Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Wò Gbedodoɖawo Ðena Fiana Le Ŋuwò?

Nu Kae Wò Gbedodoɖawo Ðena Fiana Le Ŋuwò?

Nu Kae Wò Gbedodoɖawo Ðena Fiana Le Ŋuwò?

“Èɖoa to gbedodoɖa, gbɔwòe ŋutilãwo katã woayi.”—PS. 65:3.

1, 2. Nu ka tae Yehowa subɔlawo ate ŋu ado gbe ɖa nɛ kple kakaɖedzi be aɖo to yewo?

YEHOWA medoa toku esubɔla wɔnuteƒewo ƒe gbedodoɖawo gbeɖe o. Míate ŋu aka ɖe edzi be eɖoa to mí. Ne Yehowa Ðasefo miliɔn geɖe siwo le anyigba dzi la katã do gbe ɖa na Mawu le ɣeyiɣi ɖeka me gɔ̃ hã la, ase wo katã woƒe gbedodoɖawo.

2 Esi hakpala David ka ɖe edzi be Mawu se yeƒe kukuɖeɖewo ta la, edzi ha be: “Èɖoa to gbedodoɖa, gbɔwòe ŋutilãwo katã woayi.” (Ps. 65:3) Woɖo David ƒe gbedodoɖawo ŋu nɛ, elabena enye Yehowa subɔla wɔnuteƒe. Anyo be míabia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe nye gbedodoɖawo ɖenɛ fiana be meka ɖe Yehowa dzi, eye tadedeagu dzadzɛ lae nye nu vevitɔ nam le agbe mea? Nu kae nye gbedodoɖawo ɖena fiana le ŋunye?’

Te Ðe Yehowa Ŋu Le Ðokuibɔbɔ Me

3, 4. (a) Nɔnɔme kae wòle be míaɖe afia ne míele gbe dom ɖa na Mawu? (b) Nu kae wòle be míawɔ ne nu vɔ̃ gã aɖe si míewɔ la na ‘míetsi dzodzodzoe’?

3 Hafi Mawu naɖo to míaƒe gbedodoɖawo la, ele be míate ɖe eŋu le ɖokuibɔbɔ me. (Ps. 138:6) Ele be míabia Yehowa be wòadzro mía me akpɔ abe ale si David wɔe ene esi wògblɔ be: “Oo, Mawu, dzro menye, eye nàdze si nye dzi. Dom kpɔ, eye nàdze si nye susu siwo na metsi dzodzodzoe, ne nàkpɔe ɖa be, vevesesemɔ aɖe le menye hã, ne nàkplɔm to mɔ tegbeetɔ la dzi.” (Ps. 139:23, 24, NW) Mina míaganye ame siwo doa gbe ɖa ko o, ke boŋ míaɖe mɔ na Mawu wòadzro mía me ahana eƒe Nya la nafia mɔ mí. Yehowa ate ŋu akplɔ mí ato “mɔ tegbeetɔ la dzi” eye wòakpe ɖe mía ŋu míazɔ mɔ si akplɔ mí ayi agbe mavɔ me la dzi.

4 Ke ne nu vɔ̃ gã aɖe si míewɔ la na ‘míetsi dzodzodzoe’ ya ɖe? (Mixlẽ Psalmo 32:1-5.) Agbagbadzedze be míaŋe aɖaba aƒu míaƒe dzitsinya ƒe fɔbuame dzi ate ŋu ana ŋusẽ navɔ le mía ŋu abe ale si ko dzomeŋɔli ƒe dzoxɔxɔ si nu sẽ la naa tsi vɔna le atiwo me ene. Nu vɔ̃ si David wɔ la na dzi megadzɔnɛ o, eye ɖewohĩ esia na wòdze dɔ gɔ̃ hã. Ke esi wòʋu eƒe nu vɔ̃a me na Mawu la, ekpɔ gbɔdzɔe ale gbegbe! Bu dzidzɔ si gbegbe David anya kpɔ esi Yehowa ‘tsɔ eƒe dzidadawo kee’ la ŋu kpɔ. Nu vɔ̃ me ʋuʋu na Mawu ate ŋu ana ame nakpɔ gbɔdzɔe, eye hamemetsitsi Kristotɔwo ƒe kpekpeɖeŋu hã ate ŋu akpe ɖe ame si wɔ nu vɔ̃ la ŋu be wòagaɖo gbɔgbɔmelãmesẽ me.—Lod. 28:13; Yak. 5:13-16.

Ƒo Koko Na Mawu Eye Nàda Akpe Nɛ

5. Nu kae wòfia be míaƒo koko na Yehowa?

5 Ne míetsi dzimaɖi vevie le susu aɖe ta la, ele be míawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada ana Mawu nanya miaƒe didiwo.” (Fp. 4:6) “Kokoƒoƒo” fia be “míanɔ kukuɖeɖe dzi vevie le ɖokuibɔbɔ me.” Ɣeyiɣi vevi aɖe si me wòle be míanɔ kukuɖeɖe dzi vevie na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu ahafia mɔ míe nye ne míeɖo afɔku me, alo wole mía yome tim.

6, 7. Nu kawo ŋutie wòle be míanɔ akpe dam na Mawu le míaƒe gbedodoɖawo me?

6 Ke hã, nenye be ɣeyiɣi siwo me nane hiã mí koe míedoa gbe ɖa la, nu kae esia aɖe afia le mía ŋu? Paulo gblɔ be míatsɔ “akpedada” ana Mawu nanya míaƒe didiwo. Ðikeke mele eme o be susu nyuiwo li siwo tae míada akpe na Mawu abe ale si David wɔe ene esi wògblɔ be: ‘Yehowa, tɔwòe nye gãnyenye kple ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, bubu kple kafukafu, elabena nu sia nu, si le dziƒo kple anyigba la, tɔwòe. Yehowa, tɔwòe nye fiaɖuƒe, eye wòe ɖo kpo ɖe nu siwo katã ƒe ŋkɔ de dzi la dzi. . . . Eya ta, mía Mawu, míele akpe dam na wò, eye míele wò ŋutikɔkɔe ƒe ŋkɔ la kafum.’—1 Kron. 29:11-13.

7 Yesu da akpe na Mawu ɖe nuɖuɖu, abolo kple wain si wozã le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua me la ta. (Mat. 15:36; Mar. 14:22, 23) Ele be míawo hã míada akpe ɖe míaƒe nuɖuɖuwo ta, eye ele be ‘míada akpe na Yehowa’ ɖe “eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo,” eƒe “ɖoɖo dzɔdzɔeawo,” kple eƒe nya, alo gbedeasi si le Biblia me na mí egbea la hã ta.—Ps. 107:15; 119:62, 105.

Do Gbe Ða Ðe Ame Bubuwo Ta

8, 9. Nu ka tae wòle be míanɔ gbe dom ɖa ɖe mía hati Kristotɔwo ta?

8 Ðikeke mele eme o be míedoa gbe ɖa ɖe mía ɖokuiwo ta, gake ele be míaɖo ŋku ame bubuwo hã dzi le míaƒe gbedodoɖawo me—Kristotɔ siwo ƒe ŋkɔwo míenya o gɔ̃ hã le eme. Ðewohĩ apostolo Paulo menya xɔsetɔ siwo katã nɔ Kolose hamea me la ƒe ŋkɔwo o, gake eŋlɔ bena: “Míedaa akpe na Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, ɣesiaɣi ne míele gbe dom ɖa ɖe mia ta, elabena míese miaƒe Kristo Yesu dzi xɔxɔse kple lɔlɔ̃ si le mia si na ame kɔkɔewo katã, ŋu nya.” (Kol. 1:3, 4) Paulo do gbe ɖa ɖe Kristotɔ siwo nɔ Tesalonika la hã ta. (2 Tes. 1:11, 12) Gbedodoɖa mawo tɔgbi ɖea nu geɖe fiana tso mía ŋutɔwo kple ale si míebua mía nɔvi haxɔsetɔwoe la ŋu.

9 Gbe siwo míedona ɖa ɖe Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ ‘alẽ bubuawo’ ta la ɖoa kpe edzi be míetsi dzi ɖe Mawu ƒe habɔbɔa ŋu. (Yoh. 10:16) Paulo bia tso eƒe haxɔsetɔwo si be woado gbe ɖa ɖe ye ta bene ‘woana nuƒoƒo ƒe ŋutete ye, bene yeana woanya nya nyui la ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la.’ (Ef. 6:17-20) Ðe míawo hã míedoa gbe ɖa ɖe Kristotɔ bubuwo ta nenema?

10. Ŋusẽ kae gbedodoɖa ɖe ame bubuwo ta ate ŋu akpɔ ɖe mía dzi?

10 Ne míedoa gbe ɖa ɖe ame bubuwo ta la, esia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si míewɔa nu ɖe wo ŋui la dzi. Anɔ eme be ne míedoa gbe ɖa ɖe ame si ƒe nu medoa dzidzɔ na mí tututu o ta la, míaƒe nɔnɔme ɖe ame ma ŋu atrɔ. (1 Yoh. 4:20, 21) Gbedodoɖa siawo tɔgbi tua ame ɖo, eye wònaa ɖekawɔwɔ nɔa mía kple mía nɔviwo dome. Gakpe ɖe eŋu la, gbedodoɖa mawo ɖenɛ fiana be lɔlɔ̃ si tɔgbi Kristo ɖe fia la le míawo hã si. (Yoh. 13:34, 35) Lɔlɔ̃ ma nye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse la ƒe akpa aɖe. Ðe mía dometɔ ɖe sia ɖe doa gbe ɖa biaa gbɔgbɔ kɔkɔea henɔa Yehowa biam be wòakpe ɖe ye ŋu be yeaɖe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa vovovo siwo nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ, xɔse, tufafa, kple ɖokuidziɖuɖu afia? (Luka 11:13; Gal. 5:22, 23) Ne míewɔnɛ nenema la, míaƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo aɖee afia be míele zɔzɔm hele agbe nɔm ɖe gbɔgbɔ la nu.—Mixlẽ Galatiatɔwo 5:16, 25.

11. Nu ka tae nàgblɔ be esɔ be míabia tso ame bubuwo si be woado gbe ɖa ɖe mía ta?

11 Ne míese be mía viwo di be yewoafi dɔ akpɔ le sukudodokpɔ me la, ele be míado gbe ɖa ɖe wo ta, eye míana Ŋɔŋlɔawo me kpekpeɖeŋu wo bene woawɔ nu anukwaretɔe, eye woagawɔ nu gbegblẽ aɖeke o. Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Korinto la be: “Míedoa gbe ɖa na Mawu be miagawɔ nu gbegblẽ aɖeke o.” (2 Kor. 13:7) Gbedodoɖa ɖokuibɔbɔtɔe alea dzea Yehowa ŋu, eye wòƒoa nu nyui tso mía ŋu. (Mixlẽ Lododowo 15:8.) Míate ŋu abia tso ame bubuwo hã si be woado gbe ɖa ɖe mía ta abe ale si apostolo Paulo hã wɔe ene. Eŋlɔ bena: “Minɔ gbedodoɖa dzi ɖe mía ta, elabena míeka ɖe edzi be dzitsinya anukwaretɔ le mía si, elabena míedina be míawɔ nu le anukwareɖiɖi me le nuwo katã me.”—Heb. 13:18.

Míaƒe Gbedodoɖawo Gaɖea Nu Bubuwo Fiana Le Mía Ŋu

12. Nu kawoe wòle be woaxɔ nɔƒe vevitɔ le míaƒe gbedodoɖawo me?

12 Ðe míaƒe gbedodoɖawo ɖenɛ fiana be míenye Yehowa Ðasefo kpɔdzidzɔ siwo doa vevie nua? Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedeasia, Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli, kple eƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ koŋ ŋue míaƒe kokoƒoƒowo kuna ɖoa? Ele be nu siawo naxɔ nɔƒe vevitɔ le míaƒe gbedodoɖawo me, abe ale si wòdze le Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa mee ene. Edze gbedodoɖa ma gɔme be: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ. Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.”—Mat. 6:9, 10.

13, 14. Nu kawoe míaƒe gbedodoɖawo ɖena fiana le mía ŋu?

13 Gbe siwo míedona ɖa na Mawu la ɖea nu siwo ʋãa mí míewɔa nu, nu siwo me míetsɔa ɖe le, kple nu siwo dzroa mí la fiana. Yehowa nya ame si ƒomeviwo míenye le ememe. Lododowo 17:3 gblɔ be: “Sonu li ɖe klosalo ŋu, eye kpo li ɖe sika ŋu; ke Yehowa doa dziwo kpɔna.” Mawu kpɔa nu siwo le míaƒe dzi me. (1 Sam. 16:7) Enya ale si míesena le mía ɖokuiwo me ɖe míaƒe kpekpewo, míaƒe subɔsubɔdɔa, kple míaƒe gbɔgbɔmenɔviwo ŋu. Yehowa nya ale si míebua Kristo ‘nɔviwoe.’ (Mat. 25:40) Enyana nenye be nu siwo míedoa gbe ɖa biana la nye míaƒe dzimedidi ŋutɔŋutɔwo loo alo nye nyagbugbɔgblɔ dzrowo ko. Yesu gblɔ be: “Ne miele gbe dom ɖa la, miganɔ nya ɖeka mawo ke gbɔgblɔ dzi, abe ale si dukɔwo me tɔwo wɔna ene o, elabena wosusuna [vodadatɔe] be, le yewoƒe nya geɖe gbɔgblɔ ta la, woaɖo to yewo.”—Mat. 6:7.

14 Nya siwo míegblɔna le míaƒe gbedodoɖawo me la ɖena ale si gbegbe míeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu la hã fiana. David gblɔ be: “[Yehowa,] ènye sitsoƒe nam kple xɔ tsrala sesẽ le futɔ la ŋku me. Medi be, manɔ wò agbadɔ me tegbee, eye mabe ɖe wò aʋala te.” (Ps. 61:4, 5) Ne Mawu ‘keke eƒe agbadɔ la ɖe mía dzi’ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, míenɔa dedie, eye wòléa be na mí hekpɔa mía ta. (Nyaɖ. 7:15) Aleke gbegbe wòfaa akɔ na míe nye esi be míetena ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me kple kakaɖedzi be ‘eli kpli mí’ le míaƒe xɔse ƒe dodokpɔ ɖe sia ɖe me!—Mixlẽ Psalmo 118:5-9.

15, 16. Nu kae gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ adze sii ku ɖe didi si le mía me be subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwo nasu mía si la ŋu?

15 Gbedodoɖa na Yehowa anukwaretɔe tso míaƒe dzimedidiwo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nyateƒea ku ɖe wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi míedi ɖokuibɔbɔtɔe be míakpe ɖe mía nɔviwo ŋu ahawɔ míaƒe ŋutetewo katã hena Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ tae míedi vevie be míanɔ agbanɔamedzinɔƒe le Mawu ƒe amewo dome ɖoa? Alo ɖe wòate ŋu anye be esi míedi be míanɔ “nɔƒe gbãtɔ” alo kura gɔ̃ hã be ‘míaɖu aƒetɔ ɖe wo dzi’ taea? Menye aleae wòle be wòanɔ le Yehowa ƒe amewo dome o. (Mixlẽ 3 Yohanes 9, 10; Luka 22:24-27.) Ne dzodzro siwo mesɔ o ye le mía me la, gbedodoɖa na Yehowa Mawu anukwaretɔe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ wo adze sii, eye wòana míawɔ asitɔtrɔwo hafi woahayi ke ƒo ge ɖe to ɖe mía me.

16 Didi vevi ate ŋu anɔ srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo me be yewo srɔ̃wo nazu subɔsubɔdɔwɔlawo, eye ɖewohĩ be woava nye dzikpɔlawo alo hamemetsitsiwo gɔ̃ hã. Nɔvinyɔnu siawo ate ŋu awɔ nu wòawɔ ɖeka kple woƒe didi siwo woɖe gblɔ le gbe siwo woawo ŋutɔwo ɖeɖe do ɖa na Mawu la me, to ale si woadze agbagba aɖo kpɔɖeŋu nyui le agbenɔnɔ me. Esia le vevie, elabena srɔ̃ŋutsu ƒe ƒomea me tɔwo ƒe nyagbɔgblɔwo kple agbenɔnɔ kpɔa ŋusẽ ɖe ale si wobunɛ le hamea me la dzi.

Ne Míele Ame Bubuwo Teƒe Le Gbe Dom Ða

17. Nu ka tae wònyo be míaɖe vovo ne míedi be míawo ɖeɖe míado gbe ɖa?

17 Zi geɖe la, Yesu ɖea vovo tso amehawo gbɔ ale be eya ɖeɖe yina ɖadoa gbe ɖa na Fofoa. (Mat. 14:13; Luka 5:16; 6:12) Ehiã be míawo hã míaɖe vovo ado gbe ɖa nenema ke. Ne míedoa gbe ɖa le tomefafa me la, ate ŋu ana míawɔ nyametsotso siwo adze Yehowa ŋu siwo ade mía dzi wu le esubɔsubɔ me. Ke hã, Yesu do gbe ɖa le dutoƒo ɣeaɖewoɣi hã, eye enyo be míade ŋugble tso ale si míate ŋu awɔ esia le mɔ si sɔ nu la ŋu.

18. Nu siwo wòle be wòanɔ susu me na nɔviŋutsuwo ne wole hamea teƒe le gbe dom ɖa la dometɔ aɖewo ɖe?

18 Le míaƒe kpekpewo me la, ŋutsu nuteƒewɔlawo nɔa hamea teƒe doa gbe ɖa le dutoƒo. (1 Tim. 2:8) Ele be míaƒe haxɔsetɔwo nate ŋu agblɔ “amen,” si gɔmee nye “nenɔ alea,” le gbedodoɖa mawo ƒe nuwuwu. Gake hafi woate ŋu agblɔ esia la, ele be woada asi ɖe nya siwo wogblɔ le gbedodoɖawo me la dzi. Yesu megblɔ nya ɖefuname aɖeke le eƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa la me o, eye meƒo nu ŋumaɖɔɖotɔe hã o. (Luka 11:2-4) Gawu la, meyɔ eƒe nyaselawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nu hiahiãwo kple kuxiwo katã ɖekaɖeka o. Esɔ be míaƒo nu tso mía ŋutɔwo míaƒe nyawo ŋu ne míawo ɖeɖe míele gbe dom ɖa, ke menye le gbe siwo míedona ɖa le dutoƒo la me o. Eye ne míele ƒuƒoƒo aɖe teƒe le gbe dom ɖa la, ele be míakpɔ egbɔ be míeʋu go nya ɣaɣlawo o.

19. Aleke wòle be míawɔ nui ne ame aɖe le mía teƒe le gbe dom ɖa le dutoƒo?

19 Ne ame aɖe le mía teƒe le gbe dom ɖa le dutoƒo la, ehiã be míaɖe ‘mawuvɔvɔ̃’ afia. (1 Pet. 2:17) Nuwɔna aɖewo asɔ woate ŋu awɔ le ɣeyiɣi aɖewo me le teƒe bubu aɖewo ya, gake womasɔ be woawɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me o. (Nyagb. 3:1) Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be ame aɖe di be ame siwo katã le ƒuƒoƒo aɖe me la natsɔ abɔ aku abɔ na wo nɔewo alo alé wo nɔewo ƒe asi ne wole gbe dom ɖa. Ðewohĩ esia wɔwɔ ate ŋu aɖe fu na nɔvi aɖewo kple kpekpea vala siwo menye míaƒe haxɔsetɔwo o, alo ahe woƒe susu. Srɔ̃tɔ aɖewo ate ŋu alé wo nɔewo ƒe asi le ŋuɖɔɖo me ya, gake ne wokpla asi kɔ na wo nɔewo esime gbedodoɖaa le edzi yim la, ate ŋu azu nukikli na ame siwo kpɔ wo flui la. Ðewohĩ awɔ na wo be srɔ̃tɔawo tsɔ woƒe susu ɖo wo nɔewo dome lɔlɔ̃ la ŋu, ke menye bubu deto dede Yehowa ŋu o. Eya ta be míade bubu deto Yehowa ŋu la, mina ‘míawɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu,’ eye míaƒo asa na nuwɔna siwo ate ŋu ahe amewo ƒe susu, aɖe fu na wo alo azu nukikli na wo.—1 Kor. 10:31, 32; 2 Kor. 6:3.

Nu Kae Míado Gbe Ða Abia?

20. Aleke nàɖe Romatɔwo 8:26, 27 mee?

20 Ate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi be míanya nya si míagblɔ le gbe siwo mía ŋutɔwo míedona ɖa la me o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nu si wòle be míado gbe ɖa abia, abe ale si wòhiã be míawɔe ene la, míenyae o, gake gbɔgbɔ la ŋutɔ xɔa míaƒe ŋeŋe siwo míeɖe gblɔ o la, ɖe akɔ. Ke hã, [Mawu] ame si dzroa dziwo me kpɔ la nya gbɔgbɔ la ƒe taɖodzinu.” (Rom. 8:26, 27) Yehowa na woŋlɔ gbedodoɖa geɖe ɖi ɖe Ŋɔŋlɔawo me. Exɔa kukuɖeɖe mawo siwo tso gbɔgbɔ me la be wonye nu siwo míadi be míabia, eye le esia ta ewɔa wo na mí. Mawu nya mí, eye wònya gɔmesese si le nya siwo wòna eƒe gbɔgbɔa gblɔ to Biblia ŋlɔlawo dzi la si hã. Yehowa sea míaƒe kokoƒoƒowo ne gbɔgbɔ la ‘xɔ’ míaƒe nya ɖe ‘akɔ’ alo ɖe kuku ɖe mía ta. Gake ne míeva le Mawu ƒe Nya la nyam nyuie wu la, nu siwo wòle be míado gbe ɖa abia la ava susu me na mí bɔbɔe wu.

21. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

21 Abe ale si míesrɔ̃e ene la, míaƒe gbedodoɖawo ɖea nu geɖe fiana le mía ŋu. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu aɖe ale si gbegbe mía kple Yehowa dome le kplikplikpli kple ale si gbegbe míenya eƒe Nya lae afia. (Yak. 4:8) Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro gbedodoɖa kple nya aɖewo siwo ame aɖewo gblɔ siwo me mawuvɔvɔ̃ dze le siwo le Biblia me la me. Ŋusẽ kae Ŋɔŋlɔawo me dzodzro alea ate ŋu akpɔ ɖe ale si míedoa gbe ɖae na Mawu la dzi?

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nɔnɔme kae wòle be míaɖe afia ne míele gbe dom ɖa na Yehowa?

• Nu ka tae wòle be míado gbe ɖa ɖe míaƒe haxɔsetɔwo ta?

• Nu kawoe míaƒe gbedodoɖawo ate ŋu aɖe afia le mía ŋutɔwo kple míaƒe dzimedidiwo ŋu?

• Aleke wòle be míawɔ nui ne ame aɖe le mía teƒe le gbe dom ɖa le dutoƒo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Ðe nèkafua Yehowa hedaa akpe nɛ edziedzia?

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Ele be míaƒe nuwɔna nade bubu Yehowa ŋu ɣesiaɣi si ame aɖe le mía teƒe le gbe dom ɖa le dutoƒo