔkpɔ ma ate ŋu aʋã mí míaɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míadi be míawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. Nyagblɔɖila Yesaya ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí le nɔnɔme si wòle be wòanɔ mía si me. Esi nyagblɔɖilaa se Yehowa ƒe gbe wònɔ biabiam be, ‘Ame kae madɔ, eye ame kae ayi na mí?’ hã la, egblɔ be, ‘Nyee nye esi, dɔm!’—Yes. 6:8.

Aleke Míawɔ Awɔ Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi?

11. (a) Nu ka tae wòhiã be nɔviŋutsuwo naminya agbanɔamedzinɔƒewo le habɔbɔa me? (b) Aleke nɔviŋutsuwo ate ŋu aminya subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwo?

11 Ame 289,678 siwo xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 2008 subɔsubɔƒea me la, na wòdze ƒãa be wohiã na nɔviŋutsu geɖewo be woaxɔ ŋgɔ le hameawo me. Aleke wòle be nɔviŋutsuwo nawɔ nu ɖe hiahiã sia nui? Ne míagblɔe kpuie ko la, eyae nye be woaku kutri aɖo nudidi siwo le Ŋɔŋlɔawo me siwo gbɔ wòle be subɔsubɔdɔwɔlawo kple hamemetsitsiwo naɖo la gbɔ. (1 Tim. 3:1-10, 12, 13; Tito 1:5-9) Alekee nɔviŋutsu aɖe awɔ aɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidi mawo gbɔ? Ate ŋu awɔ esia to gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me dzonɔamemetɔe, hamea me dɔ siwo wode esi la wɔwɔ moveviɖoɖotɔe, agbagbadzedze be yeƒe nyaŋuɖoɖowo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me nanyo ɖe edzi wu, kple ɖetsɔleme ɖeɖe fia hatitadeagulawo dzi. Ato esiawo wɔwɔ dzi aɖee afia be yedea asixɔxɔ akpa si yewɔna le hamea me ŋu.

12. Aleke sɔhɛwo ate ŋu aɖee afia be yewotsɔ dzo ɖe nyateƒea ŋu?

12 Nu kae nɔviŋutsu sɔhɛwo, vevietɔ esiwo le woƒe ƒewuiwo me la, ate ŋu awɔ be woawɔ ŋgɔyiyi le hamea me? Woate ŋu aku kutri atsi “le nunya kple gbɔgbɔ me nugɔmesese” me to nana be Ŋɔŋlɔawo ŋuti sidzedze nasu wo si dzi. (Kol. 1:9) Ne wokua kutri le Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ me hekpɔa gome le hame ƒe kpekpewo me dzonɔamemetɔe la, akpe ɖe wo ŋu woaɖo taɖodzinu ma gbɔ godoo. Mɔ bubu si dzi sɔhɛwo ato awɔ ŋgɔyiyi le hamea mee nye be woaku kutri vevie be woadze age ɖe “dɔwɔwɔ ƒe ʋɔtru gã” si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovoawo la me. (1 Kor. 16:9) Yehowa subɔsubɔ tsɔtsɔ wɔ ame ƒe agbemedɔe hea dzidzeme vavã vanɛ na ame le agbe me, eye wònye dɔ si hea yayra geɖewo vanɛ.—Mixlẽ Nyagblɔla 12:1.

13, 14. Nu kawoe nɔvinyɔnuwo ate ŋu awɔ atsɔ aɖee afia be yewodea asixɔxɔ akpa si yewowɔna le hamea me la ŋu?

13 Nɔvinyɔnuwo hã ate ŋu aɖee afia be yewodea asixɔxɔ gã aɖe mɔnukpɔkpɔ si su yewo si be yewo ŋutɔwo hã yewokpɔa gome le nyagblɔɖi si le Psalmo 68:12 me vava me la ŋu. Mawunyakpukpui ma gblɔ be: “Aƒetɔ la ƒo nu, eye wòna nyɔnu du nyui xɔlawo de ha kpaŋ.” Mɔ vevi aɖe si dzi nɔvinyɔnuwo ate ŋu ato aɖee afia be yewokpɔa ŋudzedze ɖe akpa si yewowɔna le hamea me ŋu lae nye be woanɔ gome kpɔm le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me. (Mat. 28:19, 20) Eya ta ne nɔvinyɔnuwo kpɔa gome le subɔsubɔdɔa me bliboe helɔ̃na faa tsɔa nuwo saa vɔe ɖe dɔ ma ta la, ke wole eɖem le fiafiam be yewodea asixɔxɔ akpa si yewowɔna le hamea me ŋu.

14 Paulo gblɔ le agbalẽ si wòŋlɔ na Tito me be: “Nyɔnu tsitsiwo hã nawɔ nu le mawuvɔvɔ̃ me, . . . woanye nu nyui fialawo; bene woaɖo ŋku edzi na ɖetugbuiwo be woalɔ̃ wo srɔ̃wo, woalɔ̃ wo viwo, woanye ame ɖɔŋuɖowo, agbe dzadzɛ nɔlawo, aƒemedɔwɔlawo, ame nyuiwo, ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo na woawo ŋutɔ wo srɔ̃wo, bene woagaƒo nu gbegblẽ tso Mawu ƒe nya la ŋu o.” (Tito 2:3-5) Ŋusẽkpɔɖeamedzi nyui ka gbegbee nye esi nɔvinyɔnu tsitsi siwo le hamea me la ate ŋu anye! Nɔvinyɔnu siawo ɖoa kpɔɖeŋu nyui na ame bubuwo heɖenɛ fiana be yewodea asixɔxɔ gã aɖe akpa si yewowɔna le hamea me la ŋu ne wodea bubu nɔviŋutsu siwo le ŋgɔ xɔm la ŋu hewɔa nyametsotso nyuiwo le awudodo kple dzadzraɖo kpakple modzakaɖeɖe gome.

15. Nu kawoe nɔvinyɔnu si mekpɔ ɖe srɔ̃ o ate ŋu awɔ atsɔ anɔ te ɖe akogotsitsi nu?

15 Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu asesẽ na nɔvinyɔnu si mekpɔ ɖe srɔ̃ o la be wòakpɔ akpa si wòwɔna le hamea me la adze sii. Nɔvinyɔnu aɖe si to nɔnɔme sia me la gblɔ be: “Trenyenye ate ŋu ana ame nase le eɖokui me ɣeaɖewoɣi be yetsi akogo.” Esi wobiae nu si kpe ɖe eŋu wòte ŋu nɔ te ɖe nɔnɔmea nu la, egblɔ be: “Gbedodoɖa kple nusɔsrɔ̃ kpe ɖe ŋunye megakpɔ akpa si mewɔna la dze sii ake. Mesrɔ̃ nu tso ale si Yehowa buam la ŋu. Le ema megbea, medzea agbagba be mana kpekpeɖeŋu ame bubuwo le hamea me. Esia kpena ɖe ŋunye meɖea susu ɖa le ɖokuinye ŋu.” Le Psalmo 32:8 ƒe nya nu la, Yehowa gblɔ na David be: “Maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.” Ɛ̃, Yehowa tsɔa ɖe le eme na mí esubɔlawo katã, nɔvinyɔnu siwo mekpɔ ɖe srɔ̃ o hã le eme, eye akpe ɖe mí katã ŋu míakpɔ akpa si míewɔna le hamea me la adze sii.

Yi Akpa Si Nèwɔna La Wɔwɔ Dzi!

16, 17. (a) Nu ka tae wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe amekpekpe be míava nye yeƒe habɔbɔa me tɔwo dzi lae nye nyametsotso nyuitɔ kekeake si míate ŋu awɔ? (b) Aleke míawɔ ayi akpa si míewɔna le Yehowa ƒe habɔbɔa me la wɔwɔ dzi?

16 Yehowa he esubɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe va eɖokui gbɔ wòva le ƒomedodo me kplii. Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe ɖe Fofo la, ame si dɔm ɖa la, hee vae.” (Yoh. 6:44) Le ame biliɔn geɖe siwo katã le anyigba dzi dome la, míawoe Yehowa kpe be míava nye yeƒe hamea me tɔwo egbea. Nyametsotso nyuitɔ kekeakee wònye míewɔ esi míelɔ̃ wɔ ɖe eƒe amekpekpe sia dzi. Ena gɔmesese kple taɖodzinu va le míaƒe agbe ŋu. Eye aleke gbegbe dzi dzɔa mí eye míaƒe dzi dzea emee nye esi be míawo hã míewɔa akpa aɖe le hamea me!

17 Hakpalaa gblɔ be, “Yehowa, melɔ̃ wò aƒe nɔƒe,” eye wògagblɔ be, “Nye afɔ tsi tre ɖe teƒe gbadzaa. Makafu Yehowa le takpekpewo me.” (Ps. 26:8, 12) Mawu vavã la naa mía dometɔ ɖe sia ɖe wɔa akpa aɖe le eƒe habɔbɔa me. Ne míeyi edzi wɔna ɖe teokrasimɔfiamewo dzi hewɔa dɔ geɖe le Mawu subɔsubɔ me la, míayi edzi anɔ akpa vevi si míewɔna le Yehowa ƒe ɖoɖoa me la wɔm.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu ka tae wòsɔ be míagblɔ be Kristotɔwo katã wɔa akpa aɖe le hamea me?

• Aleke míeɖenɛ fiana be míedea asixɔxɔ akpa si míewɔna le Mawu ƒe habɔbɔa me la ŋu?

• Nu kawoe ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe akpa si míewɔna le hamea me la dzi?

• Aleke Kristotɔwo, sɔhɛwo kple tsitsiawo siaa, ate ŋu aɖee afia be yewodea asixɔxɔ akpa si yewowɔna le Mawu ƒe ɖoɖo me ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Aleke nɔviŋutsuwo ate ŋu aminya subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwo le hamea me?

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Nu kawoe nɔvinyɔnuwo ate ŋu awɔ atsɔ aɖee afia be yewodea asixɔxɔ akpa si yewowɔna le hamea me la ŋu?