Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mina Míaƒe Nɔvilɔlɔ̃ Nayi Edzi Anɔ Dzidzim Ðe Edzi

Mina Míaƒe Nɔvilɔlɔ̃ Nayi Edzi Anɔ Dzidzim Ðe Edzi

Mina Míaƒe Nɔvilɔlɔ̃ Nayi Edzi Anɔ Dzidzim Ðe Edzi

“Miyi edzi miazɔ le lɔlɔ̃ me, abe ale si ko Kristo la hã lɔ̃ mi . . . ene.”—EF. 5:2.

1. Nu vevi kae Yesu gblɔ be woatsɔ ade dzesi ye yomedzelawo?

GBEƑÃÐEÐE Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia tso aƒe me yi aƒe me nye nu vevi aɖe si amewo tsɔ dea dzesi Yehowa Ðasefowo. Ke hã, Kristo Yesu ya ƒo nu tso Kristotɔnyenye ƒe akpa bubu aɖe si dea dzesi eƒe nusrɔ̃la vavãwo ŋu. Egblɔ be: “Se yeye nam mele mi, be mialɔ̃ mia nɔewo; abe ale si melɔ̃ mi ene la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo. Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—Yoh. 13:34, 35.

2, 3. Dɔ kae nɔvilɔlɔ̃ si míeɖena fiana la wɔna ɖe ame siwo dea míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo la dzi?

2 Lɔlɔ̃ si le Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ vavãa me la tɔgbi aɖeke mele ameƒomea ƒe habɔbɔ bubu aɖeke me o. Abe ale si ko galékpe hea ga ɖe eɖokui ŋui ene la, nenema kee lɔlɔ̃ hea Yehowa subɔlawo wowɔa ɖeka, eye esia hea dzi anukwaretɔwo vaa tadedeagu vavã la gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, bu Marcelino, ŋutsu aɖe si le Cameroon, si dzi afɔku aɖe dzɔ ɖo le dɔ me si na eƒe ŋkuwo gbã la ŋu kpɔ. Le afɔkua megbe la, wonɔ wobewobewo sem be esi wònye adzetɔ tae eƒe ŋkuwo gbã ɖo. Le esi eƒe osɔfo kple sɔlemeha me tɔwo nade dzi ƒo nɛ teƒe la, ɖe woɖee le ha me boŋ. Esi Yehowa Ðasefo aɖe kpe Marcelino na kpekpe aɖe la, enɔ hehem ɖe megbe, elabena enɔ vɔvɔ̃m be amewo agagbe nu le ye gbɔ le afi ma hã.

3 Nu si teƒe Marcelino kpɔ le Fiaɖuƒe Akpataa me la wɔ nuku nɛ. Woxɔe vividoɖeameŋutɔe, eye Biblia me nya siwo wòse le kpekpea me la fa akɔ nɛ ŋutɔ. Ete hame ƒe kpekpewo katã dede, wɔ ŋgɔyiyi le eƒe Biblia sɔsrɔ̃ me, eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 2006 me. Fifia ele nyateƒea fiam eƒe ƒomea kple aƒelikawo, eye wòdze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kple ame geɖe. Marcelino di be ame siwo yesrɔ̃a Biblia kple la hã nava kpɔe be lɔlɔ̃ le Mawu ƒe amewo dome abe ale si ye ŋutɔ hã yekpɔe ene.

4. Nu ka tae wòle be míawɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo be “miyi edzi miazɔ le lɔlɔ̃ me” la dzi?

4 Togbɔ be míaƒe nɔvilɔlɔ̃a nye nɔnɔme nyoameŋu aɖe ŋutɔ hã la, ehiã be míawɔ míaƒe akpa dzi hafi wòayi edzi anɔ anyi. Tsɔe be zã do eye vuvɔ le wɔwɔm, wodo dzo ɖe teƒe aɖe wòle bibim nyuie eye amewo va le dzoa ƒum. Ne ame siwo le dzoa ƒum la mele nake dem dzoa me hele etum ɖo o la, atsi. Nenema kee lɔlɔ̃ wɔnuku si le hamea me la nu atsi ne Kristo hamea me tɔ ɖe sia ɖe mewɔ eƒe akpa dzi tui ɖo o. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Apostolo Paulo ɖo eŋu be: “Miyi edzi miazɔ le lɔlɔ̃ me, abe ale si ko Kristo la hã lɔ̃ mi, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe mia ta wònye nunana kple vɔsa na Mawu, be wòanye ʋeʋẽ lilili la ene.” (Ef. 5:2) Nyabiase si me míedi be míadzro ye nye be, Aleke míawɔ ayi edzi azɔ le lɔlɔ̃ me?

“Miawo Hã Mikeke Mia Ðokui”

5, 6. Nu ka tae Paulo de dzi ƒo na Kristotɔ siwo nɔ Korinto la be ‘woakeke wo ɖokui’?

5 Apostolo Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ blema Korinto la be: “Korintotɔwo, míeƒo nu na mi faa, míaƒe dzi keke. Miexaxa le mía me o, ke boŋ miexaxa le mia ŋutɔwo miaƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia me. Eya ta nu si miawɔ atsɔ aɖo eteƒe lae nye be—mele nu ƒom na mi abe ɖeviwoe mienye ene—miawo hã mikeke mia ɖokui.” (2 Kor. 6:11-13) Nu ka tae Paulo de dzi ƒo na Korintotɔwo be woakeke wo ɖokui le lɔlɔ̃ɖeɖefia me?

6 Bu ale si wowɔ ɖo hame si nɔ blema Korinto la ŋu kpɔ. Paulo yi Korinto le ƒe 50 M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo. Togbɔ be edo go nɔnɔme sesẽ geɖe esi wòdze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme le du ma me hã la, mena ta o. Le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, du ma me tɔ geɖe xɔ nya nyuia dzi se. Paulo zã “ƒe ɖeka kple ɣleti ade” tsɔ nɔ nu fiam henɔ dzi dem ƒo na hame yeye la. Edze ƒãa be elɔ̃ Kristotɔ siwo nɔ Korinto la vevie. (Dɔw. 18:5, 6, 9-11) Eya ta susu geɖewo nɔ wo si siwo tae wòle be woawo hã nalɔ̃e ahade bubu eŋu ɖo. Ke hã, hamea me tɔ aɖewo megatena ɖe eŋu o. Ðewohĩ ale si wòɖo aɖaŋu na wo naneke maɣlamaɣlae la medzɔ dzi na wo dometɔ aɖewo o. (1 Kor. 5:1-5; 6:1-10) Wo dometɔ aɖewo hã anya nɔ to ɖom ‘apostolo deŋgɔwo’ ƒe ameŋugblẽnyawo. (2 Kor. 11:5, 6) Paulo di be ye nɔviwo katã nalɔ̃ ye tso dzi me. Eya ta eɖe kuku na wo be ‘woakeke wo ɖokui’ to tete ɖe ye kpakple wo hatitadeagula bubuwo ŋu me.

7. Aleke míate ŋu ‘akeke mía ɖokuiwo’ le nɔvilɔlɔ̃ ɖeɖe fia me?

7 Ke míawo ya ɖe? Aleke míate ŋu ‘akeke mía ɖokuiwo’ le nɔvilɔlɔ̃ ɖeɖe fia me? Le dzɔdzɔme nu la, enɔa bɔbɔe na ame siwo nye hatiwo alo ame siwo tso to ɖeka me alo doa gbe ɖeka la be woaɖe lɔlɔ̃ afia wo nɔewo. Eye zi geɖe la, ame siwo lɔ̃a modzakaɖeɖe ƒomevi ɖeka la zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ wɔa nu ɖekae. Gake ne edzɔ be nu siwo me míewɔa ɖeka le kple Kristotɔ aɖewo la wɔnɛ be míekpɔa vovo ɖe nɔvi bubuwo ŋu o la, ke ehiã be ‘míakeke mía ɖokuiwo.’ Nunya anɔ eme be míabia mía ɖokui be: ‘Ƒãa hafi mekpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa alo hadomewɔna aɖe me kple nɔvi siwo menye nye zɔhɛ kplikplikpliwo oa? Le Fiaɖuƒe Akpata me la, ɖe nyemedea ha kple ame yeyewo tututu o le esi mesusui be ele be ɣeyiɣi aɖe nava yi hafi woava dze anye xɔ̃nyewo ta? Ðe medoa gbe na tsitsiawo kple ɖeviwo siaa le hamea mea?’

8, 9. Aleke Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si dze le Romatɔwo 15:7 la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado gbe na mía nɔewo le mɔ si ana míaƒe nɔvilɔlɔ̃ nadzi ɖe edzi nu?

8 Le gbedodo na mía nɔewo gome la, Paulo ƒe nya siwo wòŋlɔ na Romatɔwo la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatu nukpɔsusu nyuitɔ ɖo ɖe mía hatitadeagulawo ŋu. (Mixlẽ Romatɔwo 15:7.) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “mixɔ” la fia be “woaxɔ ame dɔmenyotɔe alo awɔ amedzro nɛ, woaxɔ ame ade habɔbɔ kple xɔlɔ̃wo dome.” Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, ne amedzrowɔla dɔmenyotɔ aɖe xɔ exɔlɔ̃awo ɖe eƒe aƒe me la, enana wonyana ale si gbegbe wònye dzidzɔ gã aɖe na ye be yekpɔ wo. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, Kristo xɔ mí nenema, eye wode dzi ƒo na míawo hã be míaxɔ míaƒe hatitadeagulawo nenema ke.

9 Ne míele gbe dom na mía nɔviwo le Fiaɖuƒe Akpata me kple teƒe bubuwo la, anyo be míakpɔ vovo ɖe ame siwo míegakpɔ kpɔ o alo gaɖo dze kpli kpɔ o la ŋu. Ðe manyo be míazã miniti ʋɛ aɖewo atsɔ aɖo dze kpli wo oa? Eye ne míegayi kpekpe ɣebubuɣi la, míate ŋu ate ɖe ame bubuwo hã ŋu nenema. Ne míewɔe nenema la, míaɖo dze dodzidzɔnamewo kple mía nɔviwo katã kloe le ɣeyiɣi kpui aɖe me. Mehiã be míatsi dzi nenye be míete ŋu ɖo dze kple ame sia ame le ŋkeke ɖeka dzi o. Mele be wòave ame aɖeke nenye be míetea ŋu doa gbe nɛ le kpekpe ɖe sia ɖe me o.

10. Mɔnukpɔkpɔ xɔasi kae le ʋuʋu ɖi na hamea me tɔwo katã, eye aleke míate ŋu awɔ eŋu dɔ bliboe?

10 Gbedodo na amewo nye afɔ gbãtɔ si míeɖena tsɔ xɔa wo nyuie. Enye afɔɖeɖe aɖe si ate ŋu ana míaɖo dze dodzidzɔnamewo ahadze xɔlɔ̃ siwo nɔa anyi eteƒe didina. Le kpɔɖeŋu me, ne takpekpe suewo kple gãwo delawo ɖe wo ɖokuiwo fia wo nɔewo heɖo dze kple wo nɔewo la, wonɔa mɔ kpɔm be yewoagakpɔ yewo nɔewo. Zi geɖe la, lɔlɔ̃nu faa xɔtudɔwɔla siwo tua Fiaɖuƒe Akpatawo la va zua xɔlɔ̃ veviwo, eye nenema kee wònɔna le ame siwo kpɔa gome le kpekpeɖeŋunadɔwo me hã gome, elabena wova dea dzesi wo nɔewo ƒe nɔnɔme nyuiwo to nuwɔwɔ kple wo nɔewo aduadu me. Mɔnukpɔkpɔ geɖewo le ʋuʋu ɖi le Yehowa ƒe habɔbɔa me siwo ŋu dɔ míate ŋu awɔ adze xɔlɔ̃ siwo nɔa anyi eteƒe didina. Ne ‘míekekea mía ɖokuiwo’ la, mía xɔlɔ̃wo asɔ gbɔ ɖe edzi, eye wòana lɔlɔ̃ si nana míewɔa ɖeka le tadedeagu vavã me la me nagasẽ ɖe edzi.

Kpɔ Vovo Ðe Amewo Ŋu

11. Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi abe ale si wòdze le Marko 10:13-16 ene?

11 Kristotɔwo katã ate ŋu adze agbagba anye ame siwo ŋu wotea ŋu tena ɖo bɔbɔe abe ale si wònɔ le Yesu gome ene. Bu ale si Yesu wɔ nui esi eƒe nusrɔ̃lawo nɔ mɔ xem na dzilawo be woagakplɔ wo viwo ava egbɔe o la ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Mina ɖevi sueawo nava gbɔnye; migate kpɔ be yewoaxe mɔ na wo o, elabena ame siawo ƒomevi tɔe nye Mawu fiaɖuƒe la. . . . Eye wòxɔ ɖeviawo ɖe eƒe akɔnu, eye wòda eƒe asiwo ɖe wo dzi hete wo yayra.” (Mar. 10:13-16) Kpɔ ale si gbegbe dzi anya dzɔ ɖevi sue mawoe ɖa be Nufiala Gã la tsɔ ɖe le eme na yewo lɔlɔ̃tɔe nenema gbegbe!

12. Nu kawoe ate ŋu ana wòasesẽ be amewo nate ɖe mía ŋu aɖo dze kpli mí?

12 Ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be, ‘Ðe mekpɔa vovo ɖe amewo ŋua, alo ɖe wòdzena le ŋunye zi geɖe be vovo aɖeke kura mele ŋunye oa?’ Numame aɖewo siwo menye nu gbegblẽwo le wo ɖokui si o la ate ŋu axe mɔ na dzeɖoɖo ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, nenye be enuenu la, míenɔa asitelefon zãm, alo dea nyasemɔ to me henɔa nya siwo wolé ɖe mɔ dzi sem esime míele amewo dome la, ate ŋu ana woase le wo ɖokui me be míevo ɖe yewo ŋu o. Ne amewo kpɔa mí zi geɖe míevuna ɖe asikɔmpiuta dzi kpɔkpɔ ŋu la, woaƒo nya ta be míedi be míaɖo dze kpli yewo o. Enye nyateƒe be “ɖoɖoeziɣi li” ya. Gake ne míele amewo dome la, zi geɖe la, enyea “nuƒoɣi.” (Nyagb. 3:7) Ame aɖewo agblɔ be, “nyemelɔ̃a nuƒoƒo o” alo “nyemedina be maƒo nu ŋdi me o.” Ke hã, ne míedzea agbagba ɖoa dze kple amewo xɔlɔ̃wɔwɔtɔe togbɔ be dzeɖoɖo medzro mí o hã la, míaɖee afia be lɔlɔ̃ si “media ye ŋutɔ tɔ o” lae le mía si.—1 Kor. 13:5.

13. Nɔnɔme kae Paulo de dzi ƒo na Timoteo be wòanɔ esi ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo ŋu?

13 Paulo de dzi ƒo na Timoteo be wòade bubu hamea me tɔwo katã ŋu. (Mixlẽ 1 Timoteo 5:1, 2.) Ele be míawo hã míanɔ nu wɔm ɖe Kristotɔ tsitsiwo ŋu abe mía dadawo kple mía fofowo ene, eye míanɔ nu wɔm ɖe sɔhɛwo ŋu abe dadaviwo, si fia dzila ɖeka ƒe viwo, ene. Ne nɔnɔme ma le mía si la, anɔ bɔbɔe na mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔlɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe be wòate ɖe mía ŋu.

14. Viɖe siwo dona tso dze tuameɖowo ɖoɖo kple amewo me dometɔ aɖewo ɖe?

14 Ne míeɖoa dze tuameɖowo kple amewo la, ekema míele ŋusẽ dom wo le gbɔgbɔ me kple seselelãme gome siaa. Nɔviŋutsu aɖe si le dɔ wɔm le alɔdzedɔwɔƒe aɖe la ɖoa ŋku ale si Betel dɔwɔla siwo nɔ afi ma xoxo la dometɔ geɖe kpɔa vovo ɖe eŋu ɖoa dze kplii esime wònye ame yeye le Betel la dzi kple dzidzɔ. Dzideƒonamenya siwo wogblɔna nɛ la na wòse le eɖokui me be wobu ye ɖe Betel ƒomea me tɔwo dome. Fifia eya hã dzea agbagba be yeasrɔ̃ wo to dzeɖoɖo kple ehati Betel dɔwɔlawo dzi.

Ðokuibɔbɔ Kpena Ðe Mía Ŋu Míewɔa Ŋutifafa

15. Nu kae ɖee fia be masɔmasɔwo ate ŋu ado mo ɖa le mía dome?

15 Edze abe Ewodia kple Sintixe, siwo nye nɔvinyɔnu Kristotɔ eve aɖewo le blema Filipi la, mete ŋu nɔ masɔmasɔ aɖe si nɔ wo dome la gbɔ kpɔm o ene. (Fp. 4:2, 3) Amewo va nya nu tso nyaʋiʋli sesẽ aɖe si ɖo Paulo kple Barnaba dome, si na womegazɔna kple wo nɔewo hena ɣeyiɣi aɖe o la ŋu. (Dɔw. 15:37-39) Nudzɔdzɔ siawo ɖee fia be masɔmasɔwo ate ŋu ado mo ɖa le tadeagula vavãwo hã dome. Yehowa na kpekpeɖeŋu si hiã be míatsɔ akpɔ masɔmasɔwo gbɔ ahadzra mía kple mía xɔlɔ̃wo dome ɖo la mí. Gake edi nane tso mía si.

16, 17. (a) Aleke gbegbe ɖokuibɔbɔ hiã le amewo dome masɔmasɔwo gbɔ kpɔkpɔ mee? (b) Aleke ŋutinya si ku ɖe ale si Yakob te ɖe Esau ŋui ŋu la ɖe ɖokuibɔbɔ ƒe vevienyenye fiae?

16 Tsɔe be mia kple xɔ̃wò aɖe miele ʋu tsɔ ge azɔ mɔ ayi afi aɖe. Hafi miate ŋu adze mɔa zɔzɔ gɔme la, ele be nàde safui ʋua me ado dzo nɛ. Nenema kee hafi míate ŋu akpɔ masɔmasɔwo gbɔ la, kpɔɖeŋusafui aɖe hiã mí. Safui mae nye ɖokuibɔbɔ. (Mixlẽ Yakobo 4:10.) Abe ale si Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu si gbɔna ɖee fia ene la, kpɔɖeŋusafui ma kpena ɖe ame siwo dome masɔmasɔwo le la ŋu be wova tsɔa Biblia ƒe gɔmeɖosewo nɔa dɔwɔwɔ me dem.

17 Ƒe blaeve va yi tso esime Esau do dziku helĩhelĩ ɖe nɔvia Yakob ŋu hedi be yeawui le esi wòxɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye le esi ta. Le ƒe gbogbo mawo megbe la, enɔ na venɔvi mawo be woagado go ake. “Yakob de asi vɔvɔ̃ me ŋutɔ, eye dzika tso eƒo.” Ese le eɖokui me be Esau adze ye dzi godoo. Gake le woƒe gododo ma me la, Yakob wɔ nane si Esau menɔ mɔ kpɔm na o. Yakob nɔ ‘mo tsyɔm anyi’ esime wònɔ nɔvia gogom. Nu kae dzɔ le ema yome? “Tete Esau ƒu du va kpee, kpla asi kɔ nɛ, eye wòɖuɖɔ nu nɛ, eye wòde asi avifafa me.” Woƒo asa na avuwɔwɔ si ate ŋu ado mo ɖa hafi la. Yakob ƒe ɖokuibɔbɔa na be fuléle ɖe sia ɖe si anya nɔ Esau me ɖe eŋu la nu fa.—1 Mose 27:41; 32:4-9; 33:3, 4.

18, 19. (a) Ne masɔmasɔwo do mo ɖa le mía kple ame aɖe dome la, nu ka tae nunya le eme be míaɖe afɔ gbã atsɔ Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖowo ade dɔwɔwɔ me? (b) Ne míeɖe afɔ aɖewo be míatsɔ akpɔ nyaa gbɔ gake ame kemɛa melɔ̃ enumake o la, nu ka tae mele be míana ta o?

18 Aɖaŋuɖoɖo nyui geɖewo le Biblia me siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ masɔmasɔwo gbɔ. (Mat. 5:23, 24; 18:15-17; Ef. 4:26, 27) * Gake nenye be míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo mawo dzi ɖokuibɔbɔtɔe o la, ŋutifafawɔwɔ asesẽ. Masɔmasɔwo gbɔ menya kpɔna nenye be míelalana be ame kemɛa naɖe ɖokuibɔbɔ afia evɔ wònye be míawo hã míate ŋu aɖee afia hafi o.

19 Ne afɔ gbãtɔ siwo míeɖe be míatsɔ akpɔ nyaa gbɔ ale be ŋufifafa nava medze edzi o le susu aɖe ta la, mele be dzi naɖe le mía ƒo o. Ðewohĩ ame kemɛa hiã ɣeyiɣi atsɔ ade ŋugble tso ale si wòse le eɖokui me ɖe nya la ŋu ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yosef nɔviwo wɔ nu tovo ɖe eŋu. Ƒe geɖe megbe hafi wova do go Yosef esime wònye Egiptetɔwo ƒe dɔnunɔlawo ƒe tatɔ. Gake mlɔeba la, nɔviawo va trɔ dzi me heɖe kuku nɛ be wòatsɔ yewoƒe nu vɔ̃wo ake yewo. Yosef tsɔe ke wo, eye mɔnukpɔkpɔ va su Yakob viwo si be wozu dukɔ aɖe si ŋu Yehowa ƒe ŋkɔ nɔ. (1 Mose 50:15-21) Ne míenaa ŋutifafa nɔa mía kple mía nɔviwo dome la, míekpea asi ɖe eŋu be ɖekawɔwɔ kple dzidzɔ nɔa hamea me.—Mixlẽ Kolosetɔwo 3:12-14.

Mina “Míatsɔ Nuwɔna Kple Nyateƒe Alɔ̃ Ame”

20, 21. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu klɔ afɔ na eƒe apostolowo me?

20 Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, egblɔ na eƒe apostoloawo be: “Meɖo kpɔɖeŋu ɖi na mi be, ale si tututu mewɔ na mi la, miawo hã miawɔ nenema ke.” (Yoh. 13:15) Ðeko wòklɔ afɔ na ame 12-awo vɔ koe nye ema. Menye kɔnu dzro aɖe alo dɔmenyonu aɖe koe wònye Yesu wɔ o. Hafi Yohanes nagblɔ ŋutinya si ku ɖe afɔkɔklɔ na apostoloawo ŋu la, eŋlɔ bena: “Esi [Yesu lɔ̃] etɔ siwo le xexea me la, elɔ̃ wo va se ɖe nuwuwu.” (Yoh. 13:1) Lɔlɔ̃ si nɔ Yesu si na eƒe nusrɔ̃lawoe ʋãe wòklɔ afɔ na wo, togbɔ be zi geɖe la, kluviwoe wɔa dɔ sia hã. Ele na wo azɔ be lɔlɔ̃ naʋã wo woanɔ nu nyuiwo wɔm na wo nɔewo. Ɛ̃, ele be nɔvilɔlɔ̃ akuakua naʋã mí míalé be na mía nɔvi Kristotɔwo katã ahatsɔ ɖe le eme na wo.

21 Apostolo Petro, ame si Mawu ƒe Vi la klɔ afɔ na la, se nu si Yesu wɔ la gɔme nyuie. Eŋlɔ bena: “Azɔ esi miekɔ miaƒe luʋɔwo ŋu to miaƒe toɖoɖo nyateƒea me, si wɔe be nɔvilɔlɔ̃ si me alakpa mele o va le mia dome la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke.” (1 Pet. 1:22) Apostolo Yohanes, ame si hã Aƒetɔ la klɔ afɔ na la, ŋlɔ bena: “Vinye lɔlɔ̃awo, migana míatsɔ nya kple aɖe alɔ̃ ame o, ke boŋ míatsɔ nuwɔna kple nyateƒe alɔ̃ ame.” (1 Yoh. 3:18) Neva eme be míaƒe dzi naʋã mí míatsɔ nuwɔna ŋutɔŋutɔwo aɖo kpe míaƒe nɔvilɔlɔ̃ dzi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 18 Kpɔ agbalẽ si nye Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ, axa 144-150.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Mɔ kawo nue míate ŋu ‘akeke mía ɖokuiwo’ le le lɔlɔ̃ɖeɖefia mía nɔewo me?

• Nu kae akpe ɖe mía ŋu míakpɔ vovo ɖe amewo ŋu?

• Akpa kae ɖokuibɔbɔ wɔna le ŋutifafawɔwɔ me?

• Nu kae wòle be wòaʋã mí míatsɔ ɖe le eme na míaƒe haxɔsetɔwo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Xɔ haxɔsetɔwo vividoɖeameŋutɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Mègana mɔnukpɔkpɔ siwo le ʋuʋu ɖi be nàkpɔ vovo ɖe amewo ŋu la nato ŋuwò o