Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ele Be Mí Mawu Subɔlawo Míanɔ Nɔnɔme Nyuiwo Ðem Fia

Ele Be Mí Mawu Subɔlawo Míanɔ Nɔnɔme Nyuiwo Ðem Fia

Ele Be Mí Mawu Subɔlawo Míanɔ Nɔnɔme Nyuiwo Ðem Fia

“Mizu Mawu srɔ̃lawo.”—EF. 5:1.

1, 2. (a) Nu ka tae nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia le vevie? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

AGBALẼŊLƆLA aɖe si ŋkɔe nye Sue Fox gblɔ ku ɖe amebubu ŋu be: “Dzudzɔxɔxɔ aɖeke mele nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia me o. Amebubu hiã le afi sia afi, ehiã ɣeawokatãɣi.” Ne amewo dea bubu wo nɔewo ŋu ɣesiaɣi la, masɔmasɔ siwo nɔa wo dome dzi ɖena kpɔtɔna, eye zi geɖe la, masɔmasɔawo megava nɔa anyi kura o. Gake ne womewɔnɛ o la, nu si to vovo na emae dzɔna. Nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu amemabumabutɔe hea dzre, dziku, kple blanuiléle vanɛ.

2 Ele eme be Kristo hamea me tɔ akpa gãtɔ nye ame siwo ɖea nɔnɔme nyuiwo fiana ya. Gake ehiã be míakpɔ nyuie be míagava srɔ̃ nɔnɔme gbegblẽ siwo xɔ aƒe ɖe xexea me la gbeɖe o. Mina míakpɔ ale si Biblia me gɔmeɖosewo tsɔtsɔ wɔ dɔe le bubudeameŋu ƒe nya sia me ate ŋu akpɔ mía ta le go sia me ahahe amewo ava tadedeagu vavãtɔ gbɔ la ɖa. Be míase nu si nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia lɔ ɖe eme gɔme bliboe la, mina míadzro kpɔɖeŋu siwo Yehowa Mawu kple Via ɖo ɖi na mí la me.

Yehowa Kple Via Ðo Nɔnɔme Nyuiwo Ðeɖe Fia Ƒe Kpɔɖeŋuwo Ði

3. Bubudeameŋu ƒe kpɔɖeŋu kae Yehowa Mawu ɖo ɖi?

3 Yehowa Mawu ɖo bubudeameŋu ƒe kpɔɖeŋu deblibo ɖi. Togbɔ be ɖoƒe kɔkɔ aɖee wòle abe xexea me katã ƒe Dziɖulagã ene hã la, ewɔa nu ɖe amegbetɔwo ŋu le bubu kple dɔmenyo gã aɖe me. Esime Yehowa nɔ nu ƒom na Abraham kple Mose siaa la, ezã Hebrigbe me nya aɖe si gɔme woɖena zi geɖe be “Meɖe kuku.” (1 Mose 13:14; 2 Mose 4:6, NW) Ne eƒe dɔlawo da vo la, Yehowa nyea “nublanuikpɔla kple amenuvela,” ame si ‘gbɔa dzi blewu, eye amenuveve kple nyateƒe bɔ ɖe esi.’ (Ps. 86:15) Eto vovo sãsãsã na amegbetɔ aɖewo siwo doa dziku helĩhelĩ ne amewo mewɔ nu abe ale si wole mɔ kpɔm nɛ ene o.

4. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋu ne ame aɖe le nu ƒom na mí?

4 Ale si Mawu ɖea nɔnɔme nyuiwo fiana la dzena kɔtɛ le ale si wòɖoa to amegbetɔwoe hã me. Esime Abraham nɔ nyawo biam ku ɖe Sodomtɔwo ŋu la, Yehowa tsɔ dzigbɔɖi ɖo nyabiase ɖe sia ɖe ŋu nɛ. (1 Mose 18:23-32) Mebu nya siwo Abraham nɔ ebiam la be enye ɣeyiɣi gbegblẽ na ye o. Yehowa ɖoa to esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo kple nu vɔ̃ wɔla trɔdzimewo ƒe ɣlidodowo. (Mixlẽ Ps. 51:13, 19.) Ðe mele be míasrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋu to toɖoɖo amewo ne wole nu ƒom na mí me oa?

5. Aleke bubudeameŋu ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la sɔsrɔ̃ ate ŋu ana ƒomedodo si le mía kple ame bubuwo dome nanyo ɖe edzii?

5 Nu gbogbo siwo Yesu Kristo srɔ̃ tso Fofoa gbɔ la dometɔ ɖekae nye bubudede amewo ŋu. Togbɔ be ɣeaɖewoɣi la, Yesu ƒe subɔsubɔdɔa xɔa ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe le esi hã la, egbɔa dzi ɖi na amewo henyoa dɔme na wo ɣesiaɣi. Kpodɔlélawo kple ŋkuagbãtɔ siwo da ahe ale gbegbe be nue wobiana hafi kpɔa nu ɖuna kpakple ame bubu siwo hiã na kpekpeɖeŋu la kpɔe be Yesu nɔ klalo helɔ̃ faa be yeakpe ɖe yewo ŋu. Togbɔ be mekpea ameawo hafi wovana o hã la, etsɔa ɖe le eme na wo. Zi geɖe la, edzudzɔa nu si wɔm wònɔ la hekpena ɖe ame siwo tsi dzimaɖi vevie la ŋu. Yesu ɖe ameŋububu ɖedzesi aɖe fia ame siwo xɔ edzi se. (Mar. 5:30-34; Luka 18:35-41) Mí Kristotɔwo míesrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu to ale si míenyoa dɔme na amewo hekpena ɖe wo ŋu me. Míaƒe ƒometɔwo, aƒelikawo, kple ame bubuwo dea dzesi agbenɔnɔ nyui ma. Gawu la, esia hea ŋutikɔkɔe vanɛ na Yehowa eye wònana míekpɔa dzidzɔ.

6. Vividoɖeameŋu kple xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi?

6 Yesu gade bubu amewo ŋu hã to woƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ yɔyɔ na wo me. Ðe Yuda subɔsubɔhakplɔlawo hã de bubu amewo ŋu nenema? Ao. Wobua ame siwo menya Sea o la be “fiƒodemewoe” wonye, eye wowɔa nu ɖe wo ŋu nenema hã. (Yoh. 7:49) Mawu ƒe Vi la mewɔ nu ɖe amewo ŋu nenema o. Marta, Maria, Zaxeo kple ame bubu geɖewo see wòyɔ woƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ na wo. (Luka 10:41, 42; 19:5) Togbɔ be dekɔnuwo alo nɔnɔme aɖewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si míeyɔa amewoe egbea dzi hã la, Yehowa subɔlawo dzea agbagba doa vivi ɖe amewo ŋu. * Womeɖea mɔ vovototodede amewo me le ɖoƒe si wole ta naa wogbea bubu si woƒe haxɔsetɔwo kple ame bubuwo dze na la dede wo ŋu o.—Mixlẽ Yakobo 2:1-4.

7. Alekee Biblia me gɔmeɖosewo kpena ɖe mía ŋu le bubudede mía havi amegbetɔwo ŋu le afi sia afi me?

7 Ale si Mawu kple Via wɔa nu ɖe dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo katã me tɔwo ŋu ameŋububutɔe la nyea bubudede wo ŋu, eye wòhea ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le la vaa nyateƒea gbɔe. Le nyateƒe me la, teƒe ɖe sia ɖe kple nu si wobuna be enye nɔnɔme nyui ɖeɖe fia. Eya ta míeléa se kpaɖi aɖeke me ɖe asi ku ɖe nu si nye nɔnɔme nyui ɖeɖe fia ŋu o. Ke boŋ míeɖea mɔ Biblia me gɔmeɖosewo fiaa mɔ mí míedana sɔna le ale si míade bubu mía havi amegbetɔwo ŋu le afi sia afi si míele la me. Mina míakpɔ ale si bubudede amewo ŋu ate ŋu ana míakpɔ dzidzedze geɖe wu le míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me ɖa.

Gbedodo Na Amewo Kple Nuƒoƒo Na Wo

8, 9. (a) Numame kae amewo abu be enye nɔnɔme manyomanyo ɖeɖe fia? (b) Nu ka tae wòle be míana Yesu ƒe nya siwo le Mateo 5:47 la nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si míewɔa nu ɖe amewo ŋui la dzi?

8 Le hloloetsotso ƒe xexe si me míele egbea me la, edzɔna zi geɖe be ame eve toa wo nɔewo ŋu, eye womegblɔna na wo nɔewo be “medo gbe na wò” alo “efɔ nyuiea?” teti o. Ele eme be womakpɔ mɔ be ame aɖe nado gbe na ame sia ame si wòado goe le mɔ si dzi amewo sɔ gbɔ ɖo fũu dzi ya o. Gake le nɔnɔme bubu geɖewo me la, esɔ eye wònyo hã be woado gbe na amewo. Ðe gbedodo na amewo nye numame na wòa? Alo ɖe wòdzɔna zi geɖe be ètoa amewo ŋu evɔ mèkoa alɔgbɔnu alo gblɔa vividoɖeameŋunya aɖeke na wo oa? Togbɔ be manye susu vɔ̃ ye le ame aɖe si o hã la, nɔnɔme aɖewo siwo le nyateƒe me la wonye nɔnɔme manyomanyowo la ate ŋu ava atsi esi.

9 Yesu gblɔ nya aɖe si nye ŋkuɖodzinya na mí be: “Ne mia nɔviwo koe miedoa gbe na ɖe, nu tɔxɛ kae wònye wɔm miele? Ðe dukɔwo me tɔwo hã mewɔa nenema ke oa?” (Mat. 5:47) Aɖaŋuɖola Donald Weiss ŋlɔ ku ɖe nya sia ŋu bena: “Evea amewo ne ame aɖe kpɔ wo gake to wo ŋu gbemadomadoe. Nya la koe nye be womate ŋu ado taflatsɛ aɖeke na ame siwo womedo gbe na o woase egɔme o. Egbɔkpɔnua koe nye be: Do gbe na amewo. Ƒo nu na wo.” Nenye be míetsɔa ɖe le eme na amewo hedoa vivi ɖe wo ŋu si wɔe be mía kpli wo dome le nyuie la, nu nyuiwo ado tso eme.

10. Aleke nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia ate ŋu ana míakpɔ dzidzedze le subɔsubɔdɔa me? (Kpɔ aɖaka si nye  “Dze Egɔme Kple Alɔgbɔnukoko Vividoɖeameŋutɔe.”)

10 Bu srɔ̃tɔ Kristotɔ aɖewo siwo ŋkɔwoe nye Tom kple Carol siwo le Dziehe Amerika ƒe du aɖe me la ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Woɖoe koŋ nɔa dze dodzidzɔnamewo ɖom kple woƒe aƒelikawo le woƒe subɔsubɔdɔa me. Aleke wowɔnɛ? Tom yɔ nya tso Yakobo 3:18 hegblɔ be: “Míedzea agbagba be míawɔ nu ɖe amewo ŋu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe ahanɔ ŋutifafa me kpli wo. Míetena ɖe ame siwo míekpɔ wotɔ ɖe woƒe aƒewo ŋkume kple ame siwo le dɔ wɔm le nutoa me la ŋu. Míekoa alɔgbɔnu na wo hedoa gbe na wo. Míeƒoa nu tso nu siwo me wotsɔa ɖe le la ŋu—wo viwo, woƒe avũwo, woƒe aƒewo, kple woƒe dɔwɔɖuiwo. Vivivi la, wova bua mí wo xɔlɔ̃woe.” Carol hã gblɔ kpee be: “Ne míetrɔ yi wo gbɔ la, míeyɔa míaƒe ŋkɔ na wo hebiaa wo tɔ. Míekaa nu si wɔm míele le nutoa me la ta na wo, gake míenaa dzeɖoɖoa nɔa kpuie. Eye mlɔeba la, míetea ŋu ɖia ɖase na wo.” Esia wɔe be Tom kple Carol ƒe aƒelikawo dometɔ geɖe va kana ɖe wo dzi. Wo dometɔ geɖe lɔ̃ xɔ Biblia srɔ̃gbalẽwo, eye wo dometɔ ʋɛ aɖewo kpɔa dzidzɔ ɖe nyateƒea sɔsrɔ̃ ŋu ŋutɔ.

Bubudede Amewo Ŋu Le Nɔnɔme Sesẽwo Me

11, 12. Nu ka tae wòle be míakpɔ mɔ be ame aɖewo mawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie le nya nyui gbeƒãɖeɖe dɔa me o, eye aleke wòle be míawɔ nui?

11 Ɣeaɖewoɣi la, ne míele gbeƒã ɖem nya nyuia la, amewo wɔa nu ɖe mía ŋu amemabumabutɔe. Míenya be anɔ alea, elabena Kristo Yesu na nyanya eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne woti yonyeme la, ekema woati miawo hã mia yome.” (Yoh. 15:20) Gake ne amewo gblɔ vlodoamenyawo ɖe mía ŋu eye míawo hã míegblɔ nya mawo tɔgbi ɖe wo ŋu la, nu nyui aɖeke mado tso eme o. Ekema aleke wòle be míawɔ nui? Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Mikɔ Kristo la ŋu abe Aƒetɔ ene, le miaƒe dziwo me, eye minɔ dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi be miaʋli mɔkpɔkpɔ si le mia si la ta le ame sia ame si abia nya mi tso eŋu la ŋkume, gake mitsɔ tufafa kple bubu deto wɔ esiae.” (1 Pet. 3:15) Ne míeɖea nɔnɔme nyuiwo fiana—si fia be míeɖoa nya ŋu le tufafa kple bubu me—la ate ŋu ana ame siwo dzua mí la nadi be yewoaɖo to gbedeasia.—Tito 2:7, 8.

12 Ðe míate ŋu adzra ɖo ɖe tenɔnɔ ɖe nya vlowo gbɔgblɔ ɖe mía ŋu nu le mɔ si adze Mawu ŋu ŋua? Ɛ̃. Paulo ɖo aɖaŋu na mí be: “Mina miaƒe nya nadze to ɣesiaɣi, eye dze nanɔ eme, bene mianya ale si wòle be miaɖo nya ŋu na ame sia ame.” (Kol. 4:6) Ne ezu numame na mí be míewɔa nu bubutɔe ɖe ƒomea me tɔwo, sukuhatiwo, dɔwɔhatiwo, hamea me tɔwo, kple míaƒe nutoa me tɔwo ŋu la, ke míanɔ dzadzraɖoɖi nyuie wu be míakpe akɔ kple amewo ƒe fewuɖuɖu kple dzudzu le mɔ si dze mí Kristotɔwo nu.—Mixlẽ Romatɔwo 12:17-21.

13. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖe ale si bubudeameŋu ate ŋu ana tsitretsiɖeŋula nalɔ̃ aɖo to gbedeasia la fia.

13 Nu nyuiwo dona tso eme ne míeɖe nɔnɔme nyuiwo fia le nɔnɔme sesẽwo me. Le kpɔɖeŋu me, le Japan la, aƒemenɔla aɖe kple eƒe amedzro siaa ɖu fewu le Ðasefo aɖe ŋu. Nɔviŋutsua dzo le wo gbɔ bubutɔe. Esi nɔviŋutsua yi gbeƒãɖeɖedɔa dzi le anyigbamama ma me la, ede dzesii be amedzroa va tɔ ɖe teƒe aɖe si medidi tso egbɔ o nɔ ekpɔm. Esi nɔviŋutsua te ɖe eŋu la, ŋutsua gblɔ be: “Nu si dzɔ la vem ŋutɔ. Mede dzesii be togbɔ be míedo nu ɖe gbɔwò hã la, alɔgbɔnu ko kom nènɔ. Nu kae wòle be mawɔ be manɔ abe wò ene?” Esi wònye be dɔ ge le ŋutsua si eye dadaa hã ku ɣeyiɣi kpui aɖe koe nye ema ta la, dzidzɔkpɔkpɔ bu ɖee kura. Ðasefoa do Biblia sɔsrɔ̃ ɖe egbɔ, eye wòlɔ̃. Eteƒe medidi o ete nusɔsrɔ̃ zi eve le kwasiɖa me.

Mɔ Nyuitɔ Si Dzi Woato Asrɔ̃ Amebubu

14, 15. Aleke Yehowa subɔla siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me na hehe wo viwoe?

14 Dzila mawuvɔ̃la siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me kpɔa egbɔ be yewofia yewo viwo amebubu le aƒe me. Bu ale si Abraham kple via Isak ƒo nu na wo nɔewo bubutɔe abe ale si wòdze le 1 Mose 22:7 me ene ŋu kpɔ. Edze ƒãa le Yosef hã gome be edzilawo na hehee nyuie. Esi wònɔ gaxɔ me la, edea bubu eƒe hatigaxɔmenɔla bubuwo gɔ̃ hã ŋu. (1 Mose 40:8, 14) Ale si wòƒo nu na Farao la ɖee fia be esrɔ̃ ale si wòaƒo nu bubutɔe na amegãwo.—1 Mose 41:16, 33, 34.

15 Se Ewo siwo wotsɔ na Israel viwo dometɔ ɖekae nye: “Bu fofowò kple dawò, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, ana wò la dzi.” (2 Mose 20:12) Mɔ siwo dzi ɖeviwo ato ade bubu wo dzilawo ŋu la dometɔ ɖekae nye be woanɔ nɔnɔme nyuiwo ɖem fia le aƒe me. Yefta vinyɔnua de bubu manyagblɔ aɖe fofoa ŋu esi wòlɔ̃ wɔ ɖe adzɔgbe si fofoa ɖe la dzi, togbɔ be enye dodokpɔ sesẽ aɖe ŋutɔ nɛ hã.—Ʋɔn. 11:35-40.

16-18. (a) Aleke woate ŋu afia nɔnɔme nyuiwo ɖeviwo? (b) Nu nyui siwo dona tso nɔnɔme nyuiwo fiafia ɖeviwo me la dometɔ aɖewo ɖe?

16 Ðeviwo hehe be woanya ale si woaɖe nɔnɔme nyuiwo afia le vevie ale gbegbe. Hafi ɖeviwo natsi azu ame tsitsi ɖɔʋuwo la, ele be woasrɔ̃ ale si woado gbe na amedzrowo bubutɔe, ale si woaƒo nu na ame le telefon dzi kple ale si woaɖu nu kple amewo bubutɔe. Ele be woakpe ɖe wo ŋu woase nu si tae wòle be woalé ʋɔ ɖe asi na amewo woava yi, woawɔ nu ɖe ame tsitsiwo kple dɔnɔwo ŋu ameŋububutɔe, ahadoe ɖa be yewoaxɔ agba akpe amewo la gɔme. Ele be woase nu si tae wòle vevie be woasrɔ̃ “meɖe kuku,” “akpe,” “mesu akpe o,” “meɖe kuku makpe ɖe ŋuwòa?,” kple “nyemenya hafi wɔe o” alo “nyemewɔe nyuie o” gbɔgblɔ la gɔme.

17 Mele be ɖeviwo hehe be woade bubu amewo ŋu nasesẽ o. Mɔ nyuitɔ si dzi woate ŋu ato awɔ esiae nye be dzilawo naɖo kpɔɖeŋu nyui na wo. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Kurt, si xɔ ƒe 25 la gblɔ nya siwo gbɔna la tsɔ ɖe ale si eya kple nɔviaŋutsu etɔ̃awo srɔ̃ amebubui la fia: “Míenɔa ŋku lém ɖe Papa kple Dada ŋu henɔa to lém ɖe ale si woƒoa nu na wo nɔewo bubutɔe hewɔa nu ɖe amewo ŋu le dzigbɔɖi kple ameŋububu me la ŋu. Ne míele Fiaɖuƒe Akpata me la, Papa kplɔam míeyina ɖaɖoa dze kple nɔvi tsitsiwo do ŋgɔ na kpekpea gɔme dzedze kple kpakpã vɔ megbe siaa. Mesea ale si wòdoa gbe na woe hekpɔa ale si wòdea bubu wo ŋui.” Kurt gblɔ yi edzi be: “Vivivi la, eƒe nɔnɔme nyuiawo va tsi asinye. Esia wɔe be nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu bubutɔe vana le eɖokui si. Menye esi wòle be nàwɔ nu nenema tae o, ke boŋ esi nèdi be yeawɔe tae.”

18 Nu nyui kawoe ate ŋu ado tso eme ne dzilawo fiaa nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia wo viwo? Anɔ bɔbɔe na ɖeviawo be woadze xɔlɔ̃wo ahanɔ ŋutifafa me kple amewo. Ana woasu te nyuie be woawɔ dɔ kple woƒe dɔtɔwo kple dɔwɔhatiwo. Gawu la, ɖevi siwo dea bubu amewo ŋu, ɖea nɔnɔme nyuiwo fiana hewɔa nu si le eteƒe la, hea dzidzɔ kple dzidzeme vanɛ na wo dzilawo.—Mixlẽ Lododowo 23:24, 25.

Nɔnɔme Nyuiwo Ðeɖe Fia Nana Míetoa Vovo

19, 20. Nu ka tae wòle be míaɖoe kplikpaa be míasrɔ̃ Mawu kple Via, siwo nye ameŋubulawo la, ƒe kpɔɖeŋuwo?

19 Paulo ŋlɔ bena: “Mizu Mawu srɔ̃lawo, abe lɔlɔ̃viwo ene.” (Ef. 5:1) Yehowa Mawu kple Via sɔsrɔ̃ bia be míatsɔ Biblia me gɔmeɖosewo, abe esiwo me míedzro le nyati sia me ene, ade dɔwɔwɔ me. Ne míewɔe nenema la, míaƒo asa na alakpanuwɔwɔ si nye bubudede ame ŋkutawo ŋu bene míadze wo ŋu alo be míakpɔ ŋutilãmeviɖewo.—Yuda 16.

20 Le Satana ƒe dziɖuɖu vɔ̃ɖia ƒe ŋkeke mamlɛ siawo me la, eɖoe kplikpaa be yeaɖe nuwɔwɔ amebubutɔe ƒe dzidzenu siwo Yehowa ɖo anyi la ɖa keŋkeŋ. Gake Abosam ado kpo nu le agbagba si dzem wòle vevie be yeana Kristotɔ vavãwo nadzudzɔ nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia la me. Neva eme be mía dometɔ ɖe sia ɖe naɖoe kplikpaa be yeasrɔ̃ mía Mawu kple Via, siwo nye ameŋubulawo la, ƒe kpɔɖeŋuwo. Ekema míaƒe nuƒoƒo kple agbenɔnɔ ato vovo na ame siwo tiae be yewoanɔ nɔnɔme gbegblẽwo ɖem fia la tɔ ɣesiaɣi. To esia dzi la, míahe kafukafu ava Yehowa, mía Mawu si ɖea nɔnɔme nyuiwo fiana la, ƒe ŋkɔ dzi, eye wòahe dzi anukwaretɔwo ava tadedeagu vavãtɔa gbɔ.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Le dekɔnu aɖewo me la, wobunɛ be enye amemabumabu be ame aɖe nayɔ ame si tsi wui la ƒe ŋkɔ negbe ɖe ame tsitsia ŋutɔ gblɔ be wòayɔ ye nenema. Anyo be Kristotɔwo nade bubu dekɔnu mawo ŋu.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu kae míesrɔ̃ tso Yehowa kple Via ŋu ku ɖe nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia ŋu?

• Nu ka tae gbedodo na amewo vividoɖeameŋutɔe ƒoa nu nyui tso mí Kristotɔwo ŋu?

• Aleke bubudede amewo ŋu nana míekpɔa dzidzedze le míaƒe subɔsubɔdɔa me?

• Akpa kae dzilawo wɔna le nɔnɔme nyuiwo fiafia wo viwo me?

[Biabiawo]

[Aɖaka si le axa 27]

 Dze Egɔme Kple Alɔgbɔnukoko Vividoɖeameŋutɔe

Esesẽna na ame geɖe be woadze dzeɖoɖo gɔme kple ame aɖe si womenya o. Gake lɔlɔ̃ si le Yehowa Ðasefowo si na Mawu kple wo haviwo wɔe be wodzea agbagba vevie srɔ̃a ale si woaɖo dze kple amewo ale be woate ŋu agblɔ Biblia me nyateƒea na wo. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ŋgɔyiyi le go sia me?

Gɔmeɖose vevi aɖe dze le Filipitɔwo 2:4, si gblɔ be: “Miaƒe ŋku naganɔ mia ŋutɔwo ƒe nuwo ƒe nyonyo ɖeɖe ko ŋu o, ke nenɔ ame bubuwo tɔ hã ƒe nyonyo ŋu.” Bu eŋu ale: Ne èdo go ame aɖe si mèkpɔ kpɔ o la, abu wò ame tutɔe. Nu kae nàte ŋu awɔ be wòaɖe dzi ɖi? Alɔgbɔnukoko na amea vividoɖeameŋutɔe kple gbedodo nɛ xɔlɔ̃wɔwɔtɔe ate ŋu awɔ akpa aɖe. Ke hã, nu bubu aɖe gali si ŋu wòle be nàbu.

Ne èdo dzeɖoɖo ɖe ame aɖe gbɔ la, ate ŋu adzɔ be èna eƒe susu dzo sẽ le nu si ŋu bum wònɔ la ŋu. Ne ète kpɔ be yeadzro nu si le susu me na wò me kplii, evɔ mètsɔ ɖeke le nu si ŋu bum eya nɔ me o la, ɖewohĩ maxɔ wò nyuie o. Eya ta ne anya wɔ be nànya nu si ŋu bum amea nɔ hafi nèva la, ɖe manyo be nànɔ te ɖe ema dzi adze dzeɖoɖo gɔme kplii oa? Nu ma tututue Yesu wɔ esi wòdo go nyɔnu aɖe le vudo aɖe to le Samaria. (Yoh. 4:7-26) Nyɔnua ƒe susu katã nɔ tsikuku ŋu. Yesu nɔ te ɖe ema dzi dze dzeɖoɖo gɔme kplii, eye wòtrɔe wòzu dzeɖoɖo dodzidzɔname aɖe ku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Nuwɔwɔ xɔlɔ̃wɔwɔtɔe ate ŋu aʋu ɖaseɖiɖi ƒe mɔnukpɔkpɔ nyuiwo ɖi na mí

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Enyo be míaɖe nɔnɔme nyuiwo afia ɣesiaɣi