Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

De Asixɔxɔ Mía Nɔvi Tokunɔwo Ŋu!

De Asixɔxɔ Mía Nɔvi Tokunɔwo Ŋu!

De Asixɔxɔ Mía Nɔvi Tokunɔwo Ŋu!

MAWU ƒe ame siwo li egbea la nye ƒome gã aɖe si me gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le, eye wonye ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema la ƒe afɔɖoƒewo yome dzelawo. Blematɔ mawo dometɔ aɖewoe nye Samuel, David, Simson, Raxab, Mose, Abraham, Sara, Noa, kple Habel. Yehowa subɔla wɔnuteƒewo dometɔ geɖewo nye tokunɔwo. Le kpɔɖeŋu me, ame eve gbãtɔ siwo va zu Yehowa Ðasefowo le Mongolia la nye atsu kple asi aɖe siwo nye tokunɔwo. Eye mía nɔvi tokunɔ siwo le Russia la ƒe fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi wɔe be míeɖu dzi le senya aɖe me le Europa Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe la.

Le egbeŋkekeawo me la, “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la na woɖe agbalẽwo gɔme ɖe tokunɔgbe me, ena woɖo tokunɔgbehamewo, eye wowɔ ɖoɖo ɖe takpekpe suewo kple gãwo ŋu na tokunɔwo. (Mat. 24:45) Mɔnuɖoɖo siawo ɖe vi geɖe ŋutɔ na tokunɔwo. * Gake èbu ale si nusɔsrɔ̃ tso Mawu vavã la ŋu ahawɔ ŋgɔyiyi le nyateƒea me nɔ na tokunɔwo do ŋgɔ na mɔnuɖoɖo siawo wɔwɔ ŋu kpɔa? Èbu nu si nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe tokunɔ siwo le miaƒe nutoa me ŋu la ŋu kpɔa?

Ɣeyiɣi Siwo Me Mɔnuɖoɖo Siwo Li Egbea La Menɔ Anyi O

Ke ne èbia nɔvi tsitsi siwo nye tokunɔwo dometɔ aɖewo be woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si esime wonɔ nu srɔ̃m tso Mawu ŋu la, nya kae woagblɔ na wò? Ðewohĩ woagblɔ ale si wose le wo ɖokuiwo me esi wova nyae zi gbãtɔ be ŋkɔ le Mawu si la na wò. Woagblɔ ale si nyateƒenya ɖeka hɔ̃ ma trɔ woƒe agbe helé wo ɖe te ƒe geɖe hafi wova wɔ tokunɔgbe me videowo alo DVD-wo be woatsɔ akpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo me nyateƒenya siwo goglo wu la na wò. Alo ɖewohĩ woagblɔ ale si nuwo nɔ le ɣeyiɣi siwo me womewɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo le tokunɔgbe me o alo ɖea nyawo gɔme ɖe tokunɔgbe me le kpekpewo me o la ŋu nya na wò. Nu si wowɔna boŋ ye nye be, ame aɖe nɔa anyi ɖe wo xa nɔa nya siwo gblɔm wole la ŋlɔm ɖe pɛpa dzi na wo be woatsɔ akpe ɖe wo ŋu be woase nyaa gɔme. Mɔ sia dzie nɔviŋutsu aɖe si nye tokunɔ la to srɔ̃ Biblia me nyateƒewo ƒe adre sɔŋ hafi gbegɔmeɖela aɖe va nɔ nyawo gɔme ɖem ɖe tokunɔgbe me mlɔeba.

Ðasefo tsitsi siwo nye tokunɔwo ɖoa ŋku ale si gbeƒãɖeɖe na ame siwo ‘sea nu’ le gbeadzi nɔna la dzi. Woléa agbalẽvi si dzi woŋlɔ dzeɖonya kpui aɖe ɖo la ɖe asi ɖeka me hedonɛ ɖe dzi tsɔ fiaa aƒemenɔlaa ne wole tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa wɔm, eye woléa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! yeyewo ɖe asi kɛmea me. Avu kple kɔe wònyena na tokunɔwo be woazã agbalẽwo ɖeɖe ko atsɔ asrɔ̃ Biblia kple tokunɔ bubuwo, esi wònye be nufialaawo kple aƒemenɔlaawo siaa mesea nu si woŋlɔ ɖe agbalẽawo me la gɔme nyuie o ta. Gbeƒãɖela tsitsi siwo nye tokunɔwo agblɔ ale si wòtena ɖe wo dzi ne amewo mele woƒe nyawo gɔme sem o si wɔnɛ be womegatea ŋu yia gbɔgbɔmenyateƒenya siwo gblɔm wonɔ dzi o la na wò. Woɖoa ŋku ale si dzi menɔa wo ƒo be woatsɔ nu siwo wosrɔ̃ la ade dɔwɔwɔ me o togbɔ be wolɔ̃ Yehowa vevie hã dzi. Nu ka tae? Le esi womekana ɖe edzi nenye be ale si yewose nya aɖe koŋ gɔmee lae nye nyuitɔa o ta.

Togbɔ be kplamatsɛdonu siawo katã nɔ anyi hã la, mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tokunɔwo yi edzi lé woƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi sesĩe. (Hiob 2:3) Wotsɔ didi vevie kpɔ Yehowa si nu. (Ps. 37:7) Eye ele wo yram fifia wu ale si wo dometɔ geɖe kpɔ mɔ nɛ.

Bu agbagba si gbegbe nɔviŋutsu aɖe si nye srɔ̃ŋutsu kple vifofo la dze ŋu kpɔ. Le ɣeyiɣi siwo me tokunɔgbe me videowo menɔ anyi o la, exɔa ŋgɔ wɔa ƒomenusɔsrɔ̃a kple eƒe ƒomea nuteƒewɔwɔtɔe. Viaŋutsu gblɔ be: “Ƒomenusɔsrɔ̃a wɔwɔ menɔa bɔbɔe na fofonye kura o, elabena agbalẽwo koe li wòate ŋu azã atsɔ afia nu mí. Zi geɖe la, mesea nya siwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me la gɔme nyuie o. Mí ɖeviawo hã míenaa nuwo gasesẽna ɖe edzi nɛ. Kaka wòawɔ vodada aɖe le nyawo me ɖeɖe me ko la, míeɖɔe ɖo hã xoxo. Le esiawo katã me gɔ̃ hã la, exɔa ŋgɔ le míaƒe ƒomenusɔsrɔ̃a me ɣesiaɣi. Esee le eɖokui me be ŋukpe si yeɖuna ɣeaɖewoɣi le esi yemese Eŋlisigbea gɔme nyuie o ta la meɖi naneke o—ke boŋ nu si le vevie wue nye be míasrɔ̃ nane tso Yehowa ŋu.”

Kpɔɖeŋu bubu hãe nye Richard, nɔviŋutsu aɖe si le eƒe ƒe 70-awo me, si nye tokunɔ ganye ŋkunɔ hã, eye wòle Brooklyn, New York, U.S.A. Wonya Richard nyuie be medaa Kristotɔwo ƒe kpekpewo ƒuna o. Be wòade kpekpeawo la, eya ŋutɔ yina ɖaɖoa keteke—enɔa teƒe siwo ketekea tɔna ɖo heɖia amewo la xlẽm ale be yeanya afi si wòle be yeaɖi ɖo. Gbe ɖeka le vuvɔŋɔli aɖe la, sno nɔ dzadzam sesĩe, eye ya sesẽ aɖe hã nɔ ƒoƒom ale gbegbe be wote fli ɖe kpekpea me. Wona hamea me tɔ ɖe sia ɖe nya nu tso eŋu, gake woɖe ŋu ɖi womegblɔe na Richard o. Esi nɔviawo de dzesi nu si dzɔ heyi ɖadi Richard la, woke ɖe eŋu wònɔ tsitre ɖe Fiaɖuƒe Akpataa ŋkume henɔ lalam dzigbɔɖitɔe be woava ʋu ʋɔtruawo. Esi wobiae be nu ka tae wòdo go togbɔ be ya sesẽ nɔ ƒoƒom hã la, eɖo eŋu be, “Melɔ̃ Yehowa.”

Nu Kae Nàte Ŋu Awɔ?

Ðe tokunɔwo le miaƒe nutoa mea? Ðe nàte ŋu asrɔ̃ tokunɔgbe vi aɖe kple susu be nànɔ dze ɖom kpli woa? Zi geɖe la, tokunɔwo bua ame ŋu ŋutɔ, eye wogbɔa dzi ɖi ne wole woƒe gbea fiam ame bubuwo. Ate ŋu adzɔ be nàdo go tokunɔ aɖe le vo me alo le wò subɔsubɔdɔa me. Nu kae nàte ŋu awɔ? Dze agbagba nàɖo dze kplii. Àte ŋu awɔ wò ŋutinuwo, nuŋɔŋlɔ ɖe agbalẽ dzi, nutatawo, fotowo, alo esiawo katã ŋu dɔ. Nenye be amea gblɔ be yemedi be yeasrɔ̃ nyateƒea o gɔ̃ hã la, gblɔ wò sasrãkpɔa ŋu nya na Ðasefo aɖe si nye tokunɔ alo nya tokunɔgbe dodo. Ðewohĩ gbedeasia sese ado dzidzɔ na tokunɔa wu nenye be tokunɔgbe mee wogblɔe le nɛ.

Ðewohĩ èle tokunɔgbe srɔ̃m hele tokunɔgbehame aɖe me. Aleke nàwɔ ase tokunɔgbea nyuie ahabi ɖe eme? Togbɔ be anɔ eme be ame siwo sea nu hã le miaƒe hamea me hã la, ɖe manyo wu be nànɔ tokunɔgbe dom kple woawo gɔ̃ hã oa? Esia akpe ɖe ŋuwò nàbu tame le tokunɔgbe me. Ɣeaɖewoɣi la, àdi be yeaƒo nu ŋutɔŋutɔ le esi teƒe be nàdo tokunɔgbe. Gake abe ale si wòle le gbe ɖe sia ɖe sɔsrɔ̃ gome ene la, ele be nàsẽ ŋkume hafi ate ŋu aɖu tu nɛ.

Ne míekua kutri vevie doa tokunɔgbe la, ekema míele eɖem fia be míelɔ̃ mía nɔvi tokunɔwo eye míedea bubu wo ŋu hã. Bu ale si tokunɔwo kpea fui gbe sia gbe le dɔ me alo le suku le esi wometea ŋu sea nya si gblɔm amewo le gɔme o ta la ŋu kpɔ ko. Nɔviŋutsu aɖe si nye tokunɔ la gblɔ be: “Ame siwo medoa goe gbe sia gbe la katã ƒoa nu. Zi geɖe la, mesena le ɖokuinye me be metsi akogo, eye ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam o. Esia tena ɖe dzinye eye dzi kuam gɔ̃ hã. Ale si mesena le ɖokuinye me ɣeaɖewoɣi la wu gbɔgblɔ.” Ele be míaƒe kpekpewo nanye afi siwo mía nɔvi tokunɔwo nakpɔ dzidzeme, axɔ gbɔgbɔmenuɖuɖuwo ahakpɔ gome le hadede kple dzeɖoɖo tuameɖowo me le.—Yoh. 13:34, 35.

Ele be míaɖo ŋku edzi hã be tokunɔwo ƒe ƒuƒoƒo sue geɖewo li siwo kpena kple hame aɖewo siwo menye tokunɔgbehamewo o. Woɖea nyawo gɔme ɖe tokunɔgbe me na wo. Be hamea me tɔ siwo nye tokunɔwo la nase nya siwo gblɔm wole gɔme nyuie la, wonɔa anyi ɖe ŋgɔgbezikpuiawo dzi le Fiaɖuƒe Akpataa me. Esia wɔnɛ be wotea ŋu kpɔa nuƒolaa kpakple gbegɔmeɖelaa siaa nyuie wu, eye ame aɖeke mexea wo ŋkume o. Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be eteƒe medidina kura hafi esia va maa hamea me tɔ mamlɛawo o, eye megahea woƒe susu hã o. Ðoɖo sia ke dzie wozɔna ɖo le takpekpe suewo kple gãwo, siwo me woɖea gbe gɔme ɖe tokunɔgbe me la, hã me. Hamea me tɔ dovevienuwo dze na kafukafu ŋutɔ ɖe ale si woɖea gbea gɔme abe ale si ko tokunɔwo ŋutɔ aƒo nui ene ta—woɖea egɔme gɔmesese nɔa eŋu, eye wòsɔna ɖe tokunɔgbea nu.

Ðewohĩ èle hame aɖe si kpɔa tokunɔgbeƒuƒoƒo aɖe dzi alo esi me tokunɔ ʋɛ aɖewo le eye woɖea nyawo gɔme ɖe tokunɔgbe me na wo la me. Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ aɖe ɖetsɔleme afia mía nɔvi tokunɔ siawo? Kpe wo va aƒewò me. Ne anya wɔ la, srɔ̃ tokunɔgbe vi aɖe. Mègavɔ̃ be esi yemese tokunɔgbe o ta dze manya ɖo na yewo o. Godoo la, miakpɔ mɔ aɖe si dzi miato aɖo dze, eye lɔlɔ̃ɖeɖefia sia ava zu nu si dzi mianɔ ŋku ɖomee kple dzidzɔ. (1 Yoh. 4:8) Nu geɖe li siwo ana nàse vivi na hadede kple mía nɔvi Ðasefo siwo nye tokunɔwo. Wonye dzeɖola nyuiwo, woɖea abla le nugɔmesese me, eye wodoa nukokoe na ame ŋutɔ. Nɔviŋutsu aɖe si dzila eveawo siaa nye tokunɔwo la gblɔ be: “Le nye agbe me ŋkekewo katã me la, tokunɔwo dome ko menɔ, eye nyemate ŋu aɖo nu siwo gbegbe mekpɔ tso wo gbɔ la teƒe na wo gbeɖe o. Nu geɖe li míate ŋu asrɔ̃ tso mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tokunɔwo gbɔ.”

Yehowa lɔ̃a esubɔla wɔnuteƒewo, eye elɔ̃ wo dometɔ siwo nye tokunɔwo hã. Kakaɖedzitɔe la, xɔse kple dzidodo ƒe kpɔɖeŋu siwo woɖona la hã wɔe be Yehowa ƒe habɔbɔa le etɔxɛ ŋutɔ. Eya ta mina míade asixɔxɔ mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tokunɔwo ŋu!

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Kpɔ nyati si nye “Yehowa Kɔ Ŋkume Ðe Wo,” si dze le August 15, 2009, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Fiaɖuƒegbedeasia sese ado dzidzɔ na tokunɔ wu nenye be tokunɔgbe mee wogblɔe le nɛ

[Nɔnɔmetata siwo le axa 32]

Ele be míaƒe kpekpewo nanye afi siwo mía nɔvi tokunɔwo kpɔa dzidzeme kple gbɔgbɔmetutuɖo le