Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Wò Gbedodoɖawo Nanyo Ðe Edzi Wu To Biblia Sɔsrɔ̃ Dzi

Na Wò Gbedodoɖawo Nanyo Ðe Edzi Wu To Biblia Sɔsrɔ̃ Dzi

Na Wò Gbedodoɖawo Nanyo Ðe Edzi Wu To Biblia Sɔsrɔ̃ Dzi

“Oo Aƒetɔ, ke wò to ɖe wò dɔla ƒe gbedodoɖa . . . ŋu.”—NEX. 1:11.

1, 2. Nu ka tae wòaɖe vi be míadzro gbedodoɖa siwo woŋlɔ ɖe Biblia me la dometɔ aɖewo me?

GBEDODOÐA kple Biblia sɔsrɔ̃ wɔa akpa vevi aɖe le tadedeagu vavãtɔ me. (1 Tes. 5:17; 2 Tim. 3:16, 17) Enye nyateƒe be menye gbedodoɖagbalẽ ye Biblia nye o ya. Ke hã, gbedodoɖa geɖewo le eme, siwo ƒe ɖewoe nye esiwo le Psalmowo ƒe agbalẽa me.

2 Ne èle Biblia xlẽm hele esrɔ̃m la, àte ŋu ava ke ɖe gbedodoɖa aɖewo siwo sɔ kple nɔnɔme siwo nèle go domee la ŋu. Le nyateƒe me, ne èdea Ŋɔŋlɔawo me nya mawo wò gbedodoɖawo me la, ate ŋu ana wò gbedodoɖawo nanyo ɖe edzi wu. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso ame siwo do gbe ɖa be woakpe ɖe yewo ŋu eye wosee na wo la gbɔ? Eye nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso nya siwo wogblɔ le woƒe gbedodoɖawo me la me?

Di Mawu Ƒe Mɔfiame Eye Nàwɔ Ðe Edzi

3, 4. Nu ka gbee wodɔ Abraham ƒe dɔlaa ɖo, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yehowa na nuwo va yii la me?

3 Biblia sɔsrɔ̃ na nèkpɔe dze sii kɔtɛ be ele be yeanɔ gbe dom ɖa anɔ Mawu ƒe mɔfiame biam ɣesiaɣi. Bu nu si dzɔ esime blemafofo Abraham dɔ eƒe dɔla tsitsitɔ—si ŋkɔ anya nye Eliezer—ɖe Mesopotamia be wòayi aɖadi srɔ̃nyɔnu mawuvɔ̃la na Isak la ŋu kpɔ. Esi nyɔnuwo va vudo aɖe to va nɔ tsi kum la, dɔla la do gbe ɖa be: ‘Yehowa, ne eva eme be, nyɔnuvi aɖe va, ame si magblɔ na bena: Na tsim mano, eye wòaɖo ŋu nam be: Noe, eye mana wò kposɔwo hã nano la, ekema eyae nye nyɔnu, si nèɖo ɖi na wò dɔla Isak, eye eya me madze sii le be, ève nye aƒetɔ nu!’—1 Mose 24:12-14.

4 Mawu ɖo Abraham ƒe dɔlaa ƒe gbedodoɖaa ŋu nɛ esi Rebeka na tsi dɔlaa ƒe kposɔawo wono. Eteƒe medidi o Rebeka kplɔ dɔlaa ɖo yi Kanaan, eye wòzu Isak srɔ̃ malɔ̃nugbɔa. Enye nyateƒe be màte ŋu akpɔ mɔ be Mawu nana dzesi tɔxɛ aɖe ye o ya. Ke hã, afia mɔ wò le agbe me nenye be èdo gbe ɖa nɛ heɖoe kplikpaa be eƒe gbɔgbɔ la nakplɔ ye.—Gal. 5:18.

Gbedodoɖa Ðea Dzimaɖitsitsi Dzi Kpɔtɔna

5, 6. Nu kae ɖe dzesi le gbe si Yakob do ɖa esi wògbɔna go do ge Esau la ŋu?

5 Gbedodoɖa ate ŋu aɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ. Esi Yakob nɔ vɔvɔ̃m be yeƒe venɔvi Esau adze ye dzi ta la, edo gbe ɖa be: ‘Yehowa . . . nyemedze wò nublanui, si nèkpɔ nam, kple wò anukware, si nèɖi na wò dɔla la dometɔ aɖeke o; . . . Meɖe kuku, ɖem tso nɔvinye si me, tso Esau si me; elabena mele evɔ̃m be, ava dze dzinye, eye wòade zi dadawo kple viwo dome. Wò ŋutɔe gblɔ be: Mawɔ nyui na wò vavã, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ƒutake, si womate ŋu axlẽ le agbɔsɔsɔ ta o la ene.’—1 Mose 32:10-13.

6 Togbɔ be Yakob ɖe afɔ aɖewo be yeatsɔ akpɔ ye ɖokui kple yeƒe ƒomea ta hã la, Mawu ɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu nɛ, si na be woa kple Esau wowɔ ɖeka. (1 Mose 33:1-4) Xlẽ kokoƒoƒo ma me nyawo nyuie, eye àkpɔe be menye ɖeko Yakob do gbe ɖa be Mawu nakpe ɖe ye ŋu o. Eɖee fia be yexɔ Dzidzimevi si ŋugbe wodo la dzi se, eye wòda akpe na Mawu ɖe eƒe amenuveve ta. Ðe ‘vɔvɔ̃ aɖewo le mewòa’? (2 Kor. 7:5) Ne nenemae la, Yakob ƒe kokoƒoƒoa ate ŋu ana nàɖo ŋku edzi be gbedodoɖa ate ŋu ana dzimaɖitsitsi dzi naɖe akpɔtɔ. Ke hã, menye wò nuhiahiãwo ko ŋue nànɔ gbe dom ɖa le o, ke boŋ ele be woanye nya siwo nàgblɔ atsɔ aɖe xɔse si le asiwò la afia hã.

Do Gbe Ða Nàbia Nunya

7. Nu ka tae Mose do gbe ɖa be Yehowa ƒe mɔwo ŋuti sidzedze nasu ye si?

7 Ele be didi be yeadze Yehowa ŋu naʋã wò nàdo gbe ɖa abia nunya. Mose do gbe ɖa be Mawu ƒe mɔwo ŋuti sidzedze nasu ye si. Eɖe kuku na Mawu be: “Kpɔ ɖa, [Yehowa] wòe gblɔ nam bena: kplɔ dukɔ sia [do le Egipte]; . . . Ne ève nunye vavã la, ekema na manya wò mɔwo, eye madze si wò be, ève nunye.” (2 Mose 33:12, 13) Esia wɔe be Mawu na eƒe mɔwo ŋuti sidzedze geɖe Mose—sidzedze ma hiã hafi wòate ŋu axɔ ŋgɔ le Yehowa ƒe amewo dome.

8. Aleke ŋugbledede le 1 Fiawo 3:7-14 ŋu ate ŋu aɖe vi na wòe?

8 David hã do gbe ɖa be: “Yehowa, ɖe wò mɔwo fiam, eye nafia wò toƒewom!” (Ps. 25:4) David vi Salomo ƒo koko na Mawu be wòana nunya si hiã hena eƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ abe Israel fia ene la ye. Salomo ƒe gbedodoɖaa dze Yehowa ŋu, Yehowa na nu si wòbia lae, eye wògatsɔ kesinɔnu kple bubu hã kpe ɖe eŋu nɛ. (Mixlẽ 1 Fiawo 3:7-14.) Ne èxɔ agbanɔamedzi aɖe le hamea me, eye nèle vɔvɔ̃m be yemate ŋu atsɔe o la, do gbe ɖa nàbia nunya, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò. Ekema Mawu akpe ɖe ŋuwò sidzedze nasu asiwò, eye nàwɔ nunya si hiã be nàtsɔ wò agbanɔamedziwo nyuie le lɔlɔ̃ me la ŋu dɔ.

Do Gbe Ða Tso Dzi Me

9, 10. Nu kae ɖe dzesi le ale si Salomo ƒo nu tso dzi ŋu le gbe si wòdo ɖa le gbedoxɔa ŋu kɔɣi me la ŋu?

9 Hafi Mawu nase míaƒe gbedodoɖawo la, ele be míado wo ɖa tso dzi me. Salomo do gbe aɖe ɖa tso dzi me si me nyawo woŋlɔ ɖe 1 Fiawo ta 8 lia me. Edo gbe sia ɖa le ame gbogbo aɖewo siwo kpe ta le Yerusalem hena Yehowa ƒe gbedoxɔa ŋu kɔkɔ la ŋkume le ƒe 1026 D.M.Ŋ. me. Esi wotsɔ nubablaɖaka la da ɖe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea eye Yehowa ƒe alilikpo yɔ gbedoxɔa me taŋ la, Salomo kafu Mawu.

10 Lé ŋku ɖe Salomo ƒe gbedodoɖaa ŋu, eye nàde dzesi ale si wòƒo nu tso dzi la ŋui. Salomo lɔ̃ ɖe edzi be Yehowa ɖeka koe nya amegbetɔ ƒe dzi. (1 Fia. 8:38, 39) Gbedodoɖa ma ke ɖee fia be mɔkpɔkpɔ li na nu vɔ̃ wɔla si ‘trɔ ɖe Mawu ŋu kple eƒe dzi blibo.’ Ne futɔwo ɖe aboyo Mawu ƒe amewo la, Yehowa ase woƒe kukuɖeɖewo nenye be woƒe dzi ku ɖe eŋu bliboe. (1 Fia. 8:48, 58, 61) Eya ta ele kokoko be wò gbedodoɖawo natso dzi me.

Ale Si Psalmowo Ate Ŋu Ana Wò Gbedodoɖawo Nanyo Ðe Edzi Wui

11, 12. Nu kae nèsrɔ̃ tso ha aɖe si Lewitɔ aɖe si mate ŋu ayi Mawu ƒe aƒea me o hena ɣeyiɣi aɖe la dzi mawuvɔvɔ̃tɔe la me?

11 Psalmowo sɔsrɔ̃ ate ŋu ana wò gbedodoɖawo nanyo ɖe edzi wu, eye wòakpe ɖe ŋuwò nànɔ Mawu si nu kpɔm be wòaɖo wo ŋu. Bu Lewitɔ aɖe si woɖe aboyoe ƒe dzigbɔɖi ŋu kpɔ. Togbɔ be mate ŋu ayi Yehowa ƒe aƒe me o hena ɣeyiɣi aɖe hã la, edzi ha be: ‘Nye luʋɔ, nu ka ŋuti nèle nu xam, eye nètsi dzodzodzoe le menye? Kpɔ mɔ na Mawu, elabena magakafui, eya, ame si nye nye xɔnametɔ kple nye Mawu la!’—Ps. 42:6, 12; 43:5.

12 Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Lewitɔ ma gbɔ? Ne gaxɔmenɔnɔ le dzɔdzɔenyenye ta na be màte ŋu awɔ ɖeka kple wò haxɔsetɔwo le afi si wokpena le o hena ɣeyiɣi aɖe la, kpɔ Mawu si nu dzigbɔɖitɔe be wòakpɔ nyawo gbɔ na wò. (Ps. 37:5) De ŋugble tso dzidzɔ si nèkpɔna tsã le Mawu subɔsubɔ me la ŋu, do gbe ɖa be Mawu nakpe ɖe ŋuwò nàdo dzi, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, ‘nànɔ mɔ kpɔm na Mawu’ be wòana mɔnukpɔkpɔ nagasu asiwò ake be nànɔ ha dem kple eƒe amewo abe tsã ene.

Do Gbe Ða Le Xɔse Me

13. Le ɖekawɔwɔ me kple Yakobo 1:5-8 la, nu ka tae wòle be nàdo gbe ɖa le xɔse me?

13 Eɖanye aleke kee wò nɔnɔmea le o, do gbe ɖa le xɔse me ɣesiaɣi. Ne èle fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi ƒe dodokpɔ aɖe me tom la, wɔ ɖe aɖaŋu si nusrɔ̃la Yakobo ɖo la dzi. Trɔ ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me, eye nàka ɖe edzi bliboe be ate ŋu ana nunya si nèhiã atsɔ anɔ te ɖe dodokpɔa nu la wò, eye mègake ɖi kura o. (Mixlẽ Yakobo 1:5-8.) Mawu nya wò fuɖename ɖe sia ɖe, eye ate ŋu afia mɔ wò ahafa akɔ na wò to eƒe gbɔgbɔa dzi. Ðe wò seselelãmewo gblɔ nɛ le xɔse blibo me, ‘mègake ɖi kura o,’ eye lɔ̃ nàwɔ ɖe eƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiamewo kple aɖaŋuɖoɖo siwo le eƒe Nya la me dzi.

14, 15. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Xana do gbe ɖa hewɔ nu le xɔse me?

14 Xana, si nye Lewitɔ Elkana srɔ̃ eveawo dometɔ ɖeka la, do gbe ɖa hewɔ nu le xɔse me. Xana tsi ko, eye etsusia si ŋkɔe nye Penina, si si vi geɖewo nɔ la, nɔa fewu ɖum le eŋu. Esi woyi avɔgbadɔa me la, Xana ɖe adzɔgbe be ne yedzi ŋutsuvi la, yeatsɔe ana Yehowa. Esi wònye be eƒe nuyiwo nɔ ʋaʋãm butubutu esime wònɔ gbea dom ɖa ta la, Nunɔlagã Eli bui ahamulae. Esi Eli se be menye ahae wòmu o la, egblɔ nɛ be: ‘Israel ƒe Mawu la awɔ nu si nèbiae la na wò!’ Togbɔ be Xana menya nu si tututu ado tso gbedodoɖa ma me o hã la, exɔe se be Mawu aɖo eŋu na ye. Eya ta ‘megaɖo nublanuimo azɔ o.’ Megalé blanui o, eye dzi ɖo eƒo.—1 Sam. 1:9-18, NW.

15 Esi Xana dzi Samuel hetso no nɛ ko la, etsɔ Samuel yi na Yehowa be wòawɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe le avɔgbadɔa me. (1 Sam. 1:19-28) Ne èdi ɣeyiɣi de ŋugble tso gbe si wòdo ɖa ɣemaɣi ŋu la, ana wò gbedodoɖawo nanyo ɖe edzi wu, eye akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be gbedodoɖa na Yehowa ahaxɔ edzi ase be aɖo eŋu tea ŋu nana woɖua blanuiléle le kuxi aɖe si le nuxaxa dom na ame ta la dzi.—1 Sam. 2:1-10.

16, 17. Nu kae do tso eme esi Nexemiya do gbe ɖa hewɔ nu le xɔse me?

16 Ame dzɔdzɔe Nexemiya si nɔ anyi le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me la do gbe ɖa hewɔ nu le xɔse me. Edo gbe ɖa be: “Oo Aƒetɔ, ke wò to ɖe wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple wò dɔla, siwo wò ŋkɔ vɔvɔ̃ dzrona la ƒe gbedodoɖa ŋu, na wòadze edzi na wò dɔla egbea dzro, eye nana ŋutsu sia nave enu!” Ame ka yɔmee wònɔ be “ŋutsu sia”? Persiatɔwo ƒe Fia Artaxsasta, si ƒe ahakulae Nexemiya nye lae.—Nex. 1:1-11.

17 Nexemiya do gbe ɖa le xɔse me ŋkeke geɖewo esi wòse be Yudatɔ siwo ŋu woɖe asi le le Babilontɔwo ƒe aboyo me la le “dzɔgbevɔ̃e gã kple ŋukpe me; wogbã Yerusalem ƒe gliwo.” (Nex. 1:3, 4) Mawu ɖo Nexemiya ƒe gbedodoɖaa ŋu nɛ wu ale si eya ŋutɔ nɔ mɔ kpɔm nɛ, esi Fia Artaxsasta ɖe mɔ nɛ be wòayi Yerusalem aɖagbugbɔ aɖɔ dua ƒe gliwo ɖo. (Nex. 2:1-8) Eteƒe medidi kura hafi wogbugbɔ ɖɔ gliawo ɖo o. Woɖo Nexemiya ƒe gbedodoɖawo ŋu nɛ, elabena nu siwo do ƒome kple tadedeagu vavãtɔ ŋue wòdo gbe ɖa le, eye edo gbea ɖa le xɔse me hã. Nenemae wò hã wò gbedodoɖawo nɔna?

Mègaŋlɔ Kafukafu Kple Akpedada Be O

18, 19. Susu kawo tae wòle be Yehowa subɔlawo nakafui ahada akpe nɛ ɖo?

18 Ne èle gbe dom ɖa la, ɖo ŋku edzi nànɔ Yehowa kafum ahanɔ akpe dam nɛ. Susu geɖewo li siwo tae wòle be míawɔe nenema ɖo! Le kpɔɖeŋu me, David di vevie be yeakafu Yehowa ƒe fianyenye. (Mixlẽ Psalmo 145:10-13.) Ðe wò gbedodoɖawo ɖenɛ fiana be èkpɔa ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be èɖea gbeƒã Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ŋua? Psalmowo kpalawo ƒe nyawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖe ale si nèkpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo ŋu agblɔ na Mawu le wò gbedodoɖa siwo tso dzi me la me.—Ps. 27:4; 122:1.

19 Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ƒomedodo xɔasi si le mia kple Mawu dome ŋu aʋã wò be nàgblɔ nya siwo ɖi esiwo dze le kpukpui siawo me atsɔ ado gbe ɖa tso dzi me be: “Aƒetɔ, makafu wò le dukɔwo dome, madzi ha na wò, eye maƒo saŋku na wò le anyigbadzitɔwo dome. Elabena wò amenuveve kɔ ɖatɔ dziƒo, eye wò nyateƒe de alilikpowo gbɔ. Oo, Mawu, kɔ ɖokuiwò ɖe dzi gbɔ dziƒo ŋu, eye wò ŋutikɔkɔe nagbɔ anyigba blibo la ta!” (Ps. 57:10-12) Nya wɔdɔɖeamedzi kawoe nye esi! Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be nya ʋãdziname siwo le Psalmowo me ate ŋu ana wò gbedodoɖawo nanyo ɖe edzi wu oa?

Ƒo Koko Na Mawu Le Bubu Deto Me

20. Aleke Maria ɖe eƒe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu fiae?

20 Ele be wòadze le wò gbedodoɖawo me be èdea bubu deto Mawu ŋu. Nya siwo me bubu deto dze le siwo Maria gblɔ esi wòse be yee anye Mesia la dada megbe kpuie la ɖi nya siwo Xana gblɔ esi wòkplɔ Samuel ɖevi la yi avɔgbadɔa me be wòaɖasubɔ le afi ma. Ale si Maria dea bubu deto Mawu ŋui la dze ƒãa le eƒe nya siwo gbɔna me: “Nye luʋɔ le Yehowa dom ɖe dzi, eye nye gbɔgbɔ mate ŋu adzudzɔ aseyetsotso ɖe Mawu, nye Xɔla la, ŋu o.” (Luka 1:46, 47) Ðe nya mawo tɔgbi gbɔgblɔ le wò gbedodoɖawo me ate ŋu ana woaganyo ɖe edzi wua? Mewɔ nuku o be Maria, nyɔnu mawuvɔ̃la siae wotia be wòanye Yesu, Mesia la, dada!

21. Aleke Yesu ƒe gbedodoɖawo ɖo kpe edzi be edea bubu deto Mawu ŋu eye xɔse hã le esi?

21 Yesu do gbe ɖa bubutɔe le xɔse blibo me. Le kpɔɖeŋu me, hafi Yesu nafɔ Lazaro ɖe tsitre la, “Yesu wu mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògblɔ be: ‘Fofo, meda akpe na wò be èɖo tom. Nyateƒee, menya be èɖoa tom ɣesiaɣi.’” (Yoh. 11:41, 42) Ðe bubu deto kple xɔse ma tɔgbi dzena le wò gbedodoɖawo mea? Ne èlé ŋku ɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa si me wòde bubu deto Mawu ŋu le ŋu la, àkpɔe be nya vevi siwo dzi wòte gbe ɖo le emee nye Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ, eƒe Fiaɖuƒea ƒe vava, kple eƒe lɔlɔ̃nu ƒe emevava. (Mat. 6:9, 10) Gbugbɔ lé ŋku ɖe wò ŋutɔ wò gbedodoɖawo ŋu kpɔ. Ðe woɖenɛ fiana be ètsɔ ɖe le Yehowa ƒe Fiaɖuƒea, eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ, kple eƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋuti kɔkɔ me veviea? Ele be wò gbedodoɖawo naɖe esiawo afia.

22. Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ana dzi nanɔ ƒowò nàgblɔ nya nyuia?

22 Esi wònye be wotia mía yome eye míetoa dodokpɔwo me ta la, zi geɖe la, míeɖea kuku na Yehowa le míaƒe gbedodoɖawo me be wòakpe ɖe mía ŋu míasubɔe kple dzideƒo. Esi Sanhedrin la de se na Petro kple Yohanes be woadzudzɔ ‘nufiafia le Yesu ƒe ŋkɔ la dzi’ la, apostolo mawo tsɔ dzinɔameƒo gbe be yewomadzudzɔ o. (Dɔw. 4:18-20) Esi woɖe asi le wo ŋu vɔ la, wogblɔ nu siwo dzɔ la na woƒe haxɔsetɔwo. Eye nɔvi siwo katã nɔ eteƒe la ƒo koko na Mawu be wòakpe ɖe yewo ŋu be yewoagblɔ eƒe nya la kple dzideƒo. Aleke gbegbe wòanya wɔ dɔ ɖe wo dzie nye esi esi woɖo woƒe gbedodoɖa mawo ŋu na wo, le esi “gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã fũu, eye wonɔ Mawu ƒe nya la gblɔm kple dzideƒo”! (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 4:24-31.) Esia wɔe be ame gbogbo aɖewo va zu Yehowa subɔlawo. Gbedodoɖa ate ŋu ado ŋusẽ wò hã be nàgblɔ nya nyui la dzinɔameƒotɔe.

Yi Edzi Nàna Wò Gbedodoɖawo Nanɔ Nyonyom Ðe Edzi

23, 24. (a) Gblɔ kpɔɖeŋu bubu siwo ɖee fia be Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu ana wò gbedodoɖawo nanyo ɖe edzi wu. (b) Nu kae nàwɔ bene wò gbedodoɖawo nanyo ɖe edzi wu?

23 Kpɔɖeŋu bubu geɖewo li siwo míate ŋu agblɔ atsɔ aɖee afia be Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ ate ŋu ana wò gbedodoɖawo nanyo ɖe edzi wu. Le kpɔɖeŋu me, abe ale si Yona wɔe ene la, wò hã àte ŋu alɔ̃ ɖe edzi le wò gbedodoɖawo me be “Xɔname enye Yehowa tɔ.” (Yona 2:2-11) Ne nu vɔ̃ gã aɖe si nèwɔ la le fu ɖem na wò, eye nèdi kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ la, David ƒe dzimenya siwo wòɖe gblɔ na Mawu le eƒe psalmowo me la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖe wò dzimetɔtrɔ agblɔ na Mawu le wò gbedodoɖawo me. (Ps. 51:3-14) Le wò gbedodoɖa aɖewo me la, àte ŋu akafu Yehowa abe ale si Yeremiya wɔe ene. (Yer. 32:16-19) Ne èle srɔ̃ dim be yeaɖe la, ŋugbledede tso gbedodoɖa si le Ezra ta 9 lia me ŋu, tsɔ kpe ɖe wò ŋutɔ wò kokoƒoƒo na Mawu ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖoe kplikpaa be yeaɖo to Mawu ahaɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me ko.”—1 Kor. 7:39; Ezra 9:6, 10-15.

24 Yi edzi nànɔ Biblia xlẽm, anɔ esrɔ̃m ahanɔ eme dzrom. Di nya siwo nàte ŋu ade wò gbedodoɖawo me. Àkpɔe be àte ŋu ava nɔ Ŋɔŋlɔawo me nya mawo dometɔ aɖewo zãm le wò kokoƒoƒowo kpakple akpedada kple kafukafu ƒe gbedodoɖawo me. Kakaɖedzitɔe la, ne èyi edzi le asi trɔm le wò gbedodoɖawo ŋu be woanyo ɖe edzi wu to Biblia sɔsrɔ̃ dzi la, àte ɖe Yehowa Mawu ŋu geɖe wu.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu ka tae wòle be míadi Mawu ƒe mɔfiame ahawɔ ɖe edzi?

• Nu kae wòle be wòaʋã mí be míado gbe ɖa abia nunya?

• Aleke Psalmowo ƒe agbalẽa ate ŋu ana míaƒe gbedodoɖawo nanyo ɖe edzi wu?

• Nu ka tae wòle be míado gbe ɖa le xɔse kple bubu deto me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Abraham ƒe dɔlaa do gbe ɖa na Mawu be wòana mɔfiame ye. Wò hã èwɔnɛa?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ƒometadedeagu ate ŋu ana wò gbedodoɖawo nanyo ɖe edzi